Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Wotsɔ Dutanyanyuigblɔlawo Sɔ Kple Ʋetsuviwo

Wotsɔ Dutanyanyuigblɔlawo Sɔ Kple Ʋetsuviwo

Gilead Suku Ƒe Klass 124 Lia Nuwuwu

Wotsɔ Dutanyanyuigblɔlawo Sɔ Kple Ʋetsuviwo

LE ƔLETI ade ɖe sia ɖe me la, Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Sukua wɔa sukunuwuwɔna aɖe si me wokpea United States (États-Unis) Betel ƒomea me tɔwo katã le. Le March 8, 2008, dzi la, amedzrowo tso dukɔ siwo wu 30 me va wɔ ɖeka kple Betel ƒomea le Gilead Sukua ƒe klass 124 lia ƒe sukunuwuwɔna sia teƒe. Vavala 6,411 la katã kpɔ dzidzɔ kple sukunuwulawo le woƒe ŋkeke tɔxɛ sia dzi.

Stephen Lett, si nye Dziɖuhaa me tɔ, si nɔ zi me na wɔna la, tsɔ nuƒo si ƒe tanyae nye “Mizɔ Kple Yehowa Ƒe Kpɔɖeŋu Ʋetsuviwo” la ʋu wɔnaa nui. Nyaɖeɖefia 9:1-4 tsɔ Kristotɔ amesiaminawo ƒe ƒuƒoƒo sue si do go tso dɔmawɔmawɔ ƒe nɔnɔme si me wonɔ le gbɔgbɔ me me le ƒe 1919 me la sɔ kple ʋetsuviwo ƒe ha gã aɖe si me dzo yeye ɖo ɖe dɔwɔwɔ ŋu. Woɖo ŋku edzi na sukunuwulaawo be esi wonye ‘alẽ bubuawo’ me tɔwo ta la, wova le ɖeka wɔm kple kpɔɖeŋu ʋetsuviwo ƒe ha gã sia.—Yoh. 10:16.

Lon Schilling, si nye United States Alɔdzekɔmiti me tɔ la ƒo nuƒo si kplɔe ɖo, si ƒe tanyae nye “Minye Kpeɖeŋutɔ Na Mia Nɔewo.” Ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ srɔ̃tɔ siwo nye Akwila kple Priskila (alo, Priska) siwo ŋu woƒo nu tso le Biblia me la dzie wòtu eƒe nuƒoa ɖo. (Rom. 16:3, 4) Atsu kple asi 28 sɔŋue de Gilead suku ƒe klass sia. Woɖo ŋku edzi na wo be, hafi woakpɔ dzidzedze le woƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa me la, ele be woana woƒe srɔ̃ɖekadodoa me nasẽ. Biblia meyɔ Akwila le afi aɖeke kpɔ si meyɔ srɔ̃a Priskila kpe ɖe eŋu o. Eya ta apostolo Paulo kple hame la siaa bua wo be wonye ame eve siwo wɔ ɖeka. Nenema kee wòle be dutanyanyuigblɔla siwo li egbea hã nawɔ dɔ ɖekae, asubɔ ɖekae, eye woakpe akɔ kple kuxi siwo le dutanyanyuigbɔgblɔdɔa me ɖekae, wòaɖee afia be wonye kpeɖeŋutɔ na wo nɔewo vavã.—1 Mose 2:18.

Guy Pierce si nye Dziɖuhaa me tɔ lae ƒo nuƒo si kplɔe ɖo, si ƒe tanyae nye “Misrɔ̃ Yehowa Ƒe Nyuiwɔwɔ La.” Nɔviŋutsu Pierce ɖe nu me be be woanye nu nyui wɔla lɔ nu geɖe ɖe eme wu asaƒoƒo na nu gbegblẽ wɔwɔ ko. Ame nyui wɔa nu nyuiwo be woaɖe vi na ame bubuwo. Yehowa Mawue nye nyuiwɔla gãtɔ kekeake. (Zax. 9:16, 17) Mawu ƒe nyuiwɔwɔ kple lɔlɔ̃ ate ŋu anye ameʋãnu sẽŋu aɖe si aʋã mí be míawɔ nu nyui na amewo. Nɔviŋutsu Pierce kafu sukunuwulaawo esi wòƒo eƒe nuƒoa ta be: “Miele nu nyui geɖewo wɔm xoxo. Míeka ɖe edzi be miayi edzi anɔ Mawu ƒe nyuiwɔwɔ la srɔ̃m to nu nyui wɔwɔ le dɔ ɖe sia ɖe si Yehowa Mawu ade mia si la wɔwɔ me.”

Eyome, Michael Burnett si nye dutanyanyuigblɔla tsã eye wòzu Gilead nufiala nyitsɔ laa la ƒo nuƒo si ƒe tanye nye “Miblae Abe Ŋgoblanu Ene Ðe Míaƒe Ŋugbladome.” Enɔ na Israel viwo be woaɖo ŋku ale si Yehowa ɖe wo nukutɔe tso Egipte la dzi abe “ŋgoblanu” wònye wobla ɖe woƒe ŋugbladome ene. (2 Mose 13:16) Woxlɔ̃ nu sukunuwulaawo be woanɔ ŋku ɖom nufiame gbogbo siwo woxɔ le Gilead Sukua me la dzi abe ŋgoblanue wònye wobla ɖe woƒe ŋugbladome ene. Nɔviŋutsu Burnett te gbe ɖe ale si wòhiã vevie be woabɔbɔ wo ɖokui ahafa tu, eye woatsɔ Biblia me gɔmeɖosewo akpɔ masɔmasɔ siwo ado mo ɖa le woa kple hati dutanyanyuigblɔlawo kple ame bubuwo dome gbɔ la dzi.—Mat. 5:23, 24.

Mark Noumair si nye Gilead nufiala ɣeyiɣi didi aɖee nye esia la ƒo nuƒo si ƒe tanyae nye “Ha Kae Woadzi Le Mia Ŋu?” Le blemaɣeyiɣiwo me la, enye nu si bɔ be wodzia aʋadziɖuhawo. Ha siawo dometɔ ɖeka klo nu le Ruben, Dan, kple Aser toawo ƒe kuviawɔwɔ ŋu, evɔ wòkafu Zebulon toa ya be eɖea ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ fiana. (Ʋɔn. 5:16-18) Abe ale si amewo va nyaa hagbe aɖe nyuie ene la, nenema kee amewo va nyaa Kristotɔ ɖe sia ɖe ƒe dɔwɔwɔwo mlɔeba. Dzonɔameme si ame aɖe ɖena fiana le Mawu ƒe dɔwo wɔwɔ me kple teokrasi ƒe ɖoɖowo dzi wɔwɔ nuteƒewɔwɔtɔe va zua ŋkɔ nyui si sua esi le Yehowa gbɔ, eye wònyea kpɔɖeŋu nyui na nɔviawo. Ne hamea me tɔ bubuwo le to ɖom hagbe sia si míedzina to míaƒe subɔsubɔdɔwo wɔwɔ me la, eʋãa wo be woasrɔ̃ míaƒe kpɔɖeŋu nyuia.

Gilead Sukua ƒe klass 124 lia sia delawo katã zã gaƒoƒo 3,000 lɔƒo sɔŋ tsɔ wɔ gbeƒãɖeɖedɔa le woƒe sukudeɣia. Sam Roberson, si wɔa dɔ le Teokrasi Sukuwo Ƒe Dɔdzikpɔƒea, bia gbe sukunuwulaawo wogblɔ woƒe gbeadzinuteƒekpɔkpɔwo hewɔ wo dometɔ aɖewo ƒe wɔwɔfiawo le eƒe nuƒo si nye “Zɔzɔ Le Gbɔgbɔ Kɔkɔea Ƒe Mɔfiafia Te” me. Le nuteƒekpɔkpɔ dedziƒoname siawo yome la, Patrick LaFranca, si nye United States Alɔdzekɔmitia me tɔ, bia gbe ame siwo de Gilead Sukua va yi, eye wole subɔsubɔm le dukɔ vovovowo me fifia. Sukunuwulaawo kpɔ ŋudzedze ɖe aɖaŋu nyui siwo nɔvi siawo ɖo na wo la ŋu ŋutɔ.

Anthony Morris si nye Dziɖuhaa me tɔ la ƒo nuƒo mamlɛtɔ si ƒe tanyae nye “Miɖo Ŋku Edzi Be Nu Siwo Wokpɔna La Nɔa Anyi Hena Ɣeyiɣi Aɖewo Ko.” Ŋɔŋlɔawo de dzi ƒo na mí be míanɔ ŋugble dem tso yayra siwo Yehowa ɖo ɖi na mí la ŋu tsɔ wu be míaƒe susu nanɔ xaxa siwo me tom míele fifia, siwo anɔ anyi hena ɣeyiɣi aɖe ko, la dzi. (2 Kor. 4:16-18) Ahedada kolikoli, madzɔmadzɔnyenye, ameteteɖeanyi, dɔléle, kple ku nye nu ŋutɔŋutɔ siwo teƒe kpɔm mí katã míele egbea. Ate ŋu adzɔ be dutanyanyuigblɔlawo hã nado go nɔnɔme wɔnublanui siawo dometɔ aɖewo. Gake ŋkuɖoɖo edzi be ɣeyiɣi aɖe koe nu siawo anɔ anyi ase ɖo akpe ɖe mía ŋu míada asɔ le gbɔgbɔ me eye mɔkpɔkpɔ nyuie nanɔ mía si.

Sukunuwuwɔnaa va ɖo eƒe nuwuwu esime sukunuwulaawo katã va nuƒolanɔƒea henɔ to ɖom Nɔviŋutsu Lett ƒe nuxlɔ̃amenya mamlɛawo. Ede dzi ƒo na wo be woagana ta o, eye wògblɔ be: “Ne míena Yehowa le míaƒe akpa dzi la, naneke mate ŋu agblẽ míaƒe nuteƒewɔwɔ me.” Ede dzi ƒo na dutanyanyuigblɔla yeyeawo be woawɔ nu abe ʋetsuviwo ene ahayi ŋgɔgbe le Yehowa subɔsubɔ me, eye woayi edzi akpɔtɔ anye nuteƒewɔla kple toɖola siwo me dzo le yi ɖe mavɔmavɔ me.

[Aɖaka si le axa 30]

SUKUVIAWO ŊUTI NYATAKAKAWO

Dukɔ siwo me wotso ƒe xexlẽme: 7

Dukɔ siwo me woɖo wo ɖo ƒe xexlẽme: 16

Sukuviawo ƒe xexlẽme: 56

Ƒe si woxɔ, le mama dedie nu: 33.8

Ƒe si wotsɔ le nyateƒea me, le mama didie nu: 18.2

Ƒe siwo wotsɔ wɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa, le mama didie nu: 13.8

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa Ƒe Gilead Biblia Suku Ƒe Klass 124 Lia Nuwulawo

Ðoɖo si nu woŋlɔ ŋkɔawo ɖo le ete yi ale: Woxlẽ fliawo tso ŋgɔgbe yi megbee, eye woŋlɔ ŋkɔawo tso miame yi ɖusime le fli ɖe sia ɖe dzi.

(1) Nicholson, T.; Main, H.; Senge, Y.; Snape, L.; Vanegas, C.; Pou, L. (2) Santana, S.; Oh, K.; Lemaitre, C.; Williams, N.; Alexander, L. (3) Woods, B.; Stainton, L.; Huntley, E.; Alvarez, G.; Cruz, J.; Bennett, J. (4) Williamson, A.; González, N.; Zuroski, J.; Degandt, I.; May, J.; Diemmi, C.; Tavener, L. (5) Lemaitre, W.; Harris, A.; Wells, C.; Rodgers, S.; Durrant, M.; Senge, J. (6) Huntley, T.; Vanegas, A.; Pou, A.; Santana, M.; Bennett, V.; Tavener, D.; Oh, M. (7) Zuroski, M.; Rodgers, G.; Diemmi, D.; Nicholson, L.; Alvarez, C.; Snape, J. (8) Harris, M.; González, P.; Main, S.; Woods, S.; Stainton, B.; Williamson, D.; Durrant, J. (9) Cruz, P.; Degandt, B.; Williams, D.; Wells, S.; Alexander, D.; May, M.

[Nɔnɔmetata si le axa 32]

Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa Ƒe Hehenaƒee wowɔa Gilead Sukua le