Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mènya Kae Le Wɔwɔ Ge O!

Mènya Kae Le Wɔwɔ Ge O!

Mènya Kae Le Wɔwɔ Ge O!

“Ƒã wò nukuwo le ŋdi, eye mègadzudzɔ le ɣetrɔ me o; elabena mènya kae le wɔwɔ ge o.”—NYAGB. 11:6.

1. Nu ka tae ale si nuku tsinae la teƒe kpɔkpɔ wɔa nuku henana míebɔbɔa mía ɖokui?

ELE na agbledela be wòalala dzigbɔɖitɔe. (Yak. 5:7) Ne eƒã nukuwo vɔ la, ehiã be wòalala ahakpɔ nukuawo ƒe miemie kple woƒe tsitsi si nu. Vivivi, ne nɔnɔmeawo sɔ nyuie la, nukuawo tea nudodo ɖa. Wotsina va zua nu miemie, emegbe ta si ŋu kutsetsea ava nɔ la dona. Mlɔeba, nukuawo va wɔna hesɔa gbe hena ŋeŋe. Aleke gbegbe nuku ƒe tsitsi nukutɔe teƒe kpɔkpɔ wɔa nukui nye esi! Aleke gbegbe Ame si naa nukua tsina nyanya naa míebɔbɔa mía ɖokuii nye esi! Míate ŋu ado nuku; eye míate ŋu akpe asi ɖe tsidedee hã ŋu. Gake Mawu koe ate ŋu ana wòatsi.—Tsɔe sɔ kple 1 Korintotɔwo 3:6.

2. Nu vevi kawoe Yesu fia tso ale si ame siwo sea nya la wɔna va zua nusrɔ̃lawoe ŋu le kpɔɖeŋu siwo me míedzro le nyati si do ŋgɔ me la me?

2 Abe ale si míedzro eme le nyati si do ŋgɔ mee ene la, Yesu tsɔ Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa sɔ kple agbledela aɖe si le nuku wum. Le anyigba vovovowo ŋuti kpɔɖeŋua me la, Yesu te gbe ɖe edzi be togbɔ be nuku nyui ye nukuwulaa wu hã la, ame ŋutɔ ƒe dzi ƒe nɔnɔme gbɔe wòatso be nukua natsi loo, alo matsi o. (Mar. 4:3-9) Le nukuwula si dɔa alɔ̃ ŋuti kpɔɖeŋua me la, Yesu te gbe ɖe edzi be nukuwulaa mesea ale si nukua wɔna tsina la gɔme tututu o. Nu si tae nye be Mawue nana nukua tsina, ke menye amegbetɔe o. (Mar. 4:26-29) Azɔ mina míagadzro Yesu ƒe kpɔɖeŋu etɔ̃ bubuwo, siwo ku ɖe atiku sue aɖe, amɔwɔʋãnu, kple ɖɔ ŋu la, me kpɔ. *

Atiku Sue Ŋuti Kpɔɖeŋu La

3, 4. Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa ƒe akpa kawo dzie atiku sue ŋuti kpɔɖeŋua te gbe ɖo?

3 Atiku sue ŋuti kpɔɖeŋu si hã dze le Marko ta 4 lia me la te gbe ɖe nu eve dzi: gbã la, Fiaɖuƒegbeɖeɖedɔa ƒe takeke nukutɔe; evelia, ale si wokpɔa ame siwo xɔa gbedeasia tae. Yesu gblɔ be: “Nu kae míatsɔ Mawu fiaɖuƒe la asɔ kplii, alo kpɔɖeŋu kae míawɔ tso eŋu? Esɔ kple atiku sue aɖe, si nye anyigba dzi nuku suetɔ kekeake le ɣeyiɣi si me woƒãe ɖe anyigba me—ke ne woƒãe la, emiena, eye wòva lolona wu abɔ me numiemiewo katã, eye wòɖea alɔ gãwo, ale be dziƒoxewo tea ŋu nɔa eƒe vɔvɔli te.”—Mar. 4:30-32.

4 Le afi sia la, míekpɔe be “Mawu fiaɖuƒe la” ƒe takeke ŋue Yesu wɔ kpɔɖeŋua tso, abe ale si Fiaɖuƒedɔa kpakple Kristo hamea ƒe takeke tso ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi ɖee fia ene. Atiku si ŋu Yesu ƒo nu tso la le nyaŋui ale gbegbe be woate ŋu atsɔe awɔ kpɔɖeŋu na nane si le sue ŋutɔ. (Tsɔe sɔ kple Luka 17:6.) Gake mlɔeba la, atiku sia te ŋu tsina hekɔna meta 3 va se ɖe 5, eye wòdzea alɔ siwo ŋu ŋusẽ nɔna, si wɔe be wòva nɔna abe ati ene.—Mat. 13:31, 32.

5. Aleke ƒe alafa gbãtɔ me Kristo hamea dzi ɖe edzii?

5 Ðeko Kristo hamea dze egɔme le mɔ sue aɖe nu le ƒe 33 M.Ŋ. me, esime wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na nusrɔ̃la 120 aɖewo. Mede ɣeyiɣi aɖeke hafi nusrɔ̃lawo ƒe hame nyaŋui ma me va yɔ fũu kple xɔsetɔ akpe nanewo o. (Mixlẽ Dɔwɔwɔwo 2:41; 4:4; 5:28; 6:7; 12:24; 19:20.) Le ƒe 30 siwo kplɔe ɖo me la, nuŋelawo ƒe xexlẽme va dzi ɖe edzi ale gbegbe be apostolo Paulo te ŋu gblɔ ɖo ɖe hame si nɔ Kolose la be “woɖe gbeƒã [nya nyuia] na nuwɔwɔ siwo katã le dziƒoa te.” (Kol. 1:23) Dzidziɖedzi wɔnuku ka gbegbee nye esi!

6, 7. (a) Dzidziɖedzi kae va tso ƒe 1914 me? (b) Dzidziɖedzi gã kae gale ŋgɔ gbɔna?

6 Tso esime woɖo Mawu Fiaɖuƒea anyi le ƒe 1914 me la, atiku sue si va zu “ati” la ƒe alɔdzewo vu le mɔ aɖe si ame aɖeke menɔ mɔ kpɔm na o nu. Mawu subɔlawo kpɔa Yesaya ƒe nyagblɔɖi sia me vava dzea sii kɔtɛ be: “Ame suewo azu akpe, eye ame ʋɛwo azu dukɔ sesẽ.” (Yes. 60:22) Meva susu me na amesiamina ʋɛ siwo nɔ Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa wɔm le ƒe alafa 20 lia ƒe gɔmedzedze lɔƒo la kpɔ gbeɖe be kaka ƒe 2008 naɖo la, Ðasefo miliɔn adre kloe ava nɔ dɔ sia wɔm le dukɔ siwo wu 230 me o. Aleke gbegbee dzidziɖedzi wɔnuku sia sɔ kple atiku sue si ŋu Yesu ƒo nu tso le eƒe kpɔɖeŋua me ƒe tsitsi enye esi!

7 Gake ɖe dzidziɖedzia ase ɖe afi sia? Ao. Mawu Fiaɖuƒea teviwo ava sɔ gbɔ axɔ anyigba la katã dzi mlɔeba. Woaɖe tsitretsiɖeŋulawo katã ɖa keŋkeŋ. Esia mava eme to amegbetɔwo ƒe ŋusẽ me o, ke boŋ to Aƒetɔ Dziɖulagã, Yehowa, ƒe nudede anyigbadzinyawo me dzi. (Mixlẽ Daniel 2:34, 35.) Ɣemaɣi míakpɔ nyagblɔɖi bubu aɖe si Yesaya ŋlɔ ɖi la me vava teƒe, be: ‘Sidzedze Yehowa axɔ anyigba la dzi, abe ale si tsi yɔ atsiaƒu me ene.’—Yes. 11:9.

8. (a) Ame kawoe xevi siwo le Yesu ƒe kpɔɖeŋua me le tsitre ɖi na? (b) Nu kawo mee wokpɔa mía ta le fifia kura gɔ̃ hã?

8 Yesu gblɔ be dziƒoxewo tea ŋu nɔa Fiaɖuƒe sia ƒe vɔvɔli te. Menye Fiaɖuƒea ƒe futɔ siwo te kpɔ be yewoafɔ nuku nyuiawo ami lae xevi siawo le tsitre ɖi na, abe ale si wònɔ le xevi siwo ŋu wòƒo nu tso le nukuwula si ƒe nukuwo dze anyigba vovovowo dzi la ƒe kpɔɖeŋua me ene o. (Mar. 4:4) Ke boŋ le kpɔɖeŋu sia me la, xeviawo le tsitre ɖi na dzinyuitɔ siwo va le Kristo hamea me bene yewoanɔ dedie. Fifia kura gɔ̃ hã la, wokpɔa ame siawo ta tso gbɔgbɔmeɖiƒoamenuwo kple nuwɔna makɔmakɔ siwo xɔ aƒe ɖe xexe vɔ̃ɖi sia me la me. (Tsɔe sɔ kple Yesaya 32:1, 2.) Yehowa hã tsɔ Mesia Fiaɖuƒea sɔ kple ati esime wògblɔ nya ɖi be: “Israel ƒe to kɔkɔ dzi madoe ɖo, adze alɔ, atse ku, eye wòazu sederti nyui aɖe, eye xevi ƒomevi vovovowo katã anɔ ete, eƒe alɔwo ƒe vɔvɔli te woanɔ.”—Xez. 17:23.

Amɔwɔʋãnu Ŋuti Kpɔɖeŋu La

9, 10. (a) Nu vevi ka dzie Yesu te gbe ɖo le amɔwɔʋãnu ŋuti kpɔɖeŋua me? (b) Le Biblia me la, nu kae wotsɔa amɔwɔʋãnu wɔa kpɔɖeŋu na zi geɖe, eye biabia kae fɔ ɖe te ku ɖe ale si Yesu zã amɔwɔʋãnu ŋu, si me míava dzro?

9 Menye ɣesiaɣie nane ƒe tsitsi dzena amegbetɔwo kpɔna o. Yesu te gbe ɖe esia dzi le eƒe kpɔɖeŋu bubu me. Egblɔ be: “Dziƒofiaɖuƒe la le abe amɔwɔʋãnu si nyɔnu aɖe tsɔ de amɔwɔ dzidzenu gã teƒe etɔ̃ me la ene, va se ɖe esime amɔwɔ bliboa ʋã.” (Mat. 13:33) Nu kae amɔwɔʋãnu sia le tsitre ɖi na, eye alekee wòdo ƒome kple Fiaɖuƒea ƒe takeke?

10 Le Biblia me la, wotsɔa amɔwɔʋãnu wɔa kpɔɖeŋu na nu vɔ̃ zi geɖe. Apostolo Paulo zã amɔwɔʋãnu le mɔ ma nu esime wònɔ nu ƒom tso ŋusẽ gbegblẽ si nu vɔ̃ wɔla aɖe si nɔ hame si nɔ blema Korinto me ate ŋu akpɔ ɖe hamea dzi ŋu. (1 Kor. 5:6-8) Ke nu gbegblẽ aɖe ƒe dzidziɖedzie Yesu hã tsɔ amɔwɔʋãnua le kpɔɖeŋu wɔm na?

11. Alekee wozã amɔwɔʋãnu le blema Israel?

11 Hafi míaɖo biabia ma ŋu la, ehiã be míade dzesi nyateƒenya vevi etɔ̃ aɖewo. Gbãtɔae nye be, togbɔ be Yehowa meɖe mɔ be woazã amɔwɔʋãnu le Ŋutitotoŋkekenyuiɖuɣi o hã la, le ɣebubuɣiwo la, eɖe mɔ wozã amɔwɔʋãnu le vɔsa aɖewo me. Wozã amɔwɔʋãnu le akpedavɔsawo, siwo ame si tsɔa nunanaa vanɛ la tsɔ daa akpe na Yehowa ɖe eƒe yayra gbogboawo ta la, me. Gomekpɔkpɔ le akpedavɔsa sia ɖuɖu me nyea dzidzɔ sɔŋ.—3 Mose 7:11-15.

12. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ale si Biblia zãa nya ɖeka tsɔ wɔa kpɔɖeŋu na nu vovovowoe la me?

12 Evelia, togbɔ be woate ŋu azã nane atsɔ awɔ kpɔɖeŋu na nu gbegblẽ le Ŋɔŋlɔawo me ɣeaɖeɣi hã la, woagate ŋu azã nu ma ke atsɔ awɔ kpɔɖeŋu na nu nyui ɣebubuɣi. Le kpɔɖeŋu me, le 1 Petro 5:8 la, wotsɔ Satana sɔ kple dzata, tsɔ ɖe ale si wòvɔ̃ɖi hesẽa ŋutae la fia. Gake le Nyaɖeɖefia 5:5 la, wotsɔ Yesu hã sɔ kple dzata—“Dzata si tso Yuda toa me.” Gake le Yesu ya gome la, ɖe wotsɔe sɔ kple dzata wònye kpɔɖeŋu na dzɔdzɔenyenye ɖeɖe fia dzinɔameƒotɔe.

13. Nu kae Yesu ƒe amɔwɔʋãnu ŋuti kpɔɖeŋua ɖe fia tso ale si wòdzɔna be ame va zua Kristo ƒe nusrɔ̃lae ŋu?

13 Etɔ̃lia, le Yesu ƒe amɔwɔʋãnu ŋuti kpɔɖeŋua me la, megblɔ be amɔwɔʋãnu la na amɔwɔ bliboa katã dome gblẽ o. Ale si wotrɔa asi le amɔwɔ ŋu hafi tsɔ mea aboloe ŋu koe wònɔ nu ƒom tso. Nyɔnu la ŋutɔe tsɔ amɔwɔʋãnua de amɔwɔa me, eye nu nyui ye do tso eme. Etsɔ amɔwɔʋãnu la de amɔwɔ bliboa me. Eya ta nyɔnua ya mekpɔ ale si tututu amɔwɔ bliboa wɔ va zu amɔwɔ ʋaʋã o. Esia na míeɖo ŋku ŋutsu si wu nuku eye wòdɔa alɔ̃ le zã me la dzi. Yesu gblɔ be “nuku la miena hetsina, gake ale si tututu wòdzɔna ya la, menyana o.” (Mar. 4:27) Ale si wòdzɔna vivivi be ame va zua Kristo ƒe nusrɔ̃la le mɔ si medzena gaglã o nu ƒe kpɔɖeŋu bɔbɔe kae nye esi! Míedea dzesi esia le gɔmedzedzea me o, gake míeva kpɔa emetsonua kɔtɛ mlɔeba.

14. Fiaɖuƒedɔa ƒe akpa kae nyateƒe si wònye be amɔwɔʋãnua na amɔwɔ bliboa katã ʋã la nye kpɔɖeŋu na?

14 Tsitsi sia si amegbetɔwo mekpɔna dzea sii le gɔmedzedzea me o la nye nu si le edzi yim le xexe bliboa katã me. Esia nye nu bubu si dzi Yesu te gbe ɖo le eƒe amɔwɔʋãnu ŋuti kpɔɖeŋua me. Amɔwɔʋãnu la na amɔwɔ blibo la, eƒe “dzidzenu gã teƒe etɔ̃” la katã, ʋã. (Luka 13:21) Abe amɔwɔʋãnu ene la, Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔ si na nusrɔ̃lawo le dzidzim ɖe edzi la keke ta ale gbegbe be wole gbeƒã ɖem Fiaɖuƒea fifia le keke “anyigba ƒe seƒe ke.” (Dɔw. 1:8; Mat. 24:14) Mɔnukpɔkpɔ wɔnuku kae nye esi be míele gome kpɔm le Fiaɖuƒedɔa ƒe takeke gã sia me!

Ðɔ La

15, 16. (a) Gblɔ ɖɔ ŋuti kpɔɖeŋua me nyawo kpuie. (b) Nu kae ɖɔ la le tsitre ɖi na, eye Fiaɖuƒedɔa ƒe takeke ƒe akpa ka dzie kpɔɖeŋu sia he susu yi?

15 Menye ame siwo gblɔna be Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃lawoe yewonye ƒe xexlẽmee le vevie o, ke nɔnɔme si anɔ wo si lae. Yesu he susu yi Fiaɖuƒedɔa ƒe takeke ƒe akpa sia dzi le kpɔɖeŋu bubu aɖe me, si nye ɖɔ ŋuti kpɔɖeŋua. Egblɔ be: “Dziƒofiaɖuƒe la gale abe ɖɔ aɖe si woɖi ɖe ƒu me, si ɖea tɔmelã ɖe sia ɖe ƒomevi la ene.”—Mat. 13:47.

16 Ðɔ la, si le tsitre ɖi na Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa la, ɖea tɔmelã ɖe sia ɖe ƒomevi. Yesu yi edzi gblɔ be: “Esi [ɖɔ la yɔ] la, wohee va ƒua ta, eye esi wonɔ anyi la, woƒo nyuiawo nu ƒu ɖe nuwo me, gake wotsɔ manyomanyoawo ya ƒu gbe. Nenemae wòanɔ le nuɖoanyia ƒe nuwuɣi: mawudɔlawo ado go, eye woama ame vɔ̃ɖiwo ɖa tso ame dzɔdzɔewo ŋu, eye woatsɔ wo aƒu gbe ɖe dzokpo si me dzo le la me. Afi mae woƒe avifafa kple aɖukliɖuɖu anɔ.”—Mat. 13:48-50.

17. Ɣeyiɣi ka ŋue amewo me mama si ŋuti woƒo nu tso le ɖɔ ŋuti kpɔɖeŋua me ku ɖo?

17 Ʋɔnu mamlɛ si Yesu gblɔ be yeava drɔ̃ alẽwo kple gbɔ̃wo ne yeva le yeƒe ŋutikɔkɔe me la ŋue amewo me mama sia ku ɖoa? (Mat. 25:31-33) Ao. Ʋɔnudɔdrɔ̃ mamlɛ ma ava eme ne Yesu va le xaxa gã la me. Gake amewo me mama si ŋu wòƒo nu tso le ɖɔ ŋuti kpɔɖeŋua me ya ayi edzi le “nuɖoanyia ƒe nuwuɣi.” * Esiae nye ɣeyiɣi si me míele fifia—ŋkeke siwo ava wu enu kple xaxa gã la. Ekema alekee amewo me mama dɔ sia le edzi yim fifia?

18, 19. (a) Alekee wole amewo me mama dɔ aɖe wɔm fifi laa? (b) Afɔ kae wòle na dzianukwaretɔwo be woaɖe? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa si le axa 21 hã.)

18 Kpɔɖeŋu tɔmelã miliɔn geɖewo le dodom tso ameƒomea ƒe atsiaƒu la me va le ha dem kple Yehowa ƒe amewo ƒe hamea egbea. Wo dometɔ aɖewo dea Ŋkuɖodzia, ɖewo hã dea míaƒe kpekpewo, eye bubuwo hã lɔ̃ faa míele Biblia srɔ̃m kpli wo. Gake ame siawo katãe va zua Kristotɔ vavãwoa? Woate ŋu ‘ahe wo katã va ƒua ta,’ gake Yesu gblɔ be “nyuiawo” nu ko woƒoa ƒu ɖe nuwo, si le tsitre ɖi na Kristotɔwo ƒe hamewo la, me. Gake wotsɔa manyomanyoawo ya ƒua gbe, eye woava tsɔ wo ade dzokpo me mlɔeba, si le tsitre ɖi na tsɔtsrɔ̃ si le wo lalam.

19 Abe ale si wòle le tɔmelã manyomanyoawo gome ene la, ame geɖe siwo Yehowa Ðasefowo srɔ̃a Biblia kpli la va dzudzɔ esɔsrɔ̃. Ðevi aɖewo siwo wodzi le Kristotɔwo ƒe ƒomewo me la medi ŋutɔŋutɔ gbeɖe be yewoava zu Yesu ƒe afɔɖoƒe yome dzelawo o. Womedi be yewoatso nya me be yewoasubɔ Yehowa o, alo wonɔ esubɔm tsã gake wova dzudzɔ. * (Xez. 33:32, 33) Gake ele vevie ŋutɔ be dzianukwaretɔwo naɖe mɔ woaƒo wo nu ƒu ɖe hame siwo le abe nugowo ene la me hafi ʋɔnudrɔ̃ŋkeke mamlɛa naɖo eye woakpɔtɔ anɔ dedienɔƒe.

20, 21. (a) Nu kawoe míesrɔ̃ tso Yesu ƒe kpɔɖeŋuawo me dzodzro me? (b) Nu kae nèɖo kplikpaa be yeawɔ?

20 Nu kawoe míesrɔ̃ tso Yesu ƒe kpɔɖeŋuawo me dzodzro kpuie alea me? Gbãtɔ, abe ale si wòle le atiku sue la ƒe tsitsi gome ene la, ame siwo va le ɖe tsɔm le Fiaɖuƒegbedeasia me le anyigba dzi la le dzidzim ɖe edzi ale gbegbe. Naneke mate ŋu axe mɔ na Yehowa ƒe dɔa ƒe takeke o! (Yes. 54:17) Gakpe ɖe eŋu la, wonaa gbɔgbɔmetakpɔkpɔ ame siwo ‘va nɔa atia ƒe vɔvɔli te.’ Evelia, Mawue nana wòtsina. Abe ale si wòle le amɔwɔʋãnu si wotsɔ ɣla ɖe amɔwɔ blibo la me gome ene la, míedea dzesi ale si ame wɔna va zua nusrɔ̃lawo la le gɔmedzedzea me alo sea egɔme o, gake esia le dzɔdzɔm! Etɔ̃lia, menye ame siwo katã ɖo to gbedeasiae ɖenɛ fiana be kpɔɖeŋu tɔmelã nyuiwoe yewonye o. Wo dometɔ aɖewo ɖenɛ fiana be yewole abe tɔmelã manyomanyo siwo le Yesu ƒe kpɔɖeŋua me ene.

21 Gake aleke wòdea dzi ƒoe nye esi be míakpɔe be Yehowa le ame siwo le abe tɔmelã nyuiwo ene la hem va eɖokui gbɔ! (Yoh. 6:44) Esia na dzidziɖedzi wɔnuku aɖe le eme vam le dukɔ geɖe me. Ele be dzidziɖedzi siawo ŋuti kafukafua katã nayi na Yehowa Mawu. Ele be esia teƒe kpɔkpɔ naʋã mí katã be míawɔ ɖe nuxlɔ̃amenya sia si woŋlɔ ƒe alafa geɖewoe nye esia dzi be, “Ƒã wò nukuwo le ŋdi . . . , elabena mènya kae le wɔwɔ ge o, eɖanye esi alo ekemɛ alo woa kple eve lae le nyonyo ge o.”—Nyagb. 11:6.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 2 Numeɖeɖe siwo gbɔna nye asitɔtrɔ siwo wowɔ le ale si woɖe wo me tsã le June 15, 1992 ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 17-22, kple October 1, 1975 ƒe Yevugbe me tɔ ƒe axa 589-608 me la ŋu.

^ mm. 17 Togbɔ be Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa ƒe akpa bubu ŋue Mateo 13:39-43 ku ɖo hã la, woa kple ɖɔ ŋuti kpɔɖeŋua siaa le eme vam le ɣeyiɣi ɖeka me, si nye, “nuɖoanyia ƒe nuwuɣi.” Kpɔɖeŋu tɔmelãwo me mama nye nu si le edzi yim abe ale si ko nukuwuwu kple nuŋeŋe dɔa hã le edzi yim le ɣeyiɣi siawo me ene.—Gbetakpɔxɔ, October 15, 2000, axa 25-26; Subɔ Mawu Vavã Ðeka Kolia La, axa 178-181, memama 8-11.

^ mm. 19 Ðe esia fia be ame ɖe sia ɖe si dzudzɔ nusɔsrɔ̃ alo dzudzɔ hadede kple Yehowa ƒe amewo la le abe tɔmelã manyomanyo siwo mawudɔlawo tsɔ ƒu gbe la enea? Ao! Ne wo dometɔ aɖe di tso dzi blibo me be yeazu Yehowa tɔ la, axɔe atuu.—Mal. 3:7.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Nu kae Yesu ƒe atiku sue ŋuti kpɔɖeŋua fia mí tso Fiaɖuƒedɔa ƒe takeke kple gbɔgbɔmetakpɔkpɔ ŋu?

• Nu kae amɔwɔʋãnu si le Yesu ƒe kpɔɖeŋua me la le tsitre ɖi na, eye Fiaɖuƒedɔa ƒe takeke ŋuti nyateƒe ka dzie Yesu te gbe ɖo?

• Fiaɖuƒedɔa ƒe takeke ƒe akpa ka dzie ɖɔ ŋuti kpɔɖeŋua he susu yi?

• Aleke míakpɔ egbɔ be míekpɔtɔ nye ame siwo ‘nu woƒo ƒu ɖe nuwo me’ la dometɔwo?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Nu kae atiku sue ŋuti kpɔɖeŋua fia mí tso Fiaɖuƒedɔa ƒe takeke ŋu?

[Nɔnɔmetata si le axa 19]

Nu kae míesrɔ̃ tso amɔwɔʋãnu ŋuti kpɔɖeŋua me?

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Nu kae wotsɔ tɔmelã nyuiawo me mama tso manyomanyoawo gbɔ wɔ kpɔɖeŋu na?