Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Minɔ Nyuiwɔwɔ Dzi

Minɔ Nyuiwɔwɔ Dzi

Minɔ Nyuiwɔwɔ Dzi

“Miyi edzi . . . miawɔ nyui.”—LUKA 6:35.

1, 2. Nu ka tae nyuiwɔwɔ na amewo sesẽna zi geɖe?

NYUIWƆWƆ na amewo tea ŋu sesẽna. Ate ŋu adzɔ be ame siwo míeɖea lɔlɔ̃ fiana la maɖee afia mí o. Togbɔ be míedia amewo ƒe gbɔgbɔmenyonyo to “Mawu dzidzɔtɔ la” kple Via “ƒe ŋutikɔkɔe nya nyui” la gbɔgblɔ na wo dzi hã la, ɖewohĩ woanye ɖekematsɔlemetɔwo alo akpemadalawo. (1 Tim. 1:11) Ame aɖewo hã nyea “Kristo la ƒe fuwɔameti la ƒe futɔwo.” (Fp. 3:18) Aleke wòle be mí Kristotɔwo míawɔ nu ɖe wo ŋui?

2 Yesu Kristo gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Miyi edzi mialɔ̃ miaƒe futɔwo, eye miawɔ nyui.” (Luka 6:35) Mina míadzro nuxlɔ̃amenya ma me tsitotsito kpɔ. Nya bubu siwo Yesu gblɔ tso nyuiwɔwɔ na amewo ŋu me dzodzro hã aɖe vi na mí ŋutɔ.

‘Milɔ̃ Miaƒe Futɔwo’

3. (a) Gblɔ Yesu ƒe nya siwo dze le Mateo 5:43-45 me la kpuie le wò ŋutɔ wò nyagbewo me. (b) Nukpɔsusu kae nɔ ƒe alafa gbãtɔ me Yuda subɔsubɔhakplɔlawo si ku ɖe Yudatɔwo kple ame siwo menye Yudatɔwo o ŋu?

3 Yesu gblɔ na eƒe nyaselawo le eƒe Todzimawunya xɔŋkɔ la me be woalɔ̃ woƒe futɔwo eye woado gbe ɖa ɖe ame siwo le wo yome tim la ta. (Mixlẽ Mateo 5:43-45.) Ame siwo nɔ eƒe nya la sem ɣemaɣi la nye Yudatɔ siwo nya nu tso Mawu ƒe se si nye be, ‘mègawɔ wɔɖenui o, eye mègalé dɔmedzoe, si wò dukɔ me viwo do na wò la, ɖi o; ke boŋ nàlɔ̃ hawòvi abe ɖokuiwò ene’ la ŋu nyuie. (3 Mose 19:18) Ƒe alafa gbãtɔ me Yuda subɔsubɔhakplɔlawo susui be “wò dukɔ me viwo” kple “hawòvi” si woyɔ la ku ɖe Yudatɔwo ko ŋu. Mose ƒe Sea bia be Israel viwo naɖe wo ɖokuiwo ɖe vovo tso dukɔwo gbɔ. Gake le ɣeyiɣi aɖe megbe la, amewo va susunɛ be ame siwo katã menye Yudatɔwo o la nye futɔwo eye ele be woalé fu wo.

4. Aleke wònɔ na Yesu ƒe nusrɔ̃lawo be woawɔ nu ɖe woƒe futɔwo ŋui?

4 To vovo na nukpɔsusu ma la, Yesu ya gblɔ be: “Miyi edzi mialɔ̃ miaƒe futɔwo, eye mianɔ gbe dom ɖa ɖe ame siwo tia mia yome la ta.” (Mat. 5:44) Enɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be woawɔ nu ɖe ame siwo katã lé fu wo la ŋu lɔlɔ̃tɔe. Le Nya Nyui Gbalẽ ŋlɔla Luka ƒe nya nu la, Yesu gblɔ be: “Mele egblɔm na mi ame siwo le to ɖom la be: Miyi edzi mialɔ̃ miaƒe futɔwo, miawɔ nyui na ame siwo le fu lém mi, miayra ame siwo ƒoa fi dea mi, miado gbe ɖa ɖe ame siwo le mia dzum la ta.” (Luka 6:27, 28) Abe ale si ƒe alafa gbãtɔ me tɔ aɖewo siwo tsɔ Yesu ƒe nya siawo de dɔwɔwɔ me wɔe ene la, míawo hã ‘míewɔa nyui na ame siwo léa fu mí’ to nuwɔwɔ ɖe wo ŋu nyuie me. ‘Míeyraa ame siwo ƒoa fi dea mí’ to nuƒoƒo na wo dɔmenyotɔe me. Eye ‘míedoa gbe ɖa ɖe ame siwo tia mía yome’ hewɔa nu vevi mí alo ‘dzua mí’ la ta. Esiawo nye gbe siwo míedona ɖa lɔlɔ̃tɔe be Mawu nakpe ɖe yometila mawo ŋu ale be woatrɔ dzi me ahawɔ nu siwo ana Yehowa nakpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu.

5, 6. Nu ka tae wòle be míalɔ̃ míaƒe futɔwo?

5 Nu ka tae wòle be míalɔ̃ míaƒe futɔwo? Yesu gblɔ be: “Bene miaɖee afia be mienye mia Fofo si le dziƒowo la ƒe viwo.” (Mat. 5:45) Ne míewɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo ma dzi la, míezua Mawu ƒe “viwo” le susua nu be míesrɔ̃a Yehowa ame si ‘naa eƒe ɣe dzena na ame vɔ̃ɖiwo kple ame nyuiwo, eye wònaa tsi dzana na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo.’ Abe ale si Luka ƒe nuŋlɔɖia gblɔe ene la, Mawu ‘nyoa dɔme na ame madakpewo kple ame vɔ̃ɖiwo.’—Luka 6:35.

6 Esi Yesu nɔ gbe tem ɖe ale si wòle vevie be eƒe nusrɔ̃lawo ‘nayi edzi alɔ̃ woƒe futɔwo’ dzi la, egblɔ be: “Ne ame siwo lɔ̃a mi koe mielɔ̃na ɖe, fetu kae miekpɔna? Ðe nudzɔlawo hã mewɔa nenema ke oa? Eye ne mia nɔviwo koe miedoa gbe na ɖe, nu tɔxɛ kae wònye wɔm miele? Ðe dukɔwo me tɔwo hã mewɔa nenema ke oa?” (Mat. 5:46, 47) Ne ame siwo lɔ̃a mí koe míelɔ̃na la, esia wɔwɔ mana Mawu nana “fetu” mí alo akpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu o. Nudzɔla siwo ƒe nu medzɔa dzi na amewo o gɔ̃ hã lɔ̃a ame siwo lɔ̃a wo.—Luka 5:30; 7:34.

7. Nu ka tae manye nu tɔxɛ aɖeke nenye be mía “nɔviwo” koe míedoa gbe na o?

7 Nya “ŋutifafa” dzena le Yudatɔwo ƒe gbedonamewo me. (Ʋɔn. 19:20; Yoh. 20:19) Esia fia lãmesẽ, nyuidiname, kple nudzedziname biabia na ame si wodo gbea na. Manye “nu tɔxɛ” aɖeke nenye be ame siwo míebuna be wonye mía “nɔviwo” koe míedoa gbe na o. Abe ale si Yesu gblɔe ene la, “dukɔwo me tɔwo hã” wɔa nu ma tɔgbi ke.

8. Nu kae Yesu nɔ dzi dem ƒo na eƒe nyaselawo be woawɔ esime wògblɔ be: “Ele be mianɔ blibo”?

8 Nu vɔ̃ si ƒe dome Kristo ƒe nusrɔ̃lawo nyi la wɔe be vodada le wo ŋu, eye womede blibo o. (Rom. 5:12) Ke hã, Yesu ƒo eƒe nuƒoa ƒe akpa sia ta be: “Ele be mianɔ blibo, abe ale si mia Fofo si le dziƒo la le bliboe ene.” (Mat. 5:48) Eto esia dzi nɔ dzi dem ƒo na eƒe nyaselawo be woasrɔ̃ Yehowa, wo “Fofo si le Dziƒo la,” to nana be woƒe lɔlɔ̃ nade blibo me—si fia be woawɔe blibo to woƒe futɔwo lɔlɔ̃ me. Nu ma kee wobia tso míawo hã si.

Nu Ka Tae Wòle Be Míatsɔ Ake Amewo?

9. Nu kae nyagbe “Tsɔ míaƒe fewo ke mí” la fia?

9 Míeyia edzi wɔa nyui ne míetsɔ ke ame aɖe si da vo ɖe mía ŋu nublanuikpɔkpɔtɔe. Le nyateƒe me la, Yesu ƒe kpɔɖeŋugbedodoɖa la ƒe akpa aɖe gblɔ be: “Tsɔ míaƒe fewo ke mí, abe ale si míawo hã míetsɔ ke ame siwo nyi fe le mía ŋu ene.” (Mat. 6:12) Ke hã, esia mefia be míatsɔ ga ake míaƒe fetɔwo o. Luka ƒe Nya Nyui Gbalẽa ɖee fia be nu vɔ̃wo ye Yesu nɔ yɔyɔm be “fewo,” elabena egblɔ be: “Tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ke mí, elabena mía ŋutɔwo hã míetsɔna kea ame sia ame si nyi fe le mía ŋu.”—Luka 11:4.

10. Aleke míate ŋu asrɔ̃ Mawu le nu vɔ̃wo tsɔtsɔ ke gome?

10 Ehiã be míasrɔ̃ Mawu ame si tsɔna kea nu vɔ̃ wɔla trɔdzimewo faa la. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Mizu ame siwo nyoa dɔme na wo nɔewo, miaƒe dɔme netrɔ ɖe mia nɔewo ŋu vevie, eye mitsɔ nɔ mia nɔewo kem faa, abe ale si ko Mawu hã to Kristo dzi tsɔ ke mi faa ene.” (Ef. 4:32) Hakpala David dzi ha be: ‘Nublanuikpɔla kple amenuvela enye Yehowa, egbɔa dzi ɖi blewu, eye amenuveve bɔ ɖe esi. Mewɔna na mí ɖe míaƒe nu vɔ̃wo nu o, eye meɖoa eteƒe na mí ɖe míaƒe vodadawo nu o. Ale si ɣedzeƒe didi tso ɣetoɖoƒe gbɔe la, nenema wòte míaƒe dzidadawo ɖa boo tso mía gbɔe. Ale si fofo ƒe dɔme trɔna ɖe viawo ŋui la, nenema Yehowa ƒe dɔme trɔna ɖe ame siwo vɔ̃nɛ la ŋui. Elabena enya míaƒe wɔwɔme, eɖoa ŋui be, kewɔ míenye.’—Ps. 103:8-14.

11. Ame kawoe Mawu tsɔa nu vɔ̃ kena?

11 Mawu ate ŋu atsɔ ake amewo nenye be woawo hã wotsɔ ke ame siwo da vo ɖe wo ŋu va yi la ko. (Mar. 11:25) Esi Yesu nɔ gbe tem ɖe nya sia dzi la, egblɔ be: “Elabena ne mietsɔa amewo ƒe vodadawo kea wo la, mia Fofo si le dziƒo hã atsɔ ake mi; gake ne mietsɔa amewo ƒe vodadawo kea wo o la, mia Fofo hã matsɔ miaƒe vodadawo ake mi o.” (Mat. 6:14, 15) Ɛ̃, ame siwo tsɔna kea amewo faa la koe Mawu tsɔa nu vɔ̃ kena. Mɔ aɖe si dzi míato anɔ nyuiwɔwɔ dzi lae nye be míawɔ ɖe Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo sia dzi be: “Ale si Yehowa tsɔ ke mi faa la, miawo hã miwɔ nenema ke.”—Kol. 3:13.

“Midzudzɔ Ʋɔnudɔdrɔ̃”

12. Aɖaŋu kae Yesu ɖo ku ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ amewo ŋu?

12 Yesu gblɔ mɔ bubu aɖe si dzi míato awɔ nyui na amewo la le Todzimawunyaa me esime wògblɔ na eƒe nyaselawo be woadzudzɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ amewo. Emegbe ezã kpɔɖeŋu wɔdɔɖeamedzi aɖe tsɔ te gbe ɖe edzi. (Mixlẽ Mateo 7:1-5.) Mina míadzro nu si Yesu di be yeagblɔ esime wògblɔ be, “Midzudzɔ ʋɔnudɔdrɔ̃” la me kpɔ.

13. Aleke Yesu ƒe nyaselawo ate ŋu anɔ “asi ɖem le amewo ƒe nyawo ŋu”?

13 Le Mateo ƒe Nya Nyui Gbalẽa ƒe nya nu la, Yesu gblɔ be: “Midzudzɔ ʋɔnudɔdrɔ̃, ne woagadrɔ̃ ʋɔnu mi o.” (Mat. 7:1) Le Luka ya ƒe nya nu la, Yesu gblɔ be: “Midzudzɔ ʋɔnudɔdrɔ̃, ekema womadrɔ̃ ʋɔnu mi akpɔ o; midzudzɔ fɔbubu amewo, ekema womabu fɔ mi akpɔ o. Minɔ asi ɖem le amewo ƒe nyawo ŋu, eye woaɖe asi le miawo hã mia tɔwo ŋu.” (Luka 6:37) Ƒe alafa gbãtɔ me Farisitɔwo nɔa te ɖe woƒe kɔnyinyi siwo mewɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo o dzi drɔ̃a ʋɔnu amewo tagbɔsesẽtɔe. Enɔ na Yesu ƒe nyasela ɖe sia ɖe si wɔa nu sia la be ‘wòadzudzɔ ʋɔnudɔdrɔ̃.’ Ðe ema teƒe la, enɔ na wo be woanɔ “asi ɖem le amewo ƒe nyawo ŋu,” si fia be woatsɔ amewo ƒe vodadawo ake wo. Apostolo Paulo hã ɖo aɖaŋu ma tɔgbi tso nu vɔ̃ tsɔtsɔ ke ŋu abe ale si míegblɔe va yi ene.

14. Ne Yesu ƒe nusrɔ̃lawo tsɔna kea amewo la, nu kae wòaʋã woawo hã be woawɔ?

14 Ne Yesu ƒe nusrɔ̃lawo tsɔna kea amewo la, aʋã woawo hã be woatsɔ ake. Yesu gblɔ be: “Ʋɔnu si drɔ̃m miele la kee woatsɔ adrɔ̃ ʋɔnu mi; eye dzidzenu si mietsɔ le nu dzidzem la kee woatsɔ adzidzee na mi.” (Mat. 7:2) Le ale si míewɔa nu ɖe amewo ŋui gome la, nu si míeƒãna ye míeŋena.—Gal. 6:7.

15. Aleke Yesu ɖee fia be mesɔ kura be míanɔ nya hem ɖe amewo ŋu vevie o?

15 Ðo ŋku edzi be bene Yesu naɖee afia be nyahehe ɖe amewo ŋu vevie mesɔ kura o la, ebia be: “Ekema nu ka tae nèkpɔa ati fefee si le nɔviwò ƒe ŋku dzi, gake mèbua atikpo si le wò ŋutɔ wò ŋku dzi ya ŋu o? Alo aleke wɔ nàgblɔ na nɔviwò be, ‘Na maɖe ati fefee la ɖa le ŋku dzi na wò,’ evɔ kpɔ ɖa, atikpo le wò ŋutɔ wò ŋku dzi?” (Mat. 7:3, 4) Ame si lɔ̃a nyahehe ɖe ame bubu ŋu la, léa ŋku ɖe nu sue aɖe si gblẽ le nɔvia ƒe “ŋku” ŋu la ŋu. Le nyateƒe me la, nyahelaa le gbɔgblɔm be ye nɔvia mele nu kpɔm nyuie o. Togbɔ be nu sue aɖe, si le abe ati fefe nyaŋui aɖe ene ko wònye hã la, nyahelaa tsɔ eɖokui na be yeaɖe ‘ati fefee’ la ɖa. Etsɔ eɖokui na alakpatɔe be yeakpe ɖe ye nɔvia ŋu wòakpɔ nu nyuie.

16. Nu ka tae míate ŋu agblɔ be “atikpo” nɔ Farisitɔwo ƒe ŋku dzi?

16 Yuda subɔsubɔhakplɔlawo koŋue hea nya ɖe amewo ŋu vevie ɣemaɣi. Le kpɔɖeŋu me: Esime ŋutsu ŋkuagbãtɔ aɖe si ŋu Kristo da gbe le gblɔ be Mawu gbɔe Yesu anya tso kokoko la, Farisitɔwo ka mo nɛ dzikutɔe be: “Wò si wodzi ɖe nu vɔ̃ me koŋ la, wòe be yeafia nu mía?” (Yoh. 9:30-34) Le gbɔgbɔmenukpɔkpɔ nyui kple ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ gome la, “atikpo” nɔ Farisitɔwo ƒe ŋku dzi, eye woƒe ŋku gbã keŋkeŋ. Esia tae Yesu gblɔ be: “Alakpanuwɔla! Ðe atikpo la ɖa le wò ŋutɔ wò ŋku dzi gbã, ekema àte ŋu akpɔ nu nyuie aɖe ati fefee si le nɔviwò ƒe ŋku dzi la.” (Mat. 7:5; Luka 6:42) Ne míeɖoe kplikpaa be míawɔ nyui na amewo ahawɔ nu ɖe wo ŋu nyuie la, míanɔ nya hem ɖe mía nɔvi ŋu vevie ahanɔ ati fefee dim le eƒe ŋku dzi le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu o. Ke boŋ míalɔ̃ ɖe edzi be míede blibo o, eye le esia ta la, míaƒo asa na ʋɔnudɔdrɔ̃ míaƒe haxɔsetɔwo kple nyahehe ɖe wo ŋu.

Ale Si Wòle Be Míawɔ Nu Ðe Amewo Ŋu

17. Le Mateo 7:12 me nyawo nu la, aleke wòle be míawɔ nu ɖe amewo ŋu?

17 Yesu ɖee fia le Todzimawunyaa me be Mawu wɔa nu ɖe Esubɔlawo ŋu abe vifofo ene to woƒe gbedodoɖawo ŋu ɖoɖo me. (Mixlẽ Mateo 7:7-12.) Eɖe dzesi ŋutɔ be Yesu ɖo agbenɔnɔ ŋuti gɔmeɖose sia anyi be: “Eya ta nu sia nu si miedina be amewo nawɔ na mi la, ele be miawo hã miawɔ nenema ke na wo.” (Mat. 7:12) Ne míewɔa nu ɖe mía nɔvi amegbetɔwo ŋu nyuie alea ko hafi míate ŋu aɖee afia be míenye Yesu Kristo yomedzela vavãwo.

18. Aleke “Se la” ɖee fia be ele be míanɔ nu wɔm ɖe amewo ŋu abe ale si míedina be woawɔe ɖe mía ŋu ene?

18 Esi Yesu gblɔ be ele be míawɔ nu ɖe amewo ŋu abe ale si míadi be woawɔe ɖe mía ŋu ene vɔ la, egblɔ kpee be: “Le nyateƒe me la, nu siae Se la kple Nyagblɔɖilawo ƒe nyawo fia.” Ne míewɔa nu ɖe amewo ŋu abe ale si Yesu gblɔe ene la, ke míele nu wɔm wòle ɖeka wɔm kple taɖodzinu si le “Se la”—nuŋlɔɖi siwo le Biblia gbalẽ siwo tso Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ va se ɖe Mose ƒe Agbalẽ Atɔ̃lia me—ŋu. Agbalẽ siawo ɖe Yehowa ƒe tameɖoɖo be yeana dzidzimevi aɖe si aɖe vɔ̃ɖinyenye ɖa nava la fia, eye Se si Mawu tsɔ na Israel dukɔa to Mose dzi le ƒe 1513 D.M.Ŋ. me la hã le wo me. (1 Mose 3:15) Tsɔ kpe ɖe nu bubuwo ŋu la, Se la na wòdze ƒãa be ele be Israel viwo nawɔ nu dzɔdzɔe, woagakpɔ ame ŋkume o, eye woanɔ nyui wɔm na ame siwo le fu kpem kple amedzro siwo le woƒe anyigba dzi.—3 Mose 19:9, 10, 15, 34.

19. Aleke “Nyagblɔɖilawo ƒe nyawo” ɖee fia be ele be míawɔ nyui?

19 Esi Yesu ƒo nu tso “Nyagblɔɖilawo ƒe nyawo” ŋu la, nyagblɔɖigbalẽ siwo le Hebri Ŋɔŋlɔawo mee nɔ susu me nɛ. Nyagblɔɖi siwo ku ɖe Mesia ŋu siwo va eme ɖe Kristo ŋutɔ dzi la le wo me. Nuŋlɔɖi mawo ɖee fia hã be Mawu yraa eƒe amewo ne wowɔ nu si dzɔ le eŋkume hewɔ nu ɖe amewo ŋu nyuie. Le kpɔɖeŋu me, Yesaya ƒe nyagblɔɖia ɖo aɖaŋu sia na Israel viwo be: ‘Ale Yehowa gblɔ esi: Midzra ɖoɖo la ɖo, eye miwɔ nu dzɔdzɔe. Woayra amegbetɔ, si wɔa alea, kple amegbetɔvi, si kuna ɖe nu sia ŋu, eye wòkpɔa eƒe asi dzi, be magawɔ vɔ̃ aɖeke o!’ (Yes. 56:1, 2) Nyateƒee, Mawu kpɔa mɔ be yeƒe amewo nanɔ nyuiwɔwɔ dzi.

Wɔ Nyui Na Amewo Ɣesiaɣi

20, 21. Aleke ameha la wɔ nu esi wose Yesu ƒe Todzimawunya la, eye nu ka tae wòle be nàde ŋugble tso eŋu?

20 Nya vevi geɖe siwo Yesu gblɔ le eƒe Todzimawunya ɖedzesi la me dometɔ ʋɛ aɖewo ko mee nye ema míedzro. Ke hã, míate ŋu ase ale si ame siwo se eƒe nyawo ɣemaɣi la wɔ nui la gɔme bɔbɔe. Nuŋlɔɖi si tso gbɔgbɔ me la gblɔ be: “Ke esi Yesu wu nya siawo nu la, dɔ si wòwɔ ɖe amehaawo dzie nye be, wolulu le ale si wòfia nui ta, elabena enɔ nu fiam wo abe ame si si ŋusẽ le ene, ke menye abe woƒe agbalẽfialawo ene o.”—Mat. 7:28, 29.

21 Yesu Kristo ɖee fia kɔte be yee nye ‘Adaŋudela Wɔnuku’ si ŋu nya wogblɔ ɖi la. (Yes. 9:5) Nu siwo ɖee fia be Yesu nya Fofoa si le dziƒo la ƒe nukpɔsusu le nuwo ŋu la ƒe kpɔɖeŋu vevi aɖee nye Todzimawunya la. Tsɔ kpe ɖe nya siwo me míedzro ŋu la, nya geɖe le dutoƒonuƒo ma me ku ɖe dzidzɔkpɔkpɔ vavã, ale si míaƒo asa na agbe gbegblẽ nɔnɔ, ale si míawɔ nu dzɔdzɔe, nu si wòle be míawɔ bene míakpɔ dzidzɔ le etsɔ me ahanɔ dedie, kple nya bubu geɖewo ŋu. Ðe manyo be nàgaxlẽ Mateo ta 5 va se ɖe 7 lia nyuie ake ahado gbe ɖa le nu siwo nèxlẽ la ŋu oa? De ŋugble tso Yesu ƒe aɖaŋuɖoɖo wɔdɔɖeamedzi siwo dze le ta mawo me la ŋu. Tsɔ nya siwo Kristo gblɔ le Todzimawunyaa me la de dɔwɔwɔ me. Ekema, àsu te nyuie anɔ nu siwo dzea Yehowa ŋu wɔm, ànɔ nu wɔm ɖe amewo ŋu nyuie, eye àyi edzi ànɔ nu nyui wɔm na amewo.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Aleke wòle be míawɔ nu ɖe míaƒe futɔwo ŋui?

• Nu ka tae wòle be míatsɔ amewo ƒe vodadawo ake wo?

• Nya kae Yesu gblɔ tso ʋɔnudɔdrɔ̃ amewo ŋu?

• Le Mateo 7:12 ƒe nya nu la, aleke wòle be míawɔ nu ɖe amewo ŋui?

[Biabiawo]

[Nya si ɖe dzesi si le axa 10]

Ènya nu si tae Yesu gblɔ be: ‘Midzudzu ʋɔnudɔdrɔ̃a’?

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

Nu ka tae wòle be míado gbe ɖa ɖe ame siwo le mía yome tim la ta?

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Èwɔa nu ɖe amewo ŋu abe ale si nèdina be woawɔe ɖe ye ŋu enea?