Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Srɔ̃ɖeɖe Kple Dzilanyenye Le Nuwuɣi Sia Me

Srɔ̃ɖeɖe Kple Dzilanyenye Le Nuwuɣi Sia Me

Srɔ̃ɖeɖe Kple Dzilanyenye Le Nuwuɣi Sia Me

“Ɣeyiɣi vi aɖe koe susɔ.”—1 KOR. 7:29.

1. (a) Tɔtrɔ kawoe le vavam egbea siwo nye nɔnɔme siwo “me nɔnɔ sesẽ” la dometɔ aɖewo? (b) Nu ka tae tɔtrɔ siwo le ƒomegbenɔnɔ me vam la ka mí?

MAWU ƒe Nya la gblɔe ɖi be aʋawɔwɔwo, anyigbaʋuʋuwo, dɔwuamewo, kple dɔvɔ̃wo ade dzesi nuɖoanyi sia ƒe “nuwuɣi.” (Dan. 8:17, 19; Luka 21:10, 11) Biblia na nyanya mí hã be hadometɔtrɔ gãwo ava le ɣeyiɣi vevi sia me le ameƒomea ƒe ŋutinya me. Ƒomegbenɔnɔ me zitɔtɔwo anye nu siwo ana nuwo ‘asesẽ’ le “ŋkeke mamlɛawo” me la dometɔ ɖeka. (2 Tim. 3:1-4) Nu ka tae tɔtrɔ siawo ka mí? Elabena wokeke ta eye wo nu sẽ ale gbegbe be woate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ale si Kristotɔ siwo li egbea bua srɔ̃ɖeɖe kple dzilanyenyee la dzi. Le mɔ ka nu?

2. Aleke ame siwo le xexea me la dometɔ akpa gãtɔ bua srɔ̃ɖeɖe kple srɔ̃gbegbee?

2 Le egbeŋkeke siawo me la, amewo tea ŋu gbea srɔ̃ bɔbɔe, srɔ̃gbegbe bɔ le afi sia afi, eye dzidzim ɖe edzi koe wòle le dukɔ geɖewo me. Gake ele be wòanɔ susu me na mí be nukpɔsusu si le Yehowa Mawu si ku ɖe srɔ̃ɖeɖe kple srɔ̃gbegbe ŋu la to vovo kura tso esi dzi ame akpa gãtɔ da asi ɖo le xexe si ƒo xlã mí me. Ke nu kae nye Yehowa ƒe nukpɔsusu?

3. Aleke Yehowa kple Yesu Kristo bua srɔ̃ɖeɖee?

3 Yehowa Mawu kpɔa mɔ be srɔ̃tɔwo nayi edzi awɔ ɖe woƒe srɔ̃ɖetamkaka la dzi. Esi Yehowa te ŋutsu kple nyɔnu gbãtɔ ƒo ƒu wozu srɔ̃tɔwo la, egblɔ be, ‘ŋutsu aku ɖe srɔ̃a ŋuti, eye woanye ŋutilã ɖeka.’ Yesu Kristo gbugbɔ nya mawo gblɔ eye wògblɔ kpee be: “Eya ŋuti nu si Mawu bla ɖekae la, ame aɖeke negama eme o.” Yesu gblɔ yi edzi be: “Ame sia ame si gbe srɔ̃a, ne menye le agbe gbegblẽ nɔnɔ ta o, eye wòɖe bubu la, ewɔ ahasi.” (1 Mose 2:24; Mat. 19:3-6, 9) Esia fia be Yehowa kple Yesu bua srɔ̃ɖeɖe be enye nu si anɔ anyi le srɔ̃tɔawo ƒe agbemeŋkekeawo katã me, negbe ɖee wo dometɔ ɖeka ku ko hafi. (1 Kor. 7:39) Esi srɔ̃ɖeɖe nye ɖoɖo kɔkɔe ta la, srɔ̃gbegbe nye ŋkubiãnya. Le nyateƒe me la, Mawu ƒe Nya la gblɔ be Yehowa lé fu srɔ̃gbegbe siwo mewɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo o la. *—Xlẽ Maleaxi 2:13-16; 3:6.

Srɔ̃ɖeɖe Le Mɔ Si Da Sɔ Nu

4. Nu ka tae wòva vea sɔhɛ Kristotɔ aɖewo be yewotsɔ dzitsitsi ɖe srɔ̃?

4 Xexe mavɔ̃mawu si me míele la dze gbɔdɔdɔ ƒe aɖaʋa. Gbe sia gbe la, míekpɔa gbɔdɔdɔnuwɔna gbogbo aɖewo le afi sia afi. Míate ŋu aŋe aɖaba ƒu ŋusẽ si nu siawo ate ŋu akpɔ ɖe mía dzi, vevietɔ ɖe míaƒe hamea me sɔhɛ siwo míelɔ̃ vevie la dzi o. Aleke wòle be sɔhɛ Kristotɔwo nawɔ nu ɖe ŋusẽkpɔɖeamedzi manyomanyo sia si ate ŋu anyɔ gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro siwo tsi tsitre ɖe woƒe didiwo gɔ̃ hã ŋu ɖe wo me la ŋu? Sɔhɛ aɖewo dze agbagba be yewoanɔ te ɖe nɔnɔmea nu to srɔ̃ɖeɖe kaba dzi. Wobunɛ be esia wɔwɔ akpe ɖe yewo ŋu be yewoaƒo asa na agbe gbegblẽ nɔnɔ. Gake nyametsotso si wowɔ va ve wo dometɔ geɖe le srɔ̃ɖeɖe ɣeyiɣi kpui aɖe ko megbe. Nu ka tae? Esi srɔ̃ɖeɖe ƒe gɔmedzedze me vivisesea va ɖiɖi kpɔtɔ ko la, wova kpɔe be yewo kple yewoƒe kpeɖeŋutɔa ƒe susu toa vovo le nya geɖe siwo fɔna ɖe te gbe sia gbe la me. Ðikeke mele eme o be ne edzɔ alea la, ekema kuxi gã aɖe dze ŋgɔ srɔ̃tɔ mawo.

5. Nu kae akpe ɖe srɔ̃tɔwo ŋu be woayi edzi awɔ ɖe woƒe srɔ̃ɖetamkaka la dzi? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa hã.)

5 Ame aɖe—eɖanye hati Kristotɔ gɔ̃ hã—si meva ɖo nu si nènɔ mɔ kpɔm na le srɔ̃ɖeɖe me gbɔ o ɖeɖe ate ŋu ava zu kuxi sesẽ aɖe ŋutɔ. (1 Kor. 7:28) Ke hã, aleke kee nɔnɔmea ɖasesẽe o, Kristotɔ vavãwo nyae be srɔ̃gbegbe si mewɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo o menye kuxi siwo srɔ̃ɖeɖe si me dzidzɔ mele o hena vanɛ gbɔkpɔnu si sɔ o. Eya ta edze be Kristo hamea me tɔwo nade bubu ame siwo yia edzi dzea agbagba vevie be yewoakpɔ yewoƒe srɔ̃ɖeɖea ta le esi wodi be yewoayi edzi awɔ ɖe srɔ̃ɖetamkaka la dzi ta la ŋu ahana kpekpeɖeŋu wo lɔlɔ̃tɔe. *

6. Aleke wòle be sɔhɛ Kristotɔwo nabu srɔ̃ɖeɖee?

6 Sɔhɛ si mekpɔ ɖe srɔ̃ o ye nènyea? Ne nenemae la, aleke wòle be nàbu srɔ̃ɖeɖee? Àte ŋu aƒo asa na dzigbãnya geɖe ne èlala va se ɖe esime nètsi le ŋutilã, susu, kple gbɔgbɔ me hesu te na srɔ̃ɖeɖe hafi do ŋugbe na Kristotɔ aɖe be yeaɖee. Enye nyateƒe be Ŋɔŋlɔawo meyɔ ƒe si ame axɔ hafi aɖe srɔ̃ o. * Ke hã, Biblia gblɔ be anyo be nàlala va se ɖe esime nàto sɔhɛnyenye, ɣeyiɣi si me gbɔdɔdɔ ƒe dzodzrowo nu sẽna ɖe ame me, me ado hafi. (1 Kor. 7:36) Nu ka tae? Elabena gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro si nu sẽ ate ŋu ana be màbu nuwo ŋu nyuie o, eye ana nàwɔ nyametsotso gbegblẽ siwo ava he dzigbagbã vae na wò emegbe. Ðo ŋku edzi be wò viɖe kple dzidzɔkpɔkpɔ tae Yehowa ɖo aɖaŋu nyuiwo ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu le Biblia me ɖo.—Xlẽ Yesaya 48:17, 18.

Dzila Nyui Nyenye

7. Nu kawo mee srɔ̃tɔ sɔhɛ aɖewo tona, eye nu ka tae esia ate ŋu ana kuxi naɖo srɔ̃ɖeɖea me?

7 Srɔ̃tɔ aɖewo siwo metsi hafi ɖe srɔ̃ o la dzi vi esime woawo ŋutɔwo gakpɔtɔ nye sɔhɛwo ko. Womekpɔ nya wo nɔewo nyuie hafi vi, si gbɔ wòhiãna be woakpɔ gaƒoƒo 24 gbe sia gbe la, va ge ɖe toa me o. Abe ale si wòle le dzɔdzɔme nu ene la, ne vidada ƒe susu katã va le vidzĩa ŋu la, srɔ̃ŋutsu sɔhɛa anɔ ŋu ʋãm. Gakpe ɖe eŋu la, zãdomadɔalɔ̃e ate ŋu ana srɔ̃tɔawo natsi dzimaɖi ahade vovo ge le wo ɖokuiwo me do kpoe, eye esia ate ŋu ahe kuxi sesẽwo ade wo dome. Woava kpɔe enumake be ablɔɖe boo aɖeke megale yewo si o. Fifia vovo megale wo ŋu woaɖi tsa alo awɔ nanewo abe ale si wowɔnɛ tsã ene o. Nukpɔsusu kae wòle be wòanɔ wo si ku ɖe nɔnɔme si me wova le fifia ŋu?

8. Aleke wòle be woabu dzilanyenyee, eye nu ka tae?

8 Abe ale si ko wòle be woabu srɔ̃ɖeɖe agbanɔamedzi vevi aɖee ene la, nenema kee wòle be woabu dzilanyenye hã be enye agbanɔamedzi kple mɔnukpɔkpɔ si tso Mawu gbɔ. Eɖanye tɔtrɔ kawoe vidzidzi ana wòahiã be srɔ̃tɔ Kristotɔ eve nawɔ le woƒe srɔ̃ɖeɖea me o, ele be woadze agbagba ɖe sia ɖe atsɔ agbanɔamedzi sia le mɔ si sɔ nu. Esi wònye be Yehowa ye na ŋutete amegbetɔwo be woadzi vi ta la, ehiã be dzilawo nabu vidzĩa be enye “domenyinu tso Yehowa gbɔ.” (Ps. 127:3) Vidada kple vifofo Kristotɔwo adze agbagba atsɔ woƒe agbanɔamedziwo abe dzila siwo “le Aƒetɔ la me” ene.—Ef. 6:1.

9. (a) Nu kae vihehe bia? (b) Nu kae srɔ̃ŋutsu ate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe srɔ̃a ŋu be wòanɔ gbɔgbɔmelãmesẽ me?

9 Vihehe bia be woatsɔ ame ɖokui asa vɔ hena ƒe geɖe. Ebia ɣeyiɣi kple ŋusẽ geɖe zazã. Ehiã be srɔ̃ŋutsu Kristotɔ nade dzesii be ne ye srɔ̃ dzi vi ko la, eƒe susu magate ŋu anɔ nuƒowo ŋu nɔm le kpekpeawo me tututu o, eye ɣeyiɣi vi aɖe koe anɔ esi hena ɖokuisi Biblia sɔsrɔ̃ kple ŋugbledede, eye esia axɔ ƒe geɖe. Esia ate ŋu agblẽ nu le eƒe gbɔgbɔmelãmesẽ ŋu vevie. Dzila nyui nyenye bia be srɔ̃ŋutsua nadze agbagba ɖe sia ɖe si wòate ŋui akpe asi ɖe ɖevia gbɔ kpɔkpɔ ŋu. Srɔ̃ŋutsua ate ŋu adze agbagba aɖo nu siwo anya to srɔ̃a ŋu le kpekpeawo me la teƒe to nu siwo wosrɔ̃ la dometɔ aɖewo me dzodzro kplii emegbe ake le aƒe me. Ate ŋu akpe asi ɖe ɖevia gbɔ kpɔkpɔ ŋu le gbeadzi hã ale be mɔnukpɔkpɔ nasu srɔ̃a si wòakpɔ gome le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa me nyuie.—Xlẽ Filipitɔwo 2:34.

10, 11. (a) Aleke wohea ɖeviwo le ‘Yehowa ƒe susua mamla’ mee? (b) Nu ka tae dzila Kristotɔ geɖe dze na kafukafu?

10 Be woanye dzila nyui bia nu geɖe wu nuɖuɖu, nudodo, dɔƒe kple atikewɔwɔ ƒe nyawo gbɔ kpɔkpɔ na ɖevia ko. Vevietɔ le nuwuɣi sia si me afɔku bɔ ɖo ŋutɔ me la, ele be woafia ɖeviwo agbenɔnɔ ŋuti gɔmeɖose siwo nu woanɔ agbe ɖo la tso woƒe vidzĩme ke. Ele be woahe ɖeviwo le “Yehowa ƒe amehehe kple susua mamla me.” (Ef. 6:4) ‘Susu mamla’ sia bia be woaƒã Yehowa ƒe tamesusuwo ɖe ɖevia ƒe susu me tso eƒe vidzĩme va se ɖe esime wòto sɔhɛnyenye ƒe ɣeyiɣi sesẽwo me do.—2 Tim. 3:14, 15.

11 Esime Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, ele be ‘woawɔ dukɔwo katã me tɔwo woanye nusrɔ̃lawo’ la, anya fia godoo be enɔ gbɔgblɔm be, ele be dzilawo hã nakpe ɖe wo viwo ŋu woazu nusrɔ̃lawo. (Mat. 28:19, 20) Esia nye kuxi sesẽ le ŋusẽ gã si xexe sia kpɔna ɖe sɔhɛwo dzi ta. Eya ta dzila siwo te ŋu he wo viwo wova zu Kristotɔ ɖeadzɔgbewo la dze na hamea me tɔwo katã ƒe kafukafu vavã. Wotsɔ woƒe xɔse kple nuteƒewɔwɔ abe dzila nyuiwo ene ‘ɖu’ xexea ƒe ŋusẽkpɔɖeamedziwo dzi.—1 Yoh. 5:4.

Trenɔnɔ Alo Vimadzimadzi Hena Taɖodzinu Nyui Aɖe

12. Nu ka tae Kristotɔ aɖewo tianɛ be yewoanɔ tre hena ɣeyiɣi aɖe?

12 Esi wònye be “ɣeyiɣi vi aɖe koe susɔ” eye “xexe sia ƒe nɔnɔme le tɔtrɔm” ta la, Mawu ƒe Nya la xlɔ̃ nu mí be míabu viɖe siwo le trenɔnɔ me ŋu. (1 Kor. 7:29-31) Eya ta Kristotɔ aɖewo tianɛ be yewoanɔ tre le yewoƒe agbenɔɣi katã alo be yewoanɔ tre hena ƒe aɖewo hafi aɖe srɔ̃. Wodze na kafukafu, elabena womezãa ablɔɖe si sua wo si le trenɔnɔ me la tsɔ tia ɖokuitɔdidi ƒe viɖewo yome o. Ame geɖe tiae be yewoanɔ tre bene yewoate ŋu asubɔ Yehowa “susuhenuwo manɔmee.” (Xlẽ 1 Korintotɔwo 7:32-35.) Kristotɔ tre aɖewo nye mɔɖelawo alo nye Betel dɔwɔlawo. Wo dometɔ aɖewo dze agbagba ɖo nudidi siwo hiã la gbɔ hede Subɔsubɔdɔ ƒe Hehenasukua bene Yehowa ƒe habɔbɔa nate ŋu azã wo geɖe wu. Le nyateƒe me la, ame siwo wɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa hena ɣeyiɣi aɖe esime wonye trewo eye emegbe wotiae be yewoaɖe srɔ̃ la, kpɔnɛ zi geɖe be nu vevi siwo yewosrɔ̃ le yewoƒe trenɔɣi mawo me la gakpɔtɔ le vi ɖem na yewo le srɔ̃ɖeɖea me.

13. Nu ka tae srɔ̃tɔ Kristotɔ aɖewo tianɛ be yewomadzi vi o?

13 Le xexea me ƒe teƒe aɖewo la, tɔtrɔ aɖewo va ƒomegbenɔnɔ me—srɔ̃tɔ geɖewo tiae be yewomadzi vi o. Ame aɖewo wɔa esia le ganyawo ta, eye ame bubuwo hã wɔa esia be yewoate ŋu akpɔ vovo ɖe agbemedɔ si me wokpɔa ga geɖe le la ŋu. Le Kristotɔwo hã dome la, srɔ̃tɔ aɖewo li siwo tiae be yewomadzi vi o. Gake wowɔa esia kple susu be yewoavo asubɔ Yehowa geɖe wu. Esia mefia kura be srɔ̃tɔ siawo mekpɔa dzidzɔ si nɔa srɔ̃gbenɔnɔ me o. Wokpɔa dzidzɔ. Ke hã, wolɔ̃na faa tsɔa Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖoa ŋgɔ na mɔnukpɔkpɔ aɖewo siwo sua ame si le srɔ̃ɖeɖe me la. (1 Kor. 7:3-5) Srɔ̃tɔ siawo dometɔ aɖewo subɔa Yehowa kple wo nɔviwo to nutome suewo kple nutome gã dzikpɔla ƒe dɔa wɔwɔ, alo dɔwɔwɔ le Betel me. Bubuwo hã nye mɔɖelawo alo dutanyanyuigblɔlawo. Yehowa maŋlɔ dɔ siwo wowɔna kple lɔlɔ̃ si woɖena fiana le eƒe ŋkɔa ta la be o.—Heb. 6:10.

“Xaxa Le Ŋutilã Me”

14, 15. “Xaxa” kae dzila Kristotɔwo ate ŋu akpɔ “le ŋutilã me”?

14 Apostolo Paulo gblɔ na srɔ̃tɔ Kristotɔwo be woakpɔ “xaxa le ŋutilã me.” (1 Kor. 7:28) Esia ate ŋu anye srɔ̃tɔawo, wo viwo, alo wo dzila tsitsiwo ƒe lãmesẽkuxiwo. Esia ate ŋu anye kuxi kple dzigbagbã siwo ku ɖe ɖeviawo hehe ŋu hã. Abe ale si míegblɔe le nyati sia ƒe gɔmedzedze ene la, Biblia gblɔe ɖi be “ŋkeke mamlɛawo” ahe “ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ sesẽ la” avae. Nu siwo ana ɣeyiɣi mawo asesẽ la dometɔ aɖee nye ɖevi “maɖoto dzilawo.”—2 Tim. 3:1-3.

15 Ðeviwo hehe nye kuxi sesẽ aɖe ŋutɔ na dzila Kristotɔwo. Womeɖe mí to le “ɣeyiɣi sesẽ” siwo li egbea la ƒe nugbegblẽ le ame ŋu me o. Eya ta ele be dzila Kristotɔwo nayi edzi anɔ avu wɔm kple ŋusẽ gbegblẽ si “xexe sia ƒe nuɖoanyi” kpɔna ɖe wo viwo dzi la. (Ef. 2:2, 3) Eye menye ɣesiaɣie woɖua aʋa sia dzi o! Ne Kristotɔwo ƒe ƒome aɖe ƒe viŋutsu alo wo vinyɔnu aɖe dzudzɔ Yehowa subɔsubɔ la, ate ŋu anye “xaxa” na dzila siwo dze agbagba be yewoahe yewo via le nyateƒea me la vevie.—Lod. 17:25.

“Ɣemaɣi La, Xaxa Gã Ava”

16. “Xaxa” kae Yesu gblɔ ɖi be ava?

16 Xaxa aɖe ava si asesẽ sãsãsã wu “xaxa” ɖe sia ɖe si amewo do go kpɔ le srɔ̃ɖeɖe kple vidzidzi me. Yesu gblɔ le eƒe nyagblɔɖi si ku ɖe eƒe anyinɔnɔ kple nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi ŋu la me be: “Xaxa gã ava, si tɔgbi meva kpɔ o, ao, meva kpɔ tso xexea ƒe gɔmedzedze va se ɖe fifia o, eye magava ake o.” (Mat. 24:3, 21) Yesu ɖee fia emegbe be ameha gã aɖe atsi agbe le “xaxa gã” la me. Ke hã, ɣemaɣi la, Satana ƒe nuɖoanyia ayi edzi awɔ aʋa kple Yehowa Ðasefo siwo nye ŋutifafamewo le amedzidzedze mamlɛtɔa me kple woƒe ŋusẽ katã. Ðikeke mele eme o be nɔnɔmeawo asesẽ na mí katã—tsitsiawo kple ɖeviawo siaa.

17. (a) Nu ka tae míate ŋu atsɔ kakaɖedzi anɔ mɔ kpɔm na etsɔme? (b) Nu kae wòle be wòakpɔ ŋusẽ ɖe ale si míebua srɔ̃ɖeɖe kple dzilanyenyee la dzi?

17 Ke hã, mele be míana vɔvɔ̃ naɖo mí ɖe nu si adzɔ le etsɔ me ta o. Dzila siwo wɔa nuteƒe na Yehowa la ate ŋu akpɔ mɔ be akpɔ yewo kple yewo vi suewo ta. (Xlẽ Yesaya 26:20, 21; Zef. 2:2, 3; 1 Kor. 7:14) Gake fifia la, neva eme be enyanya be míele ɣeyiɣi sesẽwo me nakpɔ ŋusẽ ɖe ale si míebua srɔ̃ɖeɖe kple dzilanyenye le ɣeyiɣi siawo mee la dzi. (2 Pet. 3:10-13) To esia wɔwɔ me la, míaƒe agbenɔnɔ—míeɖanye trewo alo srɔ̃tɔ siwo si vi le alo esiwo si vi mele o—ahe bubu kple ŋutikɔkɔe vae na Yehowa kple Kristo hame la siaa.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 3 Kpɔ agbalẽ si nye Live With Jehovah’s Day in Mind (Vivez en gardant à l’esprit le jour de Jéhovah) le tanya si nye, “Elé Fu Srɔ̃gbegbe” te le axa 125 lia.

^ mm. 5 Nyati siwo ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu abe esiwo dze le September 15, 2003 ƒe Gbetakpɔxɔ kple January 8, 2001 ƒe yevugbe me Nyɔ! ƒe tatawo me ene ado ŋusẽ ame siwo le akɔ kpem kple srɔ̃ɖeɖe me kuxiwo.

^ mm. 6 Kpɔ Questions Young People Ask—Answers That Work (Les jeunes s’interrogent — Réponses pratiques) ta 30 si ƒe tanyae nye, “Ðe Mesu Te Na Srɔ̃ɖeɖea?”

Numetoto

• Nu ka tae mele be sɔhɛ Kristotɔwo natsɔ dzitsitsi age ɖe srɔ̃ɖeɖe me o?

• Nu kawoe vihehe bia?

• Nu ka tae Kristotɔ geɖewo tianɛ be yewoanɔ tre, alo ne woɖe srɔ̃ la, wotianɛ be yewomadzi vi o?

• “Xaxa” kae dzila Kristotɔwo ate ŋu ado go?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Nu ka tae nunya le eme be sɔhɛ Kristotɔwo natsi hafi aɖe srɔ̃?

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Srɔ̃ŋutsu ate ŋu awɔ nu geɖe atsɔ akpe ɖe srɔ̃a ŋu be wòakpɔ gome le gbɔgbɔmedɔwo me geɖe wu

[Nɔnɔmetata si le axa 19]

Nu ka tae srɔ̃tɔ Kristotɔ aɖewo tianɛ be yewomadzi vi o?