Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Miti ‘Kɔkɔenyenye Yome Le Mawuvɔvɔ̃ Me’

Miti ‘Kɔkɔenyenye Yome Le Mawuvɔvɔ̃ Me’

Miti ‘Kɔkɔenyenye Yome Le Mawuvɔvɔ̃ Me’

ESI Biblia nɔ eɖem fia be Yehowa Mawu ƒe kɔkɔenyenye ƒo ɖe sia ɖe ta la, egblɔ be: “Kɔkɔe, kɔkɔe, kɔkɔe nye Yehowa.” (Yes. 6:3; Nyaɖ. 4:8) Nya si wozãna na “kɔkɔenyenye” le Hebrigbe kple Helagbe me la fia dzadzɛnyenye kple subɔsubɔ ƒe kɔkɔenyenye, nu si woɖe ɖe aga tso ɖiƒoƒo gbɔ. Mawu ƒe kɔkɔenyenye fia be ede blibo keŋkeŋ le agbe nyui nɔnɔ gome.

Ðe Mawu kɔkɔe Yehowa makpɔ mɔ be ye subɔlawo nanɔ kɔkɔe, si fia be woanɔ kɔkɔe le ŋutilã, agbenɔnɔ, kple gbɔgbɔ me siaa oa? Biblia ɖee fia eme kɔ be Yehowa di be yeƒe amewo nanɔ kɔkɔe. Míexlẽ le 1 Petro 1:16 be: “Ele be mianɔ kɔkɔe, elabena nye la, mele kɔkɔe.” Ðe amegbetɔ madeblibowo ate ŋu asrɔ̃ Yehowa ƒe kɔkɔenyenye nyateƒea? Ɛ̃, togbɔ be womate ŋu awɔe bliboe o hã. Mawu ate ŋu abu mí be míele kɔkɔe ne míedea ta agu nɛ le dzadzɛnyenye me, eye ƒomedodo kplikplikpli le mía kplii dome.

Ke aleke míate ŋu ayi edzi anɔ dzadzɛ le xexe si ƒo ɖi le agbenɔnɔ gome la me? Nuwɔna kawoe wòle be míatsri? Tɔtrɔ kawoe wòahiã be míawɔ le nuƒoƒo kple agbenɔnɔ me? Mina míakpɔ nu si míate ŋu asrɔ̃ le go sia me tso nu si Mawu di tso Yudatɔ siwo trɔ tso Babilon ɖo ta wo denyigba dzi le ƒe 537 D.M.Ŋ. me la me ɖa.

‘Mɔ Tata Kɔkɔe Anɔ Afi Ma’

Yehowa gblɔe ɖi be woaɖo yeƒe ame siwo nɔ aboyo me le Babilon la te ake le wo denyigba dzi. Kakaɖedzinya siawo dze le gbugbɔɖoanyi ƒe nyagblɔɖi la me be: “Ametoƒe kple mɔ tata anɔ afi ma, si woayɔ be ‘Mɔ Tata Kɔkɔe.’” (Yes. 35:8a, NW) Nya siawo ɖee fia be menye ɖeko Yehowa ʋu mɔ na Yudatɔwo be woatrɔ ayi wo de o, ke boŋ eka ɖe edzi na wo be yeakpɔ wo ta le woƒe mɔzɔzɔa me hã.

Yehowa ʋu “Mɔ Tata Kɔkɔe” ɖi na esubɔla siwo le anyigba dzi egbea hekplɔ wo do go tso Babilon Gã si nye alakpasubɔsubɔ ƒe xexemefiaɖuƒe la me. Le ƒe 1919 me la, eɖe Kristotɔ amesiaminawo tso alakpasubɔsubɔ ƒe gbɔgbɔ me kluvinyenye me, eye ame siawo kɔ woƒe tadedeagu ŋu tso alakpanufiafiawo me vivivi. Mí Yehowa subɔla siwo li egbea míesea vivi le gbɔgbɔmenɔƒe si le dzadzɛ, si tomefafa le, afi si míate ŋu asubɔ Yehowa le, eye ƒomedodo nyui nanɔ mía kplii kpakple mía nɔviwo dome la me.

Kristotɔ amesiaminawo ƒe “alẽha sue” la me tɔwo kple woƒe zɔhɛ “alẽ bubuwo” ƒe “ameha gã” si le dzidzim ɖe edzi la tiae be yewoazɔ mɔ kɔkɔe la dzi, eye wole ame bubuwo hã kpem be woava awɔ ɖeka kple yewo. (Luka 12:32; Nyaɖ. 7:9; Yoh. 10:16) “Mɔ Tata Kɔkɔe” la le ʋuʋu ɖi na ame siwo katã lɔ̃ faa be yewoatsɔ yewoƒe “ŋutilãwo ana wòanye vɔsa gbagbe, si le kɔkɔe, si dzea Mawu ŋu.”—Rom. 12:1.

“Ame Makɔmakɔ Aɖeke Mato Edzi O”

Le ƒe 537 D.M.Ŋ. me la, eva hiã be Yudatɔ siwo trɔ yina wo de la naɖo nudidi vevi aɖe gbɔ. Yesaya 35:8b, gblɔ ku ɖe ame siwo dze ato “Mɔ Tata Kɔkɔe” la dzi ŋu be: “Ame makɔmakɔ aɖeke mato edzi o. [Ame si ke to edzi la ɖeɖe ko tɔ wòanye, eye gegeme aɖeke matsa tsaglãla le edzi o, NW.]” Esi wònye be taɖodzinu si tae Yudatɔwo trɔ yina Yerusalem ɖoe nye be woagbugbɔ tadedeagu dzadzɛ la aɖo anyi ta la, womeɖe mɔ na ame siwo si ɖokuitɔdidi ƒe nukpɔsusu nɔ, siwo medea bubu nu kɔkɔewo ŋu o, alo ƒo ɖi le gbɔgbɔ me la be woayi o. Ele be woalé Yehowa ƒe agbe nyui nɔnɔ ƒe dzidzenu kɔkɔwo me ɖe asi. Ehiã be ame siwo di be Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe yewo ŋu egbea hã naɖo nudidi mawo ke gbɔ. Ele be woati ‘kɔkɔenyenye yome le mawuvɔvɔ̃ me.’ (2 Kor. 7:1) Ekema nuwɔna makɔmakɔ kawoe wòle be míatsri?

Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwo dze ƒãa, eye woawoe nye agbe gbegblẽ nɔnɔ, makɔmakɔnyenye, ŋukpenanuwɔwɔ.” (Gal. 5:19) Agbe gbegblẽ nɔnɔ lɔ gbɔdɔdɔnuwɔna ɖe sia ɖe si me wozãa vidzinuwo le si ame siwo menye srɔ̃tɔwo o wɔna la ɖe eme. Ŋukpenanuwɔwɔ lɔ “gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro vɔ̃wo nu malémalé, nu gbɔme wɔwɔ, ŋumakpemakpe, kple agbe ƒaƒã nɔnɔ” ɖe eme. Edze ƒãa be agbe gbegblẽ nɔnɔ kple ŋukpenanuwɔwɔ siaa tsi tsitre ɖe Yehowa ƒe kɔkɔenyenye ŋu. Le esia ta la, womeɖea mɔ na ame siwo wɔa nu siawo be woazu Kristo hamea me tɔwo o, alo woɖea wo le hamea me. Nenema kee wòle le ame siwo kpɔa gome le makɔmakɔnyenye si gbɔ eme si nye “makɔmakɔnyenye ɖe sia ɖe ƒomevi . . . le ŋukeklẽ me” la gome.—Ef. 4:19.

“Makɔmakɔnyenye” nye nya aɖe si lɔ nu vɔ̃ ƒomevi geɖewo ɖe eme. Helagbe me nya si wozãna nɛ la kuna ɖe nuwɔna makɔmakɔ alo nu ƒoɖi ɖe sia ɖe ƒomevi—le agbenɔnɔ, nuƒoƒo, kple xɔsetsakatsaka ƒe nuwɔnawo gome ŋu. Nuwɔna makɔmakɔ siwo ŋu mahiã be hamemetsitsiwo nadrɔ̃ ʋɔnu le o hã le eme. * Gake ɖe ame siwo kpɔa gome le nu makɔmakɔ siawo me la le agbe nɔm le kɔkɔenyenye mea?

Tsɔe be Kristotɔ aɖe te amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ le adza me. Ʋɛʋɛʋɛ la, dzodzro vɔ̃wo anyɔ ɖe eme, eye ale si wòɖoe kplikpaa be yeanɔ dzadzɛ le Yehowa ŋkume la me agbɔdzɔ. Ðewohĩ eƒe nuwɔnawo mekpɔ zu makɔmakɔnyenye si gbɔ eme haɖe o, gake meyi edzi le “nu siwo katã le dzadzɛ, nu siwo katã dze na lɔlɔ̃, nu siwo katã ŋu woƒoa nu nyui le” la ko ŋu bum o. (Fp. 4:8) Amamaɖeɖenuwɔnawo nye nu makɔmakɔwo, eye kakaɖedzitɔe la, egblẽa ƒomedodo si le ame kple Mawu dome la me. Mele be woayɔ makɔmakɔnyenye ƒomevi aɖeke ŋkɔ le mía dome gɔ̃ hã o.—Ef. 5:3.

Bu kpɔɖeŋu bubu aɖe hã ŋu kpɔ. Tsɔe be Kristotɔ aɖe ƒoa eɖokui ɖe ɖokuigbɔdɔdɔ me—si fia be eɖonɛ koŋ lilia asi eɖokui ŋu be yeatsɔ ase gbɔdɔdɔ ƒe vivii—eɖanye ɖe wònɔa amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔm hafi nɔa ewɔm loo alo mekpɔnɛ o. Togbɔ be nya “ɖokuigbɔdɔdɔ” medze le Biblia me o hã la, ɖe woate ŋu agblɔ be enye nuwɔna si meƒoa ɖi ame le susu kple seselelãme gome oa? Ne ame aɖe yi ɖiƒoƒo ame ɖokui nuwɔna sia wɔwɔ dzi la, ɖe magblẽ woa kple Yehowa dome ƒomedodoa me vevie ahana be wòazu ame makɔmakɔ le Mawu ŋkume oa? Mina aɖaŋu si apostolo Paulo ɖo be, “míakɔ mía ɖokui ŋu tso ŋutilã kple gbɔgbɔ ƒe ɖiƒoƒo sia ɖiƒoƒo me” la nade dzi gbɔ na mí, eye ‘míawu míaƒe ŋutinu siwo le anyigba dzi, le agbe gbegblẽ nɔnɔ, makɔmakɔnyenye, gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro, dzodzro vɔ̃, kple ŋubiabiã gome.’—2 Kor. 7:1; Kol. 3:5.

Xexe sia si dzi ɖum Satana le la daa asi ɖe agbe makɔmakɔ nɔnɔ dzi eye wòdea eƒe dzi ƒo gɔ̃ hã. Be míatsi tsitre ɖe agbe makɔmakɔ nɔnɔ ƒe tetekpɔwo ŋu ate ŋu asesẽ ŋutɔ. Gake mele be Kristotɔ vavãwo nanɔ “zɔzɔm, abe ale si dukɔwo hã zɔna le woƒe tamesusu ƒe yakanyenye la me ene o.” (Ef. 4:17) Ne míeƒo asa na agbe makɔmakɔ nɔnɔ, eɖanye le ɣaɣlaƒe alo gaglãgbe o, ko hafi Yehowa aɖe mɔ na mí míayi edzi azɔ le “Mɔ Tata Kɔkɔe” la dzi.

‘Dzata Aɖeke Manɔ Afi Ma O’

Be Mawu kɔkɔe Yehowa nakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu la, ehiã be mía dometɔ aɖewo nawɔ tɔtrɔ gãwo le agbenɔnɔ kple nuƒoƒo me. Yesaya 35:9 gblɔ be: ‘Dzata aɖeke manɔ afi ma o, lã wɔadã aɖeke manɔ’ mɔ si nye “Mɔ Tata Kɔkɔe” la dzi o. Le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu la, wotsɔ ame siwo wɔa adã hewɔa anyra le nuwɔna kple nuƒoƒo me la sɔ kple lã wɔadãwo. Kakaɖedzitɔe la, womanɔ Mawu ƒe xexe yeye si me dzɔdzɔenyenye anɔ la me o. (Yes. 11:6; 65:25) Eya ta ele vevie be ame siwo di be Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe yewo ŋu la naɖe asi le nɔnɔme siwo ɖi lãwo tɔ la ŋu, eye woayi edzi anɔ agbe le kɔkɔenyenye me.

Ŋɔŋlɔawo xlɔ̃ nu mí be: “Mina woaɖe ameléleɖedɔme kaɖikaɖi kple dɔmedzoe kple dziku kple ɣlidodo kpakple dzugbewo, ɖa le mia dome hekpe ɖe nu gbegblẽ wɔwɔ ɖe sia ɖe ŋu.” (Ef. 4:31) Míexlẽ le Kolosetɔwo 3:8 be: ‘Miɖe wo ɖe aga tso mia gbɔ: dɔmedzoe, dziku, vɔ̃ɖinyenye, dzugbewo, kple yakanya siwo dona tso miaƒe nu me.’ Nu si nya “dzugbewo” si wozã le mawunyakpukpui eve siawo me fia le nya la ŋutɔŋutɔ nue nye nya veame, gbɔɖiamenya, kple busunya gbɔgblɔ.

Egbea la, nya veamewo kple nya ƒaƒãwo gbɔgblɔ va bɔ ale gbegbe, le ƒomea me gɔ̃ hã. Srɔ̃tɔwo gblɔa nya tɔamewo, ameŋumabunyawo, kple vlodoamenyawo ɖe wo nɔewo kpakple wo viwo ŋu. Mele be amedzudzu siawo ƒomevi nayi edzi le Kristotɔwo ƒe ƒomewo me o.—1 Kor. 5:11.

‘Kɔkɔenyenye Yome Titi Le Mawuvɔvɔ̃ Me’ Hea Yayrawo Vanɛ

Mɔnukpɔkpɔ kae nye esi wònye na mí be míanye Mawu kɔkɔe Yehowa subɔlawo! (Yos. 24:19) Gbɔgbɔmeparadiso si me Yehowa kplɔ mí vae la xɔ asi ŋutɔ. Le nyateƒe me la, agbe kɔkɔe nɔnɔ me léle ɖe asi le Yehowa ŋkume ye nye agbenɔnɔmɔ nyuitɔ.

Eteƒe madidi o, anyigba dzi Paradiso si ŋugbe Mawu do la ava ŋutɔŋutɔ. (Yes. 35:1, 2, 5-7) Ame siwo le mɔ kpɔm nɛ vevie eye woyia edzi nɔa agbe le Mawu vɔvɔ̃ me la akpɔ nɔƒe le afi ma. (Yes. 65:17, 21) Eya ta mina míadze agbagba ɖe sia ɖe ayi edzi anɔ ta dem agu na Mawu le dzadzɛnyenye me ahayi edzi anɔ ƒomedodo kplikplikpli me kplii.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 12 Ne èdi numeɖeɖe ku ɖe vovototo si le “makɔmakɔnyenye . . . le ŋukeklẽ me” kple “makɔmakɔnyenye” dome ŋu la, kpɔ Gbetakpɔxɔ, July 15, 2006, axa 29-31.

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Nu kae wodi tso Yudatɔwo si bene woate ŋu azɔ “Mɔ Tata Kɔkɔe” la dzi?

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

Amamaɖeɖenuwɔnawo gblẽa ƒomedodo si le ame kple Yehowa dome la me

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

“Mina woaɖe . . . ɣlidodo kpakple dzugbewo, ɖa le mia dome”