Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Míevɔ̃ O—Yehowa Nɔ Kpli Mí

Míevɔ̃ O—Yehowa Nɔ Kpli Mí

Míevɔ̃ O—Yehowa Nɔ Kpli Mí

Abe Ale Si Egyptia Petrides Gblɔe Ene

Le ƒe 1972 me la, Ðasefo siwo katã nɔ Cyprus va ƒo ƒu ɖe Nicosia hena nuƒo tɔxɛ aɖe si Nathan H. Knorr, si xɔ ŋgɔ na Yehowa Ðasefowo ƒe dɔa hena ɣeyiɣi didi aɖe la, aƒo la sese. Ekpɔm dze sii enumake, eye hafi mayɔ nye ŋkɔ nɛ kura gɔ̃ hã la, ebiam be: “Èhe gbe nyui aɖewo tso Egypt nɔviawo gbɔ vae na mía?” Ƒe 20 sɔŋue nye ma va yi esime mía kple Nɔviŋutsu Knorr míedo go zi gbãtɔ le mía de Alexandria, le Egypt.

WODZIM le Alexandria le January 23, 1914, dzi, menye dzinyelawo ƒe vi eneawo dometɔ gbãtɔ. Afi si míenɔ tsi la medidi tso ƒuta gbɔ o. Ɣemaɣi la, Alexandria nye du dzeani si me dukɔ vovovo me tɔwo sɔ gbɔ ɖo, eye wonyae ɖe eƒe xɔtuɖaŋu kple ŋutinya me nudzɔdzɔ xɔŋkɔwo ta. Esi wònye be Europatɔwo kple Arabiatɔwo tsaka nɔ dua me ta la, mí ɖeviawo míesrɔ̃ Arabgbe, Eŋlisigbe, Fransegbe, kple Italygbe, kpakple mía degbe si nye Helagbe la, dodo.

Esime mewu suku nu la, mekpɔ dɔ le Franseawo ƒe awutɔƒe aɖe, afi si awuwo ƒe atsyãwo tata kple awuawo tɔtɔ beléletɔe na nyɔnu gatɔwo do dzidzɔ nam le ŋutɔ. Meléa fɔ ɖe sɔlemedede hã ŋu eye melɔ̃a Biblia xexlẽ, togbɔ be nu siwo mexlẽna la ƒe sue aɖewo gɔme koe mesena hã.

Le ɣeyiɣi mawo, si nye ƒe 1930 ƒeawo me la, medo go ɖekakpui aɖe si nye Cyprus vidzidzi, si ŋkɔe nye Theodotos Petrides. Enye kametehoʋlila bibi aɖe, ke hã, esrɔ̃ nuɖaɖa hã, eye woxɔe ɖe nuɖuɖudzraƒe xɔŋkɔ aɖe. Nye si nye amevime aɖe ko la ƒe nu va lé dzi na Theodotos. Eva nɔa nye fesre gɔme zi geɖe nɔa Helatɔwo ƒe lɔlɔ̃hawo dzim. Míeva ɖe mía nɔewo le June 30, 1940, dzi. Dzidzɔɣeyiɣi aɖe ŋutɔe ɣeyiɣi mawo nye. Dzisasrã si le danye tɔ te mee míenɔ. Míedzi mía vi gbãtɔ, John, le ƒe 1941 me.

Biblia Me Nyateƒewo Sɔsrɔ̃

Eva ɖo ɣeaɖeɣi la, Theodotos megava kpɔa ŋudzedze ɖe míaƒe sɔlemehaa ŋu o, eye wòbiaa nya geɖe ku ɖe Biblia ŋu. Yehowa Ðasefowo nɔ Biblia srɔ̃m kplii le nye manyamanya me. Gbe ɖeka esi menɔ aƒe me henɔ míaƒe vidzĩea gbɔ kpɔm la, nyɔnu aɖe ƒo ʋɔ nam hetsɔ agbalẽ ɖeɖe aɖe si dzi Biblia me gbedeasi aɖe le la nam. Le bubudede eŋu me la, metɔ hexlẽe. Emegbe etsɔ Biblia srɔ̃gbalẽ aɖewo nam. Ewɔ nuku nam ŋutɔ be agbalẽ mawo tututu kee Theodotos tsɔ va aƒe mee!

Megblɔ nɛ be: “Agbalẽ siawo le mía si ɖe! Meɖe kuku ge ɖe eme.” Enumake mete nya geɖewo biabia Ðasefo sia, si ŋkɔe nye Eleni Nicolaou. Ezã Biblia tsɔ ɖo wo ŋu nam dzigbɔɖitɔe. Edo dzidzɔ nam ŋutɔ. Kasia, mete Biblia me gbedeasia gɔme sese. Esi míetso míaƒe dzeɖoɖoa me sẽe la, Eleni kpɔ srɔ̃nye dze sii le foto aɖe me. Egblɔ enumake be, “Menya aƒetɔ ma!” Woʋu go nu si Theodotos nɔ wɔwɔm le bebeme la azɔ. Nya sia wɔ nuku nam ŋutɔ. Theo nɔ Kristotɔwo ƒe kpekpewo dem, evɔ megblɔe nam hã o! Esi Theodotos gbɔ va aƒe me gbe ma gbe la, megblɔ nɛ be: “Afi si nèyi Kwasiɖa si va yi gbe la, mía kpli wò koe le yiyi ge Kwasiɖa sia gbe!”

Le kpekpe gbãtɔ si mede me la, ame siwo ƒe xexlẽme ade ewo la ƒo ƒu nɔ Biblia gbalẽ si nye Mixa la me dzrom. Meɖo to se nu sia nu si me wodzro gbe ma gbe la nyuie! Tso ema dzi la, George kple Katerini Petraki va srɔ̃a Biblia kpli mí Fiɖa fiẽ ɖe sia ɖe. Fofonye kple nɔvinyewo dometɔ geɖe melɔ̃ be Ðasefoawo nava nɔ Biblia srɔ̃m kpli mí o, gake nɔvinyenyɔnu suetɔ ya metsi tsitre ɖe mía ŋu o, togbɔ be eya ŋutɔ meva zu Ðasefo o hã. Gake danye ya va xɔ nyateƒea. Le ƒe 1942 me la, mía kple Dada, kpakple Theodotos míexɔ nyɔnyrɔ le Alexandria tsɔ ɖo kpe míaƒe adzɔgbeɖeɖe na Yehowa dzi.

Tɔtɔ Va Míaƒe Agbe Me

Xexemeʋa II dze egɔme le ƒe 1939 me hedo gã ɖe edzi enumake. Va ɖo ƒe 1940 ƒeawo me la, Germanytɔwo ƒe Aʋafiagã Erwin Rommel kple eƒe asrafoha siwo kua aʋawɔʋuwo la va nɔ teƒe si te ɖe El Alamein ŋu, eye Britain srafo geɖewo hã va nɔ Alexandria. Míeƒo nuɖuɖu siwo magblẽ kaba o la nu ƒu na mía ɖokuiwo. Emegbe Theodotos ƒe dɔmemegãwo bia tso esi be wòaɖakpɔ nuɖuɖudzraƒe yeye aɖe si woɖo ɖe Port Taufiq, si te ɖe Suez ŋu la dzi, eya ta míeʋu yi afi ma. Ðasefo eve aɖewo siwo nye Helagbedolawo te mía didi le afi ma. Togbɔ be womenya míaƒe adrɛs o hã la, wonɔ gbeƒã ɖem tso aƒe me yi aƒe me va se ɖe esime woke ɖe mía ŋu.

Esime míenɔ Port Taufiq la, míesrɔ̃ Biblia kple Stavros kple Giula Kypraios kpakple wo vi siwo ƒe ŋkɔwoe nye, Totos kple Georgia, eye wova zu mía xɔlɔ̃ veviwo. Biblia sɔsrɔ̃ vivia Stavros nu ale gbegbe be etroa gaƒoɖokui siwo katã le eƒe me la yia megbe gaƒoƒo ɖeka kple susu be keteke mamlɛtɔ si míaɖo ayi aƒe me la nadzo le mía gbɔ ale be míatsi anyi. Míeyia numedzodzroa dzi va se ɖe zãtiƒe ke.

Míenɔ Port Taufiq hena ɣleti 18, eye emegbe míetrɔ yi Alexandria esime danye ƒe lãme gblẽ. Elé nuteƒewɔwɔ na Yehowa me ɖe asi va se ɖe esime wòku le ƒe 1947 me. Le ɣeyiɣi mawo me la, míegakpɔ ale si Yehowa to xɔlɔ̃ Kristotɔ siwo tsi le gbɔgbɔ me ƒe hadede tuameɖowo dzi de dzi ƒo na míi. Mɔnukpɔkpɔ hã su mía si míete ŋu wɔa amedzro na dutanyanyuigblɔla siwo ƒe meliwo va tɔna ɖe Alexandria sẽe ne wole mɔ zɔm ɖo ta afi siwo woɖo wo ɖo.

Dzidzɔ Kple Xaxawo

Medzi mía vi ŋutsu evelia, si ŋkɔe nye James, le ƒe 1952 me. Abe dzilawo ene la, míekpɔe be ele vevie be míahe mía viawo le ame siwo akpɔ ŋusẽ nyuiwo ɖe wo dzi le gbɔgbɔ me la dome, eya ta míeɖe mɔ be woawɔ kpekpewo le mía ƒe me, eye míexɔa ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo wova dzea mía gbɔ zi geɖe. Esia wɔe be mía vi ŋutsu John va lɔ̃ Biblia me nyateƒea vevie, eye wòte mɔɖeɖedɔa wɔwɔ esime wòxɔ abe ƒe 16 ko ene. Le ɣeyiɣi mawo ke me la, edea zãsuku bene wòate ŋu awu eƒe sukudede nu.

Esia megbe kpuie la, wokpɔe be dzidɔ sesẽ aɖe le Theodotos ŋu, eye woɖo aɖaŋu nɛ be wòadzudzɔ eƒe dɔa. Ƒe ene koe mía vi James xɔ ɣemaɣi. Nu kae míawɔ? Ðe Yehowa medo ŋugbe na mí be, “Megavɔ̃ o, elabena meli kpli wò” oa? (Yes. 41:10) Kpɔ ale si dzidzɔ míi esime wokpe mí le ƒe 1956 me be míaɖasubɔ abe mɔɖela veviwo ene le Ismailia, si te ɖe Suez Canal ŋu, la ɖa! Ʋunyaʋunyawɔwɔwo va nɔ Egypt le ƒe siwo kplɔe ɖo me, eye wòhiã vevie be woade dzi ƒo na mía nɔvi Kristotɔwo.

Eva hiã be míaʋu le Egypt le ƒe 1960 me, eye mɔzɔkplo ɖeka ko mía dometɔ ɖe sia ɖe te ŋu tsɔ. Míeɖanɔ srɔ̃nyewo de le Cyprus ƒukpoa dzi. Azɔ la, Theodotos ƒe dɔlélea va nyra ɖe edzi eye megate ŋu wɔa dɔ o. Gake Kristotɔ atsu kple asi dɔmenyotɔ aɖewo ɖe mɔ na mí be míaɖanɔ woƒe aƒe aɖe me. Nublanuitɔe la, srɔ̃nye va ku le ƒe eve megbe, eye nye ɖeɖe koe va nɔ mía vi sue James dzi kpɔm. John, si hã ʋu va Cyprus la, va ɖe srɔ̃ eye wònɔ nɛ be wòakpɔ ye ŋutɔ ƒe ƒomea dzi.

Beléle Na Mí Le Ɣeyiɣi Sesẽwo Me

Esia megbe la, Stavros kple Dora Kairis xɔ mí ɖe woƒe aƒe me. Medze klo da akpe na Yehowa be egakpɔ míaƒe nuhiahiãwo gbɔ na mí ake. (Ps. 145:16) Esime Stavros kple Dora va dzra woƒe aƒea hetu bubu si nye dziƒoxɔ si te anye Fiaɖuƒe Akpata la, wonyo dɔme na mí esi wotu xɔ sue eve na mía kple James ɖe afi ma.

Mlɔeba James va ɖe srɔ̃ eye woa kple srɔ̃a wosubɔ abe mɔɖelawo ene va se ɖe esime wodzi wo vi eneawo ƒe gbãtɔ. Le ƒe 1974 me, si nye ƒe eve le esi Nɔviŋutsu Knorr va srã mí kpɔ megbe la, dunyahehe me ʋunyaʋunyawɔwɔ va do mo ɖa le Cyprus. * Ame geɖe siwo dome Ðasefowo hã nɔ la si hegblẽ woƒe aƒewo ɖi eye wònɔ na wo be woagbugbɔ adze agbea gɔme. Vinye John hã nɔ wo dome. Woa kple srɔ̃a kpakple wo vi etɔ̃awo ʋu yi Canada. Gake míekpɔ dzidzɔ be le ɣeyiɣi mawo ke me la, Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo dzi ɖe edzi le Cyprus.

Esi dziɖuɖua va te gakpekpeɖeŋunanam la, meva nɔ gome kpɔm le subɔsubɔdɔa me geɖe wu. Gake ƒe ʋɛ aɖewo va yi la, lãmetutudɔ si nu mesẽ fũu o la ɖe fu nam eye meyi ɖanɔ vinye James kple eƒe ƒomea gbɔ. Emegbe esi nye dɔlélea nu va sẽ ɖe edzi la, wova sikam ɖe kɔdzi eye mlɔeba wova kplɔm yi ɖada ɖe ame tsitsi dɔnɔwo dzi kpɔƒe. Togbɔ be mesea veve atraɖii hã la, meɖia ɖase na dɔnɔdzikpɔlawo, dɔnɔwo, kple ame siwo va srãa dɔnɔwo kpɔ. Mezãa ɣeyiɣi geɖe hã tsɔ srɔ̃a Biblia le ɖokuinye si, eye le nye gbɔgbɔ me nɔviŋutsuwo ƒe kpekpeɖeŋu nana dɔmenyotɔe me la, mete ŋu dea Hamea Ƒe Agbalẽ Me Nusrɔ̃ƒe aɖe si tsɔ mía gbɔ.

Akɔfafakpɔkpɔ Le Nye Tsitsi Me

Dzidzɔnyawo sese tso ame siwo ŋu mɔnukpɔkpɔ su mía kple Theodotos si míekpe ɖo la gbɔ faa akɔ nam ŋutɔ. Wo viwo kple tɔgbuiyɔviwo dometɔ geɖewo le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm—ɖewo le Australia, ɖewo le Canada, ɖewo le England, ɖewo le Greece, eye ɖewo hã le Switzerland. Fifia la, vinye John kple srɔ̃a kpakple wo viŋutsua le Canada. Wo vinyɔnu tsitsitɔ kple srɔ̃a nye mɔɖelawo. Wokpe wo vinyɔnu ɖevitɔ Linda kple srɔ̃a Joshua Snape wode Gilead Sukua ƒe klass 124 lia.

Vinye James kple srɔ̃a le Germany fifia. Wo viŋutsu eve le subɔsubɔm le Betel—ɖeka le Athens, Greece, evelia le Selters, Germany. Wo viŋutsu ɖevitɔ, wo vinyɔnuvia kple srɔ̃a le mɔɖeɖedɔa wɔm le Germany.

Nya nyui kawo gbegbee nye esi li míava bɔ na danye kple srɔ̃nye lɔlɔ̃a Theodotos, ne wova fɔ wo le tsitretsitsia me! Dzi adzɔ wo ale gbegbe ɖe domenyinu nyui si wogblẽ ɖi na woƒe ƒomea la ta. *

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 21 Kpɔ October 22, 1974 ƒe Nyɔ! Yevugbe me tɔ, axa 12-15.

^ mm. 26 Nɔvinyɔnu Petrides ku le eƒe ƒe 93 xɔxɔ me esime wonɔ asi trɔm le nyati sia ŋu hena tata.

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Le ɣeyiɣi mawo me la, míegakpɔ ale si Yehowa to xɔlɔ̃ Kristotɔ siwo tsi le gbɔgbɔ me ƒe hadede tuameɖowo dzi de dzi ƒo na míi

[Anyigbatata si le axa 24]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

CYPRUS

NICOSIA

MEDITERRANEA ƑU LA

EGYPT

CAIRO

El Alamein

Alexandria

Ismailia

Suez

Port Taufiq

Suez Canal

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Based on NASA/Visible Earth imagery

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Vinye John kple srɔ̃a

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Vinye James kple srɔ̃a

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Mía kple Theodotos, le ƒe 1938 me