Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Kae Nàtsɔ Asa Vɔe Bene Nànɔ Agbe Tegbee?

Nu Kae Nàtsɔ Asa Vɔe Bene Nànɔ Agbe Tegbee?

Nu Kae Nàtsɔ Asa Vɔe Bene Nànɔ Agbe Tegbee?

“Nu kae ame atsɔ ana ɖe eƒe luʋɔ ta?”—MAT. 16:26.

1. Nu ka tae Yesu gbe Petro ƒe nyagbenamea?

NYA si apostolo Petro se la mesɔ tome nɛ kura o. Yesu Kristo, si nye eƒe Kplɔla si gbɔ melɔ̃a nu le o lae nye ema nɔ gbɔgblɔm faa “naneke maɣlamaɣlae” be, eteƒe madidi o yeakpe fu ahaku! Tete Petro gbe nya na Yesu—ɖikeke mele eme o be esusui be nu nyui wɔm yele—hegblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, di nyui na ɖokuiwò; esia madzɔ ɖe dziwò gbeɖe o.” Yesu trɔ megbe de Petro henɔ nusrɔ̃la susɔeawo kpɔm. Ðewohĩ nukpɔsusu masɔmasɔ ma le woawo hã si. Eye wògblɔ na Petro be: “Te ɖa le gbɔnye, Satana! Nukikli nènye nam, elabena menye Mawu ƒe susuwo ŋu bum nèle o, ke boŋ amegbetɔwo tɔ.”—Mar. 8:32, 33; Mat. 16:21-23.

2. Nu kawoe Yesu gblɔ be wodi tso nusrɔ̃la vavãwo si?

2 Ðewohĩ nya siwo Yesu gblɔ kplɔe ɖo anya kpe ɖe Petro ŋu wòase nu si tae Yesu wɔ nu moveviɖoɖotɔe nenema ɖo la gɔme. Yesu “[yɔ] ameha la kple eƒe nusrɔ̃lawo va eɖokui gbɔ” eye wògblɔ na wo be: “Ne ame aɖe di be yeadze yonyeme la, negbe nu le eɖokui gbɔ, eye wòatsɔ eƒe fuwɔameti la, eye wòadze yonyeme ɖaa. Elabena ame sia ame si dina be yeaɖe yeƒe luʋɔ la abui; gake ame sia ame si abu eƒe luʋɔ le nye kple nya nyui la ta la, aɖee.” (Mar. 8:34, 35) Nya “luʋɔ” si Yesu zã le afi sia la fia “agbe.” Edze ƒãa be menye ɖeko eteƒe madidi o wòatsɔ eƒe agbe asa vɔe o, ke edi tso eyomedzelawo hã si be woanɔ klalo atsɔ woƒe agbe asa vɔ le subɔsubɔdɔ wɔwɔ na Mawu me. Ne wowɔe nenema la, woaxɔ teƒeɖoɖo geɖe.—Mixlẽ Mateo 16:27.

3. (a) Nya kawoe Yesu bia eƒe nyaselawo? (b) Nu ka dzie Yesu ƒe biabia evelia anya he eƒe nyaselawo ƒe susu yi?

3 Le ɣeyiɣi ma ke me la, Yesu bia nya eve aɖewo siwo nana wobua tame, be: “Viɖe kae wòanye na ame, be xexe blibo la katã nazu etɔ, gake wòabu eƒe luʋɔ?” kple be, “Nu ka koŋ ye ame atsɔ ana ɖe eƒe luʋɔ ta?” (Mar. 8:36, 37) Le amegbetɔwo ƒe nukpɔsusu nu gɔ̃ hã la, biabia gbãtɔa ŋu ɖoɖo mesesẽ o. Manye viɖe aɖeke na ame be xexe bliboa nasu esi evɔ wòabu eƒe agbe, alo eƒe luʋɔ o. Ne ame le agbe azã nunɔamesiwo koe viɖe nɔa wo ŋu. Gake Yesu ƒe biabia evelia si nye: “Nu ka koŋ ye ame atsɔ ana ɖe eƒe luʋɔ ta?” ya anya he eƒe nyaselawo ƒe susu yi Satana ƒe nutsotso si wòɖe gblɔ le Hiob ƒe ŋkekea me la dzi, be: ‘Amegbetɔ atsɔ nu siwo katã le esi la ana ɖe eƒe agbe ta.’ (Hiob 2:4) Ame aɖewo siwo mesubɔa Yehowa o la ate ŋu asusu be nyateƒee Satana to. Ame geɖewo le klalo awɔ nu sia nu—aɖe asi le agbe nyui nɔnɔ ŋuti dzidzenu ɖe sia ɖe ŋu—bene yewoayi edzi anɔ agbe le nuɖoanyi sia me ko. Gake Kristotɔwo ya mebua nuwo ŋu nenema o.

4. Nu ka tae gɔmesese deto le Yesu ƒe biabiaawo ŋu na Kristotɔwo?

4 Míenya be menye ɖe Yesu va anyigba dzi be yeana lãmesẽ, kesinɔnu, kple agbe didi mí le xexe sia me o. Ke ɖee wòva ʋu agbe tegbee nɔnɔ le xexe yeyea me ƒe mɔnukpɔkpɔ na mí, eye agbe tegbee nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ sia nye nu si ŋu míedea asixɔxɔe vevie. (Yoh. 3:16) Kristotɔ ase Yesu ƒe biabia gbãtɔa gɔme ale, “Viɖe kae wòanye na ame ne xexe bliboa su esi evɔ wòabu eƒe agbe mavɔ nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔa?” Ŋuɖoɖoae nye be, Viɖe aɖeke kura manɔ eŋu o. (1 Yoh. 2:15-17) Bene míate ŋu aɖo Yesu ƒe biabia evelia ŋu la, anyo be míabia mía ɖokui be, ‘Nu kawo gbegbee malɔ̃ faa atsɔ asa vɔ fifia bene mate ŋu ava nɔ agbe le xexe yeyea me?’ Ale si míaɖo nya sia ŋu, si adze le ale si míele agbe nɔmee me la, aɖe ale si gbegbe mɔkpɔkpɔ ma nu sẽ le míaƒe dzi mee la afia.—Tsɔe sɔ kple Yohanes 12:25.

5. Nu kae míawɔ be agbe mavɔ ƒe nunanaa nasu mía si?

5 Gake menye ɖe Yesu nɔ gbɔgblɔm be woate ŋu aƒle agbe mavɔ o. Nunanae agbe nye—esi míele fifia le nuɖoanyi sia me hena ɣeyiɣi ʋɛ aɖe ko la gɔ̃ hã. Míate ŋu aƒlee alo awɔ nane si ade eƒe asixɔxɔ nu o. Mɔ si ko dzi míate ŋu ato be woana mí nunana si nye agbe mavɔ lae nye “to Kristo Yesu” kple Yehowa, si ‘zua teƒeɖola na ame siwo dinɛ vevie la’ “dzi xɔxɔse me.” (Gal. 2:16; Heb. 11:6) Ke hã, ele be woaɖe xɔse afia to nuwɔna me, le esi wònye be ‘xɔse dɔwɔwɔ manɔŋui nye nu kuku’ ta. (Yak. 2:26) Eya ta ne míegade ŋugble tso nya si Yesu bia ŋu geɖe wu la, awɔe be míabu nu si gbegbe míalɔ̃ faa be míatsɔ asa vɔe le nuɖoanyi sia me kple nu si míadi be míawɔ le Yehowa subɔsubɔ me ŋu vevie atsɔ aɖee afia be xɔse gbagbee le mía si vavã.

‘Kristo La Medze Eɖokui Ŋu O’

6. Nu kae nɔ vevie na Yesu wu?

6 Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, metsɔ eƒe susu ɖo nu siwo ate ŋu asu esi le xexea me la dzi o, ke boŋ ɖe nu siwo le vevie wu la dzi, eye meɖe mɔ ŋutilãmenudidi na ame ɖokui ƒe tetekpɔ ɖu edzi o. Enɔ ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe agbe heɖo to Mawu ɣeawokatãɣi. Le esi wòadze eɖokui ŋu teƒe la, egblɔ be: “Mewɔa nu siwo dzea [Mawu ŋu] ɣesiaɣi.” (Yoh. 8:29) Nu ka gbegbee Yesu lɔ̃ faa be yeatsɔ asa vɔe bene yeadze Mawu ŋu?

7, 8. (a) Nu kae Yesu tsɔ sa vɔe, eye alekee woɖo eteƒe nɛ? (b) Nya kae wòle be míabia mía ɖokui?

7 Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo gbe ɖeka be: “Amegbetɔvi la va, menye be woasubɔ ye o, ke boŋ be yeasubɔ, eye yeatsɔ yeƒe luʋɔ ana wòanye tafe ɖe ame geɖewo ta.” (Mat. 20:28) Do ŋgɔ esime Yesu nɔ gbɔgblɔm na eyomedzelawo be eteƒe madidi o “yeatsɔ yeƒe luʋɔ ana” la, Petro xlɔ̃ nui be nedi nyui na eɖokui. Ke hã, Yesu te afɔ to sesĩe. Elɔ̃ faa tsɔ eƒe luʋɔ, eƒe amegbetɔ ƒe agbe deblibo la, na ɖe ameƒomea ta. Ðokuitɔmadimadi ƒe afɔ sia si Yesu ɖe la wɔe be eya ŋutɔ ƒe etsɔme nɔ dedie. Wofɔe ɖe tsitre “[hedoe] ɖe dzi wòyi ɖale Mawu ƒe nuɖusi me.” (Dɔw. 2:32, 33) Esia wɔe be wòva zu míaƒe kpɔɖeŋuɖola vevitɔ.

8 Apostolo Paulo ɖo aɖaŋu na Kristotɔ siwo nɔ Roma la be ‘woaganɔ wo ɖokuiwo ŋu dzem o’ heɖo ŋku edzi na wo be “Kristo la kura gɔ̃ hã medze eɖokui ŋu o.” (Rom. 15:1-3) Ekema afi ka gbegbee míalɔ̃ faa awɔ ɖe apostoloa ƒe aɖaŋuɖoɖo ma dzi ahatsɔ mía ɖokuiwo ana le Kristo sɔsrɔ̃ me ase ɖo?

Yehowa Di Be Míatsɔ Míaƒe Nu Nyuitɔ Kekeake Ana Ye

9. Nu ka koŋue wòfia ne Kristotɔ tsɔ eɖokui ɖe adzɔgbe na Mawu?

9 Le blema Israel la, Mose ƒe Sea bia be woaɖe asi le Hebri vi siwo nye kluviwo ŋu tso kluvinyenye me le ƒe adrelia me loo alo le Aseyetsoƒe me. Gake ɖoɖo bubu aɖe hã nɔ anyi. Ne kluvi aɖe va lɔ̃ eƒe aƒetɔ la, ate ŋu atiae be yeatsi egbɔ le yeƒe agbemeŋkeke mamlɛawo katã me. (Mixle 5 Mose 15:12, 16, 17.) Tiatia sia tɔgbi kee míawo hã míewɔ esime míetsɔ mía ɖokui ɖe adzɔgbe na Mawu. Míelɔ̃ faa be míawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ke menye mía ŋutɔwo míaƒe didiwo o. Míeto esia me ɖee fia be míelɔ̃ Yehowa vevie eye míedi be míasubɔe tegbee.

10. Mɔ ka nue míenye Mawu tɔ le, eye alekee wòle be nyateƒenya sia nakpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe tamesusuwo kple nuwɔnawo dzi?

10 Ne Yehowa Ðasefowo le Biblia srɔ̃m kpli wò, alo nèle gome kpɔm le gbeƒãɖeɖe nya nyuia me hedea Kristotɔwo ƒe kpekpewo la, ke èdze na kafukafu. Míele mɔ kpɔm be eteƒe madidi o àse le ɖokuiwò me be yeatsɔ ye ɖokui aɖe adzɔgbe na Yehowa ahabia nya sia si Etiopiatɔ la bia Filipo la ɖokuiwò be: “Nu kae xe mɔ na nye nyɔnyrɔxɔxɔ?” (Dɔw. 8:35, 36) Tso ɣemaɣi la, ƒomedodo si ava nɔ mia kple Mawu dome anɔ abe esi nɔ Kristotɔ siwo Paulo ŋlɔ nya siawo na la tɔ ene, be: ‘Mienye mia ɖokui tɔ o, elabena ho gã aɖee wotsɔ ƒle mi.’ (1 Kor. 6:19, 20) Agbenɔnɔ le dziƒo alo le anyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔe ɖale mía si o, esi míenya ɖe adzɔgbe na Yehowa ko la, Etɔe míenye. Eya ta aleke wòle vevie be míaɖe asi le míaƒe ɖokuitɔdidi ƒe didiwo ŋu ‘ahadzudzɔ amewo ƒe kluviwo zuzu’ enye esi! (1 Kor. 7:23) Mɔnukpɔkpɔ ka gbegbee nye esi be míanye subɔla wɔnuteƒewo bene Yehowa nazã mí abe ale si wòdii ene!

11. Vɔsa kae wobia tso Kristotɔwo si be woawɔ, eye nu kae esia fia ŋutɔŋutɔ, si ƒe kpɔɖeŋue vɔ siwo wosana le Mose ƒe Sea te la nye?

11 Paulo xlɔ̃ nu haxɔsetɔwo be: “Miatsɔ miaƒe ŋutilãwo ana wòanye vɔsa gbagbe, si le kɔkɔe, si dzea Mawu ŋu, si anye subɔsubɔdɔ kɔkɔe si me miazã miaƒe tamebubu ŋutete le.” (Rom. 12:1) Nya mawo anya ɖo ŋku vɔsa siwo Yudatɔ zu Kristotɔwo wɔna tsã wònye woƒe tadedeagu ƒe akpa vevi aɖe hafi wova zu Yesu yome dzelawo la dzi na wo. Woanyae be Mose ƒe Sea bia be lã nyuitɔ kekeakee wòle be woatsɔ asa vɔ le Yehowa ƒe vɔsamlekpui dzi. Yehowa mekpɔa ŋudzedze ɖe lã si mesɔ o la ŋu o. (Mal. 1:8, 13) Nenema kee wòle ne míetsɔ mía ɖokuiwo na abe “vɔsa gbagbe” ene. Míaƒe nu nyuitɔwo kekeakee míetsɔna naa Yehowa, ke menye esiwo susɔ le kɔɖiɖi na míaƒe dzodzrowo vɔ megbe o. Ne míetsɔ mía ɖokuiwo ɖe adzɔgbe na Mawu la, míaƒe “luʋɔ,” alo míaƒe agbe bliboa, si me míaƒe ŋusẽ, nunɔamesiwo, kple ŋutetewo hã le, lae míetsɔ kee keŋkeŋ. (Kol. 3:23) Nu kae esia fia ŋutɔŋutɔ?

Zã Wò Ɣeyiɣiwo Nunyatɔe

12, 13. Mɔ siwo dzi míate ŋu ato atsɔ míaƒe nu nyuitɔwo kekeake ana Yehowa la dometɔ ɖeka ɖe?

12 Mɔ siwo dzi míato atsɔ míaƒe nu nyuitɔwo kekeake ana Yehowa dometɔ ɖekae nye be míazã míaƒe ɣeyiɣiwo nunyatɔe. (Mixlẽ Efesotɔwo 5:15, 16.) Esia bia ɖokuidziɖuɖu. Xexea kple mía ŋutɔwo míaƒe blibomademade ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi wɔnɛ be míedina be míazã míaƒe ɣeyiɣiwo ɖe nu siwo ado dzidzɔ na mí alo aɖe vi na mía ŋutɔwo la ɖeɖe ko ŋu. Enye nyateƒe be, ‘ɣeyiɣi li na nu sia nu,’ dzidzɔdodo na mía ɖokui kple dɔwɔwɔ hena míaƒe Kristotɔwo ƒe agbanɔamedziwo gbɔ kpɔkpɔ hã le eme. (Nyagb. 3:1) Ke hã, ele be Kristotɔ ɖeadzɔgbe nada asɔ ahazã eƒe ɣeyiɣiwo nunyatɔe.

13 Esime Paulo yi Atene la, ede dzesii be, “Atenetɔwo kple amedzro siwo vaa afi ma la [katã] mezãa woƒe vovoɣiwo ɖe naneke ŋu tsɔ wu be woanɔ nya yeyewo gblɔm alo anɔ wo sem o.” (Dɔw. 17:21) Nenema kee ame geɖewo hã gblẽa woƒe ɣeyiɣiwo dome egbea. Nu siwo xɔa amewo ƒe ɣeyiɣi egbea dometɔ aɖewoe nye televisionkpɔkpɔ, videofefewo ƒoƒo, kple Internet dzi tsatsa. Nu siwo ate ŋu axɔ míaƒe ɣeyiɣiwo la va bɔ egbea fũu. Ne míeɖe mɔ wokpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi la, ana míado kpo míaƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ. Ate ŋu ava ɖo afi aɖe si wòawɔ na mí abe ɖee vovo mele mía ŋu kura be míakpɔ “nu siwo le vevie wu,” siwo nye nu siwo do ƒome kple Yehowa subɔsubɔ, la gbɔ o ene.—Fp. 1:9, 10.

14. Biabia kawo ŋue wòle be míade ŋugble le vevie?

14 Eya ta abe Yehowa subɔla ɖeadzɔgbe ene la, bia ɖokuiwò be, ‘Ðe Biblia xexlẽ, ŋugbledede, kple gbedodoɖa hã le nu siwo mewɔna gbe sia gbe la domea?’ (Ps. 77:13; 119:97; 1 Tes. 5:17) ‘Ðe meɖo ɣeyiɣi ɖi koŋ tsɔ dzrana ɖo ɖe Kristotɔwo ƒe kpekpewo ŋua? Ðe medea dzi ƒo na ame bubuwo to nyaŋuɖoɖo le kpekpeawo me dzia?’ (Ps. 122:1; Heb. 2:12) Mawu ƒe Nya la gblɔ be Paulo kple Barnaba zã “ɣeyiɣi geɖe tsɔ Yehowa ƒe ŋusẽ ƒo nu dzinɔameƒotɔe.” (Dɔw. 14:3) Ðe nàte ŋu atrɔ asi le wò nɔnɔmewo ŋu bene nàte ŋu azã ɣeyiɣi geɖe, alo ‘ɣeyiɣi geɖe wu’ gɔ̃ hã le gbeƒãɖeɖedɔa me, ɖewohĩ azu mɔɖela?—Mixlẽ Hebritɔwo 13:15.

15. Alekee hamemetsitsiwo zãa woƒe ɣeyiɣiwo nunyatɔe?

15 Esime apostolo Paulo kple Barnaba yi ɖasrã Kristotɔwo ƒe hame si nɔ Antioxia kpɔ la, “menye ɣeyiɣi vi aɖee [wotsɔ nɔ] nusrɔ̃lawo gbɔ o.” (Dɔw. 14:28) Nenema kee, egbea la, hamemetsitsi lɔ̃amewo zãa woƒe ɣeyiɣi akpa gãtɔ tsɔ doa ŋusẽ ame bubuwo. Tsɔ kpe ɖe gomekpɔkpɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔa me ŋu la, hamemetsitsiwo dzea agbagba vevie le alẽawo sasrãkpɔ, alẽ siwo bu didi, kpekpe ɖe dɔnɔwo ŋu, kple agbanɔamedzi bubu geɖewo gbɔ kpɔkpɔ le hamea me me. Ne nɔviŋutsu xɔnyɔnyrɔe nènye la, ɖe wò nɔnɔmewo ɖe mɔ na wò be nàminyã subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ bubu siawoa?

16. Mɔ siwo dzi míato ‘awɔ nyui na ame siwo do ƒome kpli mí le xɔse la me’ la dometɔ aɖewo ɖe?

16 Gomekpɔkpɔ le kpekpeɖeŋunana ame siwo ŋu dzɔdzɔmefɔkuwo alo afɔku siwo tso amegbetɔwo gbɔ gblẽ nu le vevie me do dzidzɔ na ame geɖe. Le kpɔɖeŋu me, nɔvinyɔnu aɖe si le eƒe ƒe 60-awo me, si wɔa dɔ le Betel la, zɔa mɔ didi zi geɖe ɖakpea asi ɖe kpekpeɖeŋunadɔwo ŋu. Nu ka tae wòzãa eƒe mɔkeɣiwo alea? Egblɔ be: “Togbɔ be nyemenya aɖaŋudɔ aɖeke o hã la, mɔnukpɔkpɔ wònye nam be mana kpekpeɖeŋu le dɔ sia dɔ si hiã la wɔwɔ me. Xɔse sẽŋu si nɔvinyeŋutsu kple nɔvinyenyɔnu siwo ƒe nunɔamesi geɖewo dome gblẽ ɖena fiana la dea dzi ƒo nam geɖe ŋutɔ.” Gakpe ɖe eŋu la, nɔvi akpe geɖewo hã kpea asi ɖe Fiaɖuƒe Akpatawo kple Takpexɔwo tutu ŋu le xexea me godoo. Ne míekpɔa gome le dɔwɔna siawo me la, efia be ‘míele nyui wɔm na ame siwo do ƒome kpli mí le xɔse la me’ ɖokuitɔmadimaditɔe.—Gal. 6:10.

“Meli Kpli Mi Ŋkekeawo Katã”

17. Nu kae wò ŋutɔ nàlɔ̃ faa atsɔ asa vɔe be agbe mavɔ nasu asiwò?

17 Eteƒe madidi o, amegbetɔ siwo gbe Mawu la katã nu ayi. Míenya ɣeyiɣi si tututue esia adzɔ ya o. Gake míenya be “ɣeyiɣi vi aɖe koe susɔ” eye be “xexe sia ƒe nɔnɔme le tɔtrɔm.” (Mixlẽ 1 Korintotɔwo 7:29-31.) Esia na nya si Yesu bia be, “Nu ka koŋ ye ame atsɔ ana ɖe eƒe luʋɔ ta?” la gale vevie na mí fifia wu tsã. Ðikeke mele eme o be, míalɔ̃ faa atsɔ nu sia nu si Yehowa bia tso mía si la asa vɔe bene míaƒe asi nasu “agbe vavã la” dzi. (1 Tim. 6:19) Eya ta ehiã vevie ŋutɔ be míawɔ ɖe nuxlɔ̃ame si Yesu na be ‘míadze ye yome ɖaa’ eye be ‘míadi fiaɖuƒea gbã’ la dzi.—Mat. 6:31-33; 24:13.

18. Kakaɖedzi kae ate ŋu anɔ mía si, eye nu ka tae?

18 Le nyateƒe me la, Yesu yome dzedze menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o, elabena abe ale si Yesu ŋutɔ xlɔ̃ nui ene la, ame aɖewo bu woƒe agbe ŋutɔŋutɔ le nuɖoanyi sia me le eyomedzedze ta. Gake abe Yesu ene la, míeƒoa asa na ‘nyuididi na mía ɖokuiwo.’ Míexɔ ŋugbe si wòdo na eyomedzela amesiamina siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la dzi se, be: “Meli kpli mi ŋkekeawo katã va se ɖe nuɖoanyia ƒe nuwuɣi.” (Mat. 28:20) Ekema mina míazã míaƒe ɣeyiɣi kple ŋutetewo katã ale si míate ŋui le gomekpɔkpɔ le subɔsubɔdɔ kɔkɔea me me. Ne míele ewɔm alea la, ekema míele eɖem le fiafiam be kakaɖedzi le mía si be Yehowa akpɔ mía ta le xaxa gã la me loo, alo afɔ mí ɖe tsitre le xexe yeyea me. (Heb. 6:10) Míato esia me aɖe ale si gbegbe míedea asixɔxɔ nunana si nye agbe ŋu la afia.

Ŋuɖoɖo Kawoe Nàna?

• Alekee Yesu ɖee fia le mɔ ɖedzesi nu be yelɔ̃ faa be yeasubɔ Mawu kple amegbetɔwo?

• Nu ka tae wòle be ame nagbe nu le eɖokui gbɔ, eye alekee?

• Le blema Israel la, vɔsa kawo ƒomevi koe dzea Yehowa ŋu, eye nufiame kae le esia me na mí egbea?

• Mɔ kawo nue míate ŋu azã míaƒe ɣeyiɣiwo nunyatɔe le?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Yesu wɔa nu siwo dzea Mawu ŋu ɣesiaɣi

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Israel vi siwo kpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu la tsɔ woƒe nu nyuitɔwo kekeake na le tadedeagu dzadzɛa dodo ɖe ŋgɔ me

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Mawu kpɔa ŋudzedze ɖe mía ŋu ne míezãa míaƒe ɣeyiɣiwo nunyatɔe