Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Akɔkpekpe Kple Kuxi Siwo Le Tso Aƒe Me Yi Aƒe Me Subɔsubɔdɔa Me

Akɔkpekpe Kple Kuxi Siwo Le Tso Aƒe Me Yi Aƒe Me Subɔsubɔdɔa Me

Akɔkpekpe Kple Kuxi Siwo Le Tso Aƒe Me Yi Aƒe Me Subɔsubɔdɔa Me

“Dzi ɖo mía ƒo to mía Mawu la dzi, be míagblɔ Mawu ƒe nya nyui la na mi le ʋiʋli geɖe me.”—1 TES. 2:2.

1. Kuxi kawoe Yeremiya do goe, eye aleke wòwɔ te ŋu kpe akɔ kpli wo?

AMEGBETƆ si si seselelãmewo le abe míawo ke ene koe Yeremiya nye. Esime Yehowa gblɔ nɛ be yedi be yeade dɔ asi nɛ wòanye ‘nyagblɔɖila na dukɔwo’ la, edo ɣli be: “Oo, Aƒetɔ Yehowa, kpɔ ɖa, nyemate ŋu aƒo nu o, elabena nyemetsi o.” Ke hã, le ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu me la, elɔ̃ faa xɔ dɔdeasia. (Yer. 1:4-10) Yeremiya kpe akɔ kple ɖekematsɔleme, nugbegbeleamegbɔ, fewuɖuɖu, kple ŋutasesẽ gɔ̃ hã hena ƒe 40 kple edzivɔwo. (Yer. 20:1, 2) Ɣeaɖewoɣi la, edina be yeana ta. Ke hã, eku kutri yi edzi ɖe gbeƒã gbedeasi si mevivia to me na amewo o, le dukɔ si me ameawo dometɔ akpa gãtɔ meɖo toe le o me. Le Mawu ƒe ŋusẽ me la, Yeremiya te ŋu wɔ nu siwo eya ŋutɔ mate ŋu awɔ le eɖokui si o.—Mixlẽ Yeremiya 20:7-9.

2, 3. Alekee Mawu subɔla siwo li egbea la dzea ŋgɔ kuxi siwo tɔgbi me Yeremiya to?

2 Mawu subɔla siwo li egbea dometɔ geɖe ate ŋu ase le wo ɖokui me abe ale si Yeremiya se le eɖokui me ene. Le mía dometɔ aɖewo gome la, esi míebu tso aƒe me yi aƒe me dɔa wɔwɔ ŋu zi gbãtɔ la, míegblɔ na mía ɖokui be, ‘Nyemate ŋu awɔ dɔ sia gbeɖe o.’ Gake esi míekpɔe be Yehowa ƒe lɔlɔ̃nue wònye be míaɖe gbeƒã nya nyuia la, míeɖu míaƒe vɔvɔ̃a dzi hedze gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme movevieɖoɖotɔe. Ke hã, nɔnɔme aɖewo va do mo ɖa le mía dometɔ geɖe ƒe agbe me kpɔ, si wɔe be menɔ bɔbɔe be míayi edzi anɔ gbeƒã ɖem o, ɖewohĩ hena ɣeyiɣi aɖe ya teti. Enye nyateƒe be nu sesẽ aɖe ŋutɔe wònye be ame nate gbeƒãɖeɖe tso aƒe me yi aƒe me ahalé eme ɖe asi va se ɖe nuwuwu.—Mat. 24:13.

3 Ke ne Yehowa Ðasefowo le Biblia srɔ̃m kpli wò, eye nèle woƒe kpekpewo hã dem ɣeyiɣi aɖee nye esia gake èle vɔvɔ̃m na ɖokuiwò ƒoƒo ɖe tso aƒe me yi aƒe me gbeƒãɖeɖedɔa me ya ɖe? Alo ne Ðasefo xɔnyɔnyrɔe nènye, evɔ wòsesẽna na wò be nàkpɔ gome le tso aƒe me yi aƒe me dɔa me, togbɔ be nèle lãmesẽ nyui me gɔ̃ hã ya ɖe? Kakaɖedzi nenɔ asiwò be ame ƒomevi vovovowo katã te ŋu le akɔ kpem kple kuxi siwo le tso aƒe me yi aƒe me subɔsubɔdɔa me dzidzedzetɔe. Le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, wò hã àte ŋui.

Ale Si Míana Dzi Naɖo Mía Ƒo

4. Nu kae kpe ɖe apostolo Paulo ŋu wòte ŋu gblɔ nya nyui la dzinɔameƒotɔe?

4 Ðikeke mele eme o be, ènya nyuie be menye amegbetɔ ƒe ŋusẽ alo nunyae na wote ŋu le gbeƒã ɖem le xexea me godoo o, ke boŋ Mawu ƒe gbɔgbɔae. (Zax. 4:6) Nenema kee wòle le Kristotɔ ɖekaɖekawo hã ƒe subɔsubɔdɔa gome. (2 Kor. 4:7) Bu apostolo Paulo ŋu kpɔ. Esime wòɖo ŋku ɣeyiɣi si me tsitretsiɖeŋulawo sẽ ŋuta le woa kple eƒe zɔhɛ si nɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔa wɔm ŋu dzi la, eŋlɔ bena: “Esi míekpe fu, eye woɖi gbɔ mí gbã le Filipi . . . vɔ la, dzi ɖo mía ƒo to mía Mawu la dzi, be míagblɔ Mawu ƒe nya nyui la na mi le ʋiʋli geɖe me.” (1 Tes. 2:2; Dɔw. 16:22-24) Ðewohĩ meva susu me na wò kpɔ be enɔ na gbeƒãɖela dovevienu abe Paulo ene be wòaʋli ɣeaɖewoɣi hafi aɖe gbeƒã o. Ke hã, abe ale si wòle le mí katã gome ene la, enɔ na Paulo be wòaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu be wòate ŋu agblɔ nya nyui la dzinɔameƒotɔe. (Mixlẽ Efesotɔwo 6:18-20.) Alekee míate ŋu asrɔ̃ Paulo ƒe kpɔɖeŋua?

5. Mɔ siwo dzi míato ana dzi nanɔ mía ƒo hena gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ la dometɔ ɖeka ɖe?

5 Mɔ siwo dzi míato ana dzi nanɔ míaƒo hena gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ dometɔ ɖekae nye gbedodoɖa. Mɔɖela aɖe gblɔ be: “Medoa gbe ɖa bene mate ŋu aƒo nu kakaɖedzitɔe, be mate ŋu aɖo amewo ƒe dzi gbɔ, eye be mate ŋu akpɔ dzidzɔ le nye subɔsubɔdɔa me. Nya lae nye be, Yehowa ƒe dɔe, menye mía tɔe o, eya ta míate ŋu awɔ naneke eƒe kpekpeɖeŋu manɔmee o.” (1 Tes. 5:17) Ele be mí katã míanɔ gbe dom ɖa madzudzɔmadzudzɔe bene Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe nakpe ɖe mía ŋu míaɖe gbeƒã dzinɔameƒotɔe.—Luka 11:9-13.

6, 7. (a) Ŋutega kae woɖe fia Xezekiel, eye gɔmesese kae le eŋu? (b) Nufiame kae le Xezekiel ƒe ŋutegaa me na Mawu subɔla siwo li egbea?

6 Xezekiel ƒe agbalẽa he susu yi nu bubu aɖe si hã ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖe gbeƒã dzinɔameƒotɔe la dzi. Le ŋutega aɖe me la, Yehowa tsɔ agbalẽ xatsaxatsa aɖe, si me kple ekɔgo woŋlɔ “konyifahawo, hũɖeɖewo kple vevesesewo” ɖo la na Xezekiel be wòaɖu, hegblɔ nɛ be: “Amevi, tsɔ agbalẽ, si metsɔ na wò la, ɖi ƒoe, eye natsɔe ayɔ wò dɔgboe!” Gɔmesese kae le ŋutega sia ŋu? Enɔ na Xezekiel be wòanya gbedeasi si gblɔ ge wòala la me nyawo nyuie. Ðeko wòle abe ɖee wònɔ eƒe dɔgbo me ene, bene wòakpɔ ŋusẽ ɖe eƒe seselelãme ememetɔwo dzi. Nyagblɔɖilaa gblɔ be: “Meɖui, wòvivi le nu me nam abe anyitsi ene.” Mawu ƒe gbedeasi gbɔgblɔ le dutoƒo do dzidzɔ na Xezekiel ale gbegbe be ɖeko wònɔ nɛ abe anyitsi ene. Ese le eɖokui me be mɔnukpɔkpɔ gã aɖe ŋutɔe wònye na ye be yeanɔ Yehowa teƒe ahawɔ dɔdeasi sia si tso Mawu gbɔ, togbɔ be esia bia tso esi be wòaɖe gbeƒã gbedeasi sesẽwo na ame siwo ƒe dzi me sẽ hã.—Mixlẽ Xezekiel 2:8–3:4, 7-9.

7 Nufiame vevi aɖe le ŋutega sia me na Mawu subɔla siwo li egbea. Ele be míawo hã míaɖe gbeƒã gbedeasi sesẽ aɖe na ame siwo mekpɔa ŋudzedze ɖe míaƒe subɔsubɔdɔa ŋu o. Bene míayi edzi anɔ míaƒe Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa bum be enye mɔnukpɔkpɔ si Mawu na mí la, ele be míayi edzi anɔ mía ɖokui nyim le gbɔgbɔ me. Ðokuisinusɔsrɔ̃ wɔwɔ ɖewoɖewoe kple emawɔmawɔ edziedzi makpe ɖe mía ŋu be míase Mawu ƒe Nya la gɔme tsitotsito o. Ðe nàte ŋu atrɔ asi le ale si nèwɔa ɖokuisi Biblia sɔsrɔ̃ kpakple Biblia xexlẽ, alo zi ale si nèkpɔa gome le wo me ŋu be woaganyo ɖe edzi wua? Ðe nàgate ŋu anɔ ŋugble dem le nu siwo nèxlẽna ŋu geɖe wua?—Ps. 1:2, 3.

Biblia Me Dzeɖoɖowo Gɔmedzedze

8. Mɔnu kae Fiaɖuƒe gbeƒãɖela aɖewo zã te ŋu dze Biblia me dzeɖoɖowo gɔme le tso aƒe me yi aƒe me subɔsubɔdɔa wɔwɔ me?

8 Le gbeƒãɖela geɖe gome la, tso aƒe me yi aƒe me subɔsubɔdɔa ƒe akpa si sesẽna na wo wue nye ale si woadze dzeɖoɖo gɔme kple aƒemenɔlaa. Enye nyateƒe be le anyigbamama aɖewo me la, ale si woadze dzeɖoɖo gɔme mele bɔbɔe kura o. Gbeƒãɖela aɖewo kpɔe be enya wɔna na yewo wu ne yewogblɔ nya kpui aɖewo siwo ŋu yewo de ŋugble le nyuie do ŋgɔ la na aƒemenɔlaa tsɔ dze dzeɖoɖo kplii gɔme, eye yewotsɔ trakt aɖe nɛ, abe ale si wòdze le aɖaka si le ete me ene. Ðewohĩ trakt la ƒe tanya kple eƒe amadede ahe aƒemenɔlaa ƒe susu, eye esia ana mɔnukpɔkpɔ mí be míagblɔ susu si ta míeva egbɔ ɖo la nɛ kpuie ahabia nya aɖee. Dzeɖoɖo gɔme dzedze ƒe mɔnu bubue nye be míatsɔ trakt vovovo etɔ̃ alo ene afia amea ahabia tso esi be wòatia esi do dzidzɔ nɛ. Gake menye míaƒe taɖodzinuae nye be míanɔ traktwo mam na amewo ko alo míanɔ woawo ko mam le ʋɔtru ɖe sia ɖe nu o, ke boŋ eyae nye be míadze Biblia me dzeɖoɖo siwo ana míate ŋu ava srɔ̃ Biblia kple amewo la, gɔme kpli wo.

9. Nu ka tae dzadzraɖo nyuie le vevie?

9 Mɔnu ka kee nàɖazã o, dzadzraɖo nyuie akpe ɖe ŋu wò nàɖe dzi ɖi eye dzo nanɔ mewò le tso aƒe me yi aƒe me subɔsubɔdɔa wɔwɔ me. Mɔɖela aɖe gblɔ be: “Dzi dzɔam geɖe wu ne medzra ɖo nyuie. Enana medina be magblɔ dzeɖonya si medzra ɖo la godoo.” Mɔɖela bubu hã gblɔ be, “Ne menya agbalẽ si na ge mala la me nyawo nyuie la, dzo ɖoa menye ɖe enana ŋu.” Togbɔ be eɖea vi ne èto dzeɖonya si gblɔ ge nàla la me le ta me hã la, ame geɖe kpɔe be edea yewo dzi wu ne yewokɔ gbe dzi to eme. Esia kpena ɖe wo ŋu wote ŋu wɔa subɔsubɔdɔa na Yehowa nyuie wu.—Kol. 3:23; 2 Tim. 2:15.

10. Nu kae woate ŋu awɔ be kpekpe hena gbeadziyiyi nasɔ nyuie eye wòaɖe vi hã?

10 Kpekpe hena gbeadziyiyi si wowɔ wòsɔ nyuie la nana be míekpɔa dzidzedze eye dzi dzɔa mí le tso aƒe me yi aƒe me dɔa wɔwɔ me geɖe wu. Ne gbe sia gbe mawunyakpukpuia ku ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu tẽe la, woate ŋu axlẽe ahadzro eme kpuie. Ke hã, ele be nɔviŋutsu si le kpekpe hena gbeadziyiyi dzi kpɔm la nakpɔ egbɔ be yezã ɣeyiɣia ƒe akpa gãtɔ tsɔ dzro dzeɖonya bɔbɔe si sɔ na anyigbamamaa la me, alo awɔ eƒe wɔwɔfia loo, alo adzro nyatakaka bubu siwo aɖe vi le subɔsubɔdɔa wɔwɔ me gbe ma gbe la me. Esia ana ame siwo va kpekpe hena gbeadziyiyi gbe ma gbe la nasu te hena ɖaseɖiɖi nyuie wu. Ne hamemetsitsiwo kple ame bubu siwo kpɔa kpekpe siawo dzi dzra ɖo nyuie do ŋgɔ la, woate ŋu awɔ ɖe mɔfiame siawo katã dzi ahawu kpekpea nu ɖe game dzi.—Rom. 12:8.

Ŋusẽ Si Toɖoɖo Amewo Kpɔna Ðe Wo Dzi

11, 12. Aleke toɖoɖo amewo veveseɖeamenutɔe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míana nya nyuia naɖo woƒe dzi gbɔ? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu aɖewo.

11 Tsɔ kpe ɖe dzadzraɖo nyuie ŋu la, ɖetsɔtsɔ le eme na amewo vevie hã kpena ɖe mía ŋu míedzea Biblia me dzeɖoɖowo gɔme heɖoa amewo ƒe dzi gbɔ le subɔsubɔdɔa wɔwɔ me. Mɔ siwo dzi míetona ɖenɛ fiana be míetsɔ ɖe le eme na amewo dometɔ ɖekae nye ale si míeɖoa to woe. Dzikpɔla mɔzɔla aɖe gblɔ be: “Dzigbɔɖi kple toɖoɖo amewo nyuie wɔa dɔ ɖe wo dzi ale gbegbe eye wònye ɖetsɔleme vavã ɖeɖe fia wo le mɔ wɔdɔɖeamedzi nu.” Toɖoɖo aƒemenɔla aɖe veveseɖeamenutɔe koe ahiã bene míaɖo eƒe dzi gbɔ, abe ale si nuteƒekpɔkpɔ si gbɔna ɖee fia ene.

12 Nyɔnu aɖe ŋlɔ nu tso ame eve aɖewo siwo va ƒo ʋɔ nɛ le esime vianyɔnuvi ɣleti etɔ̃ vi ku eteƒe medidi o ŋu ɖe lɛta aɖe, si dze le nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Le Progrès, si wota le Saint-Étienne, France, me la, me. Eŋlɔ bena: “Mekpɔ wo dze sii enumake be Yehowa Ðasefowoe wonye. Meɖoe be mato ayemɔ aɖe dzi anya wo dzo, ke hã, nye ŋku kli agbalẽ gbadza si nam wole la. Nu si ta Mawu ɖe mɔ fukpekpe li ŋue wòku ɖo. Eya ta meɖoe be mana zikpui wo kple susu be maɖee afia wo be woƒe nyaa mele eme o. . . . Ðasefoawo nɔ gbɔnye wu gaƒoƒo ɖeka. Woɖo tom hefa nam vevie, eye esi wonɔ dzodzom la, nye dzi dze eme ale gbegbe be melɔ̃ ɖe edzi be woagava srãm kpɔ.” (Rom. 12:8) Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, nyɔnu sia va lɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kpli ye. Nyɔnua ƒe nyaawo ɖee fia be menye nya siwo Ðasefoawo gblɔ le egbɔ yiyi zi gbãtɔ me dzie wòɖo ŋkui o, ke boŋ ale si woɖo to se eƒe nyaawo lae.

13. Aleke míate ŋu atrɔ asi le ale si míegblɔa nya nyuiae ŋu be wòasɔ na ame ɖe sia ɖe si míedoa goe le gbeadzi?

13 Ne míeɖoa to amewo veveseɖeamenutɔe la, mɔnukpɔkpɔe nye ema nam míele wo be woagblɔ nya siwo ana míanya ale si gbegbe Fiaɖuƒea hiã woe la na mí. Esia kpena ɖe mía ŋu míenyaa ale si míagblɔ nya nyuia na wo wòade dzi gbɔ na wo. Anɔ eme be ède dzesii be gbeƒãɖela bibiwo nye esiwo ɖoa to amewo nyuie wu. (Lod. 20:5) Woɖea ɖetsɔleme vavãtɔ fiaa ame siwo wodoa goe le gbeadzi. Menye woƒe ŋkɔwo kple adrɛswo koe woŋlɔna ɖi o, ke woŋlɔa nu siwo ŋu ameawo tsi dzi ɖo kple nu siwo hiã wo la hã ɖi. Ne wode dzesii be ame aɖe tsi dzi ɖe nya aɖe koŋ ŋu la, woɖawɔa numekuku hetrɔna yia amea gbɔ kaba ɖaɖea nu me nɛ. Abe apostolo Paulo ene la, wotrɔa asi le ale si woagblɔ Fiaɖuƒegbedeasiae ŋu be wòasɔ ɖe ame siwo wodoa goe ƒe nuhiahiãwo nu. (Mixlẽ 1 Korintotɔwo 9:19-23.) Ðetsɔleme vavãtɔ ɖeɖe fia amewo tso dzi me faa alea ʋãa wo be woaɖo to nya nyuia eye wònyea “míaƒe Mawu ƒe dɔmetɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ” ɖeɖe fia le mɔ ɖedzesi aɖe nu.—Luka 1:78.

Nukpɔsusu Nyui Nenɔ Asiwò

14. Aleke míate ŋu aɖe Yehowa ƒe nɔnɔmewo afia le míaƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me?

14 Bubu wònye Yehowa de mía ŋu esi wòna tiatiawɔblɔɖe mí. Togbɔ be enye Mawu Ŋusẽkatãtɔ hã la, mezia ame aɖeke dzi be wòasu ye o, ke boŋ eƒe lɔlɔ̃ ye ʋãa amewo wodina be yewoasubɔe, eye wòyraa ame siwo kpɔa ŋudzedze ɖe eƒe nunana wɔnukuwo ŋu. (Rom. 2:4) Esi míenye esubɔlawo ta la, ele be míasu te agblɔ nya nyui la na amewo le mɔ si ade bubu mía Mawu nublanuikpɔla la ŋu nu ɣesiaɣi. (2 Kor. 5:20, 21; 6:3-6) Esia tae wòhiã be nukpɔsusu nyui nanɔ míasi ɖe ame siwo míedoa goe le míaƒe anyigbamama me ŋu ɣesiaɣi ɖo. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míaɖo taɖodzinu sia gbɔ?

15. (a) Nu kae Yesu gblɔ na eyomedzelawo be woawɔ ne amewo meɖo to gbedeasia o? (b) Nu kae akpe ɖe mía ŋu míaƒe susu nanɔ ame siwo dze la didi ŋu?

15 Yesu ɖo aɖaŋu na eyomedzelawo be woagatsi dzi fũu akpa ne ame aɖewo gbe be yewomase gbedeasia o, ke boŋ woƒe susu nanɔ ame siwo dze la didi ŋu. (Mixlẽ Mateo 10:11-15.) Taɖodzinu siwo gbɔ anya ɖo bɔbɔe ɖoɖo na mía ɖokui akpe ɖe mía ŋu le go sia me. Nɔviŋutsu aɖe tsɔ eɖokui sɔ kple sikakula. Nya si wòlɔ̃a gbɔgblɔe nye, “Mele mɔ kpɔm be make ɖe sika aɖe ŋu egbea godoo.” Nɔviŋutsu bubu aɖe ɖe eƒe taɖodzinu gblɔ be: “Meɖoe be mado go ɖetsɔlemetɔ aɖe kwasiɖa ɖe sia ɖe eye matrɔ ayi aɖatu eƒe ɖetsɔleme ɖo le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe.” Gbeƒãɖela aɖewo dzea agbagba be ne anya wɔ la, yewoaxlẽ mawunyakpukpui ɖeka ya teti na aƒemenɔlaa. Taɖodzinu si gbɔ nàte ŋu aɖo kae nàɖo na ɖokuiwò?

16. Susu kawo tae wòle be míayi edzi anɔ gbeƒã ɖem?

16 Menye ale si amewo wɔ nu ɖe gbedeasia ŋu le míaƒe anyigbamama me ɖeɖe ko dzie míaƒe tso aƒe me yi aƒe me subɔsubɔdɔa ƒe dzidzedzekpɔkpɔ nɔ te ɖo o. Enye nyateƒe be gbeƒãɖeɖedɔa wɔa akpa vevi aɖe le dzianukwaretɔwo ƒe ɖeɖekpɔkpɔ me, gake egawɔa akpa vevi aɖe le taɖodzinu bubuwo hã gbɔ ɖoɖo me. Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa naa mɔnukpɔkpɔ mí be míaɖe míaƒe lɔlɔ̃ na Yehowa afia. (1 Yoh. 5:3) Enana míevona tso ʋufɔɖiɖi me. (Dɔw. 20:26, 27) Enyea nuxlɔ̃ame na ame mavɔ̃mawuwo be “[Mawu ƒe] ʋɔnudrɔ̃gaƒoƒo la ɖo.” (Nyaɖ. 14:6, 7) Ƒo wo katã ta la, míeto gbeƒãɖeɖe nya nyuia dzi le Yehowa ƒe ŋkɔ kafum le anyigba bliboa katã dzi. (Ps. 113:3) Eya ta amewo ɖaɖo to alo womeɖaɖo to o, ele be míayi edzi anɔ gbeƒã ɖem Fiaɖuƒegbedeasia. Vavãe, agbagba siwo katã míedzena le gbeƒãɖeɖe nya nyuia me la xɔ asi le Yehowa ŋkume ŋutɔ.—Rom. 10:13-15.

17. Eteƒe madidi o, nu kae amewo katã ava kpɔ adze sii godoo?

17 Togbɔ be ame geɖe ɖia gbɔ míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa egbea hã la, eteƒe madidi o woava kpɔ asixɔxɔ si le eŋu adze sii. (Mat. 24:37-39) Yehowa ka ɖe edzi na Xezekiel be ne ʋɔnudrɔ̃gbedeasi si wòɖe gbeƒãe la va va eme la, Israel vi dzeaglãawo “anyae be, nyagblɔɖila aɖe nɔ yewo dome kpɔ.” (Xez. 2:5) Nenema kee ne Mawu he eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ va fifi nuɖoanyia dzi la, amewo ava kpɔe adze sii kɔtɛ be Mawu vavã ɖeka, Yehowa, gbɔe gbedeasi si Yehowa Ðasefowo ɖea gbeƒãe le dutoƒo kple tso aƒe me yi aƒe me la tso, eye be eteƒenɔlawoe Ðasefoawo nye vavã. Mɔnukpɔkpɔ gã ka gbegbee nye esi wònye na mí be Yehowa ƒe ŋkɔ le mía ŋu eye míele gbeƒã ɖem eƒe gbedeasi le ɣeyiɣi vevi siawo me! Neva eme be, to eƒe kpekpeɖeŋu me la, míayi edzi anɔ akɔ kpem kple kuxi siwo le tso aƒe me yi aƒe me subɔsubɔdɔa me.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Aleke míawɔ ate ŋu aɖe gbeƒã dzinɔameƒotɔe?

• Nu kae akpe ɖe mía ŋu míate ŋu adze Biblia me dzeɖoɖowo gɔme le subɔsubɔdɔa wɔwɔ me?

• Aleke míawɔ aɖe ɖetsɔleme vavãtɔ afia amewo?

• Nu kae akpe ɖe mía ŋu be nukpɔsusu nyui nanɔ mía si ɖe ame siwo le míaƒe anyigbamama me ŋu?

[Biabiawo]

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 9]

Mɔ Aɖe Si Dzi Míato Adze Biblia Me Dzeɖoɖowo Gɔme

Egɔmedzedze:

▪ Ne èdo gbe na aƒemenɔlaa vɔ la, àte ŋu anae trakt aɖe ahagblɔ be, “Meva gbɔwò be míaɖo dze tso nya dedziƒoname si le trakt sia me ŋu.”

▪ Alo àte ŋu ana trakt aɖe aƒemenɔlaa ahagblɔ be, “Sasrãkpɔ kpui aɖe ko mewɔ be manya wò nukpɔsusu ku ɖe nya si le trakt sia dzi ŋu.”

Ne amea xɔ trakt la:

▪ Lala vie, eye nàbia nya aɖe si ƒe ŋuɖoɖo anɔ bɔbɔe lae tso trakt la ƒe tanya ŋu.

▪ Ðo to nyuie be nàte ŋu ase aƒemenɔlaa ƒe nukpɔsusuwo gɔme. Ðe ŋudzedzekpɔkpɔ fia ɖe nya siwo wòagblɔ ŋu.

Dzeɖoɖoa dzi yiyi:

▪ Xlẽ mawunyakpukpui ɖeka alo eve aɖewo, eye nàtrɔ asi le dzeɖoɖoa ŋu wòasɔ ɖe amea ƒe nuhiahiãwo kple nu siwo ŋu wòtsi dzi ɖo la nu.

▪ Ne amea ɖe ɖetsɔleme fia la, na agbalẽ aɖee, eye ne anya wɔ la, wɔ ale si míewɔa Biblia nusɔsrɔ̃ la fiae. Wɔ ɖoɖo kplii be yeagatrɔ ava egbɔ.