Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nya Vevi Siwo Tso Lɛta Siwo Woŋlɔ Na Korintotɔwo Me

Nya Vevi Siwo Tso Lɛta Siwo Woŋlɔ Na Korintotɔwo Me

Yehowa Ƒe Nya La Le Agbe

Nya Vevi Siwo Tso Lɛta Siwo Woŋlɔ Na Korintotɔwo Me

APOSTOLO Paulo tsɔ ɖe le hame si nɔ Korinto la me tɔwo ƒe gbɔgbɔmededienɔnɔ me vevie ŋutɔ. Ese be masɔmasɔwo nɔ nɔviawo dome le afi ma. Woɖe mɔ ɖe agbe gbegblẽ nɔnɔ ŋu. Hamea hã ŋlɔ agbalẽ na Paulo be yewoanya eƒe susu le nya aɖewo ŋu. Eya ta le ƒe 55 M.Ŋ. me lɔƒo, esime Paulo va ɖo Efeso le eƒe dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔ etɔ̃lia me la, eŋlɔ eƒe lɛta eve siwo wòŋlɔ ɖo ɖe Korintotɔwo la dometɔ gbãtɔ.

Eƒe lɛta evelia, si dze abe ɣleti ʋɛ aɖewo le gbãtɔa ŋɔŋlɔ megbe koe wòŋlɔe ene la, nye gbãtɔa dzi yiyi. Esi wònye be ale si nɔnɔmeawo nɔ le hamea me kple egodo siaa le Korinto le ƒe alafa gbãtɔ me la sɔ kple ale si nɔnɔmeawo le le míaƒe ŋkekeawo me ta la, asixɔxɔ geɖe le gbedeasi siwo le Paulo ƒe lɛta siwo wòŋlɔ na Korintotɔawo me na mí.—Heb. 4:12.

‘MINƆ ŊUDZƆ, MINƆ TSITRE SESĨE, MISẼ ŊU’

(1 Kor. 1:1–16:24)

Paulo xlɔ̃ nu wo be: “[Ele be] mi katã miagblɔ nya ɖeka.” (1 Kor. 1:10) ‘Yesu Kristo koe nye gɔmeɖoanyi’ alo ame si ko ƒe kpɔɖeŋu woate ŋu asrɔ̃ be Kristotɔwo ƒe nɔnɔme nyuiwo nasu ame si. (1 Kor. 3:11-13) Paulo gblɔ tso agbe gbegblẽ nɔla aɖe si le hamea me ŋu be: “Miɖe ame vɔ̃ɖi la ɖa le mia ŋutɔ mia dome.” (1 Kor. 5:13) Egblɔ be: “Ŋutilã meli ɖe agbe gbegblẽ nɔnɔ ta o, ke boŋ na Aƒetɔ la.”—1 Kor. 6:13.

Ku ɖe ‘nu siwo woŋlɔ ɖo ɖe Paulo ŋu’ la, eɖo aɖaŋu nyuiwo na wo tso srɔ̃ɖeɖe kple trenɔnɔ ŋu. (1 Kor. 7:1) Esi Paulo ɖe nu me ku ɖe tanyenye ƒe gɔmeɖose si dzi Kristotɔwo zɔna ɖo, nuwo wɔwɔ le ɖoɖo nu le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me, kple kakaɖedzi si le tsitretsitsia ŋu ŋuti vɔ la, exlɔ̃ nu be: “Minɔ ŋudzɔ, minɔ tsitre sesĩe le xɔse la me, miwɔ ŋutsu, misẽ ŋu.”—1 Kor. 16:13.

Ŋɔŋlɔawo Me Biabiawo Ŋu Ðoɖo:

1:21—Ðe Yehowa le ame siwo xɔ nya la dzi se la ɖem to ‘bometsinya’ dzi ŋutɔŋutɔa? Ao. Elabena esi “xexea meto eƒe nunya dzi dze si Mawu o ta la,” nu si zãm Mawu le tsɔ le amewo ɖem la ɖi bometsinu na xexea.—Yoh. 17:25.

5:5—Nu kae wòfia be “woatsɔ ŋutsu [vɔ̃ɖi la] ade asi na Satana, hena ŋutilã ƒe nɔnɔme sia ɖeɖe ɖa, bene woakpɔ hamea ƒe gbɔgbɔ la ta”? Ne ame aɖe ƒo eɖokui ɖe nu vɔ̃ gãwo wɔwɔ me dzimematrɔmatrɔe eye woɖee le hamea me la, egava zua Satana ƒe xexe vɔ̃ɖia ƒe akpa aɖe ake. (1 Yoh. 5:19) Eya tae wogblɔ tso ame sia ƒomevi ŋu be wotsɔe de asi na Satana ɖo. Amea ɖeɖe le hamea me nye nu gbegblẽ ɖeɖe ɖa le hamea me be woakpɔ hamea ƒe gbɔgbɔ, alo eƒe nɔnɔme nyuiwo ta.—2 Tim. 4:22.

7:33, 34—Nu kawoe nye “xexea me nuwo,” siwo ŋu ŋutsu alo nyɔnu si ɖe srɔ̃ tsia dzi ɖo? Xexea me nu siwo ŋu Paulo le nu ƒom tsoe nye ŋutilãmenu siwo gbɔ wòhiã be Kristotɔ srɔ̃tɔwo nakpɔ. Nu siawo dometɔ aɖewoe nye nuɖuɖu, nudodo, kple nɔƒe, gake xexe sia me nu gbegblẽ siwo Kristotɔwo ƒoa asa na ya mele eme o.—1 Yoh. 2:15-17.

11:26—Nu kae “ɣesiaɣi” si wozã le afi sia ku ɖe ŋkuɖoɖo Yesu ƒe kua dzi ŋu la fia, eye ɣekaɣie wòle be woaɖo ŋku edzi ‘va se ɖo’? Paulo mele gbɔgblɔm be woanɔ Yesu ƒe ku ƒe ŋkuɖodzi wɔna la wɔm ɣesiaɣi o. Helagbe me nya si wozã na “ɣesiaɣi si” la fia “ɣeyiɣi ɖe sia ɖe si.” Eya ta ɖe Paulo le gbɔgblɔm be ɣeyiɣi ɖe sia ɖe si Kristotɔ amesiaminawo kpɔ gome le Ŋkuɖodzia ƒe kpɔɖeŋunuawo ɖuɖu me, zi ɖeka le ƒe me le Nisan 14 lia dzi la, wole “gbeƒã ɖem Aƒetɔ la ƒe ku.” Woanɔ esia wɔm “va se ɖe esime wòava ɖo,” si nye, va se ɖe esime woaxɔ wo woaɖanɔ dziƒowo to wo fɔfɔ ɖe tsitre me.—1 Tes. 4:14-17.

13:13—Mɔ ka nue lɔlɔ̃ de ŋgɔ wu xɔse kple mɔkpɔkpɔ le? Ne “nu siwo wole mɔ kpɔm na” la va va eme eye ‘dziɖoɖo ɖe wo ŋu kakaɖedzitɔe’ va zu nu ŋutɔŋutɔ la, akpa si xɔse kple mɔkpɔkpɔ wɔna la wua enu. (Heb. 11:1) Lɔlɔ̃ de ŋgɔ wu xɔse kple mɔkpɔkpɔ le susu sia nu be enɔa anyi tegbee.

15:29—Nu kae wòfia be “[wole amewo nyrɔm] bene woazu ame kukuwo”? Menye ɖee Paulo le gbɔgblɔm be woanyrɔ ame siwo le agbe la ɖe ame siwo mexɔ nyɔnyrɔ hafi ku o la nu o. Le afi sia la, Paulo le nu ƒom tso Kristotɔ siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na la nyɔnyrɔ ɖe agbenɔnɔ le mɔ aɖe, si me wòle be woalé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi ayi ɖe ku me eye emegbe woafɔ wo ɖe tsitre yi ɖe gbɔgbɔmegbenɔnɔ me, nu ŋu.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme Na Mí:

1:26-31; 3:3-9; 4:7. Adegbeƒoƒo le Yehowa me ɖokuibɔbɔtɔe, ke menye le mía ŋutɔ mía ɖokui me o, naa ɖekawɔwɔ nɔa hamea me.

2:3-5. Esime Paulo nɔ gbeƒã ɖem le Korinto, si nye du si me Helatɔwo ƒe xexemenunya kple nufiafia xɔ aƒe ɖo la, ɖewohĩ anya tsi dzi be, ɖe yeate ŋu ana yeƒe nyaselawo naxɔ yeƒe nyawo de eme mahã. Gake meɖe mɔ eƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ alo vɔvɔ̃ si anya nɔ eme la xe mɔ nɛ be wòagawɔ subɔsubɔdɔ si Mawu de asi nɛ o. Nenema kee mele be míawo hã míaɖe mɔ nɔnɔme sesẽwo naxe mɔ na mí be míagaɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒea ŋuti nya nyuia o. Míate ŋu akpɔ mɔ na Yehowa kakaɖedzitɔe hena kpekpeɖeŋu abe ale si Paulo wɔe ene.

2:16. Bene “Kristo ƒe tamesusu” nanɔ mía si la, ebia be míanya ale si wòbua nuwo ŋui, be míabu tame abe eyama ene, be míase eƒe amenyenye ƒe akpa vovoawo gɔme nyuie, eye míasrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋu. (1 Pet. 2:21; 4:1) Aleke wòle vevie be míasrɔ̃ nu tso Yesu ƒe agbenɔnɔ kple eƒe subɔsubɔdɔ ŋu tsitotsitoe nye esi!

3:10-15; 4:17. Ele be míalé ŋku ɖe míaƒe nufiafia kple nusrɔ̃lawo wɔwɔ ƒe aɖaŋuwo ŋu nyuie ahana woanyo ɖe edzi. (Mat. 28:19, 20) Ne míefiaa nu míaƒe nusrɔ̃viwo nyuie o la, womate ŋu anɔ te ɖe woƒe xɔse ƒe dodokpɔwo nu o, eye nu abu na mí eye wòave mí ale gbegbe be mía ŋutɔwo ƒe ɖeɖe anɔ abe ‘dzo mee woɖe mí tso’ ene.

6:18. Be “[woasi] le agbe gbegblẽ nɔnɔ nu” fia be menye nuwɔna siwo nye por·neiʹa koe wòle be woaƒo asa na o, ke ele hã be woatsri amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ, makɔmakɔnyenye, gbɔdɔnuwɔnawo ŋu bubu, ahiãmoɖoɖo—nu sia nu si ate ŋu akplɔ ame ade agbe gbegblẽ nɔnɔ me.—Mat. 5:28; Yak. 3:17.

7:29. Ele na srɔ̃tɔwo be woakpɔ nyuie be woagatsi dzi ɖe wo nɔewo ŋu fũu akpa ale be Fiaɖuƒea ƒe nuwo nava xɔ nɔƒe evelia le woƒe agbe me o.

10:8-11. Yehowa do dziku vevie esime Israel viwo li liʋiliʋi le Mose kple Aron ŋu. Enye nu si me nunya le be míagaɖe mɔ liʋiliʋilili ƒe nɔnɔme aɖeke nakpɔ ŋusẽ aɖe mía dzi o.

16:2. Ne míewɔ ɖoɖo ɖe nudzɔdzɔ hena Fiaɖuƒea ƒe nuwo dodo ɖe ŋgɔ ŋu do ŋgɔ la, míate ŋu anɔ nu dzɔm edziedzi le ɖoɖo aɖe koŋ nu.

“MIANA WOANƆ MIA ÐƆM ÐO”

(2 Kor. 1:1–13:14)

Paulo gblɔ na Korintotɔawo be ele be ‘woatsɔ ake nu vɔ̃ wɔla trɔdzime aɖe si woka mo na la faa, eye woafa akɔ nɛ.’ Togbɔ be Paulo ƒe lɛta gbãtɔa do nuxaxa na wo hã la, ekpɔ dzidzɔ be ‘woxa nu hena dzimetɔtrɔ.’—2 Kor. 2:6, 7; 7:8, 9.

Paulo de dzi ƒo na Korintotɔawo be ‘woagba go le dɔmenyonunana me’ ‘abe ale si wogba go le nuwo katã me ene.’ Esi wòɖo nya ŋu na tsitretsiɖeŋulawo vɔ la, eɖo aɖaŋu mamlɛ sia na wo katã be: “Miyi edzi mianɔ dzidzɔ kpɔm, miana woanɔ mia ɖɔm ɖo, woanɔ akɔ fam na mi, miaƒe tamesusu nanɔ ɖeka, mianɔ anyi le ŋutifafa me.”—2 Kor. 8:7; 13:11.

Ŋɔŋlɔawo Me Biabiawo Ŋu Ðoɖo:

2:15, 16—Aleke míenye “Kristo ƒe ʋeʋẽ lilili”? Ele alea elabena míenɔa agbe ɖe Biblia ƒe nufiafiawo nu eye míekpɔa gome le gbeƒãɖeɖe eme gbedeasia me. Togbɔ be “ʋeʋẽ” sia anyɔ ŋu na ame madzɔmadzɔwo hã la, enyea ʋeʋẽ lilili na Yehowa kpakple dzianukwaretɔwo ya.

5:16—Gɔmesese ka nue Kristotɔ amesiaminawo ‘menya ame aɖeke le ŋutilã nu o’ le? Wometsɔa ale si amewo le le ŋutilã gome kpɔa woe o, si nye be, ame ƒe kesinɔnuwo, ŋutigbalẽ ƒe vovototo, alo to kpakple dukɔ si me wòtso mekpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi wokpɔa ame ŋkume o. Nu si le vevie na woe nye gbɔgbɔmeƒomedodo si le woa kple haxɔsetɔwo dome.

11:1, 16; 12:11—Ðe Paulo nɔ nya siwo me susu mele o gblɔm na Korintotɔwo nyateƒea? Kura o! Ke hã, ɖewohĩ nya siwo wògblɔ tsɔ ʋli eƒe apostolonyenye ta la adze na ame aɖewo abe ɖee wòle adegbe ƒom hele nya siwo me susu mele o gblɔm ene.

12:1-4—Ame kae ‘wokɔ yi paradiso me’? Esi wònye Biblia megaƒo nu tso ame bubu aɖeke ŋu be ekpɔ ŋutega ma tɔgbi o eye Paulo gblɔ nya sia le eƒe apostolonyenye ta ʋiʋli vɔ megbe ta la, anɔ eme be eya ŋutɔe wokɔ yi “paradiso” la me. Ðewohĩ gbɔgbɔmeparadiso si me Kristo hamea le dzidzɔ kpɔm le le “nuwuɣi” la me ƒe ŋutegae woɖe fia apostoloa.—Dan. 12:4.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme Na Mí:

3:5. Gɔmeɖose si le mawunyakpukpui sia me le mía fiam be Yehowa ŋutɔe toa eƒe Nya la, eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea, kple eƒe habɔbɔa ƒe akpa si le anyigba dzi la dzi naa Kristotɔwo te ŋu dzena nyuie na subɔsubɔdɔa wɔwɔ. (Yoh. 16:7; 2 Tim. 3:16, 17) Eya ta ele vevie be míanɔ Biblia kple Biblia srɔ̃gbalẽwo srɔ̃m veviedodotɔe, aku kutri le gbɔgbɔ kɔkɔea biabia le gbedodoɖa me me, eye míanɔ Kristotɔwo ƒe kpekpewo dem edziedzi ahanɔ gome kpɔm le wo me.—Ps. 1:1-3; Luka 11:10-13; Heb. 10:24, 25.

4:16. Esi wònye be Yehowa le ‘ame si míenye le ememe wɔm yeyee tso ŋkeke yi ŋkeke’ ta la, ele be míawɔ mɔnuɖoɖo ɖe sia ɖe si Yehowa wɔ na mí la ŋu dɔ, eye mele be míaɖe mɔ ŋkeke ɖeka teti nava yi si me míakpɔ gome le nu siwo atu mí ɖo le gbɔgbɔ me la wɔwɔ me o.

4:17, 18. Ŋkuɖoɖo edzi be fukpekpe siwo me míetona nye “ɣeyiɣi vi aɖe ƒe xaxa si nu mesẽ o” la ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míawɔ nuteƒe na Yehowa.

5:1-5. Aleke gbegbe Paulo ɖɔ ale si Kristotɔ amesiaminawo sena le wo ɖokui me ku ɖe woƒe dziƒogbenɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔa ŋu wònya see enye esi!

10:13. Abe ale si wònye ɖoɖo na míi ene la, anyigbamama si wode asi na míaƒe hamea me koe wòle be míaɖe gbeƒã le, negbe ɖee wowɔ ɖoɖo tɔxɛ aɖe na mí be míawɔ dɔ le afi si hiahiã geɖe le wu.

13:5. Bene ‘míado mía ɖokui akpɔ be míele xɔse la me’ hã la, ele na mí be míatsɔ míaƒe agbenɔnɔ asɔ kple nu si míesrɔ̃ le Biblia me. Bene ‘míado ame siwo míenye ŋutɔŋutɔ akpɔ’ la, ele be míanya ale si gbegbe míaƒe gbɔgbɔmemenyenye de toe, ale si gbegbe míaƒe “nugɔmesese ƒe ŋutetewo” ɖae, kple xɔsedɔ siwo gbegbe míewɔna. (Heb. 5:14; Yak. 1:22-25) Ne míeyi edzi le wɔwɔm ɖe aɖaŋu nyui siwo Paulo ɖo dzi la, míate ŋu ayi edzi anɔ zɔzɔm le nyateƒemɔ la dzi.

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Aleke wòle be míase nyagbɔgblɔ si nye “ɣesiaɣi si mieɖu abolo sia, eye mieno nu le kplu sia nu” la gɔmee?—1 Kor. 11:26