Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Míakpɔ Ðeɖe Kpuie—To Mawu Fiaɖuƒea Dzi!

Míakpɔ Ðeɖe Kpuie—To Mawu Fiaɖuƒea Dzi!

Míakpɔ Ðeɖe Kpuie—To Mawu Fiaɖuƒea Dzi!

“Wò fiaɖuƒe nava. Wò lɔlɔ̃nu nava eme le dziƒo, kple anyigba dzi hã.”—MAT. 6:10.

1. Nu kae nye Yesu ƒe nufiafia vevitɔ?

YESU KRISTO fia kpɔɖeŋugbedodoɖa aɖe le eƒe Todzimawunya la me si ɖe nu si nye eƒe nufiafia vevitɔ la fia kpuie. Efia eyomedzelawo be woado gbe ɖa na Mawu be: “Wò fiaɖuƒe nava. Wò lɔlɔ̃nu nava eme le dziƒo, kple anyigba dzi hã.” (Mat. 6:9-13) Yesu yi “tso du me yi du me kple kɔƒe yi kɔƒe nɔ gbeƒã ɖem henɔ Mawu fiaɖuƒea ŋuti nya nyui la gblɔm.” (Luka 8:1) Kristo xlɔ̃ nu eyomedzelawo be: “Miyi edzi mianɔ fiaɖuƒe la kple Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye dim gbã.” (Mat. 6:33) Ne èle nyati sia srɔ̃m la, de ŋugble tso mɔ siwo dzi nàzã emenyawo le le wò subɔsubɔdɔa me la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble tso ale si nàte ŋu aɖo nyabiase siwo gbɔna ŋui ŋu: Aleke gbegbe Fiaɖuƒegbedeasia le vevie? Nu kawo mee wòahiã be woaɖe ameƒomea tsoe? Eye aleke Mawu ƒe Fiaɖuƒea ahe ɖeɖekpɔkpɔ avae?

2. Aleke gbegbe Fiaɖuƒegbedeasia le vevie?

2 Yesu gblɔ ɖi be: “Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒe ŋuti nya nyui sia le anyigba blibo la katã dzi, be wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu la ava.” (Mat. 24:14) Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui lae nye nu vevitɔ. Vavãe, eyae nye gbedeasi vevitɔ le xexea me! Le Yehowa Ðasefowo ƒe hame 100,000 kple edzivɔ siwo le anyigba dzi godoo me la, Mawu subɔla siwo ade miliɔn adre kloe le gbeƒãɖeɖedɔ si ɖeke mesɔ kpli o la wɔm vevie hele egblɔm na amewo be, woɖo Fiaɖuƒe la anyi vɔ. Fiaɖuƒea ɖoɖo anyi nye nya nyui, elabena esia fia be Mawu ɖo dziɖuɖu aɖe anyi le dziƒo be wòaɖu anyigba la dzi bliboe. Le Fiaɖuƒedziɖuɖua te la, woawɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzi abe ale si wòle le dziƒo ene.

3, 4. Aleke nuwo anɔ ne wole Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔm le anyigba dzi?

3 Aleke nuwo anɔ na ameƒomea ne wole Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔm le anyigba la dzi? Yehowa “[atutu] aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkume, eye ku maganɔ anyi o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple vevesese hã maganɔ anyi o.” (Nyaɖ. 21:4) Amewo madze dɔ alo aku le nu vɔ̃ kple blibomademade si ƒe dome wonyi la ta o. Mɔnukpɔkpɔ asu ame kuku siwo le Mawu ƒe susu me la si be woanɔ agbe tegbee, elabena Biblia do ŋugbe be: “Tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.” (Dɔw. 24:15) Aʋawɔwɔ, dɔléle, alo dɔwuame maganɔ anyi o, eye woatrɔ anyigba la wòazu paradiso. Lã siwo wɔa nu vevi ame egbea gɔ̃ hã anɔ ŋutifafa me kple amegbetɔwo kpakple lã bubuwo siaa.—Ps. 46:10; 72:16; Yes. 11:6-9; 33:24; Luka 23:43.

4 Le yayra wɔnuku siwo Fiaɖuƒedziɖuɖua ahe vae ta la, mewɔ nuku o be Biblia me nyagblɔɖi aɖe zã nya fakɔname siawo tsɔ ƒo nu tso ale si agbenɔnɔ anɔ ɣemaɣi la ŋu ale: “Ame ɖihiãwo anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.” Ekema ame siwo hea fukpekpe vaa amewo dzi ya ɖe? Ŋɔŋlɔawo gblɔe ɖi be: “Ekpɔtɔ vie ko ame vɔ̃ɖi la maganɔ anyi o.” Gake ‘ame siwo kpɔa mɔ na Yehowa la, woanyi anyigba la dome.’—Ps. 37:9-11.

5. Nu kae adzɔ ɖe nuɖoanyi si li egbea dzi?

5 Hafi esiawo katã nate ŋu ava eme la, ele be woaɖe nuɖoanyi si li egbea kple dziɖuɖu siwo wɔa aʋa kple wo nɔewo, subɔsubɔhawo, kpakple asitsatsa nuɖoanyi siwo le eme la ɖa. Eye nu ma tututue dziƒodziɖuɖua awɔ. Gbɔgbɔ ʋã nyagblɔɖila Daniel wògblɔ ɖi be: “Le fia mawo [siwo li egbea] ŋɔli la dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi [le dziƒo], si matsrɔ̃ gbeɖegbeɖe o, eye eƒe fiaɖuƒe mayi ɖe dukɔ bubu aɖeke si me o; agbã fiaɖuƒe mawo katã [siwo li egbea], eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.” (Dan. 2:44) Mawu Fiaɖuƒea—si nye dziƒodziɖuɖu yeye aɖe—aɖu anyigba dzi ƒome yeye aɖe dzi ɣemaɣi. “Dziƒo yeye kple anyigba yeye, siwo me dzɔdzɔenyenye anɔ la” ava.—2 Pet. 3:13.

Ðeɖekpɔkpɔ Hiã Vevie Fifia Wu

6. Nya kae Biblia gblɔ tso xexe vɔ̃ɖi sia ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ŋu?

6 Esime Satana, Adam, kple Xawa dze aglã ɖe Mawu ŋu hedi be yewo ŋutɔwo yewoatso nya me le nu si nye nyui kple vɔ̃ ŋue ameƒomea ƒe dzɔgbevɔ̃ewo dze egɔme. Ƒe 1,600 kple edzivɔwo le esia megbe, do ŋgɔ na xexea me katã ƒe Tsiɖɔɖɔa la, “amegbetɔwo ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi va sɔ gbɔ le anyigba dzi, eye woƒe tamesusuwo kple dzimedidiwo nye vɔ̃ ko ɖaa.” (1 Mose 6:5) Ƒe 1,300 le esia megbe la, Salomo kpɔ be nɔnɔmeawo vɔ̃ɖi le anyigba dzi ale gbegbe be wòŋlɔ bena: ‘Mekafu ame siwo ku gbe aɖe gbe ke la, wu agbagbeawo, siwo gale agbe; eye ame si medzɔ gɔ̃ hã, ne wòayi nuwɔwɔ vɔ̃ɖi, siwo dzɔna le ɣea te, kpɔ ge o la tɔ me nyo wu wo ame eve la tɔ.’ (Nyagb. 4:2, 3) Ƒe 3,000 aɖewo le esia megbe kplɔ mí va ɖo míaƒe ɣeyiɣi si me nu vɔ̃ɖi wɔwɔ yi edzi le dzidzim ɖe edzi la me.

7. Nu ka tae wòhiã vevie fifia wu be Mawu naɖe mí?

7 Togbɔ be enye nyateƒe be vɔ̃ɖivɔ̃ɖi li tso gbe aɖe gbe ke hã la, ɖeɖekpɔkpɔ to Mawu Fiaɖuƒea dzi hiã fifia wu ɣeyiɣi bubu ɖe sia ɖe. Nɔnɔmeawo gblẽ ɖe edzi le ƒe 100 siwo va yi me wu ale si wonɔ tsã, eye woyi edzi le gbegblẽm ɖe edzi. Le kpɔɖeŋu me, Ŋkuléle Ðe Xexea Me Ŋu Habɔbɔ ka nya ta be: “Ame siwo ku le aʋa me le ƒe alafa [20 lia] me sɔ gbɔ wu ame siwo ku le aʋa me tso ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. va se ɖe ƒe 1899 me la zi gbɔ zi etɔ̃.” Tso ƒe 1914 me la, ame miliɔn 100 sɔŋ ye bu woƒe agbe le aʋawɔwɔwo me! Numekugbalẽ aɖe bu akɔnta be ame siwo ade miliɔn 60 ye ku le Xexemeʋa II me. Egbea esi dukɔ aɖewo le kɔ lim nukliaʋawɔnuwo ɖi ta la, amegbetɔwo ate ŋu atsrɔ̃ anyigbadzitɔ gbogbo aɖewo ɖa keŋkeŋ. Eye togbɔ be wowɔ ŋgɔyiyi geɖe le dzɔdzɔmeŋutinunya kple atikeŋutinunya me hã la, dɔwuame gakpɔtɔ wua ɖevi miliɔn atɔ̃ aɖewo ƒe sia ƒe.—Kpɔ Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? gbalẽa ƒe ta 9 lia.

8. Ðikekemanɔmee la, nu ka dzie ƒe akpe geɖe siwo amegbetɔwo tsɔ ɖu dzi la ɖo kpee?

8 Amegbetɔwo mete ŋu le nu vɔ̃ɖi wɔwɔ nu lém to woƒe agbagbadzedzewo dzi o. Xexe sia me dunyahehe, asitsatsa, kple subɔsubɔ nuɖoanyiwo mete ŋu kpɔ amegbetɔwo ƒe nuhiahiã veviwo—ŋutifafa, nudzedziname, kple lãmesẽ—gbɔ o. Le esi teƒe be habɔbɔ siawo nakpɔ kuxi nyadri siwo dze ŋgɔ ameƒomea gbɔ la, ɖe wohea kuxi bubuwo vanɛ boŋ. Nyateƒee, ƒe akpe geɖe siwo amegbetɔwo tsɔ ɖu dzi la ɖo kpe nya siawo ƒe nyateƒenyenye dzi be: “Amegbetɔ ƒe mɔ kple ŋutsu ƒe zɔzɔme la menye eya ŋutɔ si me wòle, ne eƒe azɔlime nato mɔ ɖeka o.” (Yer. 10:23) Vavãe, “amegbetɔ ɖua fia ɖe ame bubuwo dzi hena woƒe dzɔgbevɔ̃e.” (Nyagb. 8:9) Gawu la, “nuwɔwɔ blibo la katã le ŋeŋem ɖekae, eye wòle veve sem ɖekae va se ɖe fifia.”—Rom. 8:22.

9. Nɔnɔme kawoe Kristotɔ vavãwo kpɔa mɔ be woanɔ anyi le ‘ŋkeke mamlɛ’ siawo me?

9 Biblia gblɔ ɖi ku ɖe míaƒe ɣeyiɣia ŋu be: “Le ŋkeke mamlɛawo me la, ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ sesẽ la ava.” Esi nyagblɔɖia ƒo nu tso ale si nɔnɔmeawo anɔ le amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu te le ŋkeke mamlɛawo me ŋu vɔ la, egblɔ be: “Ame vɔ̃ɖiwo kple ameblelawo anɔ vɔ̃ɖivɔ̃ɖim ɖe edzi.” (Mixlẽ 2 Timoteo 3:1-5, 13.) Aleae Kristotɔwo kpɔa mɔ be nɔnɔmeawo anɔ, elabena “xexe blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ [Satana] ƒe ŋusẽ te.” (1 Yoh. 5:19) Gake dzidzɔnya si le emee nye be eteƒe madidi o Mawu aɖe ame siwo lɔ̃nɛ la. Woaɖe wo tso xexe sia, si le vɔ̃ɖivɔ̃ɖim ɖe edzi kabakaba la, si me.

Ðeɖekpɔkpɔ Tsoƒe Ðeka Kolia Si Ŋu Kakaɖedzi Le

10. Nu ka tae Yehowa koe nye ɖeɖekpɔkpɔ Tsoƒe ɖeka kolia si ŋu kakaɖedzi le?

10 Ne èle nya nyuia gblɔm na amewo la, na woanyae be Yehowa ɖeka koe nye ɖeɖekpɔkpɔ Tsoƒe ɖeka kolia si ŋu kakaɖedzi le. Eya ɖeka ko sie ŋusẽ le be wòaxɔ na esubɔlawo tso nɔnɔme sesẽ ɖe sia ɖe me, eye wònye eƒe didi hã. (Dɔw. 4:24, 31; Nyaɖ. 4:11) Míate ŋu aka ɖe edzi ɣesiaɣi be Yehowa aɖe eƒe amewo, eye wòana eƒe tameɖoɖowo nava eme, elabena eka atam be: ‘Ale si mebu ɖe tame la, nenema wòanɔ.’ Eƒe nya la “magbugbɔ va [egbɔ] ƒuƒlu o.”—Mixlẽ Yesaya 14:24, 25; 55:10, 11.

11, 12. Kakaɖedzi kae Mawu na esubɔlawo?

11 Yehowa na kakaɖedzi mí be yeaɖe ye subɔlawo ne yele ame vɔ̃ɖiwo tsrɔ̃m. Esime Mawu nɔ nyagblɔɖila Yeremiya dɔm be wòayi aɖaƒo nu na ame siwo nɔ nu vɔ̃ gãwo wɔm la, Egblɔ be: “Megavɔ̃ wo o.” Nu ka tae? Elabena “meli kpli wò, be maɖe wò.” (Yer. 1:8) Nenema kee esime Yehowa ɖoe be yeatsrɔ̃ Sodom kple Gomora siwo nye du vɔ̃ɖiwo la, edɔ mawudɔla eve ɖa wokplɔ Lot kple eƒe ƒomea do go tso nuto ma me. “Eye Yehowa na aŋɔ kple dzo dza . . . ɖe Sodom kple Gomora dzi.”—1 Mose 19:15, 24, 25.

12 Yehowa ate ŋu aɖe ame siwo wɔa eƒe lɔlɔ̃nu le anyigba katã dzi gɔ̃ hã. Esime wòtsɔ Tsiɖɔɖɔ tsrɔ̃ blema xexe vɔ̃ɖia la, ‘ekpɔ Noa, dzɔdzɔenyenye ƒe gbeƒãɖela, kpakple ame adre bubuwo ta dedie.’ (2 Pet. 2:5) Yehowa agaɖe ame dzɔdzɔewo ake ne ele nuɖoanyi vɔ̃ɖi si li egbea la tsrɔ̃m. Esia tae eƒe Nya la gblɔ na mí be: ‘Midi Yehowa, mi ame siwo katã bɔbɔ mia ɖokui ɖe anyi le anyigba dzi, midi dzɔdzɔenyenye, eye midi ɖokuibɔbɔ yome mɔ, ame aɖe menya nu o woatsɔ mi aɣla le Yehowa ƒe dzikudogbe la hĩ!’ (Zef. 2:3) Nu si ado tso amewo tsɔtsrɔ̃ le anyigba katã dzi mee nye be, ‘nuteƒewɔlawo anɔ anyigba la dzi, ke woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ɖa le edzi.’—Lod. 2:21, 22.

13. Aleke woaɖe Yehowa subɔla siwo ku lae?

13 Ke hã, Mawu subɔla geɖewo ku xoxo le dɔléle, yometiti, kple nu bubuwo ta. (Mat. 24:9) Ekema, aleke woaɖe ame siawo katãe? Abe ale si míekpɔe va yi ene la, “tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo.” (Dɔw. 24:15) Akɔfafa kae nye esi wònye na mí be míanyae be Yehowa aɖe esubɔlawo godoo, eye naneke meli axe mɔ nɛ o!

Dziɖuɖu Dzɔdzɔe Aɖe

14. Nu ka tae míeka ɖe edzi be Mawu Fiaɖuƒea anye dziɖuɖu dzɔdzɔe aɖe?

14 Ne èle gbeƒã ɖem na amewo la, àte ŋu aɖe eme na wo be dziɖuɖu dzɔdzɔe aɖee Yehowa ƒe Dziƒofiaɖuƒea nye. Ele alea, elabena eɖea Mawu ƒe nɔnɔme wɔnukuwo, abe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃, dzɔdzɔenyenye, kple lɔlɔ̃ ene fiana. (5 Mose 32:4; 1 Yoh. 4:8, 16) Mawu tsɔ Fiaɖuƒe la de Yesu Kristo, ame si dze nyuie wu aɖu anyigba la dzi la, si me. Yehowa ɖo tame hã be woatia Kristotɔ amesiamina 144,000 tso anyigba dzi, afɔ wo ɖe tsitre be woaɖanɔ agbe le dziƒo, eye woanye Kristo ƒe hadomenyilawo ahakpe ɖe eŋu woakpɔ nyawo gbɔ le anyigba la dzi.—Nyaɖ. 14:1-5.

15. Gblɔ vovototo si le Mawu Fiaɖuƒea kple amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo dome.

15 Kpɔ vovototo gã si gbegbe le Yesu kple amesiamina 144,000 ƒe dziɖuɖua kple amegbetɔ madeblibowo tɔwo domee ɖa! Zi geɖe la, nuɖoanyi sia me dziɖulawo nyea ŋutasẽlawo, eye woɖoa wo teviwo ɖe aʋa, si nana be ame miliɔn geɖewo bua woƒe agbe. Mewɔ nuku o be Ŋɔŋlɔawo ɖo aɖaŋu na mí be míagaɖo ŋu ɖe amegbetɔ “siwo mate ŋu axɔ na ame o la ŋu o”! (Ps. 146:3) Kpɔ nɔnɔme nyui siwo Kristo ya aɖe afia le eƒe dziɖuɖua me la ɖa! Yesu gblɔ be: “Miva gbɔnye, mi ame siwo katã le dagbadagbam, eye agba le mia wum la, eye mana gbɔdzɔe mi. Mitsɔ nye kɔkuti la ɖo mia ɖokui dzi, eye misrɔ̃ nu tso gbɔnye, elabena ame fafa menye, eye mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le dzi me, eye miakpɔ gbɔdzɔe na miaƒe luʋɔwo. Elabena nye kɔkuti la tsɔtsɔ le bɔbɔe, eye nye agba la le wodzoe.”—Mat. 11:28-30.

Ŋkeke Mamlɛawo Awu Enu Kpuie!

16. Aleke ŋkeke mamlɛ siawo awu enui?

16 Xexe sia le ŋkeke mamlɛawo me alo “nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi” tso keke ƒe 1914 me ke. (Mat. 24:3) Eteƒe madidi kura o, nu si Yesu yɔ be “xaxa gã” la ava. (Mixlẽ Mateo 24:21.) Xaxa ma si tɔgbi meva kpɔ o la ahe Satana ƒe xexe bliboa katã ava nuwuwui. Gake aleke xaxa gã la adze egɔmee? Eye aleke wòawu enui?

17. Nu kae Biblia gblɔ tso xaxa gã la ƒe gɔmedzedze ŋu?

17 Xaxa gã la adze egɔme zi ɖeka kpoyi. Ɛ̃, “Yehowa ƒe ŋkeke la” ava le vome, esime “wole gbɔgblɔm be: ‘Ŋutifafa kple dedienɔnɔ!’” (Mixlẽ 1 Tesalonikatɔwo 5:2, 3.) Xaxa si ŋu nya wogblɔ ɖi la adze egɔme le ɣeyiɣi si me dukɔwo asusui be yewokpɔ yewoƒe kuxi gãwo dometɔ aɖewo gbɔkpɔnuwo azɔ. “Babilon Gã” si nye alakpasubɔsubɔ ƒe xexemefiaɖuƒe la tsɔtsrɔ̃ kpata awɔ nuku na xexea me nɔlawo ŋutɔ. Fiawo kple ame bubuwo ƒe mo awɔ yaa ne wotsrɔ̃ Babilon Gã la.—Nyaɖ. 17:1-6, 18; 18:9, 10, 15, 16, 19.

18. Aleke Yehowa awɔ nu ne Satana dze Eƒe amewo dzi?

18 Ne eva ɖo sesẽaƒe la, “dzesiwo ado ɖe ɣe kple ɣleti kpakple ɣletiviwo me,” eye “Amegbetɔvi la ƒe dzesi adze le dziƒo.” Ekema míate ŋu ‘atsi tsitre adzɔ kã, eye míafɔ míaƒe tawo dzi, elabena míaƒe ɖeɖekpɔkpɔ le gogom.’ (Luka 21:25-28; Mat. 24:29, 30) Satana, alo Gog, kple eƒe aʋakɔwo aho ɖe Mawu ƒe amewo ŋu. Gake Yehowa gblɔ le ame siwo adze esubɔla wɔnuteƒewo dzi la ŋu be: ‘Ame si ka asi mia ŋu la, eka asi nye ŋkuvi ŋu.’ (Zax. 2:12) Eya ta agbagba siwo Satana adze be yeatsrɔ̃ wo la madze edzi o. Nu ka tae? Elabena Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa atso kpla aɖe esubɔlawo.—Xez. 38:9, 18.

19. Nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be Mawu ƒe ametsrɔ̃lawo atsrɔ̃ Satana ƒe nuɖoanyi la?

19 Ne Mawu tso ɖe dukɔwo ŋu la, ‘woadze sii be eyae nye Yehowa.’ (Xez. 36:23) Aɖo eƒe ametsrɔ̃lawo—gbɔgbɔmenuwɔwɔ akpeakpe siwo Kristo Yesu anɔ ŋgɔ na la—ɖa woatsrɔ̃ Satana ƒe nuɖoanyi si le anyigba dzi la ƒe akpa susɔea. (Nyaɖ. 19:11-19) Ne míeɖo ŋkui be ɣeaɖeɣi la, mawudɔla ɖeka pɛ ko wu Mawu ƒe futɔ “akpe alafa ɖeka kple blanyi vɔ atɔ̃” le zã ɖeka pɛ ko me la, míate ŋu aka ɖe edzi be Mawu ƒe dziƒoʋakɔ la atsrɔ̃ Satana ƒe nuɖoanyia ƒe akpa ɖe sia ɖe si susɔ la ɖa keŋkeŋ ne xaxa gã la va wu enu le Harmagedon me. (2 Fia. 19:35; Nyaɖ. 16:14, 16) Woade Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo aʋli me hena ƒe akpe ɖeka. Woava atsrɔ̃ wo ɖa mlɔeba.—Nyaɖ. 20:1-3.

20. Nu kae Yehowa awɔ to eƒe Fiaɖuƒea dzi?

20 To esia dzi la, woaɖe vɔ̃ɖinyenye katã ɖa le anyigba sia dzi, eye ame dzɔdzɔewo anɔ edzi tegbee. Yehowa aɖee afia be yee nye Ameɖela Gã la. (Ps. 145:20) Mawu aʋli eƒe dziɖulanyenye ta, akɔ eƒe ŋkɔa ŋu, eye wòana tame wɔnuku si wòɖo ɖe anyigba la ŋu nava eme to eƒe Fiaɖuƒea dzi. Neva eme be nànɔ dzidzɔ kpɔm le wò subɔsubɔdɔa me esime nèle nya nyui sia gblɔm na amewo hele kpekpem ɖe “ame siwo si dzi ƒe nɔnɔme nyui le hena agbe mavɔ kpɔkpɔ la” ŋu be woakpɔe adze sii be, míakpɔ ɖeɖe kpuie to Mawu Fiaɖuƒea dzi!—Dɔw. 13:48.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Aleke Yesu te gbe ɖe Fiaɖuƒea ƒe vevienyenye dzi?

• Nu ka tae ɖeɖekpɔkpɔ hiã vevie fifia wu ɣeyiɣi bubu ɖe sia ɖe?

• Nudzɔdzɔ kawoe míate ŋu anɔ mɔ kpɔm na le xaxa gã la me?

• Aleke Yehowa aɖee afia be yee nye Ameɖela Gã la?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata siwo le axa 12, 13]

Mawu ƒe Nya la gblɔe ɖi be woawɔ gbeƒãɖeɖedɔ aɖe si tɔgbi womewɔ kpɔ o la le míaƒe ŋkekea me

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Abe ale si Yehowa ɖe Noa kple eƒe ƒomea ene la, ate ŋu aɖe míawo hã

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Yehowa ‘atutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa, eye ku maganɔ anyi o.’—Nyaɖ. 21:4