Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Nènye ‘Mawu Ƒe Amenuveve Ƒe Xɔnuvia’?

Ðe Nènye ‘Mawu Ƒe Amenuveve Ƒe Xɔnuvia’?

Ðe Nènye ‘Mawu Ƒe Amenuveve Ƒe Xɔnuvia’?

“Milɔ̃ mia nɔewo vevie abe dadaviwo ene. Ame sia ame nedi be yeade bubu ye nɔvi ŋu gbã.”—ROM. 12:10.

1. Kakaɖedzinya kawoe le Mawu ƒe Nya la me na mí?

MAWU ƑE NYA la naa kakaɖedzi mí zi geɖe be Yehowa akpe ɖe mía ŋu ne dzi ɖe le mía ƒo alo nu te ɖe mía dzi vevie. Le kpɔɖeŋu me, se akɔfanya siawo ɖa: ‘Yehowa tsoa ame siwo katã le anyi dzem la xɔna, eye wòfɔa ame siwo katã wobɔbɔ ɖe anyi la ɖe tsitrenu.’ ‘Edaa gbe le ame siwo ƒe dzi gbã la ŋu, eye wòblaa woƒe abiwo.’ (Ps. 145:14; 147:3) Gakpe ɖe eŋu la, mía Fofo si le dziƒo la ŋutɔ gblɔ be: ‘Nye Yehowa, wò Mawu, ame si le gbɔgblɔm na wò be, mègavɔ̃ o, makpe ɖe ŋuwò lae lé wò nuɖusi ɖe asi.’—Yes. 41:13.

2. Mɔ kawo nue Yehowa kpena ɖe esubɔlawo ŋu le?

2 Gake aleke gɔ̃ Yehowa, ame si le dziƒonuto makpɔmakpɔwo me la, ‘léa míaƒe nuɖusi ɖe asi’? Alekee ‘wòfɔa mí ɖe tsitrenu ne dzigbãnyawo te mí ɖe anyi’? Yehowa Mawu naa kpekpeɖeŋu sia mí le mɔ vovovowo nu. Le kpɔɖeŋu me, enaa “ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu la” esubɔlawo to eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi. (2 Kor. 4:7; Yoh. 14:16, 17) Ŋusẽ si le gbedeasi si le Mawu ƒe Nya, Biblia, si tso gbɔgbɔ me ŋu la hã dea dzi ƒo na Mawu subɔlawo. (Heb. 4:12) Ðe mɔ bubu aɖe gali si dzi Yehowa tona doa ŋusẽ mía? Nya sia ƒe ŋuɖoɖo dze le Petro ƒe agbalẽ Gbãtɔa me.

“Mawu Ƒe Amenuveve Si Wòɖe Fia Le Mɔ Vovovowo Nu”

3. (a) Nya kae apostolo Petro gblɔ ku ɖe tetekpɔwo ŋu? (b) Nya kawo mee wodzro le Petro ƒe agbalẽ gbãtɔ ƒe nuwuwu lɔƒo?

3 Esi apostolo Petro nɔ eƒe lɛta ŋlɔm na xɔsetɔ siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na la, egblɔ na wo be ele be woakpɔ dzidzɔ le esi teƒeɖoɖo nyuiwo le wo lalam la ta. Emegbe egblɔ kpee be: “Togbɔ be ne ehiã la, tetekpɔ vovovowo doa nuxaxa na mi fifia vie hã.” (1 Pet. 1:1-6) De dzesii be ezã nya si nye “vovovowo.” Esia fia be tetekpɔwo ava le mɔ vovovowo nu. Ke hã, Petro metɔ eƒe nyaa ɖe afi ma, si awɔe be nɔviawo natsi dzi anɔ wo ɖokuiwo biam be ɖe yewoate ŋu akpe akɔ kple tetekpɔ vovovo mawo hã, o. Ke boŋ Petro gblɔe eme kɔ be kakaɖedzi ate ŋu anɔ Kristotɔwo si be Yehowa akpe ɖe yewo ŋu yewoate ŋu akpe akɔ kple tetekpɔ ɖe sia ɖe si ava yewo dzi, mɔ ka ke nue woava le o. Kakaɖedzinya ma dze le Petro ƒe lɛtaa ƒe nuwuwu lɔƒo, afi si wòdzro nya siwo ku ɖe “nuwo katã ƒe nuwuwu” ŋu me le.—1 Pet. 4:7.

4. Nu ka tae nya siwo le 1 Petro 4:10 la faa akɔ na mí?

4 Petro gblɔ be: “Mitsɔ nunana [ale si nu] ame sia ame xɔ la subɔ mia nɔewo, abe Mawu ƒe amenuveve si wòɖe fia le mɔ vovovowo nu la [ƒe xɔnuvi] nyuiwo ene.” (1 Pet. 4:10) Petro gazã nya si nye “vovovowo” le afi sia hã. Ne míagblɔe la, ele gbɔgblɔm be, ‘Tetekpɔwo vana le mɔ vovovowo nu, eye Mawu hã ɖea eƒe amenuveve fiana le mɔ vovovowo nu nenema ke.’ Nu ka tae nya sia faa akɔ na ame? Ele fiafiam be mɔ ka ke nue tetekpɔ ava le o, Mawu aɖe eƒe amenuveve afia le mɔ aɖe si akpe ɖe mía ŋu míate ŋu atsɔe la nu godoo. Gake ɖe nède dzesi mɔ si dzi Yehowa tona ɖea eƒe amenuveve fiaa mí la le Petro ƒe nyaa mea? Eɖenɛ fiana to hati Kristotɔwo dzi.

‘Mitsɔe Subɔ Mia Nɔewo’

5. (a) Nu kae wòle be Kristotɔ ɖe sia ɖe nawɔ? (b) Biabia kawoe fɔ ɖe te?

5 Petro gblɔ na Kristo hamea me tɔwo katã be: “Vevietɔ wu la, miɖe lɔlɔ̃ deto fia mia nɔewo.” Egblɔ kpee be: “Mitsɔ nunana [ale si nu] ame sia ame xɔ la subɔ mia nɔewo.” (1 Pet. 4:8, 10) Eya ta ele be hamea me tɔ ɖe sia ɖe nakpɔ gome le ehati Kristotɔwo tutuɖo me. Yehowa tsɔ nu vevi aɖe si nye eya ŋutɔ tɔ la de mía si, eye enye míaƒe agbanɔamedzi be míana wòaɖe vi na ame bubuwo hã. Nu kae wotsɔ de mía si? Petro gblɔ be enye “nunana.” Nu kae nye nunana ma? Alekee ‘míetsɔnɛ subɔa mia nɔewoe’?

6. Nunana siwo wotsɔ de Kristotɔwo si la dometɔ aɖewo ɖe?

6 Mawu ƒe Nya la gblɔ be: “Nunana nyui ɖe sia ɖe kple nunana blibo ɖe sia ɖe tso dziƒo.” (Yak. 1:17) Le nyateƒe me la, nu ɖe sia ɖe si Yehowa nana eƒe amewo la nyea eƒe amenuveve ɖeɖe fia woamawo. Nunana vevi aɖe si Yehowa naa mí lae nye eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea. Nunana ma kpena ɖe mía ŋu míete ŋu tua mawumenɔnɔmewo abe lɔlɔ̃, nyuiwɔwɔ, kple tufafa ene ɖo. Nɔnɔme siawo ʋãa mí be míaɖe numalɔ̃malɔ̃ le ame gbɔ ƒe lɔlɔ̃ afia haxɔsetɔwo ahana kpekpeɖeŋu wo tso dzi me faa. Nunya kple sidzedze vavãtɔ hã nye nunana siwo míexɔna toa gbɔgbɔ kɔkɔea dzi la dometɔ aɖewo. (1 Kor. 2:10-16; Gal. 5:22, 23) Le nyateƒe me la, ele be míabu míaƒe ŋusẽ, ŋutetewo, kple dzɔdzɔmenunanawo be wonye nu siwo míazã atsɔ ahe bubu kple kafukafu vɛ na mía Fofo si le dziƒo. Mawu tsɔ agbanɔamedzia de mía si be míazã míaƒe ŋutetewo kple nɔnɔme nyuiwo atsɔ ana yeƒe amenuveve naɖe vi na míaƒe haxɔsetɔwo.

‘Mitsɔe Subɔ Mia Nɔewo’—Alekee?

7. (a) Nu kae nyagbɔgblɔ si nye “ale si nu” fia? (b) Nya kawoe wòle be míabia mía ɖokuiwo, eye nu ka tae?

7 Petro gblɔ tso nunana siwo míexɔ la ŋu be: “Mitsɔ nunana [ale si nu] ame sia ame xɔ la subɔ.” Nyagbɔgblɔ “ale si nu” fia be nɔnɔme nyui kple ŋutete siwo le mía si ate ŋu ato vovo le dzɔdzɔme nu, alo le ale si gbegbe míate ŋu aɖe wo afiae gome. Togbɔ be ele alea hã la, wode dzi ƒo na mí katã be ‘míazã nunana tɔxɛ ɖe sia ɖe si mía dometɔ ɖe sia ɖe xɔ la atsɔ asubɔ mía nɔewo.’ Gawu la, sededee nyagbɔgblɔ si nye ‘mitsɔe subɔ abe xɔnuvi nyuiwo ene’ la nye. Eya ta ele be míabia mía ɖokui be: ‘Ðe mezãa nunana siwo su asinye la tsɔ doa ŋusẽ haxɔsetɔwo ŋutɔŋutɔa?’ (Tsɔe sɔ kple 1 Timoteo 5:9, 10.) ‘Alo ɖe mezãa ŋutete siwo Yehowa nam la na nye ŋutɔ nye viɖe koa—ɖewohĩ bene mazu kesinɔtɔ alo be hadomeɖoƒe kɔkɔ nasu asinyea?’ (1 Kor. 4:7) Ne míezãa míaƒe nunanawo ‘tsɔ subɔa mía nɔewo’ la, míaƒe nu adze Yehowa ŋu.—Lod. 19:17; mixlẽ Hebritɔwo 13:16.

8, 9. (a) Mɔ siwo nu Kristotɔ siwo le xexea me katã subɔa wo nɔvi haxɔsetɔwo le dometɔ aɖewo ɖe? (b) Alekee nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo le miaƒe hamea me la kpena ɖe wo nɔewo ŋu?

8 Mawu ƒe Nya la ƒo nu tso mɔ vovovo siwo nu ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo subɔ wo nɔewo le ŋu. (Mixlẽ Romatɔwo 15:25, 26; 2 Timoteo 1:16-18.) Nenema kee egbea la, Kristotɔ vavãwo le wɔwɔm ɖe sedede si nye be woazã woƒe nunanawo atsɔ asubɔ haxɔsetɔwo la dzi tso dzi blibo me. Na míakpɔ mɔ siwo nu wole esia wɔm le la dometɔ aɖewo ɖa.

9 Nɔviŋutsu geɖewo zãa gaƒoƒo gbogbo aɖewo ɣleti sia ɣleti tsɔ dzrana ɖo ɖe kpekpewo ŋu. Ne wova ɖe ŋɔŋlɔawo me kesinɔnu siwo ŋu woke ɖo le woƒe ɖokuisinusɔsrɔ̃wɔɣiwo ɖe go le kpekpeawo me la, woƒe numeɖeɖe detoawo ʋãa hamea me tɔwo katã be woatu dzidodo ɖo. (1 Tim. 5:17) Wonya nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu geɖewo nyuie be woɖea vividoɖeameŋu kple veveseseɖeamenu fiaa haxɔsetɔwo. (Rom. 12:15) Wo dometɔ aɖewo yina ɖasrãa ame siwo dzi nu te ɖo la kpɔ hedoa gbe ɖa kpli wo. (1 Tes. 5:14) Bubuwo tsɔa ameŋububu ŋlɔa woƒe dzimenyawo ɖona ɖe hati Kristotɔ siwo le nɔnɔme sesẽwo me tom la tsɔ dea dzi ƒo na wo. Bubuwo hã kpena ɖe ame siwo gbɔdzɔ le ŋutilã me la ŋu dɔmenyotɔe bene woate ŋu ade hamea ƒe kpekpewo. Ðasefo akpe geɖewo kpɔa gome le kpekpeɖeŋunadɔwo me tsɔ kpea asi ɖe haxɔsetɔ siwo ƒe aƒewo ŋu afɔkuwo gblẽ nu le la gbugbɔ tu me. Lɔlɔ̃ deto si nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siawo siwo tsɔa ɖe le eme na ame ɖena fiana kple kpekpeɖeŋu ŋutɔŋutɔ siwo wonana la katã nye “Mawu ƒe amenuveve si wòɖe fia le mɔ vovovowo nu” to woamawo dzi.—Mixlẽ 1 Petro 4:11.

Kae Le Vevie Wu?

10. (a) Subɔsubɔdɔwɔwɔ na Mawu ƒe akpa eve kawo ŋue Paulo tsi dzi ɖo? (b) Alekee míesrɔ̃a Paulo ƒe kpɔɖeŋu egbea?

10 Menye nunana siwo Mawu subɔlawo azã atsɔ asubɔ haxɔsetɔwo la koe Mawu na wo o, ke etsɔ gbedeasi aɖe hã de wo si be woaɖe gbeƒãe na wo haviwo. Apostolo Paulo kpɔ eƒe subɔsubɔdɔ si wòwɔna na Yehowa la ƒe akpa eve siawo dze sii. Eƒo nu tso ‘Mawu ƒe amenuveve ƒe xɔnuvidɔ’ si wotsɔ de esi hena hame si nɔ Efeso la me tɔwo ƒe viɖe la ŋu le lɛta si wòŋlɔ ɖo ɖe wo me. (Ef. 3:2) Gake egblɔ hã be: “Mawu do mí kpɔ hekpɔe be míedze be wòatsɔ nya nyui la ade asi na [mí].” (1 Tes. 2:4) Abe Paulo ene la, míawo hã míenya be wode dɔ asi na mí be míanye Mawu Fiaɖuƒea ƒe gbeƒãɖelawo. Ne míekpɔa gome le gbeƒãɖeɖedɔa me dzonɔamemetɔe la, ekema míele kpɔɖeŋu si Paulo ɖo ɖi abe nya nyuia ƒe gbeƒãɖela dovevienu ene la srɔ̃m. (Dɔw. 20:20, 21; 1 Kor. 11:1) Míenya be gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒegbedeasia ate ŋu axɔ amewo ɖe agbe. Gake le ɣeyiɣi ma ke me la, míedzea agbagba be míasrɔ̃ Paulo to mɔnukpɔkpɔdidi be ‘míana gbɔgbɔmenunana aɖe’ haxɔsetɔwo me.—Mixlẽ Romatɔwo 1:11, 12; 10:13-15.

11. Aleke wòle be míabu míaƒe dɔdeasi siwo nye gbeƒãɖeɖe kple ŋusẽdodo mía nɔewoe?

11 Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa ƒe akpa eve siawo dometɔ kae le vevie wu? Ðeko biabia sia sɔ kple biabia tso xevi ŋu be eƒe aʋala eveawo dometɔ kae le vevie wu hã. Nya sia ƒe ŋuɖoɖo dze ƒãa. Xevi hiã eƒe aʋala eveawo siaa hafi wòate ŋu adzo nyuie. Nenema kee wòhiã be míakpɔ gome le subɔsubɔdɔ si míewɔna na Mawu la ƒe akpa evea siaa me hafi míate ŋu awɔ nu si Kristotɔnyenye bia la bliboe. Eya ta le esi teƒe be míabui be gbeƒãɖeɖe nya nyuia kple mía nɔvi haxɔsetɔwo tutuɖo ƒe dɔ siwo wode mía si la dometɔ aɖe le vevie wu nɔvia la, míebua wo abe ale si apostolo Petro kple Paulo bu woe ene, be wonye agbanɔamedzi eve siwo dometɔ ɖe sia ɖe hiã vevie. Le mɔ ka nu?

12. Alekee míenyea dɔwɔnuwo le Yehowa ƒe asi me?

12 Esi míenye nya nyui gblɔlawo ta la, míezãa nufiafiaɖaŋu ɖe sia ɖe si míate ŋui la bene míaɖo mía havi siwo míegblɔa Mawu Fiaɖuƒea ŋuti gbedeasi dedziƒonamea na la ƒe dzi gbɔ. To esia wɔwɔ me la, míekpɔa mɔ be míakpe ɖe wo ŋu woava zu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo. Ke hã, míezãa ŋutete kple nunana bubu ɖe sia ɖe siwo le mía si la hã tsɔ dea dzi ƒo na haxɔsetɔwo to nya tuameɖowo gbɔgblɔ kple kpekpeɖeŋunadɔwo wɔwɔ na wo me—siwo nye Mawu ƒe amenuveve ɖeɖe fia to mía dzi. (Lod. 3:27; 12:25) To esia dzi la, míekpɔa mɔ be míakpe ɖe wo ŋu be woayi edzi anye Kristo ƒe nusrɔ̃lawo. Subɔsubɔdɔa ƒe akpa evea siaa—gbeƒãɖeɖe na amewo kple ‘mía nɔewo subɔsubɔ’—nye mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ si su mía si be míanye dɔwɔnuwo le Yehowa ƒe asi me.—Gal. 6:10.

“Milɔ̃ Mia Nɔewo Vevie”

13. Nu kae adzɔ ne míedo kpo ‘mía nɔewo subɔsubɔ’?

13 Paulo xlɔ̃ nu haxɔsetɔwo be: “Milɔ̃ mia nɔewo vevie abe dadaviwo ene. Ame sia ame nedi be yeade bubu ye nɔvi ŋu gbã.” (Rom. 12:10) Nyateƒee, mía nɔviwo lɔlɔ̃ vevie ʋãa mí be míasubɔ wo tso dzi blibo me abe Mawu ƒe amenuveve ƒe xɔnuviwo ene. Míenya be ne Satana te ŋu na míedo kpo ‘mía nɔewo subɔsubɔ’ la, ekema ana ɖekawɔwɔ si le mía dome la me nagbɔdzɔ. (Kol. 3:14) Eye ne ɖekawɔwɔ mele mía dome o la, ana dzo manɔ mía me ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu o. Satana nya nyuie be ne yete ŋu gblẽ nu le míaƒe aʋala ɖeka pɛ ko ŋu la, míate ŋu age bɔbɔe le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu.

14. Ame kawoe ‘mía nɔewo subɔsubɔ’ ɖea vi na? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

14 ‘Ame nɔewo subɔsubɔ’ ɖea vi na ame siwo xɔ Mawu ƒe amenuvevea kple ame siwo dzi Mawu to ɖee fia la siaa. (Lod. 11:25) Le kpɔɖeŋu me, bu atsu kple asi siwo nye Ryan kple Roni, siwo le Illinois, U.S.A. ŋu kpɔ. Esi wose be ahom sesẽ si nye Katrina gblẽ nu le yewo nɔvi Ðasefowo ƒe aƒe alafa geɖewo ŋu la, nɔvilɔlɔ̃ ʋã wo woɖe asi le woƒe dɔwɔɖuiwo ŋu, gblẽ woƒe aƒe nyui la ɖi heƒle ʋu aɖe si ŋu woawo ŋutɔwo trɔ asi le, si wogazãna abe aƒe ene, eye wozɔ mɔ kilometa 1,400 sɔŋ yi Louisiana. Wonɔ afi ma hena ƒe ɖeka kple edzivɔ hezã woƒe ɣeyiɣi, ŋusẽ, kple nunɔamesiwo tsɔ kpe ɖe wo nɔviwo ŋu. Ryan, si xɔ ƒe 29, gblɔ be: “Gomekpɔkpɔ le kpekpeɖeŋunadɔwo me na mía kple Mawu dome va le kplikplikpli wu. Mekpɔ ale si Yehowa léa be na eƒe amewo la teƒe.” Egblɔ kpee be: “Dɔwɔwɔ kple nɔviŋutsu tsitsiwo ɖekae na mesrɔ̃ ale si mawɔ nu ɖe nɔviwo ŋu beléletɔe wu. Mesrɔ̃e hã be dɔ geɖe li mí ame siwo metsi fũu haɖe o la míawɔ le Yehowa ƒe habɔbɔa me.” Roni, si xɔ ƒe 25 la gblɔ be: “Dzi dzɔm ŋutɔ be mekpɔ gome le kpekpeɖeŋunana nɔviawo me. Nyemekpɔ dzidzɔ le nye agbe me nenema gbegbe kpɔ o. Menyae be ne ƒeawo va le yiyim la, nuteƒekpɔkpɔ nyui sia si su asinye ayi edzi anɔ vi ɖem nam.”

15. Susu nyui kawo tae wòle be míayi edzi asubɔ abe Mawu ƒe amenuveve ƒe xɔnuviwo ene?

15 Nyateƒee, se siwo Mawu de na mí be míaɖe gbeƒã kple be míanɔ haxɔsetɔwo tum ɖo dzi wɔwɔ hea yayra vɛ na mía ŋutɔwo kple ame bubuawo. Ŋusẽ ɖoa ame siwo ŋu míekpena ɖo la ŋu le gbɔgbɔ me, eye míawo hã míekpɔa dzidzɔ si ƒomevi dona tso nunana ɖeɖe ko me la. (Dɔw. 20:35) Lɔlɔ̃ si le hame bliboa me la nu gasẽna ɖe edzi ne hamea me tɔwo katã tsɔa ɖe le eme na wo nɔewo lɔlɔ̃tɔe. Gakpe ɖe eŋu la, lɔlɔ̃ kple numalɔ̃malɔ̃ le ame nɔewo gbɔ si míeɖena fiana la nana wòdzena ƒãa be Kristotɔ vavãwoe míenye. Yesu gblɔ be: “Esia me amewo katã anyae le be nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.” (Yoh. 13:35) Ƒo wo katã ta la, esia wɔwɔ dea bubu mía Fofo, Yehowa, si tsɔa ɖe le eme na ame sia ame la ŋu, le esi esubɔla siwo le anyigba dzi la le eƒe didi si nye be woado ŋusẽ ame siwo le hiã me la dzi wɔm ta. Susu nyui kawo gbegbee nye esi siwo ta wòle be míazã nunana siwo míexɔ la atsɔ ‘anɔ mía nɔewo subɔm abe Mawu ƒe amenuveve ƒe xɔnuvi nyuiwo’ ene! Ðe nàyi edzi anɔ esia wɔma?—Mixlẽ Hebritɔwo 6:10.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Mɔ kawo nue Yehowa doa ŋusẽ esubɔlawo le?

• Nu kae wotsɔ de mía si?

• Mɔ siwo nu míate ŋu asubɔ haxɔsetɔwo le dometɔ aɖewo ɖe?

• Nu kae aʋã mí míayi edzi azã míaƒe nunanawo atsɔ ‘anɔ mía nɔewo subɔm’?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Ðe nèzãa “nunana” siwo nèxɔ la tsɔ subɔa amewo loo, alo hena wò viɖewo koa?

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Míeɖea gbeƒã nya nyuia na amewo eye míekpena ɖe hati Kristotɔwo hã ŋu

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Kpekpeɖeŋunadɔwɔlawo dze na kafukafu le ɖokuitsɔtsɔsavɔ gbɔgbɔ si woɖena fiana ta