Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Míeɖoe Kplikpaa Be Míaɖi Ðase Tsitotsito

Míeɖoe Kplikpaa Be Míaɖi Ðase Tsitotsito

Míeɖoe Kplikpaa Be Míaɖi Ðase Tsitotsito

“Ede se . . . na mí be míaɖe gbeƒã na amewo, eye míaɖi ɖase tsitotsito.”—DƆW. 10:42.

1. Sedede ka dzie Petro te gbe ɖo esime wònɔ ɖase ɖim le Kornelio ƒe me?

ITALIA asrafomegã aɖe ƒo eƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo nu ƒu hena nudzɔdzɔ aɖe si he tɔtrɔ ɖedzesi aɖe va ale si Mawu wɔa nu kple amegbetɔwoe la me. Ŋutsu mawuvɔ̃la mae nye Kornelio. Apostolo Petro gblɔ na ame siwo va ƒo ƒu la be wode se na apostoloawo ‘be woaɖe gbeƒã na amewo, eye woaɖi ɖase tsitotsito’ tso Yesu ŋu. Ðase si Petro ɖi gbe ma gbe la tse ku geɖe. Dukɔwo me tɔ aʋamatsomatsotɔwo xɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ la, woxɔ nyɔnyrɔ, eye mɔnukpɔkpɔ su wo si be woava nɔ ame siwo ava ɖu fia kple Yesu le dziƒo la dome. Nu nyui kawo gbegbee nye esi do tso Petro ƒe ɖaseɖiɖi tsitotsitoa me!—Dɔw. 10:22, 34-48.

2. Aleke míewɔ nya be menye apostolo 12-awo ɖeɖe koe se si wode be woaɖi ɖase la yi na o.

2 Ƒe 36 M.Ŋ. mee nu ma dzɔ. Anɔ abe ƒe eve ene do ŋgɔ la, Kristotɔwo yometila sẽŋuta aɖe to nudzɔdzɔ aɖe si na wòtrɔ eƒe agbenɔnɔ keŋkeŋ la me. Saul si tso Tarso la nɔ mɔ dzi yina Damasko esime Yesu ɖe eɖokui fiae hegblɔ nɛ be: “[Ge] ɖe dua me, eye woagblɔ nu si wòle be nàwɔ la na wò.” Yesu na kakaɖedzi Anania be Saul aɖi ɖase “na dukɔwo kple fiawo kpakple Israel viwo.” (Mixlẽ Dɔwɔwɔwo 9:3-6, 13-20.) Esime Anania va Saul gblɔ le afi si wòdze la, egblɔ nɛ be: “Mía tɔgbuiwo ƒe Mawu la tia wò . . . elabena ele be nànye eƒe ɖasefo le amewo katã ŋkume.” (Dɔw. 22:12-16) Aleke gbegbee Saul, si wova yɔna emegbe be Paulo la, do vevie nu le ɖaseɖiɖidɔ si wode asi nɛ la wɔwɔ me?

Eɖi Ðase Tsitotsito Vavã!

3. (a) Ŋutinya ka koŋ ŋue míalé ŋku ɖo? (b) Alekee Efeso hamemetsitsiwo wɔ nu ɖe gbedeasi si Paulo ɖo ɖe wo la ŋu, eye kpɔɖeŋu nyui kae wònye na mí?

3 Nu siwo katã Paulo wɔ emegbe la me dzodzro tsitotsito awɔ dɔ ɖe mía dzi godoo, gake gbã la, mina míalé ŋku ɖe nuƒo aɖe si Paulo ƒo le ƒe 56 M.Ŋ. me lɔƒo, si dze le Dɔwɔwɔwo ta 20 lia me ŋu. Paulo ƒe dutanyanyuigbɔgblɔmɔzɔzɔ etɔ̃lia ƒe nuwuwu lɔƒoe wòƒo nuƒo sia. Ɣemaɣi la, eɖi le tɔdziʋu me le Mileto, si nye ʋudzeƒe aɖe le Aegea Ƒua nu, eye wòdɔ woyi ɖayɔ Efeso hamea ƒe hamemetsitsiwo vae. Efeso dua didi tso afi ma anɔ abe kilomita 50 ene, gake mɔzɔzɔa didi wu ema le esi mɔa medzɔ tẽe o ta. Àte ŋu akpɔ ale si gbegbe dzi anya dzɔ Efeso hamemetsitsiawo esime woxɔ Paulo ƒe gbedeasia la le susu mea? (Tsɔe sɔ kple Lododowo 10:28.) Ke hã, ele na wo be woawɔ dzadzraɖo hena mɔa zɔzɔ yi Mileto. Ðewohĩ ehiã be wo dometɔ aɖewo nabia mɔ le dɔme alo atu woƒe nudzraƒewo hena ɣeyiɣi aɖe le mɔzɔzɔa ta. Egbea la, Kristotɔ geɖewo wɔa nenema ke bene yewoate ŋu ade nutome gã takpekpe ƒe sia ƒe, eye ɖoɖowɔɖia ƒe akpa aɖeke nagato yewo ŋu o.

4. Esime Paulo nɔ Efeso ƒe aɖewo do ŋgɔ la, aleke wòwɔ ɖaseɖiɖidɔae?

4 Nu kae nèsusu be Paulo nɔ wɔwɔm le Mileto le ŋkeke etɔ̃ alo ene siwo va yi hafi hamemetsitsiawo va ɖo la me? Nenye wòe ɖe, nu kae nàwɔ? (Tsɔe sɔ kple Dɔwɔwɔwo 17:16, 17.) Nya siwo Paulo gblɔ na Efeso hamemetsitsiawo na numekɔkɔ aɖewo mí. Eƒo nu tso ale si wòwɔ ɖaseɖiɖidɔa le ƒe siwo va yi me kple le esime wòyi Efeso do ŋgɔ la ŋu. (Mixlẽ Dɔwɔwɔwo 20:18-21.) Egblɔ dzideƒotɔe be: ‘Mienya nyuie be tso ŋkeke gbãtɔ si meɖo afɔ Asia nutoa me la, meɖi ɖase tsitotsito.’ Ɛ̃, eɖoe kplikpaa be yeawɔ ɖe se si Yesu de la dzi ade goe. Aleke wòwɔ esiae esime wònɔ Efeso? Mɔ siwo nu wòwɔ esia le dometɔ ɖekae nye to ɖaseɖiɖi na Yudatɔwo me, eye wòyia afi si wòakpɔ wo dometɔ geɖewo le. Luka ka nya ta be, esime Paulo nɔ Efeso le ƒe 52-55 M.Ŋ. me lɔƒo la, ‘eƒo nuƒowo nyaƒoɖeamenutɔe’ le ƒuƒoƒe la. Esi Yudatɔwo “sẽ dzi me, eye womexɔe se o” la, Paulo trɔ ɖe ame bubuwo ŋu, heyi edzi nɔ gbeƒã ɖem le dua ƒe teƒe bubuwo. Ale wɔ wòte ŋu ɖe gbeƒã na Yudatɔwo kple Helatɔwo siaa le du gã ma me.—Dɔw. 19:1, 8, 9.

5, 6. Aleke míate ŋu aka ɖe edzi be dzimaxɔsetɔwo ŋue Paulo ƒe gbeƒãɖeɖe tso aƒe me yi aƒe me ƒe nya la ku ɖo?

5 Le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, ame siwo va zu Kristotɔwo la dometɔ aɖewo wɔ ŋgɔyiyi hedze va zu hamemetsitsiwo, eye woawoe Paulo ƒo nu na le Mileto. Paulo ɖo ŋku ale si wòwɔ subɔsubɔdɔe la dzi na wo be: “Nyemegbe nu siwo ŋu viɖe le la dometɔ aɖeke gbɔgblɔ na mi o, eye nyemegbe nufiafia mi le dutoƒo kple aƒe me yi aƒe me hã o.” Le míaƒe ɣeyiɣiawo me la, ame aɖewo susu be haxɔsetɔwo sasrã kpɔ ŋu koe Paulo nɔ nu ƒom tso le afi sia. Gake menye nenemae o. Gbeƒãɖeɖe na dzimaxɔsetɔwo koŋue wozãa nyagbɔgblɔ si nye ‘nufiafia le dutoƒo kple tso aƒe me yi aƒe me’ na. Esia me kɔ ƒãa le nya siwo Paulo gagblɔ kplɔe ɖo me. Egblɔ be yenɔa ɖase ɖim na ‘Yudatɔwo kple Helatɔwo siaa tso dzimetɔtrɔ yi Mawu gbɔ kple mía Aƒetɔ Yesu dzi xɔxɔ se ŋu.’ Edze ƒãa be dzimaxɔsetɔ siwo hiã dzimetɔtrɔ kple Yesu dzi xɔxɔ see Paulo nɔ ɖase ɖim na.—Dɔw. 20:20, 21.

6 Esi Biblia ŋuti nunyala aɖe wɔ Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ŋuti numekuku tsitotsito la, egblɔ tso Dɔwɔwɔwo 20:20 ŋu be: “Paulo nɔ Efeso hena ƒe etɔ̃. Ede aƒe sia aƒe me, alo míagblɔ ko be, eɖe gbeƒã na amewo katã (kpukpui 26). Esia nye Ŋɔŋlɔawo me kpeɖodzi si ku ɖe gbeƒãɖeɖe tso aƒe me yi aƒe me dɔa kpakple gbeƒãɖeɖe le dutoƒokpekpewo me ŋu.” Paulo ɖayi aƒe sia aƒe me ŋutɔŋutɔ abe ale si Biblia ŋuti nunyala sia gblɔe ene o, medi be Efeso hamemetsitsiawo naŋlɔ ale si gbegbe yeɖi ɖasee kple viɖe siwo do tso eme la be o. Luka ka nya ta be: “Ame siwo katã le Asia nutoa me la se Aƒetɔ la ƒe nya la, Yudatɔwo kple Helatɔwo siaa.” (Dɔw. 19:10) Gake aleke wòte ŋu dzɔe be “ame siwo katã” nɔ Asia la se nya nyui la, eye nu kae esia ate ŋu afia le míaƒe ɖaseɖiɖidɔa ŋu?

7. Alekee wòanɔ eme be Paulo ƒe gbeƒãɖeɖe nya nyuia anya de ame geɖe gbɔ wu ame siwo ye ŋutɔ ɖi ɖase na tẽe?

7 Paulo ƒe ɖaseɖiɖi le dutoƒo kple tso aƒe me yi aƒe me na ame geɖe se nya nyuia. Èsusu be ame siwo katã see la kpɔtɔ nɔ Efeso kokoko, eye wo dometɔ aɖeke meyi ɖatsa asi le afi aɖeke, ɖasrã ƒometɔwo kpɔ, alo ʋu tso du gã me ʋunyaʋunya wɔwɔ kple toɣliɖeɖewo me ɖanɔ du bubu me oa? Gbeɖe. Ame geɖewo ʋuna egbea le susu mawo ke ta; eye ɖewohĩ wò ŋutɔ hã èle eme. Eye le ɣeyiɣi mawo me la, amewo tsoa teƒeteƒewo vaa Efeso dua me le woƒe ƒometɔwo sasrã kpɔ ta loo, alo le asitsanyawo ta. Ne wova alea la, ɖewohĩ woanya do go Paulo, alo asee wòanɔ ɖase ɖim. Nu kae woawɔ ne wotrɔ yi wo de? Wo dometɔ siwo xɔ nyateƒea la aɖi ɖase tso eŋu. Ðewohĩ bubuawo mezu xɔsetɔwo o, gake woanya ɖo dze tso nya siwo wose esime wonɔ Efeso la ŋu na amewo. Esia wɔe be woƒe ƒometɔwo, aƒelikawo, alo asisiwo se nyateƒea ŋuti nya, eye wo dometɔ aɖewo anya xɔe. (Tsɔe sɔ kple Marko 5:14.) Nu kae esia ɖe fia tso nu siwo gbegbe ate ŋu ado tso wò ɖaseɖiɖi tsitotsito me la ŋu?

8. Alekee wòanya dzɔe be amewo se nyateƒea ŋuti nya le Asia nutoa katã me?

8 Paulo ŋlɔ tso eƒe subɔsubɔdɔ si wòwɔ le Efeso do ŋgɔ ŋu be ‘woʋu dɔwɔwɔ ƒe ʋɔtru gã aɖe na ye.’ (1 Kor. 16:8, 9) Ʋɔtru kae, eye alekee woʋui nɛ? Subɔsubɔdɔ si Paulo yi edzi wɔ le Efeso la na nya nyuia kaka yi teƒeteƒewo. Bu eŋu kpɔ, Kolose, Laodikea, kple Hierapoli nye du etɔ̃ siwo didi tso Efeso, si nye ƒutadu la, gbɔ. Paulo mede du mawo me kpɔ o, gake nya nyuia kaka yi afi mawo katã. Nuto ma mee Epafra tso. (Kol. 2:1; 4:12, 13) Ðe wòanye be Epafra se nya nyuia hezu Kristotɔ esime Paulo nɔ ɖase ɖim le Efesoa? Biblia megblɔe na mí ya o. Gake Epafra anya kaka nyateƒea le wo de le Paulo teƒe. (Kol. 1:7) Ðewohĩ Kristotɔwo ƒe gbedeasia ɖo du bubuwo abe Filadelfia, Sardes, kple Tiatira ene me le ƒe siwo Paulo nɔ ɖase ɖim le Efeso la me.

9. (a) Nu kae nye Paulo ƒe didi vevie? (b) Nu kae anye ƒe 2009 ƒea ƒe mawunyakpukpui?

9 Eya ta susu geɖe nɔ Efeso hamemetsitsiawo si siwo tae woalɔ̃ ɖe Paulo ƒe nya siawo dzi ɖo be: “Nyemebu nye luʋɔ nu xɔasi aɖeke na ɖokuinye o; nu si le vevie nam la koe nye be mawu nye duɖimekeke kple subɔsubɔdɔ si mexɔ tso Aƒetɔ Yesu gbɔ la nu, be maɖi ɖase tso Mawu ƒe amenuveve nya nyui la ŋu tsitotsito.” Kpukpui sia mee ƒe 2009 ƒea ƒe mawunyakpukpui nyui ʋãme si nye, ‘Ði ɖase tso nya nyui la ŋu tsitotsito’ la dze le.—Dɔw. 20:24.

Ðaseɖiɖi Tsitotsito Egbea

10. Aleke míewɔ nya be ele be míaɖi ɖase tsitotsito?

10 Sedede si nye be ‘woaɖe gbeƒã na amewo, eye woaɖi ɖase tsitotsito’ la va lɔ ame bubu geɖewo ɖe eme kpe ɖe apostoloawo ŋu. Esime Yesu si wofɔ ɖe tsitre la ƒo nu na nusrɔ̃la siwo va kpe ta le Galilea, siwo anya de ame 500 la, ede se na wo be: “Eya ta miheyi ɖawɔ dukɔwo katã me tɔwo woanye nusrɔ̃lawo, mianyrɔ wo ɖe Fofo la kple Vi la kpakple gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔ me, miafia nu wo be, woawɔ nu siwo katã ƒe se mede na mi la.” Sedede ma lɔ Kristotɔ vavã siwo katã li egbea ɖe eme, elabena Yesu gblɔ be: “Kpɔ ɖa! Meli kpli mi ŋkekeawo katã va se ɖe nuɖoanyia ƒe nuwuɣi.”—Mat. 28:19, 20.

11. Dɔ vevi kae wonya be Yehowa Ðasefowo wɔna?

11 Kristotɔ veviedonulawo gakpɔtɔ le wɔwɔm ɖe sedede ma dzi hedzea agbagba vevie be ‘yewoaɖi ɖase tso nya nyui la ŋu tsitotsito.’ Mɔ vevi si dzi wotona wɔa esiae nye mɔnu si ŋu Paulo ƒo nu tso na Efeso hamemetsitsiawo, si nye gbeƒãɖeɖe tso aƒe me yi aƒe me. Agbalẽŋlɔla David G. Stewart, Jr., ŋlɔ ɖe agbalẽ aɖe si wòɖe ɖe go le ƒe 2007 me, si ku ɖe dzidzedzekpɔkpɔ le nya nyui gbɔgblɔ dɔ wɔwɔ me ŋu la me be: “Ale si Yehowa Ðasefowo naa hehe woƒe hameviwo ku ɖe ale si woaɖe gbeƒã woƒe dzixɔsewo na amewo ŋu la ɖea vi wu [dzidedeƒo na amewo tso kplɔ̃ta] si yia edzi le subɔsubɔhawo me. Le Yehowa Ðasefo geɖewo gome la, nuƒoƒo tso woƒe dzixɔsewo ŋu na ame bubuwoe nye dɔ si doa dzidzɔ na wo wu.” Dzidzedze ka kpɔm wole? Agbalẽŋlɔlaa ŋlɔ bena: “Le numekuku aɖe si mewɔ le ƒe 1999 me le Ɣedzeƒe Europa ƒe du gã aɖewo me nu la, ame 2 va ɖo 4 le alafa me ko ŋue Mormon sɔlemehaa ƒe mawunyadɔgbedelawo te ɖo kpɔ. Gake ame siwo wu 70 le alafa me gblɔ be Yehowa Ðasefowo te ɖe yewo ŋu kpɔ; le ame aɖewo gome la zi gbɔ zi geɖe gɔ̃ hã.”

12. (a) Nu ka tae míeyia amewo gbɔ “zi gbɔ zi geɖe” le woƒe aƒewo me le míaƒe anyigbamama me? (b) Àte ŋu agblɔ nuteƒekpɔkpɔ aɖe ku ɖe ame aɖe si ƒe nɔnɔme va trɔ ɖe míaƒe gbedeasia ŋu la ŋua?

12 Nenema kee wòle le ame siwo le miaƒe anyigbamamaa me gome. Anɔ eme godoo be wò hã èwɔ akpa aɖe le esia me. Le wò subɔsubɔdɔa wɔwɔ tso aƒe me yi aƒe me me la, wò hã ètena ɖe ŋutsuwo, nyɔnuwo, kple ɖeviwo ŋu heƒoa nu na wo le woƒe ʋɔtruwo nu. Wo dometɔ aɖewo manya ɖo to o, togbɔ be ète ɖe wo ŋu “zi gbɔ zi geɖe” hã. Bubuawo anya ɖo to hena ɣeyiɣi kpuie aɖe esime nèxlẽ mawunyakpukpui aɖe alo dzro Biblia me nya aɖe me kpli wo. Ke hã, le ame bubuwo ya gome la, mɔnukpɔkpɔ su asiwò nèɖi ɖase na wo nyuie, eye wokpɔ ŋudzedze ɖe gbedeasia ŋu. Nɔnɔme vovovo siawoe míedoa goe ne míele ‘ɖase ɖim tsitotsito tso nya nyuia ŋu.’ Abe ale si nànyae ene la, ame siwo meɖe ŋudzedzekpɔkpɔ boo aɖeke fia le gɔmedzedzea me o, togbɔ be míete ɖe wo ŋu “zi gbɔ zi geɖe” hã, evɔ wova xɔ nyateƒea emegbe la, ƒe kpɔɖeŋu geɖewo li. Ðewohĩ nane va dzɔ ɖe woawo ŋutɔwo alo woƒe ame vevi aɖe dzi, si na be woƒe susu va trɔ ɖe nyateƒea ŋu eye wòʋã dzi na wo. Eye fifia la, wova zu mía nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo. Eya ta ne mèke ɖe ame geɖe siwo ɖe ɖetsɔleme fia ŋu va se ɖe fifia o hã la, mègana ta o. Míekpɔa mɔ be ame sia ame nava nyateƒea me ya o. Gake nu si Mawu di tso mía sie nye be míayi edzi atsɔ dzonɔameme anɔ ɖase ɖim tsitotsito veviedodotɔe.

Emetsonu Siwo Míate Ŋu Anya O

13. Aleke wòate ŋu adzɔ be nu siwo dona tso míaƒe ɖaseɖiɖidɔa me la katã manɔ nyanya na mí o?

13 Agbagba siwo Paulo dze le gbeƒãɖeɖedɔa me la me tsonuwo mese ɖe ame siwo ŋu ye ŋutɔ kpe ɖo wova zu Kristotɔwo la ko dzi o, eye nenema kee wòle le míawo hã gome. Míeɖoe kplikpaa be míanɔ gome kpɔm le tso aƒe me yi aƒe me gbeƒãɖeɖedɔa me edziedzi, ahanɔ ɖase ɖim na ame geɖe ale si míate ŋui. Míegblɔa nya nyuia na míaƒe aƒelikawo, dɔwɔhatiwo, sukuhatiwo, kple ƒometɔwo. Ðe nu siwo katã dona tso eme la le nyanya na mía? Le go aɖewo me la, míate ŋu akpɔe nu nyuiwo ado tso eme enumake. Le go bubuwo me la, nyateƒea ƒe kuwo ate ŋu anɔ ame aɖe ƒe dzi me hena ɣeyiɣi aɖe gake emegbe wòava to ke ahatsi. Gake ne meva eme alea o hã la, ɖewohĩ ame siwo míeɖe gbeƒã na la aƒo nu tso nya siwo míegblɔ, nu siwo dzi míexɔ se, kple ale si míewɔ nui ŋu na ame bubuwo. Ɛ̃, ate ŋu ava eme be, le woawo ŋutɔ ƒe manyamanya me la, woana nyateƒea ƒe ku mawo nava te miemie le ame bubuwo ƒe dzi me.

14, 15. Nu kawoe do tso ɖase si nɔviŋutsu aɖe ɖi me?

14 Bu eƒe kpɔɖeŋu ɖeka ko ŋu kpɔ. Ryan kple srɔ̃a, Mandi, wole Florida, U.S.A. Ryan ɖi ɖase na eƒe dɔwɔhati aɖe le dɔwɔƒe le vo me. Ale si Ryan do awui kple ale si wòƒo nui la wɔ dɔ ɖe ŋutsu sia si wonyi le Hindu subɔsubɔha me la dzi ŋutɔ. Le woƒe dzeɖoɖoawo me la, Ryan fɔ nya aɖewo ɖe te ku ɖe tsitretsitsi la kple nɔnɔme si me ame kukuwo le ŋu. Le January ƒe fiẽ aɖe me la, ŋutsua bia srɔ̃a, Jodi be, nu kae wònya tso Yehowa Ðasefowo ŋu hã. Katolikotɔe nyɔnua nye, eye wògblɔ be nu ɖeka si ko yenya tso Ðasefowo ŋue nye woƒe “ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu gbeƒãɖeɖedɔa.” Eya ta Jodi wɔ numekuku tso Yehowa Ðasefowo ŋu le Internet dzi, eye wòva ke ɖe míaƒe Nyatakakadzraɖoƒe (www.watchtower.org) ŋu. Jodi xlẽ míaƒe agbalẽ vovovo, siwo dome Biblia kple nyati bubu siwo do dzidzɔ nɛ hã le la, le nyatakakadzraɖoƒea hena ɣleti geɖe.

15 Ɣeyiɣi aɖewo megbe la, Jodi kple Mandi va nya wo nɔewo, le esi woa kple evea wonye dɔnɔdzikpɔlawo ta. Jodi bia nya geɖewo eye Mandi ɖo wo katã ŋu nɛ. Le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, wova ɖo dze legbee aɖe si Jodi na ŋkɔe be “tso Adam dzi va ɖo Harmagedon dzi” ƒe numedzodzro. Jodi lɔ̃ be woava nɔ Biblia srɔ̃m kpli ye le aƒe me. Eteƒe medidi o, ete nusrɔ̃ƒedede le Fiaɖuƒe Akpata me. Jodi va zu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ le October me, eye wòva xɔ nyɔnyrɔ le February me. Eŋlɔ bena: “Fifia si meva nya nyateƒea la, dzi le dzɔyem ŋutɔ eye nye dzi dze eme.”

16. Nu kae ale si nuwo va yi le nɔviŋutsu si le Florida gome la ɖe fia le agbagba siwo míadze be míaɖi ɖase tsitotsito ŋu?

16 Ryan ya menya kura be ɖase si yeɖi na ŋutsu ma ana ame bubu nava xɔ nyateƒea o. Ele eme be le Ryan ya gome la, eva nya nu si do tso ale si wòɖoe kplikpaa be ‘yeaɖi ɖase tsitotsito’ la me. Gake ate ŋu adzɔ be wò hã èɖi ɖase le ʋɔtru aɖe nu, alo le dɔme, alo le suku, alo na ame aɖe le vo me, eye le wò ŋutɔ wò manyamanya me la, esia va nye mɔ si dzi nyateƒea to kaka ɖo ame bubuwo gbɔ. Abe ale si ko Paulo menya nu siwo katã do tso eƒe ɖaseɖiɖi le “Asia nutoa me” me o ene la, mɔ aɖeke meli si dzi nàto anya nu nyui siwo dona tso wò ɖaseɖiɖi tsitotsito me la katã o. (Mixlẽ Dɔwɔwɔwo 23:11; 28:23.) Gake aleke gbegbe wòle vevie be nàyi edzi anɔ ɖase ɖim tsitotsitoe enye esi!

17. Nu kae nèɖo kplikpaa be yeawɔ le ƒe 2009 la katã me?

17 Neva eme be le ƒe 2009 bliboa me la, mí katã míalé fɔ ɖe dɔ si wode asi na mí be míaɖi ɖase tso aƒe me yi aƒe me kple le mɔ bubuwo nu la wɔwɔ ŋu vevie. Ne míewɔe alea la, míawo hã míate ŋu aɖe ale si Paulo se le eɖokui me la ke agblɔ be: “Nyemebu nye luʋɔ nu xɔasi aɖeke na ɖokuinye o; nu si le vevie nam la koe nye be mawu nye duɖimekeke kple subɔsubɔdɔ si mexɔ tso Aƒetɔ Yesu gbɔ la nu, be maɖi ɖase tso Mawu ƒe amenuveve nya nyui la ŋu tsitotsito.”

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Alekee apostolo Petro kple Paulo kpakple ame bubuwo ɖi ɖase tsitotsito le ƒe alafa gbãtɔa me?

• Nu ka tae nu siwo gbegbe ate ŋu ado tso míaƒe ɖaseɖiɖidɔa me la katã mate ŋu anɔ nyanya na mí o?

• Nu kae nye ƒe 2009 ƒea ƒe mawunyakpukpui, eye nu ka tae nèkpɔe be esɔ nyuie?

[Biabiawo]

[Nya si ɖe dzesi si le axa 19]

Ƒe 2009 ƒea ƒe mawunyakpukpui ye nye: ‘Ði ɖase tso nya nyui la ŋu tsitotsito.’—Dɔw. 20:24.

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Efeso hamemetsitsiwo nya ale si Paulo lé fɔ ɖe ɖaseɖiɖi tso aƒe me yi aƒe me ŋu nyuie

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Nu kawo gbegbee ate ŋu ado tso wò ɖaseɖiɖi tsitotsito me?