Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzomavɔ Ƒe Nya Gblɔmee Yesu Nɔa?

Dzomavɔ Ƒe Nya Gblɔmee Yesu Nɔa?

Dzomavɔ Ƒe Nya Gblɔmee Yesu Nɔa?

AME aɖewo siwo xɔ dzomavɔ ƒe nufiafia la dzi se la hea susu yia Yesu ƒe nya siwo dze le Marko 9:48 (alo kpukpui 44, 46) la dzi. Eƒo nu tso nyẽ (alo ŋɔ) siwo mekuna o kple dzo si metsina o la ŋu. Ne ame aɖe bia nya wò tso nya mawo ŋu la, aleke nàɖo eŋui?

Amea ate ŋu axlẽ kpukpui 44, 46, alo 48 eye esia anɔ te ɖe Biblia gɔmeɖeɖe si zãm wòle dzi, elabena nya ɖeka tɔgbi ye dze le mawunyakpukpui siawo me le Biblia gɔmeɖeɖe aɖewo me. * Afi ma xlẽ le Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe la me be: “Ne wò ŋku zua nukikli na wò la, tsɔe ƒu gbe; enyo na wò be nàge ɖe Mawu fiaɖuƒe la me kple ŋku ɖeka, wu be ŋku eve nanɔ asiwò, ke woatsɔ wò aƒu gbe ɖe Gehena, afi si woƒe nyẽwo mekuna le o, eye wometsia dzoa le o.”—Mar. 9:47, 48.

Aleke kee wòɖale o, ame aɖewo gblɔna be nya si Yesu gblɔ la ɖo kpe nukpɔsusu si le amewo si be le ku megbe la, ame vɔ̃ɖiwo ƒe luʋɔ kpea fu tegbee la dzi. Le kpɔɖeŋu me, Navarre Yunivɛsiti ƒe Sagrada Biblia si le Spaingbe me ƒe numeɖeɖe aɖe gblɔ be: “Mía Aƒetɔ la zã [nya siawo] tsɔ ƒo nu tso funyafunyawɔwɔ ame le hell ŋu. Zi geɖe la, woɖea ‘nyẽ si mekuna o la’ gɔme be enye kpɔɖeŋu na veve mavɔ si ame siwo le dzomavɔ me la sena ɖe nu vɔ̃ siwo wowɔ va yi la ta; eye be ‘dzo si metsina o la’ nye woƒe ŋutilã me vevesese.”

Gake tsɔ Yesu ƒe nyawo sɔ kple Yesaya ƒe nyagblɔɖigbalẽa ƒe mawunyakpukpui mamlɛtɔ kpɔ. * Ðe medze ƒãa be Yesaya ta 66 ƒe nyawo dzie Yesu nɔ susu hem yi oa? Edze kɔte be nyagblɔɖila la nɔ gbɔgblɔm be woado tso “Yerusalem ayi Ben Hinom bali (Gehena), afi si wotsɔa amegbetɔwo saa vɔe le tsã la ƒe nuto (Yer. 7:31) siwo va zu teƒe si dua me tɔwo kɔa gbeɖuɖɔ ɖo mlɔeba la me.” (The Jerome Biblical Commentary) Edze ƒãa be kpɔɖeŋu si wowɔ le Yesaya 66:24 la meku ɖe funyafunyawɔwɔ amewo ŋu o; eƒo nu tso amewo ƒe kukuwo ŋu. Nyẽwoe wogblɔ be womekuna o—menye ame gbagbewo alo luʋɔ makumakuwoe o. Ekema nu ka tututue Yesu ƒe nyawo fia?

Katolikotɔwo ƒe numekugbalẽ aɖe gblɔ ku ɖe Marko 9:48 me nyawo ŋu be: “Woɖe nya mawo tso Yesaya (66,24). Afi ma la, nyagblɔɖilaa ƒo nu tso mɔ eve siwo nu nu kukuwo dome gblẽna le zi geɖe la ŋu: nuawo aƒaƒã loo alo woatɔ dzo wo . . . Nyẽwo kple dzo siaa yɔyɔ le mawunyakpukpui ɖeka me te gbe ɖe tsɔtsrɔ̃ ƒe nukpɔsusu dzi. . . . Woƒo nu tso nutsrɔ̃nu evea siaa ŋu be wonɔa anyi ɖaa (‘metsina o, mekuna o’): mɔ aɖeke kura meli si dzi woato asi le wo nu o. Le ale si woɖɔe nu la, nu siwo koe tsia agbee nye nyẽwo kple dzo la—menye ame o—eye nu evea siaa tsrɔ̃a nu sia nu si dze wo si me la keŋkeŋ. Le esia ta la, nu siwo ŋu woƒo nu tsoe le afi sia mefia funyafunya mavɔ wɔwɔ ame o, ke boŋ enye tsɔtsrɔ̃ ɖikaa, si ana be womate ŋu afɔ ame ɖe tsitre o; esia sɔ kple ku mavɔ. Ekema [dzo] la nye tsɔtsrɔ̃ ɖikaa ƒe kpɔɖeŋu.”—El evangelio de Marcos. Análisis lingüístico y comentario exegético, Babla II.

Ele be ame sia ame si nyae be Mawu vavã la lɔ̃a ame hewɔa nu dzɔdzɔe la, nate ŋu akpɔ ale si susu le eme be woase Yesu ƒe nyawo gɔme alea la adze sii. Menye ɖe wònɔ gbɔgblɔm be woawɔ funyafunya ame vɔ̃ɖiwo tegbee o. Ke boŋ enɔ gbɔgblɔm be wodze ŋgɔ tsɔtsrɔ̃ ɖikaa si ana be womate ŋu afɔ wo ɖe tsitre o la.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 3 Kpukpui 44 kple 46 medze le Biblia ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽ siwo ŋu kakaɖedzi le wu la me o. Agbalẽnyalawo lɔ̃ ɖe edzi be, anɔ eme godoo be ɖe wova tsɔ mawunyakpukpui siawo kpee emegbe. Nufialagã Archibald T. Robertson ŋlɔ bena: “Mawunyakpukpui eve siawo medze le asinuŋɔŋlɔgbalẽ xoxotɔwo kple nyuitɔwo me o. Wokpɔ wo tso Western kple Syrian (Byzantine) ƒe asinuŋɔŋlɔ hatsotsowo me. Wonye nya siwo le kpukpui 48 lia me la ƒe gbugbɔgblɔ ko. Le esia ta la, míeŋlɔ kpukpui 44 kple 46 siwo ŋu kakaɖedzi mele o la ɖe mía tɔa me o.”

^ mm. 5 ‘Woado ayi, be woakpɔ ame siwo dze go ɖem la ƒe kukuwo; elabena woƒe nyẽwo maku o, woƒe dzo matsi o, eye woanye ŋunyɔ na ŋutilãwo katã.’—Yes. 66:24.