Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Ka Tae Wòle Be Nàlé Wò Fɔmaɖimaɖi Me Ðe Asi?

Nu Ka Tae Wòle Be Nàlé Wò Fɔmaɖimaɖi Me Ðe Asi?

Nu Ka Tae Wòle Be Nàlé Wò Fɔmaɖimaɖi Me Ðe Asi?

“Drɔ̃ ʋɔnum, Yehowa, ɖe . . . fɔmaɖimaɖi, si le ŋunye la nu!”—PS. 7:9.

1, 2. Nɔnɔme kawoe Kristotɔwo doa goe gbe sia gbe si doa woƒe fɔmaɖimaɖi me léle ɖe asi kpɔna?

KPƆ nudzɔdzɔ etɔ̃ siawo ɖa le susu me: Ŋutsuvi aɖee nye ema si ŋu eƒe sukuhatiwo le fewu ɖum le. Wole agbagba dzem be yewoana wòado dziku, ɖewohĩ be wòadzu ame loo, alo wòada kɔ. Ðe wòawɔ nu siawo ƒe ɖe loo, alo ɖe wòalé eɖokui kpoo ahadzo le wo gbɔa? Srɔ̃ŋutsu aɖee nye ema le numekuku wɔm le Internet dzi le aƒe me esime eya ɖeka li. Kasia nyatakaka aɖe dze le kɔmpiutaa dzi henɔ boblo dom amamaɖeɖenuwɔnawo ƒe Nyatakakadzraɖoƒe aɖe. Ðe wòage ɖe nyatakakadzraɖoƒe ma loo, alo ɖe wòaɖoe kplikpaa aƒo asa nɛa? Kristotɔ nyɔnu aɖee nye ema le dze ɖom kple nɔvinyɔnuwo ƒe ƒuƒoƒo sue aɖe, eye dzeɖoɖoa va trɔ zu nɔvinyɔnu aɖe si le hamea me la ŋuti nya gbegblẽwo gbɔgblɔ. Ðe wòakpɔ gome le eme loo, alo ɖe wòadze agbagba atrɔ mɔ na dzeɖoɖoa?

2 Togbɔ be nɔnɔme siawo to vovo hã la, nu ɖeka aɖe dze le wo katã me. Wo katã wonye Kristotɔwo ƒe fɔmaɖimaɖi me léle ɖe asi ƒe dodokpɔ. Ðe wò fɔmaɖimaɖi me léle ɖe asi nɔa susu me na wò gbe sia gbe ne èle wò agbemetaɖodzinuwo, dzimaɖitsitsiwo, kple nuhiahiãwo gbɔ kpɔma? Amewo bua woƒe dzedzeme, woƒe lãmesẽmenɔnɔ, ale si woawɔ akpɔ woƒe nuhiahiãwo gbɔ, ɣeyiɣi nyui kple ɣeyiɣi vɔ̃ siwo doa mo ɖa le woa kple wo xɔlɔ̃wo dome, kple ɖewohĩ ŋutsu kple nyɔnu dome lɔlɔ̃nyawo gɔ̃ hã ŋu gbe sia gbe. Anɔ eme be míebua nu siawo ŋu vevie ale gbegbe. Gake nu kae nɔa vevie na Yehowa wu ne ele míaƒe dzi me dzrom kpɔ? (Ps. 139:23, 24) Eyae nye míaƒe fɔmaɖimaɖi.

3. Mɔnukpɔkpɔ kae Yehowa na mí, eye nu kawo mee míadzro le nyati sia me?

3 Yehowa, “nunana nyui ɖe sia ɖe kple nunana blibo ɖe sia ɖe” Nala la tsɔ nunana vovovowo yra mí. (Yak. 1:17) Eyae na nunana siawo abe ŋutilã, susu, lãmesẽ aɖe si nu, kple ŋutete vovovowo mí. (1 Kor. 4:7) Ke hã, Yehowa mezia mía dzi be míalé fɔmaɖimaɖi me ɖe asi o. Egblẽe ɖe mía ŋutɔwo si nenye be míatiae be míatu nɔnɔme nyui sia ɖo. (5 Mose 30:19) Ekema ehiã be míadzro nu si fɔmaɖimaɖi fia la me. Míadzro susu etɔ̃ siwo ta nɔnɔme sia le vevie ŋutɔ ɖo la hã me.

Nu Kae Nye Fɔmaɖimaɖi?

4. Nu kae fɔmaɖimaɖi lɔ ɖe eme, eye nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso se siwo Yehowa de ku ɖe lãwo tsɔtsɔ sa vɔe ŋu me?

4 Ewɔ abe ame geɖe mese nu si tututu fɔmaɖimaɖi nye la gɔme o ene. Le kpɔɖeŋu me, ne dunyahelawo le adegbe ƒom tso woƒe fɔmaɖimaɖi ŋu la, edze abe nu si wowɔnɛ zi geɖe koŋue nye anukwareɖiɖi ene. Nɔnɔme sia le vevie, gake fɔmaɖimaɖi ƒe akpa aɖe koe wònye. Nya fɔmaɖimaɖi si wozã le Biblia me la lɔ kpɔtsɔtsɔmanɔameŋu le agbe nyui nɔnɔ gome ɖe eme. Hebrigbe me nya si do ƒome kple “fɔmaɖimaɖi” la ƒe gɔmesese ŋutɔŋutɔe nye nu si de pɛpɛpɛ, nu si sɔ blibo, alo nu si ŋu kpɔtsɔtsɔ mele o. Wozã nya siawo dometɔ ɖeka wòku ɖe vɔ siwo wosana na Yehowa la ŋu. Ne lã si wotsɔ sa vɔe la de pɛpɛpɛ alo sɔ blibo ko hafi wòdzea eŋu. (Mixlẽ 3 Mose 22:19, 20.) Yehowa ɖee fia kɔtɛ be yemekpɔ ŋudzedze ɖe ame siwo mede bubu yeƒe mɔfiafia sia ŋu o to lã ɖixɔdrɔ̃wo kple lã lédɔwo, kpakple lã ŋkuagbãwo tsɔtsɔ sa vɔe me la ŋu kura o.—Mal. 1:6-8.

5, 6. (a) Kpɔɖeŋu kawoe ɖee fia be míedea asixɔxɔ nu si de pɛpɛpɛ alo sɔ blibo la ŋu? (b) Ðe fɔmaɖimaɖi fia blibodede le amegbɔtɔ madeblibowo gomea? Ðe eme.

5 Menye nu wɔnuku aɖee nu si de pɛpɛpɛ alo sɔ blibo didi ƒe nya sia nye o. Le kpɔɖeŋu me, bu eŋu kpɔ be agbalẽƒledzrala aɖe le agbalẽ vevi aɖe dim ʋuu heva ke ɖe eŋu mlɔeba, gake kaka wòakpɔ la, agbalẽa ƒe axa vevi geɖewo ɖe le eme. Dzi aɖe le eƒo wòadae ɖi adzo. Alo, kpɔe ɖa le susu me be nyɔnu aɖee nye ema yi asi me hele kokloziwo me tsam be yeaƒle. Ele ŋku lém ɖe kokloziawo ƒe lolome kple dzedzeme vovovo siwo nya kpɔ nɛ ŋutɔ la ŋu. Gake ɖe sia ɖe koe wòatsɔa? Ðikeke mele eme o be, wo dometɔ siwo sɔ blibo siwo afi aɖeke megbã na o koe wòatia. Nenema kee Mawu hã le ame siwo si blibonyenye ƒe nɔnɔme sia le la dim.—2 Kron. 16:9.

6 Gake ɖewohĩ àbia be ɖe fɔmaɖimaɖi fia blibodede hã. Esi wònye be nu vɔ̃ kple blibomademade gblẽ nu le mía ŋu ta la, ate ŋu adzɔ be míabu mía ɖokuiwo be míele abe agbalẽ si ƒe axa aɖewo ɖe alo koklozi siwo ƒe afi aɖe gbã ene le go aɖe me. Nenemae nèsena le ɖokuiwò me ɣeaɖewoɣia? Kakaɖedzi nenɔ asiwò be Yehowa mekpɔa mɔ be míawɔ nu abe ame deblibowoe míenye ene o. Media nu si gbɔ míaƒe ŋutetewo ŋu tso mía si gbeɖe o. * (Ps. 103:14; Yak. 3:2) Ke hã, ekpɔa mɔ be míalé fɔmaɖimaɖi me ɖe asi. Ekema ɖe vovototo aɖe le blibodede kple fɔmaɖimaɖi domea? Ɛ̃. Le kpɔɖeŋu me: Tsɔe be ɖekakpui aɖe lɔ̃ ɖetugbui aɖe si ɖe ge wògbɔna la vevie. Anye bometsitsi be wòakpɔ mɔ be ɖetugbuia nade blibo le goawo katã me. Ke hã, akpɔ mɔ be wòalɔ̃ ye kple eƒe dzi blibo, si fia be magaɖe lɔlɔ̃ ma afia ame bubu aɖeke tsɔ wu ye o. Nenema kee Yehowa hã nye “Mawu si biaa ɖokuitsɔtsɔna bliboe.” (2 Mose 20:5, NW) Mekpɔa mɔ be míaƒe nuwɔnawo nade blibo ŋutɔŋutɔ o, ke be míalɔ̃ ye kple dzi blibo, be míade ta agu na ye ɖeɖe ko.

7, 8. (a) Fɔmaɖimaɖi ƒe kpɔɖeŋu kae Yesu ɖo ɖi? (b) Nu kae fɔmaɖimaɖi si ŋu woƒo nu tso le Ŋɔŋlɔawo me la fia ŋutɔŋutɔ?

7 Ðewohĩ esia na míeɖo ŋku ŋuɖoɖo si Yesu na esi wobiae be, se kae nye vevitɔ kekeake le seawo katã dome hã, la dzi. (Mixlẽ Marko 12:28-30.) Yesu ŋutɔ nɔ agbe ɖe ale si wòɖo nyaa ŋui la nu. Eɖo kpɔɖeŋu nyuitɔ kekeake ɖi le susu, dzi, luʋɔ, kple ŋusẽ blibo tsɔtsɔ lɔ̃ Yehowae me. Eɖee fia be menye nyagbɔgblɔ mee woɖea fɔmaɖimaɖi fiana le o, ke nuwɔna nyui siwo tso dzi dzadzɛ me la mee wòdzena le. Be míalé fɔmaɖimaɖi me ɖe asi la, ebia be míadze Yesu ƒe afɔɖoƒewo yome.—1 Pet. 2:21.

8 Eya ta nu si fɔmaɖimaɖi si ŋu woƒo nu tso le Ŋɔŋlɔawo me fia ŋutɔŋutɔe nye esi: Ame ɖokui tsɔtsɔ na Ame ɖeka aɖe si le dziƒo, si nye Yehowa Mawu, kple kuku ɖe eƒe lɔlɔ̃nu kple tameɖoɖo si wòɖe fia la ŋu. Fɔmaɖimaɖi me léle ɖe asi fia be le míaƒe gbe sia gbe gbenɔnɔ me la, míaƒe didi vevitɔ nanye be míadze Yehowa Mawu ŋu. Ele be nu siwo le vevie na eyama nanye nu vevitɔ na míawo hã le agbe me. Mina míadzro susu etɔ̃ siwo ta esia le vevie ɖo la me.

1. Míaƒe Fɔmaɖimaɖi Kple Dziɖulanyenye Ƒe Nya La

9. Alekee míaƒe fɔmaɖimaɖi do ƒome kple xexea me katã ƒe dziɖulanyenye ƒe nya la?

9 Menye míaƒe fɔmaɖimaɖi dzie Yehowa ƒe dziɖulanyenye nɔ te ɖo o. Eƒe dziɖulanyenye le dzɔdzɔe, eli tegbee, eye eyae nye xexea katã dzi ɖula gã. Anɔ nenema ɖaa, eɖanye nu ka kee eƒe nuwɔwɔwo dometɔ aɖe gblɔ alo wɔ o. Ke hã, woɖi gbɔ Mawu ƒe dziɖulanyenye vevie le dziƒo kple anyigba dzi. Eya ta ehiã be woaʋli eƒe dziɖulanyenye ta le nuwɔwɔ siwo si nunya le la katã ŋkume—aɖo kpe edzi be esɔ, ele dzɔdzɔe, eye wòwɔa eŋu dɔ le lɔlɔ̃ me. Esi míenye Yehowa Ðasefowo ta la, edzɔa dzi na mí be míaƒo nu tso Mawu ƒe dziɖulanyenye ŋu na ame sia ame si adi be yeaɖo to. Gake alekee míate ŋu aɖee afia be míele Mawu ƒe dziɖulanyenye ƒe akpa dzi? Alekee míeɖenɛ fiana be míelɔ̃ ɖe edzi be Yehowae nye míaƒe Dziɖulagã? To fɔmaɖimaɖi me léle ɖe asi me.

10. Nutsotso kae Satana tsɔ ɖe amegbetɔwo ƒe fɔmaɖimaɖi ŋu, eye alekee nàdi be yeawɔ nu atsɔ aɖo nya ma ŋu?

10 Bu ale si nya sia lɔ wò fɔmaɖimaɖi ɖe emee ŋu kpɔ. Satana ƒe nyawo fia be amegbetɔ aɖeke manɔ Mawu ƒe dziɖulanyenye ƒe akpa dzi o, eye be ɖokuitɔmadimadi ƒe lɔlɔ̃ maʋã ame aɖeke wòasubɔ Yehowa o. Abosam gblɔ na Yehowa le gbɔgbɔmenuwɔwɔ gbogbo aɖewo siwo kpe ta ŋkume be: ‘Ŋutigbalẽ ɖe ŋutigbalẽ teƒe, eye amegbetɔ atsɔ nu siwo katã le esi la, ana ɖe eƒe agbe ta.’ (Hiob 2:4) De dzesii be menye Hiob ɖeɖe ŋu koe Satana tsɔ nya sia ɖo o, ke egblɔe wòku ɖe ameƒomea katã ŋu. Eya ta esɔ be Biblia yɔ Satana be “mía nɔviwo nu tsola.” (Nyaɖ. 12:10) Eɖe alɔme le Yehowa ŋu be Kristotɔwo—wò hã ele eme—mate ŋu ayi edzi awɔ nuteƒe o. Satana tsɔ nya ɖe ŋuwò be àgbe nu le Yehowa gbɔ ne wò agbe ɖo afɔku me. Alekee nèse le ɖokuiwò me ku ɖe nutsotso mawo gbegbe siwo wòtsɔ ɖe ŋuwò la ŋu? Ðe madzɔ dzi na wò ne mɔnukpɔkpɔ su asiwò be nàɖee afia be Satana nye alakpatɔ oa? Nu ma tututue nàte ŋu awɔ ne èlé wò fɔmaɖimaɖi me ɖe asi.

11, 12. (a) Kpɔɖeŋu kawoe ɖe ale si nyametsotso siwo míewɔna gbe sia gbe do ƒome kple míaƒe fɔmaɖimaɖi me léle ɖe asi ƒe nya la fia? (b) Nu ka tae míate ŋu agblɔ be mɔnukpɔkpɔe fɔmaɖimaɖi me léle ɖe asi nye?

11 Fɔmaɖimaɖi ƒe nya sia na vevienyenye aɖe va le wò gbe sia gbe nuwɔna kple nyametsotsowo ŋu. Gabu nudzɔdzɔ etɔ̃ siwo ŋu míeƒo nu tso va yi la ŋu kpɔ. Alekee ame siwo ŋu woku ɖo la ate ŋu awɔ nu le fɔmaɖimaɖi me? Le ŋutsuvi si ŋu wonɔ fewu ɖum le gome la, ɖe eƒe sukuhatiawo nɔ etem kpɔ be wòawɔ wɔɖenui, gake eɖo ŋku nuxlɔ̃amenya sia dzi be: “Lɔlɔ̃tɔwo, migabia hlɔ̃ na mia ɖokuiwo o, ke miɖe mɔ na dziku la boŋ; elabena woŋlɔ ɖi be: ‘Tɔnyee nye hlɔ̃biabia, maɖo eteƒe, Yehowa ye gblɔe.’” (Rom. 12:19) Eya ta edzo le wo gbɔ. Srɔ̃ŋutsu si nɔ Internet zãm la hã ate ŋu akpɔ nu siwo anyɔ gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ɖe eme la hafi, gake eɖo ŋku gɔmeɖose si le Hiob ƒe nya siawo me la dzi be: “Mebla nu kple nye ŋku, eye aleke lawɔ malé ŋku ɖe ɖetugbi ŋu?” (Hiob 31:1) Nenema kee ŋutsu sia hã gbe be yemalé ŋku ɖe agbe gbegblẽ nɔnɔ ƒe ɖeɖefiawo ŋu o, eye wòƒo asa na wo abe aɖi wuame ene. Nyɔnu si nɔ dze ɖom kple nyɔnu bubu siwo dome wòate ŋu ase ameŋugblẽnya ʋɛ aɖewo le la ɖu eɖokui dzi, le esi wòɖo ŋku mɔfiame si gbɔna la dzi ta, be: “Mina mía dometɔ ɖe sia ɖe nadze ehavi ŋu le nu si nyo hena etutuɖo la me.” (Rom. 15:2) Ameŋugblẽnya si me wòate ŋu akpɔ gome le la matu ame ɖo o. Esia manye nuƒoƒo nyui tso nɔvianyɔnu Kristotɔa ŋu o; eye madze Fofoa si le dziƒo la hã ŋu o. Eya ta ekpɔ eƒe aɖe dzi hetrɔ mɔ na dzeɖoɖoa.

12 Le nudzɔdzɔ siawo me la, Kristotɔawo dometɔ ɖe sia ɖe wɔ tiatia si ɖee fia be ele gbɔgblɔm be: ‘Yehowae nye nye Dziɖula. Madze agbagba awɔ nu si dze eŋu le nya sia me.’ Ðe wò hã èbua tiatia kple nyametsotso siwo nèwɔna la ŋu le mɔ sia ke nua? Ne nenemae la, ekema èle wɔwɔm ɖe nya dodzidzɔname sia si le Lododowo 27:11 la dzi, be: ‘Vinye, dze nunya, be nàdo dzidzɔ na nye dzi, ne mate ŋu aɖo nya ŋu na ame siwo le alɔme ɖem le ŋunye.’ Mɔnukpɔkpɔ gã ka gbegbee nye esi su mía si be míado dzidzɔ na Mawu ƒe dzi! Ðe esia meɖe ale si gbegbe wòle vevie be míadze agbagba ɖe sia ɖe be míalé míaƒe fɔmaɖimaɖi me ɖe asi la fia oa?

2. Mawu Nɔa Te Ðe Míaƒe Fɔmaɖimaɖi Dzi Drɔ̃a Ʋɔnu Mí

13. Alekee Hiob kple David ƒe nyawo ɖee fia be míaƒe fɔmaɖimaɖi dzie Yehowa nɔa te ɖo drɔ̃a ʋɔnu mí?

13 Míekpɔe be fɔmaɖimaɖi naa mɔnukpɔkpɔ mí be míanɔ Yehowa ƒe dziɖulanyenye ƒe akpa dzi. Eya ta enye nu si dzi Mawu ate ŋu anɔ te ɖo adzrɔ̃ ʋunu mí. Hiob se nyateƒenya sia gɔme nyuie. (Mixlẽ Hiob 31:6.) Hiob nyae be Mawu tsɔa “nudanu nyuitɔ” daa amegbetɔwo katã kpɔ to eƒe dzɔdzɔenyenye ƒe dzidzenu deblibo la tsɔtsɔ do míaƒe fɔmaɖimaɖi kpɔe me. Nenema kee David hã gblɔ be: “Yehowa enye dukɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃la. Drɔ̃ ʋɔnum, Yehowa, ɖe nye dzɔdzɔenyenye kple fɔmaɖimaɖi, si le ŋunye la nu! . . . Wò, Mawu dzɔdzɔe la, èdzroa dziwo kple ayikuwo me kpɔna.” (Ps. 7:9, 10) Míenya be Mawu ate ŋu akpɔ míaƒe amenyenye ƒe gogloeƒe si woyɔ le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu be míaƒe “dziwo kple ayikuwo” la me. Gake ele be míaɖo ŋku nu si dim wòle le mía me la dzi. Abe ale si David gblɔe ene la, Yehowa drɔ̃a ʋɔnu mí ɖe míaƒe fɔmaɖimaɖi nu.

14. Nu ka tae mele be míasusui gbeɖe be le míaƒe nu vɔ̃ me nyenye alo blibomademade ta la, míate ŋu alé fɔmaɖimaɖi me ɖe asi o?

14 Kpɔe ɖa le susu me be Yehowa Mawu le amegbetɔ biliɔn nane siwo li egbea ƒe dzi me dzrom kpɔ. (1 Kron. 28:9) Zi gbɔ zi nenie wòakpɔ ame aɖe be eléa Kristotɔwo ƒe fɔmaɖimaɖi me ɖe asi? Ƒãa hafi! Ke hã, mele be míasusui be le míaƒe blibomademade ta míate ŋu alé fɔmaɖimaɖi me ɖe asi o. Ke boŋ susu nyui aɖe li si tae míate ŋu aka ɖe edzi, abe David kple Hiob ene, be Yehowa akpɔe be míeléa fɔmaɖimaɖi me ɖe asi, togbɔ be míede blibo o hã. Ðo ŋku edzi be blibodede menye kpeɖodzi be ame alé fɔmaɖimaɖi me ɖe asi o. Ame deblibo etɔ̃ pɛ koe nɔ anyigba sia dzi kpɔ, eye wo dometɔ eve, Adam kple Eva, mete ŋu lé fɔmaɖimaɖi me ɖe asi o. Ke hã, ame madeblibo miliɔn geɖe te ŋu lé fɔmaɖimaɖi me ɖe asi. Wò hã àte ŋui.

3. Ele Vevie Hena Míaƒe Etsɔmemɔkpɔkpɔ

15. Alekee David ɖee fia be fɔmaɖimaɖi le vevie hena míaƒe etsɔmemɔkpɔkpɔ?

15 Esi wònye be míaƒe fɔmaɖimaɖi koŋ dzie Yehowa nɔa te ɖo drɔ̃a ʋɔnu mí ta la, fɔmaɖimaɖi le vevie hena míaƒe mɔkpɔkpɔ. David kpɔ nya sia ƒe nyateƒenyenye dze sii. (Mixlẽ Psalmo 41:13.) Enye eƒe didi vevie be Mawu ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ nanɔ ye dzi tegbee. Abe mí Kristotɔ siwo li egbea ke ene la, mɔkpɔkpɔ nɔ David si be yeava nɔ agbe tegbee ahayi edzi anɔ tetem ɖe Yehowa Mawu ŋu ɖaa le tadedeagu me. David kpɔe dze sii be hafi mɔkpɔkpɔ ma nava eme na ye la, ele vevie be yealé fɔmaɖimaɖi me ɖe asi. Nenema kee Yehowa léa mí ɖe te, fiaa nu mí, fiaa mɔ mí heyraa mí ne míeyia edzi léa míaƒe fɔmaɖimaɖi me ɖe asi.

16, 17. (a) Nu ka tae nèɖoe kplikpaa be yealé yeƒe fɔmaɖimaɖi me ɖe asi sesĩe ɣesiaɣi? (b) Biabia kawo mee nyati si kplɔe ɖo adzro?

16 Mɔkpɔkpɔ le vevie hena míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ egbea gɔ̃ hã. Ate ŋu ana dzidzɔ si míehiã bene míate ŋu ato ɣeyiɣi sesẽwo me la nasu mía si. Mɔkpɔkpɔ ate ŋu akpɔ míaƒe tamesusuwo hã ta. Ðo ŋku edzi be, Biblia tsɔ mɔkpɔkpɔ sɔ kple gakuku. (1 Tes. 5:8) Abe ale si ko gakuku kpɔa asrafo ƒe ta ta le aʋawɔwɔ me ene la, mɔkpɔkpɔ kpɔa míaƒe tamesusuwo ta tso mɔkpɔkpɔmanɔamesi, alo nu ɖedzileameƒowo, siwo Satana dona ɖe ŋgɔ le xexe doxoxo sia si le kudɔ ƒom me la ŋu bubu me. Le nyateƒe me la, gɔmesese aɖeke menɔa ame ƒe agbe ŋu ne mɔkpɔkpɔ mele esi o. Ehiã be míadzro mía ɖokuiwo me anukwaretɔe ahakpɔe ɖa be alekee mía ŋutɔwo míaƒe fɔmaɖimaɖi kple mɔkpɔkpɔ si do ƒome kplii la le hã. Mègaŋlɔ be o be, ne èléa fɔmaɖimaɖi me ɖe asi la, èle eɖem fia be yele Yehowa ƒe dziɖulanyenye ƒe akpa dzi hele nanam be kakaɖedzi nanɔ etsɔmemɔkpɔkpɔ xɔasi si le asiwò la ŋu. Neva eme be nàyi edzi alé wò fɔmaɖimaɖi me ɖe asi sesĩe ɣeawokatãɣi!

17 Esi fɔmaɖimaɖi le vevie alea gbegbe ta la, ele vevie be míadzro biabia bubu aɖewo hã me. Aleke míetua fɔmaɖimaɖi ɖoe? Alekee míate ŋu alé eme ɖe asi? Eye nu kae wòle be ame nawɔ ne eva dzɔ be edo kpo nu ɣeaɖeɣi le eme léle ɖe asi me? Nyati si kplɔe ɖo adzro biabia siawo me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 6 Yesu gblɔ be: “Eya ta ele be mianɔ blibo, abe ale si mia Fofo si le dziƒo la le bliboe ene.” (Mat. 5:48) Ðikeke mele eme o be, enya be amegbetɔ madeblibowo ate ŋu awɔ nu wòasɔ blibo alo wòade pɛpɛpɛ va se ɖe afi aɖe. Míate ŋu awɔ sedede si nye be míalɔ̃ amewo tso dzi me faa la dzi, eye míato esia me adze Mawu ŋu. Gake Yehowa ya de blibo le nya la ƒe gɔmesese ŋutɔŋutɔ nu. Ne wozã nya “fɔmaɖimaɖi” nɛ la, elɔa blibodede hã ɖe eme.—Ps. 18:31.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Nu kae nye fɔmaɖimaɖi?

• Alekee fɔmaɖimaɖi do ƒome kple xexea me katã ƒe dziɖulanyenye ƒe nya la?

• Alekee míaƒe mɔkpɔkpɔ nɔa te ɖe míaƒe fɔmaɖimaɖi dzi?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata siwo le axa 5]

Míedoa go kuxi geɖe siwo doa míaƒe fɔmaɖimaɖi kpɔ gbe sia gbe