Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Mawue Nana Wòtsina’!

‘Mawue Nana Wòtsina’!

‘Mawue Nana Wòtsina’!

“Ame si do nua la menye naneke o, eye ame si de tsii hã menye naneke o, ke Mawu, ame si nana wòtsina la boŋ ye.”—1 KOR. 3:7.

1. Mɔ ka nue míenye “Mawu ƒe hadɔwɔlawo” le?

“MAWU ƒe hadɔwɔlawo.” Eleae apostolo Paulo yɔ mɔnukpɔkpɔ si ate ŋu asu mía dometɔ ɖe sia ɖe sii. (Mixlẽ 1 Korintotɔwo 3:5-9.) Nusrɔ̃lawɔwɔdɔa ŋue Paulo nɔ nu ƒom tso. Etsɔe sɔ kple nukudodo kple tsidedee. Hafi míakpɔ dzidzedze le dɔ vevi sia wɔwɔ me la, míehiã Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu. Paulo ɖo ŋku edzi na mí be ‘Mawue nana wòtsina.’

2. Nu ka tae nyanya be ‘Mawue nana wòtsina’ kpena ɖe mía ŋu nukpɔsusu nyuitɔ nɔa mía si ɖe míaƒe subɔsubɔdɔa ŋu?

2 Esia nyanya kpena ɖe mía ŋu nukpɔsusu nyuitɔ nɔa mía si ɖe míaƒe subɔsubɔdɔa ŋu. Ne míedoa vevie nu le gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔa me ŋutɔ hã la, Yehowae wòle be kutsetse nyui siwo dona tso eme la ŋuti kafukafua katã nayi na. Nu ka tae? Elabena aleke kee míeɖadze agbagbae o, mía dometɔ aɖeke mate ŋu ase ale si nukua wɔna tsinae la gɔme, ʋuu keke wòahayi ŋusẽ kpɔ ge ɖe eƒe tsitsi dzi o. Fia Salomo ƒo nu tso nɔnɔmea ŋu nyuie esime wòŋlɔ bena: ‘Mèdze si Mawu, ame si wɔ nuwo katã la ƒe dɔwɔwɔwo o.’—Nyagb. 11:5.

3. Nu kawoe sɔ kple wo nɔewo le nuku ŋutɔŋutɔ dodo kple nusrɔ̃lawɔwɔdɔa me?

3 Ðe esi wònye be míenyaa ale si nukua wɔna tsinae o la wɔe be míate ŋu akpɔ dzidzɔ le dɔa wɔwɔ me oa? Gbeɖe! Ke boŋ ɖe wònana míekpɔnɛ be dɔ wɔnuku si doa dzidzɔ na amee wònye. Fia Salomo gblɔ be: “Ƒã wò nukuwo le ŋdi, eye mègadzudzɔ le ɣetrɔ me o; elabena mènya kae le wɔwɔ ge o, eɖanye esi alo ekemɛ alo woa kple eve lae le nyonyo ge o.” (Nyagb. 11:6) Nyateƒee, ne míeƒã nuku ŋutɔŋutɔwo la, míenyaa esiwo amie, alo ne wo dometɔ aɖe amie kura gɔ̃ hã o. Míate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe nu siwo nana nuku tsina la dometɔ geɖe dzi o. Nenema tɔgbie wòle le nusrɔ̃lawɔwɔdɔa hã gome. Yesu te gbe ɖe nyateƒenya sia dzi le eƒe kpɔɖeŋu eve aɖewo siwo dze le Marko ƒe Nya Nyui Gbalẽa ƒe ta 4 lia me la me. Mina míakpɔ nu siwo míate ŋu asrɔ̃ tso kpɔɖeŋu eve siawo me ɖa.

Anyigba Ƒomevi Vovovowo

4, 5. Gblɔ Yesu ƒe kpɔɖeŋu si ku ɖe nukuwula ŋu la me nyawo kpuie.

4 Abe ale si wòdze le Marko 4:1-9 ene la, Yesu ƒo nu tso nukuwula aɖe si nɔ nuku wum eye nukuawo ɖadze teƒe vovovowo la ŋu be: “Miɖo to. Kpɔ ɖa! Nukuwula la do go yi nuku wu ge. Eye esi wònɔ nukua wum la, eƒe ɖe ge ɖe mɔ to, eye xeviwo va fɔe mi. Eye bubu ge ɖe kpenyigba dzi, eye abe ale si wònɔna ene la, mekpɔ anyi sɔgbɔ le afi ma o, eye wòmie enumake elabena anyia mede to o. Gake esi ɣe dze la, ŋdɔkutsu ɖui, eye esi ke meli nɛ o ta la, eyrɔ. Eye bubu ge ɖe ŋuwo me, eye ŋuawo va vu tsyɔ edzi, eye metse ku aɖeke o. Gake bubu aɖewo ya ge ɖe anyigba nyui dzi, eye esi womie hele tsitsim la, wote tsetse, ɖewo teƒe blaetɔ̃, ɖewo blaade, eye ɖewo alafa ɖeka.”

5 Le ɣeyiɣi siwo me woŋlɔ Biblia la, ɖe agbledelawo wua nukuwo zi geɖe. Nukuwulaa lɔa nukuawo ɖe eƒe awu me loo, alo ɖe akplo aɖe me eye wòkunɛ hewuna ɖe adzɔge. Eya ta le kpɔɖeŋu sia me la, menye ɖe nukuwulaa ɖoe koŋ ƒã nukua ɖe anyigba ƒomevi vovovoawo dzi o. Ke boŋ ɖe nuku siwo wòwu la ɖadze teƒe vovovowo.

6. Aleke Yesu ɖe nukuwula ŋuti kpɔɖeŋua gɔmee?

6 Mele be míasusu naneke agblɔ le gɔmesese si le kpɔɖeŋu sia ŋu ŋuti o. Yesu yi edzi ɖe eme, abe ale si wòdze le Marko 4:14-20 ene, be: “Nukuwulaa le nya la wum. Eya ta esiawoe nye ame siwo le mɔ to le afi si wowu nya la ɖo; gake ne wonya see ko la, Satana vana, eye wòɖea nya si wowu ɖe wo me la dzonɛ. Eye nenema kee esiawoe nye esiwo wowu ɖe kpenyigba dzi la: ne wonya se nya la ko la, woxɔnɛ kple dzidzɔ. Ke hã, womeli ke le wo ɖokuiwo me o, gake wonɔa anyi hena ɣeyiɣi aɖe; eye ne xaxa alo yometiti nya va le nya la ta ko la, ezua nukikli na wo. Eye bubuwo hã li, siwo wowu ɖe ŋuwo me; esiawoe nye ame siwo se nya la, gake nuɖoanyi sia me dzimaɖitsitsiwo, kple kesinɔnuwo ƒe amebleŋusẽ, kpakple nu susɔeawo ƒe amedzodzro gena ɖe wo me hevuna tsyɔa nya la dzi, eye metsea ku o. Mlɔeba la, esiwo wowu ɖe anyigba nyui dzi lae nye ame siwo sea nya la, eye woxɔnɛ nyuie, eye wotsea ku, ɖewo teƒe blaetɔ̃, ɖewo blaade, eye ɖewo alafa ɖeka.”

7. Nu kae nuku la kple anyigba ƒomevi vovovoawo le tsitre ɖe na?

7 De dzesii be Yesu megblɔ be nuku ƒomevi vovovowoe nukuwulaa wu o. Ke boŋ nuku ƒomevi ɖeka aɖe, si ƒe ɖewo ɖadze anyigba ƒomevi vovovowo siwo dometɔ ɖe sia ɖe me tsonu to vovo la dzi, ŋue wòƒo nu tso. Anyigba ƒomevi gbãtɔa sẽ; evelia mede to o; ŋuwo mie ɖe etɔ̃lia dzi fũu; eye enelia nyo, alo nye anyigba nyui, si wɔ nu nyuie. (Luka 8:8) Nu kae nye nuku la? Eyae nye Fiaɖuƒegbedeasi si le Mawu ƒe Nya la me. (Mat. 13:19) Nu kae anyigba ƒomevi vovovoawo le tsitre ɖi na? Wole tsitre ɖi na amewo, siwo si dzi ƒe nɔnɔme vovovowo le.—Mixlẽ Luka 8:12, 15.

8. (a) Ame kae nukuwulaa le tsitre ɖi na? (b) Nu ka tae Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa me tsonuwo toa vovo?

8 Ame kae nukuwulaa le tsitre ɖi na? Ele tsitre ɖi na Mawu ƒe hadɔwɔlawo, ame siwo ɖea gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia. Abe Paulo kple Apolo ene la, wodoa nu eye wodea tsi nu. Gake togbɔ be wowɔa dɔ kutrikukutɔe hã la, emetsonuawo toa vovo. Nu ka tae? Le esi dzi ƒe nɔnɔme vovovowoe le ame siwo sea gbedeasia si tae. Le Yesu ƒe kpɔɖeŋua me la, nukuwulaa mekpɔ ŋusẽ aɖeke ɖe nu si dzɔna ɖe nukua dzi la dzi o. Aleke gbegbe esia faa akɔ na amee nye esi, vevietɔ na mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu nuteƒewɔla siwo ɖe gbeƒã hena ƒe geɖe, alo le go aɖewo me la, hena ƒe blananewo gɔ̃ hã, evɔ nu boo aɖeke medo tso woƒe agbagbadzedzewo me o! * Nu ka tae wòle be nya sia nafa akɔ na mí?

9. Nyateƒenya fakɔname ka dzie apostolo Paulo kple Yesu siaa te gbe ɖo?

9 Menye nu siwo dona tso nukuwulaa ƒe agbagbadzedzewo mee wotsɔna dzidzea eƒe nuteƒewɔwɔ o. Paulo he susu yi esia dzi esime wògblɔ be: “Ame sia ame axɔ ye ŋutɔ ƒe fetu le ye ŋutɔ ƒe agbagbadzedze nu.” (1 Kor. 3:8) Agbagba si ame dze nue wonaa fetui ɖo, ke menye ɖe agbagbadzedzea me tsonuwo nu o. Nenema kee Yesu hã te gbe ɖe nya sia dzi esime eƒe nusrɔ̃lawo trɔ gbɔ tso gbeƒãɖeƒe gbe ɖeka. Wokpɔ dzidzɔ ŋutɔ elabena to Yesu ƒe ŋkɔa zazã me la, gbɔgbɔ vɔ̃wo bɔbɔ wo ɖokuiwo na wo. Aleke kee dzi anya dzɔ woe o, Yesu gblɔ na wo be: “Migakpɔ dzidzɔ be gbɔgbɔawo bɔbɔ wo ɖokuiwo na mi o, ke boŋ mikpɔ dzidzɔ le esi woŋlɔ miaƒe ŋkɔwo ɖe dziƒowo ta.” (Luka 10:17-20) Afi si wòadzɔ le be kutsetse geɖe mado tso nukuwula aɖe ƒe agbagbadzedzewo me o gɔ̃ hã la, mefia kokoko be medo vevie nu, alo wɔ nuteƒe abe nukuwula bubuawo ene o. Dzi ƒe nɔnɔme si le nyaa selawo si koŋ gbɔe nu siwo dona tso eme la ƒe akpa gãtɔ tsona. Gake le wo katã me la, Mawue nana wòtsina!

Agba Si Le Nyaa Selawo Dzi

10. Ne ame aɖe si se nyaa la aɖi anyigba nyui alo maɖii o la, nu ka gbɔe wòatso?

10 Ke agba kae le nyaa selawo dzi? Ðe woɖo ale si woawɔ nu ɖe nya nyui la ŋu la ɖi do ŋgɔa? Ao. Woawo ŋutɔwo gbɔe wòatso ne woƒe nɔnɔme anɔ abe anyigba nyui la ene loo, alo manɔ nenema o. Le nyateƒe me la, ame aɖe ƒe dzi ƒe nɔnɔme ate ŋu ava nyo loo, alo ate ŋu ava gblẽ kuraa. (Rom. 6:17) Le Yesu ƒe kpɔɖeŋua me la, egblɔ be ‘ne ame aɖewo nya se’ nyaa ko la, Satana vana, eye wòɖenɛ dzona. Gake mele be esia nadzɔ hafi o. Wode dzi ƒo na Kristotɔwo le Yakobo 4:7 be ‘woatsi tsitre ɖe Abosam ŋu,’ eye asi le wo gbɔ. Yesu gagblɔ tso ame bubuwo hã ŋu be woxɔa nya la le gɔmedzedzea me kple dzidzɔ gake wokpɔa nuɖiaɖia le esi “womeli ke le wo ɖokuiwo me o” ta. Gake woxlɔ̃ nu Mawu subɔlawo be ‘woali ke, eye woaɖo wo anyi sesĩe ɖe gɔmeɖoanyi la dzi’ ale be woate ŋu “[ase nu si nye] kekeme kple didime kple kɔkɔme kple goglome gɔme tsitotsito, . . . eye be [woanya] Kristo la ƒe lɔlɔ̃, si de ŋgɔ wu sidzedze.”—Ef. 3:17-19; Kol. 2:6, 7.

11. Aleke ame ate ŋu aƒo asa na mɔɖeɖe be “nuɖoanyi sia me dzimaɖitsitsiwo, kple kesinɔnuwo ƒe amebleŋusẽ” navu atsyɔ nya la dzi?

11 Yesu gblɔ le ame bubu siwo se nya la ŋu be woɖe mɔ “nuɖoanyi sia me dzimaɖitsitsiwo, kple kesinɔnuwo ƒe amebleŋusẽ” vu va tsyɔ nya la dzi. (1 Tim. 6:9, 10) Aleke woate ŋu aƒo asa na esiae? Apostolo Paulo ɖo eŋu be: “Mina miaƒe agbenɔnɔ navo tso galɔlɔ̃ me, eye nu siwo le mia si fifia la nadze mia ŋu. Elabena egblɔ be: ‘Nyemaɖe asi le ŋuwò gbeɖe o, eye nyemagblẽ wò ɖi hã akpɔ o.’”—Heb. 13:5.

12. Nu ka tae ame siwo wotsɔ sɔ kple anyigba nyui la tsea ku le agbɔsɔsɔ vovovo me?

12 Mlɔeba, Yesu gblɔ tso ame siwo wòtsɔ sɔ kple anyigba nyui la ŋu be “wotsea ku, ɖewo teƒe blaetɔ̃, ɖewo blaade, eye ɖewo alafa ɖeka.” Togbɔ be dzi nyui le ame siwo xɔa nyaa si eye wotsea ku hã la, nu si wote ŋu wɔna le nya nyui gbeƒãɖeɖedɔa me la toa vovo le nɔnɔme vovovo siwo me wole ta. Le kpɔɖeŋu me, tsitsi alo dɔléle sesẽwo ana ame aɖewo mate ŋu awɔ geɖe le gbeƒãɖeɖedɔa me o. (Tsɔe sɔ kple Marko 12:43, 44.) Le go sia me hã la, nukuwulaa mekpɔa ŋusẽ boo aɖeke ɖe nukua ƒe tsitsi dzi o, gake ekpɔa dzidzɔ ne ekpɔe be Yehowa na wòtsi.—Mixlẽ Psalmo 126:5, 6.

Nukuwula Si Dɔa Alɔ̃

13, 14. (a) Gbugbɔ Yesu ƒe kpɔɖeŋu si ku ɖe ŋutsu si wu nuku la ŋu gblɔ kpuie. (b) Nu kae nukuwulaa le tsitre ɖi na, eye nu kae nye nuku la?

13 Nukuwula ŋuti kpɔɖeŋu bubu dze le Marko 4:26-29, afi si míexlẽ le be: “Mawu fiaɖuƒe la le abe ɣeyiɣi si me ame wua nuku ɖe anyigba ene, eye wòdɔa alɔ̃ le zã me, eye wòfɔna le ŋkeke me, eye nuku la miena hetsina, gake ale si tututu wòdzɔna ya la, menyana o. Anyigba la ŋutɔ nana nuku wɔna le eɖokui si vivivi: gbã la, aŋgba ɖeka, emegbe ta si ŋu kutsetsea ava nɔ, eye mlɔeba kutsetse bliboa. Gake ne kutsetsea ɖe mɔ ko la, etsɔa hɛ gobɛ ɖe eŋu, elabena nuŋeɣi ɖo.”

14 Ame kae nye nukuwula sia? Kristodukɔa me tɔ aɖewo xɔe se be Yesu ŋutɔe wòle tsitre ɖi na. Gake aleke woate ŋu agblɔ be Yesu dɔa alɔ̃ eye menyaa ale si nukua wɔna tsina o? Kakaɖedzitɔe la, enya ale si nukua wɔna tsina! Ke boŋ abe ale si wòle le nukuwula gbãtɔa gome ene la, nukuwula sia le tsitre ɖi na Fiaɖuƒegbeƒãɖela siwo ƒãa Fiaɖuƒea ƒe nukua to woƒe gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ dzonɔamemetɔe me. Nuku si wowu ɖe anyigba lae nye nya si woɖea gbeƒãe. *

15, 16. Nyateƒenya kae Yesu ɖe ɖe go le nuku ƒe tsitsi kple ale si ame wɔna va zua nusrɔ̃la gome le nukuwula ŋuti kpɔɖeŋua me?

15 Yesu gblɔ be nukuwulaa “[dɔa] alɔ̃ le zã me, eye wòfɔna le ŋkeke me.” Nya sia mefia be nukuwulaa gblẽ nuku si woƒã la ɖi naneke mawɔmawɔ le eŋu o. Ale si ko ame akpa gãtɔ nɔa agbee gbe sia gbe ko dzie Yesu nɔ susu hem yi. Nya siwo wòzã le kpukpui sia me la ɖe ale si ame wɔa dɔ le ŋkeke me hedɔa alɔ̃ le zã me gbe sia gbe hena ɣeyiɣi aɖe la fia. Nu siwo yi edzi le ɣeyiɣi mawo me dzie Yesu te gbe ɖo. Egblɔ be: “Nuku la miena hetsina.” Egblɔ yi edzi be: “Ale si tututu wòdzɔna ya la, menyana o.” Nu si dzi wònɔ gbe tem ɖoe nye ale si nukua ŋutɔ tsina alo “wɔna le eɖokui si.” *

16 Nu ka dzie Yesu nɔ susu hem yi le afi sia? De dzesii be ale si nukua nɔ tsitsim vivivi dzie wòte gbe ɖo. “Anyigba la ŋutɔ nana nuku wɔna le eɖokui si vivivi: gbã la, aŋgba ɖeka, emegbe ta si ŋu kutsetsea ava nɔ, eye mlɔeba kutsetse bliboa.” (Mar. 4:28) Ðe tɔtrɔ vovovo siwo yi edzi hafi nukua va tsi la nɔ vavam vivivi. Womate ŋu azi nukua dzi be wòatsi le mɔ aɖeke nu o. Nenema kee wòle le ale si ame wɔna va zua nusrɔ̃lae hã gome. Yehowa naa nyateƒea tsina le ame si si dzi ƒe nɔnɔme nyui le la ƒe dzi me vivivi.—Dɔw. 13:48; Heb. 6:1.

17. Ame kawoe kpɔa dzidzɔ ne nyateƒea ƒe ku tsi va tse ku?

17 Alekee “ne kutsetsea ɖe mɔ ko” la, nukuwulaa kpɔa gome le nuŋeŋea me? Ne Yehowa na Fiaɖuƒea ŋuti nyateƒea le tsitsim le nusrɔ̃la yeyewo ƒe dziwo me la, eva ɖoa teƒe aɖe si woƒe lɔlɔ̃ na Mawu ʋãa wo wotsɔa woƒe agbe ɖea adzɔgbe na eyama. Wotsɔa nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tsi me ɖoa kpe woƒe adzɔgbeɖeɖea dzi. Nɔviŋutsu siwo yia edzi wɔa ŋgɔyiyi va zua gbɔgbɔmemetsitsiwo la, te ŋu va xɔa agbanɔamedzi geɖe wu le hamea me. Ame si wu nukua gbã kple Fiaɖuƒegbeƒãɖela bubu siwo mekpɔ gome le nuku, si tse ku va zu nusrɔ̃la, la wuwu me o la siaa va kpɔa gome le nuŋeŋea me. (Mixlẽ Yohanes 4:36-38.) Nyateƒee, “nukuwula kple nuŋela siaa [kpɔa] dzidzɔ ɖekae.”

Nufiame Siwo Le Eme Na Mí Egbea

18, 19. (a) Aleke Yesu ƒe kpɔɖeŋu siawo me dzodzro de dzi ƒo na wòe? (b) Nu ka mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

18 Nu kawoe míesrɔ̃ tso kpɔɖeŋu eve siawo siwo le Marko ta 4 lia me la me dzodzro me? Edze kɔtɛ be nukuwuwudɔ gã aɖe dze ŋgɔ mí. Mele be míaɖe mɔ taflatsɛdodowo kple kuxi siwo míate ŋu ado goe nana míado kpo dɔ sia wɔwɔ o. (Nyagb. 11:4) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, míekpɔ mɔnukpɔkpɔ wɔnuku si wònye na mí be míenye Mawu ƒe hadɔwɔlawo la dze sii. Yehowa ye naa amewo va zua nusrɔ̃lawo, wònyea mía ŋutɔwo kple ame siwo míegblɔ gbedeasia na siaa ƒe agbagbadzedzewo yayra. Míekpɔe be míate ŋu azi amewo dzi be woazu nusrɔ̃lawo o. Míede dzesii hã be mele be dzi naɖe le mía ƒo alo wòate ɖe mía dzi ne ame siwo míele nu srɔ̃m kplii la mele ŋgɔyiyi wɔm kabakaba, alo le afɔɖeɖe aɖeke kura wɔm o. Aleke gbegbe wòfaa akɔ na míi enye esi be míanyae be nuteƒewɔwɔ na Yehowa kple mɔnukpɔkpɔ si su mía si be míaɖe gbeƒã “fiaɖuƒe ŋuti nya nyui [la,] . . . be wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã” la ŋu dɔ wɔwɔ nyuie dzie míaƒe dzidzedzekpɔkpɔ nɔ te ɖo!—Mat. 24:14.

19 Nu bubu ka hãe Yesu fia mí ku ɖe ale si wòdzɔna vivivi be amewo va zua nusrɔ̃la yeyewo kpakple Fiaɖuƒedɔa ŋu? Woɖo biabia sia ŋu le Yesu ƒe kpɔɖeŋu bubu aɖewo siwo woŋlɔ ɖe Nya Nyui Gbalẽawo me la me. Míadzro kpɔɖeŋu siawo dometɔ aɖewo me le nyati si kplɔe ɖo me.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 8 Le kpɔɖeŋu me, bu subɔsubɔdɔ si Nɔviŋutsu Georg Fjölnir Lindal wɔ le Iceland, abe ale si woŋlɔe ɖe 2005 Yearbook of Jehovah’s Witnesses (2005 Annuaire des Témoins de Jéhovah), ƒe axa 210-11 me ene, kple subɔla wɔnuteƒe siwo do vevie nu le subɔsubɔdɔa me le Ireland hena ƒe geɖe, evɔ nu boo aɖeke medo tso woƒe agbagbadzedzewo me enumake o, ŋu kpɔ, abe ale si wòdze le 1988 Yearbook of Jehovah’s Witnesses (1988 Annuaire des Témoins de Jéhovah), axa 82-99 ene.

^ mm. 14 Yevugbe me Gbetakpɔxɔ ɖe nya sia me va yi be nuku la le tsitre ɖi na amenyenye ƒe nɔnɔme nyui siwo wòle be ame natu ɖo, siwo dzi nuto si me amea le la kpɔa ŋusẽ ɖo. Gake ele be míade dzesii be le Yesu ƒe kpɔɖeŋua me la, nukua metrɔna zua nuku gbegblẽ alo kutsetse vóvo o. Ðeko wòtsina nyuie.—Kpɔ Gbetakpɔxɔ, June 15, 1980, axa 17-19.

^ mm. 15 Dɔwɔwɔwo 12:10 koe wogazã nya sia tɔgbi le, afi si wogblɔ le be gagbo aɖe ŋutɔ ʋu “le eɖokui si.”

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Nu kawoe ɖi wo nɔewo le ale si agbledela wua nukui kple gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒegbedeasia me?

• Nu kae Yehowa tsɔ dzidzea Fiaɖuƒegbeƒãɖela ƒe nuteƒewɔwɔ?

• Nu siwo ɖi wo nɔewo le ale si nuku tsinae kple ale si wòdzɔna vivivi be amewo va zua nusrɔ̃la yeyewo me ka dzie Yesu te gbe ɖo?

• Alekee “nukuwula kple nuŋela siaa [kpɔa] dzidzɔ ɖekae”?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Nu ka tae Yesu tsɔ Mawu Fiaɖuƒea ƒe gbeƒãɖelawo sɔ kple nukuwula?

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Ame siwo wotsɔ anyigba nyui la wɔ kpɔɖeŋu na la kpɔa gome le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa me le ale si woƒe nɔnɔmewo ɖe mɔe nu

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Mawue nana wòtsina