Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nya Vevi Siwo Tso Yakobo Kple Petro Ƒe Agbalẽawo Me

Nya Vevi Siwo Tso Yakobo Kple Petro Ƒe Agbalẽawo Me

Yehowa Ƒe Nya La Le Agbe

Nya Vevi Siwo Tso Yakobo Kple Petro Ƒe Agbalẽawo Me

ANƆ abe ƒe 30 ene le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste la megbe ene la, nusrɔ̃la Yakobo, si nye Yesu dada Maria ƒe vi la, ŋlɔ agbalẽ aɖe na gbɔgbɔ me Israel ƒe ‘to wuieveawo.’ (Yak. 1:1) Eƒe taɖodzinuae nye be yeaxlɔ̃ nu wo be woasẽ ŋu le xɔse me ahado dzi le nɔnɔme sesẽwo me. Eɖo aɖaŋu hã be woaɖɔ nɔnɔme gbegblẽ siwo do mo ɖa le hamea me la ɖo.

Do ŋgɔ teti hafi Roma Fiagã Nero nadze eƒe tsitretsiɖeŋu nuwɔnawo gɔme le ƒe 64 M.Ŋ. me la, apostolo Petro ŋlɔ eƒe agbalẽ gbãtɔa na Kristotɔwo tsɔ de dzi ƒo na wo be woanɔ tsitre sesĩe le xɔse me. Le eƒe agbalẽ evelia si wòŋlɔ le gbãtɔa ŋɔŋlɔ vɔ megbe kpuie me la, Petro de dzi ƒo na haxɔsetɔwo be woanɔ wɔwɔm ɖe Mawu ƒe Nya la dzi, eye wòxlɔ̃ nu wo tso Yehowa ƒe ŋkeke la ƒe vava ŋu. Le nyateƒe me la, toɖoɖo gbedeasi siwo le Yakobo kple Petro ƒe agbalẽawo me aɖe vi na mí geɖe ŋutɔ.—Heb. 4:12.

MAWU NAA NUNYA AME SIWO LE “EBIAM LE XƆSE ME”

(Yak. 1:1–5:20)

Yakobo ŋlɔ bena: “Dzidzɔtɔe nye ame si doa dzi le tetekpɔ me, elabena ne wokpɔ ŋudzedze ɖe eŋu la, axɔ agbefiakuku la.” Yehowa naa nunya si hiã bene woado dzi le tetekpɔwo me la ame siwo yi edzi le “ebiam le xɔse me.”—Yak. 1:5-8, 12.

Ame siwo ‘zu nufialawo’ le hamea me hã hiã xɔse kple nunya. Le nuƒoƒo tso aɖe ŋu be enye “ŋutinu sue” si te ŋu ‘ƒoa ɖi ŋutilã bliboa’ vɔ megbe la, Yakobo ƒo nu tso xexea me ƒe nɔnɔme aɖewo siwo ate ŋu agblẽ ame kple Mawu dome ƒomedodo me la ŋu. Eyɔ afɔ siwo wòle be ame si dze dɔ le gbɔgbɔ me naɖe bene wòaganɔ lãmesẽ me la hã.—Yak. 3:1, 5, 6; 5:14, 15.

Ŋɔŋlɔawo Me Biabiawo Ŋu Ðoɖo:

2:13—Mɔ ka nue “nublanuikpɔkpɔ ƒoa adegbe be yeɖua ʋɔnudɔdrɔ̃ dzi” le? Ne ehiã be míabu akɔnta tso mía ɖokui ŋuti na Mawu la, eléa ŋku ɖe ale si gbegbe mía ŋutɔwo míekpɔa nublanui na ame bubuwo la ŋu hafi nɔa te ɖe Via ƒe tafevɔsaa dzi tsɔa míaƒe nu vɔ̃wo kea mí. (Rom. 14:12) Ðe esia meɖe susu si tae wòle be míana nublanuikpɔkpɔ nanye míaƒe amenyenye ƒe akpa vevi aɖe fia oa?

4:5—Ŋɔŋlɔ ka me nyawo yɔmee Yakobo le le afi sia? Menye mawunyakpukpui aɖe koŋ yɔmee Yakobo le o. Gake anɔ eme be gɔmesese si le nya siwo le mawunyakpukpui siwo gbɔna me ŋu la dzie wòtu eƒe nya siawo siwo tso gbɔgbɔ me la ɖo: 1 Mose 6:5; 8:21; Lododowo 21:10; kple Galatiatɔwo 5:17.

5:20—Ame ka ƒe nu vɔ̃ geɖe dzie “ame si trɔ nu vɔ̃ wɔla tso eƒe vodada ƒe mɔ la dzi la” atsyɔ nui? Kristotɔ si trɔ nu vɔ̃ wɔla tso eƒe vodada ƒe mɔ dzi la xɔa nu vɔ̃ wɔla ma si trɔ dzi me la ƒe luʋɔ ɖe agbe be maku le gbɔgbɔ me o, eye ɖewohĩ tso tsɔtsrɔ̃ ɖikaa me. Ame si akpe ɖe nu vɔ̃ wɔlaa ŋu alea la ‘atsyɔ nu’ nu vɔ̃ wɔlaa ƒe “nu vɔ̃ geɖe [hã] dzi.”

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme Na Mí:

1:14, 15. Dzodzro vɔ̃wo nana ame va wɔa nu vɔ̃. Eya ta mele be Míayi edzi anɔ dzodzro vɔ̃wo ŋu bum o. Ðe eteƒe la, ele be ‘míayi edzi anɔ nu tuameɖowo’ ŋu bum ahana woaxɔ míaƒe dzi kple susuwo me.—Fp. 4:8.

2:8, 9. ‘Ameŋkumekpɔkpɔ’ tsi tsitre ɖe lɔlɔ̃ ƒe “fiasedede la” ŋu. Eya ta Kristotɔ vavãwo mekpɔa ame ŋkume o.

2:14-26. “[Woɖea mí] to xɔse me” ke menye to Mose ƒe Se la ƒe “dɔwɔwɔwo” alo Kristotɔwo ƒe dɔwɔwɔwo me o. Mele be míaƒe xɔse nanye gbɔgblɔ be xɔse le mía si dzro ko o. (Ef. 2:8, 9; Yoh. 3:16) Ele be wòaʋã mí míawɔ dɔ siwo wɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu.

3:13-17. Ðikeke mele eme o be “nunya si tso dziƒo” la ƒo nunya si nye ‘anyigba dzi tɔ, lã tɔ, gbɔgbɔ vɔ̃wo tɔ’ la ta sãsãsã! Ele be ‘míayi edzi anɔ mawumenunya dim abe kesinɔnu si le to me ene.’—Lod. 2:1-5.

3:18. ‘Ŋutifafamewoe ƒãa Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui la ƒe ku le ŋutifafa me.’ Eya ta ele vevie ŋutɔ be míanye ŋutifafawɔlawo, ke menye dadalawo, dzrehelawo, alo adãnuwɔlawo o.

“MINƆ TE SESĨE LE XƆSE ME”

(1 Pet. 1:1–5:14)

Petro ɖo ŋku “mɔkpɔkpɔ gbagbe” la kple dziƒodomenyinyi la dzi na haxɔsetɔwo. Egblɔ na wo be: “Mienye ‘dzidzime tiatia, nunɔla siwo nye fiawo, dukɔ kɔkɔe.’” Le aɖaŋu aɖewo koŋ ɖoɖo na wo tso ɖokuibɔbɔ ŋu vɔ megbe la, exlɔ̃ nu wo katã be: “Miaƒe susu nanɔ ɖeka, mise veve ɖe ame nu, milɔ̃ mia nɔewo abe nɔviwo ene, miaƒe dɔme natrɔ ɖe ame ŋu, mibɔbɔ mia ɖokui le dzi me.”—1 Pet. 1:3, 4; 2:9; 3:8.

Esi Yudatɔwo ƒe nuɖoanyia “ƒe nuwuwu ɖo” ta la, Petro xlɔ̃ nu nɔviawo be ‘woanɔ ŋute, eye woanɔ ŋudzɔ hena gbedodoɖa.’ Egblɔ na wo be: “Minɔ mo xexi, minɔ ŋudzɔ. . . . Mitsi tsitre ɖe [Satana ŋu], minɔ te sesĩe le xɔse me.”—1 Pet. 4:7; 5:8, 9.

Ŋɔŋlɔawo Me Biabiawo Ŋu Ðoɖo:

3:20-22—Aleke nyɔnyrɔxɔxɔ ɖea míi? Nyɔnyrɔxɔxɔ nye nudidi si gbɔ wòle be ame siwo di be yewoakpɔ ɖeɖe la naɖo. Gake menye nyɔnyrɔxɔxɔ la ŋutɔe ɖea mí o. Le nyaa ŋutɔŋutɔ nu la, woaɖe mí “to Yesu Kristo ƒe tsitretsitsi dzi.” Ele be ame siwo di be yewoaxɔ nyɔnyrɔ la naxɔe ase be esi Yesu ku vɔsaku, wofɔe ɖe tsitre “wòva le Mawu ƒe nuɖusi me,” eye wonae ŋusẽ ɖe agbagbeawo kple kukuawo siaa dzi la ɖeɖe koe na míate ŋu akpɔ mɔ na ɖeɖekpɔkpɔ. Nyɔnyrɔxɔxɔ si wotu ɖe xɔse sia ƒomevi dzi lae sɔ kple ale si ‘woɖe luʋɔ enyi to tsi me dedie la.’

4:6—Ame kawoe nye ‘ame kuku’ siwo “woɖe gbeƒã nya nyui la na”? Woawoe nye ‘ame siwo nye ame kukuwo le woƒe vodadawo kple nu vɔ̃wo me tsã,’ alo ku le gbɔgbɔ me, hafi wova se nya nyuia. (Ef. 2:1) Gake esi wonya xɔ nya nyuia dzi se ko la, ‘wogbɔ agbe’ le gbɔgbɔ me.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme Na Mí:

1:7. Be asixɔxɔ gã nanɔ míaƒe xɔse ŋu la, ele be wòanye adodoea si wodo kpɔ. Xɔse sẽŋu ma tɔgbi ‘xɔa luʋɔ ɖe agbe’ vavã. (Heb. 10:39) Mele be míagbugbɔ ɖe megbe le xɔse ƒe dodokpɔwo me o.

1:10-12. Edzro mawudɔlawo vevie be yewoakpɔ gbɔgbɔ me nyateƒenya goglo siwo Mawu ƒe blema nyagblɔɖilawo ŋlɔ ɖi tso Kristotɔ amesiaminawo ƒe hame la ŋu me tsitotsito ahase wo gɔme. Ke hã, esime Yehowa va ɖo hame la anyi hete ezazã ko hafi nu siawo me va kɔ. (Ef. 3:10) Ðe mele be míasrɔ̃ mawudɔlawo ƒe kpɔɖeŋua ahatsɔ kutrikuku vevie adzro “Mawu ƒe nu goglowo” me oa?—1 Kor. 2:10.

2:21. Le míaƒe kpɔɖeŋuɖola Yesu Kristo sɔsrɔ̃ me la, ele be míalɔ̃ faa be míakpe fu, yi ɖase ɖe ku me gɔ̃ hã, le Yehowa ƒe dziɖulanyenye ta ʋiʋli me.

5:6, 7. Ne míedro míaƒe dzimaɖitsitsiwo da ɖe Yehowa dzi la, akpe ɖe mia ŋu míatsɔ tadedeagu vavãtɔa aɖo nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe me le esi teƒe be míanɔ dzi tsim ɖe etsɔ si gbɔna ŋu madzemadzee.—Mat. 6:33, 34.

‘YEHOWA ƑE ŊKEKE LA LE VAVA GE’

(2 Pet. 1:1–3:18)

Petro ŋlɔ bena: “Nyagblɔɖi aɖeke metso ame ƒe lɔlɔ̃nu me ɣeaɖekeɣi kpɔ o, ke boŋ gbɔgbɔ kɔkɔe ye ʋã amewo wogblɔ Mawu ƒe nyawo ɖi.” Toɖoɖo nyagblɔɖinya la akpɔ mía ta tso “aʋatsonufialawo” kple ame gblẽku bubuwo si me.—2 Pet. 1:21; 2:1-3.

Petro xlɔ̃ nu be: “Le ŋkeke mamlɛawo me la, fewuɖulawo ava kple woƒe fewuɖuɖu.” Gake “Yehowa ƒe ŋkeke la ava abe fiafitɔ ene.” Petro ƒo eƒe lɛtaa ta kple aɖaŋuɖoɖo nyuiwo na ame siwo ‘le lalam, eye woƒe susu le ŋkeke ma ƒe vava dzi.’—2 Pet. 3:3, 10-12.

Ŋɔŋlɔawo Me Biabiawo Ŋu Ðoɖo:

1:19—Ame kae nye “ŋukeɣletivi” la, ɣekaɣie wòdze, eye alekee míewɔ nya be nu sia dzɔ? Ŋukeɣletivi lae nye Yesu Kristo si le eƒe Fiaɖuƒeŋusẽ me. (Nyaɖ. 22:16) Le ƒe 1914 me la, Yesu zu Mesia Fia si do na nuwɔwɔwo katã, eye wònye dzesi na ŋkeke yeye aɖe ƒe gɔmedzedze. Yesu ƒe nɔnɔmetɔtrɔ ŋuti ŋutega la ɖe ŋutikɔkɔe si me Yesu anɔ le Fiaɖuƒeŋusẽ me la fia do ŋgɔ, eye wònye kpeɖodzi si na be míate ŋu aka ɖe Mawu ƒe nyagblɔɖinya la dzi bliboe. Nyagblɔɖinya ma me dzodzro nana kekeli klẽna le míaƒe dziwo me, si wɔnɛ be míedea dzesii be Ŋukeɣletivi la dze.

2:4—Nu kae nye “Tartaro” la, eye ɣekaɣie wotsɔ mawudɔla dzeaglãwo ƒu gbe ɖe afi ma? Tartaro la nye gaxɔmenɔnɔ ƒe nɔnɔme ƒomevi aɖe si me wotsɔ gbɔgbɔmenuwɔwɔ aɖewo—amegbetɔwo mele eme o—de. Enye susu me ƒe viviti tsiɖitsiɖi me nɔnɔ ku ɖe Mawu ƒe tameɖoɖo nyuiawo ŋu. Etsɔmemɔkpɔkpɔ aɖeke mele ame siwo le Tartaro la si o. Mawu tsɔ mawudɔla dzeaglãwo ƒu gbe ɖe Tartaro le Noa ƒe ŋkekea me, eye woanɔ nɔnɔme ɖigbɔ ma me va se ɖe esime woatsrɔ̃ wo.

3:17—Nu kae Petro wɔnɛ esi wògblɔ be “mienya nu siawo do ŋgɔ”? Nu siwo ava dzɔ le etsɔme ŋuti sidzedze si Mawu ƒe gbɔgbɔa na wòsu Petro kple Biblia ŋlɔla bubuwo si do ŋgɔ lae wòwɔnɛ. Esi wònye sidzedze si ŋuti gɔmesese womeɖe ɖe go keŋkeŋ na Kristotɔ gbãtɔawo o ta la, togbɔ be esu wosi hã la, womenya ale si tututu nuwo ava yi le etsɔme la tsitotsito o. Nu siwo tɔgbi ate ŋu adzɔ la ŋuti gɔmesese gbadzaa koe su wo si.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme Na Mí:

1:2, 5-7. Menye ɖeko míaƒe kutrikuku vevie be miatu nɔnɔme nyuiwo abe xɔse, dzidodo, kple ɖokuitsɔtsɔ na Mawu ene ɖo, akpe ɖe mía ŋu míadzi “Mawu kple Yesu mía Aƒetɔ la ŋuti sidzedze vavãtɔ” ɖe edzi ko o, ke ana míazu “gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo loo alo ame matsekuwo” le sidzedze sia gome o.—2 Pet. 1:8.

1:12-15. Be míayi edzi ‘ali ke sesĩe le nyateƒe la me’ la, míehiã ŋkuɖodzinyawo abe esiwo sua mía si to míaƒe hamea ƒe kpekpewo, ɖokuisinusɔsrɔ̃, kple Biblia xexlẽ me ene.

2:2. Ele be míakpɔ nyuie be míaƒe nuwɔna nagahe vlododo ava Yehowa kple eƒe habɔbɔa dzi o.—Rom. 2:24.

2:4-9. Le nu siwo Yehowa wɔ va yi ta la, míate ŋu aka ɖe edzi be “Yehowa nya ale si wòaɖe ame siwo tsɔ wo ɖokui na Mawu la tso tetekpɔ me, gake wòadzra ame madzɔmadzɔwo ɖo hena ʋɔnudrɔ̃gbe, bene woaɖe wo ɖa.”

2:10-13. Togbɔ be gbɔdzɔgbɔdzɔwo le “ŋutikɔkɔemewo,” siwo nye Kristotɔ hamemetsitsiwo, ŋu eye woate ŋu awɔ vodada ɣeaɖewoɣi hã la, mele be míagblɔ nya gbegblẽwo ɖe wo ŋu o.—Heb. 13:7, 17.

3:2-4, 12. Ŋkuléle ɖe “nya siwo nyagblɔɖila kɔkɔewo gblɔ do ŋgɔ, kpakple Aƒetɔ kple Ðela la ƒe se si wòna” ŋu vevie akpe ɖe mía ŋu be ale si Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒee la nanɔ susu me na mí ɣesiaɣi.

3:11-14. Esi míele ‘Yehowa ƒe ŋkeke la ƒe vava lalam, eye míaƒe susu nɔa eŋu ɣesiaɣi’ ta la, ele be (1) ‘míanɔ kɔkɔe le agbenɔnɔ me,’ si fia be míayi edzi anɔ dzadzɛ le ŋutilã, susu, agbenɔnɔ, kple gbɔgbɔ me; (2) míagba go le dɔwɔna siwo me “ɖokuitsɔtsɔ na Mawu” dzena le me, abe dɔ siwo do ƒome kple Fiaɖuƒe gbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔa ene; (3) míana ‘ɖiƒoƒo’ aɖeke nanɔ míaƒe agbenɔnɔ kple nuwɔnawo ŋu o, si fia be míana xexea naƒo ɖi mí o; (4) míanye ‘mokaka manɔŋutɔwo,’ si fia be míawɔ nu sia nu tso dzi dzadzɛ me; eye (5) míanɔ “ŋutifafa me”—si nye ŋutifafamenɔnɔ kple Mawu, mía nɔvi Kristotɔwo, kple mía havi amegbetɔwo.