Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Apostolo Paulo gblɔ be, “woana ɖeɖe Israel blibo la.” (Rom. 11:26) Ðe eƒe nya siawo fia be Yudatɔwo katã ava trɔ azu Kristotɔwo ɣeaɖeɣia?

Ao, menye nya mae Paulo nɔ gbɔgblɔm o. Dukɔ si nye Abraham ƒe dzidzimeviwo ŋutɔŋutɔ la mexɔ Yesu dzi se be eyae nye Mesia la o. Eye le ƒe siwo kplɔ Yesu ƒe ku ɖo me la, eva dze ƒãa be Yuda dukɔ bliboa matrɔ dzi me azu Kristotɔwo o. Ke hã, nya si Paulo gblɔ be, “woana ɖeɖe Israel blibo la” nye nyateƒe. Le mɔ ka nu?

Yesu gblɔ na Yuda subɔsubɔhakplɔla siwo nɔ anyi le eƒe ŋkekea me la be: “Woaxɔ Mawu fiaɖuƒe la le mia si, eye woatsɔe ana dukɔ si tsea eƒe ku la.” (Mat. 21:43) Esi Israel dukɔ bliboa gbe Yesu ta la, Yehowa atrɔ eƒe susu ɖe dukɔ yeye aɖe si anye gbɔgbɔmetɔ la ŋu. Paulo yɔ dukɔ sia be, “Mawu ƒe Israel la.”—Gal. 6:16.

Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me mawunyakpukpui bubuwo ɖee fia be, ame 144,000 siwo nye Kristotɔ siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na ye ƒo ƒu wɔ “Mawu ƒe Israel la.” (Rom. 8:15-17; Nyaɖ. 7:4) Nyaɖeɖefia 5:9, 10 ɖo kpe edzi be ame siwo menye Yudatɔwo o, anɔ dukɔ sia me, si fia be Kristotɔ amesiaminaawo atso “to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kple ame ƒomeviwo katã kple dukɔ sia dukɔ me.” Wotia gbɔgbɔ me Israel la me tɔwo koŋ be woanye “fiaɖuƒe kple nunɔlawo . . . , eye woaɖu fia ɖe anyigba la dzi.” Togbɔ be Yehowa gbe Israel abe dukɔ tiatia ene hã la, ame ɖekaɖekawo ate ŋu awɔ ŋutifafa kplii. Nenemae wònɔ le apostoloawo kple Kristotɔ gbãtɔ bubu geɖewo gome. Ke hã, abe ale si wòle le ame bubuwo gome ene la, ele be woatsɔ Yesu Kristo ƒe ʋu la aƒle Yudatɔ mawo hã.—1 Tim. 2:5, 6; Heb. 2:9; 1 Pet. 1:17-19.

Nyateƒe si wònye be dzɔdzɔme Yudatɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me dometɔ akpa gãtɔ bu mɔnukpɔkpɔ si su wo si be woazu Yesu ƒe hatidziɖulawo la megblẽ Mawu ƒe tameɖoɖo me o. Esia mate ŋu adzɔ nenema gbeɖe o, elabena Yehowa gblɔ to eƒe nyagblɔɖila dzi be: ‘Nenema ke nye nya, si do tso nye nu me la anɔ: Magbugbɔ va gbɔnye ƒuƒlu o, negbe ɖeko wòawɔ nye lɔlɔ̃nu, eye wòawɔ nu si gbe meɖoe ɖo la hafi.’—Yes. 55:11.

Esia nye nyateƒe le tame si Mawu ɖo be yeaɖo ame 144,000 woanye hatidziɖulawo kple ye Vi le dziƒo la gome. Biblia gblɔe kɔte be Mawu asi ami na ame 144,000 ƒe xexlẽme bliboa katã. Ame ɖeka hɔ̃ hã mato le eme o!—Nyaɖ. 14:1-5.

Eya ta esi Paulo ŋlɔ bena, “woana ɖeɖe Israel blibo la,” menye ɖe wònɔ egblɔm ɖi be Yudatɔwo katã abe dukɔ ene atrɔ dzi me ava zu Kristotɔwo o. Ke boŋ ɖe wònɔ gbɔgblɔm be, tame si Mawu ɖo be yeana gbɔgbɔ me Israel la me tɔ ame 144,000 naɖu fia kple Via, Yesu Kristo, le dziƒo la ava eme. Le Mawu ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi la, xexlẽme bliboa—si nye “Israel blibo la”—anɔ dedie, eye woava nye fiawo kple nunɔlawo le Mesia Fiaɖuƒea me mlɔeba.—Ef. 2:8.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 28]

Amesiaminawo tso “to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kple ame ƒomeviwo katã kple dukɔ sia dukɔ me”