Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Tsi Tsitre Ðe “Xexea Ƒe Gbɔgbɔ” Ŋu

Tsi Tsitre Ðe “Xexea Ƒe Gbɔgbɔ” Ŋu

Tsi Tsitre Ðe “Xexea Ƒe Gbɔgbɔ” Ŋu

“Menye xexea ƒe gbɔgbɔ ye míexɔ o, ke boŋ gbɔgbɔ si tso Mawu gbɔ lae míexɔ.”—1 KOR. 2:12.

1, 2. (a) Nu ka tae wotsɔa xevi si woyɔna be baka la dana ɖe tomenukuƒewo le Britain tsã? (b) Afɔku kae dze ŋgɔ Kristotɔwo?

LE ƑE 1911 me la, Britain dziɖuɖua de se aɖe be woatsɔ akpɔ tomekakulawo ƒe agbe ta. Sea bia be xevi si woyɔna be baka la eve nanɔ tomekakuƒe ɖe sia ɖe. Le susu ka ta? Ne dzo dze tomenukuƒea la, ameɖelawo atsɔ xeviawo ɖe asi ayi toa me. Aɖiya wuamewo, abe carbon monoxide ene tea ŋu kpɔa ŋusẽ ɖe xevi sue mawo dzi kaba. Ne aɖiyaa va xɔ ya me keŋkeŋ la, adze le xeviawo ŋu be nane le wo wɔm, eye woage tso afi si wodze ɖo gɔ̃ hã. Dzesi sia kpɔkpɔ le vevie ŋutɔ. Aɖiya si nye carbon monoxide medzena wokpɔna o, meʋẽna hã o, ke hã, ewua ame le esi wònana be ame ƒe ʋumenugbagbevi dzĩwo dzudzɔa ɔksidzin si nye ya nyui si míegbɔna la tsɔtsɔ yi ŋutilã ƒe teƒeteƒewo ta. Ne ameɖelawo mekpɔ dzesi aɖeke be aɖiyaa kaka ɖe ya me o la, womanya be yewole aɖiya gbɔm o, evɔ esia ana woate ŋu ayi ɖime eye woaku gɔ̃ hã.

2 Le gbɔgbɔ me gome la, Kristotɔwo dze ŋgɔ nɔnɔme aɖe si ɖi tomekakula mawo tɔ. Alekee? Esime Yesu de dɔ asi na eƒe nusrɔ̃lawo be woaɖe gbeƒã nya nyuia le xexea me godoo la, enya be nuto si me afɔku le mee yele wo dɔm ɖo, si nye teƒe si Satana kple xexea ƒe gbɔgbɔ kpɔ ŋusẽ ɖo. (Mat. 10:16; 1 Yoh. 5:19) Yesu tsi dzi ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu ale gbegbe be, le zã si do ŋgɔ na eƒe ku me la, edo gbe ɖa na Fofoa be: “Nyemele biabiam be nàɖe wo ɖa le xexea me o, ke boŋ be nàkpɔ wo ta le vɔ̃ɖitɔ la ta.”—Yoh. 17:15.

3, 4. Nuxlɔ̃ame kae Yesu na eƒe nusrɔ̃lawo, eye nu ka tae wòle be míatsɔ ɖe le nya sia me?

3 Yesu xlɔ̃ nu eyomedzelawo tso afɔku aɖe si míate ŋu ayɔ be gbɔgbɔmekɔlɔ̃edɔdɔ si ate ŋu awu ame la ŋu. Gɔmesese vevi aɖe le eƒe nyawo ŋu na mí ame siwo le agbe le nuɖoanyiawo ƒe nuwuɣi sia me. Exlɔ̃ nu eƒe nusrɔ̃lawo be: “Minɔ ŋudzɔ . . . bene miate ŋu asi le nu siawo katã siwo adzɔ la nu, eye miate ŋu atsi tsitre ɖe Amegbetɔvi la ŋkume.” (Luka 21:34-36) Gake dzidzɔtɔe la, Yesu do ŋugbe hã be ye Fofo ana gbɔgbɔ kɔkɔe la wo be wòaɖo ŋku nu siwo wosrɔ̃ la dzi na wo eye wòakpe ɖe wo ŋu woanɔ ŋudzɔ eye dzi nanɔ wo ƒo.—Yoh. 14:26.

4 Ke mí ame siwo li egbea ya ɖe? Ðe gbɔgbɔ kɔkɔea gali egbea akpe ɖe mía ŋua? Ne nenemae la, nu kae wòle be míawɔ bene woanae mí? Nu kae nye xexea ƒe gbɔgbɔ la, eye alekee wòkpɔa ŋusẽ ɖe ame dzi? Alekee míate ŋu atsi tsitre ɖe xexe sia ƒe gbɔgbɔ la ŋu dzidzedzetɔe?—Mixlẽ 1 Korintotɔwo 2:12.

Gbɔgbɔ Kɔkɔe La Alo Xexea Ƒe Gbɔgbɔ—Kae Nàxɔ?

5, 6. Nu kawoe gbɔgbɔ kɔkɔe la ate ŋu awɔ na mí, gake nu kae wòle be míawɔ hafi axɔe?

5 Menye ame siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me koe Mawu na gbɔgbɔ kɔkɔe la o. Eganana mí egbea hã, eye gbɔgbɔ sia ate ŋu ado ŋusẽ mí míawɔ nu dzɔdzɔe eye wòado ŋusẽ mí le eƒe subɔsubɔdɔa me hã. (Rom. 12:11; Fp. 4:13) Ate ŋu ana míatu nɔnɔme nyoameŋuwo abe lɔlɔ̃, dɔmenyonyo, kple nyuiwɔwɔ ene, siwo nye “gbɔgbɔ la ƒe kutsetse” ƒe akpa aɖewo la ɖo. (Gal. 5:22, 23) Gake Yehowa Mawu mezia eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ɖe ame siwo medi be yewoaxɔe o la dzi o.

6 Eya ta asɔ be míabia mía ɖokui be, ‘Nu kae mawɔ bene maxɔ gbɔgbɔ kɔkɔe la?’ Biblia ɖee fia be nu geɖe li míate ŋu awɔ. Egblɔ afɔ vevi siwo míaɖe la dometɔ ɖeka tẽe be: Míabia Mawu. (Mixlẽ Luka 11:13.) Afɔ vevi bubue nye Mawu ƒe Nya si gbɔgbɔ ʋã woŋlɔ la sɔsrɔ̃ kple agbenɔnɔ ɖe eme ɖaŋuɖoɖowo nu. (2 Tim. 3:16) Gake menye ame sia ame si nya xlẽa Biblia la koe xɔa Mawu ƒe gbɔgbɔ la o. Ke hã, ne Kristotɔ aɖe srɔ̃a Mawu ƒe Nyaa anukwaretɔe la, ava nɔ seselelãme kple nukpɔsusu siwo dze le Nya sia si tso gbɔgbɔ me me la ɖem nɔ fiafiam. Ele vevie hã be míalɔ̃ ɖe edzi be Yehowa tia Yesu wònye eteƒenɔla eye wònye ame si dzi Mawu tsɔa eƒe gbɔgbɔ la tona. (Kol. 2:6) Eya ta anyo be míanɔ agbe wòasɔ ɖe kpɔɖeŋu si wòɖo ɖi kple eƒe nufiafiawo nu. (1 Pet. 2:21) Zi ale si míedzea agbagba be míasrɔ̃ Kristo la, zi nenemae míexɔa gbɔgbɔ kɔkɔe lae.

7. Alekee xexea ƒe gbɔgbɔ kpɔa ŋusẽ ɖe amewo dzi?

7 To vovo na esia la, xexea ƒe gbɔgbɔ ya kpɔa ŋusẽ ɖe amewo dzi be woaɖe Satana ƒe nɔnɔme afia. (Mixlẽ Efesotɔwo 2:1-3.) Xexea ƒe gbɔgbɔ kpɔa ŋusẽ ɖe ame dzi le mɔ vovovowo nu. Abe ale si wòle dzedzem ƒo xlã mí egbea ene la, gbɔgbɔ sia doa aglãdzedze ɖe Mawu ƒe dzidzenuwo ŋu ɖe ŋgɔ. Edoa “ŋutilã ƒe nudzodzro kple ŋkuwo ƒe nudzodzro kple ame ƒe nunɔamesiwo fiafia adegbeƒoƒotɔe be woakpɔ” ɖe ŋgɔ. (1 Yoh. 2:16) Enaa amewo ƒoa wo ɖokuiwo ɖe ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwo, abe gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ, trɔ̃subɔsubɔ, gbɔgbɔyɔyɔ, ŋuʋaʋã, dɔmedzoedodo, kple ahamumu ene, me. (Gal. 5:19-21) Eye edoa xɔsegbelawo ƒe nyagbɔgblɔ siwo doa vlo nu si nye nu kɔkɔe la hã ɖe ŋgɔ. (2 Tim. 2:14-18) Eya ta zi ale si ame aɖe ɖe mɔ xexea ƒe gbɔgbɔ kpɔa ŋusẽ ɖe edzi la, zi nenema kee wòva wɔa nu abe Satana ene.

8. Tiatia kae dze ŋgɔ mía dometɔ ɖe sia ɖe?

8 Míate ŋu anɔ anyi gbɔgbɔ aɖeke manɔ ŋusẽ kpɔm ɖe mía dzi o. Ele be ame sia ame natia gbɔgbɔ si wòadi be wòanɔ ŋusẽ kpɔm ɖe ye dzi—gbɔgbɔ kɔkɔea loo, alo xexea ƒe gbɔgbɔ. Ame siwo dzi xexea ƒe gbɔgbɔ le ŋusẽ kpɔm ɖo fifia la ate ŋu avo tso eƒe ŋusẽkpɔɖeamedzia me ahaɖe mɔ gbɔgbɔ kɔkɔea nafia mɔ wo le agbe me. Gake nu si tsi tsitre ɖe esia ŋu hã ate ŋu adzɔ. Ame siwo ɖe mɔ gbɔgbɔ kɔkɔea fiaa mɔ wo la ate ŋu ava ɖe mɔ xexea ƒe gbɔgbɔ nakpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi. (Fp. 3:18, 19) Mina míadzro ale si míawɔ ate ŋu atsi tsitre ɖe xexea ƒe gbɔgbɔ ŋu la me azɔ.

Afɔkua Ƒe Dzesi Gbãtɔwo Kpɔkpɔ Dze Sii

9-11. Nu kawoe nye nuxlɔ̃amedzesi aɖewo siwo aɖee afia be ɖewohĩ xexea ƒe gbɔgbɔ va le ŋusẽ kpɔm ɖe mía dzi?

9 Britaintɔ tomenukula siwo ŋu míeƒo nu tso va yi la zãa xevi siwo kpena ɖe wo ŋu wodea dzesi aɖiyawo kaba. Ne tomenukula aɖe kpɔ be xevia ge tso afi si wòdze ɖo la, ekpɔnɛ dzea sii be ehiã be yeawɔ nu kpata atsɔ aɖe yeƒe agbe. Le gbɔgbɔ me gome la, nu kawoe nye nuxlɔ̃amedzesi gbãtɔ siwo ana míakpɔe adze sii be xexea ƒe gbɔgbɔ le ŋusẽ kpɔm ɖe mía dzi?

10 Esime míesrɔ̃ nyateƒe siwo le Mawu ƒe Nya la me eye míetsɔ míaƒe agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa teti la, anɔ eme be míetsɔa didi vevie xlẽa Biblia. Míanya doa gbe ɖa tso dzi blibo me edziedzi. Eye edzɔa dzi na mí be míade hamea ƒe kpekpewo hebua wo dometɔ ɖe sia ɖe be enaa míaƒe dzi dzea eme, abe ale si ko wònɔna na tsikɔwuitɔ ne eke ɖe ta aɖe ŋu le kuɖiɖinyigba dzi ene. Nu siawo wɔwɔ kpe ɖe mía ŋu míevo tso xexea ƒe gbɔgbɔ ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi me, eye míeyi edzi ƒoa asa nɛ.

11 Ðe míegadzea agbagba xlẽa Biblia gbe sia gbe fifia? (Ps. 1:2) Ðe míegadoa gbe ɖa tso dzi blibo me edziedzia? Ðe míegakpɔa dzidzɔ ɖe hamea ƒe kpekpewo ŋu hedea wo katã kwasiɖa sia kwasiɖa? (Ps. 84:11) Alo ɖe míeva ɖe asi le numame nyui siawo dometɔ aɖewo ŋua? Anɔ eme be agbanɔamedzi geɖewo le mía dzi siwo xɔa míaƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ geɖe, si ate ŋu awɔe be gbɔgbɔmenumame nyuiwo me léle ɖe asi nasesẽ na mí. Gake ne míeva ɖe asi le numame nyui siawo dometɔ aɖewo ŋu esi ɣeyiɣiawo va le yiyim la, ɖe wòanye be xexea ƒe gbɔgbɔ va le ŋusẽ kpɔm ɖe mía dzia? Ðe manyo be míadze agbagba vevie fifia agade dzo mía ɖokui me ɖe numame nyui siawo wɔwɔ ŋu ake oa?

Naneke Megate “Miaƒe Dzi Ðe To Gbeɖe O”

12. Nu ka tae Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be ‘woakpɔ wo ɖokui dzi nyuie’?

12 Nu bubu kae míagate ŋu awɔ be míate ŋu atsi tsitre ɖe xexea ƒe gbɔgbɔ ŋu? Esime Yesu xlɔ̃ nu eƒe nusrɔ̃lawo be, “minɔ ŋudzɔ” la, ɖeko wòƒo nu tso afɔku aɖewo koŋ ŋu vɔ megbe teti koe enye ema. Egblɔ be: “Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, be nu tsu ɖuɖu kple aha tsu nono kple agbe me dzimaɖitsitsiwo nagate miaƒe dzi ɖe to gbeɖe o, ne ŋkeke ma nagava lili mi abe mɔ ene o.”—Luka 21:34, 35.

13, 14. Biabia kawo tɔgbie wòsɔ be míabia mía ɖokui ku ɖe nuɖuɖu kple ahanono ŋu?

13 De ŋugble tso nuxlɔ̃amenya ma ŋu kpɔ. Ðe Yesu le gbɔgblɔm be dzidzɔkpɔkpɔ ɖe nuɖuɖu ŋu menyo oa? Ao! Yesu nya nya siawo si Salomo gblɔ la nyuie be: “Medze sii bena, nu nyui aɖeke meli na wo wu be, woakpɔ dzidzɔ, eye woaɖu agbe le woƒe agbenɔɣi o. Ke be ame aɖe naɖu nu ano nu, eye wòanyo nɛ le eƒe agbagbadzedzewo katã me la, Mawu ƒe nunanae.” (Nyagb. 3:12, 13) Ke hã, Yesu nya be xexea ƒe gbɔgbɔ doa ame ɖokui dzi maɖumaɖu le nu siawo me ɖe ŋgɔ.

14 Aleke míawɔ aka ɖe edzi be xexea ƒe gbɔgbɔ mekpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe nuŋububu dzi le nu tsu ɖuɖu kple aha tsu nono ƒe afɔkua gome o? Míate ŋu abia mía ɖokui be: ‘Alekee mewɔa nui ne mexlẽ aɖaŋuɖoɖo aɖe le Biblia alo míaƒe agbalẽwo me ku ɖe nu tsu ɖuɖu ŋu? Ðe megblɔna na ɖokuinye be nya sia mele vevi o alo be enye nukpɔsusu si gbɔ eme, eye ɖewohĩ metsɔa nanewo doa taflatsɛ alo tsɔ ɖea ɖokuinye nua? * Alekee mebua aɖaŋu siwo woɖo ku ɖe aha muamewo, wo zazã le ŋku nu, ne manoe kura gɔ̃ hãe nye ema, kple asaƒoƒo na “ahamumu” kura ŋu? Ðe mebua aɖaŋuɖoɖo siawo nu tsɛe hesena le ɖokuinye me be, le susu aɖewo ta la, womelɔ nye ya ɖe eme oa? Ne ame aɖewo xlɔ̃ num tso nye ahanono ŋu la, ɖe wòɖia nunye alo nana medoa dzikua? Ðe medea dzi ƒo na ame bubuwo be woaŋe aɖaba aƒu Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo mawo dzia?’ Le nyateƒe me la, ame ate ŋu anɔ te ɖe nɔnɔme si eya ŋutɔ ɖena fiana dzi anya ne eɖe mɔ xexea ƒe gbɔgbɔ le ŋusẽ kpɔm ɖe edzi.—Tsɔe sɔ kple Romatɔwo 13:11-14.

Mègaɖe Mɔ Dzimaɖitsitsi Nate Wò Dzi Ðe To O

15. Amegbetɔ ƒe amenyenye ƒe nɔnɔme ka ŋue Yesu xlɔ̃ nu tso?

15 Afɔ vevi bubu si míaɖe atsɔ atsi tsitre ɖe xexea ƒe gbɔgbɔ ŋu la lɔ akɔkpekpe kple dzimaɖitsitsi ɖe eme. Yesu nya be abe ame madeblibowo ene la, enye míaƒe amenyenye ƒe nɔnɔme ƒe akpa aɖe be míetsia dzimaɖi ɖe míaƒe nuhiahiãwo ŋu. Egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo lɔlɔ̃tɔe be: “Midzudzɔ dzimaɖitsitsi.” (Mat. 6:25) Enye nu si sɔ be míatsi dzi ɖe nu siwo le vevie ŋu, abe Mawu ŋu dzedze, Kristotɔwo ƒe agbanɔamedziwo tsɔtsɔ, kple míaƒe ƒomea ƒe agbemenuhiahiã veviwo gbɔ kpɔkpɔ na wo ene. (1 Kor. 7:32-34) Ke nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Yesu ƒe nuxlɔ̃amea me?

16. Ŋusẽ kae xexea ƒe gbɔgbɔ kpɔna ɖe ame geɖe dzi?

16 Ale si xexea ƒe gbɔgbɔ si amewo ɖena fiana tea gbe ɖe ame ƒe agbe me nunɔamesiwo tsɔtsɔ ƒo adegbee dzi la kpɔa ŋusẽ gbegblẽ ɖe ame geɖe dzi henana dzimaɖitsitsi si mesɔ o ɖea fu na wo. Xexea dina be míaxɔe ase be gakpɔkpɔe nana ame nɔa dedie, eye be, menye gbɔgbɔ me nɔnɔme nyuiwo tutuɖoe nana ame kpɔa dzidzedze o, ke boŋ be nunɔamesi nyuitɔwo kple nu agbɔsɔsɔme si le ame si ye ɖenɛ fiana be amea kpɔ dzidzedze. Ame siwo ɖe mɔ nukpɔsusu gbegblẽ sia kpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi la tsɔa wo ɖokui wɔa kluvi na kesinɔnuwo, eye wotsia dzimaɖi atraɖii ɖe ale si woawɔ nutovɛ yeyetɔwo, lolotɔwo, kple esiwo de ŋgɔ wu nasu wo si la ŋu. (Lod. 18:11) Ŋutilãmenuwo ŋuti nukpɔsusu totro ma nana dzimaɖitsitsi ɖe wo ŋu tea ame ƒe gbɔgbɔ me ŋgɔyiyi ɖe to.—Mixlẽ Mateo 13:18, 22.

17. Alekee míate ŋu akpɔ egbɔ be dzimaɖitsitsi nagate míaƒe dzi ɖe to o?

17 Míate ŋu aƒo asa na ale si dzimaɖitsitsi ate míaƒe dzi ɖe to ne míewɔ ɖe se si Yesu de dzi be: “Eya ta miyi edzi mianɔ fiaɖuƒe la kple Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye dim gbã.” Yesu ka ɖe edzi na mí be ne míewɔe nenema la, woatsɔ nu siwo míehiã ŋutɔŋutɔ la akpe ɖe eŋu na mí. (Mat. 6:33) Aleke míate ŋu aɖee afia be míexɔ ŋugbedodo sia dzi se? Mɔ ɖekae nye be míadi Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye gbã—agbenɔnɔ ɖe Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye ƒe dzidzenuwo nu le ganyawo gome. Le kpɔɖeŋu me, míeƒoa asa na aʋatsokaka le adzɔxenyawo me kple alakpa “viviviwo” dada le asitsanyawo me. Míedzea agbagba ɖe sia ɖe wɔna ɖe míaƒe ŋugbedodowo dzi le asitsanyawo me, eye le fe siwo míenyi xexe gome la, míedzea agbagba be míaƒe “Ɛ̃ nanye Ɛ̃.” (Mat. 5:37; Ps. 37:21) Togbɔ be anɔ eme be anukwareɖiɖi alea mana ame nazu kesinɔtɔ o hã la, enana Mawu kpɔa ŋudzedze ɖe ame ŋu, enaa dzitsinya nyui sua ame si, eye wòɖea dzimaɖitsitsi dzi kpɔtɔna.

18. Kpɔɖeŋu kae Yesu ɖo ɖi na mí, eye alekee eƒe kpɔɖeŋua sɔsrɔ̃ ɖea vi na mí?

18 Fiaɖuƒea didi gbã lɔ nu siwo le vevi wu tsɔtsɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ ɖe eme. Bu Yesu ƒe kpɔɖeŋu ŋu kpɔ. Ɣeaɖewoɣi la, edoa awu nyuiwo. (Yoh. 19:23) Woa kple exɔlɔ̃wo ɖua nu henoa wain ɖekae. (Mat. 11:18, 19) Gake menye nunɔamesiwo kple modzakaɖeɖee nye nu vevitɔwo na Yesu le agbe me o. Nu si nɔ vevie nɛ wue nye Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ, si le nɛ abe nuɖuɖu ene. (Yoh. 4:34-36) Yayra geɖe sua mía si le agbe me ne míesrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋua! Míekpɔa dzidzɔ le kpekpe ɖe ame siwo wote ɖe anyi ŋu bene woakpɔ akɔfafa tso Ŋɔŋlɔawo me me. Hame bliboa kpɔa ŋudzedze ɖe mía ŋu helɔ̃a mí vevie. Eye míedoa dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi. Ne míetsɔ nu siwo le vevie ɖo nɔƒe gbãtɔ la, nunɔamesiwo kple dzidzɔdonamenuwo meɖua aƒetɔ ɖe mía dzi o. Ke boŋ, wozua nu siwo dzi míekpɔ ŋusẽ ɖo eye wonɔna na mí ko abe subɔviwo, alo ŋudɔwɔnu, siwo míezãna le tadedeagu na Yehowa me ene. Eye zi ale si míedoa vevie nu le dɔ siwo doa Mawu Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖe ŋgɔ me la, zi nenemae wòasesẽ be xexea ƒe gbɔgbɔ nakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi.

Yi Edzi Nànɔ ‘Gbɔgbɔ La Ŋu Bum’

19-21. Alekee míawɔ ayi edzi anɔ ‘gbɔgbɔ la ŋu bum,’ eye nu ka tae wòle be míawɔ esia?

19 Tamebubu doa ŋgɔ na nuwɔwɔ. Zi geɖe la, nuwɔna siwo ŋu wogblɔna le be wonye nuwɔwɔ tamemabumabutɔe la nyea nuwɔna siwo dzi ŋutilãmenuŋububu kpɔ ŋusẽ ɖo. Eya ta apostolo Paulo ɖo ŋku edzi na mí be ehiã be míanɔ ŋudzɔ ɖe míaƒe nuŋububu ŋu. Eŋlɔ bena: “Ame siwo nɔa agbe ɖe ŋutilã la nu la, tsɔa woƒe susuwo ɖoa ŋutilã la ƒe nuwo ŋu, gake ame siwo nɔa agbe ɖe gbɔgbɔ la nu la, ɖe gbɔgbɔ la ƒe nuwo ŋu.”—Rom. 8:5.

20 Alekee míate ŋu axe mɔ na xexea ƒe gbɔgbɔ ƒe ŋusẽkpɔkpɔ ɖe míaƒe tamebubu alo míaƒe nuwɔnawo dzi? Ele be míade sranui míaƒe susu me le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu, si fia be míadze agbagba ɖe sia ɖe axe mɔ na xexea ƒe nukpɔsusu totrowo ale si míate ŋui. Le kpɔɖeŋu me, ne míele modzakaɖeɖewo tiam la, míeƒoa asa na esiwo doa agbe gbegblẽ nɔnɔ alo ŋutasẽnuwɔwɔ ɖe ŋgɔ la bene woagaƒo ɖi míaƒe susu o. Míenyae be Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe, si le dzadzɛ, la manɔ susu ƒoɖi me o. (Ps. 11:5; 2 Kor. 6:15-18) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, míeɖea mɔ Mawu ƒe gbɔgbɔa wɔa dɔ ɖe míaƒe susu dzi to Biblia xexlẽ edziedzi, gbedodoɖa, ŋugbledede, kple kpekpewo dede me. Eye míewɔa dɔ aduadu kple gbɔgbɔ sia ne míekpɔa gome le Kristotɔwo ƒe gbeƒãɖeɖedɔa me edziedzi.

21 Eme kɔ ƒãa be, ele be míatsi tsitre ɖe xexea ƒe gbɔgbɔ kple ŋutilã ƒe nudzodzro siwo wòdona ɖe ŋgɔ la ŋu. Gake agbagbadzedze vevie le esia wɔwɔ me hea viɖe geɖe vanɛ, elabena abe ale si Paulo gblɔe ene la, “ŋutilã la ŋu bubu hea ku vanɛ, gake gbɔgbɔ la ŋu bubu hea agbe kple ŋutifafa vanɛ.”—Rom. 8:6.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 14 Tamesusu ƒe nɔnɔme si le ame si gbɔe wòtsona be ame ɖua nu tsu, si nye tamesusu si dzi ŋukeklẽ alo didi be woaɖu nu fũu kpɔ ŋusẽ ɖo. Eya tae menye ame ƒe lolomee wokpɔna tsɔ nyana ne enye nu tsu ɖula o, ke boŋ nɔnɔme si wòɖena fiana ɖe nuɖuɖu ŋue ɖenɛ fiana. Ame aɖe ƒe lolome ate ŋu anɔ vedomesi, alo anɔ tsralɛɛ gɔ̃ hã, evɔ wòanye nu tsu ɖula. Gake le go aɖewo me la, ame ƒe lolo akpa ate ŋu atso dɔléle alo nu siwo ƒe dome wònyi tso edzilawo gbɔ le dzɔdzɔme nu la gbɔ. Nu vevi si ɖenɛ fiana be ame nye nu tsu ɖula, aleke kee amea ƒe lolome ɖale o, ye nye ale si gbegbe wòklẽa ŋu ɖe nuɖuɖu ŋui.—Kpɔ “Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ” si dze le November 1, 2004, ƒe Gbetakpɔxɔ me.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Nu kawoe wòle be míawɔ bene míaxɔ gbɔgbɔ kɔkɔe la?

• Mɔ siwo dzi xexea ƒe gbɔgbɔ ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi le la dometɔ aɖewo ɖe?

• Aleke míawɔ atsi tsitre ɖe xexea ƒe gbɔgbɔ ŋu?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Do gbe ɖa nàbia gbɔgbɔ kɔkɔe la hafi nàyi dɔme alo suku

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Ele be míana míaƒe tamesusu nanɔ dzadzɛ, míaɖi anukware le asitsanyawo me ahaɖɔ ŋu ɖo be míagatu numame gbegblẽwo ɖo o