Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Lɔ̃ Ðe Yehowa Ƒe Dziɖuŋusẽ Dzi

Lɔ̃ Ðe Yehowa Ƒe Dziɖuŋusẽ Dzi

Lɔ̃ Ðe Yehowa Ƒe Dziɖuŋusẽ Dzi

“Nu si lɔlɔ̃ na Mawu fiae nye esi: be míawɔ eƒe seawo dzi; eye eƒe seawo menye agba o.”—1 YOH. 5:3.

1, 2. (a) Nu ka tae ɖokuibɔbɔ ɖe dziɖuŋusẽwo te medoa dzidzɔ na ame geɖe egbea kura o? (b) Ðe ame siwo gblɔna be ame aɖeke meɖoa nu na yewo o la le wo ɖokuiwo si nyateƒea? Ðe eme.

“DZIÐUŊUSẼ” menye nya si sese dzɔa dzi na ame geɖe egbea o. Ðokuibɔbɔ ɖe ame bubuwo ƒe didiwo te medzɔa dzi na ame geɖewo kura o. Ame siwo mebɔbɔna ɖe ame aɖeke te o la gblɔna be: “Ame aɖeke meɖoa nu si wòle be mawɔ la nam o.” Ke hã, ɖe ame siawo le wo ɖokuiwo si nyateƒea? Kura o! Ame gbogbo siwo ‘nɔa agbe ɖe nuɖoanyi sia ƒe nɔnɔme nu’ yome koe wo dometɔ akpa gãtɔ dzena. (Rom. 12:2) Womele wo ɖokuiwo si kura o, ke boŋ “wonye kluviwo na nu gbegblẽ wɔwɔ” abe ale si apostolo Petro gblɔe ene. (2 Pet. 2:19) Wozɔna le “xexe sia ƒe nuɖoanyi la nu, le fia si kpɔ ŋusẽ ɖe ya” dzi si nye Satana Abosam “ƒe lɔlɔ̃nu nu.”—Ef. 2:2.

2 Agbalẽŋlɔla aɖe ƒo adegbe be: “Nyemeɖea mɔ na dzinyelawo alo nunɔla aɖe alo subɔsubɔhakplɔla aɖe alo guru (si nye Hindu subɔsubɔha ƒe kplɔla) aɖe loo alo Biblia be wòafia nu si nye nyateƒe lam o.” Enye nyateƒe be ame aɖewo azã woƒe ŋusẽwo ɖe mɔ gbegblẽ nu, eye womadze be míaɖo to wo o ya. Gake ɖe gbegbe keŋkeŋ be míehiã mɔfiame tso ame aɖeke gbɔ o ye akpɔ nya la gbɔa? Ŋkudada ɖe nyadzɔdzɔgbalẽwo me ana míakpɔ ŋuɖoɖo si wɔ nublanui ŋutɔ. Ewɔ nublanui ŋutɔ be fifia si amegbetɔwo hiã mɔfiame vevie wu la boŋue ame akpa gãtɔ megadina kura be yewoaxɔ mɔfiame o.

Ale Si Míebua Dziɖuŋusẽwoe

3. Aleke ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo ɖee fia be yewomebɔbɔna ɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuŋusẽwo te tamemabumabutɔe o?

3 Mí Kristotɔwo míaƒe nɔnɔme toa vovo na xexea tɔ. Mefia be míewɔa nu siwo woɖona na mí la tamemabumabutɔe o. To vovo na ema la, ɣeaɖewoɣi la, ele be míagbe amewo ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ, nenye be wole ŋusẽnɔƒewo gɔ̃ hã. Nenema kee wònɔ le ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo hã gome. Le kpɔɖeŋu me, esime wode se na apostoloawo be woadzudzɔ gbeƒãɖeɖe la, womena ta nunɔlagã la kple ame bubu siwo nɔ ŋusẽnɔƒewo le Sanhedrin la me o. Womedzudzɔ nu si le eteƒe la wɔwɔ le esi wodi be yewoabɔbɔ ɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuŋusẽwo te ta o.—Mixlẽ Dɔwɔwɔwo 5:27-29.

4. Kpɔɖeŋu kawoe le Hebri Ŋɔŋlɔawo me siwo ɖee fia be Mawu ƒe amewo dometɔ geɖe nɔ agbe si ŋu ame akpa gãtɔ mekpɔ ŋudzedze ɖo o?

4 Mawu subɔla geɖe siwo nɔ anyi do ŋgɔ na Kristotɔwo ŋɔli la wɔ nu kple tameɖoɖo kplikpaa ma tɔgbi. Le kpɔɖeŋu me, Mose ‘gbe be woagayɔ ye be Farao vinyɔnuvi la ƒe vi o, eye wòtiae be woawɔ ŋlɔmi le ye ŋu kpe ɖe Mawu ƒe dukɔ la ŋu,’ togbɔ be esia wɔwɔ na be “fia ƒe dziku” fla ɖe eŋu hã. (Heb. 11:24, 25, 27) Yosef gbe agbe gbegblẽ nɔnɔ ƒe susu si Potifar srɔ̃, ame si si ŋusẽ nɔ be wòawɔ wɔɖenui ahawɔ vɔ̃e la, nɔ dodom ɖe egbɔ la. (1 Mose 39:7-9) Daniel ‘ɖo ɖe tame be, yemele fia ƒe nuɖuɖu kple wain tsɔ ge agblẽ kɔ ɖo na ye ɖokui o’ togbɔ be menɔ bɔbɔe na Babilontɔwo ƒe aƒedzikpɔlawo ƒe amegã la be wòada asi ɖe eƒe nyametsotso ma dzi o hã. (Dan. 1:8-14) Kpɔɖeŋu mawo ɖee fia be le ŋutinya katã me la, Mawu ƒe amewo tɔa afɔ to sesĩe le nu dzɔdzɔe wɔwɔ gome, eɖanye nu ka kee do tso eme na wo o. Womenaa ta amewo kple susu be yewoƒe nu nadze wo ŋu o, eye mele be míawo hã míawɔe o.

5. Aleke míaƒe nukpɔsusu ku ɖe dziɖuŋusẽwo ŋu to vovo tso xexea tɔ gbɔe?

5 Menye totitri ye míaƒe dzinɔameƒo nye o, eye míele abe ame siwo dzea aglã be yewoatsɔ aɖee afia ko be yewomeda asi ɖe dziɖuɖu aɖe dzi o la ene o. Ke boŋ míeɖoe kplikpaa be míalɔ̃ ɖe Yehowa ƒe dziɖuŋusẽ dzi wu amegbetɔ ɖe sia ɖe tɔ. Ne amegbetɔwo ƒe se tsi tsitre ɖe Mawu ƒe se ŋu la, nyametsotso le nu si míawɔ ŋu mesesẽ o. Abe ale si apostolo siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me wɔe ene la, míeɖoa to Mawu abe dziɖula ene wu amewo.

6. Nu ka tae Yehowa ƒe sewo dzi wɔwɔ nye nu nyuitɔ ɣesiaɣi?

6 Nu kae kpena ɖe mía ŋu míelɔ̃na ɖe Mawu ƒe dziɖuŋusẽ dzi? Míewɔna ɖe nya si wogblɔ le Lododowo 3:5, 6 me be, “Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, ke megaɖo dzi ɖe wò gɔmesese ŋu o. Lé ŋku ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi, ekema ata mɔ na wò” la dzi. Míexɔe se be nu sia nu si Mawu bia tso mía si la aɖe vi na mí mlɔeba. (Mixlẽ 5 Mose 10:12, 13.) Le nyateƒe me la, Yehowa gblɔ le eɖokui ŋu na Israel viwo be: ‘Nye Yehowa, wò Mawu, enye ame si fia nu si nyo na wò la wò, nyee akplɔ wò to mɔ, si dzi nato la.’ Eye wògblɔ kpee be: “Ðe wònye ɖe nèɖo to nye seawo la, anye ne wò ŋutifafa anɔ abe tɔsisi ene, eye wò dzɔdzɔenyenye anɔ abe ƒutsotsoewo ene.” (Yes. 48:17, 18) Míeka ɖe nya mawo dzi. Míeka ɖe edzi be Mawu ƒe sededewo dzi wɔwɔ ɖea vi na mí ɣesiaɣi.

7. Nu kae wòle be míawɔ ne míese se aɖe si wode le Mawu ƒe Nya la me gɔme bliboe o?

7 Míelɔ̃na ɖe Yehowa ƒe dziɖuŋusẽ dzi eye míeɖoa toe, nenye be míese susu si ta wode se aɖewo le eƒe Nya la me ɖo la gɔme bliboe o gɔ̃ hã. Menye nu sia nu dzi xɔxɔ se dzro koe o; enye ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu. Eɖenɛ fiana be míeka ɖe edzi bliboe be Yehowa nya nu si nyo na mí. Míaƒe toɖoɖo nye mɔ si dzi míetona ɖea míaƒe lɔlɔ̃ fiana le, elabena apostolo Yohanes ŋlɔ bena: “Nu si lɔlɔ̃ na Mawu fiae nye esi: be míawɔ eƒe seawo dzi.” (1 Yoh. 5:3) Ke hã, toɖoɖo ƒe akpa bubu aɖe li si dzi mele be míaŋe aɖaba aƒu o.

Hehenana Míaƒe Nugɔmesese Ƒe Ŋutetewo

8. Aleke hehenana míaƒe “nugɔmesese ƒe ŋutetewo” do ƒome kple lɔlɔ̃ ɖe Yehowa ƒe dziɖuŋusẽ dzi?

8 Biblia gblɔ na mí be ele be míana hehe míaƒe “nugɔmesese ƒe ŋutetewo . . . bene woade vovototo nyui kple vɔ̃ dome.” (Heb. 5:14) Eya ta menye míaƒe taɖodzinue nye be míawɔ ɖe Mawu ƒe seawo dzi wo ŋu mabumabui o, ke boŋ míedi be míasu te ade “vovototo nyui kple vɔ̃ dome” le ɖekawɔwɔ me kple Yehowa ƒe dzidzenuwo. Míedi be míakpɔ nunya si le Yehowa ƒe mɔwo dzi zɔzɔ me la adze sii, ale be míate ŋu agblɔ abe ale si hakpalaa gblɔe ene be: “Wò se la le nye dzi me.”—Ps. 40:9.

9. Aleke míate ŋu ana míaƒe dzitsinya nawɔ ɖeka kple Yehowa ƒe dzidzenuwo, eye nu ka tae wòle vevie be míawɔe nenema?

9 Be míakpɔ ŋudzedze ɖe Mawu ƒe sewo ŋu abe ale si hakpalaa wɔe ene la, ehiã be míade ŋugble tso nu siwo míexlẽna le Biblia me la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ne míesrɔ̃ nu tso Yehowa ƒe nudidi aɖe ŋu la, míate ŋu abia mía ɖokuiwo be: ‘Nu ka tae nunya le sedede sia alo gɔmeɖose sia me? Nu ka tae edziwɔwɔ aɖe vi nam? Afɔku kawoe do go tso eme na ame siwo do toku Mawu ƒe aɖaŋuɖoɖowo le nya sia gome?’ Ne míena hehe míaƒe dzitsinya wòwɔ ɖeka kple Yehowa ƒe mɔwo la, enɔa bɔbɔe na mí geɖe wu be míawɔ nyametsotso siwo wɔ ɖeka kple eƒe lɔlɔ̃nu. Míetea ŋu ‘yia edzi kpɔa nu si nye Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu dzea sii’ eye míeyia edzi nɔa agbe ɖe enu toɖoɖotɔe. (Ef. 5:17) Esia wɔwɔ menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o.

Satana Le Didim Be Yeagblẽ Nu Le Mawu Ƒe Dziɖuŋusẽ Ŋu

10. Mɔ siwo dzi Satana tona be yeagblẽ nu le Mawu ƒe dziɖuŋusẽ ŋu la dometɔ ɖeka ɖe?

10 Tso gbe aɖe gbe kee Satana dina be yeagblẽ nu le Mawu ƒe dziɖuŋusẽ ŋu. Eƒe ɖokuisinɔnɔgbɔgbɔ la dzena ƒãa le mɔ geɖe nu. Le kpɔɖeŋu me, bu ale si amewo medea bubu srɔ̃ɖeɖe ƒe ɖoɖo si Mawu wɔ la ŋu o la ŋu kpɔ. Ame aɖewo ɖoe be yewoanɔ yewo nɔewo gbɔ srɔ̃maɖemaɖee, eye ame bubuwo hã dia mɔ siwo dzi woato agbe wo srɔ̃wo. Ðewohĩ ame hatsotso eve siawo dometɔ ɖe sia ɖe ada asi ɖe nya si fefewɔla xɔŋkɔ aɖe gblɔ be, “srɔ̃ ɖeka ɖeɖe manya awɔ na ŋutsu alo nyɔnu aɖeke o” la dzi. Egblɔ kpee be: “Nyemenya ame aɖeke si wɔa nuteƒe na srɔ̃a alo dina be yeawɔe o.” Esi fefewɔla nyanyɛ aɖe nɔ ŋugble dem tso ale si eya ŋutɔ ƒe srɔ̃ɖeɖe do kpo nui ŋu la, egblɔ be: “Nyemeka ɖe edzi be enye míaƒe dzɔdzɔmedidi be míanɔ anyi kple ame ɖeka aɖe le míaƒe agbe me katã o.” Anyo be míabia mía ɖokuiwo be, ‘Ðe melɔ̃ ɖe Yehowa ƒe dziɖuŋusẽ dzi le srɔ̃ɖenyawo gome loo alo ɖe xexea ƒe ɖekematsɔleme ƒe nukpɔsusu kpɔ ŋusẽ ɖe nye tamebubu dzia?’

11, 12. (a) Nu ka tae wòate ŋu asesẽ na sɔhɛwo be woalɔ̃ ɖe Yehowa ƒe dziɖuŋusẽ dzi? (b) Gblɔ nuteƒekpɔkpɔ aɖe si ɖee fia be enye bometsinuwɔwɔ be woada Yehowa ƒe sewo kple eƒe gɔmeɖosewo dzi.

11 Sɔhɛ ye nènye le Yehowa ƒe habɔbɔa mea? Nenye nenemae la, àte ŋu anye ame si Satana tɔ ŋkui koŋ be yeatsɔ agblẽ nu le Yehowa ƒe dziɖuŋusẽ ŋu. “Sɔhɛmenɔɣi ƒe nudzodzrowo” kple hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu ate ŋu ana nàƒo nya ta be Mawu ƒe sewo dzi wɔwɔ nye agba. (2 Tim. 2:22) Mègana ema nadzɔ ɖe dziwò o. Dze agbagba nàkpɔ nunya si le Mawu ƒe dzidzenuwo me la adze sii. Le kpɔɖeŋu me, Biblia xlɔ̃ nu wò be ‘nàsi le agbe gbegblẽ nɔnɔ nu.’ (1 Kor. 6:18) Gabia ɖokuiwò ake be: ‘Nu ka tae nunya le sedede ma me ɖo? Aleke toɖoɖo le nya sia me aɖe vi namee?’ Ðewohĩ ènya ame aɖewo siwo do toku Mawu ƒe aɖaŋuɖoɖowo, eye wokpɔ emetsonu vɔ̃wo. Ðe wole dzidzɔ kpɔm ŋutɔŋutɔ fifia? Ðe woƒe agbe nyo ɖe edzi fifia wu esime wonɔ Yehowa ƒe habɔbɔa mea? Ðe woke ɖe dzidzɔtsoƒe ŋutɔŋutɔ aɖe ŋu si le Mawu subɔla mamlɛawo ŋu toma?—Mixlẽ Yesaya 65:14.

12 Bu nya sia si Kristotɔ aɖe si ŋkɔe nye Sharon gblɔ ɣeaɖeɣi kpɔ la ŋu kpɔ. Egblɔ be: “Esi nyemede bubu Yehowa ƒe sewo ŋu o ta la, mexɔ dɔ vɔ̃ɖi si nye AIDS. Zi geɖe la, meɖoa ŋku ƒe geɖe siwo metsɔ subɔ Yehowa dzidzɔtɔe la dzi.” Elɔ̃ ɖe edzi be bometsinue wònye yewɔ be yeda Yehowa ƒe sewo dzi, eye ɖe wòle be yeade bubu gã aɖe seawo ŋu hafi. Míaƒe takpɔkpɔ tae Yehowa ƒe sewo li ɖo. Sharon ku kwasiɖa adre pɛ ko le nya siawo ŋɔŋlɔ megbe. Abe ale si nu wɔblanui si dzɔ ɖe edzi ɖee fia ene la, nu nyui aɖeke mele Satana si wòana ame siwo va zu eƒe nuɖoanyi vɔ̃ɖia ƒe akpa aɖe la o. Esi wònye “aʋatsokafofo” ta la, edoa ŋugbe geɖe, gake wo dometɔ aɖeke mevaa eme o, abe ale si wònɔ le ŋugbe si wòdo na Xawa la gomee ene. (Yoh. 8:44) Nyateƒee, enyo ɣesiaɣi be míalɔ̃ ɖe Yehowa ƒe dziɖuŋusẽ dzi.

Kpɔ Nyuie Le Ðokuisinɔnɔgbɔgbɔ Ŋu

13. Go siwo me wòhiã le be míakpɔ nyuie le ɖokuisinɔnɔgbɔgbɔ ŋu la dometɔ ɖeka ɖe?

13 Le lɔlɔ̃ ɖe Yehowa ƒe dziɖuŋusẽ dzi me la, ehiã be míakpɔ nyuie le ɖokuisinɔnɔgbɔgbɔ ŋu. Ðokuidodoɖedzi ate ŋu ana míase le mía ɖokuiwo me be míehiã mɔfiame tso ame aɖeke gbɔ o. Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu adzɔ be míatsi tsitre ɖe aɖaŋu siwo ame siwo xɔa ŋgɔ le Mawu ƒe amewo dome ɖona na mí la ŋu. Mawu wɔ ɖoɖo aɖe si dzi kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela la tona naa gbɔgbɔmenuɖuɖu eƒe amewo le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi. (Mat. 24:45-47) Ele be míalɔ̃ ɖe edzi ɖokuibɔbɔtɔe be mɔ sia dzi tomee Yehowa le le eƒe amewo ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔm na wo egbea. Nɔ abe apostolo wɔnuteƒeawo ene. Esime nya aɖe si Yesu gblɔ la ɖia eƒe nusrɔ̃la aɖewo nu wotrɔ le eyome la, ebia eƒe apostoloawo be: “Alo ɖe miawo hã miedi be yewoadzoa?” Petro ɖo eŋu nɛ be: “Aƒetɔ, ame ka gbɔe míadzo ayi? Agbe mavɔ nyawo le asiwò.”—Yoh. 6:66-68.

14, 15. Nu ka tae wòle be míawɔ ɖe aɖaŋu siwo wonɔa te ɖe Biblia dzi ɖona na mí la dzi ɖokuibɔbɔtɔe?

14 Lɔlɔ̃ ɖe Yehowa ƒe dziɖuŋusẽ dzi bia be míawɔ ɖe aɖaŋu siwo wonɔa te ɖe eƒe Nyaa dzi ɖona na mí la dzi. Le kpɔɖeŋu me, kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela ƒe ha la xlɔ̃a nu mí be “míanɔ ŋudzɔ, eye míanɔ mo xexi.” (1 Tes. 5:6) Aɖaŋuɖoɖo ma sɔ ŋutɔ le ŋkeke mamlɛ siawo siwo me ame geɖe nye “ɖokuilɔ̃lawo [kple] galɔ̃lawo” la me. (2 Tim. 3:1, 2) Ðe nɔnɔme ma si bɔ ŋutɔ la ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe mía dzia? Ɛ̃. Ŋutilãmetaɖodzinuwo ate ŋu able mí ade gbɔgbɔmelɔ̃dɔdɔ me, alo míate ŋu ava zu ame siwo dia ŋutilãmenuwo vivivo. (Luka 12:16-21) Eya ta aleke gbegbe nunya le emee nye esi be míaxɔ Biblia me ɖaŋuɖoɖowo eye míatsri ɖokuitɔdidigbenɔnɔ si bɔ ɖe Satana ƒe xexea me!—1 Yoh. 2:16.

15 Kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela ƒe ha la naa gbɔgbɔmenuɖuɖu hameawo to hamemetsitsi siwo woɖo la dzi. Biblia xlɔ̃ nu mí be: “Miɖo to ame siwo le ŋgɔ xɔm le mia dome la, eye mibɔbɔ mia ɖokui, elabena wole miaƒe luʋɔwo ŋu dzɔm, abe ame siwo ana akɔnta ene; bene woawɔ esia kple dzidzɔ, eye menye kple hũɖeɖe o, elabena esia agblẽ nu le mia ŋu.” (Heb. 13:17) Ðe esia fia be hamemetsitsiwo mewɔa vodada oa? Mefia nenema kura o! Mawu kpɔa woƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzea sii kɔte wu amegbetɔ ɖe sia ɖe. Togbɔ be ele alea hã, edina tso mía si be míabɔbɔ mía ɖokuiwo na wo. Nuwɔwɔ aduadu kple hamemetsitsiwo togbɔ be womede blibo o ɖoa kpe edzi be míelɔ̃ ɖe Yehowa ƒe dziɖuŋusẽ dzi.

Ðokuibɔbɔ Ƒe Vevienyenye

16. Aleke míate ŋu ade bubu Yesu ŋu abe Kristo hamea ƒe Ta ene?

16 Ele be wòanɔ susu me na mí ɣesiaɣi be Yesue nye hame la ƒe Ta ŋutɔŋutɔ. (Kol. 1:18) Esia nye susu ɖeka si ta míewɔna ɖe hamemetsitsi siwo woɖo la ƒe mɔfiamewo dzi ɖokuibɔbɔtɔe hedea “bubu geɖe wo ŋu.” (1 Tes. 5:12, 13) Enye nyateƒe be hamemetsitsiwo hã ate ŋu aɖee afia be yewobɔbɔ yewo ɖokuiwo to ale si woakpɔ egbɔ be yewogblɔ Mawu ƒe gbedeasia na hamea ke menye yewo ŋutɔwo ƒe susuwo o. ‘Womegbɔa nu siwo woŋlɔ ɖi la ŋu’ hedoa woawo ŋutɔwo ƒe nukpɔsusu aɖewo ɖe ŋgɔ o.—1 Kor. 4:6.

17. Nu ka tae afɔku le nɔƒe gã didi me?

17 Ehiã be hamea me tɔwo katã nakpɔ nyuie be woagava nɔ woawo ŋutɔwo ƒe ŋutikɔkɔe dim o. (Lod. 25:27) Edze kɔte be, esia nye mɔ aɖe si ɖe nusrɔ̃la aɖe koŋ si apostolo Yohanes do go. Eŋlɔ bena: “Diotrefo, si dina be yeanɔ nɔƒe gbãtɔ le wo dome la, mexɔa naneke si tso mía gbɔ la bubutɔe o. Esia tae ne meva la, mana woaɖo ŋku dɔ siwo wòyi edzi le wɔwɔm, si nye nya gbegblẽwo gbɔgblɔ tso mía ŋu, la dzi.” (3 Yoh. 9, 10) Nufiame aɖe le esia me na mí egbea gɔ̃ hã. Susu nyuiwo le mía si siwo tae wòle be míaɖe nɔƒe gã didi ƒe nɔnɔme ɖe sia ɖe si míade dzesi le mía ɖokui me la ɖa. Biblia gblɔ na mí be: “Dada doa ŋgɔ na gbegblẽ, eye ɖokuidodoɖedzi na anyidzedze.” Ele be mí ame siwo lɔ̃ ɖe Mawu ƒe dziɖuŋusẽ dzi la míatsi tsitre ɖe ɖokuidodoɖedzi ƒe mɔ la ŋu, elabena esia mawɔmawɔ ahe ŋukpe avae na mí.—Lod. 11:2; 16:18.

18. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míalɔ̃ ɖe Yehowa ƒe dziɖuŋusẽ dzi?

18 Ɛ̃, ɖoe wò taɖodzinu be yeatsi tsitre ɖe xexea ƒe ɖokuisinɔnɔgbɔgbɔ la ŋu, eye yealɔ̃ ɖe Yehowa ƒe dziɖuŋusẽ dzi. Tso ɣeyiɣi yi ɣeyiɣi la, nɔ ŋugble dem ŋudzedzekpɔkpɔtɔe tso mɔnukpɔkpɔ gã si su asiwò be nèsubɔa Yehowa la ŋu. Nyateƒe si wònye be wò hã ele Mawu ƒe amewo dome ɖeɖe dzaa nye kpeɖodzi be eto eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi he wò ɖe eɖokui ŋu. (Yoh. 6:44) Mègabu tenɔnɔ si su asiwò le Mawu ŋkume la nu tsɛ gbeɖe o. Dze agbagba nàɖee afia le wò agbemenuwɔna ɖe sia ɖe me be yegbe ɖokuisinɔnɔgbɔgbɔ, eye be yelɔ̃ ɖe Yehowa ƒe dziɖuŋusẽ dzi.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Nu kae lɔlɔ̃ ɖe Yehowa ƒe dziɖuŋusẽ dzi bia?

• Aleke hehenana míaƒe nugɔmesese ƒe ŋutetewo do ƒome kple lɔlɔ̃ ɖe Yehowa ƒe dziɖuŋusẽ dzi?

• Go vovovo kawo mee Satana dzea agbagba be yeagblẽ nu le Mawu ƒe dziɖuŋusẽ ŋu le?

• Nu ka tae ɖokuibɔbɔ le vevie le lɔlɔ̃ ɖe Mawu ƒe dziɖuŋusẽ dzi me?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

“Ele be míaɖo to Mawu abe dziɖula ene wu amewo”

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Nunya le eme ɣesiaɣi be míawɔ ɖe Mawu ƒe dzidzenuwo dzi