Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Siwo Nu Wòle Be Míasi Le

Nu Siwo Nu Wòle Be Míasi Le

Nu Siwo Nu Wòle Be Míasi Le

“Mi dzakpatawo ƒe dzidzimeviwo, ame kae ɖo aɖaŋu na mi be miasi le dziku si gbɔna la nu?”—MAT. 3:7.

1. Nuŋlɔɖi siwo ku ɖe sisi ŋu ƒe kpɔɖeŋu siwo le Biblia me la dometɔ aɖewo ɖe?

NU KAE vaa susu me na wò ne èse nya “si”? Ame aɖewo ƒe susu ayi ɖekakpui dzeɖekɛ Yosef si nɔ sisim esime Potifar srɔ̃ di be yeazi edzi wòanɔ agbe gbegblẽ kpli ye la dzi. (1 Mose 39:7-12) Ame bubuwo ƒe susu anya yi Kristotɔ siwo si dzo le Yerusalem le ƒe 66 M.Ŋ. me le wɔwɔ ɖe Yesu ƒe nuxlɔ̃ame si nye be, “ne miekpɔ aʋakɔwo ƒu asaɖa anyi heɖe to ɖe Yerusalem ŋu la, . . . ekema ame siwo le Yudea nate sisi ayi towo dzi, eye ame siwo le dua me la nadzo, eye ame siwo le agbletawo la nagatrɔ ayi eme o” la dzi me.—Luka 21:20, 21.

2, 3. (a) Nu ka tututue nya siwo Yohanes Amenyrɔɖetsimela gblɔ tsɔ he nya ɖe subɔsubɔhakplɔlawo ŋu la fia? (b) Aleke Yesu te gbe ɖe nuxlɔ̃ame si Yohanes na do ŋgɔ la dzii?

2 Kpɔɖeŋu siwo ŋu míeƒo nu tsoe fifi laa la ku ɖe sisi ŋutɔŋutɔ ŋu. Egbea la, ehiã kpata be Kristotɔ vavã siwo le dukɔ siwo le anyigba dzi godoo me la nasi le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu. Yohanes Amenyrɔɖetsimela zã nya “si” le gɔmesese ma nu. Yuda subɔsubɔhakplɔla siwo mekpɔe be ehiã be yewoatrɔ dzi me o la hã nɔ ame siwo va nɔ Yohanes kpɔm la dome. Wodoa vlo ame tsɛ siwo nɔ nyɔnyrɔ xɔm tsɔ nɔ kpe ɖom woƒe dzimetɔtrɔ dzi la. Yohanes klo nu le kplɔla alakpanuwɔla siawo dzi vɔvɔ̃manɔmee be: “Mi dzakpatawo ƒe dzidzimeviwo, ame kae ɖo aɖaŋu na mi be miasi le dziku si gbɔna la nu? Ekema mitse ku si aɖee afia be mietrɔ dzi me.”—Mat. 3:7, 8.

3 Menye sisi ŋutɔŋutɔ ŋue Yohanes nɔ nu ƒom tsoe o. Enɔ nu xlɔ̃m wo tso ʋɔnudɔdrɔ̃ aɖe si gbɔna si anye dzikuŋkeke la ŋu; eye wòna nyanya subɔsubɔhakplɔlawo be ne wodi be yewoasi le ŋkeke ma dzi la, ele be woatse ku si aɖee afia be wotrɔ dzi me. Emegbe la, Yesu hã ƒo nu tsi tsitre ɖe subɔsubɔhakplɔlawo ŋu vɔvɔ̃manɔmee—ale si ame siawo lɔ̃a amewuwu la ɖee fia be wo fofo ŋutɔŋutɔe nye Abosam. (Yoh. 8:44) Esi Yesu nɔ gbe tem ɖe Yohanes ƒe nuxlɔ̃ame si wòna do ŋgɔ dzi la, eyɔ wo be “dzakpatawo,” eye wòbia be: “Aleke miate ŋu asi le Gehena ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ la nu?” (Mat. 23:33) Nu kae “Gehena” si Yesu yɔ la fia?

4. Nu kae nya “Gehena” si Yesu zã la fia?

4 Gehena nye bali aɖe si nɔ Yerusalem gliwo godo, afi si wokɔa gbeɖuɖɔwo ɖo hetɔa dzo lã kukuwo le. Yesu zã Gehena tsɔ wɔ ku mavɔ ƒe kpɔɖeŋui. (Kpɔ axa 27.) Nya si wòbia ku ɖe sisi le Gehena nu ɖee fia be subɔsubɔhakplɔla mawo abe ƒuƒoƒo ene dze na tsɔtsrɔ̃ mavɔ.—Mat. 5:22, 29.

5. Aleke Yohanes kple Yesu ƒe nuxlɔ̃amewo va eme le ŋutinya mee?

5 Yuda subɔsubɔhakplɔlawo na woƒe nu vɔ̃wo do gã ɖe edzi esi woti Yesu kple eyomedzelawo yome. Emegbe la, Mawu ƒe dzikuŋkeke la va wo dzi abe ale si Yohanes kple Yesu xlɔ̃ nu woe ene. Le go sia me la, “dziku si gbɔna” la va le nuto aɖe koŋ ko me, si nye Yerusalem kple Yudea, eya ta anya wɔ be woasi ŋutɔŋutɔ. Dziku sia va wo dzi esime Roma ʋakɔwo va tsrɔ̃ Yerusalem kple eƒe gbedoxɔa le ƒe 70 M.Ŋ. me. “Xaxa” ma lolo wu ɖe sia ɖe si va Yerusalem dzi kpɔ. Wowu ame geɖewo eye wokplɔ bubuwo yi aboyo me. Esia fia asi tsɔtsrɔ̃ si lolo wu si ava yeaɖi Kristotɔwo kple subɔsubɔha bubuwo me tɔwo dzi la.—Mat. 24:21.

Dziku Aɖe Si Gbɔna Le Etsɔ Me Si Nu Wòhiã Be Míasi Le

6. Nu kae te mo dodo ɖa le Kristo hame gbãtɔ la me?

6 Kristotɔ gbãtɔwo dometɔ aɖewo zu xɔsegbelawo eye amewo dze wo yome. (Dɔw. 20:29, 30) Le Yesu ƒe apostolowo ƒe agbenɔɣi la, wonye “mɔxenu” na xɔsegbela mawo, gake le woƒe ku megbe la, aʋatso Kristotɔwo ƒe kɔmama geɖe va do. Egbea la, subɔsubɔha alafa geɖe siwo ƒe nufiafiawo tsi tsitre ɖe wo nɔewo ŋu ye le Kristodukɔa me. Biblia gblɔe ɖi be Kristodukɔa ƒe subɔsubɔhakplɔlawo ado, eye wòyɔ wo abe ƒuƒoƒo ene be “sedzimawɔla” kple “tsɔtsrɔ̃vi . . . si Aƒetɔ Yesu . . . aɖe ɖa, eye wòato eƒe anyinɔnɔ ƒe ɖeɖe fia la dzi ana wòazu nu gbɔlo.”—2 Tes. 2:3, 6-8.

7. Nu ka tae nyagbɔgblɔ “sedzimawɔla” sɔ na Kristodukɔa ƒe subɔsubɔhakplɔlawo?

7 Kristodukɔa ƒe hakplɔlawo nye sedzimawɔlawo le mɔ sia nu be wotsɔ woƒe nufiafiawo, ŋkekenyuiwo, kple woƒe agbenɔnɔ siwo tsi tsitre ɖe Biblia ŋu la kplɔ ame miliɔn geɖewo trae. Tsɔtsrɔ̃ aɖe dze ŋgɔ tadeagula siwo li egbea siwo nye “tsɔtsrɔ̃vi” la ƒe akpa aɖe la abe ale si wònɔ le subɔsubɔhakplɔla siwo Yesu bu fɔe gome ene, eye tsitretsitsi ƒe mɔkpɔkpɔ aɖeke meli na wo o. (2 Tes. 1:6-9) Ekema nu kae le ame siwo Kristodukɔa ƒe subɔsubɔhakplɔlawo kple subɔsubɔha bubuwo ƒe kplɔlawo kplɔ trae la lalam? Be míaɖo nya sia ŋu la, mina míadzro nu siwo dzɔ le Yerusalem tsɔtsrɔ̃ zi gbãtɔ le ƒe 607 D.M.Ŋ. me megbe la me kpɔ.

‘Misi Dzo Le Babilon’

8, 9. (a) Nyagblɔɖigbedeasi kae nɔ Yeremiya si na Yudatɔ siwo nɔ aboyo me le Babilon la? (b) Sisi ƒe mɔnukpɔkpɔ kae va ʋu ɖi esime Mediatɔwo kple Persiatɔwo ɖu Babilon dzi vɔ megbe?

8 Nyagblɔɖila Yeremiya gblɔ Yerusalem ƒe tsɔtsrɔ̃ si va le ƒe 607 D.M.Ŋ. me ŋu nya ɖi. Egblɔ ɖi be woakplɔ Mawu ƒe amewo ayi aboyo me, gake woatrɔ agbɔ ava wo denyigba dzi le “ƒe blaadre” megbe. (Yer. 29:4, 10) Gbedeasi vevi aɖe le Yeremiya si na Yudatɔ aboyome siwo nɔ Babilon la; mele be woaƒo ɖi wo ɖokuiwo kple Babilontɔwo ƒe alakpasubɔsubɔ o. Esia ana be woanɔ dzadzraɖoɖi hena tɔtrɔ yi Yerusalem eye woaɖo tadedeagu dzadzɛ la anyi ne ɣeyiɣi ɖoɖia de. Esia va eme esime Mediatɔwo kple Persiatɔwo ɖu Babilon dzi le ƒe 539 D.M.Ŋ. me megbe teti. Persia Fia Kores II de se be Yudatɔwo natrɔ ayi wo de bene woagbugbɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ si nɔ Yerusalem la atu.—Ezra 1:1-4.

9 Yudatɔ akpe geɖe wɔ mɔnukpɔkpɔ sia ŋu dɔ hetrɔ yi wo de. (Ezra 2:64-67) Le esia wɔwɔ me la, wowɔ ɖe nuxlɔ̃ame si Yeremiya na le nyagblɔɖia me be woasi dzo la dzi le gɔmesese aɖe nu, si nye be wodzo le teƒe aɖe yi teƒe bubu. (Mixlẽ Yeremiya 51:6, 45, 50.) Nɔnɔmeawo meɖe mɔ na Yudatɔwo katã be wote ŋu zɔ mɔ legbe ma trɔ yi Yerusalem kple Yuda o. Ame siwo tsi Babilon, abe nyagblɔɖila tsitsi Daniel ene, ate ŋu axɔ Mawu ƒe yayra nenye be wode tadedeagu dzadzɛ si woɖo anyi le Yerusalem la dzi tso dzi blibo me, eye woyi edzi ɖe wo ɖokuiwo ɖa tso Babilontɔwo ƒe alakpasubɔsubɔ me ko.

10. ‘Ŋunyɔnu’ kawo ƒe fɔɖiɖi ye le “Babilon Gã la” dzi?

10 Egbea la, ame miliɔn geɖe ƒo wo ɖokuiwo ɖe alakpasubɔsubɔ ƒomevi vovovo siwo dzɔ tso blema Babilon la me. (1 Mose 11:6-9) Woyɔ subɔsubɔha siawo katã ƒe ƒuƒoƒo be “Babilon Gã la, gbolowo kple anyigba dzi ŋunyɔnuwo dada.” (Nyaɖ. 17:5) Tso keke blema kee alakpasubɔsubɔhawo dea xexe sia me ƒe dunyahedziɖulawo dzi. ‘Ŋunyɔnu’ siwo ƒe fɔɖiɖi le wo dzi la dometɔ aɖewoe nye aʋawɔwɔ gbogbo siwo me “wowu [ame miliɔn geɖe le] le anyigba dzi.” (Nyaɖ. 18:24) ‘Ŋunyɔnu’ bubuwoe nye ɖeviwo gbɔ dɔdɔ kple agbe gbegblẽ nɔnɔ bubu ƒomevi siwo me subɔsubɔhakplɔlawo kpɔa gome le, eye sɔlemehawo ƒe tatɔwo ŋea aɖaba ƒua wo dzi. Eya ta mewɔ nuku o be eteƒe madidi o Yehowa Mawu atsrɔ̃ alakpasubɔsubɔ ɖa le anyigba dzi.—Nyaɖ. 18:8.

11. Va se ɖe ɣeyiɣi si me woatsrɔ̃ Babilon Gã la la, agba kae le Kristotɔ vavãwo dzi?

11 Agba le Kristotɔ vavã siwo nya esia la dzi be woaxlɔ̃ nu ame siwo le Babilon Gã la me. Mɔ siwo dzi wotona wɔa esia la dometɔ ɖekae nye Bibliawo kple Biblia srɔ̃gbalẽ siwo “kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela” si Yesu ɖo be ‘wòana nuɖuɖu le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi’ la tana la mama. (Mat. 24:45) Ne amewo tsɔ ɖe le Biblia me gbedeasia me la, wowɔa ɖoɖo kpena ɖe wo ŋu to Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ kpli wo dzi. Míekpɔa mɔ be woakpɔ ale si wòhiã be ‘woasi tso Babilon’ hafi wòava atsi megbe akpa la adze sii.—Nyaɖ. 18:4.

Si Le Trɔ̃subɔsubɔ Nu

12. Aleke Mawu bua nɔnɔmewɔwɔwo kple legbawo subɔsubɔe?

12 Nuwɔna nyɔŋu bubu si xɔ aƒe ɖe Babilon Gã la mee nye nɔnɔmewɔwɔwo kple legbawo subɔsubɔ. Mawu yɔ legba mawo be “ŋunyɔnuwo.” (5 Mose 29:16) Ele be ame siwo katã dina be yewoadze Mawu ŋu la natsri legbasubɔsubɔ le ɖekawɔwɔ me kple nya si Mawu gblɔ be: “Nyee nye Yehowa, ŋkɔnyee, nyematsɔ nye bubu na ame tutɔ kple nye kafukafu na legbawo o.”—Yes. 42:8.

13. Trɔ̃subɔsubɔnuwɔna siwo menya kpɔna dzea si bɔbɔe o kawo nue wòle be míasi le?

13 Mawu ƒe Nya la ƒo nu tso trɔ̃subɔsubɔnuwɔna siwo menya kpɔna dzea si bɔbɔe o la hã ŋu. Le kpɔɖeŋu me, eyɔ ŋubiabiã be “trɔ̃subɔsubɔ.” (Kol. 3:5) Ŋubiabiã fia nu si ŋu se meɖe mɔ ɖo o, abe ame bubu ƒe nunɔamesiwo ene, ƒe amedzodzro. (2 Mose 20:17) Mawudɔla si va zu Satana Abosam ɖe mɔ ŋubiabiã ɖo eme, eye wòdzroe be yeanɔ abe Dziƒoʋĩtɔ la ene eye woade ta agu na ye. (Luka 4:5-7) Esia na be wòdze aglã ɖe Yehowa ŋu, eye wòble Xawa wòbiã ŋu nane si ŋu Mawu de se ɖo na wo la. Le mɔ aɖe nu la Adam hã subɔ trɔ̃, elabena ɖokuitɔdidi wɔe be, srɔ̃a ƒe egbɔnɔnɔ nɔ vevie nɛ wu toɖoɖo Fofoa lɔ̃ame si le dziƒo la. To vovo na ema la, ele be ame siwo katã dina be yewoasi le Mawu ƒe dzikuŋkekea nu la natsɔ wo ɖokuiwo ana eya ɖeka pɛ ko, eye woatsi tsitre ɖe ŋubiabiã ma ɖe sia ɖe ƒomevi ŋu.

Si “Le Agbe Gbegblẽ Nɔnɔ” Nu

14-16. (a) Nu ka tae Yosef nye agbe nyui nɔnɔ ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖe na mí? (b) Nu kae wòle be míawɔ ne gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro vɔ̃wo le fu ɖem na mí? (d) Aleke míate ŋu asi le agbe gbegblẽ nɔnɔ nu dzidzedzetɔe?

14 Mixlẽ 1 Korintotɔwo 6:18. Esi Potifar srɔ̃ dze agbagba be yeable Yosef ade agbe gbegblẽ nɔnɔ me la, esi le egbɔ ŋutɔŋutɔ. Kpɔɖeŋu nyui kae nye esi wòɖo ɖi na Kristotɔ trewo kple srɔ̃tɔwo siaa! Eme kɔ ƒãa be Yosef tsɔ Mawu ƒe nukpɔsusu siwo wòɖe gblɔ do ŋgɔ la na hehe eƒe dzitsinya. Ne míedi be míawɔ sedede si nye be, ‘míasi le agbe gbegblẽ nɔnɔ nu’ dzi la, ele be míaƒo asa na nu siwo ate ŋu ana ame si menye mía srɔ̃ o nadzro mí. Wogblɔ na mí be: ‘Miwu miaƒe ŋutinuwo le agbe gbegblẽ nɔnɔ, makɔmakɔnyenye, gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro, dzodzro vɔ̃, kple ŋubiabiã, si nye trɔ̃subɔsubɔ, la gome. Nu mawo tae Mawu ƒe dziku gbɔna ɖo.’—Kol. 3:5, 6.

15 De dzesii be “Mawu ƒe dziku gbɔna.” Ame siwo le xexea me la dometɔ geɖe na gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro manyomanyowo xɔ aƒe ɖe wo me, eye wowɔa wo hã. Eya ta ehiã be mí Kristotɔwo míado gbe ɖa abia Mawu ƒe kpekpeɖeŋu kple gbɔgbɔ kɔkɔea bene gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro makɔmakɔwo nagakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi o. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Biblia sɔsrɔ̃, kpekpeawo dede, kple nya nyuia gbɔgblɔ na mía haviwo akpe ɖe mía ŋu be míayi ‘edzi azɔ le gbɔgbɔ me.’ Ne míewɔe alea la, ‘ekema míele ŋutilã ƒe nudzodzro aɖeke kura dzi wɔ ge o.’—Gal. 5:16.

16 Ðikekemanɔmee la, ne míekpɔa amamaɖeɖenuwɔnawo la, míanɔ ‘zɔzɔm le gbɔgbɔ me o.’ Nenema kee, ehiã be Kristotɔ ɖe sia ɖe nakpɔ eɖokui dzi le agbalẽ, television dzi wɔna, alo hadzidzi siwo nyɔa gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ɖe ame me la ŋu. Eye enye nu gbegblẽ hã be Mawu ƒe “ame kɔkɔewo” nakpɔ dzidzɔ ɖe nu mawo tsɔtsɔ afe fee ŋu alo aɖo dze tso wo ŋu le wo nɔewo dome. (Ef. 5:3, 4) Míetoa esia dzi ɖenɛ fiaa mía Fofo lɔ̃ame la be míedi be míasi le dziku si gbɔna la nu, eye míanɔ agbe le xexe yeye si me dzɔdzɔenyenye anɔ la me.

Si Le “Galɔlɔ̃” Nu

17, 18. Nu ka tae wòle be míasi le “galɔlɔ̃” nu?

17 Le lɛta gbãtɔ si Paulo ŋlɔ na Timoteo me la, ete gbe ɖe gɔmeɖose si nu wòle be Kristotɔ kluviwo nanɔ agbe ɖo la dzi; ame siawo dometɔ aɖewo anya nɔ mɔ kpɔm na ŋutilã me viɖewo le esi woƒe aƒetɔwo nye Kristotɔwo ta. Ame bubuwo hã anya nɔ etem kpɔ be yewoawɔ nu siwo nye nu kɔkɔewo la ŋu dɔ hena yewo ŋutɔwo ƒe viɖewo ko. Paulo xlɔ̃ nu tso ebubu be “ɖokuitsɔtsɔ na Mawu nye [ŋutilã me] viɖenu” la ŋu. “Galɔlɔ̃” ye anya nye kuxia ƒe ke, eye esia ate ŋu akpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe ame sia ame dzi, eɖanye kesinɔtɔ alo ame dahe o.—1 Tim. 6:1, 2, 5, 9, 10.

18 Àte ŋu aɖo ŋku ame aɖewo siwo ƒe ŋutinya woŋlɔ ɖe Biblia me siwo ɖe mɔ “galɔlɔ̃” alo nu siwo mele vevie o siwo ga ate ŋu aƒle la lɔlɔ̃ gblẽ woa kple Mawu dome ƒomedodo me la dzia? (Yos. 7:11, 21; 2 Fia. 5:20, 25-27) Paulo xlɔ̃ nu Timoteo be: “Wò la, Oo, Mawu ƒe ame, si le nu siawo nu. Ke boŋ dze dzɔdzɔenyenye, ɖokuitsɔtsɔ na Mawu, xɔse, lɔlɔ̃, dzidodo, kple tufafa yome.” (1 Tim. 6:11) Ele vevie be ame siwo katã dina be yewoatsi agbe le dzikuŋkeke si gbɔna dzi la nawɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo ma dzi.

“Si Le Sɔhɛmenɔɣi Ƒe Nudzodzrowo Nu”

19. Nu kae sɔhɛwo katã hiã na?

19 Mixlẽ Lododowo 22:15. Bometsitsi si le sɔhɛ ƒe dzi me ate ŋu akplɔe atra bɔbɔe. Nu si ate ŋu akpe ɖe sɔhɛwo ŋu woakpe akɔ kple esiae nye hehe si wotu ɖe Biblia dzi xɔxɔ. Sɔhɛ Kristotɔ geɖe siwo dzilawo menye Ðasefowo o la, dia mɔfiame siwo le Biblia me eye wowɔna ɖe wo dzi. Aɖaŋu si gbɔgbɔmeme tsitsi kpɔnuteƒe siwo le hamea me ɖona la ɖea vi na wo dometɔ bubuwo. Ame ka kee ɖana Biblia me ɖaŋuɖoɖoawo o, wɔwɔ ɖe wo dzi ate ŋu ana woakpɔ dzidzɔ egbea kple etsɔme siaa.—Heb. 12:8-11.

20. Nu kae akpe ɖe sɔhɛwo ŋu woasi le dzodzro vɔ̃wo nu?

20 Mixlẽ 2 Timoteo 2:20-22. Movidzɔdzɔ ƒe nuwɔnawo, abe hoʋiʋli ƒe gbɔgbɔ, ŋubiabiã, agbe gbegblẽ nɔnɔ, galɔlɔ̃, kple vivisese yome nɔnɔ gblẽ nu le sɔhɛ geɖe siwo mexɔ hehe nyuie o la ŋu. Esiawo nye ‘sɔhɛmenɔɣi ƒe nudzodzro’ siwo nu Biblia xlɔ̃ nu mí be míasi le. Be sɔhɛ Kristotɔ nasi bia be wòanɔ ŋudzɔ ɖe ŋusẽkpɔɖeamedzi maɖɔʋuwo ŋu afi ka kee woɖado ta ɖa tsoe o. Nu si gaɖea vi wue nye mawumeɖaŋuɖoɖo si nye be míadze mawumenɔnɔmewo yome “hekpe ɖe ame siwo yɔa Aƒetɔ la tso dzi dzadzɛ me la ŋu” la dzi wɔwɔ.

21. Ŋugbe wɔnuku kae Yesu Kristo do ku ɖe eyomedzela siwo si alẽwo ƒe nɔnɔme le la ŋu?

21 Míeɖanye sɔhɛwo alo ame tsitsiwo o, ne míegbea toɖoɖo ame siwo dzea agbagba be yewoakplɔ mí atrae la, eɖenɛ fiana be míedi be woabu mí ade Yesu yomedzela siwo si alẽwo ƒe nɔnɔme le eye ‘wosina’ ne wose “ame tutɔwo ƒe gbe” la dome. (Yoh. 10:5) Gake sisi le Mawu ƒe dzikuŋkeke la nu bia nu geɖe wu be woasi tso nu siwo ate ŋu agblẽ nu le ame ŋu la nu ko. Ele hã be míati nɔnɔme nyuiwo yome. Le nyati si kplɔe ɖo me la, míadzro nɔnɔme siawo dometɔ adre me. Susu nyuiwo le mía si siwo tae wòle be míadzro nu siawo me ayi ŋgɔe ɖo, elabena Yesu do ŋugbe wɔnuku sia be: “Menaa agbe mavɔ [nye alẽawo], eye womatsrɔ̃ akpɔ gbeɖe o, eye ame aɖeke mate ŋu axɔ wo le asinye sesẽe o.”—Yoh. 10:28.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Nuxlɔ̃ame kae Yesu na subɔsubɔhakplɔlawo?

• Afɔku kae dze ŋgɔ ame miliɔn geɖe egbea?

• Trɔ̃subɔsubɔnuwɔna siwo menya kpɔna dzea si bɔbɔe o kawo nue wòle be míasi le?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata siwo le axa 9]

Nu kae vaa susu me na wò ne èse nya “si”?