Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nya Vevi Siwo Tso Lɛta Siwo Woŋlɔ Ðo Ðe Tito, Filemon, Kpakple Hebritɔwo Me

Nya Vevi Siwo Tso Lɛta Siwo Woŋlɔ Ðo Ðe Tito, Filemon, Kpakple Hebritɔwo Me

Yehowa Ƒe Nya La Le Agbe

Nya Vevi Siwo Tso Lɛta Siwo Woŋlɔ Ðo Ðe Tito, Filemon, Kpakple Hebritɔwo Me

ƔEYIƔI aɖewo le apostolo Paulo ƒe gamenɔnɔ le Roma zi gbãtɔ le ƒe 61 M.Ŋ. me vɔ megbe la, eɖi tsa yi Kreta ƒukpo dzi. Esi wòkpɔ gbɔgbɔmenɔnɔme si me hame siwo nɔ afi ma nɔ la, egblẽ Tito ɖe afi ma be wòado ŋusẽ nɔviawo. Emegbe, ɖewohĩ esime Paulo nɔ Makedonia la, eŋlɔ lɛta aɖe ɖo ɖe Tito, si afia mɔe le eƒe dɔdeasiawo wɔwɔ me ahaɖo kpe edzi be yee ɖe mɔ nɛ be wòawɔ dɔ mawo.

Gake do ŋgɔ teti hafi woaɖe Paulo le gaxɔa me le ƒe 61 M.Ŋ. me la, eŋlɔ lɛta aɖe ɖo ɖe Filemon, si nye nɔviŋutsu Kristotɔ aɖe si nɔ Kolose. Emenyawo nye biabia tso ame xɔlɔ̃ si tufafatɔe be wòawɔ nane.

Le ƒe 61 M.Ŋ. ma ke lɔƒo me la, Paulo ŋlɔ lɛta ɖo ɖe Hebritɔ xɔsetɔ siwo le Yudea la tsɔ ɖe ale si Kristotɔnyenye ƒo Yuda subɔsubɔ ta sãsãsã la fia wo. Aɖaŋuɖoɖo nyuiwo le lɛta etɔ̃ siawo katã me na mí.—Heb. 4:12.

NƆ GBƆGBƆ ME LÃMESẼ ME

(Tito 1:1–3:15)

Le mɔfiamewo nana Tito ku ɖe ‘hamemetsitsiwo ɖoɖo tso du me yi du me’ ŋu vɔ megbe la, Paulo ɖo aɖaŋu nɛ be ‘wòayi edzi anɔ nya gbem na tosẽlawo vevie, bene woanɔ lãmesẽ me le xɔse la me.’ Exlɔ̃ nu hame siwo katã nɔ Kreta la me tɔwo be ‘woagbe nu le mawumavɔ̃mavɔ̃ nuwɔnawo gbɔ ahanɔ agbe le ŋuɖɔɖo me.’—Tito 1:5, 10-13; 2:12.

Paulo ɖo aɖaŋu bubu siwo akpe ɖe nɔvi siwo le Kreta la ŋu be woanɔ gbɔgbɔ me lãmesẽ me la na wo. Exlɔ̃ nu Tito be wòaƒo asa na “bometsitsi ƒe nyahehewo kple . . . dzrewɔwɔ le Se la ŋu.”—Tito 3:9.

Ŋɔŋlɔawo Me Biabiawo Ŋu Ðoɖo:

1:15—Alekee “nuwo katã” ate ŋu anɔ “dzadzɛ na ame dzadzɛwo,” evɔ womanɔ dzadzɛ na “ame makɔmakɔwo kple dzimaxɔsetɔwo” ya o? Nya sia ƒe ŋuɖoɖoa nɔ te ɖe “nuwo katã” si Paulo yɔ la gɔme sese nyuie dzi. Menye nu siwo ŋu Mawu ƒe Nya si woŋlɔ ɖi tsi tsitre ɖo tẽe la ŋue Paulo le nu ƒom tso le afi sia o, ke boŋ nu siwo ŋu Ŋɔŋlɔawo ɖe mɔ le be xɔsetɔwo ŋutɔ nanɔ te ɖe woƒe dzitsinya dzi awɔ nyametsotso le lae. Le ame siwo ƒe nuŋububu wɔ ɖeka kple Mawu ƒe dzidzenuwo gome la, nu siawo le dzadzɛ. Gake mele alea le ame siwo ƒe nuŋububu tro, eye woƒe dzitsinya ƒo ɖi ya gome o. *

3:5—Alekee woɖe Kristotɔ amesiaminawo ‘to tsilename’ dzi ‘hewɔ wo yeyee to gbɔgbɔ kɔkɔe la dzi’? ‘Woɖe wo to tsilename’ dzi le gɔmesesea nu be Mawu nɔ te ɖe tafea dzi le tsi na wo, alo kɔ wo ŋu to Yesu ƒe ʋu me. ‘Wowɔa wo yeyee to gbɔgbɔ kɔkɔe la dzi’ le mɔ sia nu be wozu Mawu ƒe gbɔgbɔmeviwo, alo “nuwɔwɔ yeye.”—2 Kor. 5:17.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme Na Mí:

1:10-13; 2:15. Ele be Kristotɔ dzikpɔlawo naɖɔ nu gbegblẽwo ɖo le hamea me dzinɔameƒotɔe.

2:3-5. Abe ale si wònɔ le ƒe alafa gbãtɔa me ene la, ele be nɔvinyɔnu Kristotɔ siwo tsi le gbɔgbɔ me la nawɔ nu “le mawuvɔvɔ̃ me, woaganye ameŋugblẽlawo o, eye woagazu kluvi na wain geɖe nono o, woanye nu nyui fialawo.” Esia ana woate ŋu asu te afia nu ‘ɖetugbui’ siwo le hamea me la nyuie ne woawo kpli wo ɖeɖe woli.

3:8, 14. ‘Enyo eye viɖe le eŋu’ be míana míaƒe “susu nanɔ dɔ nyuiwo wɔwɔ ŋu,” elabena esia ana míatse ku le subɔsubɔdɔa me, eye wòana míakpɔtɔ aɖe ɖe vovo tso xexe vɔ̃ɖi sia gbɔ.

XLƆ̃ NU “LE LƆLƆ̃ ME”

(Filem. 1-25)

Paulo kafu Filemon ɖe eƒe “lɔlɔ̃ kple xɔse” ta. Paulo kpɔ “dzidzɔ kple akɔfafa geɖe” le ale si Filemon nana hati Kristotɔwo ƒe dzi dzea eme la ta.—Filem. 4, 5, 7.

Paulo ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe na dzikpɔlawo katã le ale si wòkpɔ ŋkubiãnya si do mo ɖa ku ɖe Onesimo ŋu la gbɔ to nuxɔxlɔ̃ “le lɔlɔ̃ me” dzi ke menye to gbeɖeɖe dzi o la me. Egblɔ na Filemon be: “Esi meɖo ŋu ɖe wò toɖoɖo ŋu ta la, mele agbalẽ sia ŋlɔm na wò, eye menyae be àwɔ nu geɖe wu esiwo megblɔ kura gɔ̃ hã.”—Filem. 8, 9, 21.

Ŋɔŋlɔawo Me Biabiawo Ŋu Ðoɖo:

10, 11, 18—Alekee Onesimo “si ŋu viɖe aɖeke menɔ” tsã o la va zu ame si ŋu “viɖe le”? Onesimo nye kluvi si mewɔa eƒe dɔa tso dzi me faa o, eye wòsi dzo le eƒe aƒetɔ Filemon ƒe aƒe me le Kolose yi ɖe Roma. Anɔ eme hã be Onesimo fi aƒetɔa ƒe ga tsɔ wɔ mɔzɔzɔ sia si didi kilometa 1,400 sɔŋ la. Esia wɔe be viɖe aɖeke menɔ eŋu na Filemon o. Gake esi Onesimo va ɖo Roma la, Paulo kpe ɖe eŋu wòva zu Kristotɔ. Fifia si wòzu gbɔgbɔmenɔvi la, “viɖe” va le kluvi sia “si ŋu viɖe aɖeke menɔ” tsã o la ŋu.

15, 16—Nu ka tae Paulo mebia tso Filemon si be wòana ablɔɖe Onesimo o? Paulo di be yealé mo ɖe dɔ si wode asi na ye la ɖeɖe ko wɔwɔ ŋu, si nye ‘gbeƒãɖeɖe Mawu fiaɖuƒe la kple nu siwo ku ɖe Aƒetɔ Yesu Kristo ŋu la fiafia.’ Eya tae wòtiae be yemade nu hadomenyawo, abe esiwo ku ɖe kluvinyenye ŋu ene la, me o ɖo.—Dɔw. 28:31.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme Na Mí:

2. Filemon na wowɔa Kristotɔwo ƒe kpekpewo le eƒe aƒe me. Mɔnukpɔkpɔ gã aɖee wònye be míana woanɔ kpekpem le míaƒe aƒe me hena gbeadziyiyi.—Rom. 16:5; Kol. 4:15.

4-7. Ele be míaɖoe koŋ anɔ haxɔsetɔ siwo ɖoa kpɔɖeŋu nyui le xɔse kple lɔlɔ̃ me la kafum.

15, 16. Mele be agbemenudzɔdzɔ gbãdzinamewo nana míatsi dzimaɖi fũu akpa o. Ate ŋu adzɔ be nu nyuiwoe ava do tso wo me mlɔeba, abe ale si nuwo va yii le Onesimo ƒe nyaa gome ene.

21. Paulo bia tso Filemon si be wòatsɔ Onesimo ƒe vodadawo akee. Nenema kee wobia tso míawo hã si be míatsɔ anɔ mía nɔvi siwo ada vo ɖe mía ŋu la kem.—Mat. 6:14.

YI ŊGƆ ÐO TSITSINYENYE GBƆ’

(Heb. 1:1–13:25)

Be Paulo nate gbe ɖe edzi be Yesu dzi xɔxɔ se le vevie sãsãsã wu Se la ƒe dɔwɔwɔwo la, ete gbe ɖe ale si gbegbe Kristotɔnyenye Gɔmeɖoanyila la, eƒe nunɔlanyenyea, eƒe vɔsaa, kple eƒe nubabla yeyea nyo sãsãsã wu la dzi. (Heb. 3:1-3; 7:1-3, 22; 8:6; 9:11-14, 25, 26) Anɔ eme be esia nyanya kpe ɖe Hebri Kristotɔwo ŋu wote ŋu kpe akɔ kple ale si Yudatɔwo nɔ wo yome timee la. Paulo xlɔ̃ nu Hebritɔ haxɔsetɔ siawo be “[woayi] ŋgɔ aɖo tsitsinyenye gbɔ.”—Heb. 6:1.

Aleke gbegbee xɔse le vevie na Kristotɔwo? Paulo gblɔ be: “Ne xɔse mele ame si o la, mate ŋu adze [Mawu ŋu] nyuie o.” Ede dzi ƒo na Hebritɔawo be: “Mina míatsɔ dzidodo anɔ duɖimekeke si woɖo na mí la dzi” le xɔse me.—Heb. 11:6; 12:1.

Ŋɔŋlɔawo Me Biabiawo Ŋu Ðoɖo:

2:14, 15—Ðee ale si Satana “ate ŋu ahe ku avae” la ɖee fia be ate ŋu ana ame sia ame si ko wòdi la naku kukpoa? Menye nenemae kura o. Gake tso esime Satana ƒe vɔ̃ɖinyenyea dze egɔme le Eden la, eƒe alakpanyawo na Adam wɔ nu vɔ̃, eye nu vɔ̃ kple ku va zu domenyinu si wògblẽ ɖi na amegbetɔƒomea. (Rom. 5:12) Gawu la, Satana dzi dela siwo le anyigba dzi la ti Mawu subɔlawo yome hewu wo dometɔ aɖewo gɔ̃ hã, abe ale si wònɔ le Yesu gome ene. Ke hã, esia mefia be ŋusẽ si seɖoƒe meli na o le Satana si be wòatsɔ awu ame sia ame si wòdi o. Ne nenemae wòle la, anye ne ebu mo na Yehowa subɔlawo katã gbe aɖe gbe ke. Yehowa kpɔa eƒe amewo ƒe ƒuƒoƒo la ta, eye meɖea mɔ be Satana natsrɔ̃ wo ɖa o. Ne Mawu ɖe mɔ mía dometɔ aɖewo ku le Satana ƒe amedzidzedzewo me hã la, kakaɖedzi ate ŋu anɔ mía si be Mawu aɖɔ nu sia nu si gblẽ le mía ŋu la ɖo.

4:9-11—Alekee ‘míegena ɖe Mawu ƒe dzudzɔ la me’? Le nuwɔwɔwo ƒe ŋkeke adeawo megbe la, Mawu dzudzɔ, heka ɖe edzi be tame si yeɖo ɖe anyigba la kple ameƒomea ŋu ava eme. (1 Mose 1:28; 2:2, 3) ‘Míegena ɖe dzudzɔ ma me’ to asaƒoƒo na afiatsotso na ame ɖokui ƒe dɔwɔnawo kple nana be ɖoɖo si Mawu wɔ hena ameƒomea ɖeɖe la naɖe vi na mí me. Ne míexɔa Yehowa dzi se hedzea Via yome toɖoɖotɔe tsɔ wu be míati mía ŋutɔ míaƒe ɖokuitɔdidi ƒe viɖewo yome la, míekpɔa yayra siwo naa dzidzeme kple gbɔdzɔe mi gbe sia gbe.—Mat. 11:28-30.

9:16—Ame kae nye “nublala, si nye amegbetɔ” la? Yehowae Wɔ nubabla yeye la, eye Yesue nye “nublala, si nye amegbetɔ” la. Yesue nye nubabla ma ƒe Avuléla, eye wòto eƒe kua dzi wɔ vɔsa si hiã bene nubablaa nate dɔwɔwɔ.—Luka 22:20; Heb. 9:15.

11:10, 13-16—“Du” ka lalam Abraham nɔ? Kpɔɖeŋudue wònye, ke menye du ŋutɔŋutɔe o. “Dziƒo Yerusalem,” si nye Yesu kple eƒe hatidziɖula 144,000 la, lalam Abraham nɔ. Woyɔ eƒe hatidziɖula siawo le woƒe dziƒo ŋutikɔkɔea me be “du kɔkɔe, si nye Yerusalem Yeye.” (Heb. 12:22; Nyaɖ. 14:1; 21:2) Abraham nɔ mɔ kpɔm na agbenɔnɔ le Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu te vevie.

12:2—Nu kae nye “dzidzɔ si wotsɔ ɖo [Yesu ŋkume],” si ta wòdo dzi “kpe fuwɔameti ŋuti fu” la ɖo? Eyae nye dzidzɔ si wòanye nɛ be wòakpɔ nu siwo ado tso eƒe subɔsubɔdɔa me la, siwo ƒe ɖewoe nye Yehowa ƒe ŋkɔa ŋuti kɔkɔ, Mawu ƒe dziɖulanyenyea ta ʋiʋli, kple tafea xexe atsɔ aɖe amegbetɔƒomea tso ku me. Yesu ƒe susu nɔ teƒeɖoɖo si nɔ eŋgɔ, si nye dziɖuɖu abe Fia ene kple subɔsubɔ abe Nunɔlagã ene hena ameƒomea ƒe nyonyo la hã dzi.

13:20—Nu ka tae wogblɔ be nubabla yeye la nye “nubabla mavɔ” ɖo? Susu etɔ̃ tae: (1) Bubu aɖeke mava xɔ ɖe eteƒe o, (2) nu siwo do tso eme la anɔ anyi ɖaa, eye (3) nubabla yeye ƒe ɖoɖoa ayi edzi anɔ vi ɖem na ‘alẽ bubuawo’ le Harmagedon megbe.—Yoh. 10:16.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme Na Mí:

5:14. Ele be míanɔ Mawu ƒe Nya, Biblia la, srɔ̃m veviedodotɔe, eye míanɔ nu siwo srɔ̃m míele le eme la dzi wɔm. Mɔ bubu aɖeke meli si dzi míate ŋu ato ‘ana hehe míaƒe nugɔmesese ƒe ŋutetewo bene míade vovototo nyui kple vɔ̃ dome’ wu esia o.—1 Kor. 2:10.

6:17-19. Nana be míaƒe mɔkpɔkpɔa nali ke sesĩe ɖe Mawu ƒe ŋugbedodo kple eƒe atamkaka me akpe ɖe mía ŋu be míagatra ɖa le nyateƒemɔa dzi o.

12:3, 4. Negadzɔ gbeɖe be nɔnɔme sesẽ alo tsitretsiɖeŋu suesuesue siwo ava mía dzi la nana ‘ɖeɖi nate mía ŋu, eye míagbɔdzɔ le míaƒe luʋɔwo me o,’ ke boŋ ele be míayi ŋgɔ aɖo ta tsitsinyenye gbɔ ahadzi míaƒe ŋutete be míado dzi le nɔnɔme sesẽwo me ɖe edzi. Ele be míaɖoe kplikpaa ado dzi “va se ɖe keke ʋu me ke,” si fia va se ɖe ku me ke.—Heb. 10:36-39.

12:13-15. Mele be míaɖe mɔ “aɖi ƒe ke,” alo ame sia ame si nɔa nyatoƒoe tom ɖe ale si nuwo le yiyim le hamea me ŋu la, nana míado kpo ‘mɔ dzɔdzɔe ɖeɖe na míaƒe afɔwo’ o.

12:26-28. Woaʋuʋu “nu siwo wowɔ,” evɔ menye Mawu ƒe asie wɔ wo o la—fifi nuɖoanyi bliboa, “dziƒo” vɔ̃ɖia hã le eme—ahaɖe wo ɖa keŋkeŋ. Ne esia dzɔ la, “nu siwo ʋuʋum womele o,” siwo nye Fiaɖuƒe la kple ame siwo le eƒe akpa dzi, koe atsi anyi. Aleke gbegbe wòle vevie be míado vevie nu le gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒea kple agbenɔnɔ ɖe eƒe gɔmeɖosewo nu mee nye esi!

13:7, 17. Nana be toɖoɖo dzikpɔla siwo le hamea me kple mía ɖokui bɔbɔ ɖe wo te ƒe aɖaŋuɖoɖo sia nanɔ susu me na mí akpe ɖe mía ŋu míawɔ nu kpli wo aduadu.

[Etenuŋɔŋlɔ]