Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Léa Be Na Esubɔla Tsitsiwo Lɔlɔ̃tɔe

Yehowa Léa Be Na Esubɔla Tsitsiwo Lɔlɔ̃tɔe

Yehowa Léa Be Na Esubɔla Tsitsiwo Lɔlɔ̃tɔe

“Mawu menye madzɔmadzɔtɔ, be wòaŋlɔ miaƒe dɔwɔwɔ kple lɔlɔ̃ si mieɖe fia le eƒe ŋkɔ la ta, . . . be o.”—HEB. 6:10.

1, 2. (a) Nu ka dzie ame si ƒe ta ƒo wɔ kpɔkpɔ ate ŋu ahe míaƒe susu ayii? (b) Alekee Yehowa bua Kristotɔ tsitsiwo?

NE ÈKPƆ ame tsitsi siwo ƒe ta ƒo wɔ le hamea me la, ɖe nèɖoa ŋku Biblia me ŋutinya aɖe si le Daniel ƒe agbalẽa me dzia? Le ŋutega aɖe me la, Yehowa Mawu ɖe eɖokui fia Daniel abe ame si ƒe ta ƒo wɔ ene. Daniel ŋlɔ bena: ‘Meɖe ŋku ɖee, va se ɖe esime wotsɔ fiazikpui li anyi, eye amegã ɖeɖi aɖe bɔbɔ nɔ edzi, eye eƒe avɔ fu tititi, eye eƒe taɖa le abe ɖetifu, si me dza la ene.’—Dan. 7:9.

2 Le dzɔdzɔme nu la, ɖetifu funa tititi. Eya ta taɖa si fu kple dzesideŋkɔ ‘Amegã Ðeɖi’ la he míaƒe susu yi ale si Mawu li tso tititi ke kple eƒe nunya manyagblɔ, siwo nye nu eve siwo ta wòle be míade bubu deto eŋu la, dzi. Gake aleke Amegã Ðeɖi Yehowa bua ŋutsu kple nyɔnu tsitsi wɔnuteƒewoe? Mawu ƒe Nya la gblɔ be “atsyɔ̃fiakuku enye ta ƒowɔ, [ne wokpɔe le] dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ dzi.” (Lod. 16:31) Ɛ̃, ne Kristotɔ wɔnuteƒe aɖe tsi va ƒo wɔ alo eƒe taɖa va fu la, enya kpɔna na Mawu ŋutɔ. Ðe nèbua nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu tsitsiwo abe ale si Yehowa bua woe enea?

Nu Ka Tae Asixɔxɔ Le Wo Ŋu Nenema Gbegbe?

3. Nu ka tae haxɔsetɔ tsitsiwo xɔ asi na mí nenema gbegbe ɖo?

3 Ame tsitsi malɔ̃nugbɔ siawo dometɔ aɖewo nye Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuhaa me tɔwo, dzikpɔla mɔzɔla tsãtɔwo kple fifitɔwo, mɔɖela dovevienuwo, kpakple nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu fiaɖuƒegbeƒãɖela kpɔnuteƒe siwo le subɔsubɔm le míaƒe hamewo me nuteƒewɔwɔtɔe. Ðewohĩ ènya wo dometɔ aɖewo siwo ɖe gbeƒã nya nyuia dzonɔamemetɔe hena ƒe bla nanewo, ame siwo ƒe kpɔɖeŋu nyuiwo ʋã sɔhɛwo hekpɔ ŋusẽ nyui ɖe woƒe agbe dzi. Haxɔsetɔ tsitsi aɖewo tsɔ agbanɔamedzi gãwo eye wodo dzi le yometitiwo me le nya nyuia ta. Yehowa kple “kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela” la kpɔa ŋudzedze deto ɖe nu siwo katã wowɔ le Fiaɖuƒedɔa dodo ɖe ŋgɔ me va yi kple esiwo wɔm wole fifia ŋu.—Mat. 24:45.

4. Nu ka tae wòle be míade bubu Kristotɔ tsitsiwo ŋu ahado gbe ɖa ɖe wo ta?

4 Edze be Yehowa Mawu subɔla bubuwo katã naɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ame tsitsi wɔnuteƒe siawo ahade bubu wo ŋu. Le nyateƒe me la, Se si Mawu na to Mose dzi la tsɔ nuwɔwɔ ɖe ame tsitsiwo ŋu le ameŋububu me kpakple bubudede wo ŋu do ƒome kple Yehowa vɔvɔ̃. (3 Mose 19:32) Ele be míado gbe ɖa ɖe nuteƒewɔla siawo ta edziedzi ahada akpe na Mawu ɖe lɔlɔ̃dɔ siwo wowɔ la ta. Apostolo Paulo do gbe ɖa ɖe eƒe hadɔwɔlawo, sɔhɛwo kple tsitsiawo siaa, siwo gbɔ melɔ̃a nu le o la ta.—Mixlẽ 1 Tesalonikatɔwo 1:2, 3.

5. Aleke hadede kple Yehowa subɔla tsitsiwo ate ŋu aɖe vi na míi?

5 Azɔ hã, hamea me tɔwo katã ate ŋu akpɔ viɖe tso hadede kple Kristotɔ tsitsi siawo me. To nusɔsrɔ̃, ŋkuléleɖenuŋu, kple nuteƒekpɔkpɔ me la, sidzedze gbogbo xɔasi aɖewo ŋutɔ va su Yehowa subɔla wɔnuteƒe siawo si. Wosrɔ̃ ale si woagbɔ dzi ɖi blewu kple ale si woaɖe veveseseɖeamenu afia, eye sidzedze siwo su wo si la fiafia wo megbeviwo naa wokpɔa dzidzɔ kple dzidzeme geɖe ŋutɔ. (Ps. 71:18) Sɔhɛwo, abe ale si wodua tsi le vudo me ene la, midze nunya miadu sidzedze gbogbo siwo le ame tsitsi siawo me la be woaɖe vi na mi.—Lod. 20:5.

6. Alekee nàte ŋu aɖee afia ame tsitsiwo be yedea asixɔxɔ wo ŋu vavã?

6 Ðe nènaa ame tsitsiwo nyana be yedea asixɔxɔ wo ŋu abe ale si Yehowa dea asixɔxɔ wo ŋu enea? Mɔ ɖeka si dzi nàto awɔ esiae nye be nàgblɔ ale si gbegbe nèlɔ̃a wo ɖe woƒe nuteƒewɔwɔ ta kple ale si gbegbe nèdea asixɔxɔ woƒe nukpɔsusuwo ŋui la na wo. Hekpe ɖe eŋu la, ne èwɔa aɖaŋu siwo woɖona na wò dzi la, ekema èle eɖem le fiafiam be bubu si nèdea wo ŋu la tso dzi blibo me. Kristotɔ tsitsi geɖewo ate ŋu aɖo ŋku ale si aɖaŋu siwo ame tsitsi wɔnuteƒewo ɖo na wo kpakple ale si wɔwɔ ɖe wo dzi ɖe vi na wo le woƒe agbe me ŋkekeawo katã me la dzi. *

Wɔ Nu Siwo Aɖee Afia Be Nètsɔ Ðe Le Eme Na Wo Lɔlɔ̃tɔe

7. Ame kawo koŋ sie Yehowa tsɔ agbanɔamedzia de be woakpɔ ame tsitsiwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ?

7 Ame tsitsiwo ƒe ƒometɔwo koŋ sie Mawu tsɔ agbanɔamedzia de be woakpɔ woƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo. (Mixlẽ 1 Timoteo 5:4, 8.) Ne ƒometɔwo tsɔa agba si le wo dzi ku ɖe woƒe ƒometɔ tsitsiwo dzi kpɔkpɔ ŋu nyuie hetoa esia dzi ɖenɛ fiana be yewotsɔa ɖe le eme na wo abe ale si Yehowa ŋutɔ hã tsɔa ɖe le eme na woe ene la, edoa dzidzɔ na Yehowa ŋutɔ. Mawu doa ŋusẽ ƒome siawo heyraa wo ɖe woƒe agbagbadzedze kple nu siwo wotsɔ saa vɔe le esia wɔwɔ me ta. *

8. Nu ka tae wòle be hamea me tɔwo natsɔ ɖe le eme na Kristotɔ tsitsiwo?

8 Nenema kee wòdoa dzidzɔ na Yehowa ne hamea naa kpekpeɖeŋu ame tsitsi wɔnuteƒe siwo ɖo hiã me gake wo vi aɖeke menye haxɔsetɔ o alo woƒe ƒometɔwo medi be yewoalé be na wo o. (1 Tim. 5:3, 5, 9, 10) Hamea me tɔwo toa esia wɔwɔ me ɖenɛ fiana be ‘yewosea veve ɖe ame nu, yewolɔ̃a yewo nɔewo abe nɔviwo ene, eye yewoƒe dɔme trɔna ɖe ame ŋu.’ (1 Pet. 3:8) Ale si woléa be na ame tsitsi siwo le hamea me alea la sɔ ɖe kpɔɖeŋu aɖe si Paulo wɔ esime wògblɔ be ne ame ƒe ŋutinu ɖeka le fu kpem la, ŋutinu “bubuawo katã kpea fu kplii” la nu nyuie. (1 Kor. 12:26) Nu siwo aɖee afia be míesea veve ɖe ame tsitsiwo nu ŋutɔŋutɔ la wɔwɔ nyea wɔwɔ ɖe gɔmeɖose si le Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo sia me dzi be: “Miyi edzi miatsɔ mia nɔewo ƒe agbawo, ale miawɔ Kristo la ƒe se la dzi bliboe.”—Gal. 6:2.

9. Nu kawoe ate ŋu azu agba na ame tsitsi?

9 Nu kawoe va zua agba na ame tsitsiwo? Ðeɖi tea wo dometɔ geɖe ŋu kabakaba. Woate ŋu ase le wo ɖokui me be nu suesuesuewo abe kɔdzidede, lɛtaŋɔŋlɔ, aƒemedzadzraɖo, kple nuɖaɖa ene meganyaa wɔna na yewo o. Esi wònye be nuɖuɖudzroame kple tsikɔwuame dzi ɖena kpɔtɔ ne ame le tsitsim ta la, woate ŋu asusui be mehiã be yewoaɖu nu alo ano tsi ale si dze o. Ate ŋu anɔ nenema le gbɔgbɔmenuɖuɖu hã gome. Ale si nukpɔkpɔ kple nusese tea ŋu ɖea fu na ame tsitsiwo la ate ŋu awɔe be nuxexlẽ kple toɖoɖo gbɔgbɔmenyawo ate ŋu asesẽ na wo, eye dzadzraɖo ayi Kristotɔwo ƒe kpekpewo hã ate ŋu ana ɖeɖi nate wo ŋu. Ekema, nu kae ame bubuwo ate ŋu awɔ na ame tsitsi siawo?

Kpekpeɖeŋu Si Nàte Ŋu Ana

10. Nu kawoe hamemetsitsiwo ate ŋu awɔ atsɔ akpɔ egbɔ be wona kpekpeɖeŋu siwo hiã la ame tsitsiwo?

10 Le hame geɖewo me la, wole be lém na ame tsitsiwo le mɔ si dze na kafukafu nu. Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu lɔ̃amewo naa kpekpeɖeŋu wo le asimedede, nuɖaɖa, kple aƒemedzadzraɖo na wo me. Wonaa kpekpeɖeŋu ame tsitsiwo le nusɔsrɔ̃, dzadzraɖo hena kpekpewo yiyi kple gomekpɔkpɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔa me edziedzi me. Ðasefo siwo ŋu ŋusẽ le la kplɔa ame tsitsiawo alo kpɔa woƒe ʋuɖonyawo gbɔ na wo. Ne manya wɔ be woakplɔ ame tsitsiwo ado go le aƒe me o la, wonana wosea kpekpeawo me nyawo to telefonkadodowo dzi, alo léa wo ɖe mɔ̃wo dzi na wo. Ɣesiaɣi si wòanya wɔ la, hamemetsitsiwo wɔa ɖoɖo hena ame tsitsi siwo le hamea me ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ na wo. *

11. Ƒo nu tso ale si ƒome aɖe kpe ɖe nɔviŋutsu tsitsi aɖe ŋui ŋu.

11 Kristotɔ ɖekaɖekawo hã ate ŋu aɖe dɔmenyonyo kple amedzrowɔwɔ afia. Le nɔviŋutsu tsitsi aɖe srɔ̃ ƒe ku megbe la, megate ŋu xea xɔfe srɔ̃a ƒe dzudzɔxɔledɔmega manɔmee o. Woa kple srɔ̃a wosrɔ̃ Biblia kple ƒome aɖe—vifofoa, vidadaa, kple wo vi ɖetugbui eve—si le aƒe gã aɖe me. Wotsɔ xɔnu eve nɛ be wòanɔ eme. Wo katã wose vivi le nuɖuɖu, dzidzɔkpɔkpɔ, kple nɔvilɔlɔ̃ ɖeɖe fia wo nɔewo me ɖekae hena ƒe 15 sɔŋ. Eƒe xɔse kple nuteƒekpɔkpɔ gbogboawo ɖe vi na ƒomea me tɔwo, eye eya hã ɖe vi tso hadede kple ƒomea dzidzɔtɔe me. Nɔviŋutsu tsitsi sia nɔ wo gbɔ va se ɖe esime wòku le eƒe ƒe 89 xɔxɔ me. Ƒomea gakpɔtɔ daa akpe na Mawu ɖe yayra gbogbo si wokpɔ le hadede kplii me ta. Kpekpeɖeŋu sia si wona wo nɔvi Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃la sia la ŋuti ‘fetu metsi wo ŋu o.’—Mat. 10:42. *

12. Nu kawoe nàte ŋu awɔ atsɔ aɖee afia be yetsɔa ɖe le eme na nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu tsitsiwo lɔlɔ̃tɔe?

12 Ðewohĩ wò nɔnɔmeawo maɖe mɔ na wò be nàkpe ɖe nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu tsitsi aɖe ŋu le mɔ si tututu ƒome sia wɔe le nu o, gake àte ŋu anɔ kpekpem ɖe ame tsitsiwo ŋu le kpekpewo dede kple gbeadziyiyi me. Àte ŋu akpe wo ava wò aƒe me alo awɔ ɖoɖo woawɔ ɖeka kple wò ƒomea le tsaɖiɖi aɖewo wɔwɔ me. Àte ŋu ayi aɖasrã wo kpɔ, vevietɔ ne wodze dɔ alo tsi teƒe ɖeka. Gakpe ɖe eŋu la, esi wonye ame tsitsiwo ta la, ele be nàde bubu wo ŋu ɣesiaɣi. Ne Kristotɔ tsitsiwo ƒe susu nya kpɔtɔ le te ko la, ele be woabia woƒe nukpɔsusu le nyametsotso ɖe sia ɖe si ka wo la wɔwɔ me. Ame tsitsi siwo ƒe susu megate ŋu nɔa nu ŋu nyuie o gɔ̃ hã tea ŋu dea dzesii ne wole bubu dem wo ŋu alo womele bubu dem wo ŋu o.

Yehowa Maŋlɔ Wò Dɔwɔwɔwo Be O

13. Nu ka tae Kristotɔ tsitsiwo ƒe seselelãmewo gɔme sese na wo le vevie ŋutɔ?

13 Ame tsitsiwo ƒe seselelãmewo gɔme sese na wo le vevie ŋutɔ. Ele bɔbɔe ŋutɔ be nu nate ɖe ame tsitsiwo dzi vevie, le esi womegate ŋu le nu siwo wowɔna bɔbɔe esime wonye sɔhɛwo eye lãmesẽ nyuie nɔ wo si la wɔm fifia o ta. Le kpɔɖeŋu me, nɔvinyɔnu aɖe si subɔ Yehowa veviedodotɔe hena ƒe 50 sɔŋ eye wòwɔ gbe sia gbe mɔɖeɖedɔa kpɔ la va dze dɔ vɔ̃ɖi aɖe, eye agbagba bliboe wòdzena hafi tea ŋu dea kpekpeawo. Esi wòtsɔ nu siwo wòtea ŋu wɔna le subɔsubɔdɔa me tsã sɔ kple sue si wɔm wòle fifia la, ɖeko wòte avifafa. Ede ta to, aɖatsi nɔ gegem le mo nɛ wògblɔ be, “Nyemegate ŋu le naneke kura wɔm fifia o.”

14. Dzideƒonamenya kawoe le psalmowo me na Yehowa subɔla tsitsiwo?

14 Ne ame tsitsie nènye la, ɖe nuteɖeamedzi ƒe seselelãme siawo ɖe fu na wò kpɔa? Alo ɖe nèsena le ɖokuiwò me ɣeaɖewoɣi be Yehowa gblẽ ye ɖia? Hakpalaa hã anya se le eɖokui me nenema le eƒe tsitsime, elabena eƒo koko na Yehowa be: ‘Megagbem le amegãkuɣi o, eye ne nye ŋusẽ nu yi la, megagblẽm ɖi o! Mawu, megagblẽm ɖi o va se ɖe nye amegãkuku kple nye wɔƒoƒo me.’ (Ps. 71:9, 18) Kakaɖedzitɔe la, Yehowa megblẽ psalmo sia kpala ɖi o, eye magblẽ wò hã ɖi gbeɖe o. Le psalmo bubu me la, David ɖe ale si gbegbe wòka ɖe edzi be Mawu akpe ɖe ye ŋu la gblɔ. (Mixlẽ Psalmo 68:20.) Ne Kristotɔ tsitsi wɔnuteƒee nènye la, kakaɖedzi nenɔ asiwò be Yehowa li kpli wò, eye ayi edzi anɔ kpekpem ɖe ŋuwò tso ŋkeke yi ŋkeke.

15. Nu kae ate ŋu akpe ɖe ame tsitsiwo ŋu nukpɔsusu nyui nanɔ wo si?

15 Yehowa maŋlɔ nu siwo katã mi eƒe Ðasefo tsitsiwo miewɔ, eye miegale edzi le wɔwɔm hena Mawu ƒe ŋutikɔkɔe la be gbeɖe o. Biblia gblɔ be: “Mawu menye madzɔmadzɔtɔ, be wòaŋlɔ miaƒe dɔwɔwɔ kple lɔlɔ̃ si mieɖe fia le eƒe ŋkɔ la ta, . . . be o.” (Heb. 6:10) Eya ta dze agbagba nàƒo asa na nukpɔsusu masɔmasɔwo, bene nàgasusui vodadatɔe be esi yeva zu ame tsitsi fifia ta la, viɖe aɖeke megale ye ŋu na Yehowa o. Dze agbagba nàtsɔ nu tuameɖowo ŋu bubu aɖɔ li blanuiléle kple nuŋububu mɔkpɔkpɔmanɔamesitɔe. Kpɔ dzidzɔ ɖe wò yayrawo kple wò etsɔmemɔkpɔkpɔa ŋu! “Etsɔme kple mɔkpɔkpɔ” vavã le mía si, siwo nye nyuitɔwo kekeake, eye mía Wɔla la na kakaɖedzi mí le wo ŋu. (Yer. 29:11, 12; Dɔw. 17:31; 1 Tim. 6:19) Nɔ wò mɔkpɔkpɔa ŋu bum, dze agbagba nànɔ nu siwo ana wò dzi kple susu nanɔ te la wɔm, eye mègasusui gbeɖe be asixɔxɔ aɖeke mele ye ŋu le hamea me o! *

16. Nu ka tae ame tsitsi aɖe va susui be ele be yeadzudzɔ subɔsubɔ abe hamemetsitsi ene, gake alekee hamemetsitsiwo ƒe ha la de dzi ƒo nɛ?

16 Bu Johan si xɔ ƒe 80, eye wòle nɛ be wòakpɔ srɔ̃a lɔlɔ̃a, Sannie, si dze dɔ tsi teƒe ɖeka fifia la gbɔ gbe sia gbe ŋu kpɔ. * Nɔvinyɔnuwo va ɖɔ lia wo nɔewo le Sannie gbɔ kpɔkpɔ me bene Johan nate ŋu ayi kpekpeawo ahakpɔ gome le gbeadzi subɔsubɔdɔa hã me. Gake nyitsɔ laa la, nuteɖeamedzi na be Johan te sese le eɖokui me be mele be yeagasubɔ abe hamemetsitsi ene o. Aɖatsi lólo le mo nɛ wògblɔ be: “Viɖe kae wòganye be manye hamemetsitsi? Nyemegate ŋu wɔa dɔ ɖota aɖeke le hamea me o.” Ehati hamemetsitsiwo na kakaɖedzii be asixɔxɔ gã aɖe le eƒe nuteƒekpɔkpɔwo kple nukpɔsusuwo ŋu na yewo. Wode dzi ƒo nɛ be wòayi edzi asubɔ abe hamemetsitsi ene, togbɔ be megate ŋu le geɖe wɔm o hã. Esia de dzi ƒo na Johan ale gbegbe be wòyi edzi le subɔsubɔm abe hamemetsitsi ene wònye yayra na hamea.

Yehowa Léa Be Na Mi Vavã

17. Kakaɖedzi kawoe Biblia na Kristotɔ tsitsiwo?

17 Ŋɔŋlɔawo ɖee fia kɔtɛ be ame tsitsiwo ate ŋu ayi edzi anɔ dzidzedze kpɔm le gbɔgbɔ me togbɔ be tsitsimekuxiwo anɔ fu ɖem na wo hã. Hakpala la gblɔ be: ‘Ame siwo wodo ɖe Yehowa ƒe aƒe me la atse ku le tsitsi me ke hã, tsi anɔ wo me gugugu, eye woade ama.’ (Ps. 92:14, 15) Apostolo Paulo, si ɖewohĩ dɔléle aɖe nɔ fu ɖem na la ‘mena ta o, togbɔ be ame si wònye le gotagome nɔ gbegblẽm hã.’—Mixlẽ 2 Korintotɔwo 4:16-18.

18. Nu ka tae haxɔsetɔ tsitsiwo kple ame siwo kpɔa wo gbɔ la hiã ame bubuwo ƒe kpekpeɖeŋu?

18 Egbegbe kpɔɖeŋu geɖewo ɖo kpe edzi be ame tsitsiwo ate ŋu ‘ayi edzi anɔ ku tsem.’ Gake dɔléle kple tsitsimekuxiwo ate ŋu ana nu nate ɖe ame tsitsiwo dzi vevie, wo dometɔ siwo ƒe ƒometɔwo dzea agbagba le beléle na wo nyuie me gɔ̃ hã. Ðeɖi ate ŋu ava te ame siwo kpɔa ame tsitsiwo gbɔ la hã ŋu. Enye mɔnukpɔkpɔ kple agbanɔamedzi na hamea me tɔwo be woawɔ nu siwo aɖee afia be wolɔ̃ ame tsitsiwo kple ame siwo kpɔa wo gbɔ la vavã. (Gal. 6:10) Ne míewɔnɛ alea la, eɖenɛ fiana be menye ɖeko míegblɔna na ame siawo be “dzo naɖo lãme na mi, eye miɖu nu ɖi ƒo” kpekpeɖeŋu ŋutɔŋutɔ aɖeke manamana woe o.—Yak. 2:15-17.

19. Nu ka tae kakaɖedzi ate ŋu anɔ Kristotɔ tsitsi wɔnuteƒewo si ku ɖe etsɔme ŋu?

19 Togbɔ be tsitsi ate ŋu awɔe be Kristotɔ aɖe magate ŋu awɔ geɖe o hã la, esia menana lɔlɔ̃ si le Yehowa si na esubɔla wɔnuteƒe tsitsiwo la dzi ɖena kpɔtɔ o. Ke boŋ Kristotɔ wɔnuteƒe siawo katã xɔ asi le eŋkume eye magblẽ wo ɖi akpɔ gbeɖe o. (Ps. 37:28; Yes. 46:4) Yehowa ayi edzi akpɔ wo ta ahafia mɔ wo le woƒe tsitsimenɔɣiawo katã me.—Ps. 48:15.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 6 Kpɔ nyati si nye “Ame Tsitsiwo—Wonye Yayra Na Sɔhɛwo,” si dze le June 1, 2007 ƒe Gbetakpɔxɔ me.

^ mm. 7 Kpɔ April 8, 1994 ƒe Nyɔ!, axa 15-22.

^ mm. 10 Le dukɔ aɖewo me la, kpekpeɖeŋunana sia lɔ ale si woana ame tsitsi nate ŋu axɔ kpekpeɖeŋu siwo dziɖuɖua nana la ɖe eme. Kpɔ nyati si nye “Mawu Léa Be Na Ame Tsitsiwo,” si dze le June 1, 2006 ƒe Gbetakpɔxɔ me.

^ mm. 11 Kpɔ nyati si nye “Yehowa Léa Be Na Mí Ɣesiaɣi,” si dze le September 1, 2003 ƒe Gbetakpɔxɔ me.

^ mm. 15 Kpɔ nyati si nye “Ta Ɣi Ƒe Bubu La,” si dze le March 15, 1993 ƒe Gbetakpɔxɔ me.

^ mm. 16 Míetrɔ ŋkɔawo.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Nu ka tae nèkpɔe be asixɔxɔ le Kristotɔ tsitsi wɔnuteƒewo ŋu?

• Alekee míate ŋu aɖee afia be míetsɔ ɖe le eme na hati tadeagula tsitsiwo lɔlɔ̃tɔe?

• Nu kae ate nu akpe ɖe Yehowa subɔla tsitsiwo ŋu be nukpɔsusu nyui nakpɔtɔ anɔ wo si?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Hamea me tɔwo tsɔa ɖe le eme na ame tsitsiwo vevie