Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Da Sɔ Le Nu Siwo Nèdina Tso Ðokuiwò Si Me, Be Nàkpɔ Dzidzɔ

Da Sɔ Le Nu Siwo Nèdina Tso Ðokuiwò Si Me, Be Nàkpɔ Dzidzɔ

Da Sɔ Le Nu Siwo Nèdina Tso Ðokuiwò Si Me, Be Nàkpɔ Dzidzɔ

“MEGADO kpo nu ake!” Zi nenie nègblɔ nya sia tɔgbi kpɔ, le esi mète ŋu wɔ nane si nèɖo be yeawɔ o ta? Kristotɔ ɖetugbui aɖe si te vidzidzi ate ŋu ase le eɖokui me nenema, le esi nu siwo gbegbe wòle be wòawɔ le beléle na eƒe vidzĩea me te ɖeɖi eŋu, eye nu te ɖe edzi, le esi wòse le eɖokui me be yemete ŋu le ɣeyiɣi kpɔm ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu o ta. Le hehe si Kristotɔ bubu aɖe xɔ le ɖevime ta la, ate ŋu ase le eɖokui me be yeƒe agbagbadzedzewo meɖi naneke o ahabui be yemewɔa geɖe le hamea me o. Dzi ate ŋu aɖe le nɔvinyɔnu tsitsi aɖe hã ƒo, le esi megate ŋu le gome kpɔm le Kristotɔwo ƒe dɔwɔnawo me abe ale si wòwɔnɛ esime wònye ɖetugbui eye ŋusẽ geɖe nɔ eŋu ene o ta. Christiane, si ƒe ƒomegbanɔamedziwo meɖea mɔ nɛ wòawɔ subɔsubɔdɔ na Yehowa abe ale si wòdii ene o la, gblɔ be: “Nuƒo aɖe si woƒo tsɔ de dzi ƒo na nɔviwo ɖe mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ŋu ɖeɖe dzaa sese ɣeaɖewoɣi nana mefaa avi.”

Alekee míate ŋu awɔ akpe akɔ kple seselelãme siawo? Alekee Kristotɔ aɖewo wɔ te ŋu tu nukpɔsusu si da sɔ ɖo le nɔnɔme siwo me wole ŋu? Vi kawoe dadasɔ le nu siwo ame dina tso eɖokui si me ɖena?

Ðo Taɖodzinu Siwo Gbɔ Nàte Ŋu Aɖo La Na Ðokuiwò

Apostolo Paulo fia nu vevi si akpe ɖe mía ŋu míakpɔtɔ anɔ dzidzɔ kpɔm la mí esime wògblɔ be: “Dzi nedzɔ mi le Aƒetɔ la me ɖaasi. Megale egblɔm ake be: Dzi nedzɔ mi! Mina amewo katã nanyae be nugɔmeselawo mienye.” (Fp. 4:4, 5) Bene míakpɔ dzidzɔ kple dzidzeme le subɔsubɔdɔ si míewɔna na Mawu me la, ele be míada asɔ le nu siwo míedina tso mía ɖokui si me le ale si míaƒe ŋutetewo kple nɔnɔmewo ɖe mɔe nu. Ne míele hloloe tsom be míaɖo taɖodzinu siwo gbɔ míate ŋu aɖo o gbɔ godogodo la, ɖeko ɖeɖi ate mía ŋu dzodzro. Le go bubu me la, ele be míakpɔ nyuie be míagado kuvia mía ɖokui to nu siwo míesusu be míate ŋu awɔ o, evɔ ɖewohĩ míate ŋu awɔ wo hafi la tsɔtsɔ anɔ taflatsɛ dom ale be míado kpo geɖe wɔwɔ le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me o.

Aleke kee míaƒe nɔnɔmewo ɖale o, Yehowa di be míatsɔ míaƒe ŋutete katã—míaƒe luʋɔ blibo kple dzi blibo—asubɔ ye. (Kol. 3:23, 24) Ne míezãa míaƒe ŋutetewo katã tsɔ subɔa Yehowa o la, ke míele agbe nɔm ɖe adzɔgbe si míeɖe nɛ la nu o. (Rom. 12:1) Hekpe ɖe eŋu la, esia ana dzidzeme deto, dzidzɔ vavã, kple yayra bubu siwo dona tso subɔsubɔ tso luʋɔ blibo me me la nato mía ŋu.—Lod. 10:22.

Nya si gɔme woɖe le Biblia me be “nugɔmesese” la lɔ ameŋububu hã ɖe eme. Egɔmeɖeɖe tẽe ye nye “mɔɖeɖe ɖe nu ŋu.” (Yak. 3:17) Nya la ƒe gɔmesese fiana hã be mele be ame nadi nu si gbɔ eƒe ŋutete ŋu tso eɖokui si o. Eya ta ne míesea nu gɔme na mía ɖokuiwo la, míate ŋu atu nɔnɔme siwo me miele la ŋuti nukpɔsusu si da sɔ ɖo. Ðe esia wɔwɔ sesẽa? Esesẽna na ame ɖewo, togbɔ be wosea nu gɔme na ame bubuwo hã. Le kpɔɖeŋu me, ne ale si mía xɔlɔ̃ vevi aɖe le agbe nɔmee la ɖee fia be ɖeɖi le eŋu tem le esi wòle nu geɖe fũu akpa dim tso eɖokui si ta la, ɖe míadze agbagba akpe ɖe eŋu wòakpɔe be nunya le eme be yeawɔ tɔtrɔ le ale si yele agbe nɔmee ŋu oa? Nenema kee wòle be míawo ŋutɔ hã míasrɔ̃ ale si míate ŋu akpɔ nu siwo aɖee afia be míele nu siwo wu míaƒe ŋutete dim tso mía ɖokui si la adze sii.—Lod. 11:17.

Ne mía dzilawo nye ame siwo di nu geɖe fũu akpa tso mía si le míaƒe ɖevime la, ate ŋu asesẽ na mí ŋutɔ be nukpɔsusu si da sɔ nanɔ mía si le afi si míaƒe ŋutetewo se ɖo gome. Le ame aɖewo ƒe ɖevime la, wona wose le wo ɖokuiwo me be ele na yewo ɣesiaɣi be yewoawɔ dɔ geɖe alo yewoawɔ nuwo le mɔ nyuitɔ kekeake nu hafi yewo dzilawo nalɔ̃ yewo. Ne nenemae wònɔ le mía gome la, ate ŋu anɔ eme be nukpɔsusu masɔmasɔ va le mía si le ale si Yehowa bua míi ŋu. Yehowa lɔ̃a mí le ale si míesubɔnɛ tso dzi blibo me la ta. Mawu ƒe Nya la ka ɖe edzi na mí be Yehowa ‘nya míaƒe wɔwɔme, eɖoa ŋui be, kewɔ míenye.’ (Ps. 103:14) Enya afi si míaƒe ŋutetewo se ɖo eye wòlɔ̃a mí ne míesubɔnɛ dzonɔamemetɔe le míaƒe ŋutetewo nu. Nyanya be mía Mawu la mele abe dɔdzikpɔla si ƒe nya me sẽ kpaɖii ene o akpe ɖe mía ŋu míada asɔ le nu siwo míawo ŋutɔwo míedina tso mía ɖokui si me, le ɖekawɔwɔ me kple míaƒe ŋutetewo ƒe seɖoƒe.—Mixa 6:8.

Ke hã, esesẽna na ame aɖewo be woatu nukpɔsusu si da sɔ ƒe nɔnɔme sia ɖo. Ne aleae wòle le gowòme la, ɖe manyo be nàbia kpekpeɖeŋu tso Kristotɔ tsitsi aɖe si nya wò nyuie gbɔ oa? (Lod. 27:9) Le kpɔɖeŋu me, ɖe nèdi be yeasubɔ abe gbe sia gbe mɔɖela enea? Taɖodzinu nyui aɖee nye ema! Ðe wòle sesẽm na wò be nàɖo taɖodzinu ma gbɔa? Ðewohĩ èhiã kpekpeɖeŋu be nàɖe wò agbemenuwɔna aɖewo dzi akpɔtɔ. Alo xɔ̃wò Kristotɔ si dzi nèka ɖo ate ŋu adzro nu me kpli wò bene nàkpɔe ɖa be ɖe ƒomegbanɔamedzi siwo le dziwò fifia ate ŋu aɖe mɔ na wò nàwɔ mɔɖeɖedɔa mahã. Xɔ̃wòa akpe ɖe ŋuwò nànya ne ale si nèdi be yeadzi yeƒe subɔsubɔdɔa ɖe edzi la anya wɔ na wò fifia loo, alo ahiã be nàwɔ asitɔtrɔ aɖewo siwo akpe ɖe ŋuwò be nàte ŋu awɔ geɖe wu hã. Srɔ̃ŋutsu nye ame si dze nyuie akpe ɖe srɔ̃a ŋu bene wòate ŋu awɔ subɔsubɔdɔa le eƒe ŋutetewo nu. Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu aɖo aɖaŋu nɛ be wòaɖi ɖe eme nyuie do ŋgɔ hafi wòadzi eƒe subɔsubɔdɔa ɖe edzi le ɣleti si me woadze me. Esia ate ŋu ana ŋusẽ yeye naɖo eŋu eye ana wòakpɔ dzidzɔ geɖe wu le subɔsubɔdɔa wɔwɔ me.

De Dzesi Nu Siwo Nàte Ŋu Awɔ

Tsitsi alo lãmegbegblẽ ate ŋu aɖe nu si míate ŋu awɔ le Yehowa subɔsubɔ me la dzi akpɔtɔ. Ne dzilae nènye la, ɖewohĩ awɔ na wò be yemeɖea vi boo aɖeke tso ɖokuisinusɔsrɔ̃ alo Kristotɔwo ƒe kpekpewo me o, le esi viwòwo gbɔ kpɔkpɔ xɔa ŋusẽ kple ɣeyiɣi geɖe le asiwò ta. Gake ɖe wòanɔ eme be afi si wò ŋutetewo se ɖo ŋu bubu fũu akpa wɔe be mète ŋu kpɔa dɔ siwo wò nɔnɔmea aɖe mɔ nàte ŋu awɔ la dzea sii oa?

Ƒe akpe geɖewoe nye esia la, Lewitɔ aɖe di be mɔnukpɔkpɔ aɖe si mate ŋu asu esi gbeɖe o la nasu ye si. Mɔnukpɔkpɔ su esi wòsubɔna kwasiɖa eve ƒe sia ƒe le gbedoxɔa me. Gake edi vevie be yeanɔ subɔsubɔm le vɔsamlekpuia gbɔ ɣeawokatãɣi. (Ps. 84:2-4) Nu kae kpe ɖe Mawu subɔla wɔnuteƒe sia ŋu wòkpɔ ŋudzedze ɖe subɔsubɔ mɔnukpɔkpɔ si le esi ŋu? Ekpɔe dze sii be subɔsubɔ le gbedoxɔa ƒe xɔxɔnuwo ŋkeke ɖeka pɛ gɔ̃ hã nye mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ. (Ps. 84:5, 6, 11) Nenema kee le esi míanɔ nu siwo míate ŋu awɔ o ŋu bum teƒe la, ele be míadze agbagba ade dzesi nu siwo míaƒe nɔnɔmeawo aɖe mɔ na mí míate ŋu awɔ la eye míakpɔ ŋudzedze ɖe wo wɔwɔ ŋu.

Le kpɔɖeŋu ŋu me, bu Nerlande, Kristotɔ nyɔnu aɖe si le Canada ŋu kpɔ. Eva tsi bunɔkeke me eye wòse le eɖokui me be yemegate ŋu wɔa geɖe le subɔsubɔdɔa me o. Gake eva trɔ eƒe nukpɔsusu eye wòva bu fiase gã aɖe si medidi tso egbɔ o be enye yeƒe anyigbamama si me yeaɖe gbeƒã le. Eɖe nu me be: “Menɔa anyi ɖe nye bunɔkekea me le bentsi aɖe si le fiasea me xa. Ðaseɖiɖi na ame siwo va nɔa anyi ɖe bentsia dzi be yewoaɖi ɖe eme vie doa dzidzɔ nam ŋutɔ.” Gomekpɔkpɔ le subɔsubɔdɔa me alea na dzidzeme gã aɖe Nerlande.

Wɔ Tɔtrɔwo Ne Ehiã

Tɔdziʋu aɖe ate ŋu anɔ du dzi sesĩe esime ya le eƒe abalawo me ɖom. Gake ne ahom sesẽ aɖe va kpe tɔdziʋua la, ʋua kulaa atrɔ asi le ale si wòtsi abalawoe la ŋu godoo. Mekpɔ ŋusẽ aɖeke ɖe ahom la dzi o, gake ne etrɔ asi le abalaawo ŋu la, ate ŋu ayi edzi anɔ mɔ fiam eƒe tɔdziʋua. Nenema kee míawo hã míekpɔa ŋusẽ aɖeke ɖe nɔnɔme sesẽ siwo le abe ahom ene, siwo míedoa goe le agbe me la dzi o. Gake míate ŋu ayi edzi anɔ nu si míate ŋui la wɔm ne míewɔa asitɔtrɔ le ale si míewɔa míaƒe ŋusẽ, tamebubu, kple seselelãme ŋutetewo ŋu dɔe ŋu. Ne míebu ale si nɔnɔmeawo le na mí fifia ŋu la, akpe ɖe mía ŋu míawɔ nu siwo ana míakpɔtɔ anɔ dzidzɔ kpɔm eye míaƒe dzi nadze eme le Mawu subɔsubɔ me.—Lod. 11:2.

Bu kpɔɖeŋu siwo gbɔna ŋu kpɔ. Ne lãmesẽ boo mele mía ŋu o la, anyo be míaƒo asa na dɔ sesẽwo wɔwɔ le ŋkeke ƒe gɔmedzedze bene ŋusẽ nakpɔtɔ anɔ mía ŋu míate ŋu ade Kristotɔwo ƒe kpekpewo le fiẽ me. Esia awɔe be míana hadede kple mía nɔvi Kristotɔwo naɖe vi na mí bliboe. Alo ne vidada aɖe mate ŋu akpɔ gome le tso aƒe me yi aƒe me gbeƒãɖeɖedɔa me o le esi via ƒe lãme gblẽ ta la, ate ŋu akpe nɔvinyɔnu Kristotɔ aɖe va eƒe me be woakpɔ gome le ɖaseɖiɖi na amewo to telefon dzi me ɖekae esime via le alɔ̃ dɔm.

Ke ne wò nɔnɔmeawo meɖe mɔ na wò be nàsrɔ̃ nu siwo katã me woadzro le hamea ƒe kpekpewo me do ŋgɔ o ya ɖe? Àte ŋu atia esiwo nàte ŋu asrɔ̃ eye nàsrɔ̃ wo nyuie ale si nàte ŋui. Ne míewɔ asitɔtrɔ le míaƒe taɖodzinuwo ŋu la, dzo akpɔtɔ anɔ mía me eye míanɔ dzidzɔ kpɔm.

Asitɔtrɔwɔwɔ le míaƒe taɖodzinuwo ŋu bia tameɖoɖo kplikpaa kple agbagbadzedze geɖe. Enɔ na Serge kple Agnès, siwo nye atsu kple asi aɖe le France la, be woawɔ tɔtrɔ gã aɖe le woƒe agbe me taɖodzinuwo gome. Serge gblɔ be: “Esi míeva nya be Agnès fɔ fu la, míekpɔe be míagate ŋu azu dutanyanyuigblɔlawo abe ale si míeɖoe le gɔmedzedzea me ene o.” Serge, si si vinyɔnuvi eve le fifia la ɖe ale si woa kple srɔ̃a wogbugbɔ ɖo taɖodzinu bubu na wo ɖokui la me be: “Esi míete ŋu yi ɖale subɔsubɔm le duta o la, míeɖoe be míazu abe dutanyanyuigblɔlawo ene le mía ŋutɔ mía de. Míeɖawɔ ɖeka kple dutagbedolawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe.” Ðe wokpɔ viɖe tso woƒe taɖodzinu sia si wogbugbɔ ɖo na wo ɖokui mea? Serge gblɔ be: “Míese le mía ɖokui me be míele akpa vevi aɖe wɔm le hamea me.”

Odile nye nɔvinyɔnu aɖe si le France, si le eƒe ƒe 70-awo me, eye kpeƒetete ŋuɖui ɖea fu na eƒe klowo, si na be mete ŋu tɔna ɖe tsitre nu hena ɣeyiɣi didi o. Ete ɖe edzi ŋutɔ be yeƒe klowo ƒe fuɖenamea xe mɔ na ye be yemete ŋu le gome kpɔm le tso aƒe me yi aƒe me subɔsubɔdɔa me o. Ke hã, mena ta o. Ewɔ asitɔtrɔ hetrɔ ɖe telefon dzi ɖaseɖiɖi mɔnu zazã ŋu. Egblɔ be: “Ele bɔbɔe eye wòdoa dzidzɔ na ame wu ale si mesusui!” Asitɔtrɔ sia si wòwɔ le gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ me na dzo yeye gaɖo eme ɖe subɔsubɔdɔa ŋu.

Dadasɔ Le Nu Siwo Míedina Tso Mía Ðokui Si Me Hea Yayrawo Vae

Ne nukpɔsusu si da sɔ le mía si le nu siwo míate ŋu awɔ gome la, míate ŋu aƒo asa na nuteɖeamedzi geɖewo. Ne míeɖoa taɖodzinu siwo gbɔ míate ŋu aɖo bɔbɔe na mía ɖokuiwo la, míase le mía ɖokui me be míele míatɔ si nua wɔm, metsɔ le afi si míaƒe ŋutetewo se ɖo me o. Esia wɔnɛ be míekpɔa dzidzɔ ɖe nu si míete ŋu wɔna ŋu, ne ele ʋɛ hã.—Gal. 6:4.

Ne míedana sɔna le nu siwo míedina tso mía ɖokuiwo si me la, awɔe be míate ŋu aɖe ameŋububu afia mía nɔvi Kristotɔwo geɖe wu. Ne afi si woƒe ŋutetewo se ɖo le nyanya na mí la, awɔe be míakpɔ ŋudzedze ɖe nu siwo wowɔna na mí la ŋu ɣesiaɣi. Ne míeɖea ŋudzedzekpɔkpɔ fiana ɖe kpekpeɖeŋu ɖe sia ɖe si wonana mí ŋu la, anye nuwɔwɔ aduadu kple nugɔmesese na ame nɔewo ƒe gbɔgbɔ dodo ɖe ŋgɔ le hamea me. (1 Pet. 3:8) Ðo ŋku edzi be, abe Fofo lɔ̃ame ene la, Yehowa mebiaa nu si gbɔ míaƒe ŋutetewo ŋu tso mía si gbeɖe o. Eya ta ne míeda sɔ le nu siwo míedina tso mía ɖokui si kple taɖodzinu siwo míeɖona na mía ɖokuiwo gome la, subɔsubɔdɔ siwo míewɔna na Yehowa ahe dzidzeme kple dzidzɔ geɖe vae na mí godoo.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 29]

Bene míakpɔ dzidzɔ kple dzidzeme le subɔsubɔdɔ si míewɔna na Mawu me la, ele be míada asɔ le nu siwo míedina tso mía ɖokui si me le ale si míaƒe ŋutetewo kple nɔnɔmewo ɖe mɔe nu

[Nɔnɔmetata si le axa 30]

Nerlande kpɔa dzidzɔ le nu si wòate ŋu awɔ le subɔsubɔdɔa me la wɔwɔ me

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Srɔ̃ ale si “nàtrɔ asi le abalaawo ŋu”

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

© Wave Royalty Free/age fotostock

[Nɔnɔmetata si le axa 32]

Taɖodzinu si Serge kple Agnès gbugbɔ ɖo na wo ɖokui la ɖe vi na wo