Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Nàyi Edzi Alé Wò Fɔmaɖimaɖi Me Ðe Asia?

Ðe Nàyi Edzi Alé Wò Fɔmaɖimaɖi Me Ðe Asia?

Ðe Nàyi Edzi Alé Wò Fɔmaɖimaɖi Me Ðe Asia?

‘Nyemasẽ nu le nye fɔmaɖimaɖi ŋu, va se ɖe esime mamia nu o.’—HIOB 27:5.

1, 2. Nɔnɔme ka tutuɖo ŋue wòhiã be míadze agbagba le, eye biabia kawo mee míadzro?

TSƆE be èle ŋku lém ɖe aƒe aɖe si nèdi be yeatu ƒe nɔnɔmetata ŋu. Nɔnɔme tɔxɛ siwo anɔ aƒea ŋu dze ŋuwò ale gbegbe. Ale si aƒea me nɔnɔ aɖe vi na mia kple wò ƒomeae la ŋu bubu doa dzidzɔ na wò ŋutɔ. Gake ɖe màlɔ̃ ɖe edzi be nɔnɔmetata mawo kple ale si gbegbe nàde ŋugble tso wo ŋui maɖe vi boo aɖeke na wò ne mètu aƒea ŋutɔŋutɔ, ʋu yi ɖanɔ eme heléa be nɛ oa?

2 Nenema kee míate ŋu akpɔe be fɔmaɖimaɖi nye nɔnɔme lédziname aɖe si le vevie, si aɖe vi na mía kple míaƒe ame veviwo geɖe ŋutɔ. Gake ŋugbledede tso fɔmaɖimaɖi ŋu ŋudzedzekpɔkpɔtɔe maɖe vi boo aɖeke na mí o, negbe ɖe míetu Kristotɔwo ƒe fɔmaɖimaɖi ɖo heléa eme ɖe asi hafi. Le egbexexea me la, aƒetsotso biaa ga geɖe zazã zi geɖe. (Luka 14:28, 29) Nenema kee wòbia kutrikuku kple ɣeyiɣi geɖe be woatu fɔmaɖimaɖi ɖo, gake esia wɔwɔ ɖea vi ŋutɔ. Eya ta na míadzro biabia etɔ̃ me: Aleke míawɔ anye fɔmaɖilawo? Alekee míawɔ alé Kristotɔwo ƒe fɔmaɖimaɖi me ɖe asi? Nu kae wòle be ame nawɔ ne eva dzɔ be edo kpo nu ɣeaɖeɣi le fɔmaɖimaɖi me léle ɖe asi me?

Aleke Míawɔ Anye Fɔmaɖilawo?

3, 4. (a) Mɔ kawo nue Yehowa kpena ɖe mía ŋu le be míatu fɔmaɖimaɖi ɖo? (b) Alekee míate ŋu atu fɔmaɖimaɖi ɖo abe ale si Yesu ɖo eƒe kpɔɖeŋu ɖi ene?

3 Míekpɔe le nyati si do ŋgɔ me be Yehowa de bubu mía ŋu to mɔnukpɔkpɔnana mí be mía ŋutɔwo míatiae nenye be míedi be míanye fɔmaɖilawo me. Gake dzidzɔtɔe la, megblẽ mí ɖi le nya sia me kpekpeɖeŋumanamana míi o. Efiaa ale si míawɔ atu nɔnɔme nyui sia ɖoe la mí, eye wònaa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea mí dɔmenyotɔe be wòakpe ɖe mía ŋu míanɔ agbe ɖe nu siwo wòfia mí la nu. (Luka 11:13) Ekpɔa ame siwo dzea agbagba be yewoazɔ le fɔmaɖimaɖi me la ta le gbɔgbɔ me kura gɔ̃ hã.—Lod. 2:7.

4 Alekee Yehowa fia ale si míanye fɔmaɖilawoe mí? Mɔ vevitɔ kekeake si dzi wòtoe nye Via, Yesu, dɔdɔ ɖe anyigba dzi. Yesu ɖo to bliboe le eƒe agbenɔnɔ katã me. “Eɖo to yi ɖa se keke ku me ke.” (Fp. 2:8) Yesu ɖo to Fofoa si le dziƒo la le nu sia nu me, ne esia wɔwɔ bia be wòakpe fu gɔ̃ hã. Egblɔ na Yehowa be: “Menye nye lɔlɔ̃nu o, ke boŋ tɔwò nava eme.” (Luka 22:42) Anyo be mía dometɔ ɖe sia ɖe nabia eɖokui be, ‘Ðe toɖoɖo ƒe nɔnɔme sia tɔgbi le asinyea?’ Ne míeɖoa to tso dzi dzadzɛ me ɣesiaɣi la, ekema míanye fɔmaɖilawo. Na míakpɔ go aɖewo koŋ siwo me toɖoɖo hiã le vevie ŋutɔ le míaƒe agbe me la ɖa.

5, 6. (a) Alekee David te gbe ɖe fɔmaɖimaɖi me léle ɖe asi ne ame aɖeke mele mía kpɔm o gɔ̃ hã ƒe vevienyenye dzi? (b) Fɔmaɖimaɖi ƒe kuxi kawoe dzea ŋgɔ Kristotɔ egbea ne eya ɖeɖe li?

5 Ehiã be míaɖo to Yehowa ne edze abe ame aɖeke mele mía kpɔm o ene gɔ̃ hã. Hakpala David anya kpɔ vevienyenye si le fɔmaɖimaɖi ŋu le ɣeyiɣi siwo me eya ɖeɖe li la dze sii. (Mixlẽ Psalmo 101:2.) Esi David nye fia ta la, enɔa amehawo dome zi geɖe. Ðikeke mele eme o be zi geɖe la, enɔa ameha alafawo alo akpewo gɔ̃ hã dome. (Tsɔe sɔ kple Psalmo 26:12.) Fɔmaɖimaɖi me léle ɖe asi le ɣeyiɣi mawo me le vevie, elabena abe fia ene la, ele be wòaɖo kpɔɖeŋu nyui na dukɔ la. (5 Mose 17:18, 19) Ke hã, David nyae be ne ye ɖeɖe yeli, ‘le yeƒe aƒe me’ la, egahiã kokoko be yeazɔ le fɔmaɖimaɖi me. Ke míawo ya ɖe?

6 David gblɔ le Psalmo 101:3 be: ‘Nyematsɔ nu tovo aɖeke aɖo ŋkunyeme o.’ Nɔnɔme geɖewo li egbea siwo ate ŋu awɔe be míatsɔ nu tovowo aɖo mía ɖokuiwo ŋkume, vevietɔ ne míawo ɖeɖe míeli. Internet zazã wɔe be esia va zu kuxi na ame geɖe. Ele bɔbɔe be woable ame nu ade nu siwo mesɔ o, alo amamaɖeɖenuwɔnawo gɔ̃ hã, kpɔkpɔ me. Gake ɖe esia wɔwɔ anye toɖoɖo Mawu, ame si ʋã David wòŋlɔ nya siawo ɖia? Amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ gblẽa nu le ame ŋu ŋutɔ, le esi wònyɔa ŋukeklẽ kple dzodzro vɔ̃wo ƒe didi ɖe ame me, ƒoa ɖi ame ƒe dzitsinya, gblẽa nu le srɔ̃ɖeɖe ŋu, eye wòɖia gbɔ ame siwo wɔnɛ kple ame siwo kpɔnɛ siaa la ta.—Lod. 4:23; 2 Kor. 7:1; 1 Tes. 4:3-5.

7. Gɔmeɖose kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míalé fɔmaɖimaɖi me ɖe asi ne míawo ɖeɖe míeli?

7 Le nyateƒe me la, Yehowa subɔla aɖeke menɔa anyi ɣeaɖekeɣi si ame aɖeke mele ekpɔm o. Mía Fofo si le dziƒo la léa ŋku ɖe mía ŋu lɔlɔ̃tɔe. (Mixlẽ Psalmo 11:4.) Aleke wòado dzidzɔ na Yehowae nye esi ne ekpɔ wò nèle tetekpɔwo dzi ɖum! Ne èwɔnɛ alea la, ekema èle nuxlɔ̃ame si Yesu na le Mateo 5:28 la ƒe gɔmeɖosea dzi wɔm. Ðoe kplikpaa be yemakpɔ nɔnɔmetata siwo ava zu tetekpɔ na wò be nàwɔ nu gbegblẽ la o. Mègaɖe asi le wò fɔmaɖimaɖi xɔasia ŋu le ŋukpenanu si nye amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ alo wo xexlẽ ta o!

8, 9. (a) Fɔmaɖimaɖi ƒe dodokpɔ kae dze ŋgɔ Daniel kple eƒe zɔhɛwo? (b) Alekee sɔhɛ Kristotɔ siwo li egbea la doa dzidzɔ na Yehowa kple wo hati Kristotɔwo siaa?

8 Míagate ŋu anye fɔmaɖilawo hã ne míeɖoa to Yehowa esime míele dzimaxɔsetɔwo dome. Bu Daniel kple eƒe zɔhɛ etɔ̃awo ŋu kpɔ. Sɔhɛwo ko wonye esime woɖe wo aboyoe yi Babilon. Esi Hebrivi eneawo nɔ afi ma le dzimaxɔsetɔ siwo menya nu boo aɖeke alo naneke kura tso Yehowa ŋu o dome la, woƒo nya ɖe wo nu be woaɖu nu siwo ŋu Mawu ƒe Se tsi tsitre ɖo. Anɔ bɔbɔe be ɖekakpui mawo nadi be yewoana ta hafi. Ele alea, elabena wo dzilawo, ame tsitsiwo, kple nunɔlawo mate ŋu akpɔ nu si wo ame eneawo woanɔ wɔwɔm le afi ma o. Gake ame kae akpɔe? Yehowa ŋutɔe. Eya ta wote afɔ to sesĩe heɖo toe togbɔ be woƒo nya ɖe wo nu eye woƒe agbe ɖo afɔku me gɔ̃ hã.—Dan. 1:3-9.

9 Sɔhɛ Yehowa Ðasefowo le afɔ siawo tɔgbi ɖem le xexea me godoo, elabena woɖoe kplikpaa nɔa agbe ɖe Mawu ƒe dzidzenu siwo wòɖo na Kristotɔwo la nu, eye wogbe be yewomana ta le hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu vɔ̃wo te o. Ne mi sɔhɛwo miegbea gomekpɔkpɔ le atike vɔ̃ɖiwo zazã, ŋutasẽnuwo wɔwɔ, amedzudzu, agbe gbegblẽ nɔnɔ, kple nu vɔ̃ɖi bubuwo wɔwɔ me la, ekema Yehowae nye ema miele to ɖom. Ne miele ewɔm alea la, ekema miele miaƒe fɔmaɖimaɖi me lém ɖe asi. Aɖe vi na mia ŋutɔwo, eye miado dzidzɔ na Yehowa kple mia hati Kristotɔwo siaa.—Ps. 110:3.

10. (a) Matrewɔwɔ ŋuti nukpɔsusu gbegblẽ kae na sɔhɛ aɖewo do kpo fɔmaɖimaɖi me léle ɖe asi? (b) Alekee fɔmaɖimaɖi ƒe nya la kpena ɖe mía ŋu be míawɔ nu atsɔ aƒo asa na matrewɔwɔ ƒe afɔkua?

10 Ehiã hã be míanye toɖolawo le nuwɔwɔ kple ame siwo ƒe vidzinu to vovo na mía tɔ me. Míenya be Mawu ƒe Nya de se ɖe matrewɔwɔ nu. Ke hã, ele bɔbɔe be ame si nye toɖola hã nava nɔ agbe ƒomevi ɖe sia ɖe nɔm faa. Le kpɔɖeŋu me, sɔhɛ aɖewo kpɔ gome le gbɔdɔdɔ to nu me, gbɔdɔdɔ to meƒi me, alo asilili wo nɔewo ƒe vidzinuwo ŋu me hebui be nuwɔna mawo megblẽ nenema gbegbe o, le esi wosusui be menye gbɔdɔdɔ ŋutɔŋutɔ o ta. Sɔhɛ mawo ŋlɔ be—alo tiae be yewoaŋe aɖaba aƒu nyateƒenya sia dzi—be nyagbe si wozã na matrewɔwɔ le Biblia me, si ta woate ŋu aɖe ame le hamea me ɖo la, lɔ nuwɔna gbegblẽ siawo katã ɖe eme. * Nu si gavɔ̃ɖi wue nye be woŋe aɖaba ƒu ale si wòle vevie be woalé fɔmaɖimaɖi me ɖe asi la dzi. Esi míedzea agbagba be míalé fɔmaɖimaɖi me ɖe asi ta la, míedia taflatsɛdonuwo hena nu gbegblẽ wɔwɔ o. Míedzea agbagba be míate ɖe nu vɔ̃ ŋu pɛ̀ɛ, evɔ womate ŋu ahe to na mí be míewɔ nu vɔ̃a ŋutɔŋutɔ o. Menye to si woahe na mí ɖe nu gbegblẽ wɔwɔ ta koŋ dzie míedaa míaƒe susu ɖo o. Ke boŋ míeléa fɔ ɖe nu siwo dzɔa dzi na Yehowa wɔwɔ ŋu heƒoa asa na esiwo ado dziku nɛ. Le esi míadi be míakpɔe ɖa be aleke gbegbee míate ŋu ate ɖe nu vɔ̃ ŋui hã teƒe la, míeɖea mía ɖokui ɖe aga boo tso egbɔ, eye “[míesina] le agbe gbegblẽ nɔnɔ nu.” (1 Kor. 6:18) To esia wɔwɔ me la, míeɖenɛ fiana be míenye fɔmaɖila vavãwo.

Alekee Míawɔ Alé Fɔmaɖimaɖi Me Ðe Asi?

11. Nu ka tae toɖoɖonuwɔna ɖe sia ɖe le vevie? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

11 Míetua fɔmaɖimaɖi ɖo to toɖoɖo me, eya ta míeléa fɔmaɖimaɖi me ɖe asi ne míeyia edzi ɖoa to le nu sia nu me. Ðewohĩ toɖoɖo le nuwɔna ɖeka aɖe me adze nu tsɛ, alo nu maɖinu na mí. Gake ne ɣeyiɣiawo va le yiyim la, toɖoɖo alea le nu vovovowo me nana míekpɔtɔ nyea fɔmaɖilawo. Eƒe kpɔɖeŋu aɖee nye esi: Ðewohĩ xɔtukpe ɖeka pɛ maɖi naneke o, gake ne míeɖo kpe mawo ƒomevi ɖe wo nɔewo dzi ŋuɖɔɖotɔe la, míate ŋu atu aƒe nyui aɖe. Eya ta ne míeyi edzi ɖea toɖoɖo fiana le míaƒe nuwɔnawo me la, ekema efia be míele fɔmaɖimaɖi me lém ɖe asi.—Luka 16:10.

12. Alekee David ɖo fɔmaɖimaɖi me léle ɖe asi ne wole ŋlɔmi alo nu madzɔmadzɔ wɔm ɖe ame ŋu ƒe kpɔɖeŋu ɖi?

12 Míaƒe fɔmaɖimaɖi me léle ɖe asi dzena ƒãa ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom, ne wole ŋlɔmi alo nu madzɔmadzɔ wɔm ɖe mía ŋu. Bu David ƒe kpɔɖeŋu si le Biblia me la ŋu kpɔ. Esime wònye ɖekakpui la, ekpe fu le yometiti si fia Saul, si wòle na be wòanɔ Yehowa teƒe la, he va edzi me. Yehowa megakpɔ ŋudzedze ɖe fia Saul ŋu o, eye Saul va ʋã ŋu David, si ŋu Mawu kpɔ ŋudzedze ɖo la, vevie. Ke hã, Saul gakpɔtɔ nye fia hena ɣeyiɣi aɖe, eye wòzã Israel ʋakɔa tsɔ ti David yome vevie. Yehowa ɖe mɔ nu madzɔmadzɔ sia yi edzi hena ƒe geɖe. Ðe David do dziku ɖe Mawu ŋua? Ðe wòtso nya me be manye viɖe aɖeke be yeayi edzi ado dzi oa? Gbeɖe. Eyi edzi de bubu deto Saul ƒe ɖoƒe ŋu abe Mawu ƒe amesiamina ene hegbe be yemado afɔku Saul o, esime mɔnukpɔkpɔ aɖe va ʋu ɖi nɛ gɔ̃ hã.—1 Sam. 24:3-8.

13. Aleke míate ŋu alé fɔmaɖimaɖi me ɖe asi ne nɔvi aɖe do dziku na mí alo eƒe nuwɔna gbã dzi na mí?

13 Aleke gbegbe David ƒe kpɔɖeŋua doa ŋusẽ mí egbeae nye esi! Míenye xexea me katã ƒe hame si me ame madeblibo siwo dometɔ aɖe ate ŋu adze agɔ le mía dzi alo awɔ nu si mele eteƒe o gɔ̃ hã la me tɔwo. Le nyateƒe me la, woyra mí be míele agbe le ɣeyiɣi si me naneke mate ŋu agblẽ Yehowa ƒe amewo ƒe ƒuƒoƒo bliboa ƒe nuteƒewɔwɔ me gbeɖe o la me. (Yes. 54:17) Ke hã, aleke míawɔ nui ne nɔvi aɖe ƒe nuwɔna gbã dzi na mí alo na nu te ɖe mía dzi vevie? Ne míeɖe mɔ dzikudodo ɖe hati tadeagula aɖe ŋu gblẽ nu le míaƒe dzi ŋu la, esia ate ŋu agblẽ míaƒe fɔmaɖimaɖi me léle ɖe asi na Mawu me. Mele be míanɔ te ɖe ame bubuwo ƒe nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ɖe mía ŋu dzi ado dziku ɖe Mawu ŋu alo adzudzɔ nuteƒewɔwɔ me léle ɖe asi gbeɖe o. (Ps. 119:165) Dzidodo, le tetekpɔwo me gɔ̃ hã, ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míalé fɔmaɖimaɖi me ɖe asi.

14. Alekee fɔmaɖilawo wɔa nui ne wowɔ tɔtrɔ aɖewo le habɔbɔa ƒe ɖoɖowo kple nufiafiawo me?

14 Míate ŋu alé fɔmaɖimaɖi me ɖe asi hã ne míeƒoa asa na ɖeklemiɖeɖe kple vodadadidi ƒe nɔnɔme. Le nyateƒe me la, míato esia me aɖee afia be míele nuteƒe wɔm na Yehowa. Ele eƒe amewo yram fifia wu ɣeyiɣi ɖe sia ɖe. Womedo tadedeagu dzadzɛa ɖe dzi le anyigba katã dzi alea gbegbe kpɔ o. (Yes. 2:2-4) Ne wowɔ asitɔtrɔ le mawunyakpukpui aɖe ƒe gɔmesese alo ale si míewɔa nanewoe ŋu la, anyo be míaxɔe ade eme. Edzɔa dzi na mí be míakpɔ kpeɖodzi siwo ɖee fia be gbɔgbɔ me kekelia yi edzi le kɔkɔm ɖe edzi. (Lod. 4:18) Ne esesẽ na mí be míalɔ̃ ɖe tɔtrɔ aɖe si wowɔ dzi la, míedoa gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe mía ŋu míase egɔme. Gake hafi gɔmesesea nava su mía si la, míedoa dzi toɖoɖotɔe heléa míaƒe fɔmaɖimaɖi me ɖe asi.

Ke Ne Ame Aɖe Melé Fɔmaɖimaɖi Me Ðe Asi O Ðe?

15. Ame ɖeka pɛ kae li si ko ate ŋu agblẽ wò fɔmaɖimaɖi me?

15 Biabia vevi si nana wobua ta mee nye esia. Abe ale si míesrɔ̃e le nyati si do ŋgɔ me ene la, fɔmaɖimaɖi me léle ɖe asi le vevie ŋutɔ. Esia manɔmee la, ƒomedodo aɖeke manɔ mía kple Yehowa dome o, eye mɔkpɔkpɔ vavã aɖeke manɔ mía si o. Nya sia nenɔ susu me na wò be: Ame ɖeka pɛ koe le xexe blibo la katã me si ate ŋu agblẽ wò fɔmaɖimaɖi me. Ame mae nye wò ŋutɔ. Hiob se nyateƒenya sia gɔme nyuie. Egblɔ be: ‘Nyemasẽ nu le nye fɔmaɖimaɖi ŋu, va se ɖe esime mamia nu o.’ (Hiob 27:5) Ne wò hã èɖo tame alea eye nèyi edzi ku ɖe Yehowa ŋu la, madzɔ be nàɖe asi le wò fɔmaɖimaɖi ŋu gbeɖe o.—Yak. 4:8.

16, 17. (a) Ne edzɔ be ame aɖe wɔ nu vɔ̃ gã aɖe la, nu kae masɔ be wòawɔ o? (b) Nu nyuitɔ kae wòle be wòawɔ?

16 Ke hã, ame aɖewo do kpo woƒe fɔmaɖimaɖi me léle ɖe asi. Abe ale si ko wòdzɔ le apostoloawo ƒe agbenɔɣi ene la, ame aɖewo va tsɔ nu vɔ̃ gãwo wɔwɔ ɖo dɔe. Ne nenemae wòle le gowòme la, ɖe wòfia be màte ŋu awɔ naneke le eŋu oa? Menye nenemae o. Nu kae nàte ŋu awɔ? Na míaƒo nu tso nu si mele be nàwɔ o ŋu gbã. Enye amegbetɔwo ƒe nɔnɔme be yewoaɣla nu gbegblẽ si yewowɔ ɖe dzilawo, hati Kristotɔwo, alo hamemetsitsiwo. Gake Biblia ɖo ŋku edzi na mí be: ‘Ame si tsɔ nu tsyɔ eƒe vodada dzi la, madze edzi nɛ o; ke ame si ʋu eme, eye wòdzudzɔe la, woave enu.’ (Lod. 28:13) Ame siwo dina be yewoatsyɔ nu yewoƒe nu vɔ̃wo dzi la le vodada gã aɖe wɔm, elabena womate ŋu aɣla naneke ɖe Mawu o. (Mixlẽ Hebritɔwo 4:13.) Ame aɖewo dzea agbagba nɔa agbe eve gɔ̃ hã, wobua wɔa nu abe ɖee wole Yehowa subɔm ene, evɔ woyia edzi nɔa nu vɔ̃ gbe nɔm. Agbe sia ƒomevi nɔnɔ menye fɔmaɖimaɖi me léle ɖe asi kura o—le nyateƒe me la, enye nu si tsi tsitre ɖe fɔmaɖimaɖi ŋu tẽe. Yehowa mekpɔa ŋudzedze ɖe subɔsubɔdɔ siwo ame siwo tsyɔa nu woƒe nu vɔ̃ gãwo dzi wɔna la ŋu o. Ðe alakpanuwɔwɔ mawo doa dziku nɛ boŋ.—Lod. 21:27; Yes. 1:11-16.

17 Ne Kristotɔ aɖe wɔ nu vɔ̃ gã aɖe la, mɔfiame si me kɔ nyuie la le Biblia me si dzi wòle be wòazɔ ɖo. Ɣemaɣie wòle be wòadi kpekpeɖeŋu tso Kristotɔ hamemetsitsiwo gbɔ. Yehowa wɔ ɖoɖo ɖe ale si woakpɔ gbɔgbɔmedɔléle siwo nye ŋkubiãnya gbɔe la ŋu. (Mixlẽ Yakobo 5:14.) Mègaɖe mɔ vɔvɔ̃ na tohehe alo ɖɔɖɔɖo si woate ŋu ana wò nana nàgbe kpekpeɖeŋu si ana nàhaya le gbɔgbɔ me la didi o. Bu eŋu kpɔ, ɖe nunya anɔ eme be veve si ame ase hena ɣeyiɣi aɖe le abidodo nɛ alo dɔwɔwɔ nɛ le kɔdzi me nana wòagbe be woagada dɔ aɖe si na eƒe agbe ɖo afɔku me la na ye oa?—Heb. 12:11.

18, 19. (a) Alekee David ƒe kpɔɖeŋua ɖee fia be ame agate ŋu ava lé fɔmaɖimaɖi me ɖe asi ne edzɔ be eva do kpo nu? (b) Tame kae nèɖo kplikpaa ku ɖe wò fɔmaɖimaɖi ŋu?

18 Ðe mɔkpɔkpɔ li be ame si dze dɔ le gbɔgbɔ me ate ŋu ava haya keŋkeŋua? Ðe ame agate ŋu ava lé fɔmaɖimaɖi me ɖe asi ake ne eva dzɔ be edo kpo nu ɣeaɖeɣia? Gabu David ƒe kpɔɖeŋu ŋu kpɔ. Eva wɔ nu vɔ̃ gã aɖe. Ebiã ŋu ame bubu srɔ̃, wɔ ahasi, eye wòwɔ ɖoɖo wowu srɔ̃ŋutsu maɖifɔ la. Asesẽ be míabu David be egakpɔtɔ nye fɔmaɖila le ɣeyiɣi mawo me, alo menye nenemae oa? Gake ɖe esia fia be mate ŋu awɔ naneke le nɔnɔmea ŋu oa? Ehiã be woaka mo na David vevie, eye woka mo nɛ hã. Eye eƒe dzimetɔtrɔ vavã wɔe be Yehowa kpɔ nublanui nɛ. David srɔ̃ nu tso mokaname si wonae la me eye wògava lé eƒe fɔmaɖimaɖi me ɖe asi to ale si wòyi edzi ɖo to Mawu la me. David ƒe agbenɔnɔ zu kpɔɖeŋu si sɔ ɖe nya si le Lododowo 24:16 nu be: “Ame dzɔdzɔe dzea anyi zi adre, eye wògafɔna.” Nu kae do tso eme? Kpɔ nya si Yehowa gblɔ na Salomo tso David ŋu le eƒe ku megbe ɖa. (Mixlẽ 1 Fiawo 9:4.) Mawu ɖo ŋku David dzi be enye ame si lé fɔmaɖimaɖi me ɖe asi. Ɛ̃, Yehowa ate ŋu aklɔ nu vɔ̃ gãwo gɔ̃ hã ƒe ɖi ɖa le ame siwo trɔ dzi me vavã la ŋu.—Yes. 1:18.

19 Ɛ̃, ànye ame si léa fɔmaɖimaɖi me ɖe asi ne èɖoa to Mawu le lɔlɔ̃ si le asiwò nɛ ta. Yi edzi nàdo dzi nuteƒewɔwɔtɔe, eye ne eva dzɔ be èwɔ nu vɔ̃ gã aɖe la, ɖe dzimetɔtrɔ vavã fia. Nu xɔasi aɖe ŋutɔe fɔmaɖimaɖi nye! Eya ta mina mí katã míaɖo tame kplikpaa abe David ene be: “Ke nyea mazɔ fɔmaɖitɔe.”—Ps. 26:11.

[Etenuŋɔŋlɔ]

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Alekee nàwɔ anye fɔmaɖila?

• Mɔ kawo nue nàte ŋu alé wò fɔmaɖimaɖi me ɖe asi le?

• Aleke wòanya wɔ be woagate ŋu ava lé fɔmaɖimaɖi me ɖe asi ne edzɔ be wodo kpo nu?

[Biabiawo]

[Aɖaka si le axa 8]

“NƆNƆME NYUI KA GBEGBEE NYE ESI!”

Nyɔnu aɖe si ƒo ɣleti atɔ̃ ƒe fu nɔ ye gblɔ nya ma tso ame aɖe si menya o la ƒe dɔmenyonyo kple fɔmaɖimaɖi nuwɔna aɖe ŋu. Eyi ɖano kɔfi le nuɖuƒe aɖe, eye wòva de dzesii le gaƒoƒo aɖewo megbe be yeŋlɔ yeƒe akplo vi si me ga le la be ɖe afi ma. Dɔlar 2,000 ye nɔ akploa me, si sɔ gbɔ boo wu ga si wòlɔ̃a tsɔtsɔ ɖe asi. Nyɔnua gblɔ na nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe ŋlɔlawo emegbe be, “Metɔtɔ ale gbegbe.” Ke hã, ɖetugbui aɖe kpɔ akploa eye wòte ame si tɔe wònye la didi enumake. Esi mete ŋu ke ɖe nua tɔ ŋu o la, etsɔe yi kpovitɔwo ƒe dɔwɔƒe, eye kpovitɔawo di nyɔnua heke ɖe eŋu. Dzi dzɔe ale gbegbe wògblɔ ŋudzedzekpɔkpɔtɔe be: “Nɔnɔme nyui ka gbegbee nye esi!” Nu ka tae ɖetugbuia dze agbagba nenema gbegbe be yeatrɔ gaa na gatɔa? Woŋlɔ ɖe nyadzɔdzɔgbalẽa me be, ɖetugbui sia si nye Yehowa Ðasefo la gblɔ be “subɔsubɔha si me wonyi ye le ye wɔe be yewɔ nu fɔmaɖimaɖitɔe alea.”

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Sɔhɛwo ate ŋu alé fɔmaɖimaɖi me ɖe asi le dodokpɔwo me

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

David va do kpo fɔmaɖimaɖi me léle ɖe asi ɣeaɖeɣi, gake eɖɔ nɔnɔmea ɖo