Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Sɔhɛwo, Miɖo Ŋku Mia Wɔla Gã La Dzi Fifia

Sɔhɛwo, Miɖo Ŋku Mia Wɔla Gã La Dzi Fifia

Sɔhɛwo, Miɖo Ŋku Mia Wɔla Gã La Dzi Fifia

“Ðo ŋku wɔwòla dzi le wò ɖekakpuiŋkekewo me.”—NYAGB. 12:1.

1. Aleke Yehowa ɖe ale si wòka ɖe esubɔla sɔhɛwo dzi la gblɔ?

YEHOWA bua sɔhɛ Kristotɔwo be woxɔ asi ŋutɔ, eye wole abe zãmu siwo naa dzidzeme ame ene. Le nyateƒe me la, egblɔ ɖi be le ye Vi ƒe “aʋakpegbe” la, sɔhɛ ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa ‘atsɔ wo ɖokuiwo ake’ hena Kristo ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ. (Ps. 110:3) Nyagblɔɖi sia ava eme le ɣeyiɣi aɖe si me ame akpa gãtɔ anye mawumavɔ̃lawo, ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, kple tomaɖolawo. Ke hã, Yehowa nyae be sɔhɛ siwo subɔa ye la ato vovo. Aleke gbegbee wòka ɖe mi nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu sɔhɛwo dzie nye esi!

2. Nu kae wòbia be woaɖo ŋku Yehowa dzi?

2 Kpɔ ale si gbegbe dzi dzɔa Mawu ne ekpɔ sɔhɛwo le ŋku ɖom edzi abe wo Wɔla Gã la ene la ɖa. (Nyagb. 12:1) Le nyateƒe me la, ŋkuɖoɖo Yehowa dzi bia nu geɖe wu nana be wòanɔ susu me na ame ko. Ebia afɔ aɖewo ɖeɖe—si nye be míanɔ nu si doa dzidzɔ nɛ wɔm ahana be eƒe sewo kple gɔmeɖosewo nafia mɔ mí le míaƒe agbenɔnɔ me gbe sia gbe. Ebia hã be míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu esi míenyae be nu si nye nyuitɔ kekeakee wòdina na mí ta. (Ps. 37:3; Yes. 48:17, 18) Nenemae nèsena le ɖokuiwò me ku ɖe Wɔwòla Gã la ŋua?

Ðo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu Tso Dzi Blibo Me”

3, 4. Aleke Yesu ɖe ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu fiae, eye nu ka tae wòle vevie be míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu egbea?

3 Le nyateƒe me la, ame si ɖo kpɔɖeŋu nyuitɔ ɖi le ŋuɖoɖo ɖe Mawu ŋu mee nye Yesu Kristo. Enɔ agbe ɖe Lododowo 3:5, 6 me nyawo nu. Míexlẽ le afi ma be: “Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, ke megaɖo dzi ɖe wò gɔmesese ŋu o. Lé ŋku ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi, ekema ata mɔ na wò.” Le Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ vɔ megbe teti la, Satana te ɖe eŋu hedze agbagba tee kpɔ be yeana wòalɔ̃ axɔ xexea me ƒe ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe. (Luka 4:3-13) Mete ŋu flu Yesu o. Yesu nyae be ‘ɖokuibɔbɔ kple Yehowa vɔvɔ̃ mee kesinɔnu, bubu kple agbe vavã tsona.’—Lod. 22:4.

4 Egbexexea yɔ fũu kple ŋuklẽlawo kple ɖokuitɔdilawo. Esi wònye ame siawo domee míele ta la, nunya anɔ eme be míadze Yesu ƒe kpɔɖeŋua yome. Nenɔ susu me na wò hã be Satana awɔ nu sia nu si wòate ŋui be yeaɖe Yehowa subɔlawo ɖa le mɔ xaxɛ si kplɔa ame yia agbe me la dzi. Edi be yeana amewo katã nazɔ mɔ gbadza si kplɔa ame yia tsɔtsrɔ̃ me la dzi. Mègana wòable wò o! Ke boŋ ɖoe kplikpaa nàɖo ŋku Wɔwòla Gã la dzi. Ðo ŋu ɖe eŋu bliboe eye wò asi asu “agbe vavã,” si ŋu kakaɖedzi le si tu aƒe la, dzi.—1 Tim. 6:19.

Sɔhɛwo, Midze Nunya!

5. Aleke nèsena le ɖokuiwò me ku ɖe xexe sia ƒe etsɔme ŋu?

5 Sɔhɛ siwo ɖoa ŋku wo Wɔla Gã la dzi la tsi wu woƒe ƒe le nunya gome. (Xlẽ Psalmo 119:99, 100.) Esi wònye be Mawu ƒe nukpɔsusu le wo si ta la, wonyae nyuie be eteƒe madidi o xexe sia nu ava yi. Le ƒe ʋɛ siwo mi sɔhɛwo mietsɔ nɔ agbee me gɔ̃ hã la, mianya de dzesii godoo be vɔvɔ̃ kple dzimaɖitsitsi dzi ɖe edzi. Ne sukuvie nègakpɔtɔ nye la, anɔ eme godoo be èsea nu tso ɖiƒoƒoyame, xexea me ƒe dzoxɔxɔ, avenyigbawo tsɔtsrɔ̃, kple bubuawo ŋu. Ame geɖewo tsia dzi ɖe nu siawo ŋu vevie, gake Yehowa Ðasefowo koe se egɔme bliboe be nu siawo katã nye dzesi, siwo ɖee fia be míele Satana ƒe xexea ƒe nuwuɣia la, ƒe akpa aɖe.

6. Aleke woble sɔhɛ aɖewoe?

6 Nublanuitɔe la, sɔhɛ Mawu subɔla aɖewo ɖe ŋu ɖi eye woɖe mɔ woƒe ŋku dzo le nyateƒe si wònye be ɣeyiɣi kpui aɖe koe susɔ na xexe sia la dzi. (2 Pet. 3:3, 4) Hadede vɔ̃wo kple amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ ble wo dometɔ aɖewo de nu vɔ̃ gãwo wɔwɔ me. (Lod. 13:20) Nublanuinya kae nye esi wòanye be míana Mawu nagakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu fifia o esi nuwuwua tu aƒe alea gbegbe! Le esia ta la, mina míasrɔ̃ nu tso nu si dzɔ ɖe Israel viwo dzi le ƒe 1473 D.M.Ŋ. me esime woƒu asaɖa anyi ɖe Moab Tagba le Ŋugbedodonyigba la ƒe liƒo dzi tututu la me. Nu kae dzɔ le afi ma?

Wona Ta Esi Wòsusɔ Vie Woaɖo Woƒe Taɖodzinua Gbɔ

7, 8. (a) Ayemɔ kae Satana zã le Moab Tagba? (b) Ayemɔ ka zãmee Satana le egbea?

7 Ɣemaɣi la, edze ƒãa be Satana di be yeaxe mɔ na Israel viwo be domenyinu si ƒe ŋugbe wodo na wo la nagasu wo si o. Esi Satana dze agbagba be yeana nyagblɔɖila Bileam naƒo fi ade wo do kpoe vɔ la, eto ayemɔ aɖe dzi be yeana be woagadze na Yehowa ƒe yayrawo xɔxɔ o. Wozã Moab nyɔnu siwo blea ŋutsuwo nu la tsɔ flu woe, eye le ɣeyiɣi sia me la, Abosam kpɔ dzidzedze aɖe si nu. Ale dukɔ la te agbe gbegblẽ nɔnɔ kple Moab nyɔnuviwo eye wode ta agu na Baal-Peor. Togbɔ be Israel viwo gogo woƒe domenyinu xɔasi si nye Ŋugbedodonyigbaa hã la, wo dometɔ 24,000 sɔŋ bu woƒe agbe. Afɔku gã kae nye esi dzɔ!—4 Mose 25:1-3, 9.

8 Egbea la, míele ŋugbedodonyigba si nyo wu la gogom kabakaba—eyae nye nuɖoanyi yeyea. Abe ale si Satana wɔnɛ ene la, egale gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ zãm tsɔ le nu gblẽm le Mawu ƒe amewo ŋu. Agbe nyui nɔnɔ ƒe dzidzenuwo yi to le xexea me ale gbegbe be wobua agbe gbegblẽ nɔnɔ be naneke megblẽ le eŋu o, eye wobua ŋutsu kple ŋutsu ƒe gbɔdɔdɔ be enye ame ŋutɔ ƒe nyametsotso. Nɔvinyɔnu Kristotɔ aɖe gblɔ be: “Aƒe me kple Fiaɖuƒe Akpata me koe vinyewo srɔ̃nɛ le be ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe gbɔdɔdɔ, alo gbɔdɔdɔ le srɔ̃ɖeɖea godo nye nu gbegblẽ le Mawu ŋkume.”

9. Nu kae ate ŋu adzɔ le “sɔhɛnyenye me,” eye aleke sɔhɛwo ate ŋu anɔ te ɖe enui?

9 Sɔhɛ siwo ɖoa ŋku wo Wɔla Gã la dzi nyae be nunana kɔkɔe si do ƒome kple agbe kple vidzidzi ye gbɔdɔdɔ nye. Eya ta wonyae be abe ale si Mawu ɖoe ene la, srɔ̃tɔwo koe wòle na be woakpɔ gome le gbɔdɔdɔ me. (Heb. 13:4) Ke hã, ate ŋu asesẽ ŋutɔ be woalé agbe dzadzɛ nɔnɔ me ɖe asi le “sɔhɛnyenye,” si nye ɣeyiɣi si me gbɔdɔdɔ ƒe seselelãme nu sẽna ɖe ame me eye wòtea ŋu naa ame wɔa nyametsotso si mesɔ o, me. (1 Kor. 7:36) Nu kae nàte ŋu awɔ ne èva le nu manyomanyowo ŋu bum? Do gbe ɖa na Yehowa vevie be wòakpe ɖe ye ŋu yeƒe susu nanɔ nu dzadzɛwo ŋu. Yehowa ɖoa to ame siwo doa gbe ɖa nɛ tso dzi blibo me la ɣesiaɣi. (Xlẽ Luka 11:9-13.) Dzeɖoɖo tuameɖowo hã ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaƒe susu nagatrɔ ɖe nu nyuiwo ŋu.

Tia Wò Taɖodzinuwo Nunyatɔe!

10. Nuŋububu manyomanyo kae míadi be míatsri, eye nya kawoe míate ŋu abia mía ɖokuiwo?

10 Susu siwo ta sɔhɛ siwo le xexea me dometɔ geɖe meɖua wo ɖokuiwo dzi o eye woƒoa wo ɖokuiwo ɖe ŋutilãmevivisese me vĩi dometɔ aɖee nye be Mawu ƒe mɔfiame alo etsɔmemɔkpɔkpɔ si ŋu kakaɖedzi le aɖeke mele wo si o. (Lod. 29:18) Wole abe Israel vi mavɔ̃mawu siwo nɔ anyi le Yesaya ƒe ŋkekea me siwo ƒe nu vevitɔ le agbe me koe nye “agbeɖuɖu kple dzidzɔkpɔkpɔ” kpakple ‘lãɖuɖu kple wainnono’ la ene. (Yes. 22:13) Le esi nànɔ ŋu ʋãm ame siawo tɔgbi la, ɖe manyo ŋutɔ be nànɔ ŋugble dem tso mɔkpɔkpɔ xɔasi si Yehowa tsɔ ɖo esubɔla wɔnuteƒewo ŋkume la ŋu oa? Ne sɔhɛ Mawu subɔlae nènye la, ɖe nèle mɔ kpɔm vevie na xexe yeyea? Ðe nèdzea agbagba ɖe sia ɖe ‘nɔa agbe le ŋuɖɔɖo me, esime nèle dzidzɔmɔkpɔkpɔ,’ si Yehowa tsɔ ɖo ŋkuwòme la lalama? (Tito 2:12, 13) Ale si nàɖo nya siawo ŋui akpɔ ŋusẽ ɖe nu siwo nètsɔ ɖoa nɔƒe gbãtɔ le wò agbe me la dzi.

11. Nu ka tae wòle be sɔhɛ Kristotɔ siwo gakpɔtɔ le suku dem nawɔ dɔ kutrikukutɔe?

11 Xexea dina be sɔhɛwo nazã woƒe ŋusẽ katã ɖe ŋutilãmetaɖodzinuwo ŋu. Esɔ be mia dometɔ siwo gakpɔtɔ le suku dem la miadze agbagba asrɔ̃ agbalẽ nyuie. Ðo ŋku edzi be menye be nàkpɔ dɔ nyui aɖe awɔ ko tae nèle suku dem ɖo o, ke boŋ be nànye Fiaɖuƒegbeƒãɖela kpɔdzidzedze kple ŋudɔwɔnu nyui aɖe na hamea hã tae. Esia abia be nànye ame si nya dzeɖoɖo nyuie, ame si bua tame hewɔa nyataƒoƒo si sɔ, kple ame si dea ŋugble kple amewo dzigbɔɖitɔe le bubudeameŋu me. Ke hã, sɔhɛ siwo srɔ̃a Biblia eye wodzea agbagba be yewoatsɔ Biblia me gɔmeɖosewo ade dɔwɔwɔ me la xɔa hehe nyuitɔ kekeake si li, eye woɖoa gɔmeɖoanyi nyui ɖi hena etsɔme mavɔ kpɔdzidzedze.—Xlẽ Psalmo 1:1-3. *

12. Kpɔɖeŋu kae wòanyo be Kristotɔwo ƒe ƒomewo nasrɔ̃?

12 Le Israel la, dzilawo bua nufiafia wo viwo nu vevii. Nufiafia ma lɔa agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa kloe ɖe eme, vevietɔ nu siwo ku ɖe Mawu subɔsubɔ ŋu. (5 Mose 6:6, 7) Eya ta, tsɔ kpe ɖe sidzedze ŋu la, nunya, gɔmesese, nugɔmesese kple tamebubuŋutete—siwo nye nɔnɔme siwo mebɔ o si mawumenufiafia tea ŋu nana wòsua ame si—sua Israel sɔhɛ siwo ɖoa to wo dzilawo kple ame tsitsi mawuvɔ̃la bubuwo la si. (Lod. 1:2-4; 2:1-5, 11-15) Ele be Kristotɔwo ƒe ƒome siwo li egbea hã natsɔ ɖe le nufiafia wo viwo me nenema ke.

Ðo To Ame Siwo Lɔ̃ Wò

13. Aɖaŋu ka ƒomeviwoe woɖona na sɔhɛ aɖewo, eye nu ka tae wòle be woaɖɔ ŋu ɖo?

13 Sɔhɛwo xɔa aɖaŋuɖoɖo tso ame vovovowo gbɔ—wo dometɔ aɖewoe nye sukuɖaŋuɖolawo, ame siwo tsia dzi ɖe dzidzedzekpɔkpɔ le xexea me ko ŋu. Taflatsɛ, do gbe ɖa nàda aɖaŋuɖoɖo mawo katã kpɔ be wosɔ kple Mawu ƒe Nya la kpakple gbɔgbɔmenuɖuɖu si kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela ƒe ha la nana mahã. To wò Biblia sɔsrɔ̃ me la, èva de dzesii be sɔhɛwo kple ame siwo si nuteƒekpɔkpɔ boo mesu o koŋue Satana tɔa ŋkui. Le kpɔɖeŋu me, le Eden bɔa me la, Xawa si si nuteƒekpɔkpɔ boo menɔ o la ɖo to Satana, ame tutɔ si meɖe lɔlɔ̃ aɖeke fiae kpɔ o la. Aleke gbegbe emetsonuawo anyo wui nye esi nenye ɖee wòɖo to Yehowa, ame si ɖe lɔlɔ̃ fiae le mɔ geɖewo nu la, ƒe gbe!—1 Mose 3:1-6.

14. Nu ka tae wòle be míaɖo to Yehowa kple mía dzila xɔsetɔwo siaa?

14 Wɔwòla Gã la lɔ̃ wò hã, eye susu nyuiwo sɔŋ ko tae wòlɔ̃a wò ɖo. Edi be nàkpɔ dzidzɔ tegbee, ke menye fifia ko o! Eya tae wògblɔ na mia kple ame siwo katã subɔnɛ la abe dzila lɔ̃ame si léa be na ame ene be: “Mɔ la enye si, mito edzi!” (Yes. 30:21) Ne dziwòlawo nye xɔsetɔ siwo lɔ̃a Yehowa vavã la, ekema eganye yayra bubu aɖe na wò. Ðo to woƒe aɖaŋuɖoɖowo bubutɔe ne èle nya me tsom ku ɖe nu siwo nàɖo nɔƒe gbãtɔ kple wò taɖodzinuwo ŋu. (Lod. 1:8, 9) Nu si ko dim wole na wòe nye be nàkpɔ agbe, si nye nane si xɔ asi boo wu kesinɔnuwo alo ŋkɔxɔxɔ le xexe sia me.—Mat. 16:26.

15, 16. (a) Kakaɖedzi kae ate ŋu anɔ mía si ɖe Yehowa ŋu? (b) Nu vevi kae míesrɔ̃ tso nu siwo me Barux to la me?

15 Ame siwo ɖoa ŋku wo Wɔla Gã la dzi la nɔa agbe tsɛ hekana ɖe edzi be Yehowa maɖe asi le yewo ŋu “gbeɖe o,” eye magblẽ yewo ɖi “akpɔ o.” (Xlẽ Hebritɔwo 13:5.) Esi nɔnɔme nyui siawo tsi tsitre ɖe xexea ƒe nukpɔsusu ŋu ta la, ele be míakpɔ nyuie be míagaɖe mɔ xexea ƒe gbɔgbɔ nakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi o. (Ef. 2:2) Le go sia me la, bu Yeremiya ƒe agbalẽŋlɔla Barux, ame si nɔ agbe le Yerusalem ƒe ŋkeke mamlɛ sesẽ siwo wu enu kple dua tsɔtsrɔ̃ le ƒe 607 D.M.Ŋ. me la, ƒe ŋutinya ŋu kpɔ.

16 Ðewohĩ Barux di be yeaƒo kesinɔnuwo nu ƒu na ye ɖokui. Yehowa de dzesi nɔnɔme ma, eye wòxlɔ̃ nu Barux dɔmenyotɔe be megayi ‘nu gãwo’ didi dzi o. Barux bɔbɔ eɖokui hewɔ nu nunyatɔe, elabena eɖo to Yehowa, eye wòtsi agbe esime wova tsrɔ̃ Yerusalem. (Yer. 45:2-5) Le go bubu me la, eteƒe medidi o, Kaldeatɔwo (Babilontɔwo) ha Barux ŋɔlimetɔ siwo di ‘nu gãwo’ le ŋutilãmenuwo gome eye wotutu Yehowa ɖo nɔƒe evelia la ƒe nuwo katã esime wova tsrɔ̃ dua. Ame geɖewo hã bu woƒe agbe. (2 Kron. 36:15-18) Nu si me Barux to na míekpɔe be ƒomedodo nyui me nɔnɔ kple Mawu le vevie wu kesinɔnuwo kple ŋkɔxɔxɔ le xexe sia me.

Srɔ̃ Ame Siwo Ðo Kpɔɖeŋu Nyuiwo Ði La

17. Nu ka tae Yesu, Paulo, kple Timoteo nye kpɔɖeŋu nyuiwo na Yehowa subɔlawo egbea?

17 Woŋlɔ ame siwo ɖo kpɔɖeŋu nyuiwo ɖi la ƒe ŋutinyawo ɖe Mawu ƒe Nya la me be wòakpe ɖe mía ŋu le agbemɔa dzi zɔzɔ me. Le kpɔɖeŋu me, Yesue nye amegbetɔ si si dzɔdzɔmeŋutete nɔ wu, ke hã, nu si aɖe vi na amewo tegbee—“Mawu fiaɖuƒe ŋuti nya nyui la”—dzi koŋue eƒe susu nɔ. (Luka 4:43) Apostolo Paulo ɖe asi le ŋutilãmedɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ gã aɖe ŋu, eye wòzã eƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ tsɔ ɖe gbeƒã nya nyuia bene yeate ŋu atsɔ yeƒe nu nyuitɔwo ana Yehowa. Timoteo, si nye ‘vi vavã le xɔse la me,’ srɔ̃ Paulo ƒe kpɔɖeŋu. (1 Tim. 1:2) Ðe tiatia si Yesu, Paulo, kple Timoteo wɔ le agbe me la va ve wo emegbea? Kura o! Le nyateƒe me la, Paulo gblɔ be yebu nu siwo le xexea si wòana la be wonye “gbeɖuɖɔ dzro aɖe ko” ne wotsɔ wo sɔ kple mɔnukpɔkpɔ si su esi be wòasubɔ Mawu la.—Fp. 3:8-11.

18. Tɔtrɔ gã kawoe nɔviŋutsu ɖekakpui aɖe wɔ, eye nu ka tae mevee be yewɔ tɔtrɔ mawo o?

18 Sɔhɛ Kristotɔ geɖewo srɔ̃a Yesu, Paulo, kple Timoteo ƒe xɔse egbea. Le kpɔɖeŋu me, nɔviŋutsu ɖekakpui aɖe si si dɔ gbagbe aɖe nɔ la gblɔ be: “Esi menɔa agbe ɖe Biblia me gɔmeɖosewo nu ta la, medidi hafi wodom ɖe ŋgɔ le dɔ me o. Togbɔ be mekpɔ ga geɖe hã la, mese le ɖokuinye me be menɔ dagbadagbam ɖe yame. Esi mete ɖe dɔwɔƒea ƒe amegãwo ŋu hegblɔ na wo be medi be mawɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa la, wogblɔ enumake be yewoada ɖe nye fetu dzi kple susu be makpɔtɔ anɔ dɔa me. Gake metso nya me xoxo. Ame geɖe mete ŋu se nu si tae meɖe asi le dɔ nyui ma ŋu hezu ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla la gɔme o. Nya si metsɔ ɖoa eŋu na woe nye be, medi be manɔ agbe ɖe adzɔgbe si meɖe na Mawu la nu. Esi wònye be gbɔgbɔmenuwo va xɔ nɔƒe vevitɔ le nye agbe me fifia ta la, mekpɔa dzidzɔ kple dzidzeme aɖe si nu, si ga agbɔsɔsɔme alo ŋkɔxɔxɔ aɖeke mate ŋu anam o.”

19. Tiatia si me nunya le kae wode dzi ƒo na sɔhɛwo be woawɔ?

19 Le xexea me godoo la, sɔhɛ akpe geɖewo wɔ nyametsotso sia tɔgbi. Eya ta, sɔhɛwo, ne miele ŋugble dem tso miaƒe etsɔme ŋu la, mina Yehowa ƒe ŋkekea nanɔ susu me na mi vevie. (2 Pet. 3:11, 12) Migaʋã ŋu ame siwo le dzidzedze kpɔm le ŋutilãmenuwo gome le xexe sia me o. Ke boŋ miɖo to ame siwo lɔ̃ mi vavã la boŋ. ‘Nu xɔasiwo nu ƒoƒo ƒu ɖe dziƒo’ ye nye nuwo dzadzraɖo si ko ŋu kakaɖedzi le kple esi hea viɖe mavɔwo vanɛ. (Mat. 6:19, 20; Xlẽ 1 Yohanes 2:15-17.) Ɛ̃, ɖo ŋku Wɔwòla Gã la dzi fifia. Ne èwɔe alea la, Yehowa ayra wò geɖe.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 11 Kpɔ Gbetakpɔxɔ, October 1, 2005, axa 26-31, hena numeɖeɖe ku ɖe suku kɔkɔ dede kple dɔwɔɖui ŋu.

Àte Ŋu Aɖo Ŋku Wo Dzia?

• Aleke míeɖoa ŋu ɖe Mawu ŋui?

• Nu kae nye hehe nyuitɔ kekeake?

• Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Barux ƒe ŋutinya me?

• Ame kawo ƒe kpɔɖeŋu nyuiwoe míate ŋu asrɔ̃, eye nu ka tae?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata siwo le axa 13]

Yehowa naa hehe nyuitɔ kekeake mí

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Barux ɖo to Yehowa eye wòtsi agbe esime wotsrɔ̃ Yerusalem. Nu kae nàte ŋu asrɔ̃ tso kpɔɖeŋu sia me?