Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ame Ka Ƒomevie Nèdi Be Yeanye?

Ame Ka Ƒomevie Nèdi Be Yeanye?

Ame Ka Ƒomevie Nèdi Be Yeanye?

KPOVITƆWO ƒe amegã aɖe si le Philippines ƒe du aɖe me la bia mɔɖela aɖe be, “Nu kae miewɔ na ŋutsu ma wòte ŋu trɔ eƒe agbenɔnɔ?” Enɔ asi fiam pepa siwo li kɔ ɖe eƒe ɔfiskplɔ̃ dzi la hegblɔ kpee be: “Ènya be nya siwo amewo tsɔ ɖe eŋu le ʋɔnu va yi la ŋuti nuŋlɔɖiwoe nye esiawo katã? Nu siwo nye taɖui na mí le du sia me la dometɔ ɖekae ma mieɖe ɖa le mía dzi.” Ŋutsu si ŋu nya gblɔm wònɔ la nye ahanoxe si nɔa fu ɖem na amewo atraɖii. Nu kae ʋãe wòte ŋu wɔ tɔtrɔ ɖedzesiwo le eƒe agbe me? Gbedeasi si le Mawu ƒe Nya, Biblia, si tso gbɔgbɔ me me lae.

Ame geɖewo tsɔ moveviɖoɖo wɔ ɖe aɖaŋu si apostolo Paulo ɖo dzi ale be ‘woɖe amenyenye xoxo, si wɔa nu ɖe agbenɔnɔ si nɔ wo si tsã nu la ɖa hedo amenyenye yeye, si wowɔ le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nu.’ (Ef. 4:22-24) Eɖahiã be míawɔ tɔtrɔ gãwo alo suewo o, amenyenye yeyea dodo nye afɔ vevi siwo woɖena hafi zua Kristotɔ la dometɔ ɖeka.

Gake tɔtrɔ siawo wɔwɔ kple ŋgɔyiyiwɔwɔ ahadze na nyɔnyrɔxɔxɔ nye gɔmedzedzea ko. Le ɣeyiɣi si me míetsɔ mía ɖokui na be míaxɔ nyɔnyrɔ ɖe tsi me la, ɖeko míele abe ati aɖe si aɖaŋudɔwɔla kpa ɖe aɖaŋunu si wòdi be yeakpa la ƒe nɔnɔme me teti koe nye ema ene. Nu si wòdi be yeakpa ƒe nɔnɔme le dzedzem ya, gake dɔ geɖe gahiã. Ehiã be aɖaŋudɔwɔlaa nagatrɔ asi le teƒeteƒe aɖewo ŋu etɔxɛe bene nu si kpam wòle la nanya kpɔ nyuie. Esime míexɔ nyɔnyrɔ teti la, nɔnɔme vevi siwo hiã bene woanye Mawu subɔlawo la le mía si. Ke hã, míaƒe amenyenye yeyea dodo ƒe gɔmedzedze koe nye ema. Ele be míayi edzi ana wòanɔ nyonyom ɖe edzi to tɔtrɔwo wɔwɔ me.

Paulo kura gɔ̃ hã kpɔe be ehiã be yeawɔ tɔtrɔwo. Elɔ̃ ɖe edzi be: “Ne medi be mawɔ nu si sɔ la, nu vɔ̃ɖi boŋ nɔa menye.” (Rom. 7:21) Kakaɖedzitɔe la, Paulo ŋutɔ nya ame si ƒomevi wònye, eye wònya ame si ƒomevi wòdi be yeanye hã. Ke míawo ya ɖe? Ele be míawo hã míabia mía ɖokui be: ‘Nu kae le menye? Ame ka ƒomevie menye? Eye ame ka ƒomevie medi be manye?’

Nu Kae ‘Le Menye’?

Ne míedi be míaɖɔ aƒe xoxo aɖe ɖo la, menye akalo ko míasi nɛ bene wòanya kpɔ le gota nenye be xɔgbati aɖewo vo le eme o. Ðeko aƒea ƒe gbagbãƒewo matrematre alo naneke mawɔmawɔ le xɔtunu siwo gblẽ ŋu ava he kuxi bubuwo vɛ emegbe. Nenema kee, gotagome dzɔdzɔenyenye ɖeɖe mesɔ gbɔ o. Ele be míalé ŋku ɖe míaƒe amenyenye ƒe gogloeaƒewo ŋu akpɔe ɖa be nɔnɔme manyomanyo kawoe wòahiã be míaɖɔ ɖo hã. Ne menye nenema o la, amenyenye xoxoa ƒe nɔnɔme aɖewo agava dze go ake. Eya ta ele kokoko be míadzro mía ɖokuiwo me. (2 Kor. 13:5) Ele be míade dzesi nɔnɔme gbegblẽ siwo le mía me ahaɖɔ wo ɖo. Yehowa na kpekpeɖeŋu mí le esia wɔwɔ me.

Paulo ŋlɔ bena: “Mawu ƒe nya la le agbe, eye ŋusẽ le eŋu, eye wòɖana wu yi nueve sia yi nueve, eye wòƒona ɖe ame yi ɖamaa keke luʋɔ kple gbɔgbɔ kple ƒunukpeƒewo kpakple ƒutomemi ke me, eye wòte ŋu dzea si dzi me susuwo kple tameɖoɖowo.” (Heb. 4:12) Gbedeasi si le Mawu ƒe Nya, Biblia, si woŋlɔ ɖi me ate ŋu akpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe míaƒe agbe dzi. Eƒona ɖe mía me yina ɖe keke míaƒe ƒutomemi si le ƒuawo ƒe totroewo me la me ke, le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu. Eʋua go míaƒe tamesusuwo kple dzimedidiwo, eye wònana vovototo si le ame si míenye le ememe kple ame si míenye le gotagome, alo ame si ƒomevi míesusu be míenye, dome la dzena kɔtɛ. Kpekpeɖeŋu ka gbegbee nye esi Mawu ƒe Nya la ate ŋu ana mí be míakpɔ kuxi siwo le mía ŋu la adze sii!

Ne míele aƒe xoxo aɖe dzram ɖo la, menye ɖeko míaɖɔli xɔtunu siwo gblẽ la ko evɔ o. Nu si na xɔtunuawo gblẽ nyanya ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míatrɔ asi le aƒea ŋu le mɔ si ana kuxi mawo magado mo ɖa ake o nu. Le mɔ ma ke nu la, dzesidede nɔnɔme gbegblẽ siwo le mía me ɖeɖe mesɔ gbɔ o, ke boŋ nu siwo gbɔ wòtso be nɔnɔme mawo va le mía si la nyanya akpe ɖe mía ŋu míaɖu wo dzi. Nu vovovowoe nana amenyenye aɖe koŋ va nɔa mía si. Wo dometɔ aɖewoe nye hadomeɖoƒe si le mía si, ganyawo gbɔ kpɔkpɔ ƒe ŋutete si le mía si, nuto si me míetsi le, míaƒe dekɔnu, mía dzilawo, ame siwo míedea ha kpli, kpakple subɔsubɔdzixɔse siwo le mía si. Television kple sinima dzi wɔna siwo míekpɔna, kpakple modzakaɖeɖe bubu ƒomevi siwo me míekpɔa gome le hã kpɔa ŋusẽ ɖe mía dzi. Dzesidede nu siwo kpɔa ŋusẽ gbegblẽ ɖe mía dzi ana míasu te nyuie ate ŋu aƒo asa na woƒe ŋusẽkpɔɖeamedzia.

Ate ŋu adzɔ be ne míedzro mía ɖokui me ʋuu hã la, ɖeko míagblɔ be, ‘Nenema koe nye ya medzɔ.’ Nukpɔsusu sia mesɔ kura o. Esi Paulo nɔ nu ƒom tso Korinto hamea me tɔ aɖewo siwo nye matrewɔlawo, ŋutsu siwo dɔna kple ŋutsu alo nyɔnu siwo dɔna kple nyɔnu, ahamulawo, kple esiawo tɔgbi tsã ŋu la, egblɔ be: “Nenemae mia dometɔ aɖewo nɔ tsã. Ke wole tsi na mi nyuie . . . [kple] mía Mawu ƒe gbɔgbɔ la.” (1 Kor. 6:9-11) Le Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kpekpeɖeŋu me la, míawo hã míate ŋu awɔ tɔtrɔ siwo hiã le míaƒe agbenɔnɔ me.

Bu ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Marcos, * si le Philippines la, ƒe kpɔɖeŋu ŋu kpɔ. Marcos ŋutɔ ƒo nu tso nɔnɔme si me wòtsi ɖo la ŋu be: “Dzinyelawo wɔa dzre ɣesiaɣi. Esia tae medze aglã esime mexɔ ƒe 19.” Marcos va xɔ ŋkɔ le tsatsadada, fififi, kple adzodada me. Eya kple ame bubuwo wowɔ ɖoɖo be yewoaɖada adzo amewo le yameʋu aɖe me gɔ̃ hã, gake woƒe ɖoɖoa meva dze edzi o. Marcos lé nɔnɔme gbegblẽ siawo me ɖe asi le eƒe srɔ̃ɖeɖe megbe gɔ̃ hã. Vivivi la, eƒe nunɔamesiwo katã va nyrɔ ɖe tsatsadada me. Le ema megbe kpuie la, Marcos va te gomekpɔkpɔ le Biblia nusɔsrɔ̃ si Yehowa Ðasefowo va wɔna kple srɔ̃a la me. Gbã la, esusui be yemate ŋu adze anye Ðasefo o. Ke hã, nu siwo srɔ̃m wònɔ tsɔtsɔ de dɔwɔwɔ me kpakple kpekpewo dede kpe ɖe eŋu wòɖe asi le eƒe agbenɔnɔ tsãtɔa ŋu. Fifia la, ezu Kristotɔ xɔnyɔnyrɔ si le gome kpɔm le nufiafia ame bubuwo tso ale si woawɔ atrɔ woƒe agbenɔnɔe ŋu me edziedzi.

Ame Ka Ƒomevie Nèdi Be Yeanye?

Tɔtrɔ kawoe wòahiã be míawɔ bene Kristotɔwo ƒe nɔnɔme nyuiwo nagadze le mía me nyuie wu? Paulo ɖo aɖaŋu na Kristotɔwo be: “Miɖe wo ɖe aga tso mia gbɔ ŋutɔŋutɔ: dɔmedzoe, dziku, vɔ̃ɖinyenye, dzugbewo, kple yakanya siwo dona tso miaƒe nu me. Miganɔ aʋatso kam na mia nɔewo o. Miɖe amenyenye xoxo la kple eƒe nuwɔnawo ɖa.” Apostoloa yi edzi be: “Mido amenyenye yeye la, si wɔm wole yeyee to sidzedze vavãtɔ me le Ame si wɔe la ƒe nɔnɔme nu.”—Kol. 3:8-10.

Eya ta ele be míaƒe taɖodzinu vevitɔ nanye be miaɖe amenyenye xoxoa ɖa ahado yeyea. Nɔnɔme kawo tutuɖoe akpe ɖe mía ŋu le esia wɔwɔ me? Paulo gblɔ be: “Mido dɔmetɔtrɔ ƒe veveseɖeamenu, dɔmenyonyo, ɖokuibɔbɔ, tufafa, kple dzigbɔgbɔ blewu. Miyi edzi miado dzi anɔ anyi kple mia nɔewo, eye miatsɔ anɔ mia nɔewo kem faa ne nya aɖe le ame aɖe si ɖe nɔvia ŋu. Ale si Yehowa tsɔ ke mi faa la, miawo hã miwɔ nenema ke. Gake hekpe ɖe nu siawo katã ŋu la, mido lɔlɔ̃, elabena enye ɖekawɔwɔ ƒe nublanu deblibo.” (Kol. 3:12-14) Kutrikuku moveviɖoɖotɔe be míatu nɔnɔme nyui siawo ɖo awɔe be ‘míaƒe nu anyo Yehowa kple amegbetɔwo siaa ŋu’ geɖe wu. (1 Sam. 2:26) Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, eɖe mawumenɔnɔmewo fia le mɔ ɖedzesi nu. To nusɔsrɔ̃ tso eyama ŋu kple eƒe kpɔɖeŋu si wòɖo ɖi sɔsrɔ̃ me la, míate ŋu azu “Mawu srɔ̃lawo” abe eya, si nye Kristo la, ke ene.—Ef. 5:1, 2.

Mɔ bubu si dzi míate ŋu ato anya tɔtrɔ siwo wòahiã be míawɔe nye nusɔsrɔ̃ tso nɔnɔme siwo le Bibliamemewo si la ŋu kple susu be míade dzesi woƒe nyuiƒe kple gbagbãƒewo. Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble tso blemafofo Yakob ƒe viŋutsu Yosef ŋu kpɔ. Togbɔ be wonɔ nu madzɔmadzɔ wɔm ɖe eŋu hã la, eyi edzi lé nukpɔsusu nyui kple agbe nyui nɔnɔ me ɖe asi. (1 Mose 45:1-15) Le go bubu me la, Fia David viŋutsu Absalom wɔ eɖokui abe ɖe wòtsɔ ɖe le eme na amewo kakaka ene, eye wokafui ɖe eƒe ɖekadzedze ta. Gake le nyateƒe me la, amegɔmezɔla kple amewulae wònye. (2 Sam. 13:28, 29; 14:25; 15:1-12) Ameŋkume nɔnɔme nyuiwo ɖeɖe fia kple ame ƒe dzedzeme ɖeɖe menana amewo lɔ̃a ame ƒe nya o.

Míate Ŋu Akpɔ Dzidzedze

Bene míate ŋu awɔ tɔtrɔwo le míaƒe agbenɔnɔ me ahanya kpɔ le Mawu ŋkume la, ele be míalé ŋku ɖe ame si míenye le ememe ŋu nyuie. (1 Pet. 3:3, 4) Hafi míate ŋu awɔ tɔtrɔwo la, ele be míade dzesi nɔnɔme gbegblẽ siwo le mía me kple nu siwo na nɔnɔme mawo va le mía si, eye míatu mawumenɔnɔme nyuiwo ɖo. Ðe míate ŋu aka ɖe edzi be agbagba siwo míadze be míaƒe agbenɔnɔ naganyo ɖe edzi la akpɔ dzidzedzea?

Ɛ̃, le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, míate ŋu awɔ tɔtrɔ siwo hiã. Míate ŋu ado gbe ɖa abe hakpala la ene be: “Mawu, wɔ dzi dzadzɛ aɖe nam, eye nade gbɔgbɔ yeye, si li ke la, menye!” (Ps. 51:12) Míate ŋu abia Mawu be wòana eƒe gbɔgbɔa nawɔ dɔ le mía me, bene wòado ŋusẽ didi si le mía me be míana míaƒe agbenɔnɔ nawɔ ɖeka kple eƒe lɔlɔ̃nu bliboe wu. Ɛ̃, míate ŋu akpɔ dzidzedze le agbagbadzedze be míaƒe nu nanyo Yehowa ŋu me vavã!

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 11 Menye eƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔe ma o.

[Nɔnɔmetata si le axa 4]

Ðe akalosisi na aƒe sia si ŋu ahom gblẽ nu le la ɖeɖe sɔgbɔa?

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Ðe wò amenyenye ɖi Kristo la tɔa?