Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋusẽ Nɔa Mía Ŋu Togbɔ Be Gbɔdzɔgbɔdzɔwo Le Mía Ŋu Hã

Ŋusẽ Nɔa Mía Ŋu Togbɔ Be Gbɔdzɔgbɔdzɔwo Le Mía Ŋu Hã

Ŋusẽ Nɔa Mía Ŋu Togbɔ Be Gbɔdzɔgbɔdzɔwo Le Mía Ŋu Hã

WÒ GBƆDZƆGBƆDZƆWO ate ŋu awu tsɔtsɔ na wò. Woalé ɖe ŋuwò goŋgoŋ abe agu ene. Awɔ na wò abe màte ŋu aɖu wo dzi gbeɖe o ene, alo ne ètsɔ ɖokuiwò sɔ kple ame bubuwo la, àse le ɖokuiwò me be yemedze o, eye àƒo nya ta be ame bubuwo nyo wu ye. Le go bubu me la, ɖewohĩ èle akɔ kpem kple dɔléle aɖe si gbɔdzɔa ame si na be ŋusẽ vɔ le ŋuwò, eye mègakpɔa dzidzɔ le agbe me o. Nu ka kee wòɖanye o, àbui be wɔna vɔ le ye ŋu. Àte ŋu ase le ɖokuiwò me abe Hiob ene, ame si gblɔ na Mawu be: ‘Oo, ne naxaɣlam ɖe tsiẽƒe, eye nadzram ɖo, va se ɖe esime wò dɔmedzoe nu nafa; naɖo ɣeyiɣi nam, eye naɖo ŋku dzinye emegbe ɖe!’—Hiob 14:13.

Aleke nàwɔ ado le mɔkpɔkpɔbuɖeame ƒe nɔnɔme sia me? Ahiã be nàɖe susu ɖa le wò kuxiwo ŋu vie togbɔ be esia wɔwɔ manɔ bɔbɔe kura o hã. Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu ade ŋugble tso nya siwo Yehowa bia esubɔla wɔnuteƒe Hiob ŋu. Ebiae be: ‘Afi ka nènɔ, esime meɖo anyigba gɔme anyi? Ne nunya le tagbɔ na wò la, ekema gblɔe! Ame ka ɖo eƒe dzidzeme? Ènyae tso! Alo ame ka da dzidzeka nɛ?’ (Hiob 38:4, 5) Ne míede ŋugble tso nu siwo nyabiase mawo fia ŋu la, míalɔ̃ ɖe Yehowa ƒe nunya kple ŋusẽ si ɖeke mesɔ kpli o la dzi godoo. Susu nyui aɖe tae wòɖe mɔ be nɔnɔme siwo le xexea me la nayi edzi ɖo.

‘Ŋu Aɖe Le Eƒe Ŋutilã Me’

Mawu subɔla wɔnuteƒe bubu aɖe bia Yehowa be wòaɖe “ŋu aɖe” si le yeƒe “ŋutilã me,” si nye kuxi aɖe si nu gbe tsotso, la ɖa na ye. Apostolo Paulo ɖe kuku na Mawu vevie zi etɔ̃ be wòaɖe kuxi sia ɖa le ye dzi. Kuxi ka kee wòɖanye o, abe ale si ŋu tɔa ame wòdoa kpo vovo ene la, kuxi sia ate ŋu ana be Paulo magakpɔ dzidzɔ le Yehowa subɔsubɔ me o. Paulo gblɔ be, ɖeko wònɔ abe ɖe wònɔa ye ƒom ɣesiaɣi ene. Yehowa ɖo eŋu nɛ be: “Nye amenuveve sɔ gbɔ na wò; elabena nye ŋusẽ zua blibo le mewò le wò gbɔdzɔgbɔdzɔ me.” Yehowa meɖe ŋu si nɔ apostoloa ƒe ŋutilã me la ɖa nɛ o. Enɔ na Paulo be wòawɔ avu kple ŋu la, gake egblɔ yi edzi be: “Ne megbɔdzɔ la, ekema ŋusẽ ɖoa ŋunye.” (2 Kor. 12:7-10) Gɔmesese kae le eƒe nya siawo ŋu?

Womeɖe Paulo ƒe kuxia ɖa nukutɔe o. Gake mena wòxe mɔ nɛ ale be wòdo kpo dɔ gãwo wɔwɔ le Yehowa subɔsubɔ me o. Paulo ɖo ŋu ɖe Yehowa ƒe ŋusẽdoame ŋu, eye wòdoa gbe ɖa biaa eƒe kpekpeɖeŋu ɣesiaɣi. (Fp. 4:6, 7) Le Paulo ƒe anyigbadzigbenɔnɔ ƒe nuwuwu lɔƒo la, ete ŋu gblɔ be: “Ʋiʋli nyui lae meʋli, mewu duɖimekeke la nu, melé xɔse la me ɖe asi.”—2 Tim. 4:7.

Yehowa zãa amegbetɔ madeblibowo tsɔ naa eƒe tameɖoɖo vaa eme, togbɔ be gbɔdzɔgbɔdzɔwo kple kuxiwo le wo ŋu hã, eye esɔ be esia ƒe kafukafu yina nɛ. Ate ŋu ana mɔfiame kple nunya si woatsɔ anɔ te ɖe woƒe kuxiawo nu eye woakpɔtɔ anɔ dzidzɔ kpɔm le esubɔsubɔ me la wo. Ɛ̃, ate ŋu azã amegbetɔ madeblibowo atsɔ awɔ dɔ gãwo togbɔ be gbɔdzɔgbɔdzɔwo le wo ŋu hã.

Paulo gblɔ susu si tae Mawu meɖe ŋu si nɔ eƒe ŋutilã me ɖa o la ale: “Bene magado ɖokuinye ɖe dzi akpa o.” (2 Kor. 12:7) “Ŋu” si nɔ Paulo ƒe ŋutilã me la ɖo ŋku eƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi nɛ, eye wòkpe ɖe eŋu be wòyi edzi bɔbɔ eɖokui. Esia sɔ kple nya si Yesu gblɔ le eƒe nufiafia me be: “Ame sia ame si doa eɖokui ɖe dzi la, woabɔbɔe ɖe anyi, eye ame sia ame si bɔbɔa eɖokui la, woadoe ɖe dzi.” (Mat. 23:12) Dodokpɔwo ate ŋu ana Mawu subɔlawo nabɔbɔ wo ɖokuiwo, eye woakpe ɖe wo ŋu be woakpɔe be ehiã be yewoaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu hafi ate ŋu ado dzi nuteƒewɔwɔtɔe. To esia dzi la, woate ŋu aƒo “adegbe le Yehowa me” abe apostoloa ene.—1 Kor. 1:31.

Gbɔdzɔgbɔdzɔ Ɣaɣlawo

Gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖewo ate ŋu anɔ ame aɖewo ŋu siwo woawo ŋutɔwo manya o, alo be woagbe lɔlɔ̃ ɖe wo dzi. Le kpɔɖeŋu me, ame aɖe ate ŋu aka ɖe eɖokui dzi fũu akpa ahanɔ ŋu ɖom ɖe eɖokui ŋu. (1 Kor. 10:12) Gbɔdzɔgbɔdzɔ bubu si nɔa mí amegbetɔ madeblibowo ŋu zi geɖee nye didi be míaxɔ ŋkɔ.

Yoab, si zu Fia David ƒe aʋakɔa ƒe aʋafia la, nye ŋutsu kalẽtɔ, ame si tsona ɖe nu ŋu kpla, eye aɖaŋu nɔ tagbɔ nɛ. Ke hã, Yoab wɔ nu manyomanyo aɖewo siwo ɖe dada kple nɔƒe gã didi ƒe gbɔgbɔ fia. Ewu aʋafia eve tagbɔsesẽtɔe. Gbã la, ebia hlɔ̃ Abner hewui. Emegbe la, Yoab wɔ abe ɖe wònɔ gbe dom na nɔvia Amasa ene, elé Amasa ƒe ge kple eƒe ɖusi abe ɖe wòdi be yeagbugbɔ nu nɛ ene, eye wòƒo yi si nɔ eƒe miasi me la ɖe eƒe dɔme flo. (2 Sam. 17:25; 20:8-10) Wotsɔ Amasa ɖɔli Yoab teƒe abe aʋafia ene, eya ta Yoab wɔ mɔnukpɔkpɔ sia ŋu dɔ tsɔ ɖe eƒe aɖikatɔ la ɖa ɖewohĩ kple susu be woagaɖo ye aʋafia ake. Àte ŋu akpɔe be tsɔ kpe ɖe nɔƒe gã didi ɖokuitɔdiditɔe ŋu la, Yoab meɖu eƒe gbɔgbɔ dzi kura o. Ewɔ nu anyratɔe eye mevee kura be yewɔ nu siawo o. Le Fia David ƒe agbenɔnɔ ƒe nuwuwu lɔƒo la, ede se na via Salomo be wòakpɔ egbɔ be woɖo eteƒe na Yoab le eƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo nu.—1 Fia. 2:5, 6, 29-35.

Mele be míaɖe mɔ dzodzro vɔ̃ siwo le mía me nakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi kura o, elabena míate ŋu aɖu míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi. Gbã la, ele be míakpɔ wo adze sii ahalɔ̃ ɖe wo dzi. Emegbe la, míate ŋu aɖe afɔ vevi aɖewo atsɔ aɖɔ wo ɖo. Míate ŋu ado gbe ɖa na Yehowa edziedzi ahabiae be wòakpe ɖe mía ŋu míaɖu gbɔdzɔgbɔdzɔ mawo dzi, eye míasrɔ̃ eƒe Nya la moveviɖoɖotɔe ahanɔ mɔ siwo dzi míato awɔ avu kple nɔnɔme gbegblẽ mawo la dim. (Heb. 4:12) Ahiã be míanɔ agbagba dzem le míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu madzudzɔmadzudzɔe eye dzi nagaɖe le mía ƒo o. Esi míegakpɔtɔ nye ame madeblibowo ta la, ate ŋu adzɔ be avuwɔwɔ sia nayi edzi ɖaa gɔ̃ hã. Paulo lɔ̃ ɖe esia dzi le eƒe agbe me, eye wògblɔ be: “Nu si medina la, menye eyae mewɔna o.” Gake abe ale si nànyae ene la, Paulo mena ta le avu sia wɔwɔ me, abe ɖe magate ŋu awɔ naneke kura tso eƒe gbɔdzɔgbɔdzɔawo ŋu o ene o. Ðe ema teƒe la, eyi edzi nɔ avu wɔm kple eƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo heɖoa ŋu ɖe kpekpeɖeŋu si Mawu nana to Yesu Kristo dzi la ŋu. (Rom. 7:15-25) Paulo gblɔ le mawunyakpukpui bubu me be: “Meƒoa nye ŋutilã kple kɔ vevie hewɔnɛ kluvii, bene esi meɖe gbeƒã na ame bubuwo vɔ la, le mɔ aɖe nu la, nye ŋutɔ nyemagazu ame si ŋu womekpɔ ŋudzedze ɖo o la o.”—1 Kor. 9:27.

Amegbetɔwo lɔ̃a wo ɖokuiwo nu ɖeɖe. Míate ŋu awɔ avu kple nɔnɔme sia to Yehowa ƒe nukpɔsusu tutuɖo me abe ale si Paulo de dzi ƒo na Kristotɔwo be woawɔ ene be: “Minyɔ ŋu nu vɔ̃ɖi, milé ɖe nu si nyo la ŋu.” (Rom. 12:9) Míahiã anukwareɖiɖi, kutrikuku, kple ɖokuimamla le aʋa si wɔm míele be míaɖu míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi la me. David ƒo koko na Yehowa be: ‘Lolõ nye ayikuwo kple nye dzi!’ (Ps. 26:2) Enyae be Mawu ate ŋu adzro mí amegbetɔwo ƒe dzimesusuwo me vodadamanɔmee, eye wòana kpekpeɖeŋu mí ne míehiã nɛ. Ne míezɔna ɖe mɔfiame siwo Yehowa nana to eƒe Nya kple eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi dzi la, míate ŋu awɔ ŋgɔyiyi le míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi ɖuɖu me.

Kuxi aɖewo anɔ fu ɖem na ame aɖewo siwo ŋu woasusu be yewomate ŋu awɔ naneke le o. Kakaɖedzitɔe la, hamemetsitsiwo ate ŋu ana kpekpeɖeŋu ahade dzi ƒo na mí lɔlɔ̃tɔe. (Yes. 32:1, 2) Gake nunya anɔ eme be míagakpɔ mɔ na nu geɖe wu nu siwo ate ŋu ava eme ŋutɔŋutɔ o. Le kuxi aɖewo gome la, míate ŋu akpɔ wo gbɔ bliboe le nuɖoanyi si li fifia la me o. Ke hã, ame geɖe srɔ̃ ale si woanɔ te ɖe wo nu, eye esia kpe ɖe wo ŋu wole agbe si me dzidzeme le la nɔm.

Kakaɖedzi Le Eŋu Be Yehowa Akpe Ðe Mía Ŋu

Kuxi ka kee míeɖale go dom le ɣeyiɣi sesẽ siawo me o, míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa afia mɔ mí, eye wòalé mí ɖe te. Biblia xlɔ̃ nu mí be: “Mibɔbɔ mia ɖokui ɖe Mawu ƒe asi sesẽ la te, bene wòado mi ɖe dzi le ɣeyiɣi si sɔ la dzi; esime miedro miaƒe dzimaɖitsitsiwo katã ɖe eyama dzi, elabena eléa be na mi.”—1 Pet. 5:6, 7.

Esi Kathy si wɔa dɔ le Betel hena ƒe geɖe va kpɔe be Alzheimer dɔ, si nye tsitsimedɔléle aɖe si naa ame ƒe susu megawɔa dɔ nyuie o, le ye srɔ̃ ŋu la, ebui be yemate ŋu anɔ te ɖe dɔlélea me kuxiwo nu o. Eva hiã be wòanɔ gbe dom ɖa na Yehowa ɣesiaɣi be wòana nunya ye ahado ŋusẽ ye. Esi srɔ̃aŋutsua ƒe nɔnɔmea va nɔ nyanyram ɖe edzi la, nɔviŋutsu lɔ̃amewo di ɣeyiɣi srɔ̃ nu tso ale si woate ŋu anɔ te ɖe dɔlélea nui la ŋu, eye nɔvinyɔnu lébenamewo na akɔfafa wo. Kristotɔ siawo nye ŋusẽdoame si Yehowa na wo la ƒe akpa aɖe, eye Kathy te ŋu kpɔ srɔ̃a dzi va se ɖe esime ŋutsua ku le ƒe 11 megbe. Egblɔ be: “Metsɔa aɖatsi daa akpe na Yehowa tso dzi blibo me ɖe kpekpeɖeŋu si wònam la ta; emae lém ɖe te. Nyemenya be anya wɔ be mate ŋu ayi edzi anɔ nu siwo wobia tso asinye la wɔm hena ƒe gbogbo ma esi ɖeɖiteameŋu nana megbɔdzɔna nenema gbegbe o!”

Nu Siwo Akpe Ðe Mía Ŋu Míaɖu Gbɔdzɔgbɔdzɔ Ɣaɣlawo Dzi

Ne amewo bui be yewomedze o la, woate ŋu asusui be Yehowa maɖo gbe siwo yewodona ɖa be wòakpe ɖe yewo ŋu le xaxaɣiwo me la ŋu o. Eya ta ele vevie ŋutɔ be míade ŋugble tso nya siwo David gblɔ esime wòse veve ɖe nu vɔ̃ si woa kple Bath-sheba wowɔ ta la ŋu. Egblɔ be: “Mawu, màdo vlo dzi gbagbã, si tugu la o.” (Ps. 51: 19) David trɔ dzi me vavã, eye enyae be yeate ŋu ado gbe ɖa na Mawu ahaɖo ŋu ɖe eƒe nublanuikpɔkpɔ ŋu. Yesu ɖe Yehowa ƒe beléname ƒe nɔnɔme sia fia. Nya Nyui ŋlɔla Mateo zã Yesaya ƒe nya siwo gbɔna la tsɔ ku ɖe Yesu ŋu be: “Maɖe aƒla si ŋe vɔ kloe la ɖa le enu o, eye matsi ɖovu bibi si le tsitsim la o.” (Mat. 12:20; Yes. 42:3) Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, ekpɔa nublanui na ame tsɛwo kple ame siwo wote ɖe anyi la. Le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu la, metsi agbe mamlɛ si kpɔtɔ nɔ ame siwo le abe akaɖimeɖovu si le tsitsim ene la me o. Ke boŋ ekpe ɖe ame siwo nɔ fu kpem la ŋu lɔlɔ̃tɔe be agbe gaɖo wo me ake. Nenemae wòwɔ nui esime wònɔ anyigba dzi. Ðe mèxɔe se be nenema kokoko Yesu gakpɔtɔ le, eye be ate ŋu ase veve ɖe wò gbɔdzɔgbɔdzɔwo nu oa? De dzesii be Hebritɔwo 4:15 gblɔ be enye Ame si ate ŋu “ase veve ɖe míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo nu.”

Esime Paulo nɔ nu ŋlɔm tso ‘ŋu si nɔ eƒe ŋutilã me’ ŋu la, ekpɔe be Kristo ƒe ŋusẽ nɔ ye dzi “abe agbadɔ ene.” (2 Kor. 12:7-9) Ekpɔe be Mawu kpɔ ye ta to Kristo dzi, abe ale si ame si le agbadɔ me la kpɔa takpɔkpɔ tso yame ƒe nɔnɔmewo nui ene. Abe ale si Paulo wɔe ene la, mele be míana ta míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo kple kuxiwo o. Be míayi edzi anɔ gbɔgbɔmelãmesẽ me la, ele be míanɔ mɔnuɖoɖo siwo katã Yehowa wɔ na mí to eƒe hame si le anyigba dzi la dzi ŋu dɔ wɔm. Míate ŋu awɔ nu sia nu si amegbetɔwo ƒe ŋutete aɖe mɔ be míawɔ la, eye míakpɔ mɔ na Yehowa kple kakaɖedzi blibo be afia mɔ míaƒe afɔɖeɖewo. Ne míekpɔ ale si Mawu ƒe ŋusẽ kpena ɖe mía ŋu le tenɔnɔ ɖe míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ nu me la, míate ŋu agblɔ abe ale si Paulo gblɔe ene be: “Ne megbɔdzɔ la, ekema ŋusẽ ɖoa ŋunye.”—2 Kor. 12:10.

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

Paulo yi edzi do gbe ɖa na Yehowa be wòafia mɔ ye yeawɔ yeƒe subɔsubɔdɔa ade goe

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Fia David tsɔ aʋakɔ la dzi kpɔkpɔ de Yoab si

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Yoab ɖe eƒe aɖikatɔ Amasa ƒe agbe ɖa

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Hamemetsitsiwo naa Ŋɔŋlɔawo me mɔfiame siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe míaƒe kuxiwo nu la mí lɔlɔ̃tɔe