Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mekpɔ Mawu Ƒe Amewo Ƒe Dzidziɖedzi Teƒe Le Korea

Mekpɔ Mawu Ƒe Amewo Ƒe Dzidziɖedzi Teƒe Le Korea

Mekpɔ Mawu Ƒe Amewo Ƒe Dzidziɖedzi Teƒe Le Korea

Abe ale si Milton Hamilton gblɔe ene

“Ete ɖe mía dzi ŋutɔ be miana míanya be Republic of Korea ƒe dziɖuɖua te fli ɖe dutanyanyuigblɔlawo katã ƒe dukɔmenɔnɔ mɔɖegbalẽviwo me hegblɔ be yewomedi be miage ɖe dukɔa me o. . . . Eya ta míele mia ɖom ɖe Japan hena ɣeyiɣi aɖe.”

MÍA kple srɔ̃nye míexɔ nyatakaka si le etame la tso Brooklyn, New York, U.S.A., le ƒe 1954 ƒe nuwuwu lɔƒo. Do ŋgɔ le ƒe ma me la, míewu Gilead Suku ƒe klass 23 lia dede nu le New York. Indianapolis, Indiana, ye míenɔ subɔsubɔm le hena ɣeyiɣi aɖe esi míexɔ lɛta si me nyawo míeyɔ le etame.

Mía kple srɔ̃nye, Liz (si woyɔna be Liz Semock tsã), míenye sukuxɔmehatiwo le sekɛndrisuku (lycée). Emegbe míeva ɖe mía nɔewo le ƒe 1948 me. Elɔ̃ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ŋutɔ, gake enɔ vɔvɔ̃m be yemate ŋu adzo le United States (États-Unis) aɖasubɔ le duta o. Gake nu kae na wòva trɔ susu?

Liz lɔ̃ be mía kple ye míade kpekpe si wowɔna kple ame siwo di be yewoade Gilead Sukua. Míede kpekpe ma le dukɔwo dome takpekpe si wowɔ le Yankee Stadium, New York, le ƒe 1953 ƒe dzomeŋɔli me. Le kpekpe dedziƒoname ma dede vɔ megbe la, míekpe Gilead Sukua dede ƒe agbalẽvi ɖo. Ewɔ nuku na mí ŋutɔ be wokpe mí be míava de sukua ƒe klass si woagawɔ kplɔe ɖo, si adze egɔme le February 1954 me.

Woɖo mí ɖe Korea, togbɔ be ɖeko aʋa si wowɔ le afi ma hena ƒe etɔ̃ eye wògblẽ nu le dukɔa ŋu ale gbegbe la ke le ƒe 1953 ƒe dzomeŋɔli me teti koe nye ema hã. Abe ale si wogblɔe le lɛta si me nyawo míeyɔ le etame me ene la, woɖo mí ɖe Japan gbã. Le ŋkeke 20 ƒe ƒudzimɔzɔzɔ megbe la, mía kple dutanyanyuigblɔla ade bubu siwo hã wòle be woaɖo ɖe Korea hafi la míeva ɖo afi ma le January 1955 me. Lloyd Barry, si nye Japan alɔdzedɔwɔƒea ƒe dzikpɔla ɣemaɣi la, va kpe mí le melidzeƒea le ŋdi ga ade me. Enumake míedze mɔ ɖo ta dutanyanyuigblɔlawo ƒe aƒe si le Yokohama la me. Emegbe le ŋkeke ma ke dzi la, míeyi gbeadzi.

Míege Ðe Korea Dukɔa Me Mlɔeba

Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, míeva xɔ mɔɖegbalẽ be míage ɖe Republic of Korea (Anyiehe Korea) dukɔa me. Míeɖo yameʋu le Haneda Yameʋudzeƒe, le Tokyo, le March 7, 1955, dzi, eye míezɔ mɔ hena gaƒoƒo etɔ̃ va ɖo Yoido Yameʋudzeƒe, le Seoul. Ðasefo siwo wu 200 sɔŋ ye va do dzaa na mí, eye mía kple nɔviawo míefa dzidzɔvi. Ɣemaɣi la, Ðasefo 1,000 koe nɔ Korea katã. Abe Ɣetoɖoƒetɔ bubuwo ke ene la, míesusu be dukɔ ka ke mee Ɣedzeƒetɔwo ɖatso o, woɖia wo nɔewo eye wowɔa nu ɖeka tɔgbi. Gake eteƒe medidi hafi míeva kpɔe be menye nenemae wòle kura o. Menye ɖeko gbegbɔgblɔ kple alfabetawo le Koreatɔwo ŋutɔ si o, ke ale si woɖaa nui, woƒe dzedzeme, kple woƒe nudodowo, kpakple woƒe nu bubu aɖewo siwo le etɔxɛ, abe woƒe xɔtuɖaŋu ene, hã to vovo kura tso dukɔ siwo ƒo xlã wo la tɔ gbɔ.

Kuxi sesẽ gbãtɔ si míedo goe nye gbea sɔsrɔ̃. Agbalẽ aɖeke menɔ anyi si míate ŋu azã atsɔ asrɔ̃ Koreagbea o. Eteƒe medidi o, míeva kpɔe be manya wɔ be míazã Eŋlisigbe me nyawo yɔyɔ ƒe ɖiɖime atsɔ ayɔ Koreagbe me nyawo wòasɔ pɛpɛpɛ o. Ðeko wòle be ame nasrɔ̃ Koreagbe me alfabetawo hafi ate ŋu ayɔ woƒe nyawo nyuie.

Míewɔ vodada geɖewo. Le kpɔɖeŋu me, Liz bia aƒemenɔla aɖe kpɔ be Biblia le esi hã. Aƒemenɔlaa kpɔe dũu nukutɔe hedzo yi ɖatsɔ matsesi va nɛ. Sungnyang (si gɔmee nye matsesi) ye Liz bia, le esi teƒe be wòabia sungkyung, si nye ale si woyɔa “Biblia.”

Ɣleti aɖewo megbe la, woɖo mí ɖe Pusan, si nye melidzeƒedu si le dukɔa ƒe anyiehe gome, be míaɖaʋu dutanyanyuigblɔlawo ƒe aƒe ɖe afi ma. Míete ŋu kpɔ aƒe aɖe si me xɔ sue etɔ̃ le haya, si me mí ame evea kpakple nɔvinyɔnu eve siwo woɖo ɖa kpe ɖe mía ŋu míenɔ. Pɔmpi menɔ míaƒe xɔwo me o, eye afɔdzido si wozãa tsi na menɔ mía si o. Zã me koe pɔmpitsia te ŋu toa aŋeto me vaa dzisasrã evelia dzi. Eya ta míeɖɔ lia mía nɔewo hefɔna fɔŋli ɖe sia ɖe ɖakua tsi ɖe nugowo me. Enɔ na mí be míaɖa tsia alo akɔ atike si nye chlorine ɖe eme hafi wòanɔ dzadzɛ hena nono.

Míedo go kuxi bubuwo hã. Elektrikŋusẽ si va ɖoa mía gbɔ la nu mesẽna tututu o, si wɔe be míete ŋu zãa nunyãmɔ̃ kple nudziɖoga o. Míaƒe xɔawo dome mɔ kee ganye míaƒe dzodoƒe, eye gamlekpui si zãa kerosene la ɖeka koe nɔ mía si. Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, mía dometɔ ɖe sia ɖe va nya nuɖaɖa heɖaa nu le eƒe ŋkeke ɖoɖi dzi. Ƒe etɔ̃ le míaƒe dukɔa me vava megbe la, aklãdɔléle sesẽ aɖe va dze mía kple Liz dzi. Dutanyanyuigblɔla akpa gãtɔ hã xɔ dɔa le ƒe mawo me. Ɣleti geɖewo va yi hafi míaƒe lãme va sẽ, eye míeto lãmesẽkuxi bubuwo hã me.

Kpekpeɖeŋu Hena Tenɔnɔ Ðe Nɔnɔme Sesẽwo Nu

Korea ƒukpo afã la nye Asia nuto si nɔ dunyahehe ƒe kemalimali ƒe nɔnɔme aɖe me hena ƒe 55 sɔŋ. Anyigba aɖe ma Korea ƒukpo afã la ɖe akpa eve me (Dziehe Korea kple Anyiehe Korea), si dzi se meɖe mɔ ɖo be dukɔ eveawo ƒe asrafowo dometɔ aɖeke nage ɖo le eɖokui si o. Dometsonyigba sia le adzɔge tso Republic of Korea ƒe fiadu si nye Seoul gbɔ anɔ abe kilometa 55 ene le dziehe gome. Le ƒe 1971 me la, Frederick Franz tso Brooklyn dɔwɔƒegã la va srã mí kpɔ. Mekplɔe míeɖi tsa yi Dometsonyigba sia, si nye de si ŋu asrafowo dzɔna vevie wu le anyigba katã dzi la dzi. Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe amedɔdɔwo va kpena kple dukɔ eveawo ƒe dziɖuɖu teƒenɔlawo edziedzi le afi ma hena ƒe geɖe.

Gake míawo ya míedea nu xexea me ƒe dunyahehe me le mɔ aɖeke nu o, Korea ƒukpo afã la ƒe dunyahenyawo hã meto le eme o. (Yoh. 17:14) Esi Korea Ðasefowo gbe be yewomatsɔ tu ɖe yewo havi amegbetɔwo ŋu o ta la, wolé wo dometɔ siwo wu 13,000 la de ga, eye ne woƒo ƒe siwo wo katã wotsɔ nɔ gaxɔ me nu ƒu la, ele ƒe 26,000 sɔŋ. (2 Kor. 10:3, 4) Nɔviŋutsu ɖekakpui siwo katã le dukɔ ma me nyae be yewoava dze ŋgɔ nɔnɔme sia godoo, gake womenaa ta le vɔvɔ̃ ta o. Ewɔ nublanui ŋutɔ be dziɖuɖua yɔa Kristotɔ subɔla siawo be “ame vɔ̃ɖiwo” eye “nu vɔ̃ɖi” si ko wobe wowɔe nye gbegbe be yewomaɖe asi le yewoƒe Kristotɔwo ƒe akpaɖekedzimademade ŋu o.

Do ŋgɔ le Xexemeʋa II lia wɔɣi, le ƒe 1944 me la, nye hã megbe be nyemawɔ asrafodɔ o, eye esia ta wodem Amerikatɔwo ƒe gakpɔ si le Lewisburg, Pennsylvania, la me hena ƒe eve kple afã. Eya ta togbɔ be mía nɔviŋutsu siwo le Korea la to nɔnɔme siwo sesẽ wu me le gakpɔ me hã la, menya nu siwo me Ðasefo ɖekakpui siawo to la nyuie. Edea dzi ƒo na wo dometɔ geɖe be woanyae be mí dutanyanyuigblɔla siwo le Korea la dometɔ aɖewo hã to nɔnɔme mawo tɔgbi me kpɔ.—Yes. 2:4.

Míeto Ɣeyiɣi Sesẽ Aɖe Me

Mía ŋutɔwo hã ƒe akpaɖekedzimademade va ɖo dodokpɔ te le nya aɖe si fɔ ɖe te le ƒe 1977 me la me. Dziɖuɖumegãwo gblɔ be míena Korea ɖekakpuiwo gbe be yewomawɔ asrafodɔ ahayi aʋa o. Eya ta dziɖuɖua tso nya me be yewomagana mɔɖegbalẽ dutanyanyuigblɔla siwo do le dukɔa me, eɖanye le susu ka ke tae o, be wòatrɔ ava o. Mɔxeɖenu sia yi edzi tso ƒe 1977 va se ɖe ƒe 1987 me. Ne ɖe míedo le Korea dukɔa me le ƒe mawo me la, anye ne womaɖe mɔ na mí be míatrɔ ava o. Eya ta míete ŋu ɖi tsa yi aƒe le ƒe mawo me kura o.

Míede dziɖuɖua teƒenɔlawo gbɔ heɖe míaƒe akpaɖekedzimademade le dunyahenyawo me le esi míenye Kristo yome dzelawo ta me na wo zi geɖe. Le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, wova kpɔe be yewomate ŋu ado ŋɔdzi na mí míana ta o, eya ta mɔxeɖenu ma va wu enu mlɔeba, le ƒe ewo megbe. Le ƒe mawo me la, eva hiã be dutanyanyuigblɔla ʋɛ aɖewo nado go le dukɔa me le susu vovovowo, abe dɔléle ene ta, gake mí ame susɔeawo katã míetsi anyi, eye dzi dzɔ mí ŋutɔ be míekpɔtɔ nɔ anyi.

Le ƒe 1980 ƒeawo ƒe domedome la, ame siwo tsi tsitre ɖe míaƒe subɔsubɔdɔa ŋu la tsɔ nya ɖe habɔbɔa teƒenɔla siwo le dukɔa me ŋu madzemadzee be míefiaa nu ɖekakpuiwo be woagawɔ asrafodɔ o. Esia ta dziɖuɖua kpe mía dometɔ ɖe sia ɖe hebia gbe mí. Le January 22, 1987, dzi la, ʋɔnudrɔ̃ƒea kpɔe be nya siwo wotsɔ ɖe mía ŋu la mele se nu o. Esia xe mɔ ɖe nukpɔsusu masɔmasɔ ɖe sia ɖe si ŋu dɔ woadi be yewoava wɔ atsɔ aɖe fu na mí le etsɔme la nu.

Mawu Yra Ðe Míaƒe Dɔa Dzi

Tsitretsitsi ɖe míaƒe dɔa ŋu me gava sẽ ɖe edzi ŋutɔ le Korea hena ƒe geɖe le míaƒe akpaɖekedzimademade ta. Eya ta eva nɔ sesẽm na mí ŋutɔ be míakpɔ teƒe nyuiwo ahaya hena takpekpe gãwo wɔwɔ. Esia wɔe be nɔviawo tso nya me hetu Takpexɔ aɖe ɖe Pusan dua me, si nye gbãtɔ le Ɣedzeƒe nutoawo me. Mɔnukpɔkpɔ su asinye meƒo xɔŋukɔkɔnuƒoa le April 5, 1976, dzi, le vavala 1,300 siwo va la ŋkume.

Tso ƒe 1950 me ke la, United States dukɔa ɖo asrafo akpeakpewo ɖe Korea dukɔa me. Le woƒe tɔtrɔ yi United States megbe la, wo dometɔ geɖe va zu Ðasefo dovevienuwo. Woŋlɔa lɛta na mí edziedzi, eye míekpɔe be mɔnukpɔkpɔe wònye na mí be míekpe ɖe wo ŋu le gbɔgbɔ me.

Nublanuitɔe la, srɔ̃nye Liz lɔlɔ̃a va dɔ alɔ̃ le ku me le September 26, 2006, dzi. Mesusunɛ ale gbegbe. Le ƒe 51 siwo katã wòtsɔ nɔ dukɔ sia me la, elɔ̃ faa xɔ dɔ ɖe sia ɖe si wode esi la, eye meto nyatoƒoe kpɔ o. Medo susu ɖa alo ka fem kpɔ be míatrɔ ayi mía de United States, afi si medi tsã be yeadzo le kura o la, kpɔ gbeɖe o!

Mekpɔtɔ le subɔsubɔm le Korea abe Betel ƒomea me tɔ ene. Ƒome sia si me ame ʋɛ aɖewo ko nɔ le gɔmedzedzea me la dzi ɖe edzi va ɖo ame 250 sɔŋ egbea. Mɔnukpɔkpɔ su asinye mele ame adre siwo le Alɔdzekɔmiti si le dɔa dzi kpɔm le afi sia me la dome.

Togbɔ be Korea dukɔa da ahe ŋutɔ esime míeva hã la, eva zu dukɔ deŋgɔ siwo le xexea me egbea la dometɔ ɖeka. Ðasefo siwo wu 95,000 sɔŋ ye le Korea, eye wo dometɔ 40 le alafa me le subɔsubɔm abe gbe sia gbe mɔɖela alo kpekpeɖeŋu mɔɖelawo ene. Esiawo katã nye susu siwo tae wòdo dzidzɔ nam be meva subɔ le afi sia hekpɔ Mawu ƒe amewo ƒe dzidziɖedzi teƒe ɖo.

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Esime mía kple hati dutanyanyuigblɔlawo míeva ɖo Korea

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Subɔsubɔ le Pusan

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Mía kple Nɔviŋutsu Franz, le Dometsonyigba la dzi le ƒe 1971 me

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Mía kple Liz, do ŋgɔ teti na eƒe ku

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Korea alɔdzedɔwɔƒea, afi si mekpɔtɔ le subɔsubɔm le abe Betel ƒomea me tɔwo dometɔ ɖeka ene