Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Nèxɔa Ŋgɔ Le Bubudede Amewo Ŋu Mea?

Ðe Nèxɔa Ŋgɔ Le Bubudede Amewo Ŋu Mea?

Ðe Nèxɔa Ŋgɔ Le Bubudede Amewo Ŋu Mea?

“Ame sia ame nedi be yeade bubu ye nɔvi ŋu gbã.”—ROM. 12:10.

1. Nuwɔna kae va bɔ ɖe dukɔ geɖe me egbea?

ENYE kɔnu le xexea ƒe akpa aɖewo be ɖevi suewo nɔa klo dzi bubutɔe ne wole ame tsitsiwo dome. Esia wɔnɛ be womekɔna wu ame tsitsiawo o. Le nuto mawo me la, wobunɛ amemabumabunuwɔnae hã be ɖevi natrɔ megbe de ame tsitsi. Togbɔ be wodea bubu ame tsitsiwo ŋu le mɔ vovovowo nu le dukɔ geɖewo me hã la, esia nana míeɖoa ŋku Mose ƒe Sea dzi. Sedede sia nɔ eme be: ‘Amegã ta ɣi ŋkume nanɔ tsitre ɖo, eye bu amegã ɖeɖi la.’ (3 Mose 19:32) Nublanuitɔe la, eva zu nu si bɔ le dukɔ geɖe me be womegadea bubu ame bubuwo ŋu o. Le nyateƒe me la, amemabumabu va zu gbe sia gbe nuwɔna.

2. Ame kawo ŋue Mawu ƒe Nya la gblɔ na mí be míade bubui?

2 Mawu ƒe Nya ɖee fia be bubudede ame ŋu le vevie ŋutɔ. Egblɔ na mí be míade bubu Yehowa kple Yesu ŋu. (Yoh. 5:23) Wode se na mí hã be míade bubu míaƒe ƒometɔwo, haxɔsetɔwo, kple ame aɖewo siwo menye hamea me tɔwo o la ŋu. (Rom. 12:10; Ef. 6:1, 2; 1 Pet. 2:17) Mɔ siwo nu míeɖenɛ fiana le be míedea bubu Yehowa ŋu dometɔ aɖewo ɖe? Alekee míeɖenɛ fiana be míedea bubu alo asixɔxɔ deto mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu Kristotɔwo ŋu? Mina míadzro biabia siawo kple bubu siwo do ƒome kpli wo me.

De Bubu Yehowa Kple Eƒe Ŋkɔ Ŋu

3. Mɔ vevi ka dzie míato ade bubu Yehowa ŋu?

3 Mɔ vevi aɖe si dzi míato ade bubu Yehowa ŋue nye bubu si dze dede eƒe ŋkɔa ŋu. Esɔ nenema elabena míenye ‘dukɔ hena eƒe ŋkɔ.’ (Dɔw. 15:14) Bubu gã aɖe ŋutɔe wònye be Mawu ŋusẽkatãtɔ, Yehowa, ƒe ŋkɔ nanɔ ame ŋu. Nyagblɔɖila Mixa gblɔ be: ‘Ne dukɔwo katã dometɔ ɖe sia ɖe le zɔzɔm le eƒe mawu ƒe ŋkɔ me hã la, míawo ya míazɔ le Yehowa, mía Mawu la ƒe ŋkɔ me ɖaa tegbee.’ (Mixa 4:5) ‘Míezɔna le Yehowa ƒe ŋkɔ me’ ne míedzea agbagba vevie gbe sia gbe be míanɔ agbe le mɔ si ana woaƒo nu nyui tso ŋkɔ si le mía ŋu la nu. Abe ale si Paulo ɖo ŋku edzi na Kristotɔ siwo nɔ Roma ene la, ne míenɔa agbe le ɖekawɔwɔ me kple nya nyui si míeɖea gbeƒãe o la, enaa ‘wogblɔa busunya’ ɖe Mawu ƒe ŋkɔ ŋu, eye wòkloa bubu le eŋu.—Rom. 2:21-24.

4. Alekee nèbua mɔnukpɔkpɔ si su asiwò be nàɖi ɖase tso Yehowa ŋu?

4 Míetoa ɖaseɖiɖidɔa hã dzi dea bubu Yehowa ŋu. Le blema la, Yehowa na mɔnukpɔkpɔ Israel viwo be woanye yeƒe ɖasefowo, gake wodo kpo nu si Mawu di tso wo si la wɔwɔ. (Yes. 43:1-12) Zi geɖe la, wotrɔa megbe dea Yehowa, eye “wodo dziku na Israel ƒe kɔkɔetɔ la” gɔ̃ hã. (Ps. 78:40, 41) Mlɔeba, Yehowa va gbe dukɔ la keŋkeŋ. Gake egbea mɔnukpɔkpɔ su míawo ya si be míele ɖase ɖim tso Yehowa ŋu hele nanam be amewo nanya eƒe ŋkɔ la. Míewɔa esia elabena míelɔ̃e, eye míedi vevie be woakɔ eƒe ŋkɔa ŋuti. Esi míenya nyateƒe si ku ɖe mía Fofo si le dziƒo la kple eƒe tameɖoɖowo ŋu ɖe, ɖe míate ŋu agbe gbeƒãɖeɖe tso eŋua? Míesena le mía ɖokui me abe apostolo Paulo ene, esime wògblɔ be: “[Ele nam kokoko be mawɔe]. Ɛ̃, ne nyemegblɔ nya nyui la o la, baba nam!”—1 Kor. 9:16.

5. Alekee Yehowa dzi xɔxɔ se do ƒome kple bubudede eŋu?

5 Hakpala David gblɔ be: ‘Ame siwo dze si wò ŋkɔ la, ɖoa ŋu ɖe ŋuwò; elabena wò Yehowa, mègblẽa ame siwo dia yowòme mɔ la ɖi o.’ (Ps. 9:11) Ne míenya Yehowa vavã hedea bubu eƒe ŋkɔ ŋu le gɔmesese si le eŋu ta la, míaɖo ŋu ɖe eŋu abe ale si esubɔla wɔnuteƒe siwo nɔ anyi le blema la wɔe ene. Ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu alea kple edzi xɔxɔ se hã ganye mɔ bubu si dzi míato ade bubu eŋu. Kpɔ ale si Mawu ƒe Nya la tsɔ ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu do ƒome kple bubudede eŋui ɖa. Esime blema Israel do kpo ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu la, Yehowa bia Mose be: ‘Zi nenie gɔ̃ dukɔ sia agbe bubudede ŋunye, eye zi nenie woagbe dzinye xɔxɔ ase? Evɔ wònye mewɔ dzesi geɖewo le wo dome hafi?’ (4 Mose 14:11) Gake ne míeɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu be akpɔ mía ta ahakpɔ míaƒe nuhiahiãwo gbɔ na mí le nɔnɔme sesẽwo gɔ̃ hã me la, míeɖenɛ fiana be míedea bubu eŋu.

6. Nu kae ʋãa mí míedea bubu deto Yehowa ŋu?

6 Yesu ɖee fia be keke ame ƒe dzi me kee wòle be bubudede Yehowa ŋu natso. Esime Yesu nɔ nu ƒom na ame siwo mesubɔna le anukware me o la, eyɔ Yehowa ƒe nya sia gblɔ be: “Dukɔ sia le buyem kple woƒe nuyiwo, gake woƒe dzi te ɖa xaa tso gbɔnye.” (Mat. 15:8) Bubudede Yehowa ŋu anukwaretɔe tsoa dzi si yɔ fũu kple lɔlɔ̃ na eyama me. (1 Yoh. 5:3) Eye Yehowa ƒe ŋugbedodo sia hã nɔa susu me na mí be: ‘Ame si buam la, mabui.’—1 Sam. 2:30.

Ame Siwo Le Ŋgɔ Xɔm La Dea Bubu Ame Bubuwo Ŋu

7. (a) Nu ka tae wòle be nɔvi siwo le agbanɔamedzinɔƒewo le hamea me nade bubu ame siwo le woƒe dzikpɔkpɔ te ŋu? (b) Alekee Paulo de bubu haxɔsetɔwo ŋu?

7 Apostolo Paulo xlɔ̃ nu haxɔsetɔwo be: ‘Mixɔ ŋgɔ le bubudede mia nɔewo ŋu me.’ (Rom. 12:10) Ele be nɔviŋutsu siwo le agbanɔamedzinɔƒewo le hamea me la naɖo kpɔɖeŋu nyui—‘woaxɔ ŋgɔ’—le bubudede ame siwo le woƒe dzikpɔkpɔ te ŋu me. Le go sia me la, anyo be ame siwo dzi agbanɔamedzi tɔxɛwo le nasrɔ̃ Paulo ƒe kpɔɖeŋu. (Mixlẽ 1 Tesalonikatɔwo 2:7, 8.) Nɔvi siwo nɔ hame siwo Paulo yi ɖasrã kpɔ me la nyae be mabia nu siwo eya ŋutɔ malɔ̃ be yeawɔ o la tso yewo si o. Paulo de bubu haxɔsetɔwo ŋu, eye esia na woawo hã wode bubu eŋu. Esime Paulo gblɔ be, “Eya ta mele [nu xlɔ̃m] mi vevie, mizu srɔ̃nyelawo” la, míate ŋu aka ɖe edzi be ame geɖe lɔ̃ faa wɔ ɖe eƒe nuxlɔ̃amea dzi le kpɔɖeŋu nyui si eya ŋutɔ ɖona ta.—1 Kor. 4:16.

8. (a) Mɔ vevi ka dzie Yesu to de bubu eƒe nusrɔ̃lawo ŋu? (b) Alekee dzikpɔlawo ate ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋua egbea?

8 Mɔ bubu si dzi nɔvi siwo le agbanɔamedzinɔƒewo tona dea bubu ame siwo le woƒe dzikpɔkpɔ te ŋue nye, to nu si tae wobia tso wo si be woawɔ nane alo susu siwo tae wona mɔfiame aɖewo ɖo la me ɖeɖe na wo me. Woato esia wɔwɔ me anye Yesu srɔ̃lawo. Le kpɔɖeŋu me, esime Yesu nɔ gbɔgblɔm na eƒe nusrɔ̃lawo be woado gbe ɖa abia be woadɔ nuŋela geɖe ɖe nuŋeŋea me la, egblɔ nu si tae la na wo. Egblɔ be: “Nuŋeŋe la sɔ gbɔ, gake dɔwɔlawo ya mesɔ gbɔ o. Eya ta miɖe kuku na nuŋeŋe ƒe Aƒetɔ la be, wòaɖo dɔwɔlawo ɖe eƒe nuŋeŋe la me.” (Mat. 9:37, 38) Nenema kee esi wògblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be “minɔ ŋudzɔ” la, egblɔ susu si tae la na wo. Egblɔ be: “Elabena mienya ŋkeke si dzi miaƒe Aƒetɔ la ava o.” (Mat. 24:42) Ɣesiaɣi si Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be woawɔ nane la, egblɔa nu si tae wòle be woawɔe la na wo godoo. Etoa esia dzi dea bubu kple asixɔxɔ wo ŋu. Kpɔɖeŋu nyui kae nye esi wòle be Kristotɔ dzikpɔlawo nasrɔ̃!

De Bubu Yehowa Ƒe Habɔbɔa Kple Eƒe Mɔfiafia Ŋu

9. Ne míedea bubu Kristotɔwo ƒe xexea me katã ƒe hamea kple eteƒenɔlawo ŋu la, ame ka hã ŋue nye ema míele bubu dem? Ðe eme.

9 Bubudede Yehowa ŋu bia hã be míade bubu Kristotɔwo ƒe xexea me katã ƒe hamea kple eteƒenɔlawo ŋu. Ne míewɔna ɖe Ŋɔŋlɔawo me ɖaŋuɖoɖo siwo míexɔna tso kluvi nyateƒetɔ ƒe haa gbɔ dzi la, míele eɖem le fiafiam be míedea bubu Yehowa ƒe ɖoɖo ŋu. Apostolo Yohanes kpɔe be ehiã be yeaka mo na ame aɖewo siwo nɔ Kristo hame si nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me, le esi womedea bubu nɔvi siwo le agbanɔamedzinɔƒewo ŋu o ta. (Mixlẽ 3 Yohanes 9-11.) Yohanes ƒe nyawo ɖee fia be menye ɖeko ame siawo medea bubu dzikpɔlawo ŋu ko o, ke womedea bubu woƒe nufiafiawo kple mɔfiamewo hã ŋu o. Gake dzidzɔtɔe la, Kristotɔ akpa gãtɔ mewɔ nu nenema o. Le nyateƒe me la, esime apostoloawo nɔ agbe la, nɔviwo ƒe habɔbɔa me tɔwo katã dea bubu deto ame siwo nɔ ŋgɔ xɔm la ŋu.—Fp. 2:12.

10, 11. Zã Ŋɔŋlɔawo tsɔ ɖe nu si tae wòsɔ be ame aɖewo nanɔ ŋusẽnɔƒe le Kristo hamea me la me.

10 Ame aɖewo susuna be esi Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be “mi katã la, nɔviwoe mienye” ta la, mele be ame aɖeke nanɔ ŋusẽnɔƒe le Kristo hamea me o. (Mat. 23:8) Gake ame siwo nɔ ŋusẽnɔƒe le Mawu ƒe amewo dome ƒe kpɔɖeŋu geɖewo le Hebri kple Hela Ŋɔŋlɔawo siaa me. Blemafofowo, ʋɔnudrɔ̃lawo, kple fia siwo nɔ Hebritɔwo dome le blema ƒe ŋutinyawo ɖee fia kɔtɛ be Yehowa fiaa mɔ eƒe amewo to amegbetɔ siwo nye eteƒenɔlawo dzi. Ɣesiaɣi si amewo mede bubu si dze ame siwo Mawu ɖo ŋusẽnɔƒe ŋu o la, Yehowa hea to na wo.—2 Fia. 1:2-17; 2:19, 23, 24.

11 Nenema kee Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me hã lɔ̃ ɖe apostoloawo ƒe ŋusẽ dzi. (Dɔw. 2:42) Le kpɔɖeŋu me, Paulo na mɔfiamewo nɔviawo. (1 Kor. 16:1; 1 Tes. 4:2) Ke hã, eya ŋutɔ hã lɔ̃ faa bɔbɔ eɖokui ɖe ame siwo nɔ ŋusẽnɔƒe la ƒe mɔfiafia te. (Dɔw. 15:22; Gal. 2:9, 10) Le nyateƒe me la, nukpɔsusu nyui nɔ Paulo si ku ɖe ŋusẽ ŋu dɔ wɔwɔ le Kristo hamea me ŋu.

12. Nu vevi eve kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso Biblia me kpɔɖeŋuwo me ku ɖe ŋusẽ ŋu dɔ wɔwɔ ŋu?

12 Nufiame vevi evee míesrɔ̃ le nya siawo me. Gbã, esɔ le Ŋɔŋlɔawo nu be “kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela” la nato Dziɖuhaa dzi aɖo ŋutsuwo agbanɔamedzinɔƒewo, eye wòsɔ hã be ŋutsu siwo woɖo agbanɔamedzinɔƒewo la nawɔ dɔ le ame bubu siwo woɖo la ƒe dzikpɔkpɔ te. (Mat. 24:45-47; 1 Pet. 5:1-3) Evelia, ele be mí katã, ŋutsu siwo woɖo agbanɔamedzinɔƒewo hã le eme, míade bubu ame siwo ƒe dzikpɔkpɔ te míele la ŋu. Nuwɔna ŋutɔŋutɔ siwo dzi míate ŋu ato aɖee afia be míedea bubu ame siwo le agbanɔamedzinɔƒewo le xexea me katã ƒe Kristotɔwo ƒe hame la me ŋu dometɔ aɖewoe ɖe?

Bubudede Dzikpɔla Mɔzɔlawo Ŋu

13. Alekee míate ŋu ade bubu Kristo hame si li egbea la teƒenɔlawo ŋu?

13 Paulo gblɔ be: “Míele kuku ɖem na mi, nɔviwo, be miade bubu ame siwo le dɔ wɔm sesĩe le mia dome, eye wole mia dzi kpɔm le Aƒetɔ la me hele nu xlɔ̃m mi la ŋu; eye be miade bubu geɖe [wu] wo ŋu le lɔlɔ̃ me, le woƒe dɔwɔwɔ ta. Minɔ anyi kple mia nɔewo le ŋutifafa me.” (1 Tes. 5:12, 13) Esɔ be míabu dzikpɔla mɔzɔlawo ade “ame siwo le dɔ wɔm sesĩe” la dome. Eya ta mina ‘míade bubu geɖe wu wo ŋu.’ Mɔ aɖe si dzi míato awɔ esiae nye wɔwɔ ɖe woƒe aɖaŋuɖoɖo kple mɔfiamewo dzi tso dzi blibo me. Ne dzikpɔla siawo dometɔ aɖe gblɔ mɔfiame aɖe si tso kluvi nyateƒetɔ ƒe ha la gbɔ na mí la, “nunya si tso dziƒo” aʋã mí be ‘míalɔ̃ faa aɖo to.’—Yak. 3:17.

14. Alekee hamea me tɔwo ɖenɛ fiana be yewodea bubu dzikpɔla mɔzɔlawo ŋu tso dzi blibo me, eye nu kae dona tso eme?

14 Gake ne wobia tso mía si be míawɔ nanewo le mɔ aɖe si to vovo na ale si míewɔnɛ ɖaa nu ya ɖe? Bubudede dzikpɔlawo ŋu abia be míaɖu mía ɖokui dzi bene míagagblɔ be, “Míewɔa nuwo alea le afi sia o” alo be, “Woate ŋu awɔe nenema le teƒe bubuwo ya, gake menye le míaƒe hamea me o.” Ðe esia teƒe la, míekua kutri wɔna ɖe mɔfiameawo dzi. Ne ele susu me na mí ɣesiaɣi be Yehowa tɔe hamea nye eye be Yesue nye hamea ƒe Ta la, anɔ bɔbɔe na mí be míawɔ ɖe mɔfiameawo dzi. Ne hamea xɔa mɔfiame siwo dzikpɔla mɔzɔlawo nana la dzidzɔtɔe hewɔna ɖe wo dzi la, anye bubudeameŋu si tso dzi me ɖeɖe fia. Apostolo Paulo kafu nɔvi siwo nɔ Korinto ɖe ale si wowɔna ɖe mɔfiame siwo Tito si nye hamemetsitsi si va srã wo kpɔ la na wo dzi ɖokuibɔbɔtɔe la ta. (2 Kor. 7:13-16) Nenema kee, míate ŋu aka ɖe edzi be ale si míelɔ̃na faa wɔna ɖe mɔfiame siwo dzikpɔla mɔzɔlawo nana mí egbea dzi la wɔnɛ be dzidzɔ si míekpɔna le míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa me la dzina ɖe edzi.—Mixlẽ 2 Korintotɔwo 13:11.

“Mibu Ame Ðe Sia Ðe Ƒomevi”

15. Mɔ siwo nu míedea bubu mía nɔvi haxɔsetɔwo ŋu le dometɔ aɖewo ɖe?

15 Paulo ŋlɔ bena: “Mèganyra ɖe ame tsitsi dzi o. Ke boŋ xlɔ̃ nui kple kukuɖeɖe vevie abe fofo ene, ɖekakpuiwo abe nɔviŋutsuwo ene, nyɔnu tsitsiwo abe dadawo ene, ɖetugbuiwo abe nɔvinyɔnuwo ene le dzadzɛnyenye katã me. De bubu ahosi siwo nye ahosi ŋutɔŋutɔwo la ŋu.” (1 Tim. 5:1-3) Ɛ̃, Mawu ƒe Nya la de dzi ƒo na mí be míade bubu ame sia ame ŋu le Kristo hamea me. Ke ne mia kple nɔviwòŋutsu alo nɔviwònyɔnu aɖe ƒe nukpɔsusu mewɔa ɖeka o ya ɖe? Ðe ema awɔe be nàdo kpo bubudede hawòti Kristotɔa ŋu abe ale si wodi tso mía si enea? Alo ɖe nàwɔ asitɔtrɔ le ale si nèbua nɔviwòae ŋu to dzesidede Kristotɔwo ƒe nɔnɔme nyui siwo le esi abe Mawu subɔla ene mea? Ele na ame siwo le agbanɔamedzinɔƒewo la koŋ be woade bubu nɔviwo ŋu le hamea me—‘woagaɖu aƒetɔ ɖe alẽha la dzi gbeɖe o.’ (1 Pet. 5:3) Le nyateƒe me la, mɔnukpɔkpɔ geɖewo sua mía si be míade bubu mía nɔewo ŋu le Kristo hamea, si me tɔwo wonya nyuie ɖe lɔlɔ̃ deto si le wo si na wo nɔewo ta la, me.—Mixlẽ Yohanes 13:34, 35.

16, 17. (a) Nu ka tae wòle vevie be míade bubu tsitretsiɖeŋulawo hã ŋu ke menye ame siwo míeɖea gbeƒã na ɖeɖe ko o? (b) Alekee míedea bubu “ame ɖe sia ɖe ƒomevi” ŋu?

16 Gake menye ame siwo le Kristo hamea me la ŋu koe míedea bubui o. Paulo ŋlɔ na Kristotɔwo le eƒe ŋkekea me be: “Zi ale si ɣeyiɣi si sɔ na esia wɔwɔ li la, mina míawɔ nyui na amewo katã.” (Gal. 6:10) Enye nyateƒe be, ne dɔwɔhati alo sukuhati aɖe mewɔa nu ɖe mía ŋu nyui o la, wɔwɔ ɖe Biblia me gɔmeɖose ma dzi ate ŋu asesẽ na mí. Le ɣeyiɣi mawo tɔgbi me la, ehiã be míaɖo ŋku nya sia dzi be: “Dzi megaku wò le nu vlo wɔlawo ŋu o.” (Ps. 37:1) Aɖaŋuɖoɖo sia dzi wɔwɔ akpe ɖe mía ŋu míawɔ nu ɖe tsitretsiɖeŋulawo kura gɔ̃ hã ŋu bubutɔe le nɔnɔme mawo tɔgbi me. Nenema kee, ne míele dutoƒosubɔsubɔdɔa wɔm la, ɖokuibɔbɔ ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míawɔ nu ɖe amewo katã ŋu le “tufafa kple bubu deto” me. (1 Pet. 3:15) Míaƒe dzedzeme kple awudodo gɔ̃ hã ate ŋu aɖee afia be míedea bubu ame siwo míeɖea gbeƒã na ŋu.

17 Le nyateƒe me la, ne míele nu wɔm kple haxɔsetɔwo alo ame siwo menye Kristo hamea me tɔwo o la, míedi vevie be míawɔ ɖe nuxlɔ̃amenya sia dzi be: “Mibu ame ɖe sia ɖe ƒomevi, milɔ̃ nɔviwo ƒe habɔbɔ blibo la katã, mivɔ̃ Mawu, mibu fia la.”—1 Pet. 2:17.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

Alekee nàte ŋu ade bubu si dze la:

• Yehowa ŋu?

• Hamemetsitsiwo kple dzikpɔla mɔzɔlawo ŋu?

• Hamea me tɔ ɖe sia ɖe ŋu?

• Ame siwo nèɖea gbeƒã na la ŋu?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo bɔbɔ wo ɖokuiwo ɖe dziɖuha la ƒe dzikpɔkpɔ te bubutɔe

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Hamemetsitsi siwo le dukɔ ɖe sia ɖe me la dea bubu dzikpɔla mɔzɔla siwo Dziɖuhaa ɖo la ŋu