Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kpɔ Dzidzɔ Le Nusrɔ̃lawɔwɔdɔa Me

Kpɔ Dzidzɔ Le Nusrɔ̃lawɔwɔdɔa Me

Kpɔ Dzidzɔ Le Nusrɔ̃lawɔwɔdɔa Me

‘Eya ta miheyi ɖawɔ nusrɔ̃lawo.’—MAT. 28:19.

1-3. (a) Alekee ame geɖe sena le wo ɖokui me ku ɖe Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ ƒe mɔnukpɔkpɔa ŋu? (b) Biabia kawo mee míadzro?

NƆVINYƆNU aɖe si le subɔsubɔm le Hindigbedolawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe me le United States la ŋlɔ bena: “Le kwasiɖa 11 siwo va yi me la, menɔ Biblia srɔ̃m kple ƒome aɖe si tso Pakistan. Mewɔ nuku o be míeva zu xɔlɔ̃ veviwo. Aɖatsi lólo ɖe ŋku dzi nam le esi eteƒe madidi o ƒome sia atrɔ ayi Pakistan ta. Menye nuxaxa ƒe avi koe wònye le ale si mía kpli wo dome hadedea me ava tso ta o, ke enye dzidzɔvi hã le dzidzɔ si gbegbe mekpɔ le nufiafia wo tso Yehowa ŋu me ta.”

2 Abe nɔvinyɔnu sia ene la, ɖe wò hã nèkpɔ dzidzɔ si dona tso Biblia sɔsrɔ̃ kple ame aɖe me kpɔa? Yesu kple eƒe ƒe alafa gbãtɔ me nusrɔ̃lawo kpɔ dzidzɔ geɖe le nusrɔ̃lawɔwɔdɔa me. Esi nusrɔ̃la 70 siwo Yesu na hehee la tsɔ nyatakaka dodzidzɔnamewo gbɔ tso gbeadzi la, Yesu ŋutɔ hã “[tso] aseye ale gbegbe le gbɔgbɔ kɔkɔe la me.” (Luka 10:17-21) Nenema kee ame geɖewo hã kpɔa dzidzɔ gã aɖe le nusrɔ̃lawɔwɔdɔa me egbea. Eɖe dzesi ŋutɔ be le ƒe 2007 me la, gbeƒãɖela dovevienuwo kpɔ dzidzɔ le Biblia nusɔsrɔ̃ miliɔn ade kple afã sɔŋ wɔwɔ me ɣleti sia ɣleti le mama dedie nu!

3 Ke hã, gbeƒãɖela aɖewo ya mekpɔ ɖɔ dzidzɔ si nɔa Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ me la kpɔ haɖe o. Bubuwo hã manya wɔ Biblia nusɔsrɔ̃ aɖeke le ƒe ʋɛ siwo va yi me o. Kuxi kawoe míate ŋu ado go le agbagbadzedze be míawɔ Biblia nusɔsrɔ̃ me? Alekee míate ŋu aɖu kuxi mawo dzi? Teƒeɖoɖo kawoe míakpɔ ne míedze agbagba ɖe sia ɖe wɔ ɖe Yesu ƒe sedede si nye be, ‘Eya ta miheyi ɖawɔ nusrɔ̃lawo’ la dzi?—Mat. 28:19.

Kuxi Siwo Ate Ŋu Atsi Míaƒe Dzidzɔ Nu

4, 5. (a) Alekee ame geɖe wɔa nu ɖe nya nyuia ŋu le teƒe geɖewo? (b) Kuxi kawoe gbeƒãɖelawo doa goe le teƒe bubuwo?

4 Le xexea ƒe akpa aɖewo la, amewo tsɔa dzidzɔ xɔa míaƒe agbalẽwo hedina vevie be míasrɔ̃ Biblia kpli yewo. Atsu kple asi aɖe siwo tso Australia henɔ subɔsubɔm le Zambia hena ɣeyiɣi aɖe la ŋlɔ bena: “Nyateƒee, Zambia nye gbeƒãɖeɖe ƒe paradiso vavã. Ablɔdziɖaseɖiɖi doa dzidzɔ na ame ale gbegbe! Amewo ŋutɔ tena ɖe mía ŋu, eye wo dometɔ aɖewo gɔ̃ hã biaa magazine ƒe tata aɖewo koŋ.” Le ƒe aɖe si va yi nyitsɔ laa me la, nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo le Zambia la wɔ Biblia nusɔsrɔ̃ siwo wu 200,000 sɔŋ—si fia be gbeƒãɖela ɖeka wɔ wu Biblia nusɔsrɔ̃ ɖeka, le mama dedie nu.

5 Gake le teƒe bubuwo la, manya nɔ bɔbɔe na gbeƒãɖelawo be woana agbalẽwo ahanɔ Biblia nusɔsrɔ̃ wɔm edziedzi o. Nu ka tae? Zi geɖe la, gbeƒãɖelawo mekena ɖe amewo ŋu ne woyi aƒewo me o, eye ame siwo ŋu wokena ɖo hã te ŋu nyea ame siwo metsɔ ɖeke le mawusɔbɔsubɔ me o. Ðewohĩ aƒe siwo me wometsɔa ɖeke le mawusɔbɔsubɔ me o la mee wonyi wo le, alo ɖewohĩ alakpanuwɔna siwo yia edzi le subɔsubɔhawo me ɖe dzi le wo ƒo. Kplɔla alakpatɔwo de abi ame geɖewo ŋu le gbɔgbɔ me hewɔ fu wo, eye wona woka hlẽ. (Mat. 9:36) Eme kɔ ƒãa be ame siawo tɔgbi anya nɔ vɔvɔ̃m be Biblia me numedzodzro wɔwɔ ava gblẽ nu le yewo ŋu.

6. Kuxi kawo nue wòahiã be ame aɖewo nanɔ te ɖo?

6 Gbeƒãɖela wɔnuteƒe geɖewo doa go kuxi bubu si ate ŋu atsi woƒe dzidzɔkpɔkpɔ nu. Togbɔ be dzo nɔ wo me ɖe nusrɔ̃lawɔwɔdɔa ŋu tsã hã la, tsitsi alo lãmesẽkuxiwo va wɔe be womegate ŋu le geɖe wɔm fifia o. Bu kuxi bubu siwo mía ŋutɔwo míate ŋu atsɔ ado agba na mía ɖokuiwo la hã ŋu kpɔ. Le kpɔɖeŋu me, ɖe nèsena le ɖokuiwò me be yemate ŋu asrɔ̃ Biblia kple amewo oa? Ànya nɔ sesem le ɖokuiwò me abe ale si wònɔ na Mose esime Yehowa bia tso esi be wòayi aɖagblɔ yeƒe gbedeasi na Farao ene. Mose gblɔ be: ‘Taflatse, Yehowa, nyemenya nuƒoƒo o, menye tso etsɔ alo nyitsɔ o.’ (2 Mose 4:10) Nu bubu si gado ƒome kplikplikpli kple sese le ame ɖokui me be yemedze o ye nye vɔvɔ̃ be yeava do kpo nu. Ðewohĩ míavɔ̃ be míebi ɖe nufiafia me ate ŋu akpe ɖe ame ŋu wòava zu nusrɔ̃la o. Esi vɔvɔ̃ sia le mía me ta la, ɖewohĩ míate ŋu ana mɔnukpɔkpɔ si asu mía si be míasrɔ̃ Biblia kple ame aɖe la nato mía ŋu. Alekee míate ŋu akpɔ kuxi siwo ŋu míeƒo nu tso fifia la gbɔ?

Dzra Wò Dzi Ðo

7. Nu kae ʋã Yesu le eƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me?

7 Afɔɖeɖe gbãtɔe nye be míadzra mía ŋutɔ míaƒe dzi ɖo. Yesu gblɔ be: “Nya si wu ame ƒe dzi la, eyae eƒe nu gblɔna.” (Luka 6:45) Ðetsɔtsɔ le ame bubuwo ƒe nyonyo me tso dzi me ye ʋã Yesu le eƒe subɔsubɔdɔa me. Le kpɔɖeŋu me, esi wòkpɔ gbɔgbɔmenɔnɔme wɔnublanui si me eŋɔlimetɔ Yudatɔwo nɔ la, “woƒe nu wɔ nublanui nɛ.” Egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Nuŋeŋe la sɔ gbɔ . . . Miɖe kuku na nuŋeŋe ƒe Aƒetɔ la be, wòaɖo dɔwɔlawo ɖe eƒe nuŋeŋe la me.”—Mat. 9:36-38.

8. (a) Nu kawo ŋue wòanyo be míade ŋugble tso? (b) Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nya si Biblia nusrɔ̃vi aɖe gblɔ me?

8 Esi míeyi edzi le gome kpɔm le nusrɔ̃lawɔwɔdɔa me la, anyo be míade ŋugble tso viɖe siwo míekpɔ le esi ame aɖe zã eƒe ɣeyiɣi tsɔ srɔ̃ Biblia kple mía ŋutɔwo la ŋu vevie. Anyo hã be míade ŋugble tso ame siwo míado go le gbeadzi kple ale si gbedeasi si míeɖea gbeƒãe aɖe vi na wo la ŋu. Nyɔnu aɖe ŋlɔ agbalẽ na alɔdzedɔwɔƒe si le woƒe dukɔa me be: “Medi be magblɔ ale si gbegbe mekpɔ ŋudzedze ɖe Ðasefo siwo va fiaa num le aƒe me la ŋu na mí. Menya be ale si mebiaa nya geɖe kple ale si mexɔa ɣeyiɣi geɖe le wo si la anya ɖe fu na wo ɣeaɖewoɣi. Ke hã, wogbɔa dzi ɖi nam hedina vevie be yewoafia nu si yewosrɔ̃ lam. Meda akpe na Yehowa kple Yesu be ame siawo va le kpekpem ɖe ŋunye.”

9. Nu ka ŋue Yesu ƒe susu nɔ, eye alekee míate ŋu asrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua?

9 Gake menye ame sia amee wɔ nu ɖe Yesu ƒe agbagba si wòdze be yeakpe ɖe wo ŋu la ŋu nyuie o. (Mat. 23:37) Wo dometɔ aɖewo dze eyome hena ɣeyiɣi aɖe gake emegbe wova gbe eƒe nufiafiawo hetiae be ‘yewomagazɔ kplii o.’ (Yoh. 6:66) Gake Yesu mena ame aɖewo ƒe numawɔmawɔ ɖe eŋu nyuie na wòse le eɖokui me be viɖe aɖeke mele yeƒe gbedeasia ŋu o. Togbɔ be nyateƒea ƒe nuku siwo Yesu ƒã la dometɔ akpa gãtɔ metse ku o hã la, ena eƒe susu nɔ dɔ nyui si wɔm wònɔ la dzi. Ekpɔe be nukuawo ƒu hena ŋeŋe eye gomekpɔkpɔ le nuŋeŋea me he dzidzɔ geɖe vɛ nɛ. (Mixlẽ Yohanes 4:35, 36.) Le esi míana míaƒe anyigbamama ƒe teƒe mawɔnuwo naɖe fu na mí teƒe la, ɖe manyo boŋ be míawo hã míaƒe susu nanɔ nuku siwo míate ŋu aŋe le eme la dzi oa? Azɔ mina míadzro ale si míana nukpɔsusu nyui ma nanɔ míawo hã si la me.

Ƒã Nu Kple Mɔkpɔkpɔ Be Yeava Ŋee

10, 11. Nu kae nàte ŋu awɔ be nàkpɔtɔ anɔ dzidzɔ kpɔm le subɔsubɔdɔa me?

10 Agbledela ƒãa nuku kple mɔkpɔkpɔ be yeava ŋe nu geɖe. Nenema kee wòle be míaɖe gbeƒã kple susu be míadze Biblia nusɔsrɔ̃wo wɔwɔ gɔme. Gake ne èzãa ɣeyiɣi geɖe le gbeadzi edziedzi evɔ mèdoa go ame geɖe le aƒe me o, alo mète ŋu kena ɖe ame siwo nèdo go va yi la ŋu o ɖe? Esia ate ŋu ate ɖe ame dzi. Ðe wòle be esia nawɔe be nàdzudzɔ tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu dɔa wɔwɔa? Gbeɖe! Mɔnu sia si zãm míele tso gbe aɖe gbe ke la gakpɔtɔ le nanam be ame geɖewo le nya nyuia sem zi gbãtɔ.

11 Gake be nàyi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm le subɔsubɔdɔa me la, ɖe nàte ŋu azã gbeƒãɖeɖemɔnu bubuwo hã bene nàte ŋu ake ɖe amewo ŋua? Le kpɔɖeŋu me, ɖe nète gbeƒãɖeɖe na amewo le ablɔwo dzi alo le woƒe dɔwɔƒewo kpɔa? Ðe nàte ŋu adi amewo ƒe telefonxexlẽdzesiwo aƒo ka na wo alo axɔ ame siwo nèɖi ɖase na tso Fiaɖuƒea ŋu la tɔ be nàte ŋu anɔ kadodo me kpli woa? To wò kutrikuku kple tɔtrɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu le wò subɔsubɔdɔa me dzi la, àte ŋu ava ke ɖe ame siwo atsɔ ɖe le Fiaɖuƒegbedeasia me ŋu, eye esia ana nàkpɔ dzidzɔ geɖe wu.

Tenɔnɔ Ðe Amewo Ƒe Ðekematsɔleme Nu

12. Nu kawoe míate ŋu awɔ ne edze abe ame geɖe metsɔa ɖeke le gbedeasia me o ene?

12 Ke ne ame siwo le wò anyigbamama me metsɔa ɖeke le mawusubɔsubɔnyawo me o ɖe? Ðe nàte ŋu atrɔ asi le wò gbeƒãɖeɖemɔnuwo ŋu woaku ɖe nu siwo me wotsɔa ɖe le ŋua? Apostolo Paulo ŋlɔ na haxɔsetɔ siwo nɔ Korinto be: “Mezu abe Yudatɔ ene na Yudatɔwo, . . . Mezu abe semanɔsitɔ ene na semanɔsitɔwo, evɔ le Mawu gbɔ la, nyemenye semanɔsitɔ hafi o.” Taɖodzinu kae nɔ Paulo si? Egblɔ be: “Mezu nuwo katã na ame ƒomeviwo katã, bene maɖe wo dometɔ aɖewo godoo.” (1 Kor. 9:20-22) Ðe míawo hã míate ŋu akpɔ nane siwo me mía kple ame siwo le míaƒe anyigbamamaa me siaa míetsɔ ɖe lea? Ame geɖewo li siwo metsɔa ɖeke le mawusubɔsubɔ me o, evɔ wodi be yewoƒe ƒomegbenɔnɔ nanyo ɖe edzi. Ðewohĩ woanɔ didim hã be yewoanya tameɖoɖo si le agbe ŋu. Ðe míate ŋu agblɔ Fiaɖuƒegbedeasia na ame siawo le mɔ si ana woakpɔ dzidzɔ ɖe eŋu nua?

13, 14. Alekee míawɔ be míate ŋu akpɔ dzidzɔ geɖe wu le nusrɔ̃lawɔwɔdɔa me?

13 Gbeƒãɖela siwo le dzidzɔ geɖe wu kpɔm le nusrɔ̃lawɔwɔdɔa me le teƒe siwo wòdze abe ame akpa gãtɔ metsɔa ɖeke le eme le o gɔ̃ hã ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzi. Aleke wole ewɔmee? To gbe bubuwo sɔsrɔ̃ me. Atsu kple asi aɖe siwo le woƒe ƒe 60-awo me la va de dzesii be sukuvi akpe geɖe kple wo dzila siwo nye Chinatɔwo va le yewoƒe hamea ƒe anyigbamama me. Srɔ̃ŋutsua gblɔ be: “Le esia ta, wode dzi ƒo na mí be míasrɔ̃ Chinagbe.” Eyi edzi gblɔ be: “Togbɔ be esia bia ɣeyiɣi geɖe zazã gbe sia gbe ɖe gbea sɔsrɔ̃ ŋu hã la, ena míeva le Biblia nusɔsrɔ̃ geɖe wɔm kple Chinatɔwo le míaƒe nutoa me.”

14 Ne mète ŋu srɔ̃ gbe bubu o hã la, agbalẽvi si nye Good News for People of All Nations (Nya Nyui Na Dukɔ Ðe Sia Ðe Me Tɔwo) zazã ate ŋu aɖe vi na wò ne èdo go ame siwo doa gbe siwo mèse o. Zi geɖe la, ate ŋu anya wɔ be nàdɔ agbalẽwo le gbe siwo ame siwo nèdo goe dona me. Le nyateƒe me la, ehiã ɣeyiɣi kple kutrikuku geɖe ŋutɔ be míate ŋu aɖo dze kple gbe bubu dolawo kple ame siwo ƒe dekɔnu to vovo. Gake mègaŋlɔ gɔmeɖose sia si le Mawu ƒe Nya la me be o, be: “Ame si ƒãa nu wòsɔa gbɔ la, aŋe nu wòasɔ gbɔ hã.”—2 Kor. 9:6.

Hame Bliboa Ƒe Dɔe Wònye

15, 16. (a) Nu ka tae nusrɔ̃lawɔwɔdɔa nyea hame bliboa ƒe agbagbadzedze? (b) Akpa kae ame tsitsiwo wɔna?

15 Gake nusrɔ̃lawo wɔwɔ menɔ te ɖe ame ɖeka pɛ ƒe agbagbadzedze dzi o. Ke boŋ hame bliboa kpea asi ɖe eŋu. Nu ka tae? Yesu gblɔ be: “Esia me amewo katã anyae le be nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.” (Yoh. 13:35) Eye le nyateƒe me la, ne Biblia nusrɔ̃viwo de kpekpewo la, zi geɖe la, lɔlɔ̃ɖeɖefia si yia edzi le mía dome la wɔa dɔ ɖe wo dzi. Biblia nusrɔ̃vi aɖe ŋlɔ bena: “Kpekpeawo dede doa dzidzɔ nam ŋutɔ. Ameawo doa vivi ɖe ame ŋu ale gbegbe!” Yesu gblɔ be ate ŋu adzɔ be ame siwo va zu yeƒe nusrɔ̃lawo la ƒe ƒometɔ kplikplikpliwo natsi tsitre ɖe wo ŋu. (Mixlẽ Mateo 10:35-37.) Ke hã, edo ŋugbe be “nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo kple dadawo kple viwo” asu wo si le hamea me.—Mar. 10:30.

16 Mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu tsitsiwo wɔa akpa vevi aɖe le kpekpe ɖe Biblia nusrɔ̃viwo ŋu be woawɔ ŋgɔyiyi me. Le mɔ ka nu? Ne Biblia nusrɔ̃vi aɖeke mele ame tsitsi aɖewo si o gɔ̃ hã la, woƒe nyaŋuɖoɖo tuameɖowo le hamea ƒe kpekpewo me doa ŋusẽ ame siwo katã senɛ la ƒe xɔse. Ƒe gbogbo siwo wotsɔ zɔ “le dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ dzi” gaɖoa atsyɔ̃ na hamea geɖe wu eye wòhea dzi anukwaretɔwo vaa Mawu ƒe habɔbɔa me.—Lod. 16:31.

Vɔvɔ̃ Dzi Ðuɖu

17. Nu kae míate ŋu awɔ atsɔ aɖu ŋutetemanɔamesi ƒe vɔvɔ̃ dzi?

17 Ke ne èsena le ɖokuiwò me be ŋutete mele ye si yeakpɔ Biblia nusɔsrɔ̃ dzi o ɖe? Ðo ŋku edzi be Yehowa kpe ɖe Mose ŋu to gbɔgbɔ kɔkɔea kple kpeɖeŋutɔ, si nye nɔvia Aron, nanae me. (2 Mose 4:10-17) Yesu do ŋugbe be Mawu ƒe gbɔgbɔa anɔ megbe na míaƒe ɖaseɖiɖidɔa. (Dɔw. 1:8) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Yesu dɔ nusrɔ̃lawo eveveve be woaɖaɖe gbeƒã. (Luka 10:1) Eya ta ne ewɔ na wò be yemate ŋu akpɔ Biblia nusɔsrɔ̃ dzi o la, do gbe ɖa nàbia be Mawu ƒe gbɔgbɔa nana nunya si hiã la ye, eye nàwɔ ɖeka kple nɔvi aɖe, si ƒe nuteƒekpɔkpɔ anye kpekpeɖeŋu na wò, si ana dzi nanɔ ƒowò. Edoa ŋusẽ xɔse ŋutɔ ne míeɖo ŋku edzi be Yehowa tiae be yeazã ame tsɛwo—“xexea ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔnuwo”—hena dɔ wɔnuku sia wɔwɔ.—1 Kor. 1:26-29.

18. Alekee míate ŋu aɖu vɔvɔ̃ be míava do kpo nu le nusrɔ̃lawɔwɔdɔa me dzi?

18 Aleke míate ŋu aɖu vɔvɔ̃ be míava do kpo nu le nusɔsrɔ̃ kple amewo me dzi? Anyo be míaɖo ŋku edzi be nusrɔ̃lawɔwɔ mele abe nuɖaɖa, si me dzidzedzekpɔkpɔ alo kpododonu nɔ te ɖe ame ɖeka pɛ, si nye nuɖalaa, dzi ene o. Ke boŋ nusrɔ̃lawɔwɔ ya lɔ nu geɖe ɖe eme wu mía ŋutɔwo míaƒe agbagbadzedze ko. Yehowae wɔa akpa vevitɔ to amea hehe va eɖokui gbɔ me. (Yoh. 6:44) Mía kple ame bubu siwo le hamea me míewɔa mía tɔ si nua be míazã nufiafiaɖaŋu nyuiwo atsɔ akpe ɖe nusrɔ̃via ŋu wòawɔ ŋgɔyiyi. (Mixlẽ 2 Timoteo 2:15.) Eye ehiã be nusrɔ̃via ŋutɔ nawɔ ɖe nu si srɔ̃m wòle dzi. (Mat. 7:24-27) Ne eva dzɔ be ame aɖe dzudzɔ Biblia sɔsrɔ̃ la, ate ŋu ate ɖe mía dzi. Míaƒe didie nye be Biblia nusrɔ̃viwo nawɔ tiatia nyuitɔ, gake ame sia ame “abu akɔnta le ye ŋutɔ ɖokui ŋuti na Mawu.”—Rom. 14:12.

Viɖe Kawoe Dona Tso Eme?

19-21. (a) Vi kawoe Biblia nusɔsrɔ̃wo wɔwɔ ɖena na mí? (b) Alekee Yehowa bua ame siwo katã kpɔa gome le gbeƒãɖeɖedɔa me?

19 Biblia nusɔsrɔ̃wo wɔwɔ nana míeléa fɔ ɖe Fiaɖuƒea didi gbãgbiagbã ŋu. Enana hã be nyateƒe siwo le Mawu ƒe Nyaa me ƒoa ke ɖe to sesĩe ɖe míaƒe dzi kple susu me. Nu ka tae? Mɔɖela aɖe si ŋkɔe nye Barak ɖe nu me be: “Biblia sɔsrɔ̃ kple amewo ƒonɛ ɖe ame nu be wòanye Mawu ƒe Nya la srɔ̃la dovevienu. Mekpɔe be ele be mana nye ŋutɔ nye kaka ɖe nyateƒea dzi me nasẽ hafi mate ŋu afiae ame bubu nyuie.”

20 Ne Biblia nusrɔ̃vi aɖeke mele asiwò fifia o la, ɖe wòfia be asixɔxɔ aɖeke mele wò subɔsubɔdɔa ŋu le Mawu ŋkume oa? Gbeɖe! Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe míaƒe agbagbadzedze be míakafui ŋu ŋutɔ. Ame siwo katã kpɔa gome le gbeƒãɖeɖedɔa me la nye “Mawu ƒe hadɔwɔlawo.” Gake Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ nana míegakpɔa dzidzɔ geɖe wu ne míekpɔ ale si Mawu nana nyateƒea ƒe nuku siwo míeƒãna la tsinae. (1 Kor. 3:6, 9) Mɔɖela aɖe si ŋkɔe nye Amy gblɔ be: “Ne èkpɔ wò Biblia nusrɔ̃via wòle ŋgɔyiyi wɔm la, ado dzidzɔ na wò ale gbegbe nàda akpe na Yehowa be ena mɔnukpɔkpɔ ye yena nunana wɔnuku si nye Yehowa nyanya kple agbe mavɔ ƒe fetua xɔxɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ su ame sia si.”

21 Ne míewɔ míaƒe ŋutete ɖe sia ɖe be míadze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme ahayi edzi la, akpe ɖe mía ŋu be míalé fɔ ɖe Mawu subɔsubɔ ŋu fifia, eye ana míaƒe agbetsitsi yi ɖe xexe yeyea me ƒe mɔkpɔkpɔa me nasẽ ɖe edzi. Le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, míate ŋu akpe ɖe ame siwo ɖoa to mí la ŋu woakpɔ ɖeɖe. (Mixlẽ 1 Timoteo 4:16.) Dzidzɔ ka gbegbee nye esi wòanye!

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Kuxi kawoe ate ŋu ana Biblia nusrɔ̃vi manɔ ame aɖewo si o?

• Nu kawoe míate ŋu awɔ ne edze abe ame geɖe ɖea ɖekematsɔleme fiana le míaƒe anyigbamamaa me?

• Vi kawoe Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ ɖena na mí?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Ðe nèzãa gbeƒãɖeɖemɔnu bubuwo hã bene nàte ŋu ake ɖe dzi anukwaretɔwo ŋua?