Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nɔnɔme Siwo Yome Wòle Be Míati

Nɔnɔme Siwo Yome Wòle Be Míati

Nɔnɔme Siwo Yome Wòle Be Míati

‘Ti dzɔdzɔenyenye, ɖokuitsɔtsɔ na Mawu, xɔse, lɔlɔ̃, dzidodo, kple tufafa yome.’—1 TIM. 6:11.

1. Wɔ gɔmesese si le nyagbe ‘ti yome’ ŋu la ƒe kpɔɖeŋu.

NU KAE vaa susu me na wò ne èse nya ‘ti yome’? Ðewohĩ wò susu yia nu si dzɔ le Mose ŋɔli esime Egipte ʋakɔwo “ti [Israel viwo] yome,” gake ɖeko woawo ŋutɔwo va tsrɔ̃ le Ƒudzĩa me la dzi. (2 Mose 14:23) Alo ɖewohĩ wò susu ayi afɔku si dze ŋgɔ ame aɖe si meɖoe hafi wu ame o le blema Israel la dzi. Enɔ nɛ be wòasi kaba ayi sitsoƒedu ade siwo woɖo la dometɔ ɖeka me, bene “hlɔ̃tɔ magado dziku ati amewula yome, eye wòatui awui” o.—5 Mose 19:6.

2. (a) Teƒeɖoɖo xɔasi ka yomee Mawu kpe Kristotɔ aɖewo be woati? (b) Mɔkpɔkpɔ kae Yehowa tsɔ ɖo Kristotɔ akpa gãtɔ ŋkume egbea?

2 To vovo na Biblia me kpɔɖeŋu mawo la, bu nɔnɔme nyui si nɔ apostolo Paulo si ŋu kpɔ. Egblɔ be: “Mele du la dzi ɖo ta taɖodzinu la gbɔ, hena Mawu ƒe ameyɔyɔ yi dziƒo ƒe fetu la to Kristo Yesu dzi.” (Fp. 3:14) Biblia ɖee fia be Kristotɔ amesiamina siwo ƒe xexlẽme nye 144,000, siwo dome Paulo hã le, la axɔ dziƒogbenɔnɔ ƒe fetu ma. Woa kple Yesu Kristo woaɖu fia ɖe anyigba la dzi le eƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me. Taɖodzinu wɔnuku kae nye esi yome Mawu kpe ame siawo be woati! Mɔkpɔkpɔ alo taɖodzinu bubu ye le Kristotɔ vavã siwo li egbea dometɔ akpa gãtɔ si. Yehowa do agbe mavɔ nɔnɔ le lãmesẽ nyui me le paradisonyigba dzi, si nye nu si Adam kple Xawa bu la, ƒe ŋugbe na wo lɔlɔ̃tɔe.—Nyaɖ. 7:4, 9; 21:1-4.

3. Aleke míate ŋu aɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe Mawu ƒe amenuveve la ŋu?

3 Amegbetɔ nu vɔ̃ mewo mate ŋu akpɔ agbe mavɔ to woawo ŋutɔwo ƒe agbagba madeblibo siwo wodzena be yewoawɔ nu dzɔdzɔe la dzi o. (Yes. 64:5) Mawu ƒe mɔnuɖoɖo si wòwɔ lɔlɔ̃tɔe to Yesu Kristo dzi la dzi xɔxɔ se dzi koe míate ŋu ato akpɔ agbe mavɔ. Nu kawoe míate ŋu awɔ atsɔ aɖe míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe amenuveve si Mawu ɖe fia mí la ŋu? Ðekae nye be míawɔ ɖe sedede sia si nye be, ‘ti dzɔdzɔenyenye, ɖokuitsɔtsɔ na Mawu, xɔse, lɔlɔ̃, dzidodo, kple tufafa yome,’ la dzi. (1 Tim. 6:11) Ŋugbledede tso nɔnɔme siawo ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖoe kplikpaa wu tsã be míayi edzi anɔ wo yome tim “geɖe wu.”—1 Tes. 4:1.

Ti Dzɔdzɔenyenye Yome’

4. Nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be dzɔdzɔenyenye yome titi le vevie, eye nu kawoe nye afɔ gbãtɔ siwo wòle be ame naɖe?

4 Le lɛta eve siwo Paulo ŋlɔ na Timoteo me la, eyɔ nɔnɔme siwo yome wòle be míati, eye le wo dometɔ ɖe sia ɖe me la, eyɔ “dzɔdzɔenyenye” gbã. (1 Tim. 6:11; 2 Tim. 2:22) Gawu la, Biblia de dzi ƒo na mí enuenu be míati dzɔdzɔenyenye yome. (Lod. 15:9; 21:21; Yes. 51:1) Afɔ gbãtɔ si wòle be míaɖe le esia wɔwɔ mee nye be ‘míanɔ Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si wòdɔ ɖa la, ŋuti sidzedze xɔm.’ (Yoh. 17:3) Dzɔdzɔenyenye yome titi aʋã ame wòaɖe afɔ aɖe—si nye be wòatrɔ dzi me tso eƒe nu vɔ̃ tsãtɔwo me, eye ‘wòagbugbɔ’ bene wòawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu.—Dɔw. 3:19.

5. Nu kae wòle be míawɔ be tenɔnɔ dzɔdzɔe nasu mía si le Mawu ŋkume eye míayi edzi alé eme ɖe asi?

5 Ame miliɔn geɖe siwo le dzɔdzɔenyenye yome tim anukwaretɔe la tsɔ woƒe agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa, eye wotsɔ nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tsi me ɖo kpe edzi. Ne Kristotɔ xɔnyɔnyrɔe nènye la, ède ŋugble tso nyateƒe si wònye be ele be wò agbenɔnɔ naɖee afia be èyi edzi le dzɔdzɔenyenye yome tim la ŋu kpɔa? Anɔ eme godoo be wò agbenɔnɔ ɖenɛ fiana nenema. Nu siwo me esia dzena le la dometɔ ɖekae nye ale si nètea ŋu nɔa te ɖe Biblia dzi dea vovototo “nyui kple vɔ̃” dome ne eva hiã be nàwɔ nyametsotso aɖewo ku ɖe wò agbenɔnɔ ŋu. (Mixlẽ Hebritɔwo 5:14.) Le kpɔɖeŋu me, ne Kristotɔ tre si tsi ate ŋu aɖe srɔ̃ ye nènye la, ɖe nèɖoe kplikpaa be yemaɖe mɔ ame si menye Kristotɔ xɔnyɔnyrɔ o la ƒe nu nalé dzi na ye oa? Àɖoe nenema nenye be ètia dzɔdzɔenyenye yome.—1 Kor. 7:39.

6. Nu kae dzɔdzɔenyenye yome titi ŋutɔŋutɔ bia?

6 Be woanye ame dzɔdzɔe to vovo na ame ɖokui bubu ame dzɔdzɔe alo be ‘woawɔ nu dzɔdzɔe vivivo.’ (Nyagb. 7:16) Yesu xlɔ̃ nu ku ɖe dzɔdzɔenyenye ma tɔgbi ɖeɖe fia bene woadze ame si nyo wu ame bubuwo la ŋu. (Mat. 6:1) Ame ƒe dzi wɔa akpa aɖe le dzɔdzɔenyenye yome titi ŋutɔŋutɔ—si nye susu gbegblẽwo, nɔnɔme manyomanyowo, dzimedidi kple dzodzro vɔ̃wo ɖɔɖɔɖo—me. Ne míeyi edzi dzea agbagba le esia wɔwɔ me la, asesẽ be míawɔ nu vɔ̃ gãwo. (Mixlẽ Lododowo 4:23; tsɔe sɔ kple Yakobo 1:14, 15.) Gawu la, Yehowa ayra mí ahakpe ɖe mía ŋu be míayi edzi ati Kristotɔwo ƒe nɔnɔme vevi bubuwo yome.

‘Ti Ðokuitsɔtsɔ Na Mawu Yome’

7. Nu kae nye “ɖokuitsɔtsɔ na Mawu”?

7 Ðokuitsɔtsɔna bia be woatsɔ ame ɖokui ake keŋkeŋ ahadi vevie be woawɔ nuteƒe. Biblia gɔmeɖegbalẽ aɖe gblɔ be Helagbe me nya si gɔme woɖe be “ɖokuitsɔtsɔ na Mawu” fia “asixɔxɔdede ame ƒe mawuvɔvɔ̃ ŋu le mɔ nyuitɔ nu ŋuɖɔɖɔɖotɔe.” Zi geɖe la, Israel viwo metea ŋu ɖea ɖokuitsɔtsɔna sia tɔgbi fiana o, abe ale si wòdze le woƒe tomaɖomaɖonuwɔnawo me esime Mawu ɖe wo tso Egipte vɔ megbe ene.

8. (a) Nyabiase kae Adam ƒe nu vɔ̃ wɔwɔ fɔ ɖe te? (b) Aleke woɖe “nya ɣaɣla kɔkɔe” sia ƒe ŋuɖoɖo fiae?

8 Ƒe akpe geɖe le ame deblibo Adam ƒe nu vɔ̃ me dzedze vɔ megbe la, nyabiase si fɔ ɖe te be, “Ðe amegbetɔ aɖe ate ŋu aɖe ɖokuitsɔtsɔ na Mawu si de blibo afia?” gakpɔtɔ nɔ anyi. Le ƒe alafa gbogbo siwo va yi me la, amegbetɔ nu vɔ̃ me aɖeke mete ŋu nɔ agbe si ɖe ɖokuitsɔtsɔ na Mawu bliboe fia o. Gake le Yehowa ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi la, eɖe “nya ɣaɣla kɔkɔe” sia ƒe ŋuɖoɖo fia. Etrɔ eƒe Tenuvi la ƒe agbe tso dziƒo va de Maria ƒe vidzidɔ me be woadzii abe amegbetɔ deblibo ene. Le Yesu ƒe anyigbadzigbenɔnɔ me katã, si ƒe akpa aɖee nye eƒe ku vlodoametɔe la, eɖe nu si wòfia ŋutɔŋutɔ be woatsɔ ame ɖokui ake keŋkeŋ ahawɔ nuteƒe na Mawu vavã la fia bliboe. Eƒe gbedodoɖawo ɖe ale si wòdea bubu deto Fofoa si le dziƒo ŋu la fia. (Mat. 11:25; Yoh. 12:27, 28) Esia tae Yehowa tsɔ gbɔgbɔ ʋã Paulo wòƒo nu tso “ɖokuitsɔtsɔ na Mawu” ŋu esime wònɔ nu ƒom tso kpɔɖeŋu nyui si Yesu ɖo ɖi le eƒe agbenɔnɔ me la ŋu.—Mixlẽ 1 Timoteo 3:16.

9. Aleke míate ŋu ati ɖokuitsɔtsɔ na Mawu yomee?

9 Esi míenye nu vɔ̃ mewo ta la, míate ŋu aɖe ɖokuitsɔtsɔ na Mawu si de blibo afia o. Gake míate ŋu ati eyome. Esia bia tso mía si be míadze Kristo ƒe kpɔɖeŋu la yome pɛpɛpɛ ale si míate ŋui. (1 Pet. 2:21) To esia dzi la, míato vovo na alakpanuwɔla “siwo si ɖokuitsɔtsɔ na Mawu ƒe nɔnɔme le, gake womenɔa agbe ɖe eƒe ŋusẽ nu o” la. (2 Tim. 3:5) Esia mefia be ɖokuitsɔtsɔ na Mawu vavã medo ƒome aɖeke kple gota gome dzedzeme o. Le nyateƒe me la, gota gome dzedzeme hã le eme. Le kpɔɖeŋu me, nenye be míele srɔ̃ɖewu alo awu si míado ayi nuƒleƒe tiam la, ele be míaƒe dzedzeme nawɔ ɖeka kple nya si ‘míegblɔna be míevɔ̃a Mawu.’ (1 Tim. 2:9, 10) Ɛ̃, ɖokuitsɔtsɔ na Mawu yome titi bia be míabu Mawu ƒe dzidzenu dzɔdzɔewo ŋu le míaƒe gbe sia gbe gbenɔnɔ me.

‘Ti Xɔse Yome’

10. Nu kae wòle be míawɔ be ŋusẽ nakpɔtɔ anɔ míaƒe xɔse ŋu?

10 Mixlẽ Romatɔwo 10:17. Be xɔse sẽŋu nasu Kristotɔ si, eye wòayi edzi alé eme ɖe asi la, ele be wòayi edzi anɔ ŋugble dem tso nyateƒe xɔasi siwo ŋu wòke ɖo le Mawu ƒe Nya la me ŋu. “Kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela” la ta agbalẽ nyui gbogbo aɖewo na mí. Agbalẽ vevi etɔ̃ siwo wota be woakpe ɖe mía ŋu míanya Kristo nyuie wu ale be míate ŋu asrɔ̃e geɖe wue nye Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ, Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ, kple “Come Be My Follower” (“Viens, suis-moi”). (Mat. 24:45-47) Kluvi ƒe ha la wɔa ɖoɖo hã ɖe kpekpewo, takpekpe suewo kple takpekpe gãwo ŋu, eye esiawo dometɔ geɖe tea gbe ɖe “nya si wogblɔ tso Kristo ŋu” la dzi. Èkpɔ mɔ aɖewo siwo dzi nàte ŋu ato be esiawo naɖe vi na wò geɖe wu esi nèle ‘to lém ɖe’ nu siwo Mawu le fiawòm ‘ŋu geɖe wua’?—Heb. 2:1.

11. Akpa kawoe gbedodoɖa kple toɖoɖo wɔna le xɔse yome titi me?

11 Gbedodoɖa nye nu bubu aɖe si kpena ɖe mía ŋu be míetua xɔse sẽŋu ɖo. Yesu yomedzelawo ɖe kuku nɛ ɣeaɖeɣi be: “Na xɔse geɖe wu mí.” Míawo hã míate ŋu aɖe kuku na Mawu ɖokuibɔbɔtɔe abia nenema. (Luka 17:5) Be míate ŋu awɔ esia la, ele be míado gbe ɖa abia Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kpekpeɖeŋu, elabena xɔse nye “gbɔgbɔ la ƒe kutsetse” la ƒe akpa aɖe. (Gal. 5:22) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, toɖoɖo Mawu ahawɔ eƒe sededewo dzi doa ŋusẽ míaƒe xɔse. Le kpɔɖeŋu me, míate ŋu adze agbagba awɔ geɖe le gbeƒãɖeɖedɔa me. Esia ana míakpɔ dzidzɔ manyagblɔ aɖe godoo. Eye ne míeyi edzi dea ŋugble tso yayra siwo dona tso ‘fiaɖuƒe la kple Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye didi gbã’ me ŋu la, míaƒe xɔse atsi ɖe edzi.—Mat. 6:33.

‘Ti Lɔlɔ̃ Yome’

12, 13. (a) Nu kae nye Yesu ƒe sedede yeye la? (b) Mɔ vevi kawo nue wòle be míati lɔlɔ̃ si tɔgbi Kristo ɖe fia la yome le?

12 Mixlẽ 1 Timoteo 5:1, 2. Paulo ɖo aɖaŋu ku ɖe ale si Kristotɔwo ate ŋu aɖe lɔlɔ̃ afia wo nɔewo ŋutɔŋutɔ la ŋu. Ele be Yesu ƒe sedede si nye be ‘míalɔ̃ mía nɔewo’ abe ale si wòlɔ̃ mí ene la dzi wɔwɔ nakpe ɖe míaƒe ɖokuitsɔtsɔ na Mawu ŋu. (Yoh. 13:34) Apostolo Yohanes gblɔe be: “Ame sia ame si si xexe sia me nunɔamesiwo le, eye wòkpɔ nɔvia le hiã me, gake wògbe nublanuikpɔkpɔ nɛ la, mɔ ka nue Mawu ƒe lɔlɔ̃ nɔa eme le?” (1 Yoh. 3:17) Àte ŋu aɖo ŋku ɣeyiɣi aɖe si me nèɖe lɔlɔ̃ fia ŋutɔŋutɔ la dzia?

13 Mɔ bubu si dzi míetona tia lɔlɔ̃ yomee nye be míenyea ame siwo tsɔna kena, eye míeléa dziku ɖe dɔme ɖe mía nɔviwo ŋu o. (Mixlẽ 1 Yohanes 4:20.) Ðe ema teƒe la, míadi be míawɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo sia si tso gbɔgbɔ me la dzi be: “Miyi edzi miado dzi anɔ anyi kple mia nɔewo, eye miatsɔ anɔ mia nɔewo kem faa ne nya aɖe le ame aɖe si ɖe nɔvia ŋu. Ale si Yehowa tsɔ ke mi faa la, miawo hã miwɔ nenema ke.” (Kol. 3:13) Ðe ame aɖe le hamea me si nàte ŋu atsɔ akea? Àlɔ̃ atsɔ akeea?

‘Ti Dzidodo Yome’

14. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso hame si nɔ Filadelfia la gbɔ?

14 Ele bɔbɔe be míati taɖodzinu si gbɔ míate ŋu aɖo kaba la yome, gake menɔa nenema le taɖodzinu si gbɔ ɖoɖo sesẽ eye wòaxɔ ɣeyiɣi didi wu ale si míekpɔ mɔ nɛ la gome o. Eme kɔ ƒãa be agbe mavɔ ƒe taɖodzinua yome titi bia dzidodo. Aƒetɔ Yesu gblɔ na hame si nɔ Filadelfia la be: “Esi nèlé nye dzidodo ŋuti nya la me ɖe asi ta la, nye hã makpɔ tawò tso tetekpɔ ƒe gaƒoƒo . . . la me.” (Nyaɖ. 3:10) Le nyateƒe me la, Yesu gblɔ be, dzidodo si nye nɔnɔme aɖe si kpena ɖe mía ŋu míenaa ta le dodokpɔwo kple tetekpɔwo me o la hiã. Nɔvi siwo nɔ Filadelfia hamea me le ƒe alafa gbãtɔ me anya ɖo dzidodo ƒe kpɔɖeŋu ɖi le xɔse ƒe dodokpɔ geɖewo me. Esia tae Yesu ka ɖe edzi na wo be yeakpe ɖe wo ŋu geɖe wu le dodokpɔ siwo lolo wu siwo nɔ ŋgɔ na wo la me.—Luka 16:10.

15. Nu kae Yesu fia ku ɖe dzidodo ŋu?

15 Yesu nyae be ye yomedzelawo ƒe ƒometɔ siwo menye haxɔsetɔwo o kple ame siwo le xexea me alé fu wo, eya tae wòde dzi ƒo na wo zi eve ya teti be: “Ame si do dzi va se ɖe nuwuwu la, eyae akpɔ ɖeɖe.” (Mat. 10:22; 24:13) Yesu ɖe ale si eƒe nusrɔ̃lawo ate ŋu awɔ ɣemaɣi bene ŋusẽ si hiã woatsɔ ado dzi nanɔ wo ŋu la hã fia. Le kpɔɖeŋu aɖe me la, etsɔ ame siwo ‘sea Mawu ƒe nya la eye woxɔnɛ kple dzidzɔ’ gake wodea megbe ne wodo go xɔse ƒe dodokpɔwo la sɔ kple kpenyigba. Ke hã, etsɔ eyomedzela wɔnuteƒewo sɔ kple anyigba nyui le mɔ sia nu be ‘woléa’ Mawu ƒe nya la ‘me ɖe asi’ eye “wotsea ku le dzidodo me.”—Luka 8:13, 15.

16. Mɔnuɖoɖo kae wowɔ lɔlɔ̃tɔe si kpe ɖe ame miliɔn geɖe ŋu be wole dzi dom?

16 Ède dzesi nu vevi si naa wotea ŋu doa dzia? Ele be ‘míalé’ Mawu ƒe nya la ‘me ɖe asi’ ahana wòanɔ agbe le míaƒe dzi kple susu me. Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe, si nye Biblia gɔmeɖeɖe si de pɛpɛpɛ eye exexlẽ le bɔbɔe, si woyi edzi le tatam le gbegbɔgblɔ geɖewo me la na be esia wɔwɔ va le bɔbɔe na mí. Ne míedea ŋugble le Mawu ƒe Nya la ƒe akpa aɖe ŋu gbe sia gbe la, akpe ɖe mía ŋu ŋusẽ nanɔ mía ŋu be míayi edzi anɔ ku tsem “le dzidodo me.”—Ps. 1:1, 2.

Ti “Tufafa” kple Ŋutifafa Yome

17. (a) Nu ka tae “tufafa” le vevie nenema gbegbe ɖo? (b) Aleke Yesu ɖee fia be yefa tu?

17 Medoa dzidzɔ na ame aɖeke be woabu fɔ ye ɖe nane si yemegblɔ alo wɔ o la ta o. Zi geɖe la, amegbetɔwo gblɔna kple dziku be “nyemewɔ nu ma o,” nenye be woda nya ɖe wo dzi madzemadzee. Aleke gbegbe wòahanyo wui ne woɖe “tufafa” fia boŋ! (Mixlẽ Lododowo 15:1.) Ebia ŋusẽ blibo be míafa tu ne woda nya ɖe mía dzi madzemadzee. Yesu Kristo ɖo kpɔɖeŋu deblibo ɖi le esia gome. “Esi wonɔ edzum la, medzu ame ɖe eteƒe o. Esi wònɔ fu kpem la, medo ŋɔdzi na ame o, ke boŋ eyi edzi tsɔ eɖokui de asi na ame si drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe la.” (1 Pet. 2:23) Míate ŋu awɔe pɛpɛpɛ abe ale si Yesu wɔe ene o, gake ɖe míate ŋu adze agbagba awɔ ŋgɔyiyi le ale si míeɖea tufafa fianɛ mea?

18. (a) Nu nyui kae dona tso tufafa ɖeɖe fia me? (b) Nɔnɔme bubu ka yomee wode dzi ƒo na mí be míati?

18 Le Yesu sɔsrɔ̃ me la, mina be ‘míanɔ dzadzraɖoɖi ɣesiaɣi be míaʋli’ míaƒe xɔse ta, ‘gake míatsɔ tufafa kple bubu deto awɔ esiae.’ (1 Pet. 3:15) Ɛ̃, ne míefa tu la awɔe be míaɖe mɔ ame siwo míedoa goe le gbeadzi kple míaƒe haxɔsetɔwo ƒe nukpɔsusu siwo ato vovo na mía tɔ la nazu glãkahehe sesẽwo o. (2 Tim. 2:24, 25) Tufafa ɖeɖe fia hea ŋutifafa vanɛ. Ðewohĩ esia tae le Paulo ƒe lɛta evelia si wòŋlɔ na Timoteo me la, eyɔ “ŋutifafa” de nɔnɔme siwo yome wòle be míati la me ɖo. (2 Tim. 2:22; tsɔe sɔ kple 1 Timoteo 6:11) Ɛ̃, “ŋutifafa” nye nɔnɔme bubu si yome wode dzi ƒo na mí le Ŋɔŋlɔawo me be míati.—Ps. 34:15; Heb. 12:14.

19. Esi míedzro Kristotɔwo ƒe nɔnɔme adre mawo me vɔ la, nu ka yomee nèɖo kplikpaa be yeati, eye nu ka tae?

19 Míedzro Kristotɔwo ƒe nɔnɔme adre siwo yome wode dzi ƒo na mí be míati la me—woawoe nye dzɔdzɔenyenye, ɖokuitsɔtsɔ na Mawu, xɔse, lɔlɔ̃, dzidodo, tufafa, kple ŋutifafa. Yayra kae nye esi wònyena na hame ɖe sia ɖe ne nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo dzea agbagba ɖea nɔnɔme vevi siawo fiana geɖe wu! Esia dea bubu Yehowa ŋu, eye wònana be wòtrɔa asi le mía dometɔ ɖe sia ɖe ŋu hena eƒe kafukafu.

Nya Vevi Siwo Ŋu Míade Ŋugbe Le

• Nu kae wòbia be woati dzɔdzɔenyenye kple ɖokuitsɔtsɔ na Mawu yome?

• Nu kae akpe ɖe mía ŋu be míati xɔse kple dzidodo yome?

• Aleke wòle be lɔlɔ̃ nakpɔ ŋusẽ ɖe ale si míewɔa nu ɖe mía nɔewo ŋui la dzi?

• Nu ka tae wòhiã be míati tufafa kple ŋutifafa yome?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Yesu xlɔ̃ nu tso míaƒe dzɔdzɔenyenye ɖeɖe fia le amewo ŋkume bene woakpɔ mí la ŋu

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Míate ŋu ati xɔse yome to ŋugbledede tso nyateƒe si le Mawu ƒe Nya la me ŋu dzi

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Míate ŋu ati lɔlɔ̃ kple tufafa yome