Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Lé Nuteƒewɔwɔ Me Ðe Asi Tso Dzi Blibo Me

Lé Nuteƒewɔwɔ Me Ðe Asi Tso Dzi Blibo Me

Lé Nuteƒewɔwɔ Me Ðe Asi Tso Dzi Blibo Me

“Mazɔ le wò nyateƒe la me; tsɔ nye dzi ɖo nu ɖeka kolia ŋu, ne mavɔ̃ wò ŋkɔ!”—PS. 86:11.

1, 2. (a) Le Psalmo 86:2, 11 ƒe nya nu la, nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míawɔ nuteƒe na Yehowa le dodokpɔwo alo tetekpɔwo me? (b) Ɣekaɣie wòle be míatu nuteƒewɔwɔ si tso dzi blibo me ɖo?

NU KA tae Kristotɔ aɖewo wɔ nuteƒe ƒe geɖe le gaxɔmenɔnɔ alo yometiti sesẽwo me, evɔ ŋutilãmenudidi ƒe mɔ̃ va ɖe wo? Ŋuɖoɖoa ku ɖe dzi si ƒomevi le mía si—ame si tututu míenye le ememe—la ŋu. Psalmo 86 lia tsɔ nuteƒewɔwɔ do ƒome kple dzi si anɔ nu ɖeka ŋu; si nye dzi blibo, ke menye dzi afãafã o. Hakpala David do gbe ɖa be: “Kpɔ nye luʋɔ ta, elabena [nuteƒewɔla] menye; nye Mawu, xɔ na wò dɔla, si ɖoa dzi ɖe ŋuwò la!” David do gbe ɖa hã be: “Yehowa, fia wò mɔm, ne mazɔ le wò nyateƒe la me; tsɔ nye dzi ɖo nu ɖeka kolia ŋu, ne mavɔ̃ wò ŋkɔ!”—Ps. 86:2, 11.

2 Ne míeɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me o la, nu bubu aɖewo siwo ŋu míetsia dzi ɖo alo esiwo doa dzidzɔ na mí la ava gblẽ míaƒe nuteƒewɔwɔ na Mawu vavã la me. Ðokuitɔdidi ƒe dzodzrowo le abe tomebɔmb siwo woɖi ɖe mɔ si dzi tom míele ene. Togbɔ be míawɔ nuteƒe na Yehowa le nɔnɔme sesẽwo me hã la, Satana ƒe ayemɔwo alo eƒe mɔ̃wo ate ŋu aɖe mí. Ðe esia meɖe ale si gbegbe wòle vevie be míanɔ nuteƒe wɔm na Yehowa tso dzi blibo me fifia hafi tetekpɔ alo dodokpɔ sesẽwo nava dze ŋgɔ mí la fia oa? Biblia gblɔ be: “Dzɔ wò dzi ŋu wu nuwo katã.” (Lod. 4:23) Le go sia me la, míate ŋu asrɔ̃ nu vevi aɖewo tso nu si dzɔ ɖe nyagblɔɖila si tso Yuda, si Yehowa dɔ ɖe Israel Fia Yerobeam gbɔ dzi la me.

“Madi Nane Ana Wò”

3. Alekee Yerobeam wɔ nu ɖe ʋɔnudrɔ̃gbedeasi si Mawu ƒe nyagblɔɖila gblɔ nɛ la ŋu?

3 Kpɔ nudzɔdzɔa ɖa le susu me. Ðeko Mawu ƒe ame la gblɔ gbedeasi sesẽ aɖe na Fia Yerobeam si to nyivisubɔsubɔ vɛ le Israel ƒe dziehe to ewo fiaɖuƒea me la teti koe nye ema. Dzi ku fia la vevie ŋutɔ. Eɖe gbe na eƒe amewo be woalé Mawu ƒe ame la. Gake Yehowa kpɔ eƒe ame la ta. Asi si fia la do ɖe amea gbɔ le dziku me la dze ti nukutɔe enumake, eye alakpasubɔsubɔ ƒe vɔsamlekpuia ŋutɔ fe ɖe eve. Yerobeam trɔ nɔnɔme enumake. Eƒo koko na Mawu ƒe ame la be: “Ðe kuku na Yehowa, wò Mawu la, eye do gbe ɖa ɖe tanye, be nye asi la nagaɖo me nam.” Nyagblɔɖilaa do gbea ɖa, eye fia la ƒe asia ɖɔ ɖo.—1 Fia. 13:1-6.

4. (a) Nu ka tae nu si fia la di be yeawɔ na nyagblɔɖilaa la nye nuteƒewɔwɔ ƒe dodokpɔ nɛ vavã? (b) Alekee nyagblɔɖilaa ɖo nya ŋu na fia la?

4 Emegbe Yerobeam gblɔ na Mawu ƒe ame la be: “Va míyi aƒenye me, eye nade nane nu me, ne madi nane ana wò.” (1 Fia. 13:7) Nu kae nyagblɔɖilaa awɔ azɔ? Ðe wòalɔ̃ fia la nawɔ amedzro nɛ le fɔbugbedeasi gbɔgblɔ nɛ megbea? (Ps. 119:113) Alo ɖe wòagbe fia la ƒe amekpekpea, togbɔ be edze abe fia la se veve ɖe nu si wòwɔ ta ene hã? Kakaɖedzitɔe la, ŋutete le Yerobeam si be wòana nu exɔlɔ̃wo fũu. Ne ŋutilãmenudidi ƒe dzodzro vi aɖe be ɖe Mawu ƒe nyagblɔɖilaa ƒe dzi me la, ke anɔ eme be nu si fia la di be yeawɔ nɛ la anya nye dodokpɔ gã aɖe nɛ. Ke hã, Yehowa de se na nyagblɔɖilaa be: “Mègaɖu abolo o, mègano tsi o, eye mègagbugbɔ to mɔ, si nèto yi o.” Eya ta nyagblɔɖilaa ɖo eŋu na fia la kã be: “Ne ètsɔ aƒewò me nuwo ƒe afã nam hã la, nyemayi kpli wò aɖu abolo, eye nyemano tsi le teƒe sia o.” Eye nyagblɔɖilaa gbugbɔ to mɔ bubu dzo le Betel. (1 Fia. 13:8-10) Nu kae míesrɔ̃ tso nyametsotso si nyagblɔɖilaa wɔ me ku ɖe nuteƒewɔwɔ tso dzi blibo me ŋu?—Rom. 15:4.

‘Nedze Mía Ŋu’

5. Alekee ŋutilãmenudidi ate ŋu ado ame ƒe nuteƒewɔwɔ kpɔ?

5 Ate ŋu adze abe menye nuteƒewɔwɔ ƒe tetekpɔe ŋutilãmenudidi ƒe dzodzro nye o ene, gake tetekpɔe wònye vavã. Ðe míeka ɖe ŋugbe si Yehowa do be yeana nu siwo míehiã ŋutɔŋutɔ mí la dzia? (Mat. 6:33; Heb. 13:5) Le esi míanɔ agbagba dzem be míawɔ nu sia nu be míaƒe asi nasu nunɔamesi siwo ana agbea nanya nɔ na mí nyuie wu dzi fifia teƒe la, ɖe míate ŋu ayi míaƒe agbenɔnɔ dzi nu mawo manɔmeea? (Mixlẽ Filipitɔwo 4:11-13.) Ðe wòdzɔna ɣeaɖewoɣi be míedina be míaɖe asi le teokrasi mɔnukpɔkpɔwo ŋu kple susu be nu si dim míele nasu mía si fifia? Ðe Yehowa subɔsubɔ nuteƒewɔwɔtɔe xɔa nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe mea? Ale si míaɖo nya siawo ŋu aɖee afia ne míele Mawu subɔm kple dzi blibo loo, alo míele esubɔm kple dzi blibo o. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Nyateƒee, ɖokuitsɔtsɔ na Mawu sia nye viɖenu gã, ne nu si le ame si la dzea ame ŋu. Elabena míetsɔ naneke va xexea me o, eye míate ŋu atsɔ naneke adzoe hã o. Eya ta [ne] nunyiame kple nudodo le mía si la, nu siawo adze mía ŋu.”—1 Tim. 6:6-8.

6. Mɔnukpɔkpɔ kawoe woate ŋu atsɔ aɖo mía ŋkume, eye nu kae akpe ɖe mía ŋu míanya tiatia si míawɔ?

6 Le kpɔɖeŋu me, míaƒe dɔmemegã ate ŋu atsɔ ame dodo ɖe ŋgɔ le dɔ me si ŋu fetu gã kple viɖe bubuwo kpe ɖo la aɖo mía ŋkume. Alo ɖewohĩ míekpɔe be ne míeʋu yi ɖadi dɔ le dukɔ alo nuto bubu aɖe me la, nu ade mía dzi le ganyawo gome wu. Awɔ na mí gbã abe yayrae mɔnukpɔkpɔ siawo nye tso Yehowa gbɔ ene. Gake hafi míawɔ nyametsotso la, ɖe manyo be míadzro míaƒe dzi me akpɔ be nu kae le mía ʋãm hã oa? Nya si koŋ wòle be míabia mía ɖokuie nye, “Alekee nye nyametsotsoa akpɔ ŋusẽ ɖe mía kple Yehowa dome ƒomedodoa dzi?”

7. Nu ka tae wòle vevie be míaho ŋutilãmenudidi ƒe dzodzrowo ɖa le míaƒe dzi me?

7 Satana ƒe nuɖoanyia doa ŋutilãmenudidi ɖe ŋgɔ madzudzɔmadzudzɔe. (Mixlẽ 1 Yohanes 2:15, 16.) Abosam ƒe taɖodzinue nye be yeakpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe míaƒe dzi dzi. Eya ta ele be míanɔ mo xexi be míade dzesi ŋutilãmenudidi ƒe dzodzrowo le míaƒe dzi me ahaho wo ɖa. (Nyaɖ. 3:15-17) Mesesẽ na Yesu kura be wòagbe mɔnukpɔkpɔ si Satana tsɔ ɖo eŋkume be yeatsɔ xexemefiaɖuƒewo katã anae o. (Mat. 4:8-10) Exlɔ̃ nu be: “Mina miaƒe ŋkuwo nanɔ ʋuʋu, eye mikpɔ nyuie, eye minɔ ŋudzɔ ɖe ŋukeklẽ ɖe sia ɖe ƒomevi ŋu, elabena ne nu gbogbo aɖewo le ame si hã la, eƒe agbe menɔa te ɖe nu siwo le esi la dzi o.” (Luka 12:15) Nuteƒewɔwɔ akpe ɖe mía ŋu míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu tsɔ wu be míaɖo ŋu ɖe mía ɖokui ŋu.

Nyagblɔɖila Tsitsi Aɖe ‘Da Alakpa Nɛ’

8. Alekee wodo Mawu ƒe nyagblɔɖilaa ƒe nuteƒewɔwɔ kpɔ?

8 Anye ne nuwo dze edzi na Mawu ƒe nyagblɔɖilaa nyuie ne ɖe wòyi eƒe mɔzɔzɔa dzi gbugbɔ yi aƒe. Gake eteƒe medidi o, dodokpɔ bubu aɖe va dze ŋgɔe. Biblia gblɔ be: “Nyagblɔɖila tsitsi aɖe le Betel, eye viaŋutsuwo va to” nu siwo katã dzɔ gbe ma gbe la nɛ. Esi ame tsitsia se nyawo vɔ la, egblɔ na viawo be woabla akpa na tedzi na ye ale be yeayi aɖatu Mawu ƒe nyagblɔɖila la le mɔa dzi. Esia megbe ʋɛ la, eyi ɖake ɖe nyagblɔɖilaa ŋu wònɔ ɖiɖim ɖe eme le ati gã aɖe te, eye wògblɔ nɛ be: “Va míyi aƒe me, ne naɖu abolo.” Esi Mawu ƒe ame la melɔ̃ be yeayi o la, ame tsitsia ɖo ŋu nɛ be: “Nye hã nyagblɔɖila menye abe wò ke ene, eye mawudɔla ƒo nu kplim le Yehowa ƒe nya nu gblɔ bena: Yi ɖagbugbɔe, eye mia kplii miayi aƒewò me, ne wòaɖu abolo, eye wòano tsi!” Gake Ŋɔŋlɔawo gblɔ be: “Alakpae wòda nɛ.”—1 Fia. 13:11-18.

9. Nu kae Ŋɔŋlɔawo gblɔ ku ɖe ameflunuwɔlawo ŋu, eye ame kawo ŋue wogblẽa nu le?

9 Nu ka kee ɖaʋã nyagblɔɖila tsitsia o, míenya be alakpae wòda. Ðewohĩ ame tsitsia nye Yehowa ƒe nyagblɔɖila wɔnuteƒe kpɔ. Gake fifia ya, ele ameflunu wɔm. Ŋɔŋlɔawo ƒo nu tsi tsitre ɖe nɔnɔme sia ŋu vevie. (Mixlẽ Lododowo 3:32. *) Menye ɖeko ameflula siawo gblẽa nu le wo ɖokui ŋu le gbɔgbɔ me o, ke wogblẽa nu le ame bubuwo hã ŋu.

‘Egbugbɔ Kplɔ Ame Tsitsia Ðo’

10. Alekee Mawu ƒe nyagblɔɖilaa wɔ nu ɖe ame tsitsia ƒe amekpekpea ŋu, eye nu kae do tso eme?

10 Ðe wòle be nyagblɔɖila si tso Yuda va la nade dzesi nyagblɔɖila tsitsia ƒe ameflunuwɔnaa hafi. Ðe wòle be wòabia eɖokui be, ‘Nu ka ta wòle be Yehowa natsɔ gbedeasi bubu ato ame bubu dzi nam?’ Nyagblɔɖilaa ate ŋu abia numekɔkɔ tso Yehowa gbɔ hafi, gake Ŋɔŋlɔawo megblɔ be ewɔe nenema o. Ke boŋ ‘egbugbɔ kplɔ ame tsitsia ɖo, eye wòɖu abolo, eye wòno tsi le eƒe me.’ Yehowa mekpɔ ŋudzedze ɖe eƒe nuwɔnaa ŋu o. Mlɔeba, esime nyagblɔɖilaa gbugbɔ dze mɔ yina Yuda la, dzata aɖe va do goe le mɔa dzi hewui. Alekee eƒe nyagbɔgblɔɖidɔa wu enu nublanuitɔe enye esi!—1 Fia. 13:19-25. *

11. Kpɔɖeŋu nyui kae Axiya ɖo ɖi?

11 Nyagblɔɖila Axiya, ame si wodɔ wòyi ɖasi ami na Yerobeam ya yi edzi wɔ nuteƒe va se ɖe esime wòku amegã gɔ̃ hã. Esime Axiya tsi eye eƒe ŋkuwo tsi la, Yerobeam dɔ srɔ̃a be wòayi aɖabiae be nu kae adzɔ ɖe yewo viŋutsuvi si le dɔ lém la dzi mahã. Axiya gblɔ nya ɖi dzinɔameƒotɔe be Yerobeam ƒe viŋutsuvia aku. (1 Fia. 14:1-18) Yayra gbogbo siwo Axiya xɔ dometɔ ɖekae nye be ekpe asi ɖe Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me la ŋɔŋlɔ ŋu. Alekee? Nunɔla Ezra va zã eƒe nuŋlɔɖiawo emegbe.—2 Kron. 9:29.

12-14. (a) Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nu si dzɔ ɖe ɖekakpui nyagblɔɖilaa dzi me? (b) Wɔ nu si tae wòhiã be míabu aɖaŋu si hamemetsitsiwo anɔ te ɖe Biblia dzi aɖo na mí la ŋu vevie gbedodoɖatɔe ƒe kpɔɖeŋu.

12 Biblia megblɔ nu si tae nyagblɔɖila si nye ɖekakpui la mebia gbe Yehowa hafi dze ame tsitsia yome yi ɖaɖu nu heno nu la na mí o. Ðe wòanye be nu si tututu dim wònɔ be yease ye ame tsitsia gblɔ nɛa? Nufiame kae le eme na mí? Ele be míaka ɖe Yehowa ƒe nudidi dzɔdzɔeawo dzi bliboe. Eye ele be míaɖoe kplikpaa be míawɔ ɖe wo dzi, nu ka kee ɖale dzɔdzɔm o.

13 Le aɖaŋuɖoɖoxɔxɔ gome la, nu siwo ame aɖewo dina be yewoase koe wosena. Le kpɔɖeŋu me, nɔviŋutsu aɖe ate ŋu akpɔ dɔ aɖe, si ne exɔe la, ate ŋu aɖe ɣeyiɣi si wòzãna ɖe eƒe ƒomea kple teokrasi dɔwɔnawo ŋu la dzi akpɔtɔ. Ate ŋu abia aɖaŋuɖoɖo hamemetsitsi aɖe. Ðewohĩ hamemetsitsia ate ŋu agblɔ nɛ tufafatɔe be menye yeƒe agbanɔamedzie wònye be yeagblɔ dɔ si wòle be wòawɔ atsɔ akpɔ eƒe ƒomea dzi la nɛ o. Emegbe hamemetsitsia ate ŋu adzro gbɔgbɔmefɔku siwo ate ŋu anɔ dɔ ma tɔgbi wɔwɔ me la me kple nɔvia. Ðe wòle be nɔviŋutsua nabu nya si hamemetsitsia gblɔ nɛ gbã ɖeɖe ko ŋua, alo ɖe wòle be wòabu numeɖeɖe si wònae kplɔe ɖo hã ŋu vevie? Edze ƒãa be, ehiã be nɔviŋutsua nawɔ nyametsotso si ade edzi le gbɔgbɔ me gome.

14 Bu kpɔɖeŋu bubu ŋu kpɔ. Ðewohĩ nɔvinyɔnu aɖe bia hamemetsitsi aɖe be yeate ŋu aklã ɖa tso ye srɔ̃ si menye haxɔsetɔ o la gbɔ mahã. Anɔ eme godoo be hamemetsitsia agblɔ nɛ be, be wòaklã tso srɔ̃a gbɔ alo maklã o la nye eya ŋutɔ ƒe nyametsotso. Emegbe ate ŋu adzro aɖaŋu si Biblia ɖo ku ɖe nyaa ŋu me kplii. (1 Kor. 7:10-16) Ðe mele be nɔvinyɔnua nabu nu si me hamemetsitsia dzro kplii la ŋu vevie oa? Alo ɖe wòɖoe ɖe ta me xoxo be, nu ka kee hamemetsitsia ɖagblɔ o, yeadzo le ye srɔ̃a gbɔa? Hafi wòawɔ nyametsotso la, nunya anɔ eme be wòade ŋugble tso aɖaŋuɖoɖo si nɔvia tu ɖe Biblia dzi la ŋu gbedodoɖatɔe.

Bɔbɔ Ðokuiwò

15. Nu kae míesrɔ̃ tso vodada si Mawu ƒe nyagblɔɖilaa wɔ me?

15 Nu bubu kae míagate ŋu asrɔ̃ tso nyagblɔɖila si tso Yuda ƒe vodadaa me? Lododowo 3:5 gblɔ be: “Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, ke megaɖo dzi ɖe wò gɔmesese ŋu o.” Le esi wòle be nyagblɔɖila si tso Yuda nayi edzi aɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu abe ale si wòɖo ŋu ɖe eŋu va yi ene teƒe la, le go sia me ya la, nyagblɔɖilaa ka ɖe eya ŋutɔ ƒe nyametsotso dzi. Vodada sia si wòwɔ la he ku va nɛ eye wògblẽ ŋkɔ nyui si le esi le Mawu gbɔ. Aleke gbegbee nudzɔdzɔ sia gaɖo kpe Yehowa subɔsubɔ ɖokuibɔbɔtɔe le nuteƒewɔwɔ me ƒe vevienyenye dzi enye esi!

16, 17. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa?

16 Ðokuitɔdidi si ƒe dome míenyi ate ŋu awɔe be míaƒe dzi naflu mí ɣeaɖewoɣi. “Ame ƒe dzi la, alakpatɔ wònye wu nuwo katã, nu gbegblẽ wònye.” (Yer. 17:9) Bene míayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa la, ele be míayi edzi anɔ ʋiʋlim sesĩe be míaɖe amenyenye xoxoa kple nuwɔwɔ le ame ɖokui si kpakple kaka ɖe ame ɖokui dzi ƒe nɔnɔme siwo le mía me la ɖa. Eye ele be míado amenyenye yeye “si wowɔ le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nu le dzɔdzɔenyenye kple nuteƒewɔwɔ vavãtɔ me la.”—Mixlẽ Efesotɔwo 4:22-24.

17 Lododowo 11:2 gblɔ be: ‘Ame siwo bɔbɔa wo ɖokui la si me nunya le.’ Ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu ɖokuibɔbɔtɔe akpe ɖe mía ŋu míaƒo asa na vodada siwo akplɔ mí ade afɔku me la wɔwɔ. Le kpɔɖeŋu me, ele bɔbɔe be dziɖeleameƒo nawɔe be míawɔ nyametsotso gbegblẽwo. (Lod. 24:10) Ðewohĩ gomekpɔkpɔ le míaƒe subɔsubɔ kɔkɔea ƒe akpa aɖewo me ti mí, eye míete sese le mía ɖokui me be ƒe geɖee nye esia míele subɔsubɔm eye míewɔ geɖe va yi, ahanɔ susum be ele be ame bubuwo hã nawɔe azɔ. Alo míadi be míanɔ agbe abe ame sia ame ko ene. Gake ‘mía ɖokui ʋiʋli vevie’ kpakple ‘geɖewɔwɔ le Aƒetɔ la ƒe dɔa me ɣesiaɣi’ adzɔ míaƒe dzi ŋu.—Luka 13:24; 1 Kor. 15:58.

18. Nu kae míate ŋu awɔ ne míenya nyametsotso si wòle be míawɔ le nɔnɔme aɖe me o?

18 Ɣeaɖewoɣi la, ahiã be míawɔ nyametsotso sesẽwo, eye ɖewohĩ afɔ nyuitɔ si wòle be míaɖe kpɔkpɔ dze sii manɔ bɔbɔe na mí o. Ðe míadi be míawɔ nu le mía ɖokui sia? Ɣesiaɣi si míekpɔ mía ɖokui le nɔnɔme siawo tɔgbi me la, enye nu si me nunya le be míabia kpekpeɖeŋu tso Yehowa gbɔ. Yakobo 1:5 gblɔ be: “Ne mia dometɔ aɖe le nunya hiãm la, neyi edzi wòanɔ Mawu biam, elabena enaa nu amewo katã faa.” Mía Fofo si le dziƒo ana gbɔgbɔ kɔkɔe si míehiã la mí bene míate ŋu awɔ nyametsotso nyuiwo.—Mixlẽ Luka 11:9, 13.

Ðoe Kplikpaa Be Yeayi Edzi Awɔ Nuteƒe

19, 20. Nu kae wòle be míaɖo kplikpaa be míawɔ?

19 Le ɣeyiɣi sesẽ siwo va Israel dukɔa dzi le Salomo ƒe tatra ɖa tso tadedeagu vavãtɔa gbɔ me la, tetekpɔ sesẽwo dze ŋgɔ Mawu subɔla wɔnuteƒewo. Enye nyateƒe be ame geɖe mewɔ nuteƒe le go aɖewo me o. Ke hã, ame aɖewo yi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa.

20 Ehiãna be míawo hã míawɔ tiatia kpakple nyametsotso geɖe siwo doa míaƒe nuteƒewɔwɔ kpɔ gbe sia gbe. Gake míate ŋu aɖee afia be míenye nuteƒewɔlawo. Mina míayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa ɣesiaɣi esime míetsɔ míaƒe dzi ɖo nu ɖeka ŋu eye míaka ɖe edzi bliboe be ayi edzi anɔ eƒe nuteƒewɔlawo yram.—2 Sam. 22:26.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 9 Lododowo 3:32 (NW): “Elabena aʋatsonuyi enye ŋunyɔ na Yehowa, ke tsi metoa eya kple dzime dzɔdzɔe tɔ dome o.”

^ mm. 10 Biblia megblɔe nenye be Yehowa na nyagblɔɖila tsitsia ku o.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Nu ka tae wòle be míaʋli vevie aho ŋutilãmenudidi ƒe dzodzrowo ɖa le míaƒe dzi me?

• Nu kae akpe ɖe mía ŋu míayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa?

• Alekee ɖokuibɔbɔ ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpɔtɔ awɔ nuteƒe na Mawu?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Ðe wòsesẽna na wò be nànɔ te ɖe tetekpɔwo nua?

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Ðe nàde ŋugble tso aɖaŋuɖoɖo si wotu ɖe Biblia dzi la ŋu gbedodoɖatɔea?