Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke Wòle Be Míawɔ Nu Ðe Amewo Ŋui?

Aleke Wòle Be Míawɔ Nu Ðe Amewo Ŋui?

Aleke Wòle Be Míawɔ Nu Ðe Amewo Ŋui?

“Ale si ko miedina be amewo nawɔ na mi la, miwɔ nenema ke na wo.”—LUKA 6:31.

1, 2. (a) Nu kae nye Todzimawunya la? (b) Nu kawo mee míadzro le nyati sia kple esi kplɔe ɖo me?

YESU KRISTO ye nye Nufiala Gãtɔ vavã. Esime eƒe futɔ siwo nye subɔsubɔhakplɔlawo dɔ atikplɔtɔwo ɖa be woaɖalée la, wotrɔ gbɔ asi ƒuƒlui hegblɔ be: “Ame aɖeke meƒo nu alea kpɔ o.” (Yoh. 7:32, 45, 46) Yesu ƒe nuƒo ʋãmewo dometɔ ɖekae nye eƒe Todzimawunya la. Edze le Mateo ƒe Nya Nyui gbalẽa ƒe ta 5 va se ɖe 7 lia me, eye nya mawo tɔgbi dze le Luka 6:20-49 hã me. *

2 Ðewohĩ nyagbɔgblɔ si amewo nya wu le mawunya ma mee nye esi wolɔ̃a yɔyɔ be Sikasedede la. Eku ɖe ale si míewɔa nu ɖe amewo ŋui la ŋu. Yesu gblɔ be: “Ale si ko miedina be amewo nawɔ na mi la, miwɔ nenema ke na wo.” (Luka 6:31) Nu nyui kawoe Yesu wɔ na amewo? Eda dɔ na dɔnɔwo, eye wòfɔ ame kukuwo gɔ̃ hã ɖe tsitre. Ke hã, amewo kpɔ yayra geɖe ŋutɔ, vevietɔ esi woxɔ nya nyui si wògblɔ na wo la dzi se. (Mixlẽ Luka 7:20-22.) Enyea dzidzɔ na mí Yehowa Ðasefowo be míaƒo mía ɖokuiwo ɖe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔ ma ƒomevi me. (Mat. 24:14; 28:19, 20) Le nyati sia kple esi kplɔe ɖo me la, míadzro nya siwo Yesu gblɔ ku ɖe dɔ sia ŋu kple nya bubu siwo wògblɔ le Todzimawunyaa me ku ɖe ale si wòle be míawɔ nu ɖe amewo ŋui ŋu la me.

Nye Ame Fafa

3. Aleke nàɖe tufafa gɔmee?

3 Yesu gblɔ be: “Dzidzɔtɔwoe nye ame fafawo, elabena woanyi anyigba la dome.” (Mat. 5:5) Le Ŋɔŋlɔawo me la tufafa mefia gbɔdzɔgbɔdzɔ le mɔ aɖeke nu o. Enye dɔmefafa si míeɖena fiana le Mawu ƒe nudidiwo dzi wɔwɔ me. Nɔnɔme sia dzena le ale si míewɔa nu ɖe mía nɔvi amegbetɔwo ŋui la me. Le kpɔɖeŋu me, míetsɔa ‘vɔ̃ ɖoa vɔ̃ teƒe na ame aɖeke o.’—Rom. 12:17-19.

4. Nu ka tae ame fafawo kpɔa dzidzɔ?

4 Ame fafawo kpɔa dzidzɔ, elabena “woanyi anyigba la dome.” Yesu ame si nye ‘ame fafa, eye wòbɔbɔ eɖokui ɖe anyi le dzi me’ lae ‘woɖo nuwo katã ƒe domenyila,’ eye le esia ta eyae nye anyigba la ƒe Domenyila vevitɔ la. (Mat. 11:29; Heb. 1:2; Ps. 2:8) Wogblɔe ɖi be hatidziɖulawo akpe ɖe ‘amegbetɔvi’ si nye Mesia la ŋu le Dziƒofiaɖuƒea me. (Dan. 7:13, 14, 21, 22, 27) Woɖoe be ame fafa 144,000 siwo nye ‘Kristo ƒe hadomenyila’ amesiaminawo nakpɔ gome kple Yesu le anyigba la dome nyinyi me. (Rom. 8:16, 17; Nyaɖ. 14:1) Ame fafa bubuwo akpɔ agbe mavɔ le Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu te le anyigba dzi.—Ps. 37:11.

5. Ne míeɖea tufafa si tɔgbi Kristo ɖe fia fiana la, ŋusẽ kae wòakpɔ ɖe mía dzi?

5 Ne míaƒe nya me sẽna la, anɔ eme godoo be míanɔ dziku dom na amewo, eye womalɔ̃ hadede kpli mí o. Ke hã, ne míeɖea tufafa si tɔgbi Kristo ɖe fia fiana la, awɔe be míanye ame siwo doa dzidzɔ na amewo kple ame siwo tua ame ɖo le gbɔgbɔ me le hamea me. Tufafa nye ku si Mawu ƒe dɔwɔŋusẽa nana míetsena ne ‘míenɔa agbe hezɔna le gbɔgbɔ la me’ ƒe akpa aɖe. (Mixlẽ Galatiatɔwo 5:22-25.) Kakaɖedzitɔe la, míedi be woabu mí ade ame fafa siwo Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea fiaa mɔe la dome!

Nublanuikpɔlawo Kpɔa Dzidzɔ Loo!

6. Nɔnɔme ɖedzesi kawoe nɔa “nublanuikpɔlawo” si?

6 Yesu gagblɔ le eƒe Todzimawunyaa me be: “Dzidzɔtɔwoe nye nublanuikpɔlawo, elabena woakpɔ nublanui na wo.” (Mat. 5:7) “Nublanuikpɔlawo” ƒe dɔme trɔna ɖe amewo ŋu vevie eye woɖea ameŋububu fiana, eye ame siwo dzi nu mede o gɔ̃ hã ƒe nu wɔa nublanui na wo. Yesu na gbɔdzɔe amewo tso woƒe fukpekpewo me nukutɔe, elabena “woƒe nu wɔ nublanui nɛ.” (Mat. 14:14; 20:34) Eya ta ele be ale si amewo ƒe nu wɔa nublanui na mí kple amewo ŋu bubu naʋã mí míaɖe nublanuikpɔkpɔ afia wo.—Yak. 2:13.

7. Esi amewo ƒe nu wɔ nublanui na Yesu la, nu kae wòwɔ?

7 Esi ameha aɖe va do go Yesu esime wòyina ɖiɖi ge ɖe eme la, “woƒe nu wɔ nublanui nɛ, elabena wonɔ abe alẽ siwo nu kplɔla aɖeke mele o la ene.” Le esia ta la, ‘ete nu geɖewo fiafia wo.’ (Mar. 6:34) Dzidzɔ kae nye esi wònyena na mí ne míawo hã míegblɔ Fiaɖuƒegbedeasia na amewo heƒo nu tso Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ gã la ŋu na wo!

8. Nu ka tae nublanuikpɔlawo kpɔa dzidzɔ?

8 Nublanuikpɔlawo kpɔa dzidzɔ, elabena ‘wokpɔa nublanui na wo.’ Ne míekpɔa nublanui na amewo la, zi geɖe la, woawo hã wokpɔa nublanui na mí. (Luka 6:38) Gawu la, Yesu gblɔ be: “Ne mietsɔa amewo ƒe vodadawo kea wo la, mia Fofo si le dziƒo hã atsɔ ake mi.” (Mat. 6:14) Nublanuikpɔlawo koe kpɔa dzidzɔ si dona tso Mawu ƒe tsɔtsɔke kple ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe ame ŋu me.

Nu Si Ta “Ŋutifafawɔlawo” Kpɔa Dzidzɔ

9. Aleke míawɔ nu ne míenye ŋutifafawɔlawo?

9 Yesu gagblɔ susu bubu aɖe si ta wòle be míakpɔ dzidzɔ ɖo esime wògblɔ be: “Dzidzɔtɔwoe nye ŋutifafawɔlawo, elabena woayɔ wo be ‘Mawu ƒe viwo.’” (Mat. 5:9) Ne míenye ŋutifafawɔlawo la, míade nuwɔna siwo ate ŋu ‘ama xɔlɔ̃wo dome,’ abe ameŋugblẽnya gbɔgblɔ ene, dometɔ aɖeke dzi alo akpɔ gome le wo me o. (Lod. 16:28) Míato míaƒe nyagbɔgblɔwo kple nuwɔnawo dzi ati ŋutifafa me nɔnɔ kple ame siwo le Kristo hamea me kple egodo siaa la yome. (Heb. 12:14) Vevietɔ wu la, ele be míadze agbagba vevie anɔ ŋutifafa me kple Yehowa Mawu.—Mixlẽ 1 Petro 3:10-12.

10. Nu ka tae “ŋutifafawɔlawo” kpɔa dzidzɔ?

10 Yesu gblɔ be “ŋutifafawɔlawo” akpɔ dzidzɔ, “elabena woayɔ wo be ‘Mawu ƒe viwo.’” Esi Kristotɔ amesiaminawo xɔ Yesu ƒe Mesianyenye dzi se ta la, wona “ŋusẽ wo be woazu Mawu ƒe viwo.” (Yoh. 1:12; 1 Pet. 2:24) Ekema Yesu ƒe ‘alẽ bubu’ ŋutifafawɔlawo ya ɖe? Yesu anye ‘Fofo Mavɔ’ na wo le eya kple eƒe dziƒo hadomenyilawo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me. (Yoh. 10:14, 16; Yes. 9:5; Nyaɖ. 20:6) Le eƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua ƒe nuwuwu la, ŋutifafawɔla mawo azu Mawu ƒe viwo le anyigba dzi le gɔmesese blibo nu.—1 Kor. 15:27, 28.

11. Aleke míawɔ nu ɖe amewo ŋu ne “nunya si tso dziƒo” lae fiaa mɔ mí?

11 Bene ƒomedodo kplikplikpli nanɔ mía kple Yehowa, “ŋutifafa ƒe Mawu la” dome la, ele be míasrɔ̃ eƒe nɔnɔmewo, siwo dometɔ ɖekae nye ŋutifafawɔwɔ. (Fp. 4:9) Ne míeɖea mɔ “nunya si tso dziƒo” la fiaa mɔ mí la, míawɔ nu ɖe amewo ŋu le ŋutifafa me. (Yak. 3:17) Míanye ŋutifafawɔla kpɔdzidzɔwo vavã!

“Mina Miaƒe Kekeli Naklẽ”

12. (a) Nya kae Yesu gblɔ ku ɖe gbɔgbɔmekekelia ŋu? (b) Aleke míate ŋu ana míaƒe kekeli naklẽe?

12 Míewɔa nu ɖe amewo ŋu le mɔ nyuitɔ kekeake nu ne míekpe ɖe wo ŋu woke ɖe gbɔgbɔmekekelia ŋu. (Ps. 43:3) Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be woawoe nye “xexea ƒe kekeli,” eye wòxlɔ̃ nu wo be woana woƒe kekeli naklẽ bene amewo nakpɔ woƒe “dɔwɔwɔ nyuiwo,” alo nu nyui siwo wowɔna na amewo la. Esia awɔe be woƒe gbɔgbɔmekekelia naklẽ le “amewo ŋkume,” alo aɖe vi na ameƒomea. (Mixlẽ Mateo 5:14-16.) Egbea la, míetoa nyuiwɔwɔ na mía haviwo kple gomekpɔkpɔ le gbeƒãɖeɖe nya nyuia me “le xexe blibo la katã me,” si fia “le dukɔwo katã me,” dzi naa míaƒe kekeli klẽna. (Mat. 26:13; Mar. 13:10) Mɔnukpɔkpɔ gã kae nye esi su mía si!

13. Nu kae naa amewo dea dzesi mí?

13 Yesu gblɔ be: “Womate ŋu aɣla du si le to dzi la o.” Woate ŋu akpɔ du sia du si le to dzi la bɔbɔe. Nenema kee amewo dea dzesi mí Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo le míaƒe dɔwɔwɔ nyuiwo kple míaƒe ŋuɖɔɖɔɖo kpakple agbe dzadzɛ nɔnɔ ta.—Tito 2:1-14.

14. (a) Aleke nàɖɔ akaɖi si wozãna le ƒe alafa gbãtɔ me lae? (b) Nu kae wòfia be míagaɣla míaƒe gbɔgbɔmekekelia ɖe “nudokusi” te o?

14 Yesu ƒo nu tso akaɖi sisi atsɔ ada ɖe akaɖiti dzi, ke menye ɖe kusi te o, ale be wòaklẽ na ame siwo katã le aƒea me ŋu. Akaɖi si koŋ wozãna le ƒe alafa gbãtɔ me la nye anyigoe si me ɖovu si hea ami (zi geɖe la, enyea amiti ƒe ami) vaa ɖovua nu si naa dzoa bina la nɔna. Zi geɖe la, wotsɔa akaɖia dana ɖe akaɖiti si wotsɔ ga alo ati wɔ la dzi, eye “wòklẽna ɖe ame siwo katã le aƒea me la dzi.” Amewo mesia akaɖi dana ɖe “nudokusi” te o. Yesu medi be yeƒe nusrɔ̃lawo naɣla woƒe gbɔgbɔmekekelia ɖe kpɔɖeŋu nudokusi te o. Eya ta ele be míana míaƒe kekelia naklẽ, eye míagaɖe mɔ gbeɖe be tsitretsiɖeŋu alo yometiti nana be míaɣla Ŋɔŋlɔawo me nyateƒea alo agbe egbɔgblɔ na amewo o.

15. Aleke míaƒe “dɔwɔwɔ nyuiwo” kpɔa ŋusẽ ɖe ame aɖewo dzi?

15 Esi Yesu ƒo nu tso akaɖi ƒe keklẽ ŋu vɔ hafi wògblɔ na eyomedzelawo be: “Nenema kee mina miaƒe kekeli naklẽ le amewo ŋkume, bene woakpɔ miaƒe dɔwɔwɔ nyuiwo, eye woatsɔ ŋutikɔkɔe ana mia Fofo si le dziƒowo.” Míaƒe “dɔwɔwɔ nyuiwo” wɔnɛ be ame aɖewo va zua Mawu subɔlawo hetoa esia dzi ‘tsɔa ŋutikɔkɔe’ nanɛ. Aleke gbegbe esia dea dzi ƒo na mí be míayi edzi anɔ ‘keklẽm abe akaɖiwo ene le xexea mee’ nye esi!—Fp. 2:15.

16. Nu kae “xexea ƒe kekeli” nyenye bia tso mía si?

16 Be míanye “xexea ƒe kekeli” bia be míaƒo mía ɖokuiwo ɖe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔ dɔa me. Gake egabia nu bubu aɖe hã tso mía si. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Miyi edzi mianɔ zɔzɔm abe kekeli ƒe viwo ene, elabena kekeli la ƒe kutsetse ye nye nyuiwɔwɔ kple dzɔdzɔenyenye kpakple nyateƒe ɖe sia ɖe ƒomevi.” (Ef. 5:8, 9) Ehiã be míaɖo kpɔɖeŋu nyui le agbenɔnɔ ɖe Mawu ƒe dzidzenuwo nu me. Le nyateƒe me la, ele be míawɔ ɖe apostolo Petro ƒe aɖaŋuɖoɖo sia dzi be: “Mina miaƒe agbenɔnɔ nanyo le dukɔwo dome, bene le nu si me wole nu ƒom tsi tsitre ɖe mia ŋu abe vɔ̃ wɔlawo ene le me la, le miaƒe dɔ nyui siwo teƒe wokpɔ ŋuti la, woado Mawu ɖe dzi le kpɔkpɔɖaŋkeke la dzi.” (1 Pet. 2:12) Nu kae wòle be woawɔ ne masɔmasɔwo ɖo haxɔsetɔwo dome?

‘Wɔ Ŋutifafa Kple Nɔviwò’

17-19. (a) Nu kae nye “nunana” si ŋu woƒo nu tsoe le Mateo 5:23, 24? (b) Aleke gbegbe ŋutifafa wɔwɔ kple ame nɔvi le vevie, eye aleke Yesu ɖe esia fiae?

17 Yesu xlɔ̃ nu eƒe nusrɔ̃lawo le eƒe Todzimawunyaa me ku ɖe dziku léle ɖi kple fuléle wo nɔviwo ŋu. Nu si boŋ wòle be woawɔ ye nye be woatso kaba awɔ ŋutifafa kple wo nɔvi si dzi wodze agɔ le la. (Mixlẽ Mateo 5:21-25.) De dzesi Yesu ƒe aɖaŋuɖoɖo sia nyuie. Ne ètsɔ wò nunana gbɔna vɔsamlekpuia gbɔ, eye nèɖo ŋku edzi le afi ma be nya aɖe le nɔviwò si ɖe ŋuwò la, nu kae wòle be nàwɔ? Ele be nàgblẽ wò nunana la ɖe vɔsamlekpuia ŋgɔ, eye nàyi aɖawɔ ŋutifafa kple nɔviwò. Ne èwɔ esia vɔ la, àte ŋu atrɔ agbɔ ava atsɔ wò nunana la ana.

18 Zi geɖe la, “nunana” nye nane si ame ate ŋu atsɔ asa vɔe le Yehowa ƒe gbedoxɔa me. Lãwo tsɔtsɔ sa vɔ nye nu si nɔ vevie ŋutɔ, elabena Mawu ye de eƒe se na Israel viwo le Mose ƒe Sea me. Gake ne èɖo ŋku edzi be nya aɖe le nɔviwò si ɖe ŋuwò la, nya ma gbɔ kpɔkpɔ hiã kpata wu vɔa sasa gɔ̃ hã. Yesu gblɔ be: “Gblẽ wò nunana la ɖe afi ma le vɔsamlekpuia ŋgɔ, eye dzo nàyi.” Eyi edzi be: “Wɔ ŋutifafa kple nɔviwòa gbã, eye emegbe ne ètrɔ gbɔ la, nàtsɔ wò nunana la ana.” Ele vevie be ame nawɔ ŋutifafa kple nɔvia gbã hafi ava asa vɔ si Sea bia la.

19 Menye nunana kple nu vɔ̃ ƒomevi aɖewo koŋ ŋue Yesu ƒo nu tsoe o. Eya ta ele be ame nagblẽ nunana ɖe sia ɖe ɖi ne eɖo ŋkui be nya aɖe le ye nɔvi si ɖe ye ŋu. Ne lã gbagbee wòtsɔ va vɔa sa gee la, ele be wòagblẽe ɖe numevɔsa ƒe “vɔsamlekpuia ŋgɔ” le nunɔlawo ƒe xɔxɔnu le gbedoxɔa me. Ne wokpɔ kuxia gbɔ vɔ la, agɔdzelaa atrɔ agbɔ ava asa vɔa.

20. Ne míedo dziku ɖe mía nɔvi aɖe ŋu la, nu ka tae wòle be míakpɔ nya la gbɔ kaba?

20 Le Mawu ƒe nukpɔsusu nu la, mía kple mía nɔviwo dome ƒomedodoa nye tadedeagu vavã la ƒe akpa vevi aɖe. Viɖe aɖeke manɔ lãwo ƒe vɔsawo ŋu na Yehowa ne ame siwo le vɔawo sam la mewɔa nu ɖe wo nɔviwo ŋu nyuie o. (Mixa 6:6-8) Eya ta Yesu xlɔ̃ nu eƒe nusrɔ̃lawo be ‘woadzra wo nɔewo dome ɖo kaba.’ (Mat. 5:25) Paulo hã ŋlɔ nya sia tɔgbi be: “Mibi dzi, gake migawɔ nu vɔ̃ o; miaƒe dzibibi la naganɔ anyi ɣe naɖo to ɖe edzi o, eye migaɖe mɔ na Abosam hã o.” (Ef. 4:26, 27) Ne mía tɔ dzɔ be míado dziku hã la, ele be míadze agbagba akpɔ nya la gbɔ kaba bene míaƒe dzibibi la nagayi edzi anɔ anyi o, eye be míagaɖe mɔ na Abosam bene wòakpɔ mɔnu le mía ŋu o.—Luka 17:3, 4.

Wɔ Nu Ðe Amewo Ŋu Bubutɔe Ɣesiaɣi

21, 22. (a) Aleke míate ŋu awɔ Yesu ƒe aɖaŋuɖoɖo siwo me míedzro fifi laa la ŋu dɔe? (b) Nu ka mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

21 Ele be Yesu ƒe Todzimawunyaa ƒe akpa aɖewo siwo me míedzro la nakpe ɖe mía ŋu míawɔ nu ɖe amewo ŋu dɔmefafatɔe kple bubutɔe. Togbɔ be mí katã míenye ame madeblibowo hã la, míate ŋu awɔ ɖe Yesu ƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi, elabena mebia nu si míate ŋu awɔ o la tso mía si o, eye mía Fofo si le dziƒo hã mewɔna nenema o. Gbedodoɖa, kutrikuku anukwaretɔe, kple Yehowa Mawu ƒe kpekpeɖeŋu, ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanye ame fafawo, nublanuikpɔlawo, kple ŋutifafawɔlawo. Míate ŋu ana míaƒe gbɔgbɔmekekelia naklẽ hena Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe. Gawu la, míate ŋu awɔ ŋutifafa kple mía nɔvi ne esia wɔwɔ va hiã.

22 Tadedeagu si dzea Yehowa ŋu la lɔ nuwɔwɔ ɖe mía nɔviwo ŋu nyuie ɖe eme. (Mar. 12:31) Le nyati si kplɔe ɖo me la, míadzro Todzimawunyaa me nya bubu siwo akpe ɖe mía ŋu be míayi edzi anɔ nyui wɔm na amewo la me. Ke hã, esi míede ŋugble tso Yesu ƒe dutoƒonuƒo ɖedzesi la me nya aɖewo ŋu vɔ la, míate ŋu abia mía ɖokuiwo be, “Ðe mewɔa nu ɖe amewo ŋu nyuiea?”

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 1 Ne èle ɖokuisinusɔsrɔ̃ wɔm la, àkpɔe godoo be aɖe vi ŋutɔ ne èxlẽ Biblia ƒe akpa siawo hafi dze nyati sia kple esi kplɔe ɖo la sɔsrɔ̃ gɔme.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Nu kae wòfia be woanye ame fafa?

• Nu ka tae “nublanuikpɔlawo” kpɔa dzidzɔ?

• Aleke míate ŋu ana míaƒe kekeli naklẽe?

• Nu ka tae wòle be ‘míawɔ ŋutifafa kple mía nɔvi kaba’?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 4]

Fiaɖuƒegbedeasia gbɔgblɔ nye mɔ vevi aɖe si dzi míetona naa míaƒe kekelia klẽna

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Ele be Kristotɔwo nanɔ agbe nɔm ɖe Mawu ƒe dzidzenuwo nu

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Dze agbagba ɖe sia ɖe nàwɔ ŋutifafa kple nɔviwò