Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

De Bubu Yehowa Ŋu To Nuwɔwɔ Bubutɔe Me

De Bubu Yehowa Ŋu To Nuwɔwɔ Bubutɔe Me

De Bubu Yehowa Ŋu To Nuwɔwɔ Bubutɔe Me

“Bubu kple atsyɔ̃ ye nye [Yehowa ƒe] nuwɔwɔ.”—PS. 111:3, NW.

1, 2. (a) Alekee nàɖe nya “bubu” gɔme? (b) Biabia kawo mee míadzro le nyati sia me?

ESI wobia ƒe ewo vi Madison be nu kae wòfia be ame nana “bubu nanɔ eŋu” hã la, eɖo eŋu enumake be, efia be ‘wòado awu le nɔnɔme nyui me.’ Ðewohĩ nu si nyɔnuvi sue sia menya kura gɔ̃ hã o ye nye be Biblia ƒo nu tso Mawu ŋu be “èta bubu abe avɔ ene.” (Ps. 104:1, NW) Le amegbetɔwo gome la, nuwɔwɔ le bubu me ate ŋu alɔ awudodo le nɔnɔme nyui me ɖe eme ɣeaɖewoɣi. Le kpɔɖeŋu me, apostolo Paulo di be Kristotɔ nyɔnuwo “nado awu le nɔnɔme nyui me atsɔ aɖo atsyɔ̃ na wo ɖokuiwo, le ameŋububu kple ŋuɖɔɖo me, menye kple ɖaƒoƒo ƒe atsyãwo kple sika alo dzonuwo alo awu xɔasiwo dodo o.” (1 Tim. 2:9) Gake nuwɔwɔ le mɔ si ado kɔkɔ Yehowa ƒe “bubu kple atsyɔ̃” nu ya de ŋgɔ wu ema.—Ps. 111:3, NW.

2 Woagate ŋu aɖe Hebrigbe me nya si wozã na “bubu” le Biblia me la gɔme be “atsyɔ̃,” “gãnyenye,” alo “ŋutikɔkɔe.” Le nyagɔmeɖegbalẽ aɖe ƒe nya nu la, “bubu” nye “nɔnɔme nyui alo nu si naa ame dzena na bubu, nu si naa wobunɛ, alo dea asixɔxɔ eŋu.” Eye ame aɖeke medze na bubu kple asixɔxɔ gãtɔ de Yehowa nu o. Eya ta ele be mí ame siwo nye esubɔla ɖeadzɔgbewo míatsɔ míaƒe nuƒoƒo kple nuwɔnawo ade bubu eŋu. Gake nu ka tae amegbetɔwo ate ŋu awɔ nu le bubu me? Alekee woɖe Yehowa ƒe bubu kple atsyɔ̃ɖoɖo fia wòdze ƒãa? Ŋusẽ kae wòle be bubu si le Mawu ŋu nakpɔ ɖe mía dzi? Nu kae Yesu Kristo ate ŋu afia mí ku ɖe nɔnɔme sia ɖeɖe fia ŋu? Eye alekee míate ŋu aɖe mawumebubu afia?

Nu Si Ta Míate Ŋu Awɔ Nu Le Bubu Me

3, 4. (a) Alekee wòle be míawɔ nu ɖe bubu si wode mía ŋu la ŋu? (b) Ame ka ŋue nyagblɔɖinya siwo le Psalmo 8:6-10 la ku ɖo? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.) (d) Ame kawo ŋue Yehowa de bubu le blema?

3 Esi Mawu wɔ ame ɖe eƒe nɔnɔme nu ta la, ŋutete le amegbetɔwo katã si be woawɔ nu le bubu me. Yehowa de bubu ame gbãtɔ ŋu esime wòtsɔ anyigba dzi kpɔkpɔ de asi nɛ. (1 Mose 1:26, 27) Esi amegbetɔ bu eƒe blibodede vɔ megbe gɔ̃ hã la, Yehowa gagblẽ dɔ si wòde asi nɛ ku ɖe anyigbaa dzi kpɔkpɔ ŋu la ɖe esi me. Esia fia be Mawu gakpɔtɔ tsɔ bubu “ɖɔ” na amegbetɔwo. (Mixlẽ Psalmo 8:6-10.) * Bubu si Mawu de mía ŋu bia tso mía si be míawo hã míawɔ nu ɖe eŋu le bubu me—be míanɔ Yehowa ƒe ŋkɔ dzeani la kafum le bubu deto me.

4 Yehowa de bubu aɖe ame siwo tsɔa subɔsubɔ kɔkɔe naa eyama la ŋu le mɔ tɔxɛ aɖe nu. Mawu de bubu Abel ŋu esi wòkpɔ ŋudzedze ɖe eƒe vɔsa ŋu, gake wògbe nɔviaŋutsu Kain ya tɔ. (1 Mose 4:4, 5) Ebia tso Mose si be ‘wòaɖe bubu si le eŋu la ƒe ɖe’ ada ɖe Yosua, ame si ava xɔ ɖe eteƒe akplɔ Israel viwo la dzi. (4 Mose 27:20) Biblia gblɔ le David vi Salomo ŋu be: “Yehowa wɔ Salomo gã ŋutɔŋutɔ le Israel blibo la ŋku me, eye wòtsɔ fiaɖuɖu, si ŋu [bubu] le la nɛ, esi tɔgbi menɔ fia, siwo, ɖu Israel dzi do ŋgɔ nɛ la si o.” (1 Kron. 29:25) Mawu ade bubu tɔxɛ Kristotɔ amesiamina, siwo woafɔ tso ku me, ame siwo wɔ nuteƒe le nuƒoƒo tso eƒe “fiaɖuƒe ƒe bubu ŋu” me la ŋu. (Ps. 145:11-13) Yesu ƒe “alẽ bubuwo” ƒe ameha gbogbo aɖe hã le akpa vevi aɖe si ŋu bubu le, si nye yayra na wo, la wɔm le Yehowa dodo ɖe dzi alea me.—Yoh. 10:16.

Woɖe Yehowa Ƒe Bubu Kple Atsyɔ̃ Fia

5. Bubu gã ka gbegbee le Yehowa ŋu?

5 Le hakpala David ƒe ha aɖe si ɖe vovototo gã si le Mawu ƒe gãnyenye kple amegbetɔ ƒe nu maɖinu nyenye dome fia me la, egblɔ be: “Yehowa, mía Aƒetɔ, wò ame si na wò [bubu] gbagba gbɔ dziƒo ta, ale gbegbe wò ŋkɔ dzeani le anyigba blibo la dzii!” (Ps. 8:2) Le ɣeyiɣi siwo katã do ŋgɔ na “dziƒo kple anyigba” wɔwɔ me yi ɖe ɣeyiɣi siwo katã ava le Mawu ƒe tameɖoɖo si nye be yeawɔ anyigba wòazu paradiso ahagbugbɔ ana amegbetɔƒomea nade blibo la me vava bliboe megbe, si nye tso mavɔ me yi mavɔ me la, Yehowa Mawue nye Ame si ŋu bubu kple atsyɔ̃ gãtɔ kekeake le wu le xexe bliboa katã me.—1 Mose 1:1; 1 Kor. 15:24-28; Nyaɖ. 21:1-5.

6. Nu ka tae hakpalaa gblɔ be Yehowa ta bubu abe avɔ ene?

6 Aleke gbegbe dziŋgɔli gbahoo sia, si me fa miɔɔ, si yɔ fũu kple ɣletivi siwo le keklẽm abe dzonuvi dzeaniwo ene le zã me la kpɔkpɔ anya wɔ dɔ ɖe hakpala mawuvɔ̃la sia dzii enye esi! Esi ale si Mawu ‘keke dziƒo abe agbadɔvɔ ene’ la kpɔkpɔ wɔ nuku na hakpalaa ŋutɔ ta la, eɖɔ Yehowa be eta gãnyenye alo bubu abe avɔ ene, le eƒe nuwɔwɔ ƒe aɖaŋu deŋgɔ la ta. (Mixlẽ Psalmo 104:1, 2.) Wɔla ŋusẽkatãtɔ makpɔmakpɔ la ƒe bubu kple atsyɔ̃ dzena ƒãa le eƒe nuwɔwɔ siwo wokpɔna me.

7, 8. Yehowa ƒe bubu kple atsyɔ̃ ƒe kpeɖodzi kae míekpɔna le dziƒonutowo me?

7 Le kpɔɖeŋu me, bu Masa (Milky Way alo la Voie lactée) ɣletivihatsotsoa ŋu kpɔ. Le ɣletivihatsotso gã sia si me yɔ fũu kple ɣletiviwo, ɣletinyigbawo, kpakple ɣe kple eŋuɣletinyigba bubuawo dome la, ɖeko míaƒe Anyigba sia le sue abe kekui ɖeka le ƒutake gbogbo siwo xexlẽme meli na o dome ene. Ɛ̃, ɣletivi siwo sɔ gbɔ wu biliɔn 100 ye le Masa ɣletivihatsotsoa ɖeɖe dzaa me! Ne àte ŋu axlẽ ɣletivi mawo katã ɖekaɖeka le sɛkɛnd ɖe sia ɖe me zã kple keli madzudzɔmadzudzɔe la, axɔ ƒe 3,000 kple edzivɔ hafi nàwu ɣletivi biliɔn 100 ma xexlẽ nu.

8 Ne ɣletivi biliɔn 100 sɔŋ ye le Masa ɣletivihatsotsoa ɖeɖe dzaa me la, ke alekee xexlẽmea anɔ le xexe gbahoo la katã me? Ɣletiviŋununyalawo bu akɔnta be ɣletivihatsotso siwo ade biliɔn 50 va ɖo biliɔn 125 sɔŋ dometɔ ɖeka koe Masa ɣletivihatsotsoa nye. Ke ɣletivi nenie le xexe gbahoo la katã me? Míate ŋu akpɔ ale si gbegbe wosɔ gbɔe la le susu me gɔ̃ hã o. Gake Yehowa ya nya “xexlẽme na dzinuviwo, eye wòyɔa wo katã ŋkɔ.” (Psalmo 147:4) Esi míekpɔ ale si gbegbe Yehowa ta bubu kple atsyɔ̃ abe avɔ ene alea la, ɖe meʋã mí be míado eƒe ŋkɔ gã la ɖe dzi oa?

9, 10. Aleke gbe sia gbe nuɖuɖu si nye abolo doa mía Wɔla ƒe nunya ɖe dzii?

9 Mina míaɖe míaƒe susu ɖa le dziƒo ŋu nu dzeaniawo dzi azɔ ahabu abolo, si nye nane si míenya nyuie la ŋu. Menye ɖeko Yehowa nye ‘Ame si wɔ dzi kple anyi’ o, ke enye ‘ame si naa abolo dɔwuitɔwo’ hã. (Ps. 146:6, 7) Mawu ƒe “bubu kple atsyɔ̃” dze le eƒe dɔ klitsuwo, siwo dome numiemie siwo me míekpɔa abolo tsona hã le la me. (Mixlẽ Psalmo 111:1-5.) Yesu fia eyomedzelawo be woado gbe ɖa be: “Na míaƒe abolo si asu mía nu egbe la mí.” (Mateo 6:11) Abolo nye blematɔ geɖe, siwo dome Israel viwo hã le, ƒe gbe sia gbe nuɖuɖuwo dometɔ ɖeka. Togbɔ be nuɖuɖu tsɛ aɖe koe abolo nye hã la, nu siwo gbegbe dzɔna hafi amɔwɔ kple nu vovovo siwo wotsɔ tsakanɛ la trɔna zua abolo vivi ya menye nu tsɛ kura o.

10 Le ɣeyiɣi siwo me woŋlɔ Biblia la, Israel viwo zãa luwɔ alo ƒowɔ, si wotsɔa tsi blunae, tsɔ mea abolo. Ɣeaɖewoɣi la, wozãa amɔwɔʋãnu alo abolohonu le abolomeme me. Ne wonya tsɔ nu tsɛ vovovo siawo tsaka ko la, nu suesuesue gbogbo manyaxlẽ siwo to vovo tso wo nɔewo gbɔ la va nɔa kadodo tɔxɛ aɖe me kple wo nɔewo le amɔwɔa me. Womese kadodo siwo tututu nɔa nu suesuesue vovovo mawo dome la gɔme tututu o. Gawu la, ale si míaƒe dɔgbo tua abolo si míeɖuna ŋutɔ hã nye nu wɔnuku bubu le eɖokui si. Eya ta mewɔ nuku o be hakpala la dzi ha be: “Yehowa, wò dɔwɔwɔwo sɔ gbɔ loo! Èwɔ wo katã le nunya me”! (Psalmo 104:24) Ðe wò hã èsena le ɖokuiwò me be yeakafu Yehowa nenema?

Ŋusẽ Kae Mawu Ƒe Bubu Kple Atsyɔ̃ Kpɔna Ðe Dziwò?

11, 12. Dɔ kae ŋugbledede le Mawu ƒe nuwɔwɔwo ŋu ate ŋu awɔ ɖe mía dzi?

11 Mehiã be míanye ɣletiviŋununyalawo hafi dziŋgɔlikpɔkpɔ le zã me nawɔ nuku na mí, alo be míanye nuwo ƒe wɔwɔme kple woƒe nɔnɔme ŋuti nunyalawo hafi abolo navivi mía nu o. Gake hafi míate ŋu akpɔ ŋudzedze ɖe mía Wɔla la ƒe atsyɔ̃ ŋu la, ehiã be míadi ɣeyiɣi ahade ŋugble le eƒe asinudɔwɔwɔwo ŋu. Ŋusẽ kae ŋugbledede sia ƒomevi ate ŋu akpɔ ɖe mía dzi? Ale si wòakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi la le ko abe ŋusẽ si ŋugbledede tso nukudɔ siwo Yehowa wɔ ɖe eƒe amewo ta ŋu kpɔna ɖe mía dzi ene.

12 David dzi ha ku ɖe nu gã siwo Yehowa wɔna ɖe Eƒe amewo ta ŋu be: “Made ŋugble le wò gãnyenye ƒe atsyɔ̃ɖoɖo nyoawo kple wò [nukudɔwɔwɔwo] ŋu.” (Psalmo 145:5) Míedea ŋugble le dɔwɔwɔ siawo ŋu ne míesrɔ̃a Biblia hedia ɣeyiɣi yia tame le nu siwo míexlẽna le eme ŋu. Viɖe kae dona tso ŋugbledede sia me? Míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Mawu ƒe bubu kple atsyɔ̃ ŋu dea to ɖe edzi. Eye esia ʋãa mí godoo be míawɔ ɖeka kple David ade bubu Yehowa ŋu ahagblɔ be: “Maxlẽ nya afia le wò nutsuwɔwɔwo ŋu.” (Psalmo 145:6) Ele be ŋugbledede tso Mawu ƒe nukudɔwɔwɔwo ŋu nana mía kple Yehowa dome ƒomedodoa me nasẽ ɖe edzi eye wòaʋã mí míatsɔ dzidzɔ kple didi vevie agblɔ eŋuti nya na ame bubuwo. Ðe nèle gbeƒã ɖem nya nyuia dzonɔamemetɔe hele kpekpem ɖe amewo ŋu be woakpɔ ŋudzedze ɖe Yehowa Mawu ƒe bubu, atsyɔ̃, kple gãnyenye ŋua?

Yesu Ðea Mawu Ƒe Bubu Fiana Le Mɔ Deblibo Nu

13. (a) Le Daniel 7:13, 14 ƒe nya nu la, nu kae Yehowa tsɔ ɖɔ na Via? (b) Abe Fia ene la, alekee Yesu wɔa nu ɖe eteviwo ŋu?

13 Mawu ƒe Vi, Yesu Kristo, ɖe gbeƒã nya nyuia hede bubu Fofoa si le dziƒo si ŋu bubu kple atsyɔ̃ɖoɖo gã le la ŋu. Yehowa tsɔ bubu tɔxɛ aɖe ɖɔ na Via esime wòtsɔ ‘dziɖuŋusẽ kple fiaɖuƒe’ nae. (Mixlẽ Daniel 7:13, 14.) Ke hã, Yesu medoa eɖokui ɖe dzi alo dzea eɖokui ŋu o. Nɔnɔme si to vovo na ema kurae wòɖena fiana—enye Dziɖula veveseɖeamenula si sea eteviwo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo gɔme na wo hedea bubu si dze la wo ŋu. Bu ale si Yesu si nye Fia si Mawu ŋutɔ tia la wɔ nu ɖe ame siwo wòdo goe, vevietɔ ame siwo amewo ɖia gbɔe eye wòdze abe womelɔ̃a woƒe nya o ene, ŋu la ƒe kpɔɖeŋu aɖe ŋu kpɔ.

14. Alekee wobua kpodɔlélawo le blema Israel?

14 Zi geɖe la, ame siwo nɔ kpodɔ lém le blema ɣeyiɣiwo me la nɔa kukum vivivi le mɔ gbãdziname aɖe nu. Vivivi la, dɔa va xɔa amea ƒe ŋutinuwo katã. Wobua gbedada na kpodɔlélawo be esesẽ abe ame kuku fɔfɔ ɖe tsitre ene. (4 Mose 12:12; 2 Fia. 5:7, 14) Wobua kpodɔlélawo be wo ŋuti mekɔ o eye woɖea wo ɖe aga tso amewo dome. Ne wole tetem ɖe amewo ŋu la, ele na wo be woanɔ ɣli dom be “Busue! Busue!” (3 Mose 13:43-46) Ðeko kpodɔléla le abe ame si ku ene. Le rabiwo ƒe nuŋlɔɖiwo ƒe nya nu la, womeɖe mɔ na kpodɔléla be wòate ɖe ame aɖeke ŋu wu meta ɖeka kple afã lɔƒo o. Wogblɔ be ne nunɔla aɖe kpɔ kpodɔléla aɖe le adzɔge kura gɔ̃ hã la, edaa kpe do ɖa egbɔ be wòagagogo ye o.

15. Alekee Yesu wɔ nu ɖe kpodɔléla aɖe ŋu?

15 Gake eɖe dzesi ŋutɔ be Yesu ya wɔ nu ɖe kpodɔléla aɖe si va egbɔ heƒo koko nɛ be wòada gbe le ye ŋu la ŋu le mɔ si to vovo kura nu. (Mixlẽ Marko 1:40-42.) Yesu menyã kpodɔléla sia si amewo ɖia gbɔe la o, ke boŋ ewɔ nu ɖe eŋu le veveseseɖeamenu kple bubu me. Yesu kpɔe be enye nublanuime si wòhiã be woafa akɔ na. Veveseseɖeamenu ƒe seselelãme sia ʋã Yesu wòɖe afɔ si hiã enumake. Edo asi ɖa, ka asi kpodɔlélaa ŋu heda gbe le eŋu.

16. Nu kae nèsrɔ̃ tso ale si Yesu wɔa nu ɖe amewo ŋui me?

16 Abe Yesu yome dzelawo ene la, aleke míate ŋu asrɔ̃ ale si Yesu ɖe Fofoa ƒe bubu fiae? Mɔ ɖekae nye dzesidedee be ehiã be míade bubu kple asixɔxɔ ame sia ame ŋu, metsɔ le woƒe ɖoƒe, lãmesẽ, alo ƒexɔxɔ me o. (1 Petro 2:17) Vevietɔ ele na ame siwo le agbanɔamedzinɔƒewo, abe srɔ̃ŋutsuwo, dzilawo, kple Kristotɔ hamemetsitsiwo ene, be woade bubu ame siwo le woƒe dzikpɔkpɔ te la ŋu, eye woakpe ɖe wo ŋu woakpɔe adze sii be asixɔxɔ le yewo ŋu. Esi Biblia nɔ gbe tem ɖe edzi be ele be Kristotɔwo katã nawɔ ɖe nudidi sia dzi la, egblɔ be: “Milɔ̃ mia nɔewo vevie abe dadaviwo ene. Ame sia ame nedi be yeade bubu ye nɔvi ŋu gbã.”—Rom. 12:10.

Nuwɔwɔ Bubutɔe Le Tadedeagu Me

17. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Ŋɔŋlɔawo me ku ɖe nuwɔwɔ le bubu me le tete ɖe Yehowa ŋu le tadedeagu me ŋu?

17 Ehiã vevie be míawɔ nu le bubu me ne míete ɖe Yehowa ŋu le tadedeagu me. Nyagblɔla 4:17 gblɔ be: “Ne èyina ɖe wò Mawu ƒe me la, kpɔ wò afɔ dzi.” Wobia tso Mose kple Yosua siaa si be woaɖe woƒe afɔkpawo esime wonɔ teƒe kɔkɔe. (2 Mose 3:5; Yos. 5:15) Esia wɔwɔ nye bubu deto dede Mawu ŋu ƒe dzesi. Wobia tso nunɔla siwo nɔ Israel si be woado agbotɛ ɣiwo ‘atsɔ atsyɔ woƒe ama.’ (2 Mose 28:42, 43) Esia wɔnɛ be woƒe ama medzena ne wole subɔsubɔm le vɔsamlekpuia dzi o. Enɔ na nunɔla ƒe ƒometɔwo katã be woawɔ ɖe Mawu ƒe nudidi siwo ku ɖe nuwɔwɔ le bubu me ŋu la dzi.

18. Alekee míeɖea bubu fiana le tadedeagu na Yehowa me?

18 Eya ta tadedeagu le bubu me lɔ bubudedeameŋu kple nuwɔwɔ bubutɔe ɖe eme. Be woade asixɔxɔ mía ŋu ahawɔ nu ɖe mía ŋu bubutɔe la, ele be míawo ŋutɔwo míanɔ nu wɔm bubutɔe. Mele be míaƒe nuwɔwɔ le bubu me nanye ameŋkume alo gotagome nuwɔna dzro aɖe ko o. Ele be wòade ŋgɔ wu nu si dzea amewo ŋu wɔwɔ, wòanye nu si dzea Mawu ŋui—si tso keke dzi me ke. (1 Sam. 16:7; Lod. 21:2) Ele be bubu nadze le míaƒe agbenɔnɔ, nuwɔna, kple ale si míewɔa nu ɖe ame bubuwo ŋui me, eye wòakpɔ ŋusẽ ɖe ale si míebua mía ɖokuii kple ale si míesena le mía ɖokui me gɔ̃ hã dzi. Le nyateƒe me la, ele be bubu nadze le míaƒe nuƒoƒo kple nuwɔna ɖe sia ɖe me ɣeawokatãɣi. Le míaƒe agbenɔnɔ, míaƒe nuwɔna, kpakple awudodo kple dzadzraɖo gome la, apostolo Paulo ƒe nya siawo nɔa vevie na mí be: “Míewɔa naneke si azu nukikli le mɔ aɖeke nu o, bene woagakpɔ vodada le míaƒe subɔsubɔdɔ la ŋu o; ke boŋ míeɖea mía ɖokui fiana le mɔ sia mɔ nu be míenye Mawu ƒe subɔlawo.” (2 Kor. 6:3, 4) ‘Míeɖoa atsyɔ̃ na Mawu, mía Xɔla, ƒe nufiafia la le nuwo katã me.’—Tito 2:10.

Yi Edzi Nànɔ Mawumebubu Ðem Fia

19, 20. (a) Mɔ nyui ka dzie míate ŋu ato ade bubu ame bubuwo ŋu? (b) Le nuwɔwɔ le bubu me gome la, nu kae wòle be míaɖo kplikpaa be míawɔ?

19 Kristotɔ amesiamina siwo nye “ame dɔdɔwo le Kristo teƒe” la wɔa nu le bubu me. (2 Kor. 5:20) ‘Alẽ bubuawo,’ siwo naa kpekpeɖeŋu amesiaminawo la nye Mesia Fiaɖuƒea ƒe dɔtsɔla siwo ŋu wode bubui. Ame si nye dziɖuɖu aɖe ƒe ame dɔdɔ alo dɔtsɔla la ƒoa nu tso dziɖuɖua ŋu dzideƒotɔe le bubu me. Eya ta ele be míaƒo nu le bubu me dzideƒotɔe le Mawu ƒe dziɖuɖua, alo Fiaɖuƒea, ta ʋiʋli me. (Ef. 6:19, 20) Eye ne míetsɔ ‘nane si nyo wu la ŋuti nya nyui’ yi na amewo la, ɖe menye bubue nye ma dem míele wo ŋu oa?—Yes. 52:7.

20 Ele be míaɖoe kplikpaa be míatsɔ ŋutikɔkɔe ana Mawu to ale si míewɔa nu le ɖekawɔwɔ me kple bubu si le eyama ŋu me. (1 Pet. 2:12) Mina míanɔ bubu deto dem eyama ŋu, le tadedeagu nɛ me ahanɔ bubu dem mía hati tadeagulawo hã ŋu. Eye neva eme be Yehowa, ame si ta bubu kple atsyɔ̃ abe avɔ ene la nakpɔ ŋudzedze ɖe ale si míedea ta agu nɛ le bubu me la ŋu.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 3 Nya siwo David gblɔ le Psalmo 8 lia me la ganye nyagblɔɖinyawo ku ɖe ame deblibo Yesu Kristo ŋu.—Heb. 2:5-9.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Ŋusẽ kae wòle be ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe bubu si le Yehowa ŋu ŋu nakpɔ ɖe mía dzi?

• Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nuwɔwɔ le bubu me ŋu le ale si Yesu wɔ nu ɖe kpodɔléla aɖe ŋui me?

• Alekee míate ŋu awɔ nu le bubu me atsɔ ade bubu Yehowa ŋu?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Alekee Yehowa de bubu Abel ŋu?

[Nɔnɔmetata si le axa 14]

Yehowa ƒe nuwɔwɔ wɔnukuwo dze ƒãa le eƒe nunana si nye abolo la me

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Nu kae nèsrɔ̃ ku ɖe nuwɔwɔ le bubu me ŋu le ale si Yesu wɔ nu ɖe kpodɔléla aɖe ŋui me?

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Tadedeagu le bubu me lɔ bubudede Yehowa ŋu ɖe eme