Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kpɔ Ŋudzedze Ðe Ðoƒe Tɔxɛ Si Yesu Le Le Mawu Ƒe Tameɖoɖo Me Ŋu

Kpɔ Ŋudzedze Ðe Ðoƒe Tɔxɛ Si Yesu Le Le Mawu Ƒe Tameɖoɖo Me Ŋu

Kpɔ Ŋudzedze Ðe Ðoƒe Tɔxɛ Si Yesu Le Le Mawu Ƒe Tameɖoɖo Me Ŋu

“Nyee nye mɔ la kple nyateƒe la kpakple agbe la. Ame aɖeke mevaa Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko.”—YOH. 14:6.

1, 2. Nu ka tae wòle be míatsɔ ɖe le ɖoƒe tɔxɛ si Yesu le le Mawu ƒe tameɖoɖo me la me dzodzro me?

LE AMEGBETƆWO ƒe ŋutinya katã me la, ame geɖe tee kpɔ be yewoadze ame tɔxɛwo le ame bubuwo dome, gake wo dometɔ ʋɛ aɖewo koe te ŋu ɖe dzesi. Gawu la, ame ʋɛ aɖewo koe ate ŋu agblɔ be yewonye ame tɔxɛ le mɔ ɖedzesi aɖewo nu. Gake Yesu Kristo, Mawu ƒe Vi la, ya nye ame tɔxɛ le mɔ geɖewo nu.

2 Nu ka tae wòle be míatsɔ ɖe le ɖoƒe tɔxɛ si Yesu le la me? Elabena ewɔa akpa vevi aɖe le mía kple Yehowa, mía Fofo si le dziƒo la, dome ƒomedodo me! Yesu gblɔ be: “Nyee nye mɔ la kple nyateƒe la kpakple agbe la. Ame aɖeke mevaa Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko.” (Yoh. 14:6; 17:3) Na míadzro mɔ aɖewo siwo nu Yesu nye ame tɔxɛ le la me. Esia wɔwɔ ana míagakpɔ ŋudzedze ɖe ɖoƒe si wòle le Mawu ƒe tameɖoɖo me la ŋu geɖe wu.

“Tenuvi La”

3, 4. (a) Nu ka tae míate ŋu agblɔ be Yesu nye ame tɔxɛ le esi wònye Tenuvi ta? (b) Alekee akpa si Yesu wɔ le nuwo wɔwɔ me la le etɔxɛ?

3 Menye ɖeko Yesu nye ‘Mawu ƒe vi’ ko o. Nenemae Satana yɔe esime wònɔ etem kpɔ. (Mat. 4:3, 6) Woyɔ Yesu wòsɔ nyuie be “Mawu ƒe Tenuvi.” (Yoh. 3:16, 18) Helagbe me nya si gɔme woɖe be “tenuvi” la fia “vi ɖeka kolia si tɔgbi aɖeke megali o, vi ɖeka pɛ,” “vi ɖeka aɖe le nɔviawo dome,” alo “vi tɔxɛ.” Gbɔgbɔmevi miliɔn alafa geɖewo le Yehowa si. Ekema gɔmesese ka nue Yesu nye vi ɖeka pɛ “le nɔviawo dome” le?

4 Yesu nye vi tɔxɛ le esi wònye eya ɖeka pɛ koe Fofoa wɔ tẽe ta. Eyae nye Ŋgɔgbevi la. Le nyateƒe me la, eyae nye “nuwɔwɔwo katã ƒe ŋgɔgbevi la.” (Kol. 1:15) Eyae nye “Mawu ƒe nuwɔwɔ ƒe gɔmedzedze.” (Nyaɖ. 3:14) Akpa si Tenuvi la wɔ le nuwo wɔwɔ me hã le etɔxɛ. Menye eyae nye Wɔla la alo nuwɔwɔwo ƒe Dzɔtsoƒe o. Gake Yehowa zãe wònye dɔnunɔla, alo ame si dzi wòto wɔ nuwo katã. (Mixlẽ Yohanes 1:3.) Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Le nyateƒe me la, Mawu ɖeka si nye Fofo la, ame si me nuwo katã tso, eye míeli nɛ la, koe li na mí; eye Aƒetɔ ɖeka, si nye Yesu Kristo, ame si dzi nuwo katã to va dzɔ, eye míeto eyama me la, koe li.”—1 Kor. 8:6.

5. Alekee Ŋɔŋlɔawo na Yesu ƒe ame tɔxɛ nyenye dze ƒãa?

5 Ke hã, Yesu ƒe ame tɔxɛ nyenye lɔ nu bubu geɖe ɖe eme. Woyɔ dzesideŋkɔ alo ŋkɔ tɔxɛ geɖe nɛ le Ŋɔŋlɔawo me siwo na ɖoƒe si wòle le Mawu ƒe tameɖoɖo me la dze ƒãa. Mina míadzro dzesideŋkɔ atɔ̃ bubu siwo wozã na Yesu le Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me la me azɔ. *

“Nya La”

6. Nu ka tae wòsɔ be woyɔ Yesu be “Nya la” ɖo?

6 Mixlẽ Yohanes 1:14. Nu ka tae woyɔ Yesu be “Nya la,” alo Logos ɖo? Dzesideŋkɔ sia ɖe dɔ si wòwɔna tso esime wowɔ nuwɔwɔ nyanu bubuwo la fia. Yehowa zã Via wòtsɔ gbedeasi kple mɔfiamewo na gbɔgbɔmevi bubuwo, abe ale si ko Mawu zãe wòtsɔ eƒe gbedeasi va na amegbetɔwo le anyigba dzi ene. Nyateƒe si wònye be Yesu nye Nya la, alo Mawu ƒe Nyanuɖela la dze le nya si Kristo gblɔ na Yudatɔ siwo nɔ to ɖomee la me be: “Nu si mefiana la menye tɔnye o, ke boŋ ame si dɔm ɖa la tɔe. Ne ame aɖe di be yeawɔ Eƒe lɔlɔ̃nu la, anya ne nufiafia la tso Mawu gbɔ loo alo nye ŋutɔe le nu ƒom le ɖokuinye si.” (Yoh. 7:16, 17) Dzesideŋkɔ si nye “Mawu Ƒe Nya La” gakpɔtɔ le Yesu si kokoko le eƒe tɔtrɔ yi eƒe dziƒoŋutikɔkɔe me megbe gɔ̃ hã.—Nyaɖ. 19:11, 13, 16.

7. Alekee míate ŋu asrɔ̃ ɖokuibɔbɔ si Yesu ɖe fia le eƒe ɖoƒe si nye “Nya la” ŋu dɔ wɔwɔ me?

7 Wò ya bu nu si dzesideŋkɔ sia lɔ ɖe eme la ŋu kpɔ. Togbɔ be Yesue nye Yehowa ƒe nuwɔwɔwo dometɔ si si nunya le wu hã la, meɖoa ŋu ɖe eya ŋutɔ ƒe nunya ŋu o. Ke boŋ nu si tututu Fofoa fiae ye wògblɔna. Yesu mehea amewo ƒe susu vaa eɖokui dzi o, ke boŋ Yehowa dzi wòhea susu yina ɣesiaɣi. (Yoh. 12:50) Kpɔɖeŋu nyuie kae nye esi wòle be míasrɔ̃! Wotsɔ mɔnukpɔkpɔ xɔasi si nye be “[míaɖe] gbeƒã nu nyuiwo ŋuti nya nyui la” na míawo hã. (Rom. 10:15) Ele be ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yesu ƒe ɖokuibɔbɔ kpɔɖeŋu sia ŋu naʋã mí míaƒo asa na mía ŋutɔ míaƒe nukpɔsusuwo fiafia. Le agbeɖeɖe ƒe gbedeasi si le Ŋɔŋlɔawo me fiafia me la, míedina be “[míagbɔ] nu siwo woŋlɔ ɖi la ŋu o.”—1 Kor. 4:6.

“Amen La”

8, 9. (a) Nu kae nya “amen” fia, eye nu ka tae woyɔ Yesu be “Amen la” ɖo? (b) Alekee Yesu wɔ eƒe ɖoƒe si nye “Amen la” ŋu dɔe?

8 Mixlẽ Nyaɖeɖefia 3:14. Nu ka tae woyɔ Yesu be “Amen la” ɖo? “Amen,” si gɔmee nye “nenɔ alea” alo “neva eme,” la nye nya si woŋlɔ ɖe ale si Hebrigbe me nya aɖe ƒe yɔyɔ ɖina la nu. Nya si koŋ me Hebrigbe me nya sia dzɔ tso la fia, “be woanye nuteƒewɔla” alo “ame si dzi woate ŋu aka ɖo.” Nya ma kee wozãna tsɔ ƒoa nu tso Yehowa ƒe nuteƒewɔwɔ ŋu. (5 Mose 7:9; Yes. 49:7) Ekema mɔ ka nue Yesu yɔyɔ be “Amen la” na wònye ame tɔxɛ le? Kpɔ ale si 2 Korintotɔwo 1:19, 20 ɖo nya sia ŋui ɖa: “Mawu ƒe Vi, Kristo Yesu, ame si woɖe gbeƒã le mia dome . . .  la menye Ɛ̃ ganye Ao o, ke boŋ Ɛ̃ zu Ɛ̃ le eyama gome. Elabena aleke gbegbee Mawu ƒe ŋugbedodowo ɖasɔ gbɔe o, wo katã wozu Ɛ̃ to eyama dzi. Eya ta eya dzi kee wogblɔa ‘Amen’ na Mawu le hena Mawu ƒe ŋutikɔkɔe.”

9 Yesu nye “Amen la” le Mawu ƒe ŋugbedodowo katã gome. Eƒe agbenɔnɔ fɔmaɖimaɖitɔe le anyigba dzi kpakple vɔsaku si wòva ku la ɖo kpe Yehowa Mawu ƒe ŋugbedodowo dzi, eye wòna wòanya wɔ be ŋugbedodo siawo nava eme. Yesu to eƒe nuteƒewɔwɔ me na hã be Satana ƒe nutsotso si woŋlɔ ɖe Hiob ƒe agbalẽa me be, ne Mawu subɔlawo to hiãkame, fukpekpe, kple dodokpɔ me la, woagbe nu le egbɔ la zu aʋatso. (Hiob 1:6-12; 2:2-7) Le Mawu ƒe nuwɔwɔwo katã dome la, Ŋgɔgbevi la koe ate ŋu aɖo amenutsonya ma ŋu le mɔ nyuitɔ kekeake nu. Gakpe ɖe eŋu la, Yesu na kpeɖodzi nyuitɔ kekeake si de Fofoa ƒe akpa dzi le nya si gale vevie wu, si nye Yehowa ƒe xexea me katã ƒe dziɖulanyenye ƒe dzedze ƒe nya la me.

10. Alekee míate ŋu asrɔ̃ Yesu le ale si wòwɔa eƒe ɖoƒe tɔxɛ si nye “Amen la” ŋu dɔe me?

10 Alekee míate ŋu asrɔ̃ Yesu le ale si wòwɔ eƒe ɖoƒe tɔxɛ si nye “Amen la” ŋu dɔe me? To nuteƒewɔwɔ na Yehowa me léle ɖe asi kple eƒe akpa dzi nɔnɔ le xexea me katã ƒe dziɖulanyenye ƒe nya la me me. Ne míele esia wɔm la, ekema míele wɔwɔm ɖe nuxlɔ̃ame si woŋlɔ ɖe Lododowo 27:11 la dzi, be: ‘Vinye, dze nunya, be nado dzidzɔ na nye dzi, ne mate ŋu aɖo nya ŋu na ame siwo le alɔme ɖem le ŋunye.’

“Nubabla Yeye Ƒe Avuléla”

11, 12. Aleke Yesu ƒe ɖoƒe si nye Avuléla la le etɔxɛe?

11 Mixlẽ 1 Timoteo 2:5, 6. Yesue nye “avuléla ɖeka, si le Mawu kple amegbetɔwo dome.” Eyae nye “nubabla yeye ƒe avuléla.” (Heb. 9:15; 12:24) Gake woƒo nu tso Mose hã ŋu be enye domenɔla, le Se ƒe nubabla la me. (Gal. 3:19) Ekema aleke wɔ Yesu ƒe ɖoƒe si nye Avuléla alo Domenɔla la le etɔxɛ?

12 Senyawo mee wozãa nya “avuléla” le le gbegbɔgblɔ gbãtɔa me. Esia ɖee fia be Yesu nye Avuléla le se nu (alo, le gɔmesese aɖe nu la, enye ʋɔnudrɔ̃la) le nubabla yeyea, si na wònya wɔ be wodzi dukɔ yeye aɖe, si nye “Mawu ƒe Israel la,” me. (Gal. 6:16) Kristotɔ amesiaminawoe nye dukɔ sia me tɔwo, ame siwo anye “nunɔla siwo nye fiawo” le dziƒo. (1 Pet. 2:9; 2 Mose 19:6) Se ƒe nubabla la, si Mose nye domenɔla na, mete ŋu na wodzi dukɔ sia ƒomevi o.

13. Nu kae Yesu ƒe ɖoƒe si nye Avuléla la lɔ ɖe eme?

13 Nu kae Yesu ƒe ɖoƒe si nye Avuléla la lɔ ɖe eme? Yehowa zãa Yesu ƒe ʋu la ɖe ame siwo wokplɔna vaa nubabla yeyea me la ta. To mɔ sia dzi la, Yehowa bua wo ame dzɔdzɔewoe le se nu. (Rom. 3:24; Heb. 9:15) Ekema Mawu ate ŋu axɔ wo ɖe nubabla yeyea me kple taɖodzinu be woava zu fia siwo nye nunɔlawo le dziƒo! Esi Yesu nye woƒe Avuléla ta la, ekpena ɖe wo ŋu be woayi edzi alé tenɔnɔ dzadzɛ si le wo si le Mawu ŋkume la me ɖe asi.—Heb. 2:16.

14. Nu ka tae wòle be Kristotɔwo katã, eɖanye mɔkpɔkpɔ kae le wo si o, naɖe ŋudzedzekpɔkpɔ deto afia ɖe Yesu ƒe ɖoƒe si nye nubabla yeyea ƒe Avuléla la ŋu?

14 Ke ame siwo menye nubabla yeyea me tɔwo o, siwo si anyigbadzinɔnɔ tegbee ƒe mɔkpɔkpɔ le, siwo mele dziƒo yi ge o, ya ɖe? Togbɔ be womenye gomekpɔlawo le nubabla yeye la me o hã la, eɖea vi na wo. Mawu tsɔa woƒe nu vɔ̃wo kea wo hebua wo ame dzɔdzɔewoe, si na wozua exɔlɔ̃wo. (Yak. 2:23; 1 Yoh. 2:1, 2) Eɖanye dziƒomɔkpɔkpɔ alo anyigbadzimɔkpɔkpɔ ye le mía si o, susu nyui aɖe li si tae wòle be mía dometɔ ɖe sia ɖe naɖe ŋudzedzekpɔkpɔ deto afia ɖe Yesu ƒe ɖoƒe si nye nubabla yeyea ƒe Avuléla la ŋu.

“Nunɔlagã”

15. Aleke Yesu ƒe ɖoƒe abe Nunɔlagã ene to vovo tso ame siwo katã subɔ abe nunɔlagã ene le blema la tɔ gbɔe?

15 Ame geɖewo subɔ abe nunɔlagãwo ene le blema, ke hã, Yesu ƒe ɖoƒe abe Nunɔlagã ene ya le etɔxɛ kura. Le mɔ ka nu? Paulo ɖe eme be: “Mehiã be wòanɔ vɔ sam gbe sia gbe, gbã ɖe ye ŋutɔ ƒe nu vɔ̃wo ta, eye emegbe ɖe dukɔ la tɔwo ta, abe ale si nunɔlagã mawo wɔna ene o: (elabena ewɔ esia zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu esime wòtsɔ eɖokui na;) elabena Se la ɖoa ame siwo ŋu gbɔdzɔgbɔdzɔwo le la nunɔlagãwo, gake atamkanya si va ɖe Se la yome ya ɖo Vi aɖe, si wowɔ bliboe la, tegbee.”—Heb. 7:27, 28. *

16. Nu ka tae Yesu ƒe vɔsaa le etɔxɛ vavã?

16 Ame debliboe Yesu nye, esɔ pɛpɛpɛ kple ale si Adam nɔ hafi va wɔ nu vɔ̃. (1 Kor. 15:45) Esi wòle elea ta la, Yesu koe nye amegbetɔ ɖeka kolia si ate ŋu atsɔ vɔsa deblibo, si sɔ pɛpɛpɛ—vɔ si mahiã be woagasa ake o—la ana. Le Mose ƒe Sea te la, wosaa vɔ gbe sia gbe. Gake nu si Yesu va wɔ la ƒe vɔvɔli koe vɔ siwo katã wosana kple subɔsubɔdɔ siwo katã nunɔlawo wɔna la nye. (Heb. 8:5; 10:1) Eya ta Yesu ƒe ɖoƒe abe Nunɔlagã ene le etɔxɛ le ale si wònyo kple ale si wòanɔ anyi ɖaa ta.

17. Nu ka tae wòle be míaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe Nunɔlagã ƒe ɖoƒe si Yesu le la ŋu, eye aleke míate ŋu awɔ esiae?

17 Míehiã Yesu be wòanye míaƒe Nunɔlagã bene wòakpe ɖe mía ŋu tenɔnɔ nyui nanɔ mía si le Mawu ŋkume. Nunɔlagã nyui ka gbegbee nye esi le mía si! Paulo ŋlɔ bena: “Menye nunɔlagã si mate ŋu ase veve ɖe míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo nu o ye le mía si o, ke boŋ esi wodo kpɔ le go sia go me abe mía ŋutɔwo ke ene ye, gake nu vɔ̃ mele eŋu o.” (Heb. 4:15) Le nyateƒe me la, ele be ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nyateƒenya sia ŋu naʋã mí be ‘míaganɔ agbe na mía ɖokuiwo azɔ o, ke na ame si ku ɖe mía ta la boŋ.’—2 Kor. 5:14, 15; Luka 9:23.

“Dzidzimevi” Si Ŋugbe Wodo

18. Nya kae wogblɔ ɖi le Adam ƒe nu vɔ̃ wɔwɔ megbe, eye nu kae wova ɖe fia ku ɖe nyagblɔɖi sia ŋu emegbe?

18 Le keke Eden bɔa me ke, esime wòdze ƒãa be ameƒomea bu nu sia nu—woƒe tenɔnɔ dzadzɛ si le wo si le Mawu ŋkume, agbe tegbee nɔnɔ, dzidzɔkpɔkpɔ, kple Paradiso la—ye Yehowa Mawu do Ðela aɖe ƒe ŋugbe. Woyɔ ɖela sia be “dzidzime” alo dzidzimevi. (1 Mose 3:15) Dzidzimevi sia si womeʋu go ɣemaɣi o la va zu nyati vevi aɖe si ŋu Biblia me nyagblɔɖi gbogbo aɖewo ku ɖo hena ƒe geɖe. Ele be wòanye Abraham, Isak, kple Yakob ƒe dzidzimevi. Azɔ hã, ele be wòadzɔ tso Fia David ƒe ƒomea me.—1 Mose 21:12; 22:16-18; 28:14; 2 Sam. 7:12-16.

19, 20. (a) Ame kae nye Dzidzimevi la? (b) Nu ka tae míate ŋu agblɔ be menye Yesu ɖeka koe dzidzimevi si ŋugbe wodo la lɔ ɖe eme o?

19 Ame kae nye Dzidzimevi sia si ŋugbe wodo la? Míate ŋu akpɔ nya sia ƒe ŋuɖoɖo le Galatiatɔwo 3:16. (Mixlẽe.) Gake apostolo Paulo yi edzi gblɔ le ta ma ke me na Kristotɔ amesiaminawo be: “Gawu la, ne Kristo tɔe mienye la, ekema Abraham ƒe dzidzimee mienye vavã, domenyilawo le ŋugbedodo aɖe nu.” (Gal. 3:29) Aleke wɔ Kristo nye Dzidzimevi la, evɔ ame bubuwo hã ganye dzidzimevia ƒe akpa aɖe?

20 Ame miliɔn geɖe gblɔna be yewonye Abraham ƒe dzidzimeviwo, wo dometɔ aɖewo gblɔna be yewonye nyagblɔɖilawo gɔ̃ hã. Subɔsubɔha aɖewo ƒua asi akɔ vevie be yewoƒe nyagblɔɖilawo dzɔ tso Abraham me. Gake ame siawo katãe nye Dzidzimevi si ŋugbe wodo la? Ao. Abe ale si gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo wòɖee fia ene la, menye ame siwo dzɔ tso Abraham me la katãe ate ŋu agblɔ be yewonye Dzidzimevi si ŋugbe wodo la o. Womezã Abraham ƒe vi bubuwo ƒe dzidzimeviwo tsɔ yra ameƒomea o. Isak ƒe ƒomea me koe dzidzimevi si dzi yayra ato ava la adzɔ tso. (Heb. 11:18) Mlɔeba la, ame ɖeka pɛ, si nye Yesu Kristo, si ƒe dzidzimeŋutinya si le Biblia me ɖee fia be Abraham mee wòdzɔ tso lae nye dzidzimevi si ŋugbe wodo la ƒe akpa vevitɔ. * Ame bubu siwo katã va nye Abraham ƒe dzidzimevia ƒe akpa aɖe la va le ɖoƒe ma le esi wonye ‘Kristo la tɔ’ ta. Ɛ̃, ɖoƒe si Yesu le le nyagblɔɖi sia me vava me la le etɔxɛ vavã.

21. Nu kae wɔ dɔ ɖe dziwò le ale si Yesu wɔ ɖoƒe tɔxɛ si le esi le Yehowa ƒe tameɖoɖo me ŋu dɔe la ŋu?

21 Nu kae míesrɔ̃ tso ɖoƒe tɔxɛ si Yesu le le Yehowa ƒe tameɖoɖo me la ŋuti numedzodzro kpui sia me? Tso keke esime wowɔ Mawu ƒe Tenuvi la ke la, enye ame tɔxɛ si tɔgbi aɖeke megali o. Ke hã, Mawu ƒe Vi tɔxɛ sia si va zu Yesu la subɔ ɖokuibɔbɔtɔe le ɖekawɔwɔ me kple Fofoa ƒe lɔlɔ̃nu ɣesiaɣi, eye media ŋutikɔkɔe na eɖokui gbeɖe o. (Yoh. 5:41; 8:50) Kpɔɖeŋu nyui ka gbegbee nye esi wònye na mí egbea! Abe Yesu ene la, mina wòanye míaƒe taɖodzinu ɣesiaɣi be “[míawɔ] nuwo katã hena Mawu ƒe kafukafu.”—1 Kor. 10:31.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 5 Asitɔnudzinyakui, “la,” kplɔ dzesideŋkɔ siawo dometɔ aɖeawo ɖo le Helagbe me, si ɖee fia be, abe ale si agbalẽnyala aɖe gblɔe ene la, “le gɔmesese aɖe nu la, ‘enye eƒomevi le eɖokui si.’”

^ mm. 15 Le Biblia ŋuti nunyala aɖe ƒe nya nu la, nya si gɔme woɖe be “zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu” la ɖe Biblia me gɔmeɖose vevi aɖe, si fia be “Kristo ƒe ku ƒe asixɔxɔa de blibo, ele etɔxɛ, alo etɔgbi aɖeke megali o,” la fia.

^ mm. 20 Togbɔ be Yudatɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me la nya be yewoe nye Abraham ƒe dzidzime le ŋutilã nu, alo yewodzɔ tso eyama me, eye be yewo nue woave hã la, wokpɔ mɔ be ame ɖeka aɖee ava nye Mesia la, alo Kristo la.—Yoh. 1:25; 7:41, 42; 8:39-41.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Nu kae nèsrɔ̃ tso dzesideŋkɔ siwo woyɔ na Yesu la me ku ɖe ɖoƒe tɔxɛ si le esi la ŋu? (Kpɔ aɖakaa.)

• Aleke nàte ŋu asrɔ̃ Yehowa ƒe Vi tɔxɛ sia ƒe kpɔɖeŋui?

[Biabiawo]

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 15]

Dzesideŋkɔ Siwo Ðe Ðoƒe Tɔxɛ Si Yesu Le Le Mawu Ƒe Tameɖoɖo Me Fia La Dometɔ Aɖewo

Tenuvi La. (Yoh. 1:3) Yesu ɖeɖe koe Fofoa ŋutɔ wɔ tẽe.

Nya La. (Yoh. 1:14) Yehowa zãa Via abe Nyanuɖela ene le gbedeasiwo kple mɔfiamewo nana nuwɔwɔ bubuwo me.

Amen La. (Nyaɖ. 3:14) Yesu ƒe agbenɔnɔ fɔmaɖimaɖitɔe le anyigba dzi kpakple vɔsaku si wòva ku la ɖo kpe Yehowa Mawu ƒe ŋugbedodowo dzi, eye wòna wòanya wɔ be ŋugbedodo siawo nava eme.

Nubabla Yeye La Ƒe Avuléla. (1 Tim. 2:5, 6) Abe Avuléla si dze le se nu ene la, Yesu na wònya wɔ be wodzi dukɔ yeye aɖe, si nye “Mawu ƒe Israel la,” si me tɔwo nye Kristotɔ siwo anye “nunɔla siwo nye fiawo” le dziƒo.—Gal. 6:16; 1 Pet. 2:9.

Nunɔlagã. (Heb. 7:27, 28) Yesu koe nye amegbetɔ ɖeka pɛ si dze te ŋu sa vɔ si deblibo, si mehiã be woagasa ake o. Ate ŋu aklɔ míaƒe nu vɔ̃wo ɖa le mía ŋu ahaɖe mí tso emetsonu wuameawo me.

Dzidzimevi Si Ŋugbe Wodo. (1 Mose 3:15) Yesu Kristo ɖeka pɛ koe nye ame si nye dzidzimevi si ŋu nya wogblɔ ɖi la ƒe akpa vevitɔ. Ame bubu siwo katã va nye Abraham ƒe dzidzimevia ƒe akpa aɖe la va le ɖoƒe ma le esi wonye ‘Kristo la tɔ’ ta.—Gal. 3:29.