Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Wosa Ðe Aga Gake Womeŋlɔ Wo Be O

Wosa Ðe Aga Gake Womeŋlɔ Wo Be O

Wosa Ðe Aga Gake Womeŋlɔ Wo Be O

APOSTOLO Paulo xlɔ̃ nu ehati Kristotɔwo be: “Mina míawɔ nyui na amewo katã, gake vevietɔ la, míawɔe na ame siwo do ƒome kpli mí le xɔse la me.” (Gal. 6:10) Míegakpɔtɔ wɔna ɖe mɔfiame ma si tso gbɔgbɔ me la dzi egbea, eye míedia mɔ siwo dzi míato awɔ nyui na míaƒe haxɔsetɔwo. Ame siwo dze eye wòhiã be Kristo hamea me tɔwo naɖe ɖetsɔleme afia lɔlɔ̃tɔe la dometɔ aɖewoe nye mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu lɔlɔ̃tɔ tsitsi siwo le ame tsitsi dzikpɔƒewo.

Enye nyateƒe be le dukɔ aɖewo me la, ƒometɔwo kpɔa wo dzila tsitsiwo dzi le aƒe me. Ke hã, le dukɔ bubuwo me la, ame tsitsi dzikpɔƒewoe ame tsitsi geɖewo nɔna. Ke Kristotɔ tsitsi siwo le ame tsitsi dzikpɔƒewo ya ɖe? Kuxi kawoe wodoa goe? Aleke woate ŋu anɔ te ɖe nɔnɔmea nu ne woƒe ƒometɔwo menaa kpekpeɖeŋu aɖeke wo o? Kpekpeɖeŋu kae Kristo hamea ate ŋu ana wo? Eye mɔ kawo nue wo sasrã kpɔ edziedzi ɖea vi na mí le?

Kuxi Siwo Wodoa Goe Le Ame Tsitsi Dzikpɔƒewo

Ne wokplɔ Kristotɔ tsitsiwo yi ame tsitsi dzikpɔƒewo la, ate ŋu adzɔ be woava nɔ hame aɖe si me tɔwo womenya o ƒe anyigbamama me. Esia ate ŋu awɔe be mava susu me na Ðasefo siwo le afi ma la be yewoanɔ wo srãm kpɔ edziedzi o. Gawu la, anɔ eme be ame siwo ƒe dzixɔsewo to vovo domee woanɔ le ame tsitsi dzikpɔƒe siawo. Esia ate ŋu anye kuxi sesẽ aɖe na mía hati Ðasefo tsitsiwo.

Le kpɔɖeŋu me, le nuto aɖewo me la, ame tsitsi dzikpɔƒe aɖewo wɔa ɖoɖo wova wɔa sɔlemewɔnawo le teƒea. Ame tsitsi dzikpɔla aɖe gblɔ be: “Wote Ðasefo tsitsi aɖewo siwo metea ŋu ƒoa nu nyuie o le bunɔkeke me yi sɔlemewɔna siawo wɔƒe evɔ womebia wo nenye be woda asi ɖe edzi hã o.” Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ame tsitsi dzikpɔla aɖewo wɔa dzigbezã, Kristmas, kple Easter kɔnuwo ŋu dɔ be nuwo natrɔ vie le teƒea. Wona Ðasefo aɖewo siwo le ame tsitsi dzikpɔƒewo nuɖuɖu aɖewo siwo woƒe dzitsinya maɖe mɔ na wo be woaɖu hafi o la. (Dɔw. 15:29) Míate ŋu akpe ɖe mía nɔviŋutsu kple mía nɔvinyɔnu tsitsiwo ŋu be woanɔ te ɖe kuxi mawo nu ne míeyina ɖasrãa wo kpɔ edziedzi.

Hamea Ƒe Kpekpeɖeŋu

Kristotɔ gbãtɔwo nɔ ŋudzɔ ɖe kpekpeɖeŋunana ame tsitsi siwo si ƒometɔwo menɔ be woakpe ɖe wo ŋu o la ŋu. (1 Tim. 5:9) Nenema kee dzikpɔla siwo li egbea hã kpɔa egbɔ be womegblẽ ame tsitsi siwo le ame tsitsi dzikpɔƒe siwo le woƒe nutoa me la ɖi o. * Robert si nye hamemetsitsi aɖe la gblɔ be: “Anyo be dzikpɔla Kristotɔwo ŋutɔ nayi aɖasrã ame tsitsiwo kpɔ bene woanya nɔnɔme si me wole eye woado gbe ɖa kpli wo. Hamea ate ŋu awɔ nu geɖe atsɔ akpɔ woƒe hiahiãwo gbɔ na wo.” Ne míeɖoa ɣeyiɣi aɖe ɖi hena ame tsitsiwo sasrã kpɔ la, ke míele eɖem fia be míekpɔ ale si wòle vevie le Yehowa ŋkume be woalé be na ame siwo le hiã me la dze sii.—Yak. 1:27.

Ne ehiã la, hamemetsitsiawo nawɔ nu aduadu hena kpekpeɖeŋu ŋutɔŋutɔ nana wo nɔviŋutsu kple wo nɔvinyɔnu siwo le ame tsitsi dzikpɔƒe si le woƒe nutoa me la. Robert gblɔ nu si hiahiã siawo dometɔ ɖeka ate ŋu anye la ale: “Ele be míade dzi ƒo na mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu tsitsiwo be woanɔ Kristotɔwo ƒe kpekpeawo dem nenye be woate ŋui ko.” Ke hã, le ame siwo mate ŋu ayi kpekpeawo le Fiaɖuƒe Akpata me o gome la, hamemetsitsiwo ate ŋu awɔ ɖoɖo bubuwo na wo. Jacqueline si axɔ abe ƒe 85 ene, si le ƒumenuɖuidɔ lém la, ɖoa to kpekpeawo me nyawo to telefon dzi. Egblɔ be: “Edoa dzidzɔ nam ŋutɔ be manɔ to ɖom kpekpeawo me nyawo le ɣeyiɣi si me tututu wole wo wɔm. Nyemalɔ̃ gbeɖe be naneke nana woato ŋunye o!”

Ne Kristotɔ tsitsi aɖe mate ŋu aɖo to kpekpeawo me nyawo to telefon dzi o la, hamemetsitsiwo ate ŋu awɔ ɖoɖo alé wo ɖe mɔ dzi nɛ. Nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu si wodɔ be woatsɔ nya siwo wolé ɖe mɔa dzi ayi na nɔvi tsitsia la, ate ŋu awɔ mɔnukpɔkpɔa ŋu dɔ atsɔ agblɔ nya dedziƒoname aɖewo nɛ. Dzikpɔla aɖe gblɔ be: “Agbagba siwo dzem hamea me tɔwo le la gbɔgblɔ na nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu tsitsiwo ate ŋu ana woase le wo ɖokuiwo me be yewoganye míaƒe gbɔgbɔmeƒomea ƒe akpa aɖe.”

Yi Edzi Nànɔ Dze Ðom Kpli Wo

Eme kɔ be, etena ɖe ame tsitsi geɖewo dzi ne wokplɔ wo yi ame tsitsi dzikpɔƒewo, eye wotɔtɔna. Esia wɔnɛ be wo dometɔ aɖewo melɔ̃na be yewoaƒo nu kple ame bubuwo o. Ke hã, ne míeyi ɖasrã mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu tsitsi siawo kpɔ esime wokplɔ wo yi ame tsitsi dzikpɔƒewo teti eye míeɖee fia wo be míele klalo be míayi edzi anɔ dzi dem ƒo na wo la, míakpe ɖe wo ŋu geɖe be woagakpɔ dzidzeme kple dzidzɔ ake.—Lod. 17:22.

Ne mía nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu aɖe megatea ŋu bua tame nyuie alo sea nu nyuie o, alo kuxi bubuwo wɔe be megatea ŋu ɖoa dze o la, ame aɖewo aƒo nya ta be wo sasrã kpɔ maɖe vi aɖeke o. Ke hã, ne míedzea agbagba srãa wo kpɔ, eɖanye aleke kee dzeɖoɖo kpli wo sesẽna o, eɖenɛ fiana be ‘míedina be míade bubu mía nɔviwo ŋu gbã.’ (Rom. 12:10) Ne nɔvi tsitsi aɖe ƒe susua le gbɔdzɔgbɔdzɔm la, míate ŋu ade dzi ƒo nɛ be wòagblɔ nuteƒekpɔkpɔ siwo su esi va yi—tso eƒe ɖevime gɔ̃ hã—alo be wòagblɔ ale si wòwɔ ke ɖe Biblia me nyateƒea ŋu la na mí. Nu kae míate ŋu awɔ ne míekpɔe be ele nya siwo tututu wòdi be yeagblɔ la dim do kpoe? Mina míaɖo to dzigbɔɖitɔe, eye ne anya wɔ la, míagblɔ nya eve alo etɔ̃ aɖewo siwo míekpɔ be wobu ɖee, alo míaƒo eƒe susuawo ta eye míade dzi ƒo nɛ be wòayi nyaa dzi. Ne etɔtɔ alo eƒe nuƒo me mele kɔkɔm o, eye wo gɔme sese sesẽ na mí la, míate ŋu adze agbagba be míase nu si wòdi be yeagblɔ la gɔme to toléle ɖe eƒe gbe ƒe ɖiɖime ŋu dzi.

Ne ame tsitsia megatea ŋu ƒoa nu kura o la, míate ŋu awɔ mɔnu bubuwo ŋu dɔ. Laurence, si nye mɔɖela, srãa Madeleine, nɔvinyɔnu Kristotɔ tsitsi aɖe si xɔ ƒe 80 si megatea ŋu ƒoa nu o la kpɔ edziedzi. Laurence gblɔ ale si wòɖoa dze kplii ale: “Meléa Madeleine ƒe asi ne míele gbe dom ɖa ɖekae. Emia nye asiwo blewu, eye wòƒoa aɖaba tsɔ ɖea eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ fiana ɖe ɣeyiɣi vevi mawo ŋu.” Mía xɔlɔ̃ tsitsi siawo ƒe asiwo léle alo asikpakpla kɔ na wo lɔlɔ̃tɔe ate ŋu ade dzi ƒo na wo vevie ŋutɔ.

Wò Afi Ma Yiyi Hiã

Wò afi ma yiyi edziedzi akpɔ ŋusẽ ɖe beléle si wotsɔna naa wo la dzi. Danièle, si srãa hati Ðasefo siwo le ame tsitsi dzikpɔƒewo kpɔ edziedzi ƒe 20 kloe enye esia la gblɔ be: “Ne ame tsitsi dzikpɔlawo de dzesii be wova srãa ame aɖe kpɔ edziedzi la, woléa be na ame ma nyuie.” Robert, si ƒe nya míegblɔ va yi la, gblɔ be: “Ame tsitsi dzikpɔlawo lɔ̃na faa be yewoaɖo to ame aɖe si va srãa ame aɖe kpɔ le teƒea edziedzi la. Ðewohĩ womade bubu ma tɔgbi ame aɖe si ƒãa hafi wòvaa afi ma la ŋu o.” Esi wònye be ƒometɔ siwo mekpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu o ye ame tsitsi dzikpɔlawo doa goe zi geɖe ta la, edoa dzidzɔ na wo ne ame siwo va srã amewo kpɔ la da akpe na wo. Gawu la, ne míena ƒomedodo nyui va le mía kple ame tsitsi dzikpɔlawo dome la, ana be woalɔ̃ faa be yewoade bubu Ðasefo tsitsi siwo le woƒe dzikpɔkpɔ te la ƒe dzidzenuwo kple dzixɔsewo ŋu.

Míate ŋu ana ƒomedodo nyui nanɔ mía kple ame tsitsi dzikpɔlawo dome to mía ɖokuiwo tsɔtsɔ na be míawɔ dɔ tsɛ aɖewo na wo me. Le nuto aɖewo me la, ame tsitsi dzikpɔla bibiwo ƒe anyimanɔmanɔ edziedzi wɔe be beléle si wotsɔna naa ame tsitsiwo la dzi ɖe kpɔtɔ. Rébecca si nye ame tsitsi dzikpɔla aɖe gblɔ be: “Vovo menɔa anyi le nuɖuɣiwo kura o. Eya ta esia anye ɣeyiɣi si sɔ ŋutɔ be woasrã ame tsitsi aɖe kpɔ eye woakpe ɖe eŋu wòaɖu nu.” Anyo be míabia ame tsitsi dzikpɔlawo be woagblɔ nu si míate ŋu awɔ atsɔ akpe asi ɖe wo ŋu la na mí.

Ne míeyia ame tsitsi dzikpɔƒe aɖe edziedzi la, míate ŋu akpɔ nu si mía nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu tsitsi la hiã la adze sii, eye ne dɔwɔlawo ɖe mɔ na mí la, míate ŋu akpɔ eƒe nuhiahiãwo gbɔ nɛ. Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ míate ŋu atsɔ nɔvia ƒe ame veviwo ƒe fotowo kple ɖeviwo ƒe nutatawo aɖo atsyɔ̃ na xɔ si me wòle. Esi nɔvia ƒe nyonyo le susu na mí ta la, míate ŋu atsɔ aƒemewu, ami sisi, adzalẽ, kple nu bubu aɖewo ayi nɛ. Ne abɔ le ame tsitsi dzikpɔƒea la, ɖe míate ŋu akplɔ mía xɔlɔ̃a ayi aɖaxɔ ya le abɔa mea? Laurence, si ƒe nya míegblɔ va yi la, gblɔ be: “Madeleine kpɔa mɔ na nye sasrãkpɔ kwasiɖa sia kwasiɖa. Ne mekplɔ ɖeviwo yi la, ekoa alɔgbɔnu enumake, eye dzidzɔ dzena le mo nɛ!” Nu siawo tɔgbi wɔwɔ ate ŋu ana nɔnɔmeawo naka ɖe eme na nɔvi siwo le ame tsitsi dzikpɔƒewo.—Lod. 3:27.

Eɖea Vi Na Mí Katã

Nɔvi tsitsi aɖe sasrã kpɔ edziedzi ate ŋu ado míaƒe “lɔlɔ̃ ƒe vavãnyenye kpɔ.” (2 Kor. 8:8) Le mɔ ka nu? Ate ŋu ate ɖe mía dzi vevie ne míekpɔ be ŋusẽ le vɔvɔm le mía xɔlɔ̃ aɖe ŋu vivivi. Laurence gblɔ be: “Le gɔmedzedzea me la, ale si ŋusẽ nɔ vɔvɔm le Madeleine ŋu kpɔkpɔ tena ɖe dzinye ale gbegbe be mefaa avi le sasrãkpɔ ɖe sia ɖe megbe. Gake mekpɔe be gbedodoɖa vevie ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míaɖu míaƒe vɔvɔ̃wo dzi, eye awɔe be míava nɔ dzi dem ƒo na amewo geɖe wu.” Robert srãa nɔvi Kristotɔ aɖe si ŋkɔe nye Larry si ŋu lãmetutudɔ le kpɔ hena ƒe geɖe. Robert gblɔ be: “Larry ƒe dɔlélea nu sẽ ale gbegbe be nyemegatea ŋu sea eƒe nuƒoƒo me o. Gake ne míedo gbe ɖa ɖekae la, mekpɔnɛ be xɔse gakpɔtɔ le esi.”

Ne míesrãa haxɔsetɔ tsitsiwo kpɔ la, míekpena ɖe wo ŋu, eye eɖea vi na míawo ŋutɔwo hã. Ale si woɖoe kplikpaa be yewoanɔ Yehowa ŋu togbɔ be wole ame siwo ƒe dzixɔsewo to vovo dome hã la, fiaa mí be ele be xɔse nanɔ mía si, eye míaɖe dzideƒo afia. Ale si wodina vevie be yewoaɖu gbɔgbɔmenuɖuɖuwo togbɔ be womegatea ŋu sea nu alo kpɔa nu nyuie o la ɖee fia mí be “mele be ame nanɔ agbe ɖe abolo ɖeɖe ko ŋu o, ke boŋ ɖe nya sia nya si dona tso Yehowa ƒe nu me ŋu.” (Mat. 4:4) Ale si ame tsitsiwo kpɔa dzidzɔ ɖe nu tsɛ aɖewo, abe ɖeviwo ƒe nukoko alo nuɖuɖu ɖekae ene ŋu la, fia mí be ele be míakpɔ ŋudzedze ɖe nu siwo le mía si la ŋu. Ale si wolɔ̃ Mawu ƒe dzidzenuwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖo taɖodzinu veviwo na mía ɖokuiwo.

Le nyateƒe me la, kpekpeɖeŋu si míenaa ame tsitsiwo la ɖea vi na hame bliboa katã. Nu ka tae wòle alea? Esi wòhiãna be woaɖe nɔvilɔlɔ̃ afia ame siwo gbɔdzɔ le ŋutilã me geɖe wu ta la, enaa mɔnukpɔkpɔ hamea me tɔwo be woaɖe dɔmetɔtrɔ afia geɖe wu. Eya ta ele be mí katã míabu beléle na ame tsitsiwo, ne abia be míawɔe hena ɣeyiɣi didi aɖe kura gɔ̃ hã, be enye mía nɔewo subɔsubɔ ƒe akpa aɖe. (1 Pet. 4:10, 11) Ne hamemetsitsiwo xɔ ŋgɔ le dɔ sia wɔwɔ me la, woakpe ɖe hamea me tɔ bubuwo ŋu woakpɔe be mele be woaŋe aɖaba aƒu míaƒe Kristotɔwo ƒe dɔwo ƒe akpa sia dzi gbeɖe o. (Xez. 34:15, 16) Ne míelɔ̃na naa kpekpeɖeŋu mía nɔvi Kristotɔ tsitsiwo lɔlɔ̃tɔe alea la, enaa kakaɖedzi wo be míeŋlɔ wo be o!

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 8 Ne hame ƒe agbalẽŋlɔla nya se be wokplɔ nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu aɖe si le woƒe hamea me yi ame tsitsi dzikpɔƒe le nuto bubu me ko la, anyo, eye wòanye lɔlɔ̃ɖeɖefia hã be wòana hamemetsitsi siwo le hame si le nuto ma me la nanya enumake.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 28]

“Ne ame tsitsi dzikpɔlawo de dzesii be wova srãa ame aɖe kpɔ edziedzi la, woléa be na ame ma nyuie”

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Míaƒe gbedodoɖa si tso dzi me ate ŋu akpe ɖe hati Ðasefo tsitsi aɖe ŋu be eƒe dzi nagadze eme

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Nya siwo míagblɔ tso dzi me lɔlɔ̃tɔe la ado ŋusẽ míaƒe haxɔsetɔwo