Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mikpe Ðe Ame Siwo Tra Ða Tso Alẽhaa Me Ŋu

Mikpe Ðe Ame Siwo Tra Ða Tso Alẽhaa Me Ŋu

Mikpe Ðe Ame Siwo Tra Ða Tso Alẽhaa Me Ŋu

“Mikpɔ dzidzɔ kplim, elabena mekpɔ nye alẽ si bu la.”—LUKA 15:6.

1. Alekee Yesu ɖee fia be yenye alẽkplɔla lɔ̃ame?

WOYƆA Yehowa ƒe Tenuvi, Yesu Kristo, be “alẽawo ƒe kplɔla gãtɔ.” (Heb. 13:20) Ŋɔŋlɔawo gblɔ eƒe vava ɖi, eye woɖee fia be enye Alẽkplɔla tɔxɛ aɖe si di Israel ƒe me “alẽ búbuawo.” (Mat. 2:1-6; 15:24) Gawu la, abe ale si alẽkplɔla ŋutɔŋutɔ tsɔa eƒe agbe ɖoa anyi ɖe eƒe alẽwo ta le wo ta kpɔkpɔ mee ene la, Yesu ku, wònye tafevɔsa, ɖe ame siwo ƒe nɔnɔme ɖi alẽwo siwo ɖee fia be yewodi be eƒe vɔsaa naɖe vi na yewo la ta.—Yoh. 10:11, 15; 1 Yoh. 2:1, 2.

2. Nu kawoe anya na Kristotɔ aɖewo va gbɔdzɔ kura?

2 Nublanuitɔe la, ame siwo ɖee fia be yewokpɔ ŋudzedze ɖe Yesu ƒe vɔsaa ŋu heɖe adzɔgbe na Mawu la dometɔ aɖewo megadea ha kple Kristo hamea o. Anɔ eme be dziɖeleameƒo, lãmesẽkuxiwo, alo nɔnɔme sesẽ bubu aɖewoe na woƒe dzonɔameme nu tsi eye wova gbɔdzɔ kura. Gake ɖeko wòle be woakpɔtɔ anɔ ha dem kple Mawu ƒe alẽha la me tɔwo hafi woate ŋu akpɔ dziɖeɖi kple dzidzɔ si ŋu David ƒo nu tso le Psalmo 23 lia me. Le kpɔɖeŋu me, edzi ha be: “Yehowa enye kplɔlanye, naneke mehiãam o.” (Ps. 23:1) Naneke mehiãa ame siwo le Mawu ƒe alẽhaa me la le gbɔgbɔ me o, gake mele alea le alẽ siwo tra mɔ la ya gome o. Ame kawoe akpe ɖe wo ŋu? Kpekpeɖeŋu kae woana wo? Nu kawo tututue woate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe wo ŋu be woatrɔ ava alẽha la me?

Ame Kawoe Ate Ŋu Akpe Ðe Wo Ŋu?

3. Alekee Yesu ɖe nu si wòbia be woaɖakplɔ alẽ siwo bu le Mawu ƒe lãnyiƒe agbɔe la fia?

3 Ebia agbagbadzedze vevie be woaɖakplɔ Mawu ƒe alẽ siwo bu le eƒe lãnyiƒe la agbɔe. (Ps. 100:3) Yesu wɔ esia ƒe kpɔɖeŋu esime wògblɔ be: “Ne alẽ alafa ɖeka le ame aɖe si, eye wo dometɔ ɖeka bu mɔ la, ɖe magblẽ blaasieke vɔ asieke la ɖe towo dzi, eye wòayi aɖadi ɖeka si le mɔ bum la oa? Eye ne eva eme be ekpɔe la, vavã mele egblɔm na mi be, akpɔ dzidzɔ ɖe eŋu wu ale si wòakpɔe ɖe blaasieke vɔ asieke siwo mebu mɔ o la ŋu. Nenema kee menye Fofonye si le dziƒo la ƒe dzidzɔ be ɖevi sue siawo dometɔ ɖeka pɛ hã natsrɔ̃ o.” (Mat. 18:12-14) Ame kawoe akpe ɖe alẽ siwo tra mɔ tso alẽhaa me la ŋu?

4, 5. Nɔnɔme kae wòle be wòanɔ hamemetsitsiwo si ɖe Mawu ƒe alẽha la ŋu?

4 Be Kristotɔ hamemetsitsiwo nate ŋu akpe ɖe alẽ siwo tra mɔ ŋu la, ele be wòanɔ susu me na wo be ame siwo tsɔ wo ɖokuiwo ɖe adzɔgbe na Yehowa la ƒe hame ye Mawu ƒe alẽha la nye—Ɛ̃, Mawu ƒe ‘lãnyiƒe ƒe alẽ’ xɔasiwoe wonye. (Ps. 79:13) Alẽ xɔasi siawo hiã beléle lɔlɔ̃tɔe, eye esia fia be ele be alẽkplɔla lɔ̃amewo natsɔ ɖe le eme na wo vevie. Wo sasrã kpɔ ahawɔ nu ɖe wo ŋu xɔlɔ̃wɔwɔtɔe ate ŋu aɖe vi geɖe. Dzideƒonamenya si alẽkplɔlaa agblɔ na wo lɔlɔ̃tɔe ate ŋu ado ŋusẽ wo le gbɔgbɔ me, eye wòana woadi vevie be yewoatrɔ agbɔ va alẽha la me.—1 Kor. 8:1.

5 Enye Mawu ƒe alẽha la kplɔlawo ƒe agbanɔamedzi be woadi alẽ siwo tra la ahadze agbagba akpe ɖe wo ŋu. Apostolo Paulo ɖo ŋku alẽawo sasrã kpɔ ƒe agbanɔamedzia dzi na Kristotɔ hamemetsitsi siwo nɔ blema Efeso esime wògblɔ be: “Mikpɔ mia ɖokui kple alẽha blibo la dzi nyuie, alẽha si dome gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖo mi dzikpɔlawo le, bene miakplɔ Mawu ƒe hame, si wòtsɔ ye ŋutɔ Via ƒe ʋu ƒle la.” (Dɔw. 20:28) Nenema kee apostolo Petro hã xlɔ̃ nu hamemetsitsi amesiaminawo be: “Mikplɔ Mawu ƒe alẽha si le miaƒe dzikpɔkpɔ te la, menye le dzizizi ta o, ke boŋ kple lɔlɔ̃nu faa; eye menye le viɖe ƒoɖi didi ta hã o, ke boŋ kple didi vevi; menye abe ame siwo ɖua aƒetɔ ɖe ame siwo nye Mawu ƒe domenyinu la dzi ene o, ke boŋ abe ame siwo zua kpɔɖeŋu na alẽha la ene.”—1 Pet. 5:1-3.

6. Nu ka tae Mawu ƒe alẽwo hiã alẽkplɔlawo ƒe beléle vevie egbea wu ɣeyiɣi ɖe sia ɖe?

6 Ehiã be Kristotɔ alẽkplɔlawo nasrɔ̃ Yesu, “alẽkplɔla nyui la.” (Yoh. 10:11) Etsɔ ɖe le eme na Mawu ƒe alẽwo vevie, eye wòte gbe ɖe ale si wòle vevie be woalé be na wo la dzi na Simon Petro, esime wògblɔ nɛ be ‘wòakplɔ yeƒe alẽ sueawo.’ (Mixlẽ Yohanes 21:15-17.) Alẽawo hiã beléle sia vevie egbea ŋutɔ, elabena Abosam gale agbagba dzem vevie wu tsã be yeagblẽ ame siwo ɖe adzɔgbe na Mawu la ƒe nuteƒewɔwɔ me. Satana léa ŋku ɖe míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu hezãa xexea ƒe ameblenuwo be yeatsɔ akplɔ Yehowa ƒe alẽwo ade nu vɔ̃ gbenɔnɔ me. (1 Yoh. 2:15-17; 5:19) Ate ŋu able ame siwo gbɔdzɔ le gbɔgbɔ me la bɔbɔe wu, eya ta wohiã kpekpeɖeŋu bene woate ŋu awɔ ɖe nuxlɔ̃amenya si nye be ‘míazɔ le gbɔgbɔ me’ la dzi. (Gal. 5:16-21, 25) Ehiã ŋuɖoɖo ɖe Mawu ŋu gbedodoɖatɔe, eƒe gbɔgbɔa ƒe mɔfiafia, kple eƒe Nya la zazã aɖaŋutɔe le kpekpe ɖe alẽ siawo ŋu me.—Lod. 3:5, 6; Luka 11:13; Heb. 4:12.

7. Aleke gbegbee wòle vevie be hamemetsitsiwo nalé be na alẽ siwo le woƒe dzikpɔkpɔ te?

7 Le blema Israel la, alẽkplɔla zãa atikplɔ, alo kpo legbee, tsɔ fiaa mɔ eƒe alẽhaa. Ne alẽawo le gegem ɖe woƒe kpo me alo le dodom la, alẽkplɔlaa nana ‘wotoa eƒe kpoa te’ ale be wòate ŋu axlẽ wo. (3 Mose 27:32; Mixa 2:12; 7:14) Nenema kee wòhiã be Kristotɔ alẽkplɔla nanya Mawu ƒe alẽha si le eƒe dzikpɔkpɔ te la nyuie ahayi edzi anɔ ŋku lém ɖe wo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu. (Tsɔe sɔ kple Lododowo 27:23.) Esia tae alẽawo sasrã kpɔ nye nu vevi siwo ŋu hamemetsitsiwo dea ŋugble tso la dometɔ ɖeka. Esia lɔa ɖoɖowɔwɔ ɖe kpekpeɖeŋunana alẽ siwo tra mɔ la ŋu ɖe eme. Yehowa ŋutɔ gblɔ be yeadi yeƒe alẽwo ahalé be na wo ale si dze. (Xez. 34:11) Eya ta edzɔa dzi na Mawu ne hamemetsitsiwo hã dzea agbagba nenema ke kpena ɖe alẽ siwo tra mɔ la ŋu bene woatrɔ ava alẽhaa me.

8. Mɔ kawo nue hamemetsitsiwo ate ŋu aɖe ɖetsɔleme afia alẽawo le?

8 Ne haxɔsetɔ aɖe dze dɔ la, adzɔ dzi nɛ eye wòade dzi ƒo nɛ ŋutɔ ne Mawu ƒe alẽha la kplɔla aɖe yi ɖasrãe kpɔ. Nenema kee wòanɔ ne woɖea ɖetsɔleme fiaa alẽ aɖe si gbɔdzɔ le gbɔgbɔ me. Hamemetsitsiwo ate ŋu axlẽ ŋɔŋlɔ aɖewo nɛ, ato nyati aɖe me kplii, aƒo nu tso kpekpeawo me nya vevi aɖewo ŋu nɛ, ado gbe ɖa kplii, alo esia tɔgbiwo. Woate ŋu agblɔ nɛ be ado dzidzɔ na hamea me tɔwo ŋutɔ ne egate kpekpeawo dede. (2 Kor. 1:3-7; Yak. 5:13-15) Wo sasrã kpɔ, kaƒoƒo na wo, alo lɛtaŋɔŋlɔ na wo ate ŋu ado ŋusẽ wo ale gbegbe! Kpekpeɖeŋunana alẽ si bu le alẽha la me ate ŋu ana Kristotɔ alẽkplɔla veveseɖeamenula la ŋutɔ hã nakpɔ dzidzɔ geɖe.

Mí Katã Míate Ŋu Ana Kpekpeɖeŋu

9, 10. Nu ka tae nàte ŋu gblɔ be ɖetsɔtsɔ le eme na alẽ siwo tra mɔ la menye hamemetsitsiwo ko ƒe nya o?

9 Ɣeyiɣi sesẽ siwo me vovo menɔa ame ŋu o mee míele, eya ta ate ŋu adzɔ bɔbɔe be míado kpo dzesidedee ne haxɔsetɔ aɖe le tatram ɖa tso hamea me. (Heb. 2:1) Ke hã, alẽawo xɔ asi na Yehowa ŋutɔ. Asixɔxɔ le wo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu, abe ale si wòle le amegbetɔ ƒe ŋutinu ɖe sia ɖe gome ene. Eya ta ehiã be mí katã míatsɔ ɖe le eme na nɔviawo ahalé be na mía nɔewo le anukware me. (1 Kor. 12:25) Alea ye nèwɔnɛa?

10 Togbɔ be hamemetsitsiwo xɔa ŋgɔ le alẽ siwo tra la didi kple kpekpe ɖe wo ŋu me hã la, menye Kristotɔ dzikpɔlawo ɖeɖe ƒe nyae ɖetsɔtsɔ le eme na haxɔsetɔ siwo megale ha dem kpli mí o la nye o. Hamea me tɔ bubuwo hã ate ŋu akpe asi ɖe alẽkplɔlawo ŋu le esia wɔwɔ me. Míate ŋu ana gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo tra la ahade dzi ƒo na wo bene woate ŋu atrɔ agbɔ va alẽhaa me, eye ele be míawɔe hã. Aleke míate ŋu ana kpekpeɖeŋu sia woamawoe?

11, 12. Mɔnukpɔkpɔ kae ate ŋu asu asiwò le kpekpe ɖe ame siwo hiã gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu la ŋu me?

11 Le go aɖewo me la, hamemetsitsiwo ate ŋu awɔ ɖoɖo be Fiaɖuƒegbeƒãɖela bibiwo nasrɔ̃ Biblia kple ame siwo gbɔdzɔ le gbɔgbɔ me, siwo di be woakpe ɖe yewo ŋu. Ðoɖo sia ƒe taɖodzinue nye be woagade dzo yeye ame siawo me bene woagaɖe “lɔlɔ̃ si nɔ [wo si] gbã la” afia. (Nyaɖ. 2:1, 4) Míate ŋu atu haxɔsetɔ siawo ɖo ahado ŋusẽ wo le gbɔgbɔ me to nu siwo míesrɔ̃ va yi esime womeganɔ ha dem kple hamea o la me toto kpli wo me.

12 Ne hamemetsitsiwo bia tso asiwò be nàsrɔ̃ nu kple haxɔsetɔ aɖe si hiã gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu la, do gbe ɖa nàbia Yehowa be wòafia mɔ wò ahayra ɖe wò agbagbadzedzewo dzi. “Tsɔ wò dɔwo de asi na Yehowa; ekema wò tameɖoɖowo adze dzi.” (Lod. 16:3) De ŋugble le mawunyakpukpui kple nyati siwo doa ŋusẽ ame, siwo nàte ŋu azã le numedzodzro kple ame siwo hiã gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu me la ŋu. Bu kpɔɖeŋu nyui si apostolo Paulo ɖo la ŋu. (Mixlẽ Romatɔwo 1:11, 12.) Enɔ Paulo dzrom vevie be yeakpɔ Kristotɔ siwo nɔ Roma la bene yeana gbɔgbɔmenunana aɖewo woamawo bene ŋusẽ naɖo wo ŋu. Enɔ mɔ kpɔm hã be dzidedeƒo na ame nɔewo nayi edzi le yewo dome. Ðe mele be míawo hã míaɖe nɔnɔme ma ke afia ne míele agbagba dzem be míakpe ɖe alẽ siwo tra mɔ tso Mawu ƒe alẽhaa me ŋu oa?

13. Nu kawo mee nàte ŋu adzro kple nɔvi aɖe si gbɔdzɔ?

13 Le mia kplii ƒe numedzodzroa me la, àte ŋu abiae be, “Aleke nèwɔ xɔ nyateƒea?” Na wòaɖo ŋku dzidzɔ siwo wòkpɔ le Yehowa subɔsubɔ me va yi la dzi, de dzi ƒo nɛ wòaƒo nu tso nuteƒekpɔkpɔ dodzidzɔname siwo su esi le kpekpewo dede, gbeƒãɖeɖedɔa, kple takpekpewo dede me ŋu. Ƒo nu tso dzidzɔɣeyiɣi siwo me mia kplii mieto le Yehowa subɔsubɔ ɖekae me ŋu. Gblɔ dzidzɔ si nèkpɔna le esi ƒomedodo kplikplikpli le mia kple Yehowa dome ta la nɛ. (Yak. 4:8) Gblɔ ale si gbegbe nèkpɔa ŋudzedze ɖe ale si Mawu léa be na mí—vevietɔ le akɔfafa kple mɔkpɔkpɔ nana mí ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom—la nɛ.—Rom. 15:4; 2 Kor. 1:3, 4.

14, 15. Yayra siwo me ame siwo gbɔdzɔ se vivi le tsã kawo dzie wòaɖe vi ŋutɔ be míaɖo ŋkui na wo?

14 Aɖe vi ŋutɔ ne èɖo ŋku yayra siwo me ame si gbɔdzɔ fifia la se vivi le va yi esime wòdea ha kple hamea dzonɔamemetɔe la dometɔ aɖewo dzi nɛ. Le kpɔɖeŋu me, dzidzɔ si wòkpɔ esime Mawu ƒe Nya la kple eƒe tameɖoɖowo ŋuti sidzedze geɖe nɔ esi sum. (Lod. 4:18) Ðikeke mele eme o be, esime ‘wòzɔna le gbɔgbɔ me’ la, nu vɔ̃ wɔwɔ ƒe tetekpɔwo dzi ɖuɖu nɔa bɔbɔe nɛ wu. (Gal. 5:22-26) Esia wɔe be dzitsinya nyuie su esi wòte ŋu tena ɖe Yehowa ŋu bɔbɔe le gbedodoɖa me, eye Mawu ƒe ‘ŋutifafa, si ƒoa susu ɖe sia ɖe ta la, dzɔa eƒe dziwo kple eƒe tamesusuwo ŋu.’ (Fp. 4:6, 7) Nya siawo nenɔ susu me na wò, ɖe ɖetsɔleme vavã fia, eye dze agbagba ɖe sia ɖe be nàde dzi ƒo na nɔviwòŋutsu alo nɔviwònyɔnu la lɔlɔ̃tɔe be wòatrɔ agbɔ va alẽhaa me.—Mixlẽ Filipitɔwo 2:4.

15 Tsɔe be hamemetsitsie nènye le sasrãkpɔ aɖe wɔm. Ðewohĩ àte ŋu ade dzi ƒo na atsu kple asi aɖe si gbɔdzɔ la be woagbugbɔ ade ŋugble tso ɣeyiɣi si me wosrɔ̃ nyateƒe si le Mawu ƒe Nyaa me zi gbãtɔ ŋu. Aleke gbegbee nyateƒe si naa ablɔɖe ame la nyo, faa akɔ na ame henya see nye esi! (Yoh. 8:32) Aleke gbegbee woƒe dzi yɔ fũu kple ŋudzedzekpɔkpɔ esime wonɔ nu srɔ̃m tso Yehowa, ale si wòlɔ̃ míi, kple eƒe tameɖoɖo wɔnukuawo ŋu la ŋue nye esi! (Tsɔe sɔ kple Luka 24:32.) Ðo ŋku ƒomedodo kplikplikpli si nɔa Kristotɔ ɖeadzɔgbewo kple Yehowa dome kpakple gbedodoɖa ƒe mɔnukpɔkpɔ wɔnuku si me wosea vivi le la dzi na wo. De dzi ƒo na ame siwo gbɔdzɔ la vevie be woagakpɔ ŋudzedze ɖe Yehowa, “Mawu dzidzɔtɔ la ƒe ŋutikɔkɔe nya nyui” la ŋu ake.—1 Tim. 1:11.

Miyi Edzi Míanɔ Lɔlɔ̃ Ðem Fia Wo

16. Gblɔ ale si veviedodonu le gbɔgbɔmekpekpeɖeŋunana ame siwo gbɔdzɔ me ɖea vi ŋutɔŋutɔ la ƒe kpɔɖeŋu aɖe.

16 Ðe aɖaŋuɖoɖo mawo dzi wɔwɔ ɖea vi ŋutɔŋutɔa? Ɛ̃. Le kpɔɖeŋu me, sɔhɛ aɖe si zu Fiaɖuƒea ƒe gbeƒãɖela esime wòxɔ ƒe 12 la va gbɔdzɔ esime wòxɔ ƒe 15. Gake dzo gava ɖo eme ake, eye wòwɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa hena ƒe 30 kple edzivɔwo. Kpekpeɖeŋu si Kristotɔ hamemetsitsi aɖe nae la koŋue na ŋusẽ gava ɖo eŋu le gbɔgbɔ me. Aleke gbegbee wòkpɔ ŋudzedze ɖe gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu ma ŋui enye esi!

17, 18. Nɔnɔme nyui kawoe akpe ɖe ŋuwò le kpekpeɖeŋunana ame aɖe si tra ɖa tso Mawu ƒe alẽhaa me me?

17 Lɔlɔ̃e ʋãa Kristotɔwo wonaa kpekpeɖeŋu ame siwo gbɔdzɔ la be woatrɔ ava hamea me. Yesu gblɔ tso eyomedzelawo ŋu be: “Se yeye nam mele mi, be mialɔ̃ mia nɔewo; abe ale si melɔ̃ mi ene la, miawo hã milɔ̃ mia nɔewo. Esia me amewo katã anyae le be nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.” (Yoh. 13:34, 35) Ɛ̃, lɔlɔ̃ nye nu siwo wotsɔ dea dzesi Kristotɔ vavãwo la dometɔ ɖeka. Ðe mele be woaɖe lɔlɔ̃ sia afia Kristotɔ xɔnyɔnyrɔ siwo va gbɔdzɔ le gbɔgbɔ me oa? Ele godoo be woaɖee afia wo! Gake kpekpeɖeŋu si hiã nana ate ŋu abia be ame naɖe mawumenɔnɔme vovovowo afia.

18 Ne ehiã be nàkpe ɖe ame aɖe si tra ɖa tso Mawu ƒe alẽhaa me ŋu la, nɔnɔme nyui kawoe wòle be nàɖe afia? Hekpe ɖe lɔlɔ̃ ŋu la, ahiã be nàɖe dɔmetɔtrɔ, dɔmenyonyo, tufafa, kple dzigbɔgbɔ blewu afia. Le ale si nɔnɔmeawo le nu la, ɖewohĩ ahiã be nàɖe tsɔtsɔke ƒe nɔnɔme hã afia. Paulo ŋlɔ bena: “Mido dɔmetɔtrɔ ƒe veveseɖeamenu, dɔmenyonyo, ɖokuibɔbɔ, tufafa, kple dzigbɔgbɔ blewu. Miyi edzi miado dzi anɔ anyi kple mia nɔewo, eye miatsɔ anɔ mia nɔewo kem faa ne nya aɖe le ame aɖe si ɖe nɔvia ŋu. Ale si Yehowa tsɔ ke mi faa la, miawo hã miwɔ nenema ke. Gake hekpe ɖe nu siawo katã ŋu la, mido lɔlɔ̃, elabena enye ɖekawɔwɔ ƒe nublanu deblibo.”—Kol. 3:12-14.

19. Nu ka tae agbagba siwo míadze be míakpe ɖe alẽ siwo tra mɔ la ŋu be woatrɔ ava Kristo hamea me manye dzodzro o?

19 Nyati si kplɔ esia ɖo adzro susu siwo ta ame aɖewo trana ɖa tso Mawu ƒe alẽhaa me la me. Aɖe ale si ame siwo atrɔ ava la akpɔ mɔ be woawɔ nu ɖe yewo ŋu la me. Ne èle nyati ma srɔ̃m esime esia me nyawo kpɔtɔ le susu me na wò la, kakaɖedzi nenɔ asiwò be agbagba ɖe sia ɖe si nàdze be yeakpe ɖe alẽ siwo tra mɔ ŋu be woatrɔ ava Kristo hamea me la manye dzodzro o. Le fifi nuɖoanyi sia me la, ame geɖe zãa woƒe agbenɔƒe katã tsɔ nɔa agbagba dzem be yewoaƒo kesinɔnuwo nu ƒu na yewo ɖokui, gake ame ɖeka pɛ gɔ̃ hã ƒe agbe xɔ asi wu ga siwo katã le xexea me. Yesu te gbe ɖe esia dzi le eƒe alẽ búbu ŋuti kpɔɖeŋua me. (Mat. 18:12-14) Esia nenɔ susu me na wò esime nèle agbagba dzem be yeakpe ɖe Yehowa ƒe alẽ siawo siwo wòlɔ̃ vevie, siwo tra mɔ la ŋu be woatrɔ agbɔ va alẽhaa me kaba.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Agba kae le Kristotɔ alẽkplɔlawo dzi ku ɖe alẽ siwo tra mɔ tso alẽhaa me ŋu?

• Aleke nàte ŋu akpe ɖe ame siwo megale ha dem kple hamea o la ŋu?

• Nɔnɔme nyui kawoe akpe ɖe ŋuwò be nàte ŋu ana kpekpeɖeŋu ame siwo tra tso alẽhaa me?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Kristotɔ alẽkplɔlawo dzea agbagba lɔlɔ̃tɔe be yewoakpe ɖe ame siwo tra tso Mawu ƒe alẽhaa me ŋu