Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Ðe Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo do nyitsɔ laa xexlẽ do dzidzɔ na wòa? Kpɔe ɖa be àte ŋu aɖo biabia siwo gbɔna la ŋu hã:

• Kuxi sesẽ kae dze ŋgɔ Kristotɔ aɖewo le srɔ̃ɖeɖe vɔ megbe, eye nu kae wòle be woadze agbagba awɔ?

Kristotɔ aɖewo ava kpɔe le woƒe srɔ̃ɖeɖe megbe be yewo kple yewoƒe kpeɖeŋutɔa ƒe susu to vovo kura le nu geɖewo me. Esi wonya be menye srɔ̃gbegbe si mesɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu o ye nye kuxia gbɔ kpɔnu o ta la, ɖeko wòle be woadze agbagba vevie alé woƒe srɔ̃ɖeɖea ɖe te.—4/15, axa 17.

• Kuxi kawoe Kristotɔ si le ame tsitsi dzi kpɔƒe ate ŋu ado goe?

Ate ŋu adzɔ be wòava nɔ hame aɖe si me tɔwo menya o ƒe anyigbamama me. Anɔ eme be ame siwo ƒe dzixɔsewo to vovo domee wòanɔ le ame tsitsi dzikpɔƒea, eye woadze agbagba be yewoana wòakpɔ gome le subɔsubɔwɔna aɖewo me. Ele be kuxi siawo nanɔ susu me na ame tsitsia ƒe ƒometɔ siwo nye Kristotɔwo kple hamea me tɔwo siaa bene woakpe ɖe eŋu ahalé be nɛ.—4/15, axa 25-27.

Afɔɖeɖe ene kawoe ate ŋu akpe ɖe srɔ̃tɔwo ŋu le kuxiwo gbɔ kpɔkpɔ me?

Miɖo ɣeyiɣi ɖi koŋ na kuxiwo me dzodzro. (Nyagb. 3:1, 7) Gblɔ wò nukpɔsusu le anukwareɖiɖi kple bubu me. (Ef. 4:25) Ðo to srɔ̃wòa nyuie eye nàse eƒe seselelãmewo gɔme nɛ. (Mat. 7:12) Milɔ̃ ɖe kuxia gbɔ kpɔnu ɖeka dzi, eye míawɔ nu aduadu le egbɔkpɔkpɔ me. (Nyagb. 4:9, 10)—5/1, axa 10-12.

• Esi Yesu xlɔ̃ nu mí be míado gbe ɖa be woatsɔ míaƒe fewo ake mí la, fe kawoe wòwɔnɛ?

Mateo 6:12 kple Luka 11:4 tsɔtsɔ sɔ kple wo nɔewo na míekpɔe be menye fenyinyi ŋutɔŋutɔ ŋue Yesu nɔ nu ƒom tso o. Nu vɔ̃wo ŋu nya gblɔm wònɔ. Ele be míasrɔ̃ Mawu to lɔlɔ̃ faa be míatsɔ anɔ ame bubuwo kem me.—5/15, axa 9.

• Kɔmiti vovovo kawo mee Dziɖuha la me tɔwo wɔa dɔ le?

Zimenɔlawo Ƒe Kɔmiti; Dɔwɔlawo Ƒe Kɔmiti; Agbalẽtata Kɔmiti; Subɔsubɔ Kɔmiti; Nufiafia Kɔmiti; Agbalẽŋɔŋlɔ Kɔmiti.—5/15, axa 29.

• Nu kae ana míaka ɖe edzi be Noa ƒe ŋkekea me Tsiɖɔɖɔa xɔ anyigbaa katã dzi?

Yesu ka ɖe edzi be Tsiɖɔɖɔa va ŋutɔŋutɔ, eye be exɔ anyigbaa katã dzi hã. Wotu Biblia me nuxlɔ̃ame aɖewo ɖe nyateƒe si wònye be Tsiɖɔɖɔa xɔ anyigba katã dzi la dzi.—6/1, axa 8.

• Yudatɔwo ŋue nuwɔna siwo ŋu woƒo nu tso le Romatɔwo 1:24-32 la ku ɖo loo, alo dukɔwo me tɔwo ŋue woku ɖo?

Togbɔ be nya siwo Paulo gblɔ ate ŋu aku ɖe wo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu hã la, Israel vi siwo nɔ anyi le blema, siwo gbe Se la dzi wɔwɔ hena ƒe alafa geɖe la koŋ ŋue wònɔ nu ƒom tso. Togbɔ be wonya Mawu ƒe dzidzenu dzɔdzɔeawo hã la, womenɔ agbe ɖe wo nu o.—6/15, axa 29.

• Afi kae Tel Arad le, eye nu ka tae wònye du vevi aɖe?

Kpo aɖe si le Israel, le Ƒu Kukua ƒe ɣetoɖoƒekpa dzi, ye wotsɔ dea dzesi blema du Arad. Le kpo sia dzi la, tomenukulawo ke ɖe anyikpe meme siwo dzi woŋlɔa nu ɖo la dometɔ geɖe ŋu. Woŋlɔ ŋkɔ siwo dze le Biblia me la ɖe wo dometɔ aɖewo dzi, eye woɖee fia be wozã Mawu ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ le xexemenuŋlɔɖiwo me.—7/1, axa 23-24.

• Nu ka tae dadasɔ le nu siwo míedina tso mía ɖokuiwo si me ana míakpɔ dzidzɔ?

Ne míele hloloe tsom be míaɖo taɖodzinu siwo gbɔ míate ŋu aɖo o gbɔ godogodo la, ɖeko ɖeɖi ate mía ŋu dzodzro. Ke hã, mele be míado kuvia mía ɖokui to nu siwo míesusu be míate ŋu awɔ o, evɔ ɖewohĩ míate ŋu awɔ wo hafi la tsɔtsɔ anɔ taflatsɛ dom ale be míado kpo geɖe wɔwɔ le subɔsubɔdɔa me o.—7/15, axa 29.

• Nu kawoe ate ŋu anye mɔxenu na dzilawo kple wo vi sɔhɛwo dome dzeɖoɖo?

Mɔxenuawo ate ŋu anye ale si sɔhɛwo kpea ŋu, hedina be yewoanɔ yewo ɖokui si, eye be nanewo nanye yewo ŋutɔ yewo ɖeɖe ko ƒe nya. Dzilawo ate ŋu azã ɣeyiɣi siwo me woa kple wo viwo wole nanewo wɔm ɖekae atsɔ aɖo dze kpli wo, eye woadze agbagba ase susu si tae wo viawo gblɔ nya aɖewo ɖo la gɔme.—8/1, axa 10-11.