Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Esi Nèkpɔtɔ Nye Sɔhɛ La, Tiae Be Yeasubɔ Yehowa

Esi Nèkpɔtɔ Nye Sɔhɛ La, Tiae Be Yeasubɔ Yehowa

Esi Nèkpɔtɔ Nye Sɔhɛ La, Tiae Be Yeasubɔ Yehowa

“Yi edzi nànɔ nu siwo nèsrɔ̃, eye nèkpɔ kakaɖedzi le wo ŋu hexɔ wo dzi se la me.”—2 TIM. 3:14.

1. Aleke Yehowa bua subɔsubɔ si eƒe Ðasefo sɔhɛwo tsɔna nanɛ lae?

SUBƆSUBƆ kɔkɔe si sɔhɛwo tsɔna naa Yehowa la le vevie nɛ ale gbegbe be wòto eƒe gbɔgbɔa dzi na wogblɔ nya ɖi ku ɖe wo ŋu. Hakpala la dzi ha be: “Wò dukɔ atsɔ eɖokui ake wò le wò aʋakpegbe, eye wò ɖekakpuiwo anɔ atsyɔ̃ɖoɖo kɔkɔe me ado na wò abe zãmu tso agudzedze ƒe dɔ me ene.” (Ps. 110:3) Nyateƒee, Yehowa dea asixɔxɔ gã aɖe ŋutɔ sɔhɛ siwo lɔ̃na be yewoasubɔe la ŋu.

2. Xexea ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi kawoe sɔhɛwo dzea ŋgɔ egbea ku ɖe woƒe etsɔme ŋu?

2 Mi sɔhɛ siwo le Kristo hamea me, ɖe mietsɔ mia ɖokuiwo ɖe adzɔgbe na Yehowa? Anye nu sesẽ na ame geɖe be woatiae be yewoasubɔ Mawu vavã la. Asitsala gãwo kple nufialawo ƒonɛ ɖe sɔhɛwo nu be woati ŋutilãmetaɖodzinuwo yome, eye ɣeaɖewoɣi la, ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo hã wɔa esia. Zi geɖe la, ne sɔhɛwo ti gbɔgbɔmetaɖodzinuwo yome la, xexea ɖua fewu le wo ŋu. Ke hã, nyateƒeae nye be, Mawu vavã la subɔsubɔe nye agbenɔnɔmɔ nyuitɔ si yome nàte ŋu ati. (Ps. 27:4) Le go sia me la, de ŋugble tso nyabiase etɔ̃ siawo ŋu kpɔ: Nu ka tae wòle be nàsubɔ Mawu ɖo? Aleke nàte ŋu anɔ agbe ɖe wò adzɔgbeɖeɖe na Mawu nu dzidzedzetɔe metsɔ le nya siwo ame bubuwo agblɔ alo nu si woawɔ me o? Subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ wɔnuku kawoe ate ŋu aʋu ɖi na wò?

Yehowa Subɔsubɔ Ye Nye Nu Nyuitɔ Si Wòle Be Nàwɔ

3. Aleke wòle be Yehowa ƒe nuwɔwɔwo nakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzii?

3 Nu ka tae wòle be nàsubɔ Mawu vavã si nye Mawu gbagbe la? Nyaɖeɖefia 4:11 gblɔ susu vevi si tae la na mí ale: “Yehowa, mía Mawu, wòe dze be nàxɔ ŋutikɔkɔe kple bubu kple ŋusẽ, elabena wòe wɔ nuwo katã, eye wò lɔlɔ̃nu ta woli, eye wowɔ wo ɖo.” Yehowa ye nye Wɔla wɔnuku si wɔ nu siwo katã li. Kpɔ ale si gbegbe anyigba la dze anii ɖa! Yehowa ye wɔ atiwo, seƒoƒowo, lãwo, atsiaƒuwo, towo, kple tsitsetsewo katã. Psalmo 104:24 gblɔ be: ‘Anyigba la yɔ fũu kple Mawu ƒe nuwɔwɔwo.’ Ðe míedaa akpe ŋutɔ be Yehowa na ŋutilã kple susu mí lɔlɔ̃tɔe siwo kpena ɖe mía ŋu be míesea vivi le nu nyui siwo le anyigbaa dzi me oa? Ðe mele be ŋudzedzekpɔkpɔ vevie ɖe nuwɔwɔ wɔnuku siawo ŋu naʋã mí míadi be míasubɔe oa?

4, 5. Mawu ƒe dɔwɔwɔ kawoe te Yosua ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli?

4 Susu bubu si tae wòle be míasubɔ Yehowa ɖo la dze le nya siwo Israel kplɔla Yosua gblɔ la me. Le Yosua ƒe agbe ƒe nuwuwu lɔƒo la, egblɔ na Mawu ƒe amewo be: “Mienyae tso dzi blibo kple luʋɔ blibo me bena, nya aɖeke meto le nya nyui, siwo katã Yehowa, mia Mawu la, gblɔ na mi la me o, wo katã va me na mi.” Nu ka tae Yosua te ŋu gblɔ nya sia?—Yos. 23:14.

5 Esime Yosua nɔ ɖevime le Egipte la, anya nya nu tso ŋugbe si Yehowa do be yeana anyigba aɖe Israel viwo wòazu wo tɔ la ŋu. (1 Mose 12:7; 50:24, 25; 2 Mose 3:8) Emegbe Yosua kpɔ eteƒe esime Yehowa na ŋugbedodo ma te eme vava esi wòhe Fuwɔame Ewoawo va Egipte dzi si ƒoe ɖe Farao dzimesesẽtɔ la nu wòɖe asi le Israel viwo ŋu wodzo. Yosua nɔ ame siwo woɖe to Ƒudzĩa me la dome, eye wòkpɔ eteƒe esime atsiaƒua nye tsyɔ Farao ƒe aʋakɔ la dzi. Le mɔ legbee si wozɔ to Sinai Gbedadaƒo ƒe “gbe gã dziŋɔ ma dzi” me la, Yosua kpɔ ale si Yehowa kpɔ Israel viwo ƒe nuhiahiãwo katã gbɔ na wo la teƒe. Wo dometɔ ɖeka pɛ hã meku le tsikɔwuame alo dɔwuame ta o. (5 Mose 8:3-5, 14-16; Yos. 24:5-7) Esi ɣeyiɣia de be Israel viwo nawɔ aʋa kple Kanaan dukɔ sesẽawo ahaxɔ Ŋugbedodonyigbaa wòazu wo tɔ la, Yosua kpɔ ale si Mawu si eya kple Israel vi bubuawo subɔ la kpe ɖe wo ŋu le dɔ sia wɔwɔ me la teƒe.—Yos. 10:14, 42.

6. Nu kae akpe ɖe ŋuwò nàtu didi be yeasubɔ Mawu ɖo?

6 Yosua nyae be Yehowa wɔ ɖe Eƒe ŋugbedodowo dzi. Eya tae Yosua gblɔ be: “Mía kple nye aƒe ya míasubɔ Yehowa!” (Yos. 24:15) Ke wò ya ɖe? Ne ède ŋugble tso Mawu vavã la ƒe ŋugbedodo siwo va eme xoxo kple esiwo ava va eme ŋu la, ɖe wòdzroa wò be yeasubɔe abe ale si Yosua wɔe enea?

7. Nu ka tae nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tsi me nye afɔ vevi aɖe si wòle be ame naɖe?

7 Ele be ŋugbledede tso Yehowa ƒe nuwɔwɔwo kple eƒe ŋugbedodo wɔnuku siwo ŋu kakaɖedzi blibo le ŋu naʋã wò nàɖe adzɔgbe na Yehowa ahatsɔ nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tsi me aɖo kpe edzi. Nyɔnyrɔxɔxɔ nye afɔ vevi aɖe si wòle be ame siwo di be yewoasubɔ Mawu la naɖe. Míaƒe Kpɔɖeŋuɖola Yesu na esia dze kɔte. Do ŋgɔ teti na eƒe dɔ gɔme dzedze abe Mesia ene la, eyi ɖe Yohanes Amenyrɔɖetsimela la gbɔ be wòanyrɔ ye. Nu ka tae Yesu ɖe afɔ ma? Eɖe eme emegbe be: “Meɖi tso dziƒo va, menye be mawɔ nye ŋutɔ nye lɔlɔ̃nu o, ke boŋ ame si dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu.” (Yoh. 6:38) Be Yesu naɖo kpe edzi be yetsɔ ye ɖokui na be yeawɔ ye Fofo ƒe lɔlɔ̃nu la, exɔ nyɔnyrɔ.—Mat. 3:13-17.

8. Nu ka tae Timoteo tiae be yeasubɔ Mawu, eye nu kae wòahiã be wò hã nàwɔ?

8 Bu Timoteo, sɔhɛ Kristotɔ si Yehowa va na dɔ kple mɔnukpɔkpɔ geɖewo emegbe la, hã ŋu kpɔ. Nu ka tae Timoteo tiae be yeasubɔ Mawu vavã la? Biblia gblɔ na mí be, ‘esrɔ̃ nu, eye wòkpɔ kakaɖedzi le wo ŋu hexɔ wo dzi se.’ (2 Tim. 3:14) Ne èsrɔ̃ Mawu ƒe Nya la eye nèkpɔ kakaɖedzi le eƒe nufiafiawo ŋu hexɔ wo dzi se be wonye nyateƒe la, ke wò nɔnɔme sɔ kple Timoteo tɔ. Ehiã be nàwɔ nyametsotso azɔ. Ðe manyo be nàgblɔ nu siwo nèdi be yeawɔ la na dziwòlawo oa? Woa kple hamemetsitsiwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàse Ŋɔŋlɔawo me nudidi siwo gbɔ nàɖo hafi axɔ nyɔnyrɔ la gɔme.—Mixlẽ Dɔwɔwɔwo 8:12.

9. Ŋusẽ kae wò nyɔnyrɔxɔxɔ ate ŋu akpɔ ɖe ame bubuwo dzi?

9 Wò nyɔnyrɔxɔxɔ anye Mawu vavã la subɔsubɔ ƒe gɔmedzedze nyui aɖe. To afɔ sia ɖeɖe me la, èdze duɖimekeke si ƒe teƒeɖoɖowoe nye agbe mavɔ kple dzidzɔ si tsoa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me fifia la gɔme. (Heb. 12:2, 3) Esia wɔwɔ ahe dzidzɔ vae na wò ƒometɔ siwo le duɖime sia kem xoxo, kple xɔ̃wò siwo le Kristo hamea me la hã. Vevietɔ wu la, àdo dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi. (Mixlẽ Lododowo 23:15.) Enye nyateƒe be ame aɖewo mase nu si tae nètiae be yeasubɔ Yehowa la gɔme o, eye woahe nya ɖe ŋuwò. Woate ŋu atsi tsitre ɖe ŋuwò gɔ̃ hã. Gake àte ŋu anɔ te ɖe kuxi siawo nu dzidzedzetɔe.

Ne Amewo He Nya Alo Tsi Tsitre Ðe Ŋuwò

10, 11. (a) Nya kawoe amewo ate ŋu abia wò ku ɖe wò nyametsotso be yeasubɔ Mawu ŋu? (b) Nu kae nàte ŋu asrɔ̃ tso ale si Yesu ɖo nyabiase siwo ku ɖe tadedeagu vavãtɔ ŋu la ŋu me?

10 Wò nyametsotso be yeasubɔ Yehowa ate ŋu aɖe fu na wò sukuhatiwo, aƒelikawo, kple wò ƒometɔwo. Woate ŋu abia nya wò ku ɖe nu si tae nètia agbenɔnɔmɔ ma kple wò dzixɔsewo ŋu. Aleke wòle be nàɖo eŋu na woe? Le nyateƒe me la, ehiã be nàdzro wò nukpɔsusu kple wò seselelãmewo me kpɔ bene nàte ŋu asu te aɖe susu siwo tae nèwɔ tiatia ma ɖo la me na wo. Eye mèkpɔe be ne èle nya siwo wobia wò tso wò dzixɔsewo ŋu la ŋu ɖom la, Yesu ye nye kpɔɖeŋu nyuitɔ si nàte ŋu asrɔ̃ oa?

11 Esi Yuda subɔsubɔhakplɔlawo bia nya Yesu ku ɖe tsitretsitsia ŋu la, ehe woƒe susu yi mawunyakpukpui aɖe si ŋu womebu o la dzi. (2 Mose 3:6; Mat. 22:23, 31-33) Esi agbalẽfiala aɖe bia be, seawo dometɔ kae nye vevitɔ mahã la, Yesu yɔ mawunyakpukpui aɖewo siwo sɔ la nɛ. Ŋutsua kpɔ ŋudzedze ɖe Yesu ƒe nyaŋuɖoɖoa ŋu. (3 Mose 19:18; 5 Mose 6:5; Mar. 12:28-34) Ale si Yesu zã Ŋɔŋlɔawo kple ale si wòƒo nui la na “ameha la dome ma le eta,” eye eƒe tsitretsiɖeŋulawo mete ŋu wɔ vɔ̃ aɖekee o. (Yoh. 7:32-46) Ne èle nya siwo ku ɖe wò dzixɔse ŋu ŋu ɖom la, zã Biblia eye nàɖo nya ŋu le “tufafa kple bubu deto” me. (1 Pet. 3:15) Ne mènya nyabiase aɖe ƒe ŋuɖoɖo o la, gblɔ be yemenyae o, eye nàgblɔ na wo be yeayi aɖawɔ numekuku. Emegbe wɔ numekuku ku ɖe nya la ŋu le Watch Tower Publications Index alo Watchtower Library si le CD-ROM dzi me, ne ele gbe si nèxlẽna me. Ne èdzra ɖo nyuie la ànya ‘ale si wòle be nàɖo nya ŋu na ame sia ame.’—Kol. 4:6.

12. Nu ka tae mele be nàɖe mɔ yometiti naɖe dzi le ƒowò o?

12 Ate ŋu adzɔ be menye nyabiase siwo ku ɖe wò nyametsotso be yeasubɔ Mawu kple wò dzixɔsewo ŋu koe nàdo goe o. Ènyae nyuie be Mawu ƒe futɔ, Satana Abosam, ye le xexe sia dzi ɖum. (Mixlẽ 1 Yohanes 5:19.) Mele be nàkpɔ mɔ be ame sia ame nakafu wò alo akpɔ ŋudzedze ɖe ŋuwò o, eye woate ŋu atsi tsitre ɖe ŋuwò gɔ̃ hã. Ame aɖewo anɔ ‘nya manyomanyowo gblɔm’ ɖe ŋuwò, eye ɖewohĩ woayi egbɔgblɔ dzi. (1 Pet. 4:4) Gake ɖo ŋku edzi be, menye wò ɖeka koe o. Woti Yesu Kristo hã yome. Nenema kee woti apostolo Petro hã yomee. Apostolo sia ŋlɔ bena: “Lɔlɔ̃tɔwo, migana dzo si le bibim le mia dome, si nye tetekpɔ si le mia dzi vam la, nawɔ nuku na mi, abe nu madzɔkpɔ aɖee le dzɔdzɔm ɖe mia dzi ene o. Ke boŋ miyi edzi mianɔ dzidzɔ kpɔm, esi miekpɔa gome le Kristo la ƒe fukpekpewo me ta.”—1 Pet. 4:12, 13.

13. Nu ka tae Kristotɔwo ate ŋu akpɔ dzidzɔ ne wole wo yome tim?

13 Dzidodo le yometiti alo tsitretsiɖeŋu me le míaƒe Kristotɔnyenye ta nye nane si ta wòle be míakpɔ dzidzɔ ɖo. Nu ka tae? Elabena ne xexea kpɔa ŋudzedze ɖe ŋuwò la, esia afia be wò agbenɔnɔ wɔ ɖeka kple Satana ƒe dzidzenuwo—ke menye Mawu tɔwo o. Yesu xlɔ̃ nu be: “Baba na mi, ne amewo katã ƒoa nu nyui le mia ŋu, elabena nu siawo tɔgbi ye wo tɔgbuiwo wɔ na aʋatsonyagblɔɖilawo.” (Luka 6:26) Yometitiwo ɖenɛ fiana be Satana kple eƒe xexea do dziku ɖe ŋuwò le esi nèle Yehowa subɔm ta. (Mixlẽ Mateo 5:11, 12.) Eye ne ‘wole vlo dom wò le Kristo ta la,’ ele be nàkpɔ dzidzɔ.—1 Pet. 4:14.

14. Nu nyui kawoe ate ŋu ado tso eme ne ame aɖe lé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na Yehowa togbɔ be wole eyome tim hã?

14 Nu nyui ene ya teti dona tso eme ne èyi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa togbɔ be wole tsitre tsim ɖe ŋuwò hã. Èle ɖase ɖim tso Mawu kple Via ŋu. Wò dzidodo nuteƒewɔwɔtɔe dea dzi ƒo na nɔviwò Kristotɔ bubuwo. Ate ŋu aʋã ame siwo menya Yehowa o la dometɔ aɖewo woadii. (Mixlẽ Filipitɔwo 1:12-14.) Eye ne èle ale si gbegbe Yehowa le ŋusẽ dom wò be nàte ŋu anɔ te ɖe dodokpɔwo nui kpɔm dze sii la, lɔlɔ̃ si le asiwò nɛ me agasẽ ɖe edzi.

Woʋu “Ʋɔtru Gã Aɖe” Na

15. “Ʋɔtru gã” kae ʋu ɖi na apostolo Paulo?

15 Apostolo Paulo ŋlɔ tso subɔsubɔdɔ si wòwɔ le Efeso ŋu be: “Woʋu dɔwɔwɔ ƒe ʋɔtru gã aɖe nam.” (1 Kor. 16:8, 9) Nya nyui gbɔgblɔ kple nusrɔ̃lawɔwɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ ƒe ʋɔtru gã aɖee ʋu ɖi nɛ le dugã ma me. Esi Paulo to ʋɔtru ma nu yi la, ete ŋu kpe ɖe ame geɖe ŋu wosrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu heva zu Mawu subɔlawo.

16. Aleke amesiamina susɔeawo to “ʋɔtru, si le nuvo la” nu le ƒe 1919 mee?

16 Le ƒe 1919 me la, Yesu Kristo si wodo ŋutikɔkɔe na la tsɔ “ʋɔtru, si le nuvo la” ɖo amesiamina susɔeawo ŋkume. (Nyaɖ. 3:8) Woto ʋɔtru ma nu yi eye wote gbeƒãɖeɖe nya nyuia hele Biblia me nyateƒea fiam dzonɔamemetɔe wu tsã. Nu kae do tso woƒe subɔsubɔdɔa me? Fifia la, nya nyuia ɖo anyigba la ƒe seƒe ke, eye agbe mavɔ nɔnɔ le Mawu ƒe xexe yeyea me ƒe mɔkpɔkpɔ su ame miliɔn adre kloe si.

17. Aleke nàwɔ ato “dɔwɔwɔ ƒe ʋɔtru gã” la nu?

17 “Dɔwɔwɔ ƒe ʋɔtru gã aɖe” gakpɔtɔ le ʋuʋu ɖi gbadzaa na Yehowa subɔlawo katã. Ame siwo toa enu yina la kpɔa dzidzɔ kple dzidzeme esi wole geɖe wu wɔm le nya nyui gbɔgblɔ dɔa me ta. Mi sɔhɛ Yehowa subɔlawo, asixɔxɔ ka gbegbee miedea mɔnukpɔkpɔ si ɖeke mesɔ kpli o si su mia si be miakpe ɖe amewo ŋu be ‘woaxɔ nya nyuia dzi se’ la ŋu? (Mar. 1:14, 15) Èbu gbesiagbe mɔɖeɖedɔa alo kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ŋu kpɔa? Fiaɖuƒe Akpata tutu dɔa, Betel subɔsubɔdɔ, kple dutanyanyuigbɔgblɔdɔa nye mɔnukpɔkpɔ siwo ate ŋu aʋu ɖi na mia dometɔ geɖe. Esi wònye be Satana ƒe xexe sia ƒe ɣeyiɣi le vɔvɔm kabakaba ta la, ame ɖokui ƒoƒo ɖe Fiaɖuƒesubɔsubɔdɔa ƒe akpa siawo me va le hiahiãm wu gbe sia gbe. Àto “ʋɔtru gã” la nu esime ɣeyiɣi gakpɔtɔ li na ewɔwɔa?

“Miɖɔe Kpɔ, Eye Miakpɔ Be, Yehowa Ƒe Dɔme Nyo”

18, 19. (a) Nu kae kpe ɖe David ŋu be didi vevie nɔ eme ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu? (b) Nu kae ɖee fia be meve David kpɔ gbeɖe be yetiae be yeasubɔ Mawu o?

18 Hakpala si gbɔgbɔ ʋã la kpe amewo be: “Miɖɔe kpɔ, eye miakpɔ be, Yehowa ƒe dɔme nyo.” (Ps. 34:9) Esime blema Israel Fia David nye alẽkplɔvi la, Yehowa ɖee tso lã wɔadãwo si me. Mawu kpe ɖe eŋu le aʋawɔwɔ kple Goliat me, eye wòkpɔ eta tso afɔku bubuwo hã me. (1 Sam. 17:32-51; Ps. 18:1) Amenuveve gã si Mawu ɖe fia David ʋãe wòŋlɔ bena: “Yehowa, nye Mawu, wò nukunu kple wò tamesusu, siwo nèɖe fia ɖe mía ŋu la, sɔ gbɔ. Naneke mede nuwò o!”—Ps. 40:6.

19 David va lɔ̃ Yehowa vevie eye wòdi be yeakafui kple yeƒe dzi kple tamesusu blibo. (Mixlẽ Psalmo 40:9-11.) Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, meve David kpɔ gbeɖe be yezã yeƒe agbe le Mawu vavã la subɔsubɔ me o. Agbenɔnɔ ɖe mawusosroɖa nu nye nu xɔasi aɖe ŋutɔ nɛ—enye dzidzɔtsoƒe si ɖeke mesɔ kpli o. David gblɔ le eƒe tsitsime be: ‘Wòe nye nye mɔkpɔkpɔ, Aƒetɔ Yehowa, nye nu si ŋu meɖoa ŋu ɖo tso nye ɖevime ke! Eya ta, Mawu, mègagblẽm ɖi o va se ɖe nye amegãkuku kple nye wɔƒoƒo me.’ (Ps. 71:5, 18) David ƒe kaka ɖe Yehowa dzi kple woa kplii dome xɔlɔ̃wɔwɔa me va sẽ ɖe edzi, togbɔ be ŋusẽ vɔ le eŋu hã.

20. Nu ka tae Mawu subɔsubɔe nye mɔ nyuitɔ si nu nàzã wò agbe ɖo?

20 Yosua, David, kple Timoteo ƒe agbenɔnɔ ɖo kpe edzi be Yehowa subɔsubɔ ye nye mɔ nyuitɔ si nu nàzã wò agbe ɖo. Viɖe siwo nɔa anyi ɣeyiɣi kpui aɖe siwo dona tso xexe sia ƒe ŋutilãmedɔ me la, mate ŋu agogo viɖe mavɔ siwo nàkpɔ tso ‘Yehowa subɔsubɔ tso dzi blibo kple luʋɔ blibo me’ me kura o. (Yos. 22:5) Ne mèɖe adzɔgbe na Yehowa le gbedodoɖa me haɖe o la, bia ɖokuiwò be, ‘Nu kae le mɔ xem nam be mava zu Yehowa Ðasefo?’ Ne èxɔ nyɔnyrɔ xoxo hezu Yehowa subɔla la, àdi be yeadzi yeƒe dzidzɔkpɔkpɔ ɖe edzi le agbe mea? Ekema keke wò subɔsubɔdɔa ɖe enu, eye nàyi edzi anɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi wɔm. Nyati si kplɔe ɖo akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ ale si nàwɔ atsi le gbɔgbɔ me to apostolo Paulo ƒe kpɔɖeŋu sɔsrɔ̃ me.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Gblɔ susu eve siwo tae wòle be míasubɔ Mawu ɖo.

• Nu kae kpe ɖe Timoteo ŋu wòtiae be yeasubɔ Mawu?

• Nu ka tae wòle be nànɔ tsitre sesĩe ne èdo go yometitiwo?

• Subɔsubɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ kawoe ate ŋu aʋu ɖi na wò?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Yehowa subɔsubɔ ye nye agbenɔnɔmɔ nyuitɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 19]

Àte ŋu aɖo nya siwo woabia wò ku ɖe wò dzixɔsewo ŋu la ŋua?