Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Wogblɔ na Yudatɔwo le Nexemya 8:10 be ‘woaɖu aminuwo,’ evɔ Se la gblɔ le 3 Mose 3:17 be: ‘Migaɖu lã ƒe ami aɖeke o.’ Aleke míate ŋu ase nyagbɔgblɔ eve siawo gɔmee?

Nya siwo wozã le gbe gbãtɔ si me woŋlɔ Biblia ɖo me, si gɔme woɖe le Nexemya 8:10 be ‘aminuwo’ kple esi gɔme woɖe le 3 Mose 3:17 be “ami” la to vovo na wo nɔewo. Hebrigbe me nya si nye cheʹlev, si gɔme woɖe le 3 Mose 3:17 be “ami” la, kuna ɖe lãwo ƒe ami loo alo amegbetɔwo tɔ ŋu. (3 Mose 3:3; Ʋɔn. 3:22) Nya siwo ƒo xlã kpukpui 17 ma ɖee fia be womeɖe mɔ na Israel viwo be woaɖu ami si tsyɔ lã si wotsɔ le vɔ samee la ƒe dɔmenuawo dzi, kple ami siwo katã le dɔmenuawo ŋu, kple ayiku eveawo kple wo ŋu mi, kpakple ami siwo le ali la ŋu la o. Elabena “amiawo katã [nye Yehowa tɔ].” (3 Mose 3:14-16) Eya ta mele be woaɖu ami siwo le lãme na lã siwo woatsɔ asa vɔ na Yehowa la o.

Gake nya si gɔme woɖe le Nexemya 8:10 be ‘aminuwo’ ye nye mash·man·nimʹ, eye afi sia koe wòdze le le Hebri Ŋɔŋlɔawo me. Woɖe nya sia tso Hebrigbe me dɔwɔnya si nye sha·menʹ, si fia “da ami, [alo] kpɔ lãme” la me. Edze abe gɔmesese si koŋ nɔa nya vovovo siwo do ƒome kple Hebrigbe me dɔwɔnya sia ŋue nye, be woakpɔ dzidzedze alo be woanɔ lãmesẽ nyui me. (Tsɔe sɔ kple Yesaya 25:6.) Nya siwo woɖe tso dɔwɔnya sia me siwo bɔ wu dometɔ ɖekae nye ŋkɔnya si nye sheʹmen, si gɔme wolɔ̃a ɖeɖe be “ami,” si dze le ŋkɔ “amitimi” hã me. (5 Mose 8:8; 3 Mose 24:2) Ale si wozã nya mash·man·nimʹ  le Nexemya 8:10 la na wòdze abe ekuna ɖe nuɖuɖu si wotsɔ ami geɖe ɖae ŋu ene, eye ate ŋu aku ɖe ʋulã si ŋu ami ʋɛ aɖewo tsi gake menye amikɔwo o la gɔ̃ hã ŋu.

Togbɔ be wode se na Israel viwo be woagaɖu lã ƒe ami o hã la, wote ŋu ɖua aminuwo. Menye lãmiwoe wotsɔ wɔa nuɖuɖu aɖewo abe abolo vivi siwo wotsɔa wɔ menae la ene o, ke boŋ ami siwo woɖe tso atikutsetsewo mee wotsɔ wɔa wo, eye wonyea amitimi zi geɖe. (3 Mose 2:7) Eya ta Insight on the Scriptures (Étude perspicace des Écritures) ɖe nu me be “aminu” siwo wowɔnɛ le afi sia la “ku ɖe nuɖuɖu ƒe akpa si ami geɖe le, si maƒu kplakplakpla alo anye lã ƒuƒui o, ke boŋ anye nuɖuɖu dami, eye wòate ŋu alɔ nuɖuɖu vivi siwo wotsɔ atikutsetsememi ɖa la ɖe eme.”

Ele susu me na Kristotɔwo be ami ŋuti sedede la nɔ Se siwo wode na Israel viwo la me ya. Gake womele Se la kple nudidi siwo ku ɖe lãwo tsɔtsɔ sa vɔe ŋu, siwo le Se la me te o.—Rom. 3:20; 7:4, 6; 10:4; Kol. 2:16, 17.