Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Èdzra Ðo Ðe Wò Xɔse Ta Ʋiʋli Ŋua?

Èdzra Ðo Ðe Wò Xɔse Ta Ʋiʋli Ŋua?

Èdzra Ðo Ðe Wò Xɔse Ta Ʋiʋli Ŋua?

ÈÐO nɔnɔme aɖe me kpɔ si na nèse le ɖokuiwò me be ehiã be yeaʋli yeƒe xɔse ta? Bu nu si dzɔ ɖe Susana, si nye nɔvinyɔnu sɔhɛ aɖe si xɔ ƒe 16 si le Paraguay la dzi ŋu kpɔ. Esime wonɔ agbenɔnɔ ŋuti sewo srɔ̃m le sukuxɔ me la, ame aɖe gblɔ be Yehowa Ðasefowo mexɔ “Nubabla Xoxo” la, Yesu Kristo, alo Maria dzi se o. Wogblɔ hã be Ðasefowo nye zazɛ̃nyahela siwo alɔ̃ be yewoaku wu be woawɔ atike na yewo. Nenye wòe ɖe, anye ne nu kae nàwɔ?

Susana do gbe ɖa na Yehowa eye wòdo asi ɖe dzi. Esusɔ vie ko ne woakpã, eya ta ebia woƒe nufiala be wòaɖe mɔ na ye yeadzra ɖo ava ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dzixɔsewo me. Nufialaa lɔ̃ ɖe edzi enumake. Le kwasiɖa eve siwo kplɔe ɖo me la, Susana zã Yehowa ÐasefowoAmekawoe Wonye? Nukae Nye Woƒe Dzixɔse? gbalẽ gbadza la tsɔ dzra ɖo ɖe numeɖeɖea ŋu.

Ŋkeke si woɖo be wòava na numeɖeɖea de. Susana ɖe afi si míekpɔ ŋkɔ Yehowa Ðasefowo tsoe la me. Eɖe etsɔmemɔkpɔkpɔ si le mía si kple nu si tae míedoa ʋu o hã me na wo. Emegbe ekpe sukuviawo be woabia nyawo. Sukuvi akpa gãtɔ do asi ɖe dzi. Ale si mía nɔvinyɔnu sɔhɛ sia nɔ te ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi ɖo nyawo ŋui la wɔ dɔ ɖe nufialaa dzi ŋutɔ.

Sukuvi aɖe gblɔ be, “Mede Fiaɖuƒe Akpata aɖe me zi ɖeka kpɔ, eye nyemekpɔ nɔnɔmewɔwɔ ɖeka hɔ̃ hã le afi ma o.” Nufialaa di be yeanya nu si tae. Susana xlẽ Psalmo 115:4-8 kple 2 Mose 20:4 nɛ. Ewɔ nuku na nufialaa, eye wòbia be, “Aleke wɔ nɔnɔmewɔwɔwo bɔ ɖe míaƒe sɔlemexɔwo me fũu alea, evɔ Biblia ya ƒo nu tsi tsitre ɖe nɔnɔmewɔwɔwo ŋu?”

Woyi nyabiabia kple ŋuɖoɖoa dzi hena miniti 40 sɔŋ. Esi Susana bia sukuviawo be, woalɔ̃ be yewoakpɔ video si nye No Blood—Medicine Meets the Challenge mahã la, wo katã woɖo eŋu be, ɛ̃. Eya ta nufialaa wɔ ɖoɖo be woawɔ ema le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi. Le video la kpɔkpɔ vɔ megbe la, Susana ɖe nu me na wo ku ɖe atike siwo wozãna ɖe ʋu teƒe siwo ŋu dɔ Yehowa Ðasefo aɖewo lɔ̃na be woawɔ na yewo la ŋu. Nufialaa gblɔ be: “Nyemenya be atike gbogbo aɖewo li siwo woate ŋu azã ɖe ʋu teƒe o, eye nyemenya nu tso viɖe siwo le atikewɔwɔ na ame ʋumadomadoe me ŋu hã o.” Eye nufialaa bia yi edzi be: “Yehowa Ðasefowo koe wozãa atike siawo na?” Esi Susana ɖo eŋu nɛ be, ao la, nufialaa gblɔ be, “Ne Yehowa Ðasefowo gava gbɔnye ake la, malɔ̃ aɖo dze kpli wo.”

Miniti 20 ƒe numedzodzro si ŋu Susana dzra ɖo ɖo gbã la, va xɔ gaƒoƒo etɔ̃ sɔŋ. Le kwasiɖa ɖeka megbe la, sukuvi bubuwo va ɖe nu me ku ɖe dzixɔse si le wo sɔlemedelawo si la ŋu. Esi wowu numeɖeɖea nu la, wobia nya geɖe sukuvi mawo, gake womete ŋu ʋli woƒe dzixɔsewo ta o. Nufiala la bia wo be, “Aleke wɔ miete ŋu le miaƒe xɔse ta ʋlim abe ale si miaƒe sukuhati si nye Yehowa Ðasefo la wɔe ene o?”

Woɖo eŋu be: “Woawo la, wosrɔ̃a Biblia la tsitotsito. Míawo ya, míesrɔ̃nɛ o.”

Nufialaa trɔ ɖe Susana ŋu hegblɔ nɛ be: “Ɛ̃, miesrɔ̃a Biblia nyateƒe, eye miedzea agbagba be yewoawɔ ɖe nya si wògblɔna la dzi. Miedze na kafukafu.”

Susana ate ŋu azi kpi hafi. Ke hã, esi wòƒo nu la, edze Israel nyɔnuvi aɖe si ŋkɔ womeyɔ o si Siriatɔwo ɖe aboyo la ƒe kpɔɖeŋu nyui la yome. Wokplɔ nyɔnuvi sia yi Siria ʋafia Naeman, si ŋu ŋutigbalẽmedɔléle nyɔŋu aɖe nɔ la, ƒe aƒe me. Israel nyɔnuvi la gblɔ na eƒe aƒenɔ be: “Oo, ne nye aƒetɔ ade nyagblɔɖila, si le Samaria gbɔ la! ayɔ dɔ eƒe anyi la nɛ.” Nyɔnuvi la mete ŋu zi eɖokui dzi o, ɖeko wòte ɖaseɖiɖi tso Mawu vavã la ŋu. Esia wɔe be Naeman, eƒe aƒetɔ si ƒlee kluvi la, va zu Yehowa subɔla.—2 Fia. 5:3, 17.

Nenema kee Susana hã mete ŋu do kpo nuƒoƒo tso Yehowa kple eƒe amewo ŋu o. Esi Susana ʋli eƒe xɔse ta esime wotɔ gbee la, enɔ wɔwɔm ɖe Ŋɔŋlɔawo me sedede sia dzi be: “Mikɔ Kristo la ŋu abe Aƒetɔ ene, le miaƒe dziwo me, eye minɔ dzadzraɖoɖi ɣesiaɣi be miaʋli mɔkpɔkpɔ si le mia si la ta le ame sia ame si abia nya mi tso eŋu la ŋkume, gake mitsɔ tufafa kple bubu deto wɔ esiae.” (1 Pet. 3:15) Èle dzadzraɖoɖi hena wò xɔse ta ʋiʋlia? Eye àlɔ̃ awɔe nenye be eƒe mɔnukpɔkpɔ ʋu ɖia?

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Dɔwɔnu siawo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàʋli wò xɔse ta