Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðoɖo Si Nu Dziɖuha La Le

Ðoɖo Si Nu Dziɖuha La Le

Ðoɖo Si Nu Dziɖuha La Le

ŊUTSU Mawu subɔla ɖeadzɔgbe siwo nye amesiaminawo ye ƒo ƒu wɔ Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha la. Wonye kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela ƒe ha, si wode dɔ asi na be wòana gbɔgbɔmenuɖuɖu eye wòana mɔfiame ahade dzo Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ me le anyigba dzi godoo la, ƒe teƒenɔlawo.—Mat. 24:14, 45-47.

Dziɖuha la kpea ta kwasiɖa sia kwasiɖa, zi geɖe le Kuɖagbe. Esia kpena ɖe nɔviŋutsu siawo ŋu be wowɔa dɔ le ɖekawɔwɔ me. (Ps. 133:1) Dziɖuha la me tɔwo wɔa dɔ le kɔmiti vovovowo hã me. Kɔmiti ɖe sia ɖe kpɔa Fiaɖuƒedɔa ƒe akpa aɖe koŋ dzi, abe ale si wòdze le ete kpuie ene.

▪ ZIMENƆLAWO ƑE KƆMITI: Dziɖuha la ƒe kɔmiti vovovoawo ƒe zimenɔlawo kple agbalẽŋlɔla aɖe si hã nye Dziɖuha la me tɔ woe le kɔmiti sia me. Kɔmiti sia kpɔa egbɔ be nuwo yi edzi nyuie le kɔmiti vovovoawo katã me bene dɔawo naɖe zɔ nyuie. Ekpɔa nudzɔdzɔ kpata siwo nu sẽ, yometitiwo, afɔkuwo, kple nya siwo ku ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu le xexea me godoo siwo gbɔ wòhiã be woakpɔ kpata la hã gbɔ.

▪ DƆWƆLAWO ƑE KƆMITI: Nɔviŋutsu siwo le kɔmiti sia me la kpɔa ɖoɖo siwo wowɔ hena Betel ƒomea me tɔ siwo le anyigba dzi godoo la ƒe ŋutilã me kple gbɔgbɔ me nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ kple kpekpeɖeŋu nana wo la dzi. Kɔmiti sia kpɔa Betel ƒomea me tɔ yeyewo tiatia kple wo xɔxɔ dzi kpakple nyabiase siwo ku ɖe woƒe Betel subɔsubɔdɔa ŋu la ƒe ŋuɖoɖowo gbɔ.

▪ AGBALẼTATA KƆMITI: Kɔmiti sia kpɔa agbalẽwo tata, agbalẽwo ɖeɖe ɖe go, kple Biblia srɔ̃gbalẽwo ɖoɖo ɖa le xexea me godoo la dzi. Ekpɔa agbalẽtaƒewo kple nunɔamesi siwo Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔha vovovowo zãna la dzi. Kɔmiti sia wɔa ɖoɖo ɖe nudzɔdzɔ siwo wowɔna hena Fiaɖuƒedɔa wɔwɔ le xexea me godoo la zazã le mɔ nyuitɔ nu la ŋu.

▪ SUBƆSUBƆ KƆMITI: Nɔviŋutsu siwo le kɔmiti sia me kpɔa ɖaseɖiɖidɔa dzi eye wokpɔa nya siwo ku ɖe hamewo, mɔɖelawo, hamemetsitsiwo, kple dzikpɔla mɔzɔlawo ŋu la gbɔ. Kɔmiti siae kpɔa Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ŋɔŋlɔ dzi, ekpea sukuviwo hena Gilead Sukua kple Subɔsubɔdɔ ƒe Hehenasukua dede, eye le sukua ƒe nuwuwu la, edea dɔ si sukuviawo awɔ la asi na wo.

▪ NUFIAFIA KƆMITI: Kɔmiti sia kpɔa nufiame siwo wonana le takpekpe suewo, nutome gã takpekpewo, kple hamewo ƒe kpekpewo me la dzi. Ewɔa gbɔgbɔ me ɖoɖowo na Betel ƒomea me tɔwo, ekpɔa suku vovovoawo abe Gilead Suku kple Mɔɖelawo ƒe Subɔsubɔ Suku ene dzi, eye wòkpɔa kasɛt kple videowo hã wɔwɔ dzi.

▪ AGBALẼŊƆŊLƆ KƆMITI: Kɔmiti sia ƒe agbanɔamedzie nye be wòakpɔ egbɔ be woŋlɔ gbɔgbɔmenufiamewo ɖe agbalẽwo me be woata wo ahama wo na haxɔsetɔwo kple ame bubuwo. Kɔmiti sia ɖoa Biblia me nyabiasewo ŋu eye wòdaa asi ɖe dramagbalẽ kple nuƒogbalẽ siwo woazã la dzi. Egakpɔa gbegɔmeɖeɖedɔ si wowɔna le xexea me godoo la hã dzi.

Apostolo Paulo tsɔ amesiaminawo ƒe hame la sɔ kple amegbetɔ ƒe ŋutilã, eye wòte gbe ɖe ɖoƒe vevi si wo katã wole kple ale si wohiã na wo nɔewo ƒe kpekpeɖeŋu, lɔlɔ̃, kple nuwɔwɔ aduadu le dɔ si Mawu de wo si la wɔwɔ me la dzi. (Rom. 12:4, 5; 1 Kor. 12:12-31) Yesu Kristo, si nye ŋutilã la ƒe Ta la, naa gbɔgbɔmenuɖuɖu kple nu siwo ŋutinuwo hiã be woate ŋu awɔ dɔ aduadu le ɖekawɔwɔ me la wo. (Ef. 4:15, 16; Kol. 2:19) Le mɔ sia nu la, Yehowa to eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi le mɔ fiam Dziɖuha la bene wòaxɔ ŋgɔ le dɔa me.