Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Wɔ Gbɔgbɔmeŋgɔyiyi To Paulo Ƒe Kpɔɖeŋu Sɔsrɔ̃ Me

Wɔ Gbɔgbɔmeŋgɔyiyi To Paulo Ƒe Kpɔɖeŋu Sɔsrɔ̃ Me

Wɔ Gbɔgbɔmeŋgɔyiyi To Paulo Ƒe Kpɔɖeŋu Sɔsrɔ̃ Me

“Ʋiʋli nyui lae meʋli, mewu duɖimekeke la nu, melé xɔse la me ɖe asi.”—2 TIM. 4:7.

1, 2. Tɔtrɔ kawoe Saul si tso Tarso la wɔ le eƒe agbe me, eye dɔ vevi ka gɔmee wòdze?

ENYE ŋutsu nunyala kple ame si tsona ɖe dɔ ŋu kpla. Ke hã, ‘enɔ agbe ɖe eƒe ŋutilã ƒe nudzodzrowo nu.’ (Ef. 2:3) Eva gblɔ tso eɖokui ŋu emegbe be, yenye “busunyagblɔla kple yometila kpakple ame mabuame.” (1 Tim. 1:13) Ŋutsu lae nye Saul si tso Tarso.

2 Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Saul wɔ tɔtrɔ ɖedzesiwo le eƒe agbe me. Eɖe asi le eƒe agbenɔnɔ tsãtɔ ŋu, eye wòdze agbagba vevie be ‘yeagadi ye ŋutɔ yeƒe nyonyo o, ke boŋ ame geɖewo tɔ.’ (1 Kor. 10:33) Eva zu ame fatu, eye wòɖe lɔlɔ̃ fia ame siwo ŋu wòwɔ anyra le tsã. (Mixlẽ 1 Tesalonikatɔwo 2:7, 8.) Eŋlɔ bena: ‘Mezu subɔla.’ Eye wògblɔ kpee be: “Nye, ame si le sue wu ame kɔkɔewo katã ƒe suetɔ, ye wona amenuveve sia, be magblɔ Kristo la ƒe kesinɔnu gbogbo manyaxlẽawo ŋuti nya nyui la na dukɔwo.”—Ef. 3:7, 8.

3. Mɔ ka nue Paulo ƒe lɛtawo me nyawo kple nuŋlɔɖi siwo ku ɖe eƒe subɔsubɔdɔa ŋu sɔsrɔ̃ akpe ɖe mía ŋu le?

3 Saul, si wogayɔna be Paulo, wɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi ɖedzesiwo. (Dɔw. 13:9) Mɔ aɖe si ŋu kakaɖedzi le si dzi míato ado tsɔtsɔe míaƒe ŋgɔyiyi le nyateƒea me lae nye Paulo ƒe lɛtawo me nyawo kple nuŋlɔɖi siwo ku ɖe eƒe subɔsubɔdɔa ŋu, kpakple xɔse ƒe kpɔɖeŋu si wòɖo ɖi la sɔsrɔ̃. (Mixlẽ 1 Korintotɔwo 11:1; Hebritɔwo 13:7.) Mina míakpɔ ale si esia wɔwɔ aʋã mí míatu ɖokuisinusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo nyui wɔwɔ kple lɔlɔ̃ vavã na amewo ɖo, eye nukpɔsusu nyui nanɔ mía si ku ɖe mía ɖokuiwo ŋu la ɖa.

Nusɔsrɔ̃ Ƒe Ðoɖo Si Nɔ Paulo Si

4, 5. Aleke ɖokuisinusɔsrɔ̃ ɖe vi na Paulo?

4 Esi Paulo nye Farisitɔ si wona hehe ‘le Gamaliel ƒe afɔ nu, eye wofia tɔgbuiawo ƒe Se lae tsitotsito’ ta la, Ŋɔŋlɔawo me sidzedze aɖe su esi xoxo. (Dɔw. 22:1-3; Fp. 3:4-6) Le eƒe nyɔnyrɔxɔxɔ vɔ megbe teti ko la, ‘edzo yi Arabia’—ate ŋu anye Siria Gbedadaƒo alo ɖewohĩ teƒe aɖe si tomefafa nɔ le Arabia ƒukpo afã la dzi si sɔ nyuie na ŋugbledede. (Gal. 1:17) Edze abe ɖe Paulo di be yeade ŋugble tso ŋɔŋlɔ siwo ɖo kpe edzi be Yesue nye Mesia la ŋu ene. Gawu la, Paulo di be yeadzra ɖo ɖe dɔ si nɔ ye ŋgɔ la ŋu. (Mixlẽ Dɔwɔwɔwo 9:15, 16, 20, 22.) Paulo di ɣeyiɣi tsɔ de ŋugble tso gbɔgbɔmenuwo ŋu.

5 Ŋɔŋlɔawo me sidzedze kple gɔmesese si su Paulo si to ɖokuisinusɔsrɔ̃ me na wòte ŋu su te fia nyateƒea amewo memie. Le kpɔɖeŋu me, le ƒuƒoƒe si nɔ Antioxia le Pisidia la, Paulo yɔ mawunyakpukpui atɔ̃ ya teti tẽe tso Hebri Ŋɔŋlɔawo me tsɔ ɖo kpe edzi be Yesu ye nye Mesia la. Paulo yɔ nya tso ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo me zi geɖe. Eɖe Biblia me kple kakaɖedzi ale gbegbe be “Yudatɔwo kple ame siwo trɔ dzi me zu Yudatɔwo, siwo dea ta agu na Mawu la, dometɔ geɖewo kplɔ Paulo kple Barnaba ɖo” ale be woagafia nu geɖe yewo. (Dɔw. 13:14-44) Le ƒe aɖewo megbe la, esi Yudatɔ aɖewo siwo tso Roma va Paulo gbɔ le aƒe si me wòdze me la, eɖe nu me na wo eme kɔ “to ɖaseɖiɖi tsitotsito le Mawu fiaɖuƒe la ŋu, kple kpeɖodziwo nana tso Mose ƒe se la kple Nyagblɔɖilawo me dzi.”—Dɔw. 28:17, 22, 23.

6. Nu kae kpe ɖe Paulo ŋu wòyi edzi sẽ ŋu le gbɔgbɔ me esime wònɔ dodokpɔwo me tom?

6 Esime Paulo nɔ dodokpɔwo me tom la, eyi Ŋɔŋlɔawo me dzodzro dzi eye wòkpɔ ŋusẽdoame tso gbedeasi si tso gbɔgbɔ me la me. (Heb. 4:12) Esime Paulo nɔ gaxɔ me le Roma, do ŋgɔ na ewuwu la, ebia tso Timoteo si be wòatsɔ “agbalẽ xatsaxatsaawo” kple “lãgbalẽawo” vae na ye. (2 Tim. 4:13) Anɔ eme godoo be agbalẽ siawo nye Hebri Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa aɖewo siwo Paulo zãna tsɔ wɔa ɖokuisinusɔsrɔ̃ deto. Biblia sɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo si ana be Ŋɔŋlɔawo me sidzedze nasu Paulo si nɔ vevie nɛ, eye esia na be wòte ŋu yi edzi nɔ tsitre sesĩe.

7. Gblɔ viɖe siwo nàte ŋu akpɔ tso Biblia sɔsrɔ̃ edziedzi me.

7 Biblia sɔsrɔ̃ edziedzi kple ŋugbledede vevie akpe ɖe míawo hã mía ŋu míayi ŋgɔ le gbɔgbɔ me. (Heb. 5:12-14) Hakpalaa dzi ha ku ɖe asixɔxɔ si le Mawu ƒe Nya la ŋu ale: “Wò nu me sewo nyo nam wu sika kple klosalo akpe nanewo. Wò se la wɔm nunyalae wu nye futɔwo, elabena tɔnyee wonye tegbee. Mete nye afɔ ɖe megbe tso toƒe vɔ̃ɖiwo katã gbɔ, ne malé ŋku ɖe wò nya ŋu.” (Ps. 119:72, 98, 101) Ðe ɖokuisi Biblia sɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖowɔɖi le asiwòa? Ðe nèle dzadzram ɖo ɖe agbanɔamedzi siwo ava su asiwò le Mawu subɔsubɔ me le etsɔ me la ŋu to Biblia xexlẽ gbe sia gbe kple ŋugbledede le nu siwo nèxlẽna ŋu dzia?

Saul Srɔ̃ Amelɔlɔ̃

8. Aleke Saul wɔ nu ɖe ame siwo menɔ Yuda subɔsubɔ me o la ŋui?

8 Hafi Saul nava zu Kristotɔ la, edoa vevie nu le eƒe subɔsubɔ me ŋutɔ, gake metsɔa ɖeke le eme na ame siwo mele Yuda subɔsubɔ me o la o. (Dɔw. 26:4, 5) Esime Yudatɔ aɖewo nɔ kpe ƒum Stefano la, etɔ ɖe afi ma nɔ ekpɔm kple dzidzɔ. Nu si teƒe Saul kpɔ na dzi ɖo eƒo, eye ɖewohĩ ekpɔe be Stefano wuwu nye tohehe si wòdze na. (Dɔw. 6:8-14; 7:54–8:1) Nuŋlɔɖi si tso gbɔgbɔ me la gblɔ be: “Saul . . . te ŋkutɔtɔ hame la vevie. Egena ɖe aƒewo me ɖekaɖeka, eye wòhea ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa doa goe, eye wòdea wo gaxɔ me.” (Dɔw. 8:3) Etia “wo yome yia du bubuwo hã me.”—Dɔw. 26:11.

9. Nudzɔdzɔ kae na Saul gbugbɔ ŋku lé ɖe ale si wòwɔa nu ɖe amewo ŋui la ŋu?

9 Esime Saul nɔ mɔ dzi yina Damasko be yeaɖaɖe fu na Kristo ƒe nusrɔ̃lawo lae Aƒetɔ Yesu ɖe eɖokui fiae. Mawu ƒe Vi la ƒe keklẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ nu la gbã ŋku na Saul ale be ame bubuwoe kplɔe. Saul ƒe nɔnɔme ɖe amewo ŋu trɔ tegbee tso esime Yehowa zã Anania wòʋu ŋku nɛ. (Dɔw. 9:1-30) Esi wòva zu Kristo yomedzela teti ko la, edze agbagba vevie be yeawɔ nu ɖe amewo katã ŋu abe ale si Yesu wɔe ene. Esia bia tso esi be wòadzudzɔ anyrawɔwɔ eye ‘wòanɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me.’—Mixlẽ Romatɔwo 12:17-21.

10, 11. Aleke Paulo ɖe lɔlɔ̃ vavã fia amewoe?

10 Ŋutifafa me nɔnɔ kple amewo ɖeɖe mesɔ gbɔ na Paulo o. Edi be yeaɖe lɔlɔ̃ vavã afia amewo, eye Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa na mɔnukpɔkpɔ siae. Le eƒe dutanyanyuigbɔgblɔ ƒe mɔzɔzɔ gbãtɔ me la, eɖe gbeƒã nya nyuia le Asia Sue. Togbɔ be wotsi tsitre ɖe Paulo kple eƒe zɔhɛwo ŋu vevie hã la, woƒe susu nɔ kpekpe ɖe ame fafawo ŋu be woava zu Kristotɔwo ŋu. Wogbugbɔ yi Listra kple Ikonio togbɔ be tsitretsiɖeŋula siwo nɔ du mawo me dze agbagba be yewoawu Paulo tsã hã.—Dɔw. 13:1-3; 14:1-7, 19-23.

11 Emegbe la, Paulo kple eƒe zɔhɛwo di dzi anukwaretɔwo le Makedonia kple Filipi. Lidia, ame si trɔ dzi me zu Yudatɔ, ɖo to nya nyuia eye wòzu Kristotɔ. Dziɖuɖumegãwo ƒo Paulo kple Sila kple ati, eye wode wo gaxɔ me. Ke hã, Paulo ɖe gbeƒã na gaxɔdzikpɔla, eye nu si do tso emee nye be, wonyrɔ gaxɔdzikpɔla la kple eƒe ƒometɔwo wozu Yehowa subɔlawo.—Dɔw. 16:11-34.

12. Nu kae ʋã Saul amemabula la wòzu Yesu Kristo ƒe apostolo si lɔ̃a ame?

12 Nu ka tae Saul, ame si nye yometila tsã la, va na ta ame siwo yome tim wònɔ la ƒe xɔse? Nu kae ʋã amemabula ma be wòva zu apostolo nyodɔme lɔ̃ame, ame si lɔ̃ faa be yeade yeƒe agbe afɔku me bene ame bubuwo nate ŋu asrɔ̃ nyateƒe si ku ɖe Mawu kple Kristo ŋu? Paulo ŋutɔ ɖe eme be: ‘Mawu, ame si yɔm to eƒe amenuveve la me, kpɔe be enyo be yeaɖe ye Vi la afia to dzinye.’ (Gal. 1:15, 16) Paulo ŋlɔ na Timoteo be: “Wokpɔ nublanui nam [be] Kristo Yesu nato nye ame si nye nu vɔ̃ wɔla gãtɔ dzi aɖe eƒe dzigbɔgbɔ blewu la katã afia, be wòanye kpɔɖeŋu na ame siwo axɔ eyama dzi ase hena agbe mavɔ la.” (1 Tim. 1:16) Yehowa tsɔ Paulo ƒe nu vɔ̃wo kee, eye amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ sia si woɖe fia Paulo ʋãe be wòɖe lɔlɔ̃ fia amewo to gbeƒãɖeɖe nya nyuia na wo me.

13. Nu kae wòle be wòaʋã mí be míaɖe lɔlɔ̃ afia amewo, eye aleke míate ŋu awɔ esiae?

13 Nenema kee Yehowa tsɔa míaƒe nu vɔ̃wo kple vodadawo kena mí. (Ps. 103:8-14) Hakpala la bia be: ‘Yehowa, ne èbe, yealé vodadawo ɖi la, Aƒetɔ, ame ka anɔ te ma?’ (Ps. 130:3) Mawu ƒe amenuveve manɔmee la, dzidzɔ si dona tso subɔsubɔ kɔkɔea me masu mía dometɔ aɖeke si o, eye míate ŋu akpɔ mɔ na agbe mavɔ kpɔkpɔ hã o. Mawu ve mí katã nu geɖe ŋutɔ. Eya ta abe Paulo ene la, ele be míadi vevie be míaɖe lɔlɔ̃ afia amewo to gbeƒãɖeɖe na wo, nyateƒea fiafia wo, kple ŋusẽdodo haxɔsetɔwo me.—Mixlẽ Dɔwɔwɔwo 14:21-23.

14. Aleke míate ŋu adzi míaƒe subɔsubɔdɔa ɖe edzii?

14 Paulo di be yeawɔ ŋgɔyiyi le nya nyui gbeƒãɖeɖedɔa me, eye kpɔɖeŋu si Yesu ɖo ɖi la de dzi gbɔ nɛ. Mɔ siwo dzi Mawu ƒe Vi la ɖe lɔlɔ̃ si ɖeke mesɔ kpli o fia amewo le dometɔ ɖekae nye eƒe dutoƒosubɔsubɔdɔa. Yesu gblɔ be: “Nuŋeŋe la sɔ gbɔ, gake dɔwɔlawo ya mesɔ gbɔ o. Eya ta miɖe kuku na nuŋeŋe ƒe Aƒetɔ la be, wòaɖo dɔwɔlawo ɖe eƒe nuŋeŋe la me.” (Mat. 9:35-38) Paulo wɔ nu wòwɔ ɖeka kple kuku ɖe sia ɖe si wòanya ɖe be woaɖo dɔwɔla geɖe ɖo ɖa la, to ale si eya ŋutɔ zu dɔwɔla si me dzo nɔ la dzi. Ke wò ya ɖe? Ðe nàte ŋu adzi wò subɔsubɔdɔa ƒe nyonyome ɖe edzia? Alo ɖe nàte ŋu adzi wò gomekpɔkpɔ le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa me ɖe edzi, ɖewohĩ to mɔɖeɖedɔa gɔ̃ hã wɔwɔ mea? Mina míaɖe lɔlɔ̃ vavã afia amewo to kpekpe ɖe wo ŋu be ‘woalé agbenya la me ɖe asi goŋgoŋ’ dzi.—Fp. 2:16.

Ale Si Paulo Bu Eɖokui

15. Aleke Paulo bu eɖokui le nuwɔwɔ kple ehati Kristotɔwo me?

15 Paulo si nye subɔla Kristotɔ gaɖo kpɔɖeŋu ɖedzesi aɖe ɖi na mí le mɔ bubu aɖe nu. Togbɔ be mɔnukpɔkpɔ geɖe su Paulo si le Kristo hamea me hã la, enyae be yayra mawo mesu ye si le ye ŋutɔ yeƒe agbagbadzedze me alo le ŋutete siwo le ye si ta o. Ede dzesii be yeƒe yayrawo nye Mawu ƒe amenuveve si wòɖe fia ye me tsonu. Paulo lɔ̃ ɖe edzi be Kristotɔ bubuwo hã nye nya nyuia ƒe subɔla kpɔdzidzedzewo. Togbɔ be enɔ agbanɔamedzinɔƒe le Mawu ƒe amewo dome hã la, eyi edzi bɔbɔ eɖokui.—Mixlẽ 1 Korintotɔwo 15:9-11.

16. Aleke Paulo ɖe ɖokuibɔbɔ kple dadasɔ fia le aʋatsotso ƒe nya la mee?

16 Bu ale si Paulo kpɔ nya aɖe si do mo ɖa le Siria du si nye Antioxia la me gbɔ ŋu kpɔ. Mama ɖo Kristo hame si nɔ afi ma la dome ku ɖe aʋatsotso ƒe nya la ŋu. (Dɔw. 14:26–15:2) Esi wònye be woɖo Paulo be wòaxɔ ŋgɔ aɖe gbeƒã na dukɔwo me tɔ aʋamatsomatsotɔwo ta la, anya bu eɖokui be yebi ɖe ame siwo menye Yudatɔwo o la ƒe nyawo gbɔ kpɔkpɔ me, eya ta yesu te nyuie akpɔ nya la gbɔ. (Mixlẽ Galatiatɔwo 2:8, 9.) Esime wòdze abe agbagba si wòdze be yeakpɔ nya la gbɔ mewɔ dɔ o ene la, ɖokuibɔbɔ kple dadasɔ ʋãe wòlɔ̃ wɔ ɖe ɖoɖo si wowɔ be woatsɔ nya la aɖo dziɖuha si nɔ Yerusalem la ŋkume bene woadzro eme akpɔ la dzi. Ewɔ nu aduadu kple dziɖuha la me tɔwo esi wodzro nya la me, tso nya me hedɔe be wòanye ame siwo atsɔ nyametsotso si woŋlɔ la ayi na hameawo la dometɔ ɖeka. (Dɔw. 15:22-31) Paulo to esia dzi ‘de bubu’ eƒe hati subɔlawo ŋu “gbã.”—Rom. 12:10b.

17, 18. (a) Aleke Paulo se le eɖokui me tso ame siwo nɔ hameawo me la ŋu? (b) Nu kae ale si Efeso hamemetsitsiwo wɔ nu ɖe Paulo ƒe dzodzo ŋu ɖe fia mí ku ɖe eŋu?

17 Paulo ɖokuibɔbɔla la meɖe eɖokui ɖe aga tso nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo nɔ hameawo me la gbɔ o. Ðe wòlé ɖe wo ŋu boŋ. Le lɛta si wòŋlɔ na Romatɔwo ƒe nuwuwu la, eyɔ ame siwo wu 20 ƒe ŋkɔwo hedo gbe na wo. Womeyɔ wo dometɔ akpa gãtɔ ƒe ŋkɔwo le afi bubu aɖeke le Ŋɔŋlɔawo me o eye wo dometɔ ʋɛ aɖewo koe nɔ agbanɔamedzinɔƒe tɔxɛwo. Gake wonye Yehowa subɔla wɔnuteƒewo, eye Paulo lɔ̃ wo vevie.—Rom. 16:1-16.

18 Ale si Paulo wɔa nu ɖokuibɔbɔtɔe kple xɔlɔ̃wɔwɔtɔe la tu hameawo ɖo. Esi Paulo do go kple Efeso hamemetsitsiwo zi mamlɛtɔ vɔ la, “wodze Paulo ƒe kɔ dzi hegbugbɔ nu nɛ lɔlɔ̃tɔe, elabena nya si wògblɔ be womegale yeƒe ŋkume kpɔ ge azɔ o la koŋ na wose veve.” Ame si nye dadala kple ɖokuiŋudzela ƒe dzodzo mana woase veve nenema gbegbe o.—Dɔw. 20:37, 38.

19. Aleke míate ŋu aɖe “ɖokuibɔbɔ” afia le nuwɔwɔ ɖe mía hati Kristotɔwo ŋu me?

19 Ele be ame siwo katã dina be yewoawɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi la naɖe ɖokuibɔbɔ afia abe ale si Paulo wɔe ene. Exlɔ̃ nu hati Kristotɔwo be: “[Migawɔ] naneke le dzrehehe ta alo le ɖokuiŋububu akpa ta o, ke boŋ miatsɔ ɖokuibɔbɔ abu ame bubuwo be wonye gã wu mi.” (Fp. 2:3) Aleke míate ŋu awɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo ma dzii? Mɔ ɖekae nye nuwɔwɔ aduadu kple hamemetsitsi siwo le míaƒe hamea me, wɔwɔ ɖe woƒe mɔfiamewo dzi, kple asidada ɖe nyametsotso siwo wowɔ le ʋɔnudrɔ̃nyawo me la dzi. (Mixlẽ Hebritɔwo 13:17.) Mɔ bubue nye asixɔxɔ gã aɖe dede nɔvi siwo le hamea me ŋu. Zi geɖe la, dukɔ vovovo me tɔwo, ame siwo ƒe dekɔnuwo, ameƒomevinyenye, kple gbegbɔgblɔ le vovovo woe le Yehowa ƒe amewo ƒe hameawo me. Ðe mele be míasrɔ̃ ale si míawɔ nu ɖe wo katã ŋu ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe ahaɖe lɔlɔ̃ afia wo abe ale si Paulo wɔe ene oa? (Dɔw. 17:26; Rom. 12:10a) Wode dzi ƒo na mí be ‘míaxɔ mía nɔewo, abe ale si ko Kristo la hã xɔ míi ene, hena Mawu ƒe kafukafu.’—Rom. 15:7.

Tsɔ “Dzidodo” Nɔ Agbe Ƒe “Duɖimekeke” La Dzi

20, 21. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míake agbe ƒe duɖime la dzidzedzetɔe?

20 Woate ŋu atsɔ Kristotɔ ƒe agbenɔnɔ asɔ kple du legbee aɖe ƒuƒu. Paulo ŋlɔ bena: “Ʋiʋli nyui lae meʋli, mewu duɖimekeke la nu, melé xɔse la me ɖe asi. Tso fifia dzi heyina la, wodzra dzɔdzɔenyenye ƒe dziɖuɖukuku la ɖo ɖi nam, si Aƒetɔ la, ʋɔnudrɔ̃la dzɔdzɔe la, atsɔ anam abe fetu ene le ŋkeke ma dzi, ke hã, menye na nye ɖeɖe ko o, ke na ame siwo katã lɔ̃ eƒe ɖeɖe fia la hã.”—2 Tim. 4:7, 8.

21 Ne míedze Paulo ƒe kpɔɖeŋua yome la, akpe ɖe mía ŋu míake duɖime hena agbe mavɔ la dzidzedzetɔe. (Heb. 12:1) Eya ta mina míadze agbagba ɖe sia ɖe ayi edzi anɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi wɔm to ɖokuisinusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo nyui kple lɔlɔ̃ deto na amewo tutuɖo, kpakple ɖokuibɔbɔ ƒe nɔnɔme me léle ɖe asi me.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Aleke ale si Paulo srɔ̃ Ŋɔŋlɔawo edziedzi le eɖokui si ɖe vi nɛ?

• Nu ka tae lɔlɔ̃ deto ɖeɖe fia amewo le vevie na Kristotɔwo?

• Nɔnɔme kawoe akpe ɖe ŋuwò be nàwɔ nu ɖe amewo ŋu ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe?

• Aleke Paulo ƒe kpɔɖeŋu ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàwɔ nu aduadu kple miaƒe hamemetsitsiwo?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Tsɔ Ŋɔŋlɔawo do ŋusẽ ɖokuiwò abe ale si Paulo wɔe ene

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Ðe lɔlɔ̃ fia amewo to nya nyuia gbɔgblɔ na wo me

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Ènya nu si tae amewo lɔ̃ Paulo vevie ɖoa?