Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Tsɔ Didi Vevie’ Dzi Wò Sidzedze Vavãtɔ La Ðe Edzi

‘Tsɔ Didi Vevie’ Dzi Wò Sidzedze Vavãtɔ La Ðe Edzi

‘Tsɔ Didi Vevie’ Dzi Wò Sidzedze Vavãtɔ La Ðe Edzi

AME siwo katã subɔa Yehowa la dina be yewoana wòakpɔ ŋudzedze ɖe yewo ŋu. Esi didi sia le mía me ta la, míedina vevie be míaƒe xɔse me nasẽ ɖe edzi eye míatsɔ dzonɔameme anɔ subɔsubɔ kɔkɔe tsɔm nɛ. Gake apostolo Paulo he míaƒe susu yi afɔku aɖe si me míate ŋu age ɖo, si gblẽ nu le Yudatɔ siwo nɔ anyi le eƒe ŋkekea me ŋu, la dzi esime wògblɔ be: “Dzo le wo me ɖe Mawu ŋu; gake menye le sidzedze vavãtɔ nu o.” (Rom. 10:2) Eme kɔ ƒãa be, mele be míaƒe xɔse kple tadedeagu na Yehowa nanɔ te ɖe seselelãme dzro ko dzi o. Ehiã be mía Wɔla la kple eƒe lɔlɔ̃nu ŋuti sidzedze vavãtɔ nasu mía si.

Le agbalẽ bubu aɖe si Paulo ŋlɔ me la, etsɔ agbenɔnɔ si ŋu Mawu kpɔa ŋudzedze ɖo la do ƒome kple didi vevie be sidzedze geɖe wu nasu ame si. Edo gbe ɖa be Mawu ƒe lɔlɔ̃nu “ŋuti sidzedze vavãtɔ la nayɔ [Kristo yome dzelawo] fũu” ‘bene woazɔ ale si dze Yehowa, bene woadze eŋu bliboe, esi woyi edzi le ku tsem le dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ me, eye wole tsitsim le Mawu ŋuti sidzedze vavãtɔ la me.’ (Kol. 1:9, 10) Nu ka tae míehiã “sidzedze vavãtɔ la” geɖe wu alea gbegbe ɖo? Eye nu ka tae wòle be míadzi sidzedze sia ɖe edzi?

Nu Vevi Si Naa Xɔse Sua Ame Si

Mawu kple eƒe lɔlɔ̃nu ŋuti sidzedze vavãtɔ si le Biblia me ye nye nu vevi si dzi míetua míaƒe xɔse ɖo. Sidzedze vevi sia manɔmee la, ɖeko míaƒe Yehowa dzi xɔxɔ se anɔ abe xɔ aɖe si ɖeviwo tsɔa pepa kakɛwo tuna eye ne ya vi aɖe ƒo ko wòmuna ene. Paulo de dzi ƒo na mí be miazã míaƒe “tamebubu ŋutete” le subɔsubɔdɔ kɔkɔe wɔwɔ na Mawu me eye ‘míawɔ míaƒe tamesusu yeyee.’ (Rom. 12:1, 2) Biblia sɔsrɔ̃ edziedzi ate ŋu akpe ɖe mía ŋu le esia wɔwɔ me.

Ewa, si nye gbe sia gbe mɔɖela le Poland la, lɔ̃ ɖe edzi be: “Ne nyemesrɔ̃a Mawu ƒe Nya la edziedzi o la, awɔe be madzudzɔ ŋgɔyiyiwɔwɔ le Yehowa ŋuti sidzedze vavãtɔ gome. Maxɔ ɣiyiɣi aɖeke hafi nye Kristotɔnyenye dome nate gbegblẽ, eye nye mawudzixɔse me agbɔdzɔ o—esia agblẽ nu le ŋunye le gbɔgbɔ me.” Esia negadzɔ ɖe mía dzi gbeɖe o! Bu ŋutsu aɖe si dzi eƒe Yehowa ŋuti sidzedze vavãtɔ ɖe edzi kple ale si esia na Mawu kpɔ ŋudzedze ɖe eŋu la ƒe kpɔɖeŋu ŋu kpɔ.

“Aleke Gbegbe Nyemehelɔ̃a Wò Se Lae O!”

Hakpanya siwo nu woƒo ƒu wònye Psalmo 119 lia le míaƒe Bibliawo me la ɖe hakpalaa ƒe seselelãme ku ɖe Yehowa ƒe sewo, ŋkuɖodzinyawo, ɖoɖowo, sededewo, kple afiatsotsowo ŋu fia. Hakpala la ŋlɔ bena: “Nye dzeme akɔ ɖe wò ɖoɖowo ŋu. . . . Wò [ŋkuɖodzinyawo] nye nye dzidzɔ.” Eŋlɔ hã be: “Aleke gbegbe nyemehelɔ̃a wò se lae o! Nye ŋugbledede wònye ɖaa.”—Ps. 119:16, 24, 47, 48, 77, 97.

Hakpalaa ƒe nya siwo nye “dzidzɔ” kple “ŋugbledede” ɖee fia be ekpɔa dzidzɔ le ŋugbledede tso Mawu ƒe Nya la ŋu me. Nya mawo te gbe ɖe ale si gbegbe hakpalaa lɔ̃ Mawu ƒe se la sɔsrɔ̃e dzi. Menye seselelãme dzro aɖe koe lɔlɔ̃ ma nye nyɔ ɖe hakpalaa ƒe dzi me o. Ke boŋ ‘eya ŋutɔ dina vevie be yeade ŋugble’ le sea ŋu, be gɔmesese deto nasu ye si ku ɖe Yehowa ƒe nya ŋu. Míate ŋu akpɔe le nɔnɔme si wòɖena fiana me be edi be yeanya Mawu kple eƒe lɔlɔ̃nu nyuie ale si yeate ŋui.

Eme kɔ ƒãa be lɔlɔ̃ si le hakpalaa si na Mawu ƒe Nya la tso eƒe dzi ƒe gogloeaƒe ke. Míate ŋu abia mía ɖokui be: ‘Nenemae wòle le nye hã gonyemea? Ðe mekpɔa dzidzɔ ɖe Biblia ƒe akpa aɖe xexlẽ kple ŋugbledede le eŋu gbe sia gbe ŋua? Ðe medzea agbagba vevie tso dzi blibo me srɔ̃a Mawu ƒe Nya la gbedodoɖatɔea?’ Ne míate ŋu aɖo biabia siawo ŋu be ɛ̃ la, ke efia be míele “tsitsim le Mawu ŋuti sidzedze vavãtɔ la me.”

Ewa gblɔ be: “Meyi edzi le agbagba dzem be mana nye ɖokuisinusɔsrɔ̃ naganyo ɖe edzi. Tso esime woɖe agbalẽ gbadza si nye ‘Kpɔ Anyigba Nyui la Ða’ ɖe go la, mezãnɛ ɣesiaɣi kloe ne mele nu srɔ̃m. Medzea agbagba geɖe wɔa numekuku le agbalẽ si nye Insight on the Scriptures (Étude perspicace des Écritures) kple numekugbalẽ bubuwo me ne ehiã.”

Bu Wojciech kple Małgorzata, siwo dzi ƒomegbanɔamedzi geɖewo le la ƒe kpɔɖeŋu hã ŋu kpɔ. Alekee wote ŋu wɔ de ɖokui si Biblia sɔsrɔ̃ woƒe ɖoɖowo me? “Míedia ɣeyiɣi tsɔ srɔ̃a Mawu ƒe Nya la le mía ɖokui si ale si míate ŋui. Emegbe le míaƒe ƒomenusrɔ̃ɣi kple gbe sia gbe dzeɖoɖowo me la, míeƒoa nu tso nu siwo do dzidzɔ na mí alo de dzi ƒo na mí le míaƒe ɖokuisinusɔsrɔ̃a me ŋu na mía nɔewo.” Ðokuisinusɔsrɔ̃ deto wɔwɔ naa ƒome sia kpɔa dzidzɔ ŋutɔ eye wòkpena ɖe wo ŋu ‘woƒe sidzedze vavãtɔ dzina ɖe edzi.’

Srɔ̃ Nu Kple Didi Vevie Be Yeaxɔ Nufiameawo Ade Eme

Mí Kristotɔwo míexɔ edzi se be enye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu be “woaɖe ame ƒomeviwo katã, eye nyateƒe ƒe sidzedze vavãtɔ la nasu wo si.” (1 Tim. 2:3, 4) Nyateƒenya sia gate gbe ɖe Biblia xexlẽ kple agbagbadzedze be “miase egɔme” ƒe vevienyenye dzi. (Mat. 15:10) Nu ɖeka aɖe si akpe ɖe mía ŋu le esia wɔwɔ mee nye nusɔsrɔ̃ kple didi vevie be míaxɔ nufiameawo ade eme. Nɔnɔme siae blema Beroiatɔwo ɖe fia esime Paulo gblɔ nya nyuia na wo: “Wotso dzi me lɔ̃ faa xɔ nya la [kple didi vevie], eye wonɔa Ŋɔŋlɔawo me dzrom tsitotsito gbe sia gbe be nya siawo le nenema hã.”—Dɔw. 17:11.

Ðe nèsrɔ̃a Beroiatɔwo ƒe kpɔɖeŋua ale be nètsɔa didi vevie srɔ̃a Biblia hekpɔa egbɔ be susuhenu aɖeke nagaɖe fu na wò esime nèle nua srɔ̃m oa? Kristotɔ ɖe sia ɖe ate ŋu asrɔ̃ Beroiatɔwo ƒe kpɔɖeŋua, ne nusɔsrɔ̃ mevivia enu tsã o gɔ̃ hã. Gakpe ɖe eŋu la, ame aɖewo va ɖea nuxexlẽ kple nusɔsrɔ̃ dzi kpɔtɔna ne wole tsitsim, gake mele be wòanɔ alea le Kristotɔ vavãwo ya gome o. Ƒe ka kee ame ɖaxɔ o, ate ŋu aƒo asa na susuhenuwo. Eye ne èle nu xlẽm la, àte ŋu adi nyatakaka siwo ŋu nàte ŋu aɖo dze tso na ame bubuwo la vevie. Le kpɔɖeŋu me, ɖe nàte ŋu aɖoe be yeaƒo nu tso nane si ŋu nèke ɖo le wò nuxexlẽ alo wò nusɔsrɔ̃a me ŋu na wò kpeɖeŋutɔ alo xɔwò Kristotɔ aɖea? Esia wɔwɔ ate ŋu ana nu mawo natsi dzi kple susu me na wò nyuie, eye le ɣeyiɣi ma ke me la, woaɖe vi na ame bubuwo hã.

Le wò nusrɔ̃ɣiwo la, srɔ̃ Ezra, Mawu subɔla si nɔ anyi le blema, si “tsɔ eƒe dzi ɖo Yehowa ƒe se la me dzodzro ŋu.” (Ezra 7:10) Aleke nàte ŋu awɔ esiae? Àte ŋu adi ɣeyiɣi kple teƒe siwo asɔ nyuie na nusɔsrɔ̃. Emegbe bɔbɔ nɔ anyi eye nàdo gbe ɖa na Yehowa ahabia eƒe nunya kple mɔfiafia. (Yak. 1:5) Bia ɖokuiwò be, ‘Nufiame kawoe asu asinye le nusɔsrɔ̃ sia me?’ Esime nèle nua xlẽm la, nɔ ŋudzɔ ɖe nya vevi siwo le nyati si srɔ̃m nèle me ŋu. Àte ŋu aŋlɔ esiawo ɖi alo ade dzesi teƒe siwo màdi be yeaŋlɔ be kura o la. Bu ale si nàte ŋu awɔ nyatia ŋu dɔ ne èle gbeƒã ɖem, ne èle nyametsotsowo wɔm, alo ne èle dzi dem ƒo na haxɔsetɔ aɖe la ŋu. Le wò nusɔsrɔ̃a ƒe nuwuwu lɔƒo la, gbugbɔ to nu siwo katã nèsrɔ̃ la me kpuie. Esia akpe ɖe ŋuwò nàɖo ŋku nu siwo nèsrɔ̃ la dzi.

Ewa ƒo nu tso mɔnu si wòzãna le nusɔsrɔ̃ me ŋu ale: “Ne mele Biblia xlẽm la, mexlẽa mawunyakpukpui siwo woŋlɔ ɖe titinanuŋɔŋlɔawo me, mezãa Watch Tower Publications Index (Index des publications de la Société Watch Tower), kple Watchtower Library si le CD-ROM dzi tsɔ wɔa numekuku. Mewɔa nuŋlɔɖiwo kple susu be mazã wo le gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ me.”

Ame aɖewo se vivi le nusɔsrɔ̃ deto wɔwɔ me hena ƒe geɖe, eye woƒo wo ɖokui ɖe nusɔsrɔ̃ tso Mawu ŋu me vevie va yi. (Lod. 2:1-5) Ke hã, fifia, agba geɖe le wo dzi eye wòsesẽ na wo be woaɖo ɣeyiɣi aɖe koŋ ɖi hena ɖokuisinusɔsrɔ̃. Ne ele elea le gowòme la, asitɔtrɔ kawoe nàte ŋu awɔ le wò ɖoɖowo ŋu?

Aleke Mawɔ Akpɔ Ɣeyiɣi Na Nusɔsrɔ̃?

Ðewohĩ àlɔ̃ ɖe edzi be enɔa bɔbɔe na wò be nàkpɔ ɣeyiɣi ɖe nu siwo doa dzidzɔ na wò la wɔwɔ ŋu. Ame geɖe kpɔe be nu vevi si kpena ɖe ame ŋu wòkpɔa dzidzɔ ɖe ɖokuisinusɔsrɔ̃ ŋue nye taɖodzinu si gbɔ woate ŋu aɖo la ɖoɖo na ame ɖokui, abe Biblia bliboa xexlẽ ene. Le nyateƒe me la, ate ŋu adze nu sesẽ ŋutɔ be woaxlẽ dzidzimewo ŋuti nuŋlɔɖi legbeewo, blema gbedoxɔa tutu ŋuti mɔfiame tsitotsitoawo, alo nyagblɔɖi siwo gɔme sese sesẽ, siwo medo ƒome boo aɖeke kple nu siwo míewɔna gbe sia gbe o. Dze agbagba nàɖe afɔ ŋutɔŋutɔ siwo akpe ɖe ŋuwò nàɖo wò taɖodzinua gbɔ. Le kpɔɖeŋu me, hafi nàdzro Biblia ƒe akpa aɖe si dze nu sesẽe me la, àte ŋu axlẽ nu tso nɔnɔme siwo me woŋlɔe le ŋu alo tso viɖe siwo le eŋu la ŋu. Àte ŋu akpɔ nyatakaka siawo tɔgbi le agbalẽ si nye “All Scripture Is Inspired of God and Beneficial” (“ Toute Écriture est inspirée de Dieu et utile ”), si le gbegbɔgblɔ 50 kloe me la me.

Ne ète ŋu kpɔa nu siwo xlẽm nèle le Biblia me la le susu me la, nuxexlẽa avivi nuwò ŋutɔ. Esia ana nànɔ ame siwo ŋu nudzɔdzɔawo ku ɖo kple nu siwo le edzi yim le ŋutinyaa me la kpɔm le susu me. Anɔ eme godoo be aɖaŋuɖoɖo ʋɛ siawo dzi wɔwɔ ana wò ɖokuisinusɔsrɔ̃wo navivi nuwò eye woaɖe vi na wò geɖe wu. Esia awɔe be àdi vevie be yeadi ɣeyiɣi ɖe ewɔwɔ ŋu. Eye anɔ bɔbɔe na wò wu be Biblia xexlẽ gbe sia gbe nazu numame na wò.

Togbɔ be aɖaŋuɖoɖo siawo aɖe vi ne ame ɖekae le nu srɔ̃m le eɖokui si hã la, aleke ƒome siwo mevona kura o la ate ŋu awɔ wo ŋu dɔe? Ðe manyo ŋutɔ be mianɔ anyi aɖe dzi ɖi faa ahadzro viɖe siwo miate ŋu akpɔ tso ƒomenusɔsrɔ̃ wɔwɔ me la me oa? Susu nyui aɖewo ate ŋu ado tso numedzodzro sia me, siwo dometɔ aɖewo ate ŋu anye fɔfɔ kaba vie wu ŋdi sia ŋdi, alo le ŋkeke aɖewo dzi, hena Biblia ƒe akpa aɖewo me dzodzro. Alo miava kpɔe le numedzodzroa me be ahiã be yewoawɔ asitɔtrɔ aɖewo le ƒomea ƒe ɖoɖowɔɖiwo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ƒome aɖewo kpɔe be esɔ na yewo nyuie ŋutɔ be yewoadzro ŋkekea ƒe mawunyakpukpuia me alo axlẽ Biblia ƒe akpa aɖe le ƒomea ƒe nuɖuɣi aɖe megbe teti gbe sia gbe. Wozãa miniti 10 alo 15 tsɔ dzroa Ŋɔŋlɔawo me alo tsɔ xlẽa kwasiɖaa ƒe Biblia xexlẽ ƒe akpa aɖe hafi dzraa nuɖukplɔ̃a dzi ɖo gɔ̃ hã. Le gɔmedzedzea me la, esia ate ŋu adze nu sesẽ, gake eteƒe madidi o, ava zu numame kple nu si ŋu ƒomea kpɔa dzidzɔ ɖo ŋutɔ.

Wojciech kple Małgorzata ɖe nu si kpe ɖe woƒe ƒomea ŋu me ale: “Tsã la, nu maɖinuwo kple nu siwo mele vevi o koe xɔa míaƒe ɣeyiɣiwo katã. Míeva tso nya me be míaɖe ɣeyiɣi si míezãna tsɔ nɔa e-mail ŋlɔm la dzi kpɔtɔ. Míeɖe ɣeyiɣi siwo míezãna ɖe modzakaɖeɖe ŋu hã dzi kpɔtɔ, eye míeɖo ŋkeke kple ɣeyiɣi aɖe koŋ ɖi hena numekuku detowo wɔwɔ.” Meve ƒome sia kpɔ gbeɖe be yewowɔ asitɔtrɔ siawo o, eye nenema kee ne miawo hã miewɔ asitɔtrɔ siwo hiã la, mave mi akpɔ gbeɖe o.

Sidzedze Vavãtɔ Dzidzi Ðe Edzi Ðea Vi!

Mawu ƒe Nya la ŋuti nusɔsrɔ̃ deto wɔwɔ nana wonɔa “ku tsem le dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ me.” (Kol. 1:10) Ne eva eme nenema le gowòme la, wò ŋgɔgbedede adze ƒãa na amewo katã. Àzu gbɔgbɔmeme si si Biblia me nyateƒea ŋuti gɔmesese deto su. Àda asɔ le wò nyametsotsowo wɔwɔ me eye àsu te nyuie aɖo aɖaŋu na amewo ŋuɖɔɖotɔe wu, eye àda asɔ nyuie le ewɔwɔ me. Ƒo wo katã ta la, àva te ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli wu. Àva kpɔ ŋudzedze deto ɖe eƒe nɔnɔme nyoameŋuawo ŋu, eye esia aɖe dzesi ne èle nu ƒom na amewo tso eyama ŋu.—1 Tim. 4:15; Yak. 4:8.

Ƒe ka kee nèɖaxɔ alo nuteƒekpɔkpɔ ka kee ɖasu asiwò o, dze agbagba ɖe sia ɖe be nàyi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm ɖe Mawu ƒe Nya kple eŋuti nusɔsrɔ̃ deto wɔwɔ ŋu ahadi vevie be yeaxɔ nufiameawo ade eme. Kakaɖedzi nenɔ asiwò be Yehowa maŋlɔ wò agbagbadzedzewo be o. (Heb. 6:10) Adudu eƒe yayra gbogboawo akɔ ɖe dziwò godoo.

[Aɖaka si le axa 13]

NE ‘MÍEDZI SIDZEDZE VAVÃTƆ ÐE EDZI’ LA . . .

Míedoa ŋusẽ míaƒe mawudzixɔse eye míezɔna ale si dze Yehowa.Kol. 1:9, 10

Nugɔmesese deto sua mía si, míedzea aɖaŋu hewɔa nyametsotso siwo da sɔ.Ps. 119:99

Dzi dzɔa mí geɖe wu le kpekpe ɖe ame bubuwo ŋu be woate ɖe Yehowa ŋu me.Mat. 28:19, 20

[Nɔnɔmetata si le axa 14]

Teƒe si asɔ nyuie na nusɔsrɔ̃ kpɔkpɔ mele bɔbɔe o, gake edea ame dzi ŋutɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Ƒome aɖewo xlẽa Biblia ƒe akpa aɖe le nuɖuɖu vɔ megbe