Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nya Vevi Siwo Tso Dɔwɔwɔwo Ƒe Agbalẽa Me

Nya Vevi Siwo Tso Dɔwɔwɔwo Ƒe Agbalẽa Me

Yehowa Ƒe Nya La Le Agbe

Nya Vevi Siwo Tso Dɔwɔwɔwo Ƒe Agbalẽa Me

BIBLIA gbalẽ si nye Dɔwɔwɔwo ƒo nu tsitotsito tso Kristo hamea ɖoɖo anyi kple ale si wòva keke ta emegbe la ŋu. Atikewɔla Luka ye ŋlɔe, eye wòƒo nu tso dɔ siwo Kristotɔwo wɔ ƒe 28 sɔŋ, tso ƒe 33 M.Ŋ. va se ɖe ƒe 61 M.Ŋ. me la ŋu le mɔ wɔdɔɖeamedzi aɖe nu.

Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa ƒe akpa ɖeka ƒo nu tso dɔ siwo apostolo Petro wɔ la ŋu, eye agbalẽa ƒe akpe kemɛ ƒo nu tso apostolo Paulo ƒe dɔwɔwɔwo ŋu. Esi Luka zã nya siwo nye “mí” kple “míawo” la, eɖee fia be ekpɔ nudzɔdzɔ siwo ŋu wòƒo nu tsoe la dometɔ aɖewo teƒe. Ne míeɖoa to gbedeasi si le Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa me la, ana míakpɔ ŋudzedze ɖe Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea kple ŋusẽ si le eƒe Nya si woŋlɔ ɖi la ŋu ŋu geɖe wu. (Heb. 4:12) Aʋã mí hã be míaɖe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ afia, eye ana ale si míexɔ Fiaɖuƒemɔkpɔkpɔa dzi se la me nasẽ ɖe edzi.

PETRO ZÃ “DZIƑOFIAÐUƑE LA ƑE SAFUIWO”

(Dɔw. 1:1–11:18)

Esi apostoloawo xɔ gbɔgbɔ kɔkɔea vɔ la, woɖi ɖase dzinɔameƒotɔe. Petro zã “dziƒofiaɖuƒe la ƒe safuiwo” dometɔ gbãtɔ tsɔ ʋu sidzedze kple mɔnukpɔkpɔ ƒe ʋɔtru na Yudatɔwo kple ame siwo trɔ dzi me zu Yudatɔwo siwo “xɔ eƒe nya la” bene woage ɖe Fiaɖuƒe la me. (Mat. 16:19; Dɔw. 2:5, 41) Yometiti kpata aɖe na be nusrɔ̃lawo ka hlẽ, gake esia na be gbeƒãɖeɖedɔa keke ta boŋ.

Esi apostolo siwo nɔ Yerusalem se be Samaria xɔ Mawu ƒe nya la la, wodɔ Petro kple Yohanes ɖo ɖe wo. Petro zã safui evelia esi wòʋu Fiaɖuƒemɔnukpɔkpɔa ɖi na Samariatɔwo. (Dɔw. 8:14-17) Ðewohĩ, mede ƒe ɖeka le Yesu fɔfɔ ɖe tsitre megbe hafi Saul si tso Tarso la wɔ tɔtrɔ ɖedzesi aɖe le eƒe agbe me o. Le ƒe 36 M.Ŋ. me la, Petro zã safui etɔ̃lia, eye wokɔ gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe nunana faa la ɖe dukɔwo me tɔ aʋamatsomatsotɔwo dzi.—Dɔw. 10:45.

Ŋɔŋlɔawo Me Biabiawo Ŋu Ðoɖo:

2:44-47; 4:34, 35—Nu ka tae xɔsetɔwo dzra woƒe nunɔamesiwo eye woma nu si wokpɔ la na wo nɔviwo? Ame geɖe siwo va zu xɔsetɔwo la tso keke didiƒe ke, eye nu geɖe menɔ wo si be woayi edzi anɔ Yerusalem o. Ke hã, wodi be yewoanɔ afi ma eteƒe nadidi bene yewoate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso yewoƒe xɔse yeye la ŋu, eye yewoaɖi ɖase na amewo. Bene Kristotɔwo nate ŋu akpe ɖe xɔsetɔ mawo ŋu la, wo dometɔ aɖewo dzra woƒe nunɔamesiwo, eye woma ga si wokpɔ la na ame siwo nu hiã la.

4:13—Ðe Petro kple Yohanes nye ame manyagbalẽwoa? Ao. Woyɔ wo be “ame manyagbalẽwo kple ame tsɛwo,” elabena womede rabiwo ƒe sukuwo hexɔ subɔsubɔ ƒe hehe le afi mawo o.

5:34-39—Aleke Luka wɔ nya nya si Gamaliel gblɔ na Sanhedrin la me tɔwo ɖeɖe ko la? Ate ŋu anye to mɔ etɔ̃ ya teti dzi: (1) Paulo ame si srɔ̃ nu le Gamaliel gbɔ kpɔ lae gblɔe na Luka; (2) Luka bia Sanhedrin la me tɔ nyodɔme aɖe, abe Nikodemo ene wògblɔe nɛ; (3) Mawu ƒe gbɔgbɔae ɖe nyatakaka mawo fia Luka.

7:59—Ðe Stefano nɔ gbe dom ɖa na Yesua? Ao. Ele be ame nade ta agu na Yehowa Mawu ɖeka ko, eye le esia ta eya koe wòado gbe ɖa na hã. (Luka 4:8; 6:12) Ne gbee Stefano be yeado ɖa la, anye ne edoe ɖa na Yehowa le Yesu ƒe ŋkɔ me abe ale si Kristotɔwo wɔnɛ ene. (Yoh. 15:16) Ke hã, le nɔnɔme sia me la, Stefano kpɔ “Amegbetɔvi la le tsitre ɖe Mawu ƒe nuɖusi me” le ŋutega me. (Dɔw. 7:56) Esi Stefano nyae kɔte be wona ŋusẽ Yesu be wòafɔ ame kukuwo ɖe tsitre ta la, eƒo nu na Yesu tẽe hebiae be wòakpɔ yeƒe gbɔgbɔ ta, gake medo gbe ɖa nɛ o.—Yoh. 5:27-29.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme Na Mí:

1:8. Yehowa subɔlawo mate ŋu awɔ xexea me katã ƒe ɖaseɖiɖidɔa ade goe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kpekpeɖeŋu manɔmee o.

4:36-5:11. Wotsɔ ŋkɔ na Yosef si tso Kipro la be Barnaba si gɔmee nye “Akɔfafavi.” Apostoloawoe anya tsɔ ŋkɔ Barnaba nɛ, elabena enye ŋutsu si doa vivi ɖe ame ŋu, nyoa dɔme henaa kpekpeɖeŋu amewo. Ele be míanɔ abe Barnaba ene, ke menye abe Anania kple Safira siwo nye ameŋkumenuwɔlawo, alakpanuwɔlawo, kple ayemenuwɔlawo la ene o.

9:23-25. Asaƒoƒo na míaƒe futɔwo bene míayi gbeƒãɖeɖedɔa dzi la mefia be míenye vɔvɔ̃nɔtɔwo o.

9:28-30. Ne ɖaseɖiɖi le nuto aɖe me alo na ame aɖewo ate ŋu ahe ŋutilã, agbenɔnɔ, kple gbɔgbɔ me fɔku vae na mí la, ehiã be míadze aye ahaɖɔ ŋu ɖo le ɣeyiɣi kple teƒe siwo míawɔ míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa le la ŋu.

9:31. Le ɣeyiɣi siwo me ŋutifafa aɖe si nu li me la, ele be míadze agbagba ado ŋusẽ míaƒe xɔse to nusɔsrɔ̃ kple ŋugbledede dzi. Esia akpe ɖe mía ŋu be míazɔ le Yehowa vɔvɔ̃ me to nu siwo míesrɔ̃ la tsɔtsɔ de dɔwɔwɔ me kple gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ dzonɔamemetɔe me.

SUBƆSUBƆDƆ SI PAULO WƆ DZONƆAMEMETƆE

(Dɔw. 11:19–28:31)

Le ƒe 44 M.Ŋ. me la, Agabo va Antioxia, afi si Barnaba kple Saul nɔ nu fiam le “ƒe ɖeka sɔŋ.” Agabo gblɔe ɖi be “dɔ gã aɖe ato,” eye esia va eme le ƒe eve megbe. (Dɔw. 11:26-28) Esi Barnaba kple Saul “wɔ kpekpeɖeŋudɔ la vɔ le Yerusalem la,” wotrɔ gbɔ va Antioxia. (Dɔw. 12:25) Le ƒe 47 M.Ŋ. me anɔ abe ƒe 12 ene le Saul ƒe dzimetɔtrɔ megbe la, gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖo Barnaba kple Saul ɖe dutanyanyuigbɔgblɔ ƒe mɔzɔzɔdɔ me. (Dɔw. 13:1-4) Le ƒe 48 M.Ŋ. me la, wotrɔ gbɔ va Antioxia, “afi si wotsɔ wo de Mawu ƒe amenuveve la si le.”—Dɔw. 14:26.

Le ɣleti asieke aɖewo megbe la, Paulo (si wogayɔna be Saul) tia Sila be wòanye yeƒe zɔhɛ, eye wòdze eƒe dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔ evelia gɔme. (Dɔw. 15:40) Timoteo kple Luka va kpe ɖe Paulo ŋu ɣeaɖeɣi le mɔzɔzɔa me. Luka tsi Filipi, eye Paulo tɔ edzi yi Atene, eye emegbe wòyi Korinto afi si wòdo go Akwila kple Priskila le, eye wònɔ wo gbɔ ƒe ɖeka kple afã. (Dɔw. 18:11) Paulo gblẽ Timoteo kple Sila ɖe Korinto, eye wòkplɔ Akwila kple Priskila ɖe ŋuti woɖo tɔdziʋu yi Siria le ƒe 52 M.Ŋ. ƒe gɔmedzedze. (Dɔw. 18:18) Akwila kple Priskila kplɔe ɖo yi keke Efeso ke, eye wotsi afi ma.

Le Siriatɔwo ƒe Antioxia nɔnɔ ɣeyiɣi aɖe megbe la, Paulo dze eƒe mɔzɔzɔ etɔ̃lia gɔme le ƒe 52 M.Ŋ. me. (Dɔw. 18:23) Le Efeso la, “Yehowa ƒe nya la yi edzi nɔ tsitsim henɔ ŋusẽ kpɔm.” (Dɔw. 19:20) Paulo nɔ afi ma abe ƒe etɔ̃ ene. (Dɔw. 20:31) Le ƒe 56 M.Ŋ. ƒe Pentekoste ŋkekea dzi la, Paulo nɔ Yerusalem. Esi wolée vɔ la, eɖi ɖase vɔvɔ̃manɔmee na dziɖuɖumegãwo. Le Roma la, wosi ka apostolo la ɖe aƒe me hena ƒe eve (ƒe 59-61 M.Ŋ.), le afi ma la, edi mɔnu ɖe gbeƒã Fiaɖuƒea, eye wòfia nu “ku ɖe Aƒetɔ Yesu Kristo ŋu.”—Dɔw. 28:30, 31.

Ŋɔŋlɔawo Me Biabiawo Ŋu Ðoɖo:

14:8-13—Nu ka tae Listratɔwo nɔ “Barnaba yɔm be Zeus, ke Paulo ya be Herme”? Le Helatɔwo ƒe nyakpakpawo nu la, Zeus ye nye mawuwo ƒe fia, eye wonya via Herme be ebi le nuƒoƒo me. Esi wònye be Paulo ye xɔ ŋgɔ le nuƒoƒo me tae Listratɔwo yɔe be Herme heyɔ Barnaba be Zeus ɖo.

16:6, 7—Nu ka tae gbɔgbɔ kɔkɔea meɖe mɔ na Paulo kple eƒe zɔhɛwo be woaɖe gbeƒã le Bitinia kple Asia nutowo me o? Dɔwɔla ʋɛ aɖewo koe nɔ anyi. Eya ta gbɔgbɔ kɔkɔe la fia mɔ wo be woayi afi si dɔa atse ku le wu.

18:12-17—Nu ka tae Nutomegãdziɖula Galio mede nu nyaa me esime nukpɔlawo te Sostene ƒoƒo o? Ðewohĩ Galio bui be tohehe si ame sia si anya xɔ ŋgɔ na nu vlo wɔha si tsi tsitre ɖe Paulo ŋu la dze na lae nye ema xɔm wònɔ. Ke hã, edze abe nu nyui aɖe do tso nudzɔdzɔ sia me ene, elabena ena be Sostene trɔ dzi me heva zu Kristotɔ. Emegbe la, Paulo yɔ Sostene be “mía nɔviŋutsu.”—1 Kor. 1:1.

18:18—Adzɔgbe kae Paulo ɖe? Agbalẽnyala aɖewo gblɔ be ɖe Paulo ɖe adzɔgbe zu Nasiretɔ. (4 Mose 6:1-21) Ke hã, Biblia megblɔ nu si ƒe adzɔgbee Paulo ɖe o. Gawu la, Ŋɔŋlɔawo megblɔe nenye be Paulo ɖe adzɔgbea do ŋgɔ na eƒe dzimetɔtrɔ loo alo emegbee o; eye womegblɔe hã nenye egɔme dzem wònɔ loo alo enu wumee wònɔ o. Eɖanye aleke kee wònɔ o, adzɔgbe ma tɔgbi ɖeɖe menye nu vɔ̃ o.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme Na Mí:

12:5-11. Míate ŋu ado gbe ɖa ɖe mía nɔviwo ta, eye ele be míawɔe hã.

12:21-23; 14:14-18. Herodes lɔ̃ faa xɔ ŋtikɔkɔe si wòle be woatsɔ na Mawu ɖeka ko la. Aleke esia to vovo na ale si Paulo kple Barnaba gbe kafukafu kple bubu si womedze na o la xɔxɔ enumake kple gbeteteɖedzie nye esi! Mele be míadi kafufaku na mía ɖokuiwo le nu siwo míetea ŋu wɔna le Yehowa ƒe subɔsubɔ me la ta gbeɖe o.

14:5-7. Ŋuɖɔɖɔɖo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míayi edzi axɔ dzo le subɔsubɔdɔa me.—Mat. 10:23.

14:22. Kristotɔwo kpɔa mɔ na xaxawo. Womedzea agbagba be yewoasi le xaxawo nu to asiɖeɖe le woƒe xɔse ŋu me o.—2 Tim. 3:12.

16:1, 2. Ele be sɔhɛ Kristotɔwo nawɔ geɖe le mawusubɔsubɔ me, eye woadi Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu be ŋkɔ nyui nanɔ wo ŋu.

16:3. Ele be míawɔ nu sia nu si míate ŋui ana nya nyuia nado dzidzɔ na amewo, gake ele be nu siwo míawɔ la nawɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖosewo.—1 Kor. 9:19-23.

20:20, 21. Tso aƒe me yi aƒe me dɔa nye míaƒe subɔsubɔdɔa ƒe akpa vevi aɖe.

20:24; 21:13. Nuteƒewɔwɔ me léle ɖe asi na Mawu le vevie wu mía ŋutɔwo ƒe agbe ta kpɔkpɔ.

21:21-26. Ele be míalɔ̃ faa ahadi vevie be míaxɔ aɖaŋuɖoɖo nyuiwo.

25:8-12. Kristotɔ siwo li egbea ate ŋu azã mɔnu siwo le se nu le “nya nyui la ta ʋiʋli kple eɖoɖo anyi le se nu siaa me,” eye ele be woawɔe hã.—Fp. 1:7.

26:24, 25. Ele be míagblɔ “nyateƒenya siwo me susu le” togbɔ be wonye bometsinuwo na “ŋutilãmeme” la hã.—1 Kor. 2:14.

[Nɔnɔmetata si le axa 30]

Ɣekaɣiwoe Petro zã “dziƒofiaɖuƒe la ƒe safuiwo”?

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Womate ŋu awɔ xexea me katã ƒe ɖaseɖiɖidɔa gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kpekpeɖeŋu manɔmee o