Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Ƒe “Aɖabawo” Doa Ame sia ame Kpɔna

Yehowa Ƒe “Aɖabawo” Doa Ame sia ame Kpɔna

Yehowa Ƒe “Aɖabawo” Doa Ame sia ame Kpɔna

“[Yehowa ƒe] aɖabawo doa amegbetɔviwo kpɔna.”—PS. 11:4.

1. Ame kawo ƒomevi ƒe nue léa dzi na mí?

ALEKEE nèsena le ɖokuiwò me ɖe ame siwo tsɔa ɖe le eme na wò vevie la ŋu? Ne èbia woƒe nukpɔsusu la, wogblɔnɛ anukwaretɔe. Ne èhiã kpekpeɖeŋu la, wokpena ɖe ŋuwò tso dzi me faa. Ne èhiã aɖaŋuɖoɖo la, woɖoa aɖaŋu na wò le lɔlɔ̃ me. (Ps. 141:5; Gal. 6:1) Ðe ame mawo tɔgbi ƒe nu meléa dzi na wò oa? Nenema tututue Yehowa kple Via wole. Le nyateƒe me la, woƒe ɖetsɔtsɔ le eme na wò ƒo amegbetɔ ɖe sia ɖe tɔ ta, eye ɖokuitɔmadimadi ƒe lɔlɔ̃ koŋue ʋãa wo; woƒe didie nye be yewoakpe ɖe ŋuwò wò “asi nasu agbe vavã la dzi.”—1 Tim. 6:19; Nyaɖ. 3:19.

2. Aleke gbegbee Yehowa tsɔa ɖe le eme na esubɔlawoe?

2 Hakpala David ɖe ale si gbegbe Yehowa tsɔa ɖe le eme na mí la gblɔ ale: “[Yehowa ƒe] ŋkuwo le ekpɔm, eƒe aɖabawo doa amegbetɔviwo kpɔna.” (Ps. 11:4) Ɛ̃, menye ɖeko Mawu kpɔa mí o, ke boŋ edoa kpɔna hã. David ŋlɔ hã be: “Èdo nye dzi kpɔ, eye nèɖe ŋku ɖem le zã me . . . eye mèkpɔ naneke le ŋunye o; eye susu vɔ̃ɖiwo medona le nunye o.” (Ps. 17:3) Edze ƒãa be David nya ale si gbegbe Yehowa tsɔ ɖe le eme nɛ. Enyae be ne susu vɔ̃wo le ye me, alo dzi vɔ̃ɖi le ye si la, ado dziku na Yehowa, eye magakpɔ ŋudzedze ɖe ye ŋu o. Ðe nèbua Yehowa be enye ame ŋutɔŋutɔ na ye abe ale si wònɔ na David enea?

Yehowa Kpɔa Dzi La Me

3. Alekee Yehowa wɔa nu ɖe vodada siwo míewɔna le blibomademade ta la ŋu le dadasɔ me?

3 Míaƒe dzi me ƒe amenyenye—ame si tututu míenye le ememe—koŋ ŋue Yehowa léa ŋku ɖo. (Ps. 19:15; 26:2) Lɔlɔ̃tɔe la, menɔa ŋku lém ɖe míaƒe vodada suesuesuewo ŋu o. Le kpɔɖeŋu me, esime Abraham srɔ̃ Sara megblɔ nyateƒea tututu na mawudɔla aɖe si ɖe eɖokui fiae le amegbetɔ ƒe nɔnɔme me o la, mawudɔlaa de dzesii ƒãa be vɔvɔ̃e ɖoe alo ɖe wòtɔtɔ le eɖokui me, eya ta ɖeko wògbe nya nɛ tufafatɔe. (1 Mose 18:12-15) Esime blemafofo Hiob bu “eɖokui dzɔdzɔetɔe wu Mawu” la, esia mena Yehowa gbe eyayra o, le esi wònya be ekpe fu vevie le Satana si me ta. (Hiob 32:2; 42:12) Nenema kee Yehowa medo dziku ɖe ahosi si nɔ Zarpat la ŋu le esi wòhe nya ɖe Eliya ŋu ta o. Mawu se egɔme be via ƒe ku na wònɔ nu xam vevie.—1 Fia. 17:8-24.

4, 5. Alekee Yehowa ɖe ameŋububu fia le ale si wòwɔ nu ɖe Abimelex ŋu me?

4 Esi wònye be Yehowa doa dzi la kpɔna ta la, eɖea ameŋububu fiaa dzimaxɔsetɔwo gɔ̃ hã. Bu ale si wòwɔ nu ɖe Abimelex, si nye Filistitɔwo ƒe du Gerar ƒe fia, ŋu la ŋu kpɔ. Esi Abimelex menya be Abraham srɔ̃e Sara nye o ta la, ekplɔ Sara be wòazu ye srɔ̃. Gake hafi Abimelex nayi asi de ge eŋu la, Yehowa gblɔ nɛ le drɔ̃e aɖe me be: ‘Nye hã menyae bena, wò dzi me kɔ le ewɔwɔ me; eya ta metso wò xɔ ɖo, be nàgade asi eŋu ahawɔ nu vɔ̃ ɖe ŋunye o. Azɔ gagbugbɔ nyɔnu la na srɔ̃a, elabena nyagblɔɖila wònye, eye wòaɖe kuku ɖe tawò, be nàtsi agbe.’—1 Mose 20:1-7.

5 Yehowa ate ŋu awɔ nu ɖe Abimelex si subɔa alakpamawuwo la ŋu dzikutɔe hafi. Gake Mawu kpɔe be ŋutsu la ɖi anukware le nya sia me. Esi Yehowa kpɔ esia dze sii ta la, egblɔ nu si wòle be fia la nawɔ be yeatsɔ eƒe nu vɔ̃wo akee be ‘wòatsi agbe’ la nɛ. Ðe menye Mawu sia tɔgbie nèdi be yeasubɔ oa?

6. Mɔ kawo nue Yesu srɔ̃ Fofoa le?

6 Yesu srɔ̃ Fofoa le mɔ deblibo nu, le ale si wòtsɔa eƒe susu ɖoa eƒe nusrɔ̃lawo ƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu hetsɔa woƒe vodadawo kea wo faa la me. (Mar. 10:35-45; 14:66-72; Luka 22:31, 32; Yoh. 15:15) Yesu wɔ nu wòsɔ kple eya ŋutɔ ƒe nya si dze le Yohanes 3:17 la be: “Mawu dɔ Via ɖo ɖe xexea me, menye be wòadrɔ̃ ʋɔnu xexea o, ke boŋ be woaɖe xexea to eyama dzi.” Nyateƒee, lɔlɔ̃ si le Yehowa kple Yesu si na mí la deto eye wònɔa anyi ɖaa. Esia dze le ale si wodi vevie be míakpɔ agbe la me. (Hiob 14:15) Lɔlɔ̃ ma na míese nu si tae Yehowa doa mí kpɔna, ale si wòbua míi, kple ale si wòwɔa nu ɖe nu siwo wòkpɔna le mía me ŋu la gɔme.—Mixlẽ 1 Yohanes 4:8, 19.

Edoa Mí Kpɔna Lɔlɔ̃tɔe

7. Susu ka tae Yehowa doa mí kpɔna?

7 Masɔ kura be míasusui be Yehowa le abe kpovitɔ aɖe si le dziƒo hele ŋku lém ɖe mía ŋu be yealé mí ne míele nu vɔ̃ɖi aɖe wɔm ene o! Satanae nɔa ŋku lém ɖe mía ŋu vɔ̃ɖitɔe henɔa mía nu tsom. (Nyaɖ. 12:10) Egblɔna gɔ̃ hã be susu vɔ̃wo le ame si, ne mele nenema o gɔ̃ hã! (Hiob 1:9-11; 2:4, 5) Hakpalaa ŋlɔ tso Mawu ŋu be: ‘Yehowa, ne èbe, yealé vodadawo ɖi la, Aƒetɔ, ame ka anɔ te ma?’ (Ps. 130:3) Ŋuɖoɖo si dze ƒãa ye nye, Ame aɖeke o! (Nyagb. 7:20) Ke boŋ Yehowa tsɔa eƒe nublanuikpɔkpɔ kple amenuveve ƒe ŋku kpɔa mí abe dzila lɔ̃ame si dina be yeakpɔ ye vi malɔ̃nugbɔawo ta tso afɔku me ene. Eɖoa ŋku míaƒe blibomademade kple gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi na mí edziedzi bene míate ŋu aƒo asa na afɔkudodo mía ɖokuiwo.—Ps. 103:10-14; Mat. 26:41.

8. Alekee Yehowa naa hehe esubɔlawo hefiaa mɔ wo?

8 Mawu ɖea eƒe lɔlɔ̃ fiaa mí to hehe kple mɔfiame siwo wònaa mí to Ŋɔŋlɔawo kple gbɔgbɔmenuɖuɖu siwo “kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela” nana mí la siaa dzi. (Mat. 24:45; Heb. 12:5, 6) Yehowa gakpena ɖe mía ŋu hã to Kristo hamea kpakple “nunana siwo nye amewo” le hameawo me dzi. (Ef. 4:8) Gawu la, Yehowa léa ŋku ɖe mía ŋu be yeakpɔ ale si míewɔa nu ɖe hehe si yenaa mí abe fofo lɔ̃ame ene la ŋu hedina be yeakpe ɖe mía ŋu geɖe wu. Psalmo 32:8 gblɔ be: “Mafia nu wò, eye mafia mɔ, si nàto la wò; maɖo aɖaŋu na wò, eye nye ŋku anɔ ŋuwò.” Eya ta aleke gbegbe wòle vevie be míanɔ to ɖom Yehowa ɣesiaɣi enye esi! Ele be míabɔbɔ mía ɖokui le eŋkume ahalɔ̃ ɖe edzi be eyae nye míaƒe Nufiala kple Fofo lɔ̃ame.—Mixlẽ Mateo 18:4.

9. Nɔnɔme gbegblẽ kawoe wòle be míaƒo asa na, eye nu ka tae?

9 Gake mele be míana dada, xɔsemanɔamesi, alo “nu vɔ̃ ƒe amebleŋusẽ” nana míaƒe dzi me nasẽ o. (Heb. 3:13; Yak. 4:6) Zi geɖe la, nɔnɔme siawo doa mo ɖa ne ame ɖe mɔ nu gbegblẽwo kple dzodzro vɔ̃wo va te susu me xɔxɔ nɛ. Ate ŋu ava ɖo afi aɖe si wòava nɔ aɖaŋu siwo wonɔ te ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi ɖo nɛ la gbem. Esi gavɔ̃ɖi wue nye be, ate ŋu ayi edzi alé eƒe zɔzɔme alo nɔnɔme gbegblẽa me ɖe asi ale gbegbe be ava wɔ eɖokui Mawu ƒe futɔe—nɔnɔme dziŋɔ ka gbegbee nye esi si me ame aƒo eɖokui ɖo! (Lod. 1:22-31) Bu Kain, Adam kple Eva viŋutsu gbãtɔa ƒe kpɔɖeŋu ŋu kpɔ.

Yehowa Kpɔa Nu Sia Nu Hewɔa Nu Ðe Eŋu Ale Si Dze

10. Nu ka tae Yehowa mekpɔ ŋudzedze ɖe Kain ƒe vɔsaa ŋu o, eye alekee Kain wɔ nui?

10 Esime Kain kple Abel wotsɔ nanewo va sa vɔ na Yehowa la, menye woƒe vɔsanuawo ŋu koe wòle ŋku ɖo o, ke nu si ʋã wo hã ŋue. Esia na Mawu kpɔ ŋudzedze ɖe vɔ si Abel sa le xɔse me la ŋu, gake mekpɔ ŋudzedze ɖe Kain si ɖe xɔsemanɔamesi fia le mɔ aɖe nu la ƒe vɔsa ya ŋu o. (1 Mose 4:4, 5; Heb. 11:4) Le esi wòle be Kain nasrɔ̃ nu tso nudzɔdzɔa me ahatrɔ eƒe nɔnɔme teƒe la, ɖe wòdo dziku ɖe nɔvia ŋu boŋ.—1 Mose 4:6.

11. Aleke wɔ dzi vɔ̃ɖi va nɔ Kain si, eye nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso esia me?

11 Yehowa kpɔ nɔnɔme vɔ̃ɖi si le Kain me eye wòxlɔ̃ nui lɔlɔ̃tɔe hegblɔ nɛ be, ne ewɔ nyui la eƒe ŋku me akɔ. Nublanuitɔe la, Kain do toku Ewɔlaa ƒe nuxlɔ̃amea eye wòwu nɔvia. Dzi vɔ̃ɖi si va nɔ Kain si la gadze le ale si wòɖo nya ŋu na Mawu amemabumabutɔe me esime Mawu biae be: ‘Afi kae nɔviwò Abel le?’ Kain ɖo eŋu dzikutɔe be: “Nyemenyae o! Alo nɔvinye dzikpɔla menyea?” (1 Mose 4:7-9) Aleke gbegbee ame ƒe dzi ate ŋu ablee, be wòaɖi gbɔ aɖaŋu si Mawu ŋutɔ ɖo nɛ tẽe la gɔ̃ hãe nye esi! (Yer. 17:9) Eya ta mina míasrɔ̃ nu tso nudzɔdzɔ siawo me bene míaƒo asa na susu kple dzodzro vɔ̃wo kaba enumake. (Mixlẽ Yakobo 1:14, 15.) Ne wozã Ŋɔŋlɔawo tsɔ ɖo aɖaŋu na mí la, ele be míada akpe ɖe eta ahakpɔe be enye kpeɖodzi be Yehowa lɔ̃ mí.

Nu Vɔ̃ Ɣaɣla Aɖeke Meli O

12. Alekee Yehowa wɔa nu ɖe nu gbegblẽ wɔwɔ ŋu?

12 Ame aɖewo ate ŋu asusu be ne yewowɔ nu vɔ̃ eye ame aɖeke mekpɔ eteƒe o ko la, ke eƒe seɖoƒee nye ema. (Ps. 19:13) Le mɔ aɖe nu la, nu vɔ̃ aɖeke meli si woayɔ be nu vɔ̃ ɣaɣla o. “Woklo nu le nuwo katã dzi, eye wodze gaglãa le ame si wòle be míabu akɔnta na la ŋkume.” (Heb. 4:13) Yehowa nye Ʋɔnudrɔ̃la si doa nu si ʋãa mí le ememe míewɔa nu la kpɔna, eye wòwɔa nu ɖe nu gbegblẽ si míewɔ ŋu le dzɔdzɔenyenye deblibo me. Enye ‘nublanuikpɔla kple amenuve Mawu, ame si gbɔa dzi blewu, eye eƒe amenuveve kple nuteƒewɔwɔ sɔ gbɔ.’ Ke hã, ne ame ‘ɖoa nu vɔ̃ nɔa wɔwɔm’ dzimematrɔmatrɔe, alo wɔa alakpanu ameflutɔe la, “megbea tohehe [nɛ] o.” (2 Mose 34:6, 7; Heb. 10:26) Nyateƒenya sia dze le ale si Yehowa wɔ nu ɖe Axan, kpakple Anania kple Safira ŋu me.

13. Alekee wòdze ƒãa be nuŋububu gbegblẽe na Axan va wɔ nu vɔ̃?

13 Axan ɖoe koŋ da Mawu ƒe se dzi esime wòtsɔ aboyonu aɖewo tso Yerixo du la me ɖaɣla ɖe eƒe agbadɔ me, ɖewohĩ le eƒe ƒomea me tɔwo ƒe nyanya me. Esi Axan ƒe nu vɔ̃a va dze go la, ekpɔe be ŋkubiãnyae nu si yewɔ la nye, elabena egblɔ be: ‘Mewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu.’ (Yos. 7:20) Dzi vɔ̃ɖi va su Axan si abe Kain ke ene. Le Axan gome la, ŋukeklẽ koŋue nye eƒe kuxia, eye esia na wòva zu ameflunuwɔla. Esi wònye be Yehowa tɔe Yerixo ƒe aboyonuawo nye ta la, míagblɔe ko be Mawu ƒe nuwoe nye ema Axan fi, eye esia he ku vɛ na eya kple eƒe ƒomea siaa.—Yos. 7:25.

14, 15. Nu ka tae wòsɔ be Mawu mekpɔ ŋudzedze ɖe Anania kple Safira ŋu o, eye nu kae míesrɔ̃ tso eme?

14 Anania kple srɔ̃a Safira nye Kristotɔwo ƒe hame gbãtɔ si nɔ Yerusalem la me tɔwo. Le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste megbe la, wowɔ ɖoɖo be nɔviwo katã nadzɔ nu hena xɔsetɔ yeye siwo tso didiƒe va Yerusalem hetsi anyi hena ɣeyiɣi aɖe la, ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ na wo. Enye lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔ ƒe ɖoɖo. Anania dzra anyigba aɖe, eye wòtsɔ gaa ƒe ɖe yi ɖana. Ke hã, egblɔ be ga si yewodzra anyigba la katãe nye ema, eye wòle nyanya na srɔ̃ hã. Ðikeke mele eme o be ɖe atsu kple asi sia di be bubu tɔxɛ aɖe nanɔ yewo ŋu le hamea me. Gake ameflunue wònye wowɔ. To nukumɔ aɖe nu la, Yehowa ɖe woƒe alakpanuwɔwɔa fia apostolo Petro, si bia nya Anania tso eŋu. Enumake Anania dze anyi heku. Ema megbe kpuie la, Safira hã ku.—Dɔw. 5:1-11.

15 Menye nuɖiɖeame ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖee nu si Anania kple Safira wɔ la nye o. Ðe woɖoe koŋ da alakpa be yewoaflu apostoloawo. Nu si gavɔ̃ɖi wue nye be ‘woda alakpa na Mawu kple gbɔgbɔ kɔkɔe la.’ Ale si Yehowa wɔ nu le nya sia me la ɖee fia kɔtɛ be ele klalo hena alakpanuwɔla ɖe sia ɖe ɖeɖeɖa le hamea me atsɔ akpɔ hamea ta. “Ŋɔdzinue wònye be ame nadze Mawu gbagbe la ƒe asi me” vavã!—Heb. 10:31.

Lé Fɔmaɖimaɖi Me Ðe Asi Ɣeawokatãɣi

16. (a) Alekee Satana le agbagba dzem be yeana Mawu ƒe amewo nawɔ nu gbegblẽ? (b) Mɔnu kawo zãmee Abosam le be yeatsɔ ana amewo nawɔ nu gbegblẽ le miaƒe nutoa me?

16 Satana le agbagba ɖe sia ɖe dzem be yeana míawɔ nu gbegblẽ bene Yehowa nagakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu o. (Nyaɖ. 12:12, 17) Abosam ƒe tameɖoɖo vɔ̃ɖiawo dze ƒãa le ale si xexea me yɔ fũu kple gbɔdɔnuwɔna manɔsenuwo kple ŋutasẽnuwɔnawo la me. Eva le bɔbɔe egbea ŋutɔ be amewo nakpɔ amamaɖeɖenuwɔnawo to kɔmpiuta alo elektronikmɔ̃ bubuwo dzi. Negadzɔ gbeɖe be míaɖe mɔ Satana ƒe mɔ̃wo naɖe mí o. Ðe eteƒe la, mina míase le mía ɖokui me abe hakpala David ene, ame si gblɔ be: “Malé ŋku ɖe maɖifɔmɔ ŋu. . . . Mazɔ le nye dzi ƒe fɔmaɖimaɖi me le aƒenye me.”—Ps. 101:2.

17. (a) Nu ka tae Yehowa va ʋua go nu vɔ̃ siwo le ɣaɣla la mlɔeba? (b) Nu kae wòle be wòanye míaƒe tameɖoɖo kplikpaa?

17 Egbea la, Yehowa megatoa nukumɔ dzi ɖea nu vɔ̃ gãwo alo ameflunuwɔnawo ɖe go abe ale si wòwɔe ɣeaɖewoɣi va yi ene o. Ke hã, ele nu sia nu kpɔm, eye le eya ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi la, eɖea nuwɔna gbegblẽ siwo le ɣaɣla la ɖe go le mɔ si eya ŋutɔ di nu. Paulo gblɔ be: “Ame aɖewo ƒe nu vɔ̃wo dzena le amewo katã ŋkume, eye wokplɔ wo yia ʋɔnudɔdrɔ̃ me tẽe, gake le ame bubuwo gome la, woƒe nu vɔ̃wo va dzena emegbe.” (1 Tim. 5:24) Lɔlɔ̃ koŋue ʋãa Yehowa wòɖea nu gbegblẽwo ɖe go. Elɔ̃ hame la, eye wòdi be yeakpɔ eƒe dzadzɛnyenye ta. Gawu la, ekpɔa nublanui na ame siwo wɔ nu vɔ̃, eye wotrɔ dzi me ŋutɔŋutɔ azɔ la. (Lod. 28:13) Eya ta mina míadze agbagba vevie be míatsɔ dzi blibo anɔ Mawu subɔm, eye míaƒo asa na nu sia nu si akpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe mía dzi.

Tsɔ Dzi Blibo Subɔ Yehowa

18. Alekee Fia David di be ye vi nase le eɖokui me ku ɖe Mawu ŋu?

18 Fia David gblɔ na via Salomo be: “Dze si fofowò ƒe Mawu la, eye nàsubɔe kple dzi blibo kpakple luʋɔ blibo, elabena Yehowa dzroa dziwo katã me kpɔna, eye wònya tamesusuwo katã!” (1 Kron. 28:9) David di be ye via nawɔ nu si de ŋgɔ wu Mawu dzi xɔxɔ se ko. Edi be Salomo nakpɔ ŋudzedze ɖe ale si gbegbe Yehowa tsɔa ɖe le eme na Mawu subɔlawoe la ŋu. Ðe wò hã nèkpɔa ŋudzedze ɖe Yehowa ŋu nenema?

19, 20. Le Psalmo 19:8-12 ƒe nya nu la, nu kae kpe ɖe David ŋu wòte ɖe Mawu ŋu, eye alekee míate ŋu asrɔ̃ David?

19 Yehowa nyae be ame siwo si dzi nyui le la ate ɖe ye ŋu, eye nusɔsrɔ̃ tso yeƒe nɔnɔme lédzinameawo ŋu ado dzidzɔ na wo ŋutɔ. Eya tae Yehowa di be míanya ye ahanya nu tso yeƒe amenyenye nyoameŋu la ŋu ɖo. Aleke míate ŋu awɔ esiae? To eƒe Nya la sɔsrɔ̃ kple ale si wòyraa mí geɖe le agbe me la kpɔkpɔ dze sii me.—Lod. 10:22; Yoh. 14:9.

20 Ðe nètsɔa ŋudzedzekpɔkpɔ xlẽa Mawu ƒe Nya la gbe sia gbe gbedodoɖatɔea? Ðe nèkpɔa vevienyenye si le agbenɔnɔ ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo nu ŋu la dzea sia? (Mixlẽ Psalmo 19:8-12.) Ne nenemae la, wò xɔse kple wò lɔlɔ̃ na Yehowa ayi edzi anɔ to dem ɖe edzi. Eye eya hã ate ɖe ŋuwò kplikplikpli wu, eye ànɔ zɔzɔm kplii asi le asi me, le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu. (Yes. 42:6; Yak. 4:8) Ɛ̃, Yehowa ayi edzi anɔ eƒe lɔlɔ̃ ɖem fia wò to ale si wòayra wò ahakpɔ tawò le gbɔgbɔ me esi nèle zɔzɔm le mɔ xaxɛ si kplɔa ame yia agbe me dzi la dzi.—Ps. 91:1, 2; Mat. 7:13, 14.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Nu ka tae Yehowa doa mí kpɔna?

• Nu kae na ame aɖewo va zu Mawu ƒe futɔwo?

• Alekee míate ŋu aɖee afia be míebua Yehowa ame ŋutɔŋutɔe?

• Nu kae míawɔ be míate ŋu ayi edzi atsɔ dzi blibo anɔ Mawu subɔm?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 4]

Alekee Yehowa léa ŋku ɖe mía ŋu abe dzila lɔ̃ame ene?

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Nu kae míesrɔ̃ tso kpɔɖeŋu gbegblẽ si Anania ɖo la me?

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Nu kae akpe ɖe mía ŋu míayi edzi atsɔ dzi blibo anɔ Yehowa subɔm?