Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Gbedodoɖa Aɖe Si Tso Dzi Blibo Me La Ŋu Ðoɖo

Gbedodoɖa Aɖe Si Tso Dzi Blibo Me La Ŋu Ðoɖo

Gbedodoɖa Aɖe Si Tso Dzi Blibo Me La Ŋu Ðoɖo

“Ne woadze sii be, ŋkɔwòe nye Yehowa, eye wò ɖeɖe koe ɖo kpo ɖe anyigba blibo la dzi!”—PS. 83:19.

1, 2. Nu kae dzɔna le ame geɖe gome, eye nya kawoe míate ŋu abia mía ɖokuiwo?

ƑE AÐEWOE nye esi va yi la, nyɔnu aɖe tsi dzodzodzoe le afɔku dziŋɔ aɖe si dzɔ le woƒe nutoa me la ta. Esi wònye Roma Katolikotɔwo ƒe ƒome mee wòdzii ɖo ta la, eyi ɖabia kpekpeɖeŋu tso nutoa me nunɔla gbɔ, gake nunɔlaa medi be yeaƒo nu kplii gɔ̃ hã o. Eya ta edo gbe ɖa na Mawu be: “Nyemenya ame si nènye ya o . . . , gake menya be èli. Taflatse na manya wò!” Esia megbe kpuie la, Yehowa Ðasefowo va srãe kpɔ hekpe ɖe eŋu akɔfafa kple sidzedze si dim wònɔ la su esi. Nu siwo wofiae la dometɔ ɖekae nye be ŋkɔ le Mawu si, si nye Yehowa. Esia nyanya wɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe. Egblɔ be: ‘Oo, Mawu siae medi vevie be manya tso ɖevime ke!’

2 Nu sia tɔgbi dzɔ le ame geɖe gome. Zi geɖe la, Psalmo 83:19 lia mee woxlẽa Yehowa ƒe ŋkɔ le le Biblia me zi gbãtɔ. Afi ma xlẽ be: “Ne woadze sii be, ŋkɔwòe nye Yehowa, eye wò ɖeɖe koe ɖo kpo ɖe anyigba blibo la dzi!” Gake ɖe nèbu nu si tae woŋlɔ Psalmo 83 lia ɖo la ŋu kpɔa? Nudzɔdzɔ kawoe aƒoe ɖe ame sia ame nu wòalɔ̃ ɖe edzi be Yehowae nye Mawu vavã ɖeka kolia la? Gbedeasi kae le Psalmo sia me na mí egbea? Míadzro biabia siawo me le nyati sia me. *

Nugbeɖoɖo Ðe Yehowa Ƒe Amewo Ŋu

3, 4. Ame kae kpa Psalmo 83 lia, eye nudzɔdzɔ dziŋɔ ka ŋue wòƒo nu tso?

3 Psalmo 83 lia ƒe kpukpui gbãtɔa ɖee fia be psalmo sia nye “Asaf ƒe ha.” Anɔ eme be Lewitɔ Asaf si nye hakpala xɔŋkɔ aɖe si nɔ anyi le Fia David ƒe dziɖuɣi la ƒe dzidzimevi aɖee kpa ha sia. Hakpalaa ɖe kuku na Yehowa le psalmo sia me be wòaɖe afɔ atsɔ aʋli eƒe dziɖulanyenye ta ahana woanya Eƒe ŋkɔ. Anye ɣeyiɣi aɖe le Salomo ƒe ku megbee wokpa ha sia. Nu ka tae? Elabena le David kple Salomo ƒe dziɖuɣi la, Tiro fia nɔ ƒomedodo nyui me kple Israel. Gake le ɣeyiɣi si me wokpa Psalmo 83 lia la, Tirotɔwo tsi tsitre ɖe Israel ŋu hewɔ ɖeka kple Israel ƒe futɔwo.

4 Hakpalaa yɔ dukɔ ewo aɖewo siwo nɔ nugbe ɖom be yewoatsrɔ̃ Mawu ƒe amewo. Futɔ mawo katã ƒo xlã Israel nyigbaa godoo, eye woyɔ wo le ɖoɖo si gbɔna nu: “Edom ƒe agbadɔwo kple Ismaeltɔwo, Moabtɔwo kple Hagritɔwo, Gebal, Amon, Amalek, Filistitɔwo kple Tirotɔwo. Asur hã de wo dzi.” (Ps. 83:7-9) Ŋutinyamenudzɔdzɔ ka ŋue psalmo sia ku ɖo? Ame aɖewo do susua ɖa be anye ɣeyiɣi si me Amon viwo, Moab viwo, kpakple ame siwo le Seir towo dzi la ƒo kpli va dze Israel viwo dzi le Yosafat ƒe ŋkekea me la ŋue psalmo sia ku ɖo. (2 Kron. 20:1-26) Ame bubuwo xɔe se be anye ale si dukɔ siwo ƒo xlã Israel la lé fui le ŋutinya katã me la ŋue wòƒo nu tso.

5. Alekee Psalmo 83 lia ɖea vi na Kristotɔwo egbea?

5 Aleke kee wòɖale o, edze ƒãa be ɣeyiɣi si me Mawu ƒe dukɔa ɖo afɔku mee Yehowa ʋã hakpalaa wòkpa ha sia si me nyawo nye gbedodoɖa. Psalmo sia me nyawo gadea dzi ƒo na Mawu subɔla siwo li le míaƒe ŋkekeawo me, siwo hã kpe fu le futɔ siwo ɖoe kplikpaa be yewoatsrɔ̃ wo ɖa la ƒe amedzidzedze vovovoawo me le woƒe ŋutinya katã me. Eye ado ŋusẽ mi godoo le etsɔ si gbɔna kpuie me, esime Gog si tso Magog la aƒo eƒe aʋakɔwo nu ƒu woadze ame siwo dea ta agu na Mawu le gbɔgbɔ kple nyateƒe me la dzi zi mamlɛtɔ be yeatsrɔ̃ wo.—Mixlẽ Xezekiel 38:2, 8, 9, 16.

Nu Si Koŋ Ŋu Hakpalaa Tsi Dzi Ðo

6, 7. (a) Nu ka ŋue hakpalaa do gbe ɖa le le Psalmo 83 lia ƒe gɔmedzenyawo me? (b) Nu ka koŋ ŋue hakpala la tsi dzi ɖo?

6 Se ale si hakpalaa ƒo eƒe dzi ɖe anyi le gbedodoɖa me ɖa: “Mawu, ɖoɖoe megazi le ŋuwò o, Mawu, megazi kpi o, eye megaɖo ho to o! Elabena kpɔ ɖa, wò futɔwo nyrã, eye wò ketɔwo kɔ ta dzi. Wole tame ɖom le aye me ɖe wò dukɔ ŋu . . . Wode adaŋu nu ɖekɛ, ŋuwò wobla nu ɖo.”—Ps. 83:2-4, 6.

7 Nu ka koŋ ŋue hakpala la tsi dzi ɖo? Anɔ eme be etsɔ ɖe le eya ŋutɔ kple eƒe ƒomea ƒe dedienɔnɔ me vevie ya. Gake eƒe gbedodoɖaa me nyawo ɖee fia be vlododo si hem wole va Yehowa ƒe ŋkɔa dzi kple nugbe siwo woɖo ɖe dukɔ si ŋu eƒe ŋkɔ le ŋu la koŋ ŋue wòtsi dzi ɖo. Mina nukpɔsusu nyui sia si da sɔ la nanɔ míawo hã si, esime míele dzi dom le xexe xoxo sia ƒe ŋkeke mamlɛ sesẽ siawo me.—Mixlẽ Mateo 6:9, 10.

8. Taɖodzinu kae nɔ dukɔ siwo ɖo nugbe ɖe Israel ŋu la si?

8 Hakpalaa yɔ futɔawo ƒe numenyawo gblɔ be: “Miva, míatsrɔ̃ wo, ne womaganye dukɔ o, eye ne womagaɖo ŋku Israel ƒe ŋkɔ dzi azɔ o!” (Ps. 83:5) Aleke gbegbe dukɔ mawo lé fu Mawu ƒe dukɔ tiatia lae nye esi! Gake susu bubu aɖe hã le megbe na woƒe nugbeɖoɖoa. Israel ƒe anyigba la biã ŋu na wo, eye woƒu asi akɔ be: “Míaxɔ Mawu ƒe nɔƒewo na mía ɖokui!” (Ps. 83:13) Ðe nu sia tɔgbi le dzɔdzɔm le míaƒe ŋkekea mea? Nenema tututue!

“Wò Nɔƒe Kɔkɔe La”

9, 10. (a) Le blema la, afi kae nye Mawu ƒe nɔƒe kɔkɔe la? (b) Yayra kawo mee amesiamina susɔeawo kple ‘alẽ bubuawo’ le vivi sem le egbea?

9 Le blema la, woyɔa Ŋugbedodonyigbaa be Mawu ƒe nɔƒe kɔkɔe la. Esi woɖe Israel viwo tso Egipte vɔ megbe la, wodzi aʋadziɖuha sia be: “Le wò dɔmenyonyo me la, èkplɔ dukɔ si nèxɔ na la; Le wò ŋusẽ me la, àkplɔ wo ayi wò nɔƒe kɔkɔe la godoo.” (2 Mose 15:13, NW) Emegbe la, gbedoxɔ aɖe si me nunɔlawo ƒe ha aɖe subɔna le kple fiadu, Yerusalem, si me fia siwo tsoa David ƒe ƒomea me la nɔa Yehowa ƒe fiazikpui dzi le la va nɔ Mawu ƒe “nɔƒe” sia. (1 Kron. 29:23) Eya ta esɔ be Yesu yɔ Yerusalem be ‘Fia gã la ƒe du.’—Mat. 5:35.

10 Ke míaƒe ŋkekea me ya ɖe? Le ƒe 33 M.Ŋ. me la, wodzi dukɔ yeye aɖe, si nye “Mawu ƒe Israel.” (Gal. 6:16) Dukɔ ma, si me tɔwo nye Yesu Kristo nɔvi amesiaminawo la, wɔ dɔ vevi si ŋutilã me Israel mete ŋu wɔ o, si nye be woanye ɖasefowo na Mawu ƒe ŋkɔ la. (Yes. 43:10; 1 Pet. 2:9) Yehowa do ŋugbe si tututu wòdo na blema Israel la na woawo hã be: “Manye Mawu na wo, eye woawo hã woanye nye dukɔ.” (2 Kor. 6:16; 3 Mose 26:12) Le ƒe 1919 me la, Yehowa kplɔ “Mawu ƒe Israel la” ƒe ame susɔeawo yi ŋudzedzekpɔkpɔ ƒe nɔnɔme aɖe me, eye ɣemaɣi la, wova xɔ “anyigba” aɖe si nye gbɔgbɔmenɔƒe, afi si wole dɔ dzi le hele vivi sem le gbɔgbɔmeparadiso aɖe me le. (Yes. 66:8) Tso ƒe 1930 ƒeawo me ke la, ame miliɔn geɖe siwo nye “alẽ bubuwo” la va le ɖeka wɔm kpli wo. (Yoh. 10:16) Dzidzɔ kple gbɔgbɔmenudzedziname si su egbegbe Kristotɔ siawo si la nye kpeɖodzi sẽŋu aɖe be Yehowa ƒe dziɖulanyenyee nye dzɔdzɔetɔ. (Mixlẽ Psalmo 91:1, 2.) Aleke gbegbee esia ɖua dzi na Satanae nye esi!

11. Taɖodzinu kae gakpɔtɔ le Mawu ƒe futɔwo si kokoko?

11 Le nuwuɣia katã me la, Satana zã etevi siwo le anyigba dzi la tsɔ ti amesiamina susɔeawo kple woƒe zɔhɛ alẽ bubuawo yome. Esia dzɔ le Ɣetoɖoƒe Europa le Nazitɔwo ƒe dziɖuɖua te, kple le Ɣedzeƒe Europa le Soviet Union ƒe Kɔmiunist dziɖuɖua te. Edzɔ le dukɔ bubuwo hã me, eye egale dzɔdzɔ ge ake, vevietɔ le Gog si tso Magog ƒe amedzidzedze mamlɛa me. Le amedzidzedze ma me la, futɔwo atsɔ ŋukeklẽ axɔ Yehowa ƒe amewo ƒe nunɔamesiwo abe ale si futɔwo wɔe le blema ene. Gake Satana ƒe taɖodzinua koŋue nye be yeagblẽ ale si míewɔ ɖeka abe habɔbɔ ene la dome bene woaga ɖo ŋku míaƒe ŋkɔ “Yehowa Ðasefowo” dzi azɔ gbeɖe o. Alekee Yehowa wɔa nu ɖe tsitretsitsi ɖe eƒe dziɖulanyenye ŋu le mɔ sia tɔgbi nu ŋu? Mina míagatrɔ alé ŋku ɖe hakpalaa ƒe nyawo ŋu ake.

Yehowa Ƒe Aʋadziɖuɖu Ƒe Kpɔɖeŋu Aɖe

12-14. Aʋadziɖuɖu vevi eve siwo Israel kpɔ le ŋutinya me le teƒe si gogo Megido kawo ŋue hakpalaa ƒo nu tso?

12 De dzesi ale si gbegbe xɔse si le hakpalaa si ɖe ŋutete si le Yehowa si be wòagblẽ eƒe futɔwo ƒe nugbeɖoɖowo me la me sẽe. Eƒo nu tso aʋa vevi eve aɖewo siwo me Israel viwo ɖu woƒe futɔwo dzi le keŋkeŋ le teƒe si gogo blema du Megido, si le kpo dzi, eye woyɔa eƒe ŋkɔ tɔna ɖe bali gbadzaa si ƒo xlãe ŋu la ŋu. Le dzomeŋɔli la, Kison Tɔsisi si miena la ƒe toƒe ƒuƒuia dzena gɔdɔ̃gɔdɔ̃ le balia me nyuie. Ne tsi te dzadza le vuvɔŋɔli ko la, tɔsisia ɖɔna gbagbana xɔa balia katã me. Ðewohĩ anye susu sia tae wogayɔna tɔsisia be “Megido-tɔ” hã ɖo.—Ʋɔn. 4:13; 5:19.

13 More togbɛ, si didi tso Megido abe kilometa 15 ene le bali la ƒe go kemɛ la ƒe bali mee Midiantɔwo kple Amalekitɔwo kpakple ɣedzeƒeviwo ƒe asrafowo wɔ ɖeka va ƒu asaɖa anyi ɖo be yewoawɔ aʋa kple Israel le Ʋɔnudrɔ̃la Gideon ƒe ŋkekeawo me. (Ʋɔn. 7:1, 12) Togbɔ be ame 300 koe va susɔ ɖe Gideon ƒe aʋakɔ suea me hã la, le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, woɖu futɔwo ƒe aʋakɔ nyadri la dzi keŋkeŋ. Aleke wòdzɔe? Le Mawu ƒe mɔfiafia nu la, wotsɔ akakati bibi siwo dzi wotsɔ zewo tsyɔ la ɖe asi va ƒo xlã futɔawo ƒe asaɖa la le zã me. Le Gideon ƒe gbeɖeɖe nu la, eƒe amewo gbã zeawo eye akakati siwo nɔ ɣaɣla la dze go enumake. Le ɣeyiɣi ma ke me la, woku woƒe kpewo hedo ɣli gblɔ be: “Yehowa kple Gideon tɔe nye yi la!” Esia na futɔawo tɔtɔ hete wo nɔewo wuwu, eye ame siwo tsi agbe la si yi ɖe Yordan Tɔsisia godo. Israel vi bubu geɖewo va kpɔ gome le futɔawo yome titi me. Futɔwo ƒe asrafo siwo katã wowu la ƒe xexlẽmee nye 120,000 sɔŋ.—Ʋɔn. 7:19-25; 8:10.

14 Tabor To nye to aɖe si le adzɔge tso More togbɛa gbɔ abe kilometa 6 ene le bali si tso Megido gbɔ la ƒe go kemɛa dzi. Afi mae Ʋɔnudrɔ̃la Barak ƒo Israel viwo ƒe aʋakɔ aɖe si me asrafo 10,000 nɔ la nu ƒu ɖo hena aʋakpekpe kple Yabin, si nye Kanaantɔwo ƒe du Xazor ƒe fia, ƒe aʋakɔ si nɔ eƒe aʋafia Sisera ƒe kpɔkplɔ te la le. Aʋatasiaɖam 900 siwo ƒe afɔtiwo ŋu lãnu wuamewo le la nɔ Kanaantɔwo ƒe aʋakɔ sia si. Esime Israel viwo ƒe aʋakɔa, si si aʋawɔnu geɖe menɔ o la, va ƒo ƒu ɖe Tabor Toa dzi la, esia flu Sisera ƒe aʋakɔ la wolũ ɖe wo dzi tso bali la me gbɔna. Tete ‘Yehowa de zi Sisera kple eƒe tasiaɖamwo katã kple eƒe aʋakɔ blibo la me.’ Anɔ eme be tsi gã aɖee te dzadza hena Kison Tɔsisia yɔ gbagba ɖe balia me ale be tasiaɖamawo ɖi ɖe baa me. Israel viwo wu aʋakɔ blibo la.—Ʋɔn. 4:13-16; 5:19-21.

15. (a) Nu kae hakpala la do gbe ɖa be Yehowa nawɔ? (b) Nu ka dzie Mawu ƒe aʋa mamlɛa ƒe ŋkɔ na míeɖo ŋku?

15 Hakpala la ɖe kuku na Yehowa be wòawɔ nu ɖe dukɔ siwo nɔ ŋɔdzi dom na Israel viwo le eƒe ŋkekea me la ŋu abe ale si wòwɔ nu ɖe Israel ƒe futɔwo ŋu le blema ene. Egblɔ be: “Wɔ wo abe Midiantɔwo kple Sisera ene, abe Yabin le Kison-tɔʋu la nu ene! Wotsrɔ̃ le Endor, eye wozu aɖu na anyigba.” (Ps. 83:10, 11) Eɖe dzesi ŋutɔ be woyɔ aʋa mamlɛ si Mawu awɔ kple Satana ƒe xexea la be Harmagedon, si gɔmee nye “Megido To.” Ŋkɔ ma na míeɖo ŋku nyametsoʋa siwo wowɔ le Megido gbɔ la dzi. Ale si Yehowa ɖu futɔ mawo dzi keŋkeŋ le blema la na kakaɖedzi mí be aɖu dzi le Harmagedonʋa la me godoo.—Nyaɖ. 16:13-16.

Do Gbe Ða Hena Yehowa Ƒe Dziɖulanyenye Ta Ʋiʋli

16. Alekee ‘wode ŋukpe mo na’ tsitretsiɖeŋulawo egbea?

16 Le ‘ŋkeke mamlɛ’ siawo katã me la, Yehowa yi edzi le agbagba siwo katã dzem futɔwo le be yewoaɖe eƒe amewo ɖa la me gblẽm. (2 Tim. 3:1) Esia de ŋukpe mo na futɔawo. Psalmo 83:17 gblɔ esia ɖi be: “De ŋukpe mo na wo fũ, ne woadi wò ŋkɔ, Yehowa!” Le dukɔ vovovowo me la, futɔwo dze agbagba be yewoabu mo na Yehowa Ðasefowo, gake ɖeko wodo kpo nu ŋukpetɔe. Le dukɔ mawo me la, Mawu vavã ɖeka la ƒe tadeagulawo ƒe tenɔnɔ sesĩe kple woƒe dzidodo zu ɖaseɖiɖi na dzianukwaretɔwo, si wɔe be wo dometɔ geɖewo ‘di Yehowa ƒe ŋkɔ.’ Le dukɔ geɖe siwo me woti Yehowa Ðasefowo yome le kutɔkutɔe va yi me la, ame akpe geɖe alo akpe alafa geɖewo gɔ̃ hã le Yehowa kafum dzidzɔtɔe le afi mawo fifia. Aʋadziɖuɖu ka gbegbee nye esi wònye na Yehowa! Eye kpɔ ale si gbegbe wòna ŋukpe lé eƒe futɔawoe ɖa!—Mixlẽ Yeremiya 1:19.

17. Nɔnɔme ka mee ameƒomea le fifia si nye ŋkubiãnya, eye nya kawo dzie míaɖo ŋkui kpuie?

17 Gake míenya be aʋa la meke haɖe o. Eye míeyi edzi le gbeƒã ɖem; na tsitretsiɖeŋulaawo gɔ̃ hã. (Mat. 24:14, 21) Ke hã, eteƒe madidi o, woatu mɔnukpɔkpɔ sia si le ʋuʋu ɖi na tsitretsiɖeŋulaawo be woatrɔ dzi me ahakpɔ ɖeɖe la. Yehowa ƒe ŋkɔa ŋuti kɔkɔ le vevie sãsãsã wu amewo ƒe agbetsitsi. (Mixlẽ Xezekiel 38:23.) Ne dukɔwo katã wɔ ɖeka tso ɖe Mawu ƒe amewo ŋu be yewoatsrɔ̃ wo ɖa abe ale si wogblɔe ɖi ene la, míaɖo ŋku hakpalaa ƒe gbedodoɖa sia dzi be: “Ŋu akpe wo, eye ŋɔ adzi wo tegbee, woƒe mo atsi dã, eye woatsrɔ̃.”—Ps. 83:18.

18, 19. (a) Nu kae le ame siwo ɖoe koŋ le tsitre tsim ɖe Yehowa ƒe dziɖulanyenye ŋu la lalam? (b) Ŋusẽ kae Yehowa ƒe dziɖulanyenye ta ʋiʋli zi mamlɛtɔ si gbɔna la kpɔna ɖe dziwò?

18 Tsɔtsrɔ̃ gbɔɖiametɔe le ame siwo ɖoe koŋ le tsitre tsim ɖe Yehowa ƒe dziɖulanyenye ŋu la lalam. Mawu ƒe Nya la ɖee fia be “tsɔtsrɔ̃ mavɔ” ava ame siwo katã ‘meɖoa to nya nyui la o,’ eye le susu sia ta woatsrɔ̃ wo le Harmagedonʋa la me la, dzi. (2 Tes. 1:7-9) Ame siawo tsɔtsrɔ̃ kpakple ame siwo dea ta agu na Yehowa le nyateƒe me la ƒe agbetsitsi anye kpeɖodzi sẽŋu aɖe be Yehowae nye Mawu vavã ɖeka la. Míaŋlɔ aʋadziɖuɖu gã ma be akpɔ gbeɖe le xexe yeyea me o. Ame siwo woagbɔ agbe le “ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo” ƒe tsitretsitsia me la ava srɔ̃ nu tso nu gã sia si Yehowa wɔ la ŋu. (Dɔw. 24:15) Le xexe yeyea me la, ale si nunya le eme be woanɔ agbe le Yehowa ƒe dziɖuɖu te la ƒe kpeɖodzi adze na wo ƒãa. Eye ame fafa siwo le wo dome la alɔ̃ ɖe edzi enumake be Yehowae nye Mawu vavã ɖeka kolia la.

19 Etsɔme nyui wɔnuku ka gbegbee nye esi mía Fofo lɔ̃ame si le dziƒo la dzra ɖo ɖi na esubɔla wɔnuteƒewo! Ðe esia meʋã wò be nànɔ mɔ kpɔm gbedodoɖatɔe be eteƒe madidi o, Yehowa aɖo hakpalaa ƒe gbedodoɖa si nye be, “Ŋu akpe [wò futɔwo], eye ŋɔ adzi wo tegbee, woƒe mo atsi dã, eye woatsrɔ̃, ne woadze sii be, ŋkɔwòe nye Yehowa, eye wò ɖeɖe koe ɖo kpo ɖe anyigba blibo la dzi!” la ŋu zi mamlɛa oa?—Ps. 83:18, 19.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 2 Hafi nàsrɔ̃ nyati sia la, anyo be nàxlẽ Psalmo 83 lia katã bene eme nyawo nanɔ susu me na wò nyuie.

Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?

• Nɔnɔme ka mee Israel nɔ esime woŋlɔ Psalmo 83 lia?

• Nu ka koŋ ŋue Psalmo 83 lia ŋlɔla tsi dzi ɖo?

• Ame kawoe Satana tɔ ŋkui vevie egbea?

• Alekee Yehowa ava ɖo gbedodoɖa si le Psalmo 83:19 la ŋu zi mamlɛtɔ?

[Biabiawo]

[Anyigbatata si le axa 15]

Alekee aʋa siwo wowɔ le blema Megido gbɔ la do ƒome kple míaƒe etsɔme?

Kison Tɔsisi

Xaroset

Karmel To

Yezreel Bali

Megido

Tanax

Gilboa To

Xarod Vudo

More

En-Dor

Tabor To

Galilea Ƒu

Yordan Tɔsisi

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Nu kae ʋã hakpala aɖe wòkpa ha aɖe si me nyawo nye gbedodoɖa si tso dzi blibo me?