Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kpɔ Ða! Yehowa Ƒe Dɔla Si Ƒe Nu Nyo Eŋu

Kpɔ Ða! Yehowa Ƒe Dɔla Si Ƒe Nu Nyo Eŋu

Kpɔ Ða! Yehowa Ƒe Dɔla Si Ƒe Nu Nyo Eŋu

“Kpɔ ɖa, nye dɔla, . . . si ƒe nu nyo ŋunye!”—YES. 42:1.

1. Nu kae wode dzi ƒo na Yehowa ƒe amewo be woawɔ, vevietɔ esi Ŋkuɖodzia le aƒe tum, eye nu ka tae?

ESI ŋkuɖoɖo Kristo ƒe kua dzi ƒe ɣeyiɣia le aƒe tum la, anyo be Mawu ƒe amewo nawɔ ɖe apostolo Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo sia dzi be: “Míaƒe ŋku [nenɔ] míaƒe xɔse ƒe Kplɔla Vevitɔ kple Ame si nana wòdea blibo, si nye Yesu, la ŋu tututu.” Paulo gblɔ yi edzi be: “Ɛ̃, mibu ame si do dzi kpe nu vɔ̃ wɔlawo ƒe tsitretsiɖeŋunya si gblẽ nu le woawo ŋutɔwo ŋu ƒe fu la ŋu, bene ɖeɖi nagate mia ŋu, eye miagbɔdzɔ le miaƒe luʋɔwo me o.” (Heb. 12:2, 3) Ŋkuléle ɖe Kristo ƒe agbenɔnɔ nuteƒewɔwɔtɔe si va wu enu kple eƒe vɔsakua ŋu akpe ɖe Kristotɔ amesiaminawo kple woƒe zɔhɛ alẽ bubuawo siaa ŋu be woayi edzi asubɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe, eye be ‘woagagbɔdzɔ le woƒe luʋɔwo me o.’—Tsɔe sɔ kple Galatiatɔwo 6:9.

2. Nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso Yesaya ƒe nyagblɔɖi siwo ku ɖe Mawu ƒe Vi la ŋu me?

2 Yehowa to eƒe nyagblɔɖila Yesaya dzi gblɔ nya geɖe siwo ku ɖe Via ŋu tẽe la ɖi. Nyagblɔɖi siawo akpe ɖe mía ŋu “míaƒe ŋku [nanɔ] míaƒe xɔse ƒe Kplɔla Vevitɔ kple Ame si nana wòdea blibo, si nye [Kristo] Yesu, la ŋu tututu.” * Wona numekɔkɔ geɖe ku ɖe eƒe amenyenye, eƒe fukpekpewo, kple edodo ɖe dzi abe míaƒe Fia kple Ðela ene ŋu. Wo me dzodzro ana gɔmesese geɖe wu nava nɔ Ŋkuɖodzia, si míawɔ le Yawoɖa, April 9 lia, ƒe ɣeɖoto megbe le ƒe sia me, ŋu na mí.

Woɖe Ame Si Dɔla La Nye Fia

3, 4. (a) Ame kawo ŋue nya “dɔla” si wozã le Yesaya ƒe agbalẽa me la ku ɖo? (b) Alekee Biblia ŋutɔ ɖe ame si Dɔla si ŋu woƒo nu tso le Yesaya ƒe agbalẽa ƒe ta 42, 49, 50, 52, kple 53 la fiae?

3 Nya “dɔla” dze zi gbɔ zi geɖe le Yesaya ƒe agbalẽa me. Ɣeaɖewoɣi la, ekuna ɖe nyagblɔɖilaa ŋutɔ ŋu. (Yes. 20:3; 44:26) Ɣebubuɣiwo la, wozãnɛ na Israel, alo Yakob ƒe dukɔ bliboa. (Yes. 41:8, 9; 44:1, 2, 21) Ke nyagblɔɖi ɖedzesi siwo le Yesaya ƒe agbalẽa ƒe ta siwo nye 42, 49, 50, 52, kple 53 me ku ɖe Dɔla la ŋu ya ɖe? Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ɖe ame si woyɔ le ta mawo me be Yehowa ƒe Dɔla la fia ɖikekemanɔŋui. Anyo be míade dzesii be nyagblɔɖi mawo dometɔ ɖeka xlẽmee Etiopia dziɖuɖumegã si ŋu woƒo nu tso le Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa me la nɔ esime gbɔgbɔ la fia mɔ nya nyui gblɔla Filipo wòte ɖe eŋu. Esi dziɖuɖumegãa xlẽ nyagblɔɖia me nya siwo va le Yesaya 53:7, 8 fifia vɔ la, ebia Filipo be: “Meɖe kuku na wò: Ame ka ŋu nya gblɔmee nyagblɔɖila la le? Ye ŋutɔ ɖokuie loo alo ame bubu aɖea?” Filipo ɖo eŋu nɛ enumake be Yesu si nye Mesia la ŋue Yesaya nɔ nu ƒom tso.—Dɔw. 8:26-35.

4 Esime Yesu kpɔtɔ nye vidzĩe la, ŋutsu nuteƒewɔla aɖe si ŋkɔe nye Simeon gblɔ le gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe mɔfiafia te be “Yesu, ɖevi sue la,” ava zu “kekeli si aɖe nu si tsyɔ ŋkume na dukɔwo la ɖa,” abe ale si wogblɔe ɖi le Yesaya 42:6 kple 49:6 ene. (Luka 2:25-32) Gakpe ɖe eŋu la, wogblɔ ale si wowɔ nu ɖe Yesu ŋu gbɔɖiametɔe le zã si do ŋgɔ na eƒe ku me la ɖi le Yesaya 50:6-9. (Mat. 26:67; Luka 22:63) Le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekostea megbe la, apostolo Petro ɖee fia kɔtɛ be Yesue nye Yehowa ƒe “Dɔla” la. (Yes. 52:13; 53:11; mixlẽ Dɔwɔwɔwo 3:13, 26.) Nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso Mesia la ŋuti nyagblɔɖi siawo me?

Yehowa Na Hehe Eƒe Dɔla La

5. Hehe kae Dɔla la xɔ?

5 Yesaya ƒe nyagblɔɖi siwo ku ɖe Mawu ƒe Dɔla la ŋu dometɔ ɖeka na míenya ƒomedodo kplikplikpli si nɔ Yehowa kple eƒe Ŋgɔgbevi la dome le Via ƒe agbenɔnɔ do ŋgɔ na eƒe amegbetɔzuzu ƒe ɣeyiɣiwo me. (Mixlẽ Yesaya 50:4-9.) Dɔla la ŋutɔ na míenya be Yehowa na hehe ye esime wògblɔ be: “Eʋua to nam, ne mase nu abe nusrɔ̃vi ene.” (Yes. 50:4) Le ɣeyiɣi mawo katã me la, Yehowa ƒe Dɔlaa ɖo to Fofoa nyuie hesrɔ̃ nu geɖe tso egbɔ, si na wònye nusrɔ̃vi si bɔbɔ eɖokui. Mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ ka gbegbee nye esi be xexe gbahoo sia Wɔla nafia nu ame!

6. Alekee Dɔla la ɖe eƒe ɖokuibɔbɔ ɖe Fofoa te bliboe fia?

6 Le nyagblɔɖi sia me la, Dɔla la yɔ Fofoa be “Aƒetɔ [Dziɖulagã] Yehowa.” Esia ɖee fia be Dɔla la lɔ̃ ɖe nyateƒenya vevi sia dzi be Yehowae nye xexea me katã ƒe Dziɖulagã la. Eɖe ale si gbegbe wòbɔbɔ eɖokui na Fofoae la fia esi wògblɔ be: “Aƒetɔ [Dziɖulagã] Yehowa ʋu to nam, nyemesẽ to o, eye nyemede megbe o.” (Yes. 50:5) Enye “dɔnunɔla le [Yehowa gbɔ]” le xexe gbahoo sia kpakple amegbetɔ wɔwɔ me. “Dɔnunɔla” sia ‘wɔ dɔ abe fefe ene le Yehowa ŋkume ɣeawokatãɣi; efe le eƒe anyigba dzi godoo, eye Mawu ƒe Vi la kpɔ dzidzɔ le amegbetɔviwo ŋu.’—Lod. 8:22-31.

7. Nu kae ɖee fia be Dɔla la ka ɖe edzi be ye Fofo akpe ɖe ye ŋu le nɔnɔme sesẽ siwo katã me yeava to me?

7 Hehe si Dɔla sia xɔ kple eƒe lɔlɔ̃ na ameƒomea na wòsu te nyuie te ŋu nɔ te ɖe tsitretsiɖeŋu sesẽwo nu esime wòva anyigba dzi. Eyi edzi kpɔ dzidzɔ ɖe Fofoa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ŋu, le yometiti sesẽwo me gɔ̃ hã. (Ps. 40:9; Mat. 26:42; Yoh. 6:38) Le nɔnɔme sesẽ siwo katã me Yesu va to le anyigba dzi me la, eka ɖe Fofoa dzi bliboe be akpɔ ŋudzedze ɖe ye ŋu, eye be akpe ɖe ye ŋu hã. Abe ale si wogblɔe le Yesaya ƒe nyagblɔɖia mee ene la, Yesu te ŋu gblɔ kakaɖedzitɔe be: ‘Ame si le afia tso ge nam la, tsɔ gbɔnye; ame kae be yeahe nya kplim? Kpɔ ɖa, Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa axɔ nam.’ (Yes. 50:8, 9) Yehowa kpe ɖe eƒe Dɔla wɔnuteƒe la ŋu le eƒe anyigbadzisubɔsubɔdɔa wɔɣi katã vavã, abe ale si Yesaya ƒe nyagblɔɖi bubu ɖee fia ene.

Subɔsubɔdɔ Si Dɔla La Wɔ Le Anyigba Dzi

8. Nu kawoe ɖo kpe edzi be Yesue nye Yehowa ƒe “ame tiatia” si ŋu nya wogblɔ ɖi le Yesaya 42:1?

8 Biblia gblɔ nu si dzɔ esime wonyrɔ Yesu le ƒe 29 M.Ŋ. me la be: “Gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖi ɖe edzi . . . eye gbe aɖe ɖi tso dziƒo be: ‘Wòe nye Vinye si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o; mekpɔ ŋudzedze ɖe ŋuwò.’” (Luka 3:21, 22) To esia me la, Yehowa ɖe ame si nye eƒe “ame tiatia” si ŋu woƒo nu tso le Yesaya ƒe nyagblɔɖia me la fia kɔtɛ. (Mixlẽ Yesaya 42:1-7.) Yesu na nyagblɔɖi sia va eme ɖe eyama dzi le eƒe anyigbadzisubɔsubɔdɔa me le mɔ ɖedzesi aɖe nu. Mateo yɔ Yesaya 42:1-4 me nyawo le eƒe Nya Nyui Gbalẽa me heɖee fia be Yesu ŋue nya mawo ku ɖo.—Mat. 12:15-21.

9, 10. (a) Alekee Yesu na Yesaya 42:3 me nyawo va eme le eƒe subɔsubɔdɔa wɔɣi? (b) Alekee Kristo ‘he ɖoɖo la yii’ esime wònɔ anyigba dzi, eye ɣekaɣie “wòaɖo ɖoɖo la [alo dzɔdzɔenyenye] anyigba dzi”?

9 Yuda subɔsubɔhakplɔlawo ɖia gbɔ Yudatɔ siwo nye ame tsɛwo. (Yoh. 7:47-49) Wowɔ nu ɖe ame siawo ŋu nublanuimakpɔmakpɔtɔe, eye ɖeko wonɔ abe ‘aƒla ŋeŋewo’ alo ‘ɖovu bibi fiɖifiɖi’ si de tsitsi ge ene. Gake Yesu ya kpɔ nublanui na ame dahewo kple ame siwo dzi nu te ɖo. (Mat. 9:35, 36) Ekpe ame siawo dɔmenyotɔe be: “Miva gbɔnye, mi ame siwo katã le dagbadagbam, eye agba le mia wum la, eye mana gbɔdzɔe mi.” (Mat. 11:28) Gawu la, Yesu ‘he ɖoɖo alo dzɔdzɔenyenye la yii’ to Yehowa ƒe dzidzenu siwo ku ɖe nyui kple vɔ̃ ŋu la fiafia me. (Yes. 42:3) Eɖee fia hã be ele be woaɖe nublanuikpɔkpɔ kple nugɔmesesename afia le Mawu ƒe Se la dzi wɔwɔ me. (Mat. 23:23) Yesu gaɖe dzɔdzɔenyenye fia le ale si wòɖe gbeƒã na kesinɔtɔwo kple ame dahewo siaa vovototo aɖeke mademade wo mee me.—Mat. 11:5; Luka 18:18-23.

10 Yesaya ƒe nyagblɔɖia gblɔ hã be Yehowa ƒe “ame tiatia” la “[aɖo] ɖoɖo la [alo dzɔdzɔenyenye] anyigba dzi.” (Yes. 42:4) Abe Mesia Fiaɖuƒea ƒe Fia ene la, awɔ esia kpuie esime wòatsrɔ̃ dunyahedziɖuɖuwo katã ɖa ahaɖo eya ŋutɔ ƒe dziɖuɖu dzɔdzɔe anyi. Ahe xexe yeye aɖe si me “dzɔdzɔenyenye anɔ” la vɛ.—2 Pet. 3:13; Dan. 2:44.

“Kekeli” Kple “Nubabla”

11. Gɔmesese ka nue Yesu nye “kekeli na anyigba dzi dukɔwo” le ƒe alafa gbãtɔa me, eye aleke wòganyee le míaƒe ŋkeke siawo me?

11 Yesu ɖo kpe edzi be yenye “kekeli na anyigba dzi dukɔwo” tsɔ na Yesaya 42:6 me nyawo va eme. Le eƒe anyigbadzisubɔsubɔdɔa wɔɣi la, ehe gbɔgbɔmekekeli vae na Yudatɔwo gbã. (Mat. 15:24; Dɔw. 3:26) Gake Yesu gblɔ be: “Nyee nye xexea ƒe kekeli.” (Yoh. 8:12) Eva nye kekeli na Yudatɔwo kple dukɔwo me tɔwo siaa to gbɔgbɔmenumekɔkɔwo nana kple eƒe amegbetɔ ƒe agbe deblibo tsɔtsɔ na abe tafe ene ɖe ameƒomea ta me. (Mat. 20:28) Le eƒe tsitretsitsi megbe la, ede dɔ asi na eƒe nusrɔ̃lawo be woanye yeƒe ɖasefowo “va se ɖe anyigba ƒe seƒe ke.” (Dɔw. 1:8) Le Paulo kple Barnaba ƒe subɔsubɔdɔa wɔɣi la, woyɔ Yesaya ƒe nya siwo nye “kekeli na anyigba dzi dukɔwo” hetsɔe ku ɖe gbeƒãɖeɖedɔ si wonɔ wɔwɔm le ame siwo menye Yudatɔwo o dome la ŋu. (Dɔw. 13:46-48; tsɔe sɔ kple Yesaya 49:6.) Yesu nɔvi amesiamina siwo le anyigba dzi kple woƒe zɔhɛwo yi edzi le dɔ sia wɔm hele gbɔgbɔmekekelia tsɔm le yiyim na ame bubuwo, eye wole kpekpem ɖe wo ŋu be woaxɔ Yesu, si nye “kekeli na anyigba dzi dukɔwo” la, dzi ase.

12. Alekee Yehowa tsɔ eƒe Dɔla la ‘wɔ nubabla na dukɔwo’?

12 Yehowa gblɔ na eƒe Dɔla tiatia la le nyagblɔɖi ma ke me be: ‘Makpɔ tawò, eye matsɔ wò awɔ nubabla na dukɔwo.’ (Yes. 42:6) Satana gbã avutri vevie be yeatsrɔ̃ Yesu bene wòagawɔ eƒe anyigbadzisubɔsubɔdɔa ade goe o, gake Yehowa kpɔ eta va se ɖe ɣeyiɣi ɖoɖi la dzi hafi wòku. (Mat. 2:13; Yoh. 7:30) Emegbe Yehowa fɔ Yesu ɖe tsitre hena wòzu “nubabla,” alo ŋugbedodo, na dukɔwo le anyigba dzi. Ŋugbedodo vevi ma nye kpeɖodzi be Mawu ƒe Dɔla wɔnuteƒe sia ayi edzi anye “kekeli na anyigba dzi dukɔwo” ahana ablɔɖe ame siwo le gbɔgbɔmeviviti me.—Mixlẽ Yesaya 49:8, 9. *

13. Mɔ ka nue Yesu ‘ɖe ame siwo bɔbɔ nɔ viviti me’ le eƒe anyigbadzisubɔsubɔdɔa wɔɣi la le, eye alekee wòyi edzi le esia wɔm?

13 Le ɖekawɔwɔ me kple ŋugbedodo sia la, ele be Yehowa ƒe Dɔla tiatia la “naʋu ŋku na ŋkuagbãtɔwo,” ‘wòaɖe ame siwo wode gae la, tso ga me,’ eye ‘wòaɖe ame siwo bɔbɔ nɔ viviti me la.’ (Yes. 42:7) Yesu wɔ esia le eƒe anyigbadzisubɔsubɔdɔa me to nukoklo le alakpasubɔsubɔkɔnuwo dzi kpakple gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia me. (Mat. 15:3; Luka 8:1) Eto esia me ɖe Yudatɔ siwo va zu eƒe nusrɔ̃lawo la tso gbɔgbɔmegaxɔ me. (Yoh. 8:31, 32) Nenema ke Yesu na gbɔgbɔmeblɔɖe ame miliɔn geɖe siwo menye Yudatɔwo o la hã. Ede dɔ asi na eyomedzelawo be, “miheyi ɖawɔ dukɔwo katã me tɔwo woanye nusrɔ̃lawo,” eye wòdo ŋugbe be yeanɔ anyi kpli wo “va se ɖe nuɖoanyia ƒe nuwuɣi.” (Mat. 28:19, 20) Kristo Yesu le eƒe nɔƒe le dziƒo hele xexea me katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa dzi kpɔm.

Yehowa Do Eƒe “Dɔla” La Ðe Dzi

14, 15. Nu ka tae Yehowa do eƒe Dɔla la ɖe dzi, eye aleke wòwɔ esiae?

14 Yehowa gblɔ le nyagblɔɖi bubu si ku ɖe eƒe Dɔla Amesiamina la ŋu me be: “Kpɔ ɖa, nye dɔla awɔ nu ɖe nunya me, woadoe ɖe dzi, axɔ ŋkɔ, eye wòaɖo kpo ŋutɔ.” (Yes. 52:13) Le ale si gbegbe Yehowa ƒe Vi sia bɔbɔa eɖokui ɖe Fofoa ƒe dziɖulagãnyenye te kple ale si wòwɔ nuteƒe le dodokpɔ sesẽtɔ kekeake gɔ̃ hã me ta la, Yehowa doe ɖe dzi.

15 Apostolo Petro ŋlɔ tso Yesu ŋu be: “Eyi dziƒo, eye wòva le Mawu ƒe nuɖusi me; eye wotsɔ mawudɔlawo kple dziɖulawo kpakple ŋusẽtɔwo de ete.” (1 Pet. 3:22) Nenema kee apostolo Paulo hã ŋlɔ bena: “Ebɔbɔ eɖokui, eye eɖo to yi [ɖase] keke ku me ke, ɛ̃, yi ɖase ku me ke le fuwɔameti ŋu. Susu sia tututu hã tae Mawu doe ɖe dzi wòle nɔƒe kɔkɔ aɖe, eye wòlɔ̃ faa tsɔ ŋkɔ si ƒo ŋkɔ bubu ɖe sia ɖe ta la nɛ, bene ame siwo le dziƒo kple ame siwo le anyigba dzi kpakple ame siwo le anyigba te la nadze klo le Yesu ƒe ŋkɔ me, eye aɖe sia aɖe naʋu eme be Yesu Kristoe nye Aƒetɔ la, hena Mawu Fofo la ƒe kafukafu.”—Fp. 2:8-11.

16. Alekee wona Yesu va ‘ɖo kpo ŋutɔ’ le ƒe 1914 me, eye nu kawoe wòte wɔwɔ tso ɣemaɣi?

16 Yehowa gado Yesu ɖe dzi geɖe wu le ƒe 1914 me. Yehowa na ‘wòɖo kpo ŋutɔ’ esime wòɖoe Mesia Fiaɖuƒea ƒe Fia. (Ps. 2:6; Dan. 7:13, 14) Tso ɣemaɣi la, Kristo te ‘fiaɖuɖu le eƒe futɔwo titina.’ (Ps. 110:2) Gbã la, eɖu Satana kple eƒe dɔlawo dzi hetsɔ wo ƒu gbe ɖe anyigba ƒe nutowo me. (Nyaɖ. 12:7-12) Emegbe Kristo wɔ nu abe Kores Gãtɔ ene esime wòɖe nɔvia amesiamina siwo le anyigba dzi la tso “Babilon Gã la” ƒe aboyo me. (Nyaɖ. 18:2; Yes. 44:28) Ekpɔ xexea me katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa dzi, si na wova ƒo eƒe gbɔgbɔmenɔviwo ƒe “ame susɔeawo” kple emegbe ‘alẽ bubu’ miliɔn geɖe, siwo nye “ha sue” la ƒe zɔhɛ wɔnuteƒewo la nu ƒu.—Nyaɖ. 12:17; Yoh. 10:16; Luka 12:32.

17. Nu kawoe míesrɔ̃ tso Yesaya ƒe nyagblɔɖi siwo ku ɖe “dɔla” la ŋu siwo me míedzro va se ɖe afi sia la me?

17 Ðikeke mele eme o be, nusɔsrɔ̃ tso Yesaya ƒe agbalẽa me nyagblɔɖi wɔdɔɖeamedzi siawo ŋu dzi míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe míaƒe Fia kple Dela, Kristo Yesu, ŋu ɖe edzi ŋutɔ. Eƒe ɖokuibɔbɔ abe vi ene le eƒe anyigbadzisubɔsubɔdɔa wɔɣi ɖe hehe si wòxɔ le Fofoa gbɔ do ŋgɔ na eƒe anyigba dzi vava la fia. Eto eƒe subɔsubɔdɔ si wòva wɔ kple gbeƒãɖeɖedɔ si dzi kpɔm wòle va se ɖe fifia siaa dzi ɖo kpe edzi be yee nye “kekeli na anyigba dzi dukɔwo.” Abe ale si míakpɔe le nyati si kplɔe ɖo me ene la, Dɔla Amesiamina la ŋuti nyagblɔɖi bubu gblɔ eƒe fukpekpe kple eƒe agbe tsɔtsɔ asa vɔ ɖe mía ta ɖi, eye esia nye nya vevi siwo ŋu wòle be ‘míabu vevie’ esi eƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia le aƒe tum.—Heb. 12:2, 3.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 2 Nyagblɔɖi siawo dze le Yesaya 42:1-7; 49:1-12; 50:4-9; kple 52:13–53:12.

^ mm. 12 Kpɔ nyagblɔɖi si le Yesaya 49:1-12 la ŋuti numeɖeɖe le Yesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã II, axa 136-145.

Numetoto

• Ame kae nye “dɔla” si ŋu woƒo nu tso le Yesaya ƒe nyagblɔɖiawo me, eye alekee míewɔ nya?

• Hehe kae Yehowa na eƒe Dɔla la?

• Alekee Yesu nye “kekeli na anyigba dzi dukɔwo”?

• Alekee wodo Dɔla la ɖe dzi?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Filipo ɖee fia kɔtɛ be Yesu, Mesia la, ye nye “dɔla” si ŋu Yesaya ƒo nu tso

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Abe Yehowa ƒe Dɔla tiatia ene la, Yesu kpɔ nublanui na ame dahewo kple ame siwo dzi nu te ɖo

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Fofo la na Yesu ɖo kpo ŋutɔ esime wòɖoe Mesia Fiaɖuƒea ƒe Fia