Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Léa Ŋku Ðe Mía Ŋu Hena Míaƒe Nyui

Yehowa Léa Ŋku Ðe Mía Ŋu Hena Míaƒe Nyui

Yehowa Léa Ŋku Ðe Mía Ŋu Hena Míaƒe Nyui

‘Yehowa ƒe ŋku kpɔa anyigba blibo la dzi, eye wòdoa ŋusẽ ame siwo ku ɖe eŋu kple woƒe dzi blibo.’—2 KRON. 16:9.

1. Nu ka tae Yehowa léa ŋku ɖe mía ŋu?

FOFO debliboe Yehowa nye. Enya mí nyuie ale gbegbe be enya míaƒe “tamesusuwo katã” gɔ̃ hã. (1 Kron. 28:9) Ke hã, menye ɖee wòléa ŋku ɖe mía ŋu be yeadi vodada le mía ŋu o. (Ps. 11:4; 130:3) Ke boŋ ɖe wòdina be yeakpɔ mía ta tso nu sia nu si agblẽ mía kplii dome ƒomedodoa alo míaƒe agbe mavɔ nɔnɔ ƒe mɔnukpɔkpɔa dome la me lɔlɔ̃tɔe.—Ps. 25:8-10, 12, 13.

2. Ame kawo tae Yehowa zãa eƒe ŋusẽa tsɔ kpɔna?

2 Ŋusẽ si ɖeke mesɔ kpli o ye le Yehowa si eye wòkpɔa nu sia nu. Le susu sia ta, ate ŋu axɔ na esubɔla wɔnuteƒewo ɣesiaɣi si wonya yɔe ko, eye wòate ŋu akpe ɖe wo ŋu le nɔnɔme sesẽwo me. Kronika ƒe agbalẽ evelia ta 16 kpukpui 9 gblɔ be: ‘Yehowa ƒe ŋku kpɔa anyigba blibo la dzi, eye wòdoa ŋusẽ ame siwo ku ɖe eŋu kple woƒe dzi blibo.’ De dzesii be Yehowa zãa eƒe ŋusẽ la tsɔ kpɔa ame siwo subɔnɛ kple woƒe dzi blibo, ame siwo si dzi dzadzɛ si me ameʋãŋusẽ nyuitɔ tsona le, la ta. Meɖea ɖetsɔleme sia fiaa ameflunuwɔlawo alo alakpanuwɔlawo ya o.—Yos. 7:1, 20, 21, 25; Lod. 1:23-33.

Zɔ Kple Mawu

3, 4. Nu kae wòfia be ‘woazɔ kple Mawu,’ eye Biblia me kpɔɖeŋu kawoe gana míese nya sia gɔme nyuie?

3 Esesẽna na ame geɖe be woalɔ̃ ɖe nukpɔsusu si nye be míaƒe xexe gbahoo sia Wɔla naɖe mɔ amegbetɔwo nazɔ kplii le gbɔgbɔmegɔmesese nu la dzi. Ke hã, nu ma tututue Yehowa di be míawɔ. Biblia ɖee fia be Henox kple Noa, siwo nɔ anyi le blema la, “zɔ kple Mawu.” (1 Mose 5:24; 6:9) Mose “[yi] edzi nɔ te sesĩe, abe ɖe wònɔ Ame si womekpɔna o la kpɔm ene.” (Heb. 11:27) Fia David se le eɖokui me be yenɔ zɔzɔm kple ye Fofo si le dziƒo la ɖokuibɔbɔtɔe. Egblɔ be: “Ne [Yehowa le] nye nuɖusi me la, ke maɖe le tenye o.”—Ps. 16:8.

4 Enye nyateƒe be míate ŋu alé Yehowa ƒe asi ŋutɔŋutɔ ahanɔ zɔzɔm kplii ya o. Gake míate ŋu awɔ esia le kpɔɖeŋugɔmesese nu. Alekee? Hakpala Asaf ŋlɔ bena: “Mele gbɔwò ɖaa, eye nèlé nye nuɖusi ɖe asi. Àkplɔm le wò aɖaŋudede la nu.” (Ps. 73:23, 24) Kpuie ko la, míezɔna kple Yehowa ne míewɔna ɖe eƒe aɖaŋuɖoɖo siwo wònana mí to eƒe Nya si woŋlɔ ɖi la koŋ dzi kpakple to “kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela” dzi la dzi pɛpɛpɛ.—Mat. 24:45; 2 Tim. 3:16.

5. Alekee Yehowa ƒe ŋkuwo nɔa eƒe nuteƒewɔlawo ŋu abe vifofo lɔ̃ame ene, eye alekee wòle be míase le mía ɖokui me ku ɖe eŋu?

5 Esi Yehowa melɔ̃a nu le ame siwo zɔna kplii la gbɔ o ta la, eƒe ŋku nɔa wo ŋu abe vifofo lɔ̃ame ene eye wòléa be na wo, kpɔa wo ta, hefiaa nu wo. Mawu gblɔ be: “Mafia nu wò, eye mafia mɔ, si nàto la wò; maɖo aɖaŋu na wò, eye nye ŋku anɔ ŋuwò.” (Ps. 32:8) Bia ɖokuiwò be: ‘Ðe mekpɔa ɖokuinye be mele zɔzɔm kple Yehowa asi le asi me, le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu, eye meɖoa to eƒe nunya henyae be eƒe ŋku le ŋunye lɔlɔ̃tɔea? Ðe nyanya be Mawu li kplim kpɔa ŋusẽ ɖe nye nuŋububu, nyagbɔgblɔwo, kple nuwɔnawo dzia? Eye ne meda vo la, ɖe mekpɔa Yehowa be enye Fofo lɔ̃ame kple nublanuikpɔla si dina be yeakpe ɖe dzimetrɔlawo ŋu wòatrɔ ava ye gbɔ faa ene, ke menye abe Mawu nublanuimakpɔla aɖe si ƒe nya me sẽ ene oa?’—Ps. 51:19.

6. Ŋutete kae le Yehowa si si mele mía dzila amegbetɔwo ya si o?

6 Ɣeaɖewoɣi la, Yehowa ate ŋu ana kpekpeɖeŋu si hiã la mí do ŋgɔ ne míede afɔ gbegblẽ aɖe ɖe ge. Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu ade dzesii be míaƒe dzi, si nye alakpatɔ la, te nu siwo mesɔ o la dzodzro. (Yer. 17:9) Le nɔnɔme siawo tɔgbi me la, ate ŋu ana kpekpeɖeŋu mí kaba wu ale si mía dzila amegbetɔwo ate ŋui, elabena eƒe “aɖabawo” ate ŋu akpɔ míaƒe dzi me, be wòalé ŋku ɖe míaƒe tamesusu ememetɔwo ŋu nyuie. (Ps. 11:4; 139:4; Yer. 17:10) Bu ale si Mawu wɔ nu le nɔnɔme sia tɔgbi, si do mo ɖa le Barux, si nye nyagblɔɖila Yeremiya ƒe agbalẽŋlɔla kple xɔlɔ̃ vevi la ƒe agbe me, me ŋu kpɔ.

Enye Fofo Vavã Na Barux

7, 8. (a) Ame kae nye Barux, eye dzodzro gbegblẽ kawoe va te gege ɖe eƒe dzi me? (b) Alekee Yehowa ɖe ɖetsɔleme fia Barux abe vifofo ene?

7 Barux nye agbalẽŋlɔla bibi aɖe si subɔ kple Yeremiya nuteƒewɔwɔtɔe le gbeƒãɖeɖe Yehowa ƒe ʋɔnudrɔ̃gbedeasi na Yuda, dɔ si wɔwɔ meva nɔ bɔbɔe kura o, la me. (Yer. 1:18, 19) Eva ɖo ɣeaɖeɣi la, Barux, si anya tso ƒome xɔŋkɔ aɖe me la, va te ‘nu gãwo’ didi na eɖokui. Ðewohĩ nu gã didi kple nunɔamesi geɖe ƒe amesisusu ƒe dzodzro va te gege ɖe eme. Aleke kee wòɖale o, Yehowa kpɔe be Barux nɔ susu gbegblẽ si ate ŋu akplɔe ade afɔku me la ŋu bum le dzi me. Yehowa de nu nyaa me enumake hegblɔ na Barux to Yeremiya dzi be: “Ègblɔ be: ‘Baba nam, elabena Yehowa tsɔ nuxaxa kpe ɖe nye vevesese ŋu, nye hũɖeɖe ti kɔ nam, eye nyemekpɔ gbɔdzɔe aɖeke o.’” Emegbe Mawu gblɔ nɛ be: “Nèbe, yeadi nu gãwoa? Megadi wo o.”—Yer. 45:1-5.

8 Togbɔ be Yehowa ƒo nu na Barux ŋkubiãtɔe hã la, menye dziku mee wòwɔ nu kplii le o, ke boŋ ɖe wòɖe ɖetsɔleme vavã fiae abe vifofo ene. Edze ƒãa be Mawu de dzesii be didi si nɔ Barux me meɖee fia be dzi vɔ̃ɖie le esi o. Yehowa nya hã be Yerusalem kple Yuda nɔ woƒe ŋkeke mamlɛawo me, eye medi be Barux natra mɔ le ɣeyiɣi vevi ma me o. Eya ta bene Mawu nana esubɔlaa nase nuwo gɔme nyuie la, eɖo ŋku edzi nɛ be, “Mahe dzɔgbevɔ̃e ava ŋutilãwo katã dzi,” eye wògblɔ kpee be ne Barux wɔ nu nunyatɔe la atsi agbe. (Yer. 45:5) Ne míagblɔe bubui la, Mawu nɔ gbɔgblɔm nɛ be: ‘Barux, dze nunya. Nu si gbɔna dzɔdzɔ ge ɖe Yuda kple Yerusalem wɔnuvɔ̃awo dzi kpuie la nenɔ susu me na wò. Yi edzi nàwɔ nuteƒe, be nàtsi agbe! Makpɔ tawò.’ Edze ƒãa be Yehowa ƒe nyawo de dzi gbɔ na Barux, elabena etrɔ eƒe susuwo eye wòtsi agbe le tsɔtsrɔ̃ si va Yerusalem dzi le ƒe 17 megbe la me.

9. Alekee nàɖo nyabiase siwo le memamaa me la ŋu?

9 Esi nèle Barux ƒe ŋutinyaa ŋu bum la, de ŋugble tso nyabiase kple mawunyakpukpui siwo gbɔna la ŋu: Nu kae ale si Mawu wɔ nu ɖe Barux ŋu la ɖe fia tso Yehowa kple ale si wòsena le eɖokui me ku ɖe esubɔlawo ŋu la ŋu? (Mixlẽ Hebritɔwo 12:9.) Ne míelé ŋku ɖe afi si míeɖo na ɣeyiɣia egbea ŋu la, nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso aɖaŋu si Mawu ɖo na Barux kple ale si Barux wɔ nu ɖe aɖaŋuɖoɖoa ŋui la me? (Mixlẽ Luka 21:34-36.) Le Yeremiya sɔsrɔ̃ me la, alekee Kristotɔ hamemetsitsiwo ate ŋu aɖe ale si Yehowa tsɔa ɖe le eme na esubɔlawoe la afia?—Mixlẽ Galatiatɔwo 6:1.

Fofo La Ƒe Lɔlɔ̃ Dze Le Vi La Me

10. Alekee Mawu na Yesu su te hena eƒe ɖoƒe si nye Kristo hamea ƒe Ta la ŋu dɔ wɔwɔ nyuie?

10 Do ŋgɔ na Kristotɔwo ƒe ɣeyiɣia la, Yehowa ɖe eƒe lɔlɔ̃ fia eƒe amewo to eƒe nyagblɔɖilawo kple nuteƒewɔla bubuwo dzi. Le egbeŋkekeawo me la, ewɔa esia, le mɔ si ƒo ɖe sia ɖe ta la nu, si nye to Kristo hamea ƒe Ta, Yesu Kristo, dzi. (Ef. 1:22, 23) Eya tae le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me la, woɖɔ Yesu be enye alẽvi si “ŋku adre li [na]; ŋku siawo tsi tsitre ɖi na Mawu ƒe gbɔgbɔ adreawo, siwo wodɔ ɖo ɖe anyigba blibo la katã dzi.” (Nyaɖ. 5:6) Nyateƒee, esi Mawu na eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe ŋusẽ bliboa Yesu ta la, nugɔmesese ŋutete deblibo le esi. Eya hã tea ŋu kpɔa nu si míenye ŋutɔŋutɔ le ememe, eye naneke mele ɣaɣla ɖee o.

11. Nu kae Kristo wɔna na mí, eye alekee ale si wòwɔa nu ɖe mía ŋu la ɖea Fofoa ƒe nɔnɔme fiana?

11 Gake abe Yehowa ke ene la, menye kpovitɔ aɖe si le dziƒoe Yesu nye o. Lɔlɔ̃e ʋãnɛ wòdzroa mía me kpɔna. Yesu ƒe dzesideŋkɔ si nye ‘Fofo Mavɔ’ na míeɖoa ŋku akpa si wòawɔ le agbe mavɔ nana ame siwo katã ɖea eyama dzi xɔxɔ se fiana la dzi na mí. (Yes. 9:5) Gawu la, esi Kristo nye Kristo hamea ƒe Ta ta la, ate ŋu aʋã Kristotɔ siwo tsi le gbɔgbɔ me, siwo lɔ̃na faa be yewoasubɔ yewo nɔviwo, vevietɔ hamemetsitsiwo, be woaɖo aɖaŋu alo afa akɔ na ame siwo hiã nɛ.—1 Tes. 5:14; 2 Tim. 4:1, 2.

12. (a) Nu kae lɛta siwo Yesu ŋlɔ ɖo ɖe hame adre siwo nɔ Asia Sue la ɖe fia tso eyama ŋu? (b) Alekee hamemetsitsiwo ɖea ale si Kristo wɔa nu ɖe Mawu ƒe alẽhaa ŋu la ƒe nɔnɔme fiana?

12 Ðetsɔleme deto si le Kristo si na alẽha la dze le lɛta siwo wòŋlɔ ɖo ɖe hamemetsitsi siwo nɔ hame adre siwo nɔ Asia Sue me la me. (Nyaɖ. 2:1–3:22) Le lɛta mawo me la, Yesu ɖee fia be yenya nu siwo nɔ edzi yim le hameawo dometɔ ɖe sia ɖe me, eye wòɖe ɖetsɔleme deto si le esi na eyomedzelawo la hã fia. Nenema kee wòle egbea hã—egale nenema egbea wu kura gɔ̃ hã—elabena “Aƒetɔ ƒe ŋkeke la” mee Nyaɖeɖefia me ŋutega la le eme vam le. * (Nyaɖ. 1:10) Kristo ɖea eƒe lɔlɔ̃ fiana to hamemetsitsi siwo le subɔsubɔm abe gbɔgbɔmelẽkplɔlawo ene le hameawo me la dzi. Ate ŋu aʋã ame siawo siwo nye “nunana siwo nye amewo” la be woafa akɔ, ade dzi ƒo, alo aɖo aɖaŋu na amewo ne ehiã. (Ef. 4:8; Dɔw. 20:28; mixlẽ Yesaya 32:1, 2.) Ðe nèbua agbagba siwo wodzena la be enye kpeɖodzi be Kristo tsɔa ɖe le eme na yea?

Kpekpeɖeŋu Si Va Ðe Ɣeyiɣi Nyuitɔ Dzi

13-15. Mɔ kawo nue Mawu ate ŋu atiae be yeaɖo míaƒe gbedodoɖawo ŋu le? Wɔ eƒe kpɔɖeŋuwo.

13 Ðe nèdo gbe ɖa vevie tso dzi blibo me hena kpekpeɖeŋu eye woɖo wò gbedodoɖaa ŋu na wò to dzideƒoname si nèxɔ tso Kristotɔ aɖe si tsi le gbɔgbɔ me ƒe sasrãkpɔ dzi kpɔa? (Yak. 5:14-16) Alo ɖewohĩ ŋuɖoɖoa va to nuƒo aɖe si woƒo le Kristotɔwo ƒe kpekpe aɖe me alo to nyatakaka siwo le míaƒe agbalẽwo me dzi. Yehowa toa mɔ siawo dzi ɖoa gbedodoɖawo ŋu zi geɖe. Le kpɔɖeŋu me, le hamemetsitsi aɖe ƒe dutoƒonuƒo aɖe ƒoƒo vɔ megbe la, nɔvinyɔnu aɖe, si ŋu wowɔ nu madzɔmadzɔ vɔ̃ɖi aɖe ɖo kwasiɖa ʋɛ aɖewo do ŋgɔ la te ɖe eŋu. Le esi wòafa konyi tso eƒe kuxia ŋu teƒe la, ɖe wòɖe ŋudzedzekpɔkpɔ deto fia ɖe ŋɔŋlɔawo me numeɖeɖe aɖewo siwo wòse le nuƒoa me ŋu. Numeɖeɖeawo ku ɖe eƒe nɔnɔmea ŋu eye wofa akɔ nɛ ŋutɔ. Aleke gbegbe dzi dzɔe enye esi be yede kpekpe ma!

14 Ku ɖe kpekpeɖeŋu si míexɔna to gbedodoɖa dzi ŋu la, de ŋugble tso gamenɔla etɔ̃ aɖewo siwo si Biblia me nyateƒea ƒe sidzedze va su le gaxɔa me, eye wozu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔwo la ƒe kpɔɖeŋu ŋu kpɔ. Le gamenɔla aɖewo ƒe anyrãnuwɔna aɖe ta la, woxɔ mɔnukpɔkpɔ aɖewo le gamenɔlawo katã si. Esia na gamenɔlaawo dze aglã. Wo katã woɖoe be le ŋufɔke ƒe ŋdinuɖuɖu vɔ megbe la, yewomatrɔ yewoƒe nuɖugbawo ana o, atsɔ aɖe yewoƒe dziku afia. Esia wɔe be gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ etɔ̃ siawo tsi vedomesi. Ne wowɔ ɖeka kple aglãdzenuwɔlawo la, anye dada le Yehowa ƒe aɖaŋuɖoɖo si dze le Romatɔwo 13:1 la dzi. Ne wogbe ɖekawɔwɔ kpli wo la, dzi aku wo hati gamenɔlawo eye woate ŋu atu nu kpli wo.

15 Esi mɔnukpɔkpɔ mesu gbeƒãɖela etɔ̃ siawo si be woade adaŋu kple wo nɔewo o ta la, wo dometɔ ɖe sia ɖe do gbe ɖa bia Mawu ƒe nunya. Esi ŋu ke la, wo ame etɔ̃a siaa wokpɔe be nyametsotso ɖekae yewo katã yewowɔ, si nye be yewoagbe ŋdinua ɖuɖu. Esi gaxɔdzikpɔlawo trɔ va agbawo xɔ ge la, ɖeke menɔ ame etɔ̃ siawo ya si wòle be woatrɔ ana o. Aleke gbegbe dzi dzɔ wo be ‘Gbedodoɖawo Sela’ la menɔ adzɔge tso yewo gbɔ o ye nye esi!—Ps. 65:3.

Mɔkpɔkpɔ Na Etsɔme Kakaɖedzitɔe

16. Alekee gbeƒãɖeɖedɔa ɖea ale si Yehowa tsɔa ɖe le eme na ame siwo ƒe nɔnɔme ɖi alẽwo la fiana?

16 Xexea me katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔ si le edzi yim la hã ganye kpeɖodzi bubu si ɖee fia be Yehowa tsɔa ɖe le eme na ame siwo si dzi nyui le, afi ka kee woɖale o. (1 Mose 18:25) Yehowa ate ŋu ana esubɔlawo nake ɖe ame siwo ƒe nɔnɔme ɖi alẽwo la ŋu, eye ewɔa esia zi geɖe to mawudɔlawo ƒe mɔfiafia dzi, ne ame siawo le nuto siwo me nya nyuia mekpɔ ɖo o gɔ̃ hã me. (Nyaɖ. 14:6, 7) Le kpɔɖeŋu me, Mawu to mawudɔla aɖe dzi fia mɔ ƒe alafa gbãtɔ me nya nyui gblɔla Filipo wòɖa ke ɖe Etiopiatɔ dumegã aɖe ŋu heɖe Ŋɔŋlɔawo me nɛ. Nu kae do tso eme? Ŋutsu sia xɔ nya nyuia dzi se eye wòzu Yesu yome dzela xɔnyɔnyrɔ. *Yoh. 10:14; Dɔw. 8:26-39.

17. Nu ka tae mele be míatsi dzimaɖi fũu akpa ɖe etsɔme ŋu o?

17 Esi nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu le aƒe tum la, “fuɖuame” si ŋu nya wogblɔ ɖi la nu anɔ sesẽm ɖe edzi. (Mat. 24:8) Le kpɔɖeŋu me, nuɖuɖu ƒe asi ate ŋu ayi dzi bobobo le yame ƒe fafa miamiamia alo eƒe dzoxɔxɔ gbãgbãgbã, ganyawo ƒe kemalimali, kple nuwo ƒe veve ta. Dɔwɔɖuikpɔkpɔ ate ŋu asesẽ, eye wòava hiã be dɔwɔlawo nawɔ dɔ gaƒoƒo geɖe wu tsã. Nu ka kee ɖadzɔ o, mahiã be ame siwo katã tsɔa gbɔgbɔmenuwo ɖoa nɔƒe gbãtɔ henana woƒe ‘ŋku dzi dzana’ la natsi dzimaɖi fũu akpa o. Wonya be Mawu lɔ̃ yewo eye be alé be na yewo. (Mat. 6:22-34) Le kpɔɖeŋu me, bu ale si Yehowa kpɔ Yeremiya ƒe nuhiahiãwo gbɔ nɛ le nɔnɔme sesẽ siwo me wòto le Yerusalem tsrɔ̃ɣi le ƒe 607 D.M.Ŋ. me la ŋu kpɔ.

18. Alekee Yehowa ɖe eƒe lɔlɔ̃ fia Yeremiya le toɖeɖe ɖe Yerusalem ŋu ƒe ɣeyiɣiawo me?

18 Le Babilontɔwo ƒe toɖeɖe ɖe Yerusalem ŋu zi evelia ƒe akpa mamlɛtɔ me la, wode Yeremiya gaxɔ me le dzɔlawo ƒe xɔxɔnu. Afi kae wòakpɔ nuɖuɖu tsoe? Ne ɖe wòle ablɔɖe me la, anye ne eya ŋutɔ adii. Gake fifia ya la, ame siwo ƒo xlãe ŋu koe wòate ŋu aɖo ŋu ɖo, evɔ wo dometɔ geɖe lé fui! Ke hã, Yeremiya meɖo ŋu ɖe amegbetɔwo ŋu o, ke boŋ Mawu si do ŋugbe be yeakpɔ eƒe nuhiahiãwo gbɔ nɛ la ŋue wòɖo ŋu ɖo. Ðe Yehowa wɔ ɖe eƒe ŋugbedodoa dzia? Ɛ̃! Ekpɔ egbɔ be ‘wotsɔa abolo ɖeka va naa Yeremiya gbe sia gbe va se ɖe esime woɖu abolowo katã vɔ le dua me.’ (Yer. 37:21) Yeremiya, Barux, Ebed-Melex, kple ame bubuwo tsi agbe le dɔwuame, dɔvɔ̃, kple ku ƒe ɣeyiɣi mawo me.—Yer. 38:2; 39:15-18.

19. Tameɖoɖo kplikpaa kae wòle be míatsɔ adze ŋgɔ etsɔmee?

19 Nyateƒee, “Yehowa ƒe ŋkuwo le ame dzɔdzɔewo ŋu, eye eƒe towo le woƒe kokoƒoƒo ŋu.” (1 Pet. 3:12) Ðe nèkpɔa dzidzɔ be Fofowò si le dziƒo la ƒe ŋkuwo nɔa ŋuwòa? Ðe wò dzi dzea eme eye nèsena le ɖokuiwò me be yele dedie le nyanya be eƒe ŋkuwo le ye ŋu hena yeƒe nyonyo ta? Ekema ɖoe kplikpaa be yeayi edzi anɔ zɔzɔm kple Mawu, nu ka kee aɖadzɔ le etsɔme o. Míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa ayi edzi anɔ ŋku lém ɖe esubɔla wɔnuteƒewo katã ŋu vevie ɣesiaɣi abe vifofo lɔ̃ame ene.—Ps. 32:8; mixlẽ Yesaya 41:13.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 12 Togbɔ be Kristo yome dzela amesiaminawoe lɛta siawo me nyawo yi na koŋ hã la, ne míagblɔ la, wo me nyawo ku ɖe Mawu subɔlawo katã ŋu.

^ mm. 16 Kpɔɖeŋu bubu si ɖe ale si Mawu fiaa mɔ gbeƒãɖeɖedɔae la dze le Dɔwɔwɔwo 16:6-10. Míexlẽ le afi ma be “gbɔgbɔ kɔkɔe la gbe na” Paulo kple eƒe hati dɔwɔlawo be woagayi aɖaɖe gbeƒã le Asia kple Bitinia o. Ðe eteƒe la, ena woyi ɖaɖe gbeƒã le Makedonia, afi si ame fafa geɖewo ɖo to woƒe nyawo le.

Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?

• Alekee míate ŋu aɖee afia be ‘míele zɔzɔm kple Mawu’?

• Alekee Yehowa ɖe eƒe lɔlɔ̃ fia Barux?

• Abe Kristo hamea ƒe Ta ene la, alekee Yesu ɖea Fofoa ƒe nɔnɔmewo fiana?

• Mɔ kawo nue míate ŋu aɖee afia le be míeɖoa ŋu ɖe Mawu ŋu le ɣeyiɣi vevi siawo me?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Le ale si Yeremiya wɔ nu ɖe Barux ŋu sɔsrɔ̃ me la, Kristotɔ hamemetsitsiwo ɖea Yehowa ƒe nɔnɔme fiana le ɖetsɔleme ɖeɖe fia me

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Alekee Yehowa ate ŋu ana kpekpeɖeŋu si hiã le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi?