Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Tso Aƒe Me Yi Aƒe Me Subɔsubɔdɔa—Nu Ka Tae Wòhiã Vevie Fifia?

Tso Aƒe Me Yi Aƒe Me Subɔsubɔdɔa—Nu Ka Tae Wòhiã Vevie Fifia?

Tso Aƒe Me Yi Aƒe Me Subɔsubɔdɔa—Nu Ka Tae Wòhiã Vevie Fifia?

“Gbe sia gbe, le gbedoxɔa me kple aƒe me yi aƒe me la, woyi edzi nɔ nu fiam henɔ nya nyui la gblɔm le Kristo la, si nye Yesu, ŋu madzudzɔmadzudzɔe.”—DƆW. 5:42.

1, 2. (a) Gbeƒãɖeɖe mɔnu ka koŋ ye amewo nya nyuie be Yehowa Ðasefowo zãna? (b) Nu kawo mee míadzro le nyati sia me?

AME eve aɖewo siwo dzra ɖo nyuie lae nye ema ge ɖe aƒe aɖe me be yewoagblɔ Biblia me nya kpui aɖe si ku ɖe Mawu Fiaɖuƒea ŋu na aƒea me nɔla. Ne ekpɔ ŋudzedze ɖe woƒe gbedeasia ŋu la, woate ŋu anae Biblia srɔ̃gbalẽ aɖe ahawɔ ɖoɖo be yewoava srɔ̃ Biblia kplii. Emegbe woyia aƒe si kplɔe ɖo me. Dɔ sia le edzi yim le dukɔwo katã me le xexea me godoo. Ne èkpɔa gome le dɔ sia wɔwɔ me la, ɖikeke mele eme o be hafi nàte nuƒoƒo gɔ̃ hã, amewo dea dzesii be Yehowa Ðasefowo dometɔ ɖekae nènye. Nyateƒee, amewo tsɔa tso aƒe me yi aƒe me subɔsubɔdɔa dea dzesi mí.

2 Míezãa mɔnu vovovowo le se si Yesu de be míaɖe gbeƒã ahawɔ nusrɔ̃lawo la dzi wɔwɔ me. (Mat. 28:19, 20) Míeɖea gbeƒã le asiwo me, le mɔwo dzi, kple le dutoƒo teƒe bubuwo. (Dɔw. 17:17) Míeɖea gbeƒã na ame aɖewo to telefon kple lɛtaŋɔŋlɔ dzi. Míegblɔa nyateƒenya siwo le Biblia me la na ame siwo míedoa goe ne míele míaƒe gbe sia gbe dɔwo wɔm. Habɔbɔa ƒe Internet dzi nyatakakadzraɖoƒe hã li, afi si woate ŋu akpɔ nyatakaka siwo wotu ɖe Biblia dzi la le le gbegbɔgblɔ 300 kple edzivɔwo me. * Viɖe geɖe dona tso mɔnu vovovo siawo katã zazã me. Ke hã, le teƒe geɖe la, mɔ vevitɔ si dzi míetona kakaa nya nyui lae nye gbeƒãɖeɖe tso aƒe me yi aƒe me. Nu ka dzie wotu gbeƒãɖeɖe mɔnu sia ɖo? Aleke wòdzɔe be Mawu subɔla siwo li egbea la va le mɔnu sia zãm alea gbegbe? Eye nu ka tae wòle vivie fifia ɖo?

Mɔnu Si Apostoloawo Zã

3. Gbeƒãɖeɖe ŋuti mɔfiame kawoe Yesu na apostoloawo, eye nu kae esia ɖe fia le ale si wòle na wo be woawɔ gbeƒãɖeɖedɔae ŋu?

3 Ŋɔŋlɔawo dzie wotu gbeƒãɖeɖe tso aƒe me yi aƒe me ƒe mɔnua ɖo. Esime Yesu dɔ apostoloawo be woayi aɖaɖe gbeƒã la, mɔfiame si wòna woe nye be: “Du sia du alo kɔƒe sia kɔƒe si me mieyi la, midi ame si dze le eme.” Aleke woawɔ ake ɖe ame siwo dze la ŋu? Yesu gblɔ na wo be woayi amewo ƒe aƒewo me esime wògblɔ be: “Ne miele gegem ɖe aƒea me la, mido gbe na aƒea me tɔwo; eye ne aƒea dze la, ŋutifafa si miedi nɛ la nava edzi.” Ðe wòle be amewo nayɔ wo hafi woayi wo ƒe mea? Se nya siwo Yesu gagblɔ kplɔe ɖo la ɖa: “Afi sia afi si ame aɖe mexɔ mi alo ɖo to miaƒe nyawo le o la, ne miele dzodzom le aƒe ma alo du ma me la, miʋuʋu ke le miaƒe afɔwo ŋu ɖe anyi.” (Mat. 10:11-14) Mɔfiame siawo na wòdze ƒãa be esime apostoloawo “yi ɖato nutoa katã me tso kɔƒe me yi kɔƒe me, nɔ gbeƒã ɖem nya nyui la,” woawo ŋutɔwoe yia amewo ƒe aƒewo me le wo ɖokui si.—Luka 9:6.

4. Afi kawoe woƒo nu tso gbeƒãɖeɖe tso aƒe me yi aƒe me ŋu le tẽe le Biblia me?

4 Biblia ŋutɔ gblɔe eme kɔ nyuie be apostoloawo ɖe gbeƒã tso aƒe me yi aƒe me. Le kpɔɖeŋu me, Dɔwɔwɔwo 5:42 gblɔ tso wo ŋu be: “Gbe sia gbe, le gbedoxɔa me kple aƒe me yi aƒe me la, woyi edzi nɔ nu fiam henɔ nya nyui la gblɔm le Kristo la, si nye Yesu, ŋu madzudzɔmadzudzɔe.” Anɔ abe ƒe 20 ene megbe la, apostolo Paulo ɖo ŋku edzi na hamemetsitsi siwo nɔ Efeso hamea me be: “Nyemegbe nu siwo ŋu viɖe le la dometɔ aɖeke gbɔgblɔ na mi o, eye nyemegbe nufiafia mi le dutoƒo kple aƒe me yi aƒe me hã o.” Ðe Paulo yi hamemetsitsi mawo gbɔ le woƒe aƒewo me hafi wova zu xɔsetɔwoa? Edze ƒãa be eyi wo gbɔ, elabena efia nu wo ku ɖe “dzimetɔtrɔ yi Mawu gbɔ kple mía Aƒetɔ Yesu dzi xɔxɔse” kpakple nu bubuwo ŋu. (Dɔw. 20:20, 21) Esi agbalẽ aɖe nɔ nu ƒom tso Dɔwɔwɔwo 20:20 me nyawo ŋu la, egblɔ be: “Enyo be míade dzesii be gbeƒãɖela bibitɔ kekeake siawo ɖe gbeƒã tso aƒe me yi aƒe me.”—Robertson’s Word Pictures in the New Testament.

Egbegbe Ʋetsuviwo Ƒe Aʋakɔ Aɖe

5. Alekee wowɔ gbeƒãɖeɖedɔa ƒe kpɔɖeŋu le Yoel ƒe nyagblɔɖia me?

5 Ðaseɖiɖidɔ siwo wowɔ le ƒe alafa gbãtɔa me la nye gãtɔ kekeake si woava wɔ le míaƒe ɣeyiɣiawo me la ƒe kpɔɖeŋu sue aɖe ko. Nyagblɔɖila Yoel tsɔ Kristotɔ amesiaminawo ƒe gbeƒãɖeɖedɔa sɔ kple nudzodzoe gblẽnu, siwo dome ʋetsuviwo hã le, ƒe nu dome gbegblẽ. (Yoel 1:4) Ʋetsuvi siawo siwo nɔ zɔ ɖem abe aʋakɔ ene la, ɖua mɔxenu ɖe sia ɖe dzi, gena ɖe aƒewo me heɖua nu sia nu si wokpɔ le mɔa dzi ko. (Mixlẽ Yoel 2:2, 7-9.) Kpɔɖeŋu si sɔ ɖe ale si Mawu ƒe amewo awɔ ɖaseɖiɖidɔa le míaƒe ŋkekeawo me tsitotsito veviedodotɔe nu nyuie kae nye esi! Mɔnu siwo ŋu dɔ Kristotɔ amesiaminawo kple woƒe zɔhɛ “alẽ bubuwo” wɔna, si wɔe be nyagblɔɖi kpɔɖeŋu sia le eme vam, la dometɔ vevitɔe nye tso aƒe me yi aƒe me subɔsubɔdɔa. (Yoh. 10:16) Alekee wòdzɔe be mí Yehowa Ðasefowo míeva lé fɔ ɖe mɔnu sia si apostoloawo zã le gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ me la zazã ŋu?

6. Le ƒe 1922 me la, aleke wode dzi ƒo na Mawu ƒe amewo ku ɖe ɖaseɖiɖi tso aƒe me yi aƒe me dɔa ŋu, eye aleke ame aɖewo wɔ nui?

6 Tso ƒe 1919 dzi yina la, wote gbe ɖe agbanɔamedzi si wònye na Kristotɔ ɖe sia ɖe be wòakpɔ gome le ɖaseɖiɖidɔa me la dzi. Le kpɔɖeŋu me, nyati aɖe si ƒe tanyae nye “Subɔsubɔdɔa Le Vevie,” si dze le Gbetakpɔxɔ August 15, 1922 Eŋlisigbe me tɔ me la, ɖo ŋku ale si wòle vevie be Kristotɔ amesiaminawo “nakpɔ gome le gbedeasia tsɔtsɔ ayi na amewo to agbalẽwo mama kple nuƒoƒo na wo le woƒe ʋɔtruwo nu veviedodotɔe, ahana woanya be dziƒofiaɖuƒea gogo” la dzi na wo. Wotaa ɖaseɖinyawo ɖe Bulletin gbalẽvi (si nye Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ fifia) me. Ke hã, ame siwo kpɔa gome le tso aƒe me yi aƒe me gbeƒãɖeɖedɔa me ƒe xexlẽme nɔ sue le gɔmedzedzea me. Ame aɖewo gbe gomekpɔkpɔ le eme. Wotsɔ nu vovovowo nɔ taflatsɛ dom, gake kuxia ŋutɔŋutɔe nye be ame aɖewo se le wo ɖokui me be gbeƒãɖeɖe tso aƒe me yi aƒe me mede bubu yewo ŋu o. Esi woyi edzi nɔ gbe tem ɖe gbeadzisubɔsubɔdɔa wɔwɔ dzi la, ʋɛʋɛʋɛ la, ame siawo dometɔ geɖewo va dzudzɔ hadede kple Yehowa ƒe habɔbɔa.

7. Hiahiã kae va ɖe dzesi ƒãa le ƒe 1950 ƒeawo me?

7 Le ƒe blananewo megbe la, ame geɖe wu va nɔ gome kpɔm le gbeƒãɖeɖedɔa me. Gake eva dze kɔtɛ be ehiã be woana hehe wo le tso aƒe me yi aƒe me subɔsubɔdɔa me geɖe wu. Le kpɔɖeŋu me, na míakpɔ ale si nɔnɔmeawo nɔ le United States (États-Unis) ɣemaɣi ɖa. Le ƒe 1950 ƒeawo ƒe gɔmedzedze la, ɖeko Ðasefo siwo nɔ dukɔ ma me dometɔ 28 le alafa me maa amekpegbalẽviwo alo léa magazinewo ɖe asi hetɔna ɖe ablɔwo dzi. Ame siwo wu 40 le alafa me mekpɔa gome le gbeƒãɖeɖedɔa me edziedzi o, le mɔ sia nu be, ɣleti aɖewo va yina si me womeɖea gbeƒã kuraa o. Nu kae wòhiã be woawɔ ɣemaɣi atsɔ akpe ɖe Kristotɔ ɖeadzɔgbewo katã ŋu be woate ŋu anɔ gbeƒã ɖem tso aƒe me yi aƒe me?

8, 9. Hehenaɖoɖo ka gɔmee wodze le ƒe 1953 me, eye viɖe kawoe do tso eme?

8 Le dukɔwo dome takpekpe aɖe si wowɔ le New York City, le ƒe 1953 me me la, wote gbe ɖe tso aƒe me yi aƒe me subɔsubɔdɔa dzi etɔxɛe. Nɔviŋutsu Nathan H. Knorr gblɔ be, ele be Kristotɔ dzikpɔlawo katã ƒe dɔ vevietɔ nanye be woakpe ɖe Ðasefo ɖe sia ɖe ŋu be wòanɔ gome kpɔm le tso aƒe me yi aƒe me subɔsubɔdɔa me edziedzi. Egblɔ be: “Ele be ame sia ame nate ŋu anɔ gbeƒã ɖem nya nyuia tso aƒe me yi aƒe me.” Eya ta wodze xexea me katã ƒe hehenaɖoɖo aɖe gɔme hena taɖodzinu sia gbɔ ɖoɖo. Wonaa hehe ame siwo mekpɔa gome le tso aƒe me yi aƒe me gbeƒãɖeɖedɔa me o la le ale si woate ɖe amewo ŋu le woƒe aƒewo me, adzro Biblia me kpli wo ahaɖo woƒe biabiawo ŋu na wo me.

9 Viɖe siwo do tso hehenana sia me la ɖe dzesi ŋutɔ. Le ƒe ewo ko me la, gbeƒãɖelawo ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi le xexea me godoo zi gbɔ zi eve, tɔtrɔyi siwo wowɔ hã dzi ɖe edzi zi gbɔ zi eve kple nu vi aɖe, eye Biblia nusɔsrɔ̃ siwo wowɔ la hã dzi ɖe edzi zi gbɔ zi eve kple afã sɔŋ. Egbea la, Fiaɖuƒe gbeƒãɖela miliɔn adre kloe ye le gbeƒã ɖem nya nyui la le xexea me godoo. Dzidziɖedzi wɔnuku sia nye kpeɖodzi be Yehowa le yayram ɖe agbagba siwo dzem esubɔlawo le le tso aƒe me yi aƒe me gbeƒãɖeɖedɔa me dzi.—Yes. 60:22.

Dzesidede Amewo Hena Agbetsitsi

10, 11. (a) Ŋutega kae woɖe fia Xezekiel, abe ale si wòdze le Xezekiel ta 9 lia me ene? (b) Alekee ŋutega sia me nyawo le eme vam le míaƒe ŋkekea me?

10 Míate ŋu akpɔ vevienyenye si le tso aƒe me yi aƒe me subɔsubɔdɔa ŋu la adze sii le ŋutega aɖe si woɖe fia nyagblɔɖila Xezekiel me. Le ŋutegaa me la, Xezekiel kpɔ ŋutsu ade siwo dometɔ ɖe sia ɖe lé ametsrɔ̃nu ɖe asi, eye wòkpɔ ŋutsu adrelia, si ta aklala eye agbalẽŋlɔnu le aklito nɛ. Wogblɔ na ŋutsu adrelia sia be: ‘Yi nàɖatsa le dua me,’ eye ‘nàde dzesi ŋgonu na ame siwo le hũu ɖem, eye wole nu xam ɖe ŋunyɔnu, siwo katã wole wɔwɔm le eme ŋuti la.’ Le dzesidede ameawo vɔ megbe la, wogblɔ na ŋutsu siwo lé ametsrɔ̃nuwo ɖe asi la be woatsrɔ̃ ame siwo katã ŋu dzesia mele o.—Mixlẽ Xezekiel 9:1-6.

11 Míese egɔme be le nyagblɔɖi sia me vava me la, ŋutsu si “ta aklala” la le tsitre ɖi na Kristotɔ amesiamina susɔeawo. Amesiaminawo ƒe ha la to gbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔ dɔa dzi le dzesi dem ame siwo va le Kristo ƒe “alẽ bubuwo” ƒe ha la me tɔwo zum la le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu. (Yoh. 10:16) Nu kae nye dzesi la? Eyae nye ale si alẽ siawo nye Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃la ɖeadzɔgbe xɔnyɔnyrɔwo eye wodo amenyenye yeye si ɖi Kristo la tɔ, si dzena le wo ŋu kɔtɛ abe dzesi wònye wode woƒe ŋgowo nu ene. (Ef. 4:20-24) Ame siawo siwo ƒe nɔnɔme ɖi alẽwo la kple Kristotɔ amesiaminawo va zu alẽha ɖeka me tɔwo, eye wokpena ɖe amesiaminaawo ŋu le woƒe dɔ vevi si nye dzesidede ame bubuwo hã, la me.—Nyaɖ. 22:17.

12. Alekee Xezekiel ƒe ŋutega si ku ɖe dzesidede ŋgonu na amewo ŋu te gbe ɖe ale si wòle be míayi edzi anɔ ame siwo ƒe nɔnɔme ɖi alẽwo tɔ dim la ƒe vevienyenye dzi?

12 Xezekiel ƒe ŋutega la te gbe ɖe susu siwo tae wòhiã kpata ŋutɔ be míayi edzi anɔ ‘ame siwo le hũu ɖem, eye wole nu xam’ dim ɖo la dometɔ ɖeka dzi. Amewo ƒe agbe ɖo afɔku me. Eteƒe madidi o, Yehowa ƒe ametsrɔ̃lawo ƒe aʋakɔ siwo le dziƒo, siwo wotsɔ ame ade siwo lé ametsrɔ̃nuwo ɖe asi wɔ kpɔɖeŋu na la, ava tsrɔ̃ ame siwo ŋu dzesia mele o. Apostolo Paulo ŋlɔ tso ʋɔnudɔdrɔ̃ sia si tu aƒe la ŋu be Aƒetɔ Yesu, si ŋu “[eƒe] mawudɔla sẽŋuwo” akpe ɖo la, “[abia] hlɔ̃ ame siwo menya Mawu o kple ame siwo meɖoa to mía Aƒetɔ Yesu ŋuti nya nyui la o.” (2 Tes. 1:7, 8) De dzesii be ale si amewo wɔa nu ɖe nya nyui la ŋu dzie woanɔ te ɖo adrɔ̃ ʋɔnu wo. Eya ta ele be gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe gbedeasia nayi edzi ŋkubiãtɔe va se ɖe nuwuwu. (Nyaɖ. 14:6, 7) Esia da agba gã aɖe ɖe Yehowa subɔla ɖeadzɔgbewo katã dzi.—Míxlẽ Xezekiel 3:17-19.

13. (a) Agba kae apostolo Paulo se le eɖokui me be ele ye dzi, eye nu ka tae? (b) Agba kae nèse le ɖokuiwò me be ele ye dzi ku ɖe ame siwo le miaƒe anyigbamama me ŋu?

13 Apostolo Paulo se le eɖokui me be yeƒe agbanɔamedzie wònye be yeagblɔ nya nyuia na ame bubuwo. Eŋlɔ bena: “Helatɔwo kple Barbaratɔwo siaa, nunyalawo kple ame manyanuwo siaa, ƒe fenyilae menye: eya ta mele didim vevie be magblɔ nya nyui la na mi ame siwo le Roma afi ma la hã.” (Rom. 1:14, 15) Esi Paulo kpɔ ŋudzedze ɖe ale si wokpɔ nublanui nɛ ŋu ta la, ese le eɖokui me be ele be yeadze agbagba akpe ɖe ame bubuwo ŋu bene Mawu ƒe amenuveve la naɖe vi na woawo hã. (1 Tim. 1:12-16) Ðeko wònɔ nɛ abe ɖee wònyi fe aɖe, si mate ŋu axe o, negbe to nya nyuia gbɔgblɔ ɖeɖe dzaa ko dzi la le ame ɖe sia ɖe si wòdoa goe si ene. Ðe wò hã nèsena le ɖokuiwò me be yenyi fe ma tɔgbi le ame siwo le miaƒe anyigbamama me ŋua?—Mixlẽ Dɔwɔwɔwo 20:26, 27.

14. Susu vevitɔ kekeake ka tae míeɖea gbeƒã le dutoƒo kple tso aƒe me yi aƒe me ɖo?

14 Togbɔ be amewo ƒe agbe ɖeɖe nye susu vevi aɖe si tae míeɖea gbeƒã tso aƒe me yi aƒe me ɖo hã la, susu bubu aɖe li si gale vevie wu. Yehowa gblɔ le nyagblɔɖi si dze le Maleaxi 1:11 (NW) me be: “Nye ŋkɔ ade dzi le dukɔwo dome tso ɣedzeƒe va se ɖe ɣetoɖoƒe ke, eye . . . woawɔ nunana na nye ŋkɔ, nunana dzadzɛ gɔ̃ hã; elabena nye ŋkɔ ade dzi le dukɔwo dome.” Le nyagblɔɖi sia me vava me la, Yehowa subɔla ɖeadzɔgbewo le eƒe ŋkɔa kafum le anyigba bliboa dzi le dutoƒo, esime wole woƒe subɔsubɔdɔa wɔm ɖokuibɔbɔtɔe. (Ps. 109:30; Mat. 24:14) “Kafukafuvɔsa” tsɔtsɔ na Yehowa ye nye susu vevitɔ kekeake si tae míeɖea gbeƒã le dutoƒo kple tso aƒe me yi aƒe me ɖo.—Heb. 13:15.

Nu Ðedzesi Siwo Le Ŋgɔ

15. (a) Alekee Israel viwo do tsɔtsɔe woƒe xlãƒoƒo Yerixo dua le ŋkeke adrelia gbe? (b) Nu kae esia ɖe fia ku ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu?

15 Nu ɖedzesi kawoe le ŋgɔ ku ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu? Toɖeɖe ɖe Yerixo dua ŋu, si ŋutinya woŋlɔ ɖe Yosua ƒe agbalẽa me la nye esia ƒe kpɔɖeŋu. Ðo ŋku edzi be do ŋgɔ teti hafi Mawu natsrɔ̃ Yerixo la, wogblɔ na Israel viwo be woazɔ aƒo xlã dua gbe ɖeka zi ɖeka hena ŋkeke ade. Gake le ŋkeke adrelia gbe ya la, enɔ na wo be woaƒo xlã dua zi gbɔ zi geɖe. Yehowa gblɔ na Yosua be: “Woazɔ aƒo xlã du la akpe ɖo zi adre, eye nunɔlawo naku akɔfɛawo. Ne wonya ku lãdzoawo . . . ko la, dukɔ blibo la [nado aʋaɣli sesĩe], ekema du la ƒe gliwo aŋe adze eme.” (Yos. 6:2-5) Ðewohĩ ava hiã be míawo hã míava do tsɔtsɔe míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa nenema ke. Ðikeke mele eme o be, kaka nuɖoanyi sia ƒe tsɔtsrɔ̃ɣia naɖo la, míaɖe gbeƒã Mawu ƒe ŋkɔa kple eƒe Fiaɖuƒea le mɔ ɖedzesitɔ kekeake nu le ŋutinya katã me.

16, 17. (a) Nu kae woana amewo anya hafi “xaxa gã la” nawu enu? (b) Nu ka mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

16 Ɣeyiɣi aɖe ava le esi me gbedeasi si míeɖea gbeƒãe la aɖi hoo abe ‘aʋaɣli sesẽ’ aɖe ene. Woƒo nu tso “tsikpe gã, siwo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe kpekpeme anɔ talento ɖeka,” * ŋu tsɔ wɔ kpɔɖeŋu na ʋɔnudrɔ̃gbedeasi sesẽwo, le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me. Nyaɖeɖefia 16:21 hã gblɔ be, “Woƒe fuwɔame la nu sẽ wu gbɔgblɔ.” Míenya akpa si tso aƒe me yi aƒe me subɔsubɔdɔa awɔ le gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe ʋɔnudrɔ̃gbedeasi ma si nu asẽ wu la me haɖe o. Gake míate ŋu aka ɖe edzi be hafi “xaxa gã la” nawu enu la, woana amewo nanya Yehowa ƒe ŋkɔ le mɔ ɖedzesi aɖe si ɖeke mesɔ kpli le ŋutinya katã me o nu.—Nyaɖ. 7:14; Xez. 38:23.

17 Esi míele mɔ kpɔm na nudzɔdzɔ ɖedzesi siwo le ŋgɔ gbɔna la, mina míayi edzi anɔ gbeƒã ɖem Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui la dzonɔamemetɔe. Kuxi kawoe míedoa goe le tso aƒe me yi aƒe me subɔsubɔdɔa wɔwɔ me, eye aleke míawɔ akpe akɔ kpli wo dzinɔameƒotɔe? Míadzro biabia siawo me le nyati si kplɔe ɖo me.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 2 Yehowa Ðasefowo ƒe Internet dzi nyatakakadzraɖoƒe lae nye www.watchtower.org.

^ mm. 16 Ne Helatɔwo ƒe talento nue wobu tsikpeawo ƒe kpekpeme ɖo la, ke wo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe kpekpeme anɔ abe kilogram 20 ene.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Ŋɔŋlɔ kawo dzie wotu tso aƒe me yi aƒe me gbeƒãɖeɖedɔa ɖo?

• Alekee wova te gbe ɖe tso aƒe me yi aƒe me subɔsubɔdɔa dzi le míaƒe ŋkekeawo me?

• Nu ka tae wònye Yehowa subɔla ɖeadzɔgbewo katã ƒe agbanɔamedzi be woaɖe gbeƒã?

• Nudzɔdzɔ ɖedzesi kawoe le ŋgɔ gbɔna?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 4]

Ðe wò hã èse le ɖokuiwò me abe apostolo Paulo ene be agba le ye dzi be yeaɖe gbeƒã na ame bubuwoa?

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Nɔviŋutsu Knorr, ƒe 1953